Togo Chrétien

"L’amour de Dieu a été manifesté envers nous en ce que Dieu a envoyé son Fils unique dans le monde, afin que nous vivions par lui."

Bible Ewe

Hébreux

HEBRITɔWO ƑE AGBALẼ

Kpɔkplɔyiɖeme:

Womenya ame si tututue ŋlɔ agbalẽ sia na Hebritɔwo o, gake le
nu geɖewo ta la, amewo bu be Pauloe ŋlɔe. Nufiala aɖewo fia
kristotɔ siwo menye Yudatɔwo o la be, ele be woalé Yudatɔwo
ƒe kɔnyinyiwo kple vɔsa wowɔna le gbedoxɔ me le Yerusalem
la me ɖe asi sesῖe eye woade dzesi gbedoxɔ si le Yerusalem la
ƒe vevinyenye le Yudatɔwo ƒe subɔsubɔ me. Ke agbalẽ sia ŋlɔla
to agbalẽ sia me ƒo nu tso nu si tututu xɔse nye la ŋuti eye
wofia bena menye Yudatɔwo ƒe vɔsa kple kɔnyinyi mawoe nye
nu vevitɔ o, ke boŋ vɔsa vavãtɔ lae nye esi Yesu Kristo va wɔ
le atitsoga ŋu. Eya ta woalé xɔse vavãtɔ la me ɖe asi eye woaxɔ
Yesu Kristo, ame si ku ɖe wo ta la, dzi ase ɣesiaɣi.
Emenyawo 1. Yesu Kristo, Dɔla si ƒo dɔla bubuwo katã ta, 1:1-2:18.
2. Yesu Kristo, Apostolo si ƒo apostolo bubuwo katã ta,
3:1-4:13.
3. Yesu Kristo, Nunɔlagã si ƒo nunɔlagã bubuwo katã ta 4:14-
7:28.
4. Kristoe nye nubabla nyuitɔ la, 8:1-9:28.
5. Kristoe nye vɔsa nyuitɔ la, 10”1-39.
6. Xɔsee nye mɔ vavãtɔ, 11:1-12:29.
7. Taƒonyawo, 13:1-25.

Vi la kɔ wu mawudɔlawo
1 Le blema la Mawu ƒo nu na mia fofowo zi geɖe to mɔ vovovowo dzi to
nyagblɔɖilawo dzi. 2 Ke le ŋkeke mlɔetɔ siawo me la eƒo nu na mí to Via si wòtia be
wòanye domenyila la dzi, ame si dzi hã woto wɔ xexeame. 3 Vi la klẽna kple Mawu
ƒe ŋutikɔkɔe enye ame si ɖe Mawu ƒe nɔnɔme tututu fia eye wòna agbe nuwo katã to
eƒe ŋusẽnya la me. Esi wòklɔ nu vɔ̃wo ɖa vɔ la, enɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusi me le
dziƒo. 4 Ale wòkɔ sãa wu mawudɔlawo abe ale si ŋkɔ si wòtsɔ nyi domee la kɔ wu
wo tɔ sãe ene.
5 Elabena mawudɔlawo dometɔ kae Mawu gblɔ na kpɔ be, “Wòe nye vinye;
egbe mezu fofowò?” Alo wògagblɔ na ɖe be, “Manye fofoa eye eya hã anye vinye?”
6 Eye esi Mawu dɔ via ŋgɔgbea ɖe xexeame la, egblɔ be, “Ele be mawudɔlawo katã
nasubɔe.” 7 Mawu ƒo nu tso eƒe dɔlawo ŋuti be, “Ewɔ eƒe dɔlawo abe yaƒoƒowo ene
eye eƒe subɔlawo abe dzoƒeaɖewo ene.”
8 Ke egblɔ le via ya ŋuti be, “O, Mawu, wò fiazikpui anɔ anyi tegbetegbe eye
dzɔdzɔnyenye anye wò fiaɖuƒe ƒe tsiamiti.
9 Èlɔ̃ dzɔdzɔenyenye eye nèlé fu ŋutasesẽ eya ta Mawu, wò Mawu la, tsɔ wò
ɖo teƒe kɔkɔ wu nɔviwòwo katã to esia me be etsɔ dzidzɔ ƒe ami vevẽe la si na wò.”
10 Egagblɔ be, “O Aƒetɔ, le gɔmedzedzea me la eɖo xexeame ƒe gɔmeɖokpe
anyi, eye dzifowo hã nye wò asinudɔwɔwɔ.
11 Woatsrɔ̃ gake wòla anɔ anyi, wo katã woanyunyɔ abe awu ene.
12 “Àŋlɔ wo abe awuʋlaya ene eye àɖe wo ɖi abe awu si wodo la ene, ke wò
ya la, ànɔ nanema, màtrɔ o, eye wò ƒewo hã mawu enu akpɔ gbeɖe o.”
13 Mawudɔla kae Mawu gblɔ na kpɔ be, “Bɔbɔ nɔ anyi ɖe nye nuɖusime va
se ɖe esime mawɔ wò futɔwo woazu afɔɖodzinu na wò?”
14 Ekema nu kawoe mawudɔlawo nye? Wo katã nye gbɔgbɔ siwo subɔa
Mawu eye Mawu dɔa wo be woakpe ɖe ame siwo anyi ɖeɖekpɔkpɔ ƒe dome la ŋuti.

Nuxɔxlɔ̃ hena toɖoɖo
2 Esia ta ele na mi be miaɖo to nyateƒenya siwo katã miese la nyuie ne menye
nenema o la miate ɖa xaa tso nyateƒe la gbɔ. 2 Ne gbedeasi si mawudɔlawo gblɔ la
nye nyateƒe eye edzidalawo kple ame siwo meɖo toe o la xɔ tohehe si wodze na la, 3
ale ke míawo ya míawɔ asi le enu ne míegbe toɖoɖo ɖeɖenya gã sia? ɖeɖe sia si
Aƒetɔ la ŋutɔ ɖe gbeƒãe zi gbãtɔ la woɖo kpe edzi na mi to ame siwo ɖo toe la dzi. 4
Mawu ŋutɔ hã ɖo kpe woƒe ɖaseɖiɖi dzi to dzesiwo, nukunuwo kple nukudɔ
vovovowo dzi eye wòna Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe nunana amewo le ale si wòlɔ̃ nu.
Yesu nɔ ame ƒe nɔnɔme me
5 Mawu metsɔ mawudɔlawo ɖo dziɖulawoe na xexeme si ava va esi ŋuti míele nu
ƒom le o.
6 Ke ame aɖe gblɔ le Psalmowo ƒe agbalẽ me be,
“Nu kae nye amegbetɔ be nébua eŋuti eye nu kae nye amegbetɔvi be neléa be
nɛ?
7 Èwɔ wo wobɔbɔ ɖe anyi vie wu mawudɔlawo, ètsɔ ŋutikɔkɔe kple bubu ɖɔ
fiakuku nɛ 8 eye nètsɔ nu sia nu de eƒe afɔ te.”
Esi Mawu tsɔ nu sia nu de eƒe dzikpɔkpɔ te la, meɖe neneke le eme o. Gake
fifi laa la medze abe nu sia nu le eƒe dzikpɔkpɔ te ene o. 9 Míekpɔ Yesu, ame si
wowɔ wòɖiɖi vie wu mawudɔlawo, ke fifia la woɖɔ bubu kple ŋutikɔkɔe ƒe fiakuku
nɛ elabena ekpe fu yi ɖe ku me ale be to Mawu ƒe amenuveve me wòaxɔ ku ɖe ame
sia ame nu. 10 ɖe ko wòle eteƒe be, Mawu, ame si wɔ nuwo katã eye wòlé nuwo
katã ɖe te la nawɔ Yesu blibo to fukpekpe me be wòakplɔ viŋutsu geɖewo vɛ
woakpɔ gome le eƒe ŋutikɔkɔe me, elabena Yesue kplɔ wo yi ɖeɖe le gbɔe. 11 Ame
si wɔa amewo kɔkɔe kple ame siwo wowɔ kɔkɔe la katã nye ƒome ɖeka me wɔlawo.
Eya ta mekpe ŋu na Yesu be wòayɔ wo be ye nɔviwo o. 12 Egblɔ be,
“Maɖe gbeƒa wò ŋkɔ na nɔvinyewo, madzi wò kafukafuhawo le ameha la
ŋkume.”
13 Egagblɔ be,
“Maɖo dzi ɖe Mawu ŋu.”
Eye wogagblɔ be,
“Nye kple vi siwo Mawu nam la miele afii”.
14 Esi ɖeviawo nye ŋutilã kple ʋu ta la, eya hã kpɔ gome le woƒe amenyenye
me ale be to eƒe ku me wòatsrɔ̃ ame si si ku ƒe ŋusẽ le, ame si nye Satana, 15 eye
wòɖe ga ame siwo zu kluviwo to vɔvɔ̃ na ku me le woƒe agbemeŋkekewo katã me.
16 Le nyateƒe me la, menye mawudɔlawo ŋue wòkpe ɖo o, ke boŋ ekpe ɖe Abraham
ƒe dzidzimewiwo ŋu. 17 Le susu sia ta wòle be woawɔe wòanɔ abe nɔviawo ene le
go sia go me ale be wòava zu Osɔfogã, nublanuikpɔla kple nuteƒewɔla le Mawu ƒe
dɔ me, eye be woaxe fe ɖe amewo ƒe nu vɔ̃wo ta. 18 Esi wònye be eya ŋutɔ kpe fu
to tetekpɔ me ta la, ete ŋu kpe ɖe ame siwo tem kpɔ wole la ŋu.

