Togo Chrétien

"L’amour de Dieu a été manifesté envers nous en ce que Dieu a envoyé son Fils unique dans le monde, afin que nous vivions par lui."

Bible Ewe

3 Jean

YOHANES ƑE AGBALẼ ETƆ̃LIA

Kpɔkplɔyiɖeme:

Yohanes, ame si nye Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka lae
ŋlɔ Yohanes ƒe Agbalẽ Etɔ̃awo, Yohanes ƒe Nyanyui la kple
Nyaɖeɖefia siaa. Le Yohanes ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia sia me la,
Yohanes kafu Gayo le eƒe dɔ nyui wɔwɔ ta eye wòdi be Mawu
naka mo na Dietrefo le eƒe nu masɔmasɔ wɔwɔ ta.

Emenyawo: 1. Kpɔkplɔyiɖeme, 1-4
2. ŋusẽdodo dɔwɔla vavãwo, 5-8
3. Mokaka na ame siwo tsi tsitre ɖe nyateƒe la ŋu, 9-10
4. Nyateƒeyomenɔla aɖe kafukafu, 11-12
5. Taƒonyawo, 13-15

Gbedonamewo
1 Agbalẽ sia tso Hamemegã tsitsi la gbɔ na xɔ̃nye Gayo ame si melɔ̃na le
nyateƒe me. 2 Xɔ̃nye lɔlɔ̃a, medo gbe ɖa be nànɔ lãmesesẽ me eye nu sia nu nadze
edzi na wò nyuie abe ale si wò luʋɔ gɔ̃ hã le dedie ene. 3 Mekpɔ dzidzɔ ŋutɔ esi nɔvi
aɖewo va ƒo nu tso ale si nèlé nyateƒea me ɖe asi goŋgoŋ eye nèle agbe nɔm le
nyateƒe la nu la ŋu. 4 Naneke medoa dzidzɔ nam wu be, mase be vinyewo le agbe
nɔm ɖe nyateƒe la nu o.
Beléle na Aƒetɔ la ƒe dɔwɔlawo
5 Xɔ̃nye lɔlɔ̃a, èle nuteƒe wɔm le nu siwo nèle wɔwɔm na nɔviawo la me, togbɔ be
wonye amedzrowo na wò hã. 6 Woɖe gbeƒã na hamea katã le wò lɔlɔ̃ si nèɖe fia wo
la ŋu. Anyo be nàdo mɔ wo le mɔ nyuitɔ si dze Mawu ŋu la nu. 7 Elabena ŋkɔ la tae
wodze mɔ hele tsatsam eye womexɔ kpekpeɖeŋu aɖeke tso Trɔ̃subɔlawo gbɔ o. 8 Le
esia ta ehiã be miawɔ dɔmenyo na ame sia tɔgbewo ale be mí katã míawɔ dɔ ado
nyateƒea ɖe ŋgɔ.
9 Meŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe hamea, gake Diotrefo ame si tsɔ eɖokui wɔ
ŋgɔgbenɔlae la, meɖo to nye nyawo o. 10 Eya ta ne meva la maɖe nu siwo katã wɔm
wòle la ɖe go, vevietɔ ale si wòle mía ŋu gblẽm la ta. Hekpe ɖe esia ŋu la eɖea ame
siwo dina be yewoaxɔ nɔviawo la le hame.
11 Xɔ̃nye lɔlɔ̃tɔ, megakpɔ nuvloe wɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu nàwɔ o, ke boŋ srɔ̃ nu
nyui wɔwɔ. Ame sia ame si wɔ nu nyui la tso Mawu gbɔ. Ame si wɔa nu vɔ̃ la
mekpɔa Mawu o. 12 Ame sia ame ƒoa nu nyuie le Demetrio ŋu. Nyateƒea ŋutɔ hã
gblɔa eƒe nya nyuie. Míawo hã míeɖi ɖase nyui le eŋu, eye wò ŋutɔ enyae be míaƒe
ɖaseɖiɖi nye nyateƒe.
Taƒonyawo
13 Nya geɖe le asinye be maŋlɔ na wò gake nyemedi be maŋlɔe kple nuŋlɔti kple
nuŋlɔtsi ɖeɖe ko o. Mele mɔkpɔm be míado go kpuie eye míaƒo nu ŋkume kple
ŋkume.
ŋutifafa nanɔ anyi kpli wò. Nɔvi siwo katã le afi sia la do gbe na wò nyuie.
Do gbe na nɔvi siwo le gbɔwò la na mí ɖekaɖeka.

Laisser un commentaire

Votre adresse e-mail ne sera pas publiée. Les champs obligatoires sont indiqués avec *