Togo Chrétien

"L’amour de Dieu a été manifesté envers nous en ce que Dieu a envoyé son Fils unique dans le monde, afin que nous vivions par lui."

Bible Ewe

Galates

APOSTOLO PAULO ƑE AGBALẼ SI WÒŋLɔ NA GALATIATɔWO

Kpɔkplɔyiɖeme

Pauloe nye ame si ŋlɔ Galatiatɔwo ƒe agbalẽ hã. Ame aɖewo
gblɔ be hafi ame aɖe nanye kristotɔ akuakua la, ele nɛ be wòalé
Yudatɔwo ƒe kɔnyinyiwo katã me ɖe asi pɛpɛpɛ. Paulo ŋlɔ
agbalẽ sia na Galatiatɔwo hefia be kristotɔnyenye vavãtɔ mele
Yudatɔwo alo Mose ƒe sewo dziwɔwɔ me o ke boŋ ele Kristo
dzixɔse me eye to Kristo me koe míate ŋu awɔ ɖeka kple
Mawu. Efia hã be ele be kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ naɖe eɖokui
afia to lɔlɔ̃ si doa go tsoa Kristo dzixɔse me la me. Ete gbe ɖe
kristotɔwo ƒe zɔzɔ le gbɔgbɔ me dzi na wo.
Emenyawo

1. Kpɔkplɔyiɖeme, 1:1-9
2. Mawu ƒe ɖeɖefia tɔxɛ aɖe na Paulo, 1:10-2:21
3. Nufiafia tso xɔse vavãtɔ ŋu, 3:1-4:31
4. Nu siwo dzea kristotɔwo ƒe ablɔɖe yome, 5:1-6:10
5. Taƒonyawo, 6:11-18