Kristo nye gã wu Mose
3 Eya ta, nɔvinye kɔkɔewo, ame siwo kpɔ gome le dziƒo ƒe yɔyɔ la me, mida
miaƒe susuwo ɖe Yesu, Apostolo kple Osɔfogã, ame si me mieʋu la dzi. 2 Ewɔ
nuteƒe na Mawu, ame si tiae abe ale si Mose hã wɔ nuteƒe le nuwo katã me le Mawu
ƒe aƒeme la ene. 3 Abe ale si ame si tso aƒe nyui aɖe xɔa kafukafu wu aƒe si wòtso
ene la, nenema kee Yesu hã dze na bubu wu Mose. 4 Elabena aƒe ɖe sia ɖe la, ame
aɖee tsoe gake Mawue nye nu sia nu wɔla. 5 Mose nye dɔla nuteƒewɔla le nuwo katã
me le Mawu ƒe aƒeme, nu sia ɖi ɖase le nu si Mawu ava gblɔ emegbe la ŋuti. 6 Ke
Kristo nye viŋutsu nuteƒewɔla ɖe Mawu ƒe aƒe dzi eye miawoe nye Mawu aƒe la, ne
mielé dzideƒo kple mɔkpɔkpɔ si me míeƒoa adegbe le la me ɖe asi.
Nuxɔxlɔ̃ ɖe dzimaxɔse ŋuti
7 Eya ta abe ale si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔe ene be,
“Egbe ne mie se eƒe gbe la,
8 migasẽ miaƒe dziwo me abe ale si miewɔ le miaƒe aglãdzedze me, le ɣeyiɣi
si me mieto dodokpɔ me le gbedadaƒo la ene o.
9 Afi ma mia fofowo dom kpɔ eye wotem kpɔ le, eye wokpɔ nu si mewɔ ƒe
blaene. 10 Eya tae meɖo dziku ɖe dzidzime ma ŋu eye megblɔ be, ‘Woƒe dziwo tra
mɔ ɣesiaɣi eye womenya nye mɔwo o!’
11 Eya ta le nye dziku me la meka atam gblɔ be, womage ɖe nye dzudzɔ ƒe la
me gbeɖe o.’”
12 Nɔvinyewo, mikpɔ egbɔ be dzi si me nu vɔ̃ le kple dzi maxɔse si trɔna le
Mawu gbagbe la yome la, naganɔ mia dometɔ aɖeke si o. 13 Ke mide dzi ƒo na mia
nɔewo gbe sia gbe, zi ale si ɣeyiɣi li, ale be mía dometɔ aɖeke ƒe dzi maku atri to
nu vɔ̃ ƒe beble me o. 14 ɖe míeva be míakpɔ gome le Kristo me, nenye be míelé
dzideƒo si le mía si le gɔmedzedzea me la me ɖe asi sesῖe ko. 15 Abe ale si
mawunya gblɔe do ŋgɔ fifia ene be, “Egbe ne miese eƒe gbe la migasẽ miaƒe dziwo
me abe ale si miewɔ le miaƒe aglãdzedze me ene la o.”
16 Ame kawoe nye ame siwo se nya la eye wodze aglã? ɖe menye woawoe
nye ame siwo katã Mose kplɔ do goe tso Egipte lae oa? 17 Eye ame kawo ŋue wòdo
dziku ɖo hena ƒe blaene sɔŋ? ɖe menye ame siwo wɔ nu vɔ̃ eye woƒe ŋutilãkukuwo
tsi gbea dzi lae oa? 18 Eye ame kawoe Mawu ka atam na be womage ɖe yeƒe dzudzɔ
la me gbeɖe o ne menye ame siwo sẽ to lae oa? 19 Ale míekpɔe kɔtɛe be womete ŋu
age ɖe dzudzɔ la me o le woƒe dzimaxɔse ta.

Dzudzɔ si ŋugbe wodo na Mawu ƒe amewo
4 Eya ta esi eƒe dzudzɔmeyiyi ƒe ŋugbedodo gali na mi ta la, mina míakpɔ
nyuie be metsi mia dometɔ aɖeke ŋuti o. 2 Elabena wogblɔ nyanyui la na mi abe
alesi ke wogblɔe na woawo hã ene. Gake nya si wose la, meɖe vi na wo o elabena
ame siwo see la mexɔe se o. 3 Azɔ, mí ame siwo xɔe se la ge ɖe dzudzɔ ma me abe
ale si Mawu ŋutɔ gblɔe ene be,
“Eya ta meka atam le nye dziku me be, womage ɖe nye dzudzɔƒe la me akpɔ
o.” Ke hã la ewu eƒe dɔ la nu tso xexeame ƒe gɔmedzedzea me ke. 4 Elabena eƒo nu
tso ŋkeke adrea gbe ŋu le teƒe aɖe gblɔ be, “Eye le ŋkeke adrelia dzi la Mawu
dzudzɔ eɖokui tso eƒe dɔwɔnawo katã me.” 5 Le nya sia ke me la egagblɔ be
“Womage ɖe nye dzudzɔƒe la me gbeɖe o.” 6 Edze ƒã be ame aɖewo age ɖe dzudzɔ
ma me godoo, gake ame siwo wo gblɔ nyanyui la na do ŋgɔ la mete ŋu geɖe eme o
le woƒe tosesẽ ta. 7 Eya ta Mawu gaɖo ŋkeke bubu anyi si wòyɔ be “Egbe.” Ewɔ
esia ɣeyiɣi geɖee megbe esi woƒo nu na David abe ale si míegblɔe va yi ene be,
“Egbe ne miese eƒe gbe la, migasẽ miaƒe dziwo me o.”
8 Elabena nenye ɖe Yosua kplɔ wo yi dzudzɔ la mee la, anye ne Mawu
magaƒo nu tso ŋkeke bubu aɖeke ŋu emegbe o. 9 Ekema dzudzɔ si woyɔna be Sabat
dzudzɔ la li godoo na Mawu ƒe amewo. 10 Ame sia ame si ge ɖe Mawu ƒe dzudzɔ la,
me la dzudzɔna tso eya ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔwo me, abe ale si Mawu hã dzudzɔe ene. 11
Eya ta mina be míadze agbagba ɖe sia ɖe be míage ɖe dzudzɔ ma, me eye be ame
aɖeke magatsi mɔta to tomaɖomaɖo me abe ŋgɔdoawo ene.
12 Elabena Mawu ƒe nya la le agbe le dɔ wɔm. Eɖana wu hɛ nuevee ɖe sia
ɖe, eƒona ɖe ame yina ɖe eme ke, hemaa luvɔ kple gbɔgbɔ me, maa ƒunukpeƒewo
kple ƒutomemiwo dome, eye wòdrɔ̃a ʋɔnu tamesusuwo kple dzimedidiwo. 13
Neneke mele nuwɔwɔ blibo la me si le ɣaɣla ɖe Mawu o. Woklo nu le nu sia nu dzi
eye wòle ƒeƒle le Mawu, ame si míava na akɔntae la ƒe ŋkume.
Yesu, míaƒe Osɔƒogã si ƒo anyigbadzitɔwo katã ta
14 Eya ta esi Osɔfogã, Mawu Vi Yesu, le mía, si, ame si yi dziƒo ta la, mina míalé
xɔse si me míeʋu la me ɖe asi sesῖe. 15 Elabena menye Osɔfogã si mate ŋu ase veve
kpli mí le míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo me lae le mía si o, ke boŋ Osɔfogã si le mía si la,
wotee kpɔ le mɔ sia mɔ nu abe míawo ke ene, ɖe koe nu vɔ̃ mele eya ŋu o. 16 Eya ta
mi na míate va Mawu ƒe amenuveve fiazikpui la gbɔ kple dzideƒo, be wòakpɔ
nublanui na mí eye wòave mía nu akpe ɖe mía ŋu le le míaƒe xaxaɣiwo.

