Togo Chrétien

"L’amour de Dieu a été manifesté envers nous en ce que Dieu a envoyé son Fils unique dans le monde, afin que nous vivions par lui."

Bible Ewe

Epître de Jude

YUDA ƑE AGBALẼ

Kpɔkplɔyiɖeme :
Yuda, ame si nye Yakobo nɔvi lae ŋlɔ Yuda ƒe Agbalẽ. Le
ɣemaɣi me la, ame geɖewo va zu Kristotɔwo eye wokaka ɖe afi
sia afi. Ke wo dometɔ aɖewo trɔ zu aʋatsonufialawo, he amewo
ɖa tso nyateƒe la gbɔ eye wode tɔtɔ hamea me. Nu sia na Yuda
ŋlɔ agbalẽ sia hedo ŋusẽ xɔsetɔwo be woanɔ te sesῖe eye woalé
xɔse vavãtɔ la me ko ɖe asi ɣesiaɣi.

Emenyawo:
1. Kpɔkplɔyiɖeme, 1-4
2. Nuxɔxlɔ̃ hena ŋudzɔnɔnɔ ɖe aʋatsonufialawo ŋu, 5-6
3. ŋusẽdodo hena xɔse vavãtɔ me léle ɖe asi, 17-23
4. Yayranyawo, 24-25