1 Paulo, apostolo, si metso amewo gbɔ o, eye menye ame aɖeke hã dzi wòto o,
ke boŋ to Yesu Kristo kple Mawu Fofo, si fɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome
la dzi, 2 kple nɔvi siwo li kpli la, ŋlɔ ɖo ɖe hame siwo le Galatia. 3 ŋutifafa kple
yayra woana mi tso Mawu, Fofo la, kple míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ. 4 Yesu Kristo
ku ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta abe ale si Mawu mía Fofo la ɖoe ene eye wòɖe mí tso nu vɔ̃
ƒe xexe vɔ̃ɖi sia si me míele la me. 5 Bubu woana Mawu tso mavɔ me yi mavɔ me.
Amen.
Nyanyui bubu aɖeke megali o
6 Ewɔ nuku nam ŋutɔ be miele mia ɖokuiwo hem ɖa kaba alea tso Mawu, ame si yɔ
mi be miakpɔ gome le agbe mavɔ si wòna to Kristo dzi la me gbɔ. Miekplɔ
“Nyanyui” bubu si makplɔ mi ayi dziƒo o la ɖo. 7 Elabena nyanyui bubu aɖeke
megali wu esi míefia mi o. Ame siwo dzeaŋe Kristo ƒe nyateƒe la eye wotrɔnɛ la, le
mia flum.
8 Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si fiaa nyanyui bubu aɖe si dzi woato
akpɔ xɔxɔ, eye wòto vovo tso esi míefia mi gbɔ la dzi. Neva nye ŋutɔ gɔ̃ hã dzi. Ẽ,
ne mawudɔla aɖe tso dziƒo va gblɔ nya bubu aɖe la, fiƒode mavɔ neva edzi. 9
Magagblɔe ake; ne ame aɖe gblɔ nyanyui bubu aɖe wu esi miexɔ la, Mawu ƒe fiƒode
neva ame ma dzi.
10 Miate ŋu akpɔe be nyemele agbagba dzem be madze mia ŋu kple nya
viviwo kpakple amebeble o. Gbeɖe, mele agbagba dzem be madze Mawu ŋu. Nenye
ɖe medzea agbagba be madze amegbetɔwo ŋu la, anye ne nyemenye Kristo ƒe dɔla o.
3
Mawu yɔ Paulo
11 Xɔ̃nye lɔlɔãwo, mele atam kam na mi bena wometu dziƒomɔ si mefiana la ɖe
amegbetɔ aɖeke ƒe susu alo drɔ̃ekuku dzi o. 12 Elabena nye nya metso ame aɖeke
gbɔ wu Kristo ŋutɔ gbɔ o; Kristo ŋutɔe gblɔ nya si megblɔ la nam. Ame bubu aɖeke
megblɔe nam o.
13 Mienya ale si menɔ esi medze Yudatɔwo ƒe subɔsubɔ yome; ale si meti
kristotɔwo yome nublanuimakpɔmakpɔtɔe. Mehea wo yia ʋɔnui eye mewɔ nu sia nu
si mate ŋui la be maɖe wo katã ɖa. 14 Menye Yudatɔ siwo vɔ̃a Mawu wu ame
bubuwo la dometɔ ɖeka le nye hatiwo dome le anyigba blibo la dzi eye medze
agbagba ɖe sia ɖe si mate ŋui la be mawɔ se xoxo siwo katã ku ɖe nye subɔsubɔ ŋu
la dzi.
15 Ke nya aɖe va dzɔ! Elabena hafi woadzim gɔ̃ hã la, Mawu tiam be manye
ye tɔ, eye wòyɔm. O, amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ kae nye esia! 16 Eyɔm be
maɖe Via si le menye la afia ale be mate ŋu ayi Trɔ̃subɔlawo gbɔ eye magblɔ
nyanyui la tso Yesu ŋu na wo.
Esi nu siawo katã dzɔ ɖe dzinye la, nyemetso enumake be maƒo nu tso eŋu
kple ame aɖeke o. 17 Nyemeyi Yerusalem be matsɔ nya la ɖo ame siwo nye
apostolowo do ŋgɔ nam la ŋkume o. Ao! Meyi Arabia ƒe gbegbewo eye metrɔ va
Damasko. 18 Ƒe etɔ̃ va yi hafi mede Yerusalem be makpɔ Petro ɖa eye menɔ egbɔ
ŋkeke wuiatɔ̃.
19 Apostolo bubu ɖeka si ko mekpɔ lae, nye Yakobo, míaƒe Aƒetɔ la nɔvi. 20