5 Wotiaa Osɔfogã ɖe sia ɖe tso amegbetɔwo dome eye wodea dɔ asi nɛ be
wòanɔ ŋgɔ na yewo le mawusubɔsubɔ ƒe nyawo me eye wòatsɔ nunanawo kple nu vɔ̃
ŋuti vɔsawo aɖo Mawu ŋkume. 2 Osɔfogã sia tea ŋu gbɔa dzi ɖi na numanyala siwo
le mɔ tram la esi eya ŋutɔ hã nye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔ le mɔ geɖewo nu. 3 Esia tae wò le
be wòasa vɔ ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ kple ame bubuwo ƒe nu vɔ wo ta.
Ame aɖeke metsɔa bubu sia dea eɖokui ŋuti o; ele be Mawu nayɔe abe ale si
wòyɔ Arɔn ene. 5 Eya ta Kristo hã metsɔ Osɔfogã ƒe ŋutikɔkɔe da ɖe eɖokui dzi o ke
boŋ Mawu gblɔ nɛ be, “Wòe nye vinyeŋutsu, egbe mezu Fofowò.”
6 Egagblɔ le teƒe bubu be,
“Enye Osɔfo tegbetegbe eye wò ɖoƒe sɔ kple Melkizedek tɔ”.
7 Esi Yesu nɔ agbe le anyigba dzi la, ewɔ gbedodoɖawo kple kukuɖeɖewo
kple ɣli kpakple aɖatsi na eya ame si si ŋusẽ le be wòaɖee tso ku me eye wòɖo toe le
eƒe bubu kple ɖokuibɔbɔ ta. 8 Togbɔ be eyae nye Mawu vi hã la, esrɔ̃ ɖokuibɔbɔ le
fukpekpe siwo me wòto la, 9 eye esi wowɔe blibo la, eva zu ɖeɖe mavɔ kpɔtsoƒe na
ame siwo katã ɖoa toe. 10 Eye Mawu ɖoe be wòanye Osɔfogã abe Melkizedek ene.
Nuxɔxlɔ̃ ɖe megbedede ŋuti
11 Nya geɖewo li si wò le be míagblɔ le nu sia ŋu, gake esi mietea ŋu sea nu gɔme
kabakaba o ta la esesẽ na be míaɖe nya siawo me na mi. 12 Le nyateƒe me la, togbɔ
be fifia ele be mianye nufialawo hã la, miegahiã ame aɖe kokoko be wòagagbugbɔ
afia mi gɔmedzenuwo tso Mawu ƒe nya ƒe nyateƒewo ŋu. Miehiã notsi, ke menye
nuɖuɖu sesẽ o! 13 Ame sia ame si ganoa notsi esi wònye ɖevi ko ta la, mate ŋu ase
nufiafia tso dzɔdzɔenyenye ŋuti gɔme o. 14 Ke nuɖuɖu sesẽ nye ame tsitsiwo tɔ, ame
siwo to eŋudɔwɔwɔ atradi me he wo ɖokuiwo be woate ŋu ade vovo nyui kple vɔ̃
dome.
6 Eya ta mina míaɖe asi le gɔmedzenuwo fiafia tso Kristo ŋuti ŋu eye míaɖe zɔ
ayi ɖe tsitsi ɖe edzi me. Migana míagbugbɔ gɔmeɖokpe aɖo na dzimetɔtrɔ tso nu
siwo kplɔa ame yia kume la o, kple agbugbɔ gɔmeɖokpe agaɖo na xɔse le Mawu me,
2 nufiafia tso mawutsideta ŋu, asidada ɖe ame dzi, ame kukuwo ƒe tsitretsitsi kple
ʋɔnudɔdrɔ̃ mavɔ ŋuti o. 3 Esia míawɔ ne Mawu lɔ̃.
4 Ke ame siwo dze anyi la, ale ke woawɔ agbugbɔ wo va dzimetɔtrɔ me?
Wonye ame siwo nɔ Mawu ƒe kekeli me kpɔ. Woɖɔ dziƒo ƒe nunana kpɔ eye wokpɔ
gome hã le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me, 5 ame siawo ɖɔ Mawu ƒe nya la ƒe nyonyo kple
ŋusẽ siwo le dzidzime si gbɔna la me hã kpɔ. 6 Ke wode megbe! Be woagbugbɔ wo
ava dzimetɔtrɔ mee la nye nu sesẽ elabena to woƒe megbedede me, wogbugbɔ Mawu
ƒe Vi la gale kaklãm ɖe ati ŋuti, eye wole ŋukpe domii le gaglãgbe.
7 Anyigba si noa tsi si dzana ɖe edzi zi geɖe eye wòwɔa nuku nyuie na
agbledela siwo ŋlɔa anyigba la, xɔa yayra tso Mawu gbɔ. 8 Ke ne anyigba la mie
ŋuwo kple aŋɔkawo la, meganyo na naneke o eye ŋɔdzi li be ele fiƒode te. Mlɔeba la,
woatɔ dzoe.
9 Nɔvi lɔlɔ̃awo togbɔ be míele nu ƒom alea hã la, kaka ɖedzi le mía si be nya
siawo meku ɖe mia ŋu o. Ke boŋ miaƒe ɖeɖekpɔkpɔ le ku nyuiwo tsem le miaƒe agbe
me. 10 Mawu menye nuteƒemawɔla o, eya ta maŋlɔ dɔ nyui si míewɔ nɛ kple lɔlɔ̃ si
míeɖe fiae be míekpe ɖe eƒe amewo ŋu eye míegale nu siawo wɔm fifia la, be gbeɖe
o. 11 Enye míaƒe didi be mia dometɔ ɖe sia ɖe na lé nu siawo wɔwɔ me ɖe asi va se
ɖe nuwuwu kple ŋkubia ale be miaƒe mɔkpɔkpɔ na de blibo. 12 Míedi be ame aɖeke
nazu kuviatɔ o ke boŋ ame sia ame nasrɔ̃ ame siwo to xɔse kple dzigbɔɖi me nyi nu
si ŋugbe wodo na wo la ƒe dome ƒe kpɔɖeŋu.
13 Esi Mawu do ŋugbe na Abraham eye ame aɖeke meli lolo wui wòayɔ aka
atam o ta la, eta eya ŋutɔ ɖokui, 14 hegblɔ bena, “mayra wò godoo eye mana
dzidzimevi geɖewo wò.” 15 Ale, esime Abraham gbɔ dzi ɖi blewuu la, ŋugbedodo
sia va eme nɛ pepepe.
16 Ne ame aɖe be yea ka atam la, eyɔa ame bubu si ƒe ŋkɔ kple ŋusẽ kɔ wu
eya ŋutɔ tɔ la ka atam lae heɖoa kpe nya si wògblɔ la dzi eye wòtsia nyaʋiʋli ɖe sia
ɖe nu. 17 Esi wònye be Mawu di be yeana eme nakɔ nyuie na ŋugbedodo ƒe
domenyilawo be nu si ƒe ŋugbe yedo matrɔ o ta la, eka atam tsɔ ɖo kpe eƒe
ŋugbedodo la dzi. 18 Mawu wɔ esia ale be, to nu eve siwo metrɔna o, esiwo me
Mawu mate ŋu aka aʋatso le gbeɖe o la dzi, mí ame siwo si yi ɖaku ɖe mɔkpɔkpɔ si
wona mí la ŋu la nakpɔ dziɖeƒo gã aɖe. 19 Mɔkpɔkpɔ sia le mia si abe luʋɔ ƒe seke
sesẽ si maʋa akpɔ o la ene. Ete ŋu gena ɖe Kɔkɔe ƒe le xɔmetsovɔ la godo 20 afi si
Yesu ame si do ŋgɔ na mí la ge ɖo ɖe mía nu. Eya va zu Osɔfogã abe Melkizedek
ene tegbee.

Osɔƒogã Melkizedek
7 Melkizedek sia enye Salem fia kple Osɔfogã na Mawu, dziƒoʋῖtɔ la. Esi
Abraham trɔ tso aʋagbedzi, afi si wòɖu fia geɖewo dzi le, gbɔna la, Melkizedek va
kpee eye wòyrae. 2 Le esia megbe la, Abraham ma nu siwo katã wotsɔ tso aʋagbedzi
gbɔe la ɖe akpa ewo me eye wòtsɔ akpa ɖeka na Melkizedek.
Melkizedek ƒe ŋkɔa gɔmee nye “Dzɔdzɔenyenye, ƒe fia. Eye eya kee nye
Ŋutifafa Fia, elabena du si me wònye fia lee nye Salem si gɔmee nye “Ŋutifafa.” 3
Fofo kple dada mele Melkizedek si o, eye nuŋlɔɖi aɖeke meli tso tɔgbuiawo ŋuti o.
Dzigbe alo kugbe meli nɛ o ale eƒe agbe ɖe ko wòle abe Mawu Vi la tɔ ene, ame si
nye Osɔfo tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.
4 Mibu ale si wònye gãe la ŋuti kpɔ. Abraham, xɔsetɔwo fofo, gɔ̃ hã tsɔ eƒe
afunyinuwo ƒe ewolia nɛ! 5 Azɔ la, se la bia tso Levi viwo ame siwo nye Osɔfowo la
si be woaxɔ nu ewolia le woƒe dukɔmeviwo si, ame siwo nye wo nɔviwo, togbɔ be
wo nɔviawo nye Abraham ƒe dzidzimeviwo hã. 6 Ke ŋutsu sia, Melkizedek, menye
Levi ƒe dzidzimevi o, ke hã la, exɔ nu ewolia le Abraham si eye wòyra eya ame si xɔ
Mawu ƒe ŋugbedodoawo 7 abe ale si ame sia ame nya ene la, zi geɖe la ame si naa
yayra la kɔna wua ame si yram wòle. 8 Ame siwo nye Osɔfowo esi woxɔ nu ewolia
la nye amegbetɔwo, ŋutilã kple ʋu, si kuna. Ke hena Melkizedek ya la, wogblɔ le
eŋuti be egale agbe. 9 Míate ŋu agblɔ le Levi, ame si xɔ nu ewolia ŋuti gɔ̃ hã be exe
nu ewolia to Abraham dzi, 10 elabena esi Melkizedek do go Abraham la, Levi nɔ
tɔgbuia, Abraham, ƒe alime.