1 Yuda, Yesu Kristo ƒe dɔla kple Yakobo nɔviŋutsu, ŋlɔ na ame siwo woyɔ, ame
siwo Mawu Fofo la lɔ̃ eye Kristo Yesu lé wo ɖe te. 2 Amenuveve, ŋutifafa kple lɔlɔ̃
nanye mia tɔ le agbɔsɔsɔ me.
Mawumavɔ̃lawo ƒe nu vɔ̃ kple tsɔtsrɔ̃
3 Nɔvi lɔlɔ̃awo, togbɔ be metsi dzi vevie be maŋlɔ nu na mi le ɖeɖe si ƒe
gomekpɔlawo míenye la ŋuti hã la, edze ŋunye be maŋlɔ na mi, ado ŋusẽ mi be
miaʋlῖ xɔse si wotsɔ de asi na ame kɔkɔeawo zi ɖeka hena ɣeyiɣiawo katã la ta. 4
Mele esia gblɔm elabena ame aɖewo, ame siwo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ woŋlɔ da ɖi tso blema
ke la va tra wo ɖokuiwo ɖe mia dome dzaa. Wonye mawumavɔ̃la, siwo trɔ míaƒe
Mawu la ƒe amenuveve wòzu mɔɖeɖe na ŋunyɔnuwo wɔwɔ eye wogbe nu le Yesu
Kristo, míaƒe dziɖula ɖeka hɔ̃ kple Aƒetɔ la gbɔ.
5 Togbɔ be mienya esiawo katã xoxo hã la, medi be maɖo ŋku edzi na mi be
Aƒetɔ la ɖe eƒe dukɔ tso Egipte nyigba dzi gake emegbe la, etsrɔ̃ ame siwo mexɔ edzi
se o. 6 Ke mawudɔla siwo melé woƒe bubuteƒe me ɖe asi o, ke boŋ wogblẽ woawo
ŋutɔ ƒe aƒe ɖi la, esiawoe wòde gae ɖe viviti me eye wotsɔ gakɔsɔkɔsɔ mavɔ de wo
hena ʋɔnudɔdrɔ̃ le ŋkekegã la dzi. 7 Nenema ke, Sodom kple Gomora kpakple du
siwo ƒoxlã wo la tsɔ wo ɖokuiwo dzra na ŋutilãmeŋunyɔnuwo wɔwɔ kple agbe vlo
nɔnɔ. Wonye ame siwo le fu kpem le dzo mavɔ ƒe tohehe me la ƒe kpɔɖeŋu.
8 Nenema ke drɔ̃ekula siawo ƒo ɖi woawo ŋutɔ ƒe ŋutilãwo, wotsi tre ɖe
dziɖulawo ŋu eye woƒoa nu vɔ̃ le dziƒodɔlawo ŋu. 9 Mawudɔlagã Maikel gɔ̃ hã esi
wònɔ nya hem kple vɔ̃ɖitɔ la tso Mose ƒe ŋutilã kukua ŋuti la, mete ŋu do dzi gblɔ
nya vɔ̃ aɖeke ɖe eŋuti o, ke ɖeko wògblɔ be, “Aƒetɔ la aka mo na wò!” 10 Gake ame
siawo ya ƒoa nu kple dzugbe ɖe nu sia nu si gɔme womese o la ŋuti eye nu sia nu si
gɔme wose to seselelãme me abe lã siwo mebua tame o ene la, nu siawo kee nye nu
siwo gblẽa wo dome.
11 Babaa na wo! Woto Kain ƒe mɔ; woti viɖe yome hege ɖe Balam ƒe vodada
me eye wotsrɔ̃ wo le Kora ƒe aglãdzedze la me.
12 Ame siawo nye ɖiƒonuwo le hamea ƒe lɔlɔ̃nuɖuƒewo. Woɖua nu kpli mi
ŋumakpetɔe, wonye alẽkplɔla siwo nyia woawo ŋutɔ ɖokuiwo ko. Wole abe alilῖkpo
siwo medzaa tsi o, eye ya lɔa wo ɖe enu ene. Wole abe kelemeti siwo metse ku o
eye woho wo ƒo ɖi eye woku zi gbɔ zi eve la ene. 13 Wole abe ƒutsotsoe siwo dze
agbo hele woawo ŋutɔ ƒe ŋukpefutɔkpɔwo ɖem ɖe go la ene, wole abe ɣletivi siwo le
tsatsam, esiwo woɖo viviti tsiɖitsiɖi da ɖi na tegbetegbe la ene.
14 Enɔk, ame si nye dzidzime adrelia tso Adam dzi la gblɔ nya ɖi ɖe ame
siawo ŋu be, “Kpɔ ɖa, Aƒetɔ la gbɔna kple eƒe dɔla kɔkɔe akpe akpewo, 15 ne
wòadrɔ̃ ʋɔnu ame sia ame ne wòabu fɔ mawumavɔ̃lawo ɖe nu vɔ̃ɖi siwo katã wowɔ
le woƒe mɔ vɔ̃wo dzi hekpe ɖe nya vlo siwo katã nu vɔ̃ wɔla siawo gblɔ ɖe eya amea
ŋuti ŋu la ta.” 16 Ame siawo nye liʋiliʋῖlῖlawo kple ame siwo kpɔa vodada le nu sia
nu ŋu. Wodzea woawo ŋutɔ ƒe nudzodzro vɔ̃wo yome woƒoa adegbe le woawo ŋutɔ
ɖokuiwo ŋu eye wokafua amewo alakpatɔe hena woawo ŋutɔ ƒe nyui.
Nuxɔxlɔ̃ na tenɔnɔ sesῖe
17 Ke nɔvi lɔlɔ̃awo, miɖo ŋku nya siwo míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe apostolowo gblɔ
da ɖi la dzi. 18 Wogblɔ na mi be, “Le ɣeyiɣi mamlâawo me la, fewuɖulawo lava,
ame siwo adze woawo ŋutɔ ƒe dzodzro vɔ̃wo yome.” 19 Ame siawoe nye ame siwo
dea mama mia dome, ame siwo dzea ŋutilã ƒe nukpɔkpɔwo yome eye Gbɔgbɔ la
mele wo me o.
20 Ke miawo ya la, nɔvi lɔlɔ̃awo, mitu mia ɖokuiwo ɖo le miaƒe xɔse kɔkɔetɔ
kekeake me eye mido gbe ɖa le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me. 21 Mitsɔ mia ɖokuiwo de
Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me esi miele míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nublanuikpɔkpɔ lalam be
wòakplɔ mi ayi agbe mavɔ la me.
22 Mikpɔ nublanui na ame siwo le ɖi kem le wo ɖokuiwo me. 23 Miɖe ame
bubuwo tso dzo me eye mixɔ na wo. Mikpɔ nublanui na wo kple vɔvɔ̃. Milé fu awu
si ƒo ɖi to ŋutilã ƒe ɖiƒoƒo me gɔ̃ hã.

Yayranyawo
24 Azɔ, eya ame si tea ŋu léa mi ɖe asi be miagadze anyi o, be wòatsɔ mi aɖo eƒe
ŋutikɔkɔefiazikpui la ŋgɔ kpɔtsɔtsɔmanɔŋui le dzidzɔ gã me, lae mede mi asi na 25
míaƒe Mawu ɖeka hɔ̃ la, ame si nye míaƒe ɖela la, eya ko tɔe nye ŋutikɔkɔe,
fianyenye, ŋusẽ kple dziɖuɖu to Yesu Kristo, míaƒe Aƒetɔ, me le dzidzimewo katã
me, tso fifia yi ɖase ɖe mavɔ me! Amen.

Laisser un commentaire

Votre adresse e-mail ne sera pas publiée. Les champs obligatoires sont indiqués avec *