Togo Chrétien

"L’amour de Dieu a été manifesté envers nous en ce que Dieu a envoyé son Fils unique dans le monde, afin que nous vivions par lui."

Bible Ewe

Philémon

PAULO ƑE AGBALẼ SI WÒŊLɔ NA FILEMON

Kpɔkplɔyiɖeme:

Filemon nye bubume kple hotsuitɔ aɖe si to Paulo dzi va zu
kristotɔ. Filemon ƒe kluvi aɖe si ŋkɔe nye Onesimo la si le
Filemon gbɔ yi Roma. Edo go Paulo le gaxɔ me le Roma eye
wòzu kristotɔ. Paulo ŋlɔ agbalẽ sia de Onesimo si be woatsɔe
ayi na Filemon ale be Filemon nagbugbɔ Onesimo axɔ abe eƒe
kluvi ene, atsɔ eƒe nu vɔ̃ akee eye woadze sii be ye nɔvie
wònye le Kristo me.

Emenyawo 1. Gbedoname kple akpedada, 1-7
2. Kukuɖeɖe ɖe Onesimo ta, 8-20
3. Gbedoname kple yayranyawo, 21-25

1 Agbalẽ sia tso Paulo, Kristo Yesu ƒe gatɔ, kple mía nɔviŋutsu Timoteo gbɔ,
na Filemon, mía xɔlɔ̃ lɔlɔ̃tɔ kple hadɔwɔla 2 kple Apfia, mía nɔvinyɔnu, na Arkipo,
mía nɔvi, Kristo ƒe asrafo kpakple hame si kpea ta le aƒewòme.
3 Amenuveve kple ŋutifafa tso Mawu mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la
woana mi.
Akpedada kple gbedodoɖa
4 Filemon lɔlɔ̃a, medaa akpe na Mawu ɣesiaɣi si mele gbe dom ɖa ɖe tawò 5
elabena mese nu tso wò lɔlɔ̃ kple xɔse si le Aƒetɔ Yesu me kpakple amekɔkɔeawo
katã ŋu.
6 Nye gbedodoɖae nye be nàtsɔ dzo ɖe wò xɔse la, mama ŋu, ale be nàse nu
nyui ɖe sia ɖe si le mía si le Kristo me la gɔme blibo. 7 Wò lɔlɔ̃ na dzidzɔ kple
dziɖeƒo gã aɖem elabena wò, nɔviŋutsu, tsɔ dzidzɔ de amekɔkɔeawo ƒe dziwo me.
Paulo ɖe kuku ɖe Onisimo ta
8 Eya ta, togbɔ be dzideƒo le asinye le Kristo me be mate ŋu azi dziwò be nàwɔ nu si
dze be nàwɔ hã la, 9 medi boŋ be maɖe kuku na wò le lɔlɔ̃ ta. Eya ŋuti nye Paulo,
amegã xoxo aɖe kple ame si va zu Kristo Yesu ƒe gatɔ 10 mele kuku ɖem na wò ɖe
vinye Onesimo ta, ame si trɔ zu vinye esi menɔ kɔsɔkɔsɔ me le afii. 11 Tsã la
ŋudɔwɔnu aɖeke menɔ eŋu na wò o, ke azɔ la etrɔ zu ŋudɔwɔnu na nye kpli wò siaa.
12 Mele etrɔm ɖo ɖe wò eye mele nye ŋutɔ nye dzi hã ɖom ɖa wò kplii.
13 Medi vevie be mana woanɔ gbɔnye le afii, le esime mele gaxɔ me le
nyanyui la gbɔgblɔ ta. Wò hã ato esia me ana kpekpeɖeŋum to edzi. 14 Ke nyemedi
be mawɔ nenema ne melɔ̃ ɖe edzi o. Nyemedi be nanyo dɔme nam to dzizizi me o,
ke boŋ be wò ŋutɔ nàdi be yeave nunye. 15 ɖewohῖ, anyo be nabu nya sia ŋu ale:
Onesimo si dzo le gbɔwò ɣeyiɣi kpui aɖe, ale be azɔ la, woazu tɔwo tegbee. 16
Onesimo maganye kluvi ɖeɖe ko azɔ o, ke boŋ azu nu si kɔ saa wu eye woanye nɔvi
lɔlɔ̃a, vevietɔ nam. Agazu ame vevi na wò ŋutɔ hã azɔ, elabena maganye subɔla ko
o, ke boŋ anye nɔviwò le Kristo me hã.
17 Ne menye xɔ̃wò le nyateƒe me la, ekema xɔ Onesimo kple dzaadoname si
tututu natsɔ axɔm nenye nyee gbɔna gbɔwò. 18 Ne ewɔ nu vevi aɖe wò alo wòfi wò
nane la, ekema kpɔ mɔ na teƒeɖoɖo tso gbɔnye. 19 Maɖo eteƒe na wò. Nye, Paulo,
meɖo kpe nya sia dzi na wò to nu sia ŋɔŋlɔ kple nye asi na wò me. Ke nyemakɔ nu
le fe si nenyi le asinye la dzi o! Nya lae nye be, wò luʋɔ la ŋutɔe nye fe si nenyi le
asinye! 20 Ẽ, nɔvi lɔlɔ̃a, na wò nu sia wɔwɔ nam kple lɔlɔ̃ nado dzidzɔ nam ekema
nye dzi gbɔdzɔ la akafu Aƒetɔ la.
21 Meŋlɔ agbalẽ sia na wò elabena meka ɖe edzi be awɔ nam wu ale si mebia
gɔ̃ hã!
22 Meɖe kuku be nadi amedzroxɔ aɖe da ɖi nam, elabena mele mɔ kpɔm be
Mawu ase miaƒe gbedodoɖa eye woana mava mia gbɔ kpuie.
Gbedonamewo kple nyuidinamewo
23 Epafra, ame si le gaxɔ me kplim le gbeƒaɖeɖe Kristo Yesu ta la, do gbe na mi. 24
Marko, Aristarko, ɖema kple Luka, nye hadɔwɔlawo hã do gbe na mi. 25 Míaƒe
Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe yayra nanɔ anyi kple miaƒe gbɔgbɔ la.

Laisser un commentaire

Votre adresse e-mail ne sera pas publiée. Les champs obligatoires sont indiqués avec *