Yesu le abe Melkizedek ene
11 Elabena to Levi viwo ƒe Osɔfodɔwɔwɔ dzi, wona Se la Israelviwo. Azɔ la, nenye
be Leviviwo ƒe Osɔfodɔwɔwɔ ɖe wòde blibo la, magahiã be woatsɔ Osɔfo bubu vɛ o,
ame si nye Osɔfo le Melkizedek ƒe ɖoɖo nu, ke menye le Arɔn ƒe ɖoɖo nu o. 12
Elabena ne tɔtrɔ va Osɔfoɖuɖu ŋuti la, ele be tɔtrɔ nava Se la hã me. 13 Eya ame si
ŋu wogblɔ nu siawo katã le la tso to bubu me eye ame aɖeke metso to ma me kpɔ
subɔ abe Osɔfo ene le vɔsamlekpui la ŋgɔ o, 14 elabena eme kɔ ƒãa be míaƒe Aƒetɔ la
dzɔ tso Yuda ƒe to la me, eye ku ɖe to ma ŋuti la, Mose megblɔ nya aɖeke ku ɖe
woƒe Osɔfoɖuɖu ŋuti o. 15 Eye nu si míegblɔ la, me agakɔ ɖe edzi wu ne Osɔfo
bubu abe Melkizedek ene va ɖo, 16 ame si va zu Osɔfo, menye to ɖoɖo si wowɔ ɖa
ɖi, ku ɖe eƒe dzɔtsoƒe ŋuti o, ke boŋ ku ɖe ŋusẽ si le agbe si mekuna o la dzi. 17
Psalmoŋlɔla ɖe nu sia fia mi kɔtɛ esi wògblɔ tso Kristo ŋuti bena, “Wòe nye Osɔfo
le Melkizedek ƒe ɖoƒe nu tso mavɔ me yi mavɔ me.”
18 Wotsɔ ɖoɖo gbãtɔ si wowɔ la da ɖe aga elabena egbɔdzɔ eye menyo na
naneke o, 19 elabena Mose ƒe Se la mate ŋu awɔ naneke wòade blibo o, eye azɔ la,
wohe mɔkpɔkpɔ yeye vɛ to esi dzi míate ŋu ate ɖe Mawu ŋu kpokploe.
20 Mawu ƒe atamkaka kpe ɖe esiawo katã ŋu, ke ame bubuwo ya ɖua Osɔfo
atamkakamanɔmee, 21 ke Yesu ya ɖu Osɔfo to Mawu ƒe atamkaka me, elabena
Mawu gblɔ nɛ bena, “Aƒetɔ la ka atam eye matrɔ eƒe susu o, ‘Wò la, Osɔfoe nènye
tegbetegbe.’” 22 Le atamkaka sia ta la, Yesu va zu nubabla si nyo wu sãa la ƒe
kpeɖodzinu.
23 Vovototo bubu si le Osɔfo mawo kple Yesu domee nye be Osɔfo mawo sɔ
gbɔ elabena woku eye womagate ŋu ayi woƒe dɔ dzi o 24 gake Yesu ya le agbe
tegbetegbe. Seɖoƒe meli na eya ƒe Osɔfodɔ o. 25 Eya ta ŋusẽ le esi be wòaɖe ame
siwo va Mawu gbɔ to eya amea dzi la blibo, elabena ele agbe tegbee le nya xɔm ɖe
akɔ na wo.
26 Ekema Yesue nye Osɔfogã ma si kpɔa míaƒe hiahiãwo gbɔ, ame si le
kɔkɔe, kpɔtsɔtsɔ mele eŋu o, ame si le dzadzɛ, ame si woɖe ɖe aga tso nu vɔ̃ wɔlawo
gbɔ eye wokɔe ɖe dzi gbɔ dziƒowo ŋui. 27 Mele abe Osɔfogã bubuwo ene o elabena
mehiã be wòasa vɔ gbe sia gbe, gbã ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃wo ta, eye evelia, ɖe ame
bubuwo tɔ ta o. Esa vɔ ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta zi ɖeka hena ɣeyiɣiawo katã, esi wòtsɔ
eɖokui hena. 28 Elabena Mose ƒe Se la tɔ asi ame siwo nye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo la dzi
be woanye Osɔfogãwo, ke Mawu ƒe atamkaka si va ɖe Sea yome la tɔ asi Via dzi,
ame si wòwɔ wòde blibo tegbetegbe.
Nubabla yeye la ƒe Osɔfogã
8 Nya siwo katã míegblɔ na mi la ƒe taƒonyae nye esi: bena Osɔfogã vavã le
mía si. Azɔ la ele dziƒo eye wònɔ anyi ɖe bubuteƒe gãtɔ kekeake, 2 eyae subɔna le
gbedoxɔ vavãtɔ si le dziƒo la me. Gbedoxɔ sia menye esi amegbetɔ tsɔ eƒe asi tui o,
ke boŋ Aƒetɔ la ŋutɔe tui.
3 Esi wònye Osɔfogã ɖe sia ɖe ƒe dɔ be woasa vɔ eye wòana nuwo la, ele na
Kristo hã be woana nane. 4 Nenye ɖe wòle anyigba dzi la, maɖu Osɔfo o elabena
Osɔfowo li xoxo, ame siwo tsɔa nunanawo nana le Yudatɔwo ƒe se la nu. 5 Osɔfo
siawo subɔna le Kɔkɔeƒe la, si nye esi le dziƒo la ƒe vɔvɔlῖ. Esia tae, esi Mose be
yeatu Agbadɔ le gbea dzi la, Mawu xlɔ̃ nui be, “Kpɔ egbɔ be nàwɔ nu sia nu ɖe
ɖoɖo si woɖe fia wò le toa dzi la nu.” 6 Ke Osɔfodɔ si wode asi na Yesu la, kɔ sãa
wu wo tɔ eye abe ale si nubabla si ƒe avuléla wònye la kɔ wu xoxotɔ sãa ene la,
nenema kee woɖoe anyi ɖe ŋugbedodo siwo nyo wu tsãtɔwo la dzi.
7 Elabena nenye ɖe naneke megblẽ le nubabla gbɔ̃tɔ ŋu o la, anye ne
wometsɔ nubabla bubu ɖɔ lii o. 8 Ke Mawu ŋutɔ kpɔ vodada le eƒe dukɔ la ŋu eye
wògblɔ bena, “Aƒetɔ la be, ŋkekewo li gbɔna esi dzi mabla nu yeye kple Israel
kpakple Yuda ƒe aƒewo. 9 Manɔ abe nu si mebla kple wo fofowo esi melé woƒe
alɔnu, kplɔ wo do goe le Egipte la ene o, elabena womewɔ nuteƒe le nu si mebla kpli
wo la me o, eya ta nye hã metrɔ megbe de wo. Aƒetɔ lae gblɔe. 10 Azɔ la esiae nye
nu si mabla kple Israel ƒe aƒe la, le ŋkeke siwo gbɔna la me. Aƒetɔ lae gblɔe. Matsɔ
nye sewo ade woƒe susuwo me eye maŋlɔ wo ɖe woƒe dziwo ŋu. Manye woƒe Mawu
eye woawo hã woanye nye dukɔ. 11 Ame aɖeke magafia nu ehavia alo afia nu
nɔviaŋutsu agblɔ be, ‘Dze si Aƒetɔ la’ o, elabena wo katã woanyam tso ɖeviwo dzi
va se ɖe tsitsiawo dzi. 12 Matsɔ woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo ake wo eye nyemagaɖo ŋku
woƒe nu vɔ̃wo dzi o.”
13 Ke esi Mawu yɔ nubabla sia be “Yeye” la, ewɔ gbãtɔ wòdo xoxo eye nu
si tsi, do xoxo la, nu ava yi kpuie.
Subɔsubɔ le anyigbadzigbadɔ la me
9 Azɔ la, nubabla gbãtɔ ɖo ɖoɖowo anyi na subɔsubɔ eye wotu anyigbadzi
Kɔkɔeƒe hã. 2 Wotu Agbadɔ; le Agbadɔ la ƒe xɔ gbãtɔ me la, akaɖiti, kplɔ̃ kple
ŋkumeɖobolo nɔ anyi eye woyɔ teƒe sia be Kɔkɔeƒe. 3 Wotsɔ xɔmetsovɔ tso xɔ sia
mee eye woyɔa teƒe si le xɔmetsovɔa megbe la be, Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe. 4 Nu
siwo le xɔ sia mee nye Sikavɔsamlekpui kple aɖaka si woyɔna be Nubablaɖaka,
wofa sika ɖe aɖaka sia ŋuti kpe ɖo. Le aɖaka sia me la, míakpɔ kpe eve siwo dzi
woŋlɔ se ewoawo ɖo, eye sikakplu si me mana le la hã le aɖaka la me hekpe ɖe Arɔn
ƒe atikplɔ si ƒo se la ŋuti. 5 Ŋutikɔkɔkɔe ƒe Kerubiwo nɔ Nubablaɖaka la tame eye
wokeke woƒe aʋalawo ɖe teƒe si wotsɔa nu vɔ̃ kena le. Ke míate ŋu adzro nya siawo