Milé to ɖe nya si mele gbɔgblɔm na mi la ŋu elabena mele egblɔm na mi le Mawu
4
ŋutɔ ƒe ŋkume. Nusiae nye nu si tututue dzɔ. Nyemele alakpa dam na mi o. 21 Le
esia megbe la meyi Siria kple Kilikia. 22 Va se ɖe ɣemaɣi me gɔ̃ hã la, kristotɔ siwo
nɔ Yudea la mekpɔm kpɔ o. 23 Nu si wonya koe nye nu si amewo nɔ gbɔgblɔm be,
“Míaƒe futɔ xoxo la le gbeƒã ɖem xɔse si me eya ŋutɔ dze agbagba tsã be yeagblẽ la
azɔ.” 24 Eye wotsɔ bubu na Mawu le tanye.
Apostoloawo xɔ Paulo
2 Le ƒe wuieve megbe la, megayi Yerusalem. Azɔ la, mekplɔ Barnaba ɖe asi
eye Tito hã va. 2 Meyi le Mawu ƒe gbeɖeɖe nam nu be mayi aɖawɔ takpekpe kple
nɔvi siwo le afi ma tso gbeƒã si ɖem menɔ na Trɔ̃subɔlawo la, ŋu. Meƒo nu kple
hamedzikpɔlawo ɖeɖe ko ale be woase nu si tututu fiam menɔ la gɔme eye menɔ mɔ
kpɔm be woalɔ̃ ɖe edzi be nye nufiafia nye nyateƒe. 3 Wolɔ̃ ɖe edzi hã. Womezi
Tito, nye kpeɖeŋutɔ dzi be woatso aʋa nɛ gɔ̃ hã o, togbɔ be Tito menye Yudatɔ o hã.
4 Ame aɖewo nɔ afi ma siwo yɔa wo ɖokuiwo be “Kristotɔwo,” ke wonye
alakpatɔwo. Ame siawo va be yewoafi ŋku akpɔ mí eye yewoase nu tso ablɔɖe si
míena mía ɖokuiwo tso Yudatɔwo ƒe sewo dzi wɔwɔ me ŋuti. Ne menye ame siawo
tae o la, ne aʋatsotso ƒe nya gɔ̃ hã medo ta ɖa o. Wodi be yewoatsɔ yewoƒe sewo
abla mí abe ale si kluviwo nɔa kɔsɔkɔsɔwo me ene. 5 Ke míeɖo to wo kura o,
elabena míedi be míaflu mi, ana miabu be ame ate ŋu akpɔ ɖeɖe to aʋatsotso kple
Yudatɔwo ƒe sewo dzi wɔwɔ me o.
6 Naneke menɔ hamea dzikpɔla gã siwo nɔ afi ma la si woatsɔ akpe gbeƒã si
menɔ ɖeɖem o. Nyemetsɔ ɖeke le woƒe hamedzikpɔla gãwo nyenye me o, elabena
5
amewo katã sɔ le Mawu ŋkume. 7 Ke boŋ wokpɔe be wotsɔ nyanyui la gbɔgblɔ na
Trɔ̃subɔlawo ƒe dɔ de asi nam, abe ale si wotsɔ Yudatɔwo tɔ de asi na Petro hã ene.
8 Elabena Mawu, ame si li kple Petro le eƒe dɔwɔwɔ me abe apostolo na Yudatɔwo
ene la, eya kee li kpli nye hã le nye dɔwɔwɔ me abe apostolo na Trɔ̃subɔlawo ene. 9
Yakobo, Petro kple Yohanes, ame siwo amewo buna be wonye sɔtiwo na hamea la,
wona habɔbɔ ƒe asi nye kple Barnaba esi wokpɔ amenuveve si wona mí la dzesii.
Wolɔ̃ hã be míawo míayi Trɔ̃subɔlawo gbɔ, ke woawo woayi Yudatɔwo gbɔ. 10 Nya
ɖeka si ko wogblɔe nye be ele be míaɖo ŋku edzi ɣesiaɣi be míakpe ɖe ame dahewo
ŋu. Nye ŋutɔ hã metsi dzi ɖe nu sia ŋu.
Paulo tsi tre ɖe Petro ŋu
11 Ke esi Petro va Antioxia la, eva hiã be matsi tsitre ɖe eŋu sesῖe le amewo ŋkume
eye mahe nya ɖe eŋu vevie le nu masɔmasɔ si wɔm wònɔ la ta. 12 Esi wò ɖo tetee
la, eɖu nu kple kristotɔ siwo menye Yudatɔwo o, ame siwo mebui be mele be woatso
aʋa kokoko eye woalé Yudatɔwo ƒe se bubu geɖewo me ɖe asi o. Ke emegbe la, esi
Yudatɔ aɖewo, ame siwo nye Yakobo xɔlɔ̃wo va la, megalɔ̃ be yeaɖu nu kple wo o,
elabena enɔ vɔvɔ̃m na nu si ame siawo, siwo lé Yudatɔwo ƒe sewo me ɖe asi sesῖe
eye wogblɔna be aʋatsotso le vevie na ɖeɖekpɔkpɔ la agblɔ. 13 Ale kristotɔ bubuawo
