Togo Chrétien

"L’amour de Dieu a été manifesté envers nous en ce que Dieu a envoyé son Fils unique dans le monde, afin que nous vivions par lui."

Bible Ewe

2 Jean

YOHANES ƑE AGBALẼ EVELIA

Kpɔkplɔyiɖeme:

Yohanes, ame si nye Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka lae
ŋlɔ Yohanes ƒe Nyanyui la kple Yohanes ƒe Agbalẽ etɔ̃awo
kpakple Nyaɖeɖefia hã. Nyati vevitɔ si le Yohanes ƒe Agbalẽ
Evelia sia mee nye ele be kristotɔ ɖe sia aɖe nanɔ agbe le
nyateƒe kple lɔlɔ̃ me.

Emenyawo: 1. Gbedoname, 1-3
2. Nuxlɔ̃amenyawo, 4-11
3. Taƒonyawo, 12-13

Gbedonamewo
1 Agbalẽ sia tso Hamemegã tsitsitɔ gbɔ, na hamenyɔnu lɔlɔ̃a si nye ame tiatia tɔxâ,
ame si melɔ̃na vevie la kple viawo katã. Menye nye ɖekae o ke boŋ ame siwo katã
dze si nyateƒe la, 2 le nyateƒe si le mía me eye wòanɔ mía me tegbee la ta.
3 Amenuveve, nublanuikpɔkpɔ kple ŋutifafa si tso Mawu Fofo la kple Yesu
Kristo Fofo la ƒe Vi la gbɔ la nanɔ anyi kpli mi le nyateƒe kple lɔlɔ̃ me.
4 Enye dzidzɔ gã aɖe nam be makpɔ be viwò aɖewo le agbe nɔm le nyateƒea
me abe ale si Fofo la de se na míi ene. 5 Eye azɔ la, nyɔnulɔlɔ̃a, menye se bubu
aɖekee mele dedem na mi o ke boŋ esi ko miese tso gɔmedzedzea me ke, mele
biabiam be mialɔ̃ mia nɔewo. 6 Lɔlɔ̃ lae nye be míawɔ ɖe eƒe sededewo dzi. Abe ale
si miese tso gɔmedzedzea me ene la, eƒe see nye be míanɔ agbe le lɔlɔ̃ me.
7 Ameblela geɖewo, ame siwo mexɔe se be Yesu Kristo va abe amegbetɔ ene
le ŋutilã me o la kaka ɖe xexeame. Ame siawo dometɔ ɖe sia ɖe nye ameblela kple
Kristo ƒe futɔ la. 8 Mikpɔ nyuie be nu si ŋu miedze agbagba le la nagage le mia si o
ke boŋ, miaxɔ fetu si de blibo. 9 Ame sia ame si afia nu si to vovo tso Kristo ƒe
nufiafia gbɔ la, mele Mawu me o. Ke ame si lé Kristo ƒe nufiafia me ɖe asi la le
agbe le Fofo la kple Vi la me. 10 Ne ame aɖe va kple nufiafia si mesɔ ɖe Kristo tɔ
dzi o la, migado woezɔ tete hã nâ o eye migaxɔe ɖe miaƒe aƒeme kura o. 11 Ame si
xɔ ame sia la, sɔ kple eya amea le eƒe ŋutasẽnuwɔwɔwo me.
Taƒonyawo
12 Nya geɖe li si madi be maŋlɔ na mi gake nyemaŋlɔe kple nuŋlɔti kple agbalẽ o.
Ke boŋ mele mɔ kpɔm be mava kpɔ mi ɖa eye míaɖo dze ŋkume kple ŋkume, ale be
míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ nade blibo.
13 Nɔviwò nyɔnu tiatia la ƒe viwo hã do gbe na wò nyuie.

Laisser un commentaire

Votre adresse e-mail ne sera pas publiée. Les champs obligatoires sont indiqués avec *