me ayi edzi fifia o. 6 Ne nu sia nu sɔ gbe vɔ la, Osɔfowo gena ɖe xɔ ŋgɔgbetɔ me
ɖaa edzedzi eye wowɔa mawusubɔsubɔdɔ. 7 Ke Osɔfogã ɖeka koe gena ɖe xɔ emetɔ
me eye wòwɔa esia zi ɖeka ko le ƒe ɖeka me. Ne eyina la, megbea ʋutsɔtsɔ ɖe asi o,
ʋu si wòtsɔna saa vɔe, ɖe eya ŋutɔ kple dukɔ la ƒe nu vɔ̃ siwo wowɔ le manyamanya
me la ta. 8 Gbɔgbɔ Kɔkɔe ɖee fia to esia dzi be womeklo nu le mɔ si yi Kɔkɔeƒe ƒe
Kɔkɔeƒe la dzi haɖe o, zi ale si Agbadɔ gbãtɔ la gale te nu ko. 9 Esiae nye nufiafia
tso fifia ƒe ɣeyiɣiwo ŋuti esi le asi tɔm edzi be nunana kple vɔsa siwo wowɔna na
Mawu la, mate ŋu aɖe vɔ̃ ɖa le ame si le subɔsubɔ wɔm la ƒe susu me o. 10 Wonye
nuɖuɖu, nunono kple ŋutikɔklɔ ƒe kɔnu vovovowo ko ƒe nya, esiwo nyegotadzesiwo
ƒe ɖoɖowo, esiwo nɔ anyi va se ɖe esime ɖoɖo yeyea va.
Kristo ƒe ʋu
11 Esi kristo va abe nu nyui siwo li xoxo ƒe Osɔfogã ene la, eto gbedoxɔ si lolo hede
blibo wu la me, gbedoxɔ si wometsɔ asi tui o alo miagblɔ be menye nuwɔwɔ la ƒe
akpa aɖe o. 12 Mege ɖe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la me to gbɔ̃wo kple nyiviwo ƒe ʋu
me o, ke boŋ ege ɖe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la me zi ɖeka hɔ̃ hena ɣeyiɣiwo katã to
eya ŋutɔ ƒe ʋu me, esia me wòto xɔ ɖeɖe mavɔ na mí. 13 Nenye be gbɔ̃wo kple
nyitsuwo ƒe ʋu kpakple nyiviwo ƒe afi si wohlẽ ɖe ame siwo ŋuti mekɔ o la ŋu wɔnɛ
be woƒe ŋuti kɔna le gotagome la, 14 ekema geɖe wu Kristo, ame si to Gbɔgbɔ mavɔ
16
la me tsɔ eɖokui na Mawu fɔɖiɖimanɔmee la, ƒe ʋu aklɔ míaƒe dzitsinyawo ŋuti tso
nu siwo hea ku vɛ la me, ale be míate ŋu asubɔ Mawu gbagbe la.
15 Le susu sia tae Kristo nye nubabla yeye la ƒe avuléla be ame siwo woyɔ la
naxɔ domenyinyi mavɔ la ƒe ŋugbedodo. Azɔ la eku be wòazu fe xexeɖeta aɖe ame
siwo wɔ nu vɔ̃ le nubabla xoxoa te.
16 Afi si woŋlɔ domenyigbalẽ da ɖi le la, ehῖa be ame si ŋlɔ agbalẽ sia naku
hafi, 17 elabena wowɔa domenyigbalẽa me nyawo ŋuti dɔ ne ame si ŋlɔe da ɖi la
megava li o. Womewɔa domenyigbalẽ me nyawo ŋuti dɔ ne ame si ŋlɔ agbalẽa la le
agbe o. 18 Esia tae womewɔ nubabla gbãtɔ me nyawo dzi ʋu manɔmee o. 19 Esi
Mose ɖe gbeƒã se ɖe sia ɖe si le segbalẽa me na dukɔ la la, etsɔ nyiviwo ƒe ʋu, tsi,
ɖetifufu dzẽ kple ƒumekutsa eye wòtsɔe hlẽ ʋu ɖe se gbalẽ kple dukɔ haho la ŋuti. 20
Tete wògblɔ bena, “Esia nye nubabla la ƒe ʋu, nubabla si Mawu de se na mi be
mialé ɖe asi.” 21 Nenema ke wòhlẽ ʋu ɖe agbadɔ la kple nu siwo katã ŋuti dɔ
wowɔna le subɔsubɔ me la ŋuti. 22 Le nyateƒe me se la bia be woakɔ nu sia nu kloe
ŋuti kple ʋu, eye newomekɔ ʋu ɖi o la nu vɔ̃ tsɔtsɔke manɔ anyi o.
23 Eya ta ehῖa kokoko be woakɔ nu siwo nye dziƒonuwo ƒe vɔvɔli ŋuti kple
vɔsa siawo, gake woakɔ dziƒonuawo ŋutɔ ŋu kple vɔsa siwo de ŋgɔ wu esiawo. 24
Elabena Kristo meyi ɖe Kɔkɔeƒe si wowɔ kple asi la me esi nye dziƒotɔ ƒe vɔvɔli la
me o, ke boŋ eyi ɖe dziƒotɔ la ŋutɔ me afi si wodo ɖe Mawu ŋku me le azɔ ɖe mía
teƒe 25 Nenema ke meyi ɖe dziƒo be wòatsɔ eɖokui ana zi geɖe abe ale si Osɔfogã la
gena ɖe Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la ƒe sia ƒe kple ʋu si menye eya ŋutɔ tɔ o la ene o. 26
Ne ele alea la ele na Kristo be wòatsɔ eɖokui ana fukpekpe zi geɖe tso esi me ke
woɖo xexea me gɔme anyi, gake azɔ la eva zi ɖeka hena ɣeyiɣiwo katã le ɣeyiɣi
17
siawo ƒe nuwuwu be wòaɖe nu vɔ̃ ɖa to eɖokui tsɔtsɔ savɔe me. 27 Abe ale si woɖoe
na ame be wòaku zi ɖeka eye le esia megbe wòadze ŋgɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ ene la, 28
nenema ke wotsɔ Kristo hã savɔe zi ɖeka be wòaɖe ame geɖewo ƒe nu vɔ̃ ɖa eye
agava zi evelia menye be wòagava ɖe nu vɔ̃ ɖa o ke boŋ be wòahe ɖeɖe vɛ na ame
siwo katã le elalam.
Kristo ƒe vɔsa ɖeka la hena ɣeyiɣiwo katã
10 Se la nye nu nyui siwo gbɔna la ƒe vɔvɔli ko eye menye nua ŋutɔwo o. Le
susu sia ta la, vɔsa siwo wowɔna agbadre ƒe sia ƒe la, mate ŋu awɔ ame siwo va
subɔnɛ la blibo gbeɖe o. 2 Ne ɖe vɔsa mawo te ŋu wɔ wo blibo la, ne womedzudzɔ
vɔsasa oa? Elabena, anye ne vɔsa la kɔ ame siwo sanɛ la ŋuti zi ɖeka hena ɣeyiɣiawo
katã eye woƒe dzitsinyawo magabu fɔ wo le woƒe nu vɔ̃wo ta o. 3 Ke vɔsa mawo
ɖoa ŋku nu vɔ̃ dzi na ameawo ƒe sia ƒe, 4 elabena mele bɔbɔe be nyitsuwo kple
gbɔ̃wo ƒe ʋu naɖe nu vɔ̃ ɖa o.
5 Eya ta esi Kristo va xexeame la egblɔ bena.
“Mèdi vɔsa kple numemewo o, ke boŋ ŋutilã si nèdzra ɖo ɖi nam;
6 eye numevɔsa kple nu vɔ̃ vɔsawo hã medzea ŋuwò o.
7 Tete megblɔ be, ‘Nyee nye esi, woŋlɔ nu tso ŋutinye le lagbalẽgbalẽ me be,
O Mawu, meva be mawɔ wò lɔlɔ̃nu.’”
8 Gbã la egblɔ be, “Vɔsawo, numemewo kple numevɔsawo kpakple nu vɔ̃
vɔsawo la medi wo o eye womedzea ŋuwò hã o.” Togbɔ be se la bia be woawɔ wo
hã. 9 Tete wògblɔ bena, “Nyee nye esi, meva be mawɔ wò lɔlɔ̃nu.” Ale wòɖe se
18
gbãtɔ la ɖa be wòaɖo evelia anyi. 10 Eye to Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me wowɔ mí
kɔkɔe to Yesu Kristo ƒe ŋutilã si wòtsɔ sa vɔe hena ɣeyiɣiwo katã la me.
11 Osɔfo la wɔa eƒe vɔsasadɔwo gbe sia gbe eye nenema ke wòwɔ vɔsa
mawo ke edzi edzi, vɔsa siwo mate ŋu aɖe nu vɔ̃ ɖa akpɔ gbeɖe o. 12 Ke esi Osɔfo
sia ya sa vɔ ɖe nu vɔ̃wo ta zi ɖeka hena ɣeyiɣiawo katã la eyi ɖanɔ Mawu ƒe nuɖusi
me. 13 Tso ɣemaɣi la ele lalam be woatsɔ eƒe futɔwo awɔ eƒe afɔɖodzinui. 14
Elabena to vɔsa ɖeka si wòwɔ me la ewɔ ame siwo ŋuti kɔm wòle la blibo tegbegbe
le Mawu ƒe ŋkume.
15 Gbɔgbɔ Kɔkɔe hã ɖi ɖase tso esia ŋuti; gbã la egblɔ bena, 16 “Esia nye nu
si mabla kpli wo le ɣeyiɣi ma megbe, Yehowae gblɔe. Matsɔ nye sewo ade woƒe
dziwo me eye maŋlɔ wo ɖe woƒe susuwo me.” 17 Egagblɔ kpe ɖe eŋu be,
“Nyemagaɖo ŋku woƒe nu vɔ̃wo kple nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo dzi azɔ o.” 18 Eye afi si
wotsɔ nu siawo ke le la vɔsasa ɖe nu vɔ̃ ta megahῖa o.
Yɔyɔ hena vevidodo
19 Eya ta nɔvi lɔlɔ̃wo, esi me kakaɖedzi le mia si be miage ɖe Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la
to Yesu ƒe ʋu me ŋuti la, 20 eʋu mɔ yeye kple mɔ gbagbe na mí to xɔmetsovɔ si nye
eƒe ŋutilã la me. 21 Eye esi Osɔfogã le mía si le Mawu ƒe aƒe nu ta la, 22 mina míate
ɖe Mawu ŋu le dzi vavã me kple xɔse ƒe kakaɖedzi blibo la me kple dzi siwo ŋu
wohlẽ ʋu ɖo be wòaklɔ mía ŋuti tso dzitsinya vɔ̃ɖiwo me, eye wòale tsi na míaƒe
ŋutilãwo kple tsi zɔzrɔ̃e. 23 Mina míalé mɔkpɔkpɔ si me míeʋu la me ɖe asi
maʋãmaʋãe elabena ame si do ŋugbea la nye nuteƒewɔla. 24 Eye mina míabu ale si
míado ŋusẽ mía nɔewo la ŋuti be woayi dzi le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me. 25
19
Migana míagbɔ dzɔ le míaƒe takpeƒewo dede me o, abe ale si ame aɖewo tsɔe ɖo dɔe
nɔ kuvia wɔm ene o, ke boŋ mina míade dzi ƒo na mía nɔewo vevietɔ esi mienyae be
eƒe ŋkeke la te tu aƒe kpokploe.
26 Ne míebua le nu vɔ̃ wɔwɔ dzi, esi míenya nyateƒe la vɔ megbe la, vɔsasa
ɖe nu vɔ̃wo ta aɖeke megali o, 27 ke nu si ko míanɔ mɔ kpɔm na le ŋɔdzi gã aɖe me
lae nye ʋɔnudɔdrɔ̃ kple dzobibi si ava fiã Mawu ƒe futɔwo. 28 Ame sia ame si ada le
Mose ƒe se dzi la, woƒua kpee nublanuimakpɔmakpɔtɔe le ɖaseɖila eve alo etɔ̃ ƒe
nya nu. 29 Tohehe gã kae miesusu be mehedze na ame si titi afɔ ɖe Mawu ƒe Vi la
dzi oa? Ame si do ŋunyɔ nubabla la ƒe ʋu si klɔ eŋuti la abe nu makɔmakɔ wònye
ene eye wodzu amenuveve ƒe Gbɔgbɔ la? 30 Elabena míenya ame si gblɔ be,
“Hlɔ̃biabia la tɔnyee, maɖo eteƒe nɛ,” egagblɔ hã be, “Aƒetɔ la adrɔ̃ ʋɔnu eƒe dukɔ
la.” 31 Enye ŋɔdzinu be ame aɖe nage ɖe Mawu gbagbe la ƒe asi me.
32 Miɖo ŋku ŋkeke siwo do ŋgɔ la dzi esi miexɔ kekeli la vɔ la mienɔ te sesῖe
to ʋiʋli geɖewo me mieto fukpekpe hã me kalẽtɔe. 33 ɣeaɖewoɣi la wodzua mi le
gaglã gbe eye wotia mia yome, ɣebubuɣiwo la mienɔ te kpe ɖe ame siwo nɔ xaxa
mawo ke me la ŋuti. 34 Miefa konyi kple ame siwo wode gaxɔ me eye esi woxɔ
miaƒe nunɔamesiwo le mia si akpasesẽtɔe la miexɔe kple dzidzɔ, elabena miawo ŋutɔ
mienyae be nunɔamesi siwo nyo saã wu eye womenyunyɔna o la le mia si.
35 Eya ta dzi megaɖe le mia ƒo o elabena miaƒe dzideƒo ahe fetu geɖe vɛ na
mi. 36 Ele be miado vevie ale be ne miewɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la miaxɔ nu si ƒe ŋugbe
wòdo. 37 Elabena le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, “Ame si gbɔna la ava ɖo matsi
megbe o. 38 Ke nye dzɔdzɔetɔ la anɔ agbe to xɔse me. Ke ne ede megbe la
20
nyemakpɔ dzidzɔ le eŋuti o.” 39 Ke míawo ya míele abe ame siwo de megbe eye
wotsrɔ̃ la ene o, ke boŋ míenye ame siwo xɔe se eye míekpɔ ɖeɖe.
To xɔse me
11 Azɔ la xɔse nye kaka ɖe nu siwo míekpɔ mɔ na la dzi kple dziɖoɖo ɖe nu
siwo míekpɔ o la ŋu. 2 To xɔse mee ame siwo do ŋgɔ la kpɔ ɖaseɖiɖi nyui le Mawu
gbɔ le.
3 To xɔse me míese egɔme be Mawu ɖe gbe eye xexeame va dzɔ ale be
wòwɔ nu si wokpɔna la tso nu si wowekpɔna o la me.
4 To xɔse me Abel tsɔ vɔsasa si nyo wu Kain tɔ la na Mawu. To xɔse me
wokafui be enye ame dzɔdzɔe esi Mawu ƒo nu nyui tso eƒe vɔsa la ŋu. To xɔse me
wògale nu ƒom ko togbɔ be eku hã.
5 To xɔse me wokɔ Enɔk dzoe tso agbe sia me ale be meɖɔ ku kpɔ o, ale
womegakpɔe o elabena Mawu kɔe dzoe. Elabena hafi wokɔe dzoe la wogblɔ tso eŋu
be Mawu kpɔ ŋudzedze le eya amea ŋuti. 6 Xɔse manɔmee la ame aɖeke mate ŋu
adze Mawu ŋu o, elabena ame si va Mawu gbɔ la ele be wòaxɔe se be Mawu li eye
wòɖoa eteƒe na ame siwo dinɛ vevie.
7 To xɔse me esi woxlɔ̃ nu Noa tso nu siwo mekpɔ dzɔ haɖe o ŋuti la etsɔ
vɔvɔ̃ kɔkɔe kpa aɖakaʋu be wòaɖe eya kple eƒe ƒomea. To eƒe xɔse me wòbu fɔ
xexeame eye wòzu dzɔdzɔenyenye si vana to xɔse me la ƒe domenyila.
8 To xɔse me esi woyɔ Abraham be wòayi teƒe si wòava xɔ wòazu eƒe
domenyinu la, eɖo to eye wòyi, togbɔ be menya afi si yim wònɔ o hã. 9 To xɔse me
ewɔ nɔƒe ɖe ŋugbedodonyigba la dzi eye wònɔ afi ma abe amedzro si le dzronyigba
21
dzi la ene, elabena enɔ avɔgbadɔwo me. Nenema kee nye Isak kple Yakɔb ame siwo
hã nye ŋugbedodo ma ke ƒe domenyilawo kplii. 10 Elabena Abraham nɔ mɔ kpɔm na
du si Mawu ŋutɔ nye egɔmeɖola, aɖaŋuwɔla kple etula.
11 To xɔse me esi Abraham tsi xɔ ƒe geɖe hã la, ete ŋu dzi Vi. Nenema Kee
nye srɔ̃a, Sara, hã, ame si tsi ko tsã. To xɔse me Abraham zu fofo elabena Mawu
ame si do ŋugbe nɛ la, bui nuteƒewɔlae. 12 Ale to ame ɖeka sia dzi, ame si ŋu míate
ŋu agblɔ le be megale ŋutsu me o la, dzidzime geɖe siwo sɔ gbɔ abe ɣletiviwo le
dziŋgɔlῖ ŋu kple ƒutake ene la va dzɔ.
13 Ame siawo katã va ku esime wogalé xɔse me ɖe asi ko. Womexɔ nu siwo
ƒe ŋugbe wodo na wo la o, ɖe ko wokpɔ wo, do dzaa na wo le adzɔge eye woʋu eme
be amedzrowo kple mɔzɔlawo yewonye le anyigba dzi le afi. 14 Ame siwo gblɔ nya
siawo tɔgbi la, ɖee fia be wole woawo ŋutɔ ƒe dedu dim. 15 Nenye be du si me
wotso la ŋuti bum wonɔ la, anye ne mɔnukpɔkpɔ anɔ wo si be woatrɔ ayi. 16 Le