katã, ame siwo nye Yudatɔwo la zu alakpanuwɔlawo. Barnaba gɔ̃ hã nɔ ame siawo
dome. Wodze Petro ƒe kpɔɖeŋu yome le esime wonya nu wu ema hafi. 14 Esi mekpɔ
nu si nɔ edzi yim eye mede dzesii be womenɔ nyateƒe tom tututu le nu si woxɔ se
ŋuti o, eye womenɔ zɔɔzɔm ɖe nyateƒe si le nyanyui la me nu o la, megblɔ na Petro
6
le ame bubuawo katã ŋkume be, “Togbɔ be ènye Yudatɔ dzidzia hã la, èɖe asi le
Yudatɔwo ƒe sewo ŋu xoxoxo; eya ta nu ka tae nètrɔ kpata hele didim be yeana ame
siawo, ame siwo menye Yudatɔwo o la, nawɔ seawo dzi mahã? 15 Nye kple wò siaa
míenye Yudatɔ dzidziawo; menye Trɔ̃subɔlawo kple nu vɔ̃ wɔla dzodzrowo míenyee
o. 16 Ke mí kristotɔ siwo nye Yudatɔwo la, míenyae nyuie be míate ŋu adze Mawu
ŋu to Yudatɔwo ƒe sewo dzi wɔwɔ me o, ke boŋ to Yesu Kristo ame si ɖe míaƒe nu
vɔ̃wo ɖa la dzixɔse ɖeɖe ko me. Ale míawo hã míeɖo ŋu ɖe Yesu Kristo ŋu be
Mawu axɔ mí le xɔse ta, eye menye be míewɔ Yudatɔwo ƒe sewo dzi ta o. Elabena
ame aɖeke makpɔ xɔxɔ le seawo dzi wɔwɔ ta akpɔ o.”
17 Ke ne míexɔ Kristo dzi se be aɖe mí eye míedze sii be míeda vo eya ta
míate ŋu akpɔ ɖeɖe o, negbe ɖe ko wotso aʋa na mí eye míewɔ Yudatɔwo ƒe se
bubuawo dzi hafi la, ɖe mele be míagblɔ be Kristo dzixɔsee na míedza vo oa?
Gbeɖe, Mawu nana be ame aɖeke nabu nu sia tɔgbi ɖe míaƒe Aƒetɔ la ŋu o. 18
Míanye nu vɔ̃ wɔlawo ne míagadze dzixɔse xoxo siwo mele agbagba dzem be maɖe
ɖa la me léle ɖe asi gɔme, anɔ bubum be Yudatɔwo ƒe sewo dzi wɔwɔ ana míakpɔ
ɖeɖe. 19 Elabena to ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la xexelẽ mee meto va nya be nyemate ŋu adze
Mawu ŋu gbeɖe to agbagbadzedze be mawɔ seawo dzi me o, elabena medana ƒu.
Meva dzesii bena, míate ŋu adze Mawu ŋu to Kristo dzixɔse me ko.
20 Woklãm ɖe ati ŋu kple Kristo eye nye ŋutɔ nyemegale agbe o ke boŋ
Kristo le agbe le menye. Agbe si tututu le menye fifia la tso ale si mexɔ Mawu Vi la
dzi se la gbɔ, ame si lɔ̃m eye wòtsɔ eɖokui na ɖe tanye. 21 Nyemenye ame siwo bua
7
Kristo ƒe ku abe nu si ŋu gɔmesese aɖeke mele o ene la dometɔ ɖeka o. Elabena ne
Yudatɔwo ƒe sewo dzi wɔwɔ ate ŋu aɖe mí la, ekema mehiã be Kristo naku o.
Xɔse loo, alo se la?
3 O, mi Galatiatɔ tsibomewo! Ame kae flu mo na mi eye wòhe gbɔgbɔ vɔ̃ va
mia dzii? Elabena tsã la, miesea Yesu Kristo ƒe ku gɔme nyuie abe ɖe metsɔ nutata
aɖe si me Yesu nɔ kukum le atitsoga ŋu fia mi ene. 2 Mina mabia nya ɖeka sia mi:
ɖe miexɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la to Yudatɔwo ƒe sewo dzi wɔwɔ mea? Kura o! Elabena
Gbɔgbɔ Kɔkɔe la va mia dzi esime miese nu tso Kristo ŋu eye miexɔ edzi se be aɖe
yewo la megbe. 3 Ekema ɖe miele tsu kum azɔa? Elabena ne agbagbadzedze be
woawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe sewo dzi mena agbe mi le gbɔgbɔ me o la, nu ka ta miebu
be agbagbadzedze be yewoawɔ wo dzi awɔ