esia teƒe la wole du si nyo wu esi nye dziƒotɔ la dim. Eya ta menye ŋukpe na Mawu
be woayɔe be woƒe Mawu o, elabena edzra du nyui aɖe ɖo ɖi na wo.
17 To xɔse me esi Mawu do Abraham kpɔ la, etsɔ via Isak be yeasa vɔe, eya
ame si xɔ ŋugbedodoawo la, nɔ klalo be yeatsɔ viaŋutsuvi ɖeka hɔ̃ la asa vɔe, 18
togbɔ be Mawu gblɔ nɛ be, “To Isak dzi la dzidzimevi siwo katã ƒe ŋugbe wodo na
wò la ava dzɔ” hã. 19 Abraham dze sii be Mawu ate ŋu afɔ ame kukuwo ɖe tsitre
eye woate ŋu agblɔe ko be exɔ Isak tso ku me.
20 To xɔse me Isak yra Yakɔb kple Esau, ku ɖe nu si woava nye le etsɔ me
ŋuti.
22
21 To xɔse me Yakɔb yra Yosef viŋutsuwo le esime eƒe kuɣi ɖo eye wòziɔ ɖe
eƒe atitɔɖeŋu ŋuti hesubɔ Mawu.
22 To xɔse me esime Yosef ƒe kuɣi ɖo la, eƒo nu tso Israelviwo ƒe gododo le
Egipte ŋuti eye wògblɔ ɖoɖo tso eƒe ƒuwo ŋuti na wo.
23 To xɔse me Mose dzilawo ɣlae ɣleti etɔ̃ sɔŋ le edzidzi vɔ megbe elabena
wokpɔe dze sii be menye vidzῖ dzodzro aɖe koe wònye o eya ta womevɔ̃ na fia la ƒe
se dzi dada o.
24 To xɔse me esi Mose va tsi la, egbe be womayɔ ye be Farao vinyɔnu ƒe
viŋutsu o 25 ke boŋ elɔ̃ be yeakpe fu kple Mawu ƒe amewo wu be yease nu vɔ̃ ƒe
vivi hena ɣeyiɣi kpui aɖe ko. 26 Ebu vlododo le “Mesia” la ta nu xɔasi wu kesinɔnu
siwo katã nɔ Egipte elabena enɔ mɔ kpɔm na eƒe fetu gã si nɔ ŋgɔgbe. 27 To xɔse
me Mose dzo le Egipte eye mevɔ̃ na fia la ƒe dziku o, ke boŋ edo vevi nu elabena
ekpɔ eya, ame si womekpɔna kple ŋku o. 28 To xɔse me Mose ɖo Ŋutitotoŋkekenyui
kple ʋehehlẽ la anyi ale be nugblẽla si wu ŋgɔgbeviwo la maka asi Israelviwo ƒe
ŋgɔgbeviwo ŋu o.
29 To xɔse me Israelviwo tso Ƒu Dzῖ la abe anyigba ƒuƒui dzie wozɔ ene,
gake esi Egiptetɔwo hã dze agbagba be yewoawɔ nenema la, wo katã tsi Ƒu Dzῖ la
me.
30 To xɔse me Yeriko ƒe gliwo mu esi Israelviwo ƒo xlãe ŋkeke adre.
31 To xɔse me gbolo Rahab, esi wòxɔ ŋkutsalawo ta la, womewui kpe ɖe
tosẽlawo ŋuti o.
32 ɖe wògahiã be mayi edzia? ɣeyiɣi mele asinye be maƒo nu le Gideon,
Barak, Samson, Yefta, David, Samuel kple nyagblɔɖila bubuwo ŋuti o, 33 ame siwo
23
to xɔse me xɔ fiaɖuƒewo, ɖu dzi le dzɔdzɔenyenye me eye woƒe asi su nu si ƒe ŋugbe
wodo la dzi. Ame siawo de ga nu na dzatawo, 34 tsi dzoƒeaɖewo nu eye wosi le yi
nu, ame siwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ trɔ zu ŋusẽ, wozu kalẽtɔwo le aʋa me eye woɖu
dzronyigbadziʋakɔwo dzi. 35 Wogbɔ agbe nyɔnu siwo ƒe lɔlɔ̃tɔwo ku eye wotsɔ wo
na wo agbagbe. Wowɔ funyafunya ame bubuwo eye wogbe be womegana ablɔɖe
yewo o ale be tsitretsitsi si nyo wu la nasu yewo si. 36 Woɖu fewu le ame aɖewo ŋu,
woƒo ɖewo kple atam ke wode ga bubuwo eye wode wo gaxɔ me. 37 Woƒu kpe wo,
wodze wo kple laxalaxa ɖe eve eye wowu wo kple yi. Wonɔ yiyim le alẽgbalẽwuwo
kple gbɔ̃gbalẽwuwo me le ahedada gã aɖe me. Woti wo yome eye wosẽ ŋuta le wo
ŋu, 38 womeɖi naneke le xexe sia me o. Wonɔ tsaglãla tsam le gbedzi, towo dzi,
agadowo me kple agakpetowo me le anyigba dzi.
39 Woɖi ɖase nyui le ame siawo katã ŋuti le woƒe xɔse ta, ke hã la wo
dometɔ aɖeke mexɔ nu si ƒe ŋugbe wodo la o. 40 Mawu wɔ ɖoɖo si nyo wu la ɖe
mía ŋuti, ale be ne wowɔ ɖeka kpli mí la hafi ko woade blibo.
Mawu hea viawo
12 Eya ta esi ɖaseɖilawo ƒe ha gã aɖe ƒo xlã mí ta la, mina míaɖe mɔxenu ɖe sia
ɖe kple nu vɔ̃ si bla mí sesῖe la ɖa eye mina míake duɖime si woɖo ɖi na mí la kple
vevidodo. 2 Mina míakpɔ Yesu dzi, ame si nye míaƒe xɔse ƒe gɔmeɖola kple nuwula,
ame si le dzidzɔ si le ŋgɔ nɛ ta la, to atitsoga ƒe fu la me eye mebui ŋukpee o. Ale
wòyi ɖanɔ Mawu ƒe fiazikpui la ƒe nuɖusime. 3 Mibu fukpekpe gã si me wòto le nu
vɔ̃ wɔlawo sime ŋu ale be miagagbɔdzɔ eye dzi naɖe le mia ƒo o.
24
4 Le miaƒe ʋiʋli le nu vɔ̃ sime la, mieʋli va se ɖe esime miaƒe ʋu kɔ ɖi haɖe
o. 5 Ke mieŋlɔ dzideƒonya si yɔ mi be viŋutsuwo la be. Nya lae nye be,
“Vinyeŋutsu, mègado vlo Aƒetɔ la ƒe amehehe eye dzi megaɖe le ƒowò ne eka mo na
wò o, 6 elabena Aƒetɔ la ɖɔa ame siwo wòlɔ̃ la ɖo eye wòhea to na ame sia ame si
wòxɔ abe viaŋutsu ene.”
7 Mito fukpekpe me abe miaƒe hehe ƒe akpa aɖe ene elabena Mawu le mia
hem abe viaŋutsuwo ene elabena viŋutsu kae li ame si fofoa mehea to na o? 8 Ame
sia ame toa hehe me eya ta ne miawo mieto hehe me o la, ekema mienye viŋutsuvi
vavãwo o, ke boŋ mienye ahasiviwo. 9 Gawu la, anyigbadzifofowo le mía si, ame
siwo naa hehe mí eye míetsɔ bubu naa wo ɖe eta. Geɖe wu la, ele be míabɔbɔ mía
ɖokui ɖe mía Fofo, gbɔgbɔmetɔ, te be míanɔ agbe! 10 Míaƒe anyigbadzifofowo hea
to na mí hena ɣeyiɣi kpui aɖe abe ale si wònyo na woe ene gake Mawu ya hea to na
mí hena míaƒe nyonyo be míakpɔ gome le eƒe kɔkɔenyenye me. 11 Tohehe aɖeke
meli si vivia ame nu o, ke boŋ evena, ke hã la, emegbe la, etsea dzɔdzɔenyenye kple
ŋutifafa ƒe kuwo na ame siwo to tohehe la te.
12 Eya ta mido ŋusẽ miaƒe abɔ siwo gbɔdzɔ kple miaƒe klo beliwo. 13 Mita
mɔ dzɔdzɔewo na miaƒe afɔwo ale be atatututɔ matsi mɔ ta o, ke boŋ wòakpɔ dɔyɔyɔ.
Nuxɔxlɔ̃ ɖe nugbegbe le Mawu gbɔ ŋuti
14 Midze agbagba ɖe sia ɖe be mianɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me eye
mianɔ kɔkɔe, elabena kɔkɔenyenyemanɔmee la ame aɖeke mate ŋu akpɔ Aƒetɔ la o.
15 Mikpɔ egbɔ be, Mawu ƒe amenuveve metsi ame aɖeke ŋu o eye mi kpɔ nyuie be
gbe vɔ̃ aɖeke meto ke ɖe mia dome esi ava zu aɖi vɔ̃ɖi anɔ fu ɖem na ame geɖewo
25
ahaƒo ɖi wo o. 16 Mikpɔ nyuie be ame aɖeke mezu ahῖawɔla alo anye mawumavɔ̃la
abe Esau ene ame si tsɔ eƒe ŋgɔgbevinyenye kple eŋu domenyinuwo dzra ɖe nuɖuɖu
zi ɖeka ko ta la ene o. 17 Abe ale si mienya nyuie ene la, esi wòva be yeanyi yayra
sia ƒe dome emegbe la, wogbe enana. Mɔ aɖeke meli si dzi wòato be woatrɔ nu sia
o, togbɔ be edi yayra sia kple aɖatsi hã.
18 Menye to si ŋuti woate ŋu aka asii, to si le bibim kple dzo la gbɔe mieva
o; mieva viviti, afudodo kple ahom gbɔ o. 19 Menye kpẽɖiɖi, gbe si le nu ƒom ale be
ame siwo see la ɖe kuku nɛ be megaƒo nu na yewo azɔ o la gbɔe mieva o; 20
elabena womate ŋu awɔ ɖe gbe si woɖe na wo be, “Ne lã aɖe gɔ̃ hã ka asi to la ŋu
la, ele be woaƒu kpee woaku” la dzi o. 21 Nukpɔkpɔ la dzi ŋɔ ale gbegbe be Mose
gblɔ be, “Mele dzodzom nyanyanya kple vɔvɔ.”
22 Ke mieva Zion to la gbɔ, dziƒo Yerusalem, si nye Mawu gbagbe la ƒe du la
gbɔe mieva. Mieva mawudɔla akpe akpe siwo ƒo ƒu le dzidzɔ kpɔm la ƒe asaɖa me.
23 Mieva ŋgɔgbevi la ƒe hame, ame si ƒe ŋkɔwo woŋlɔ ɖe dziƒo. Mieva Mawu, ame
si nye amegbetɔwo katã ƒe ʋɔnudrɔ̃la la gbɔ. Mieva ame dzɔdzɔe siwo wowɔ blibo la
ƒe gbɔgbɔwo gbɔ, 24 mieva Yesu, nubabla yeye la ƒe avulé la la gbɔ kple ʋuhehlẽ si
ƒo nu nyie wu Abel ƒe ʋu la gbɔ.
25 Mikpɔ nyuie be miagagbe toɖoɖo ame si le nu ƒom la o. Nenye be womete
ŋu si, esi wogbe toɖoɖo eya ame si xlɔ̃ nu wo le anyigba dzi la nu o la, ale ke míawo
ya miate ŋu asii ne míegbe toɖoɖo ame si le nu xlɔ̃m mí tso dziƒo? 26 Le ɣemaɣi me
la, eƒe gbe ʋuʋu anyigba gake azɔ la edo ŋugbe be, “Magaʋuʋu menye anyigba ɖeɖe
ko o, ke boŋ dziƒowo hã” 27 Nyagbe, “ake” ɖee fia be woaɖe nu si woate ŋu aʋuʋu
26
la ɖa, nu siwo nye nuwɔwɔwo ale be nu siwo womate ŋu aʋuʋu o la ɖeɖe ko natsi
anyi.
28 Eya ta esi míele mɔ kpɔm na fiaɖuƒe si womate ŋu aʋuʋu o la xɔxɔ la,
mina míada akpe ɖe eta eye míasubɔ Mawu le mɔ si adze la dzi le vɔvɔ̃ kple dzodzo
nyanyanya me, 29 elabena dzo si fiaa nu lae nye míaƒe Mawu la.
Taƒonyawo kple ŋusẽdoamenyawo
13 Minɔ mia nɔewo lɔlɔ̃ dzi ɖaa abe dadaviwo ene 2 Migaŋlɔ amedzrowɔwɔ be
o; to esia wɔwɔ me ame aɖewo xɔ mawudɔlawo le manyamanya me 3 miɖo ŋku ame
siwo wode gaxɔme la dzi abe miawo hãe le gaxɔme kpli wo ene. Nenema ke miɖo
ŋku ame siwo wole fu wɔmii la dzi abe miawo hãe le fua kpem ene.
4 Ame sia ame nade bubu srɔ̃ɖeɖe ŋu eye womaƒo ɖi srɔ̃ɖeba o elabena
Mawu abu fɔ ahasiwɔlawo kple matrewɔlawo katã. 5 Mite mia ɖokuiwo ɖa xaa tso
galɔlɔ̃ gbɔ eye nu si le mia si la nedze mia ŋu elabena Mawu gblɔ be, “Nyemaɖe asi
le mia ŋu akpɔ o eye nyemagblẽ mi ɖi akpɔ gbeɖe o.” 6 Esia ta míegblɔ kple dzideƒo
be, “Yehowae nye nye xɔnametɔ, nyemavɔ̃ o. Nu ka amegbetɔ ate ŋu awɔm?”
7 Miɖo ŋku miaƒe kplɔlawo dzi, ame siwo gblɔa Mawu ƒe nya na mi. Mibu
nu siwo do go tso woƒe agbenɔnɔ me la ŋuti ne miasrɔ̃ woƒe xɔse. 8 Yesu Kristo
metrɔna gbeɖe o, ale si wònɔ etsɔ si va yi, nenema kee wòle egbe eye nenema kee
wòanɔ ɖaa. 9 Migana nufiafia trama aɖeke nakplɔ miaƒe susuwo adzoe o. Enyo be
woatsɔ amenuveve ado ŋusẽ miaƒe dziwo ke menye to nuɖuɖu tɔxɛ aɖewo ƒe sewo
dzi wɔwɔ me o, esiwo mehea viɖe aɖeke vanɛ na ame siwo ɖunɛ la o. 10
27
Vɔsamlekpui aɖe le mia si; Osɔfo siwo subɔna le Agbadɔ me gɔ̃ hã mekpɔ mɔ aɖu
nu si tso vɔsamlekpui sia dzi o.
11 Osɔfogã la tsɔa lãwo ƒe ʋu yina ɖe Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la abe nu vɔ̃ ŋuti
vɔsa ene, gake wotɔa dzo lãawo ŋutɔ le asaɖa la godo. 12 Esia tae Yesu hã kpe fu le
du la ƒe agbo godo be wòakɔ eƒe amewo ŋu, awɔ wo kɔkɔe to eya ŋutɔ ƒe ʋu la me.
13 Eya ta mina míayi egbɔ azɔ le asaɖa la godo be míawo hã míaɖu ŋukpe si wòtsɔ,
14 elabena du si nɔa anyi ɖaa la, mele mía si le afii o, ke míele mɔ kpɔm na du si
lava va.
15 Eya ta mina míatsɔ kafukafuvɔsa na Mawu ɣesiaɣi to Yesu dzi, kafukafu
siwo nye kutsetse tso nuyi siwo ʋua Yesu ƒe ŋkɔ me la me. 16 Migaŋlɔ nyuiwɔwɔ be
o eye miama nu kple mia nɔewo elabena vɔsa siawo tɔgbie dzea Mawu ŋu.
17 Miɖo to miaƒe kplɔlawo eye miwɔ ɖe nu siwo wogblɔ na mi la dzi elabena
wole mia ta kpɔm abe ame siwo wòle be woana akɔnta Mawu tso woƒe dɔwɔna ŋu
ene. Miɖo to wo ale be woƒe dɔwɔwɔ nanye dzidzɔ na wo eye mazu agba na wo o;
elabena ne ele alea la, manye kpekpeɖeŋu aɖeke na miawo hã o. 18 Mido gbe ɖa ɖe
mía ta ɣesiaɣi. Míeka ɖe edzi be dzitsinya nyui le mía si eye míedina be míanɔ agbe
bubutɔe ɣesiaɣi le nu sia nu me. 19 Medi vevie be maƒoe ɖe mia nu tɔxɛ be miado
gbe ɖa be woaɖe asi le ŋutinye na mi kpuie.
20 Ŋutifafa ƒe Mawu la, ame si to nubabla mavɔ ƒe ʋu la me kplɔ míaƒe Aƒetɔ
Yesu Kristo Alẽkplɔla gã la do goe tso ame kukuwo dome la, 21 natsɔ nu nyui sia
nu nyui akpe ɖe mia ŋuti le eƒe lɔlɔ̃nuwɔwɔ ta eye wòawɔ nu si dze eŋu la le mía me
to Yesu Kristo dzi, ame si ko tɔ anye ŋutikɔkɔe tso mavɔ me yi mavɔ me. Amen.
22 Nɔvi lɔlɔ̃awo, mele eƒom ɖe mia nu be mialé to ɖe nye dzideƒonamenyawo
ŋu elabena agbalẽ kpui aɖe koe wònye meŋlɔ na mi.
23 Medi be mana mianya be woɖe asi le mía nɔvi Timoteo ŋu. Ne eva ɖo afi
sia kaba la, nye kplii míava kpɔ mi ɖa.
24 Mido gbe na miaƒe kplɔlawo katã kple Mawu ƒe ameawo katã. Nɔvi siwo
tso Italia hã do gbe na mi.
25 Amenuveve nanɔ anyi kple mi katã.

Laisser un commentaire

Votre adresse e-mail ne sera pas publiée. Les champs obligatoires sont indiqués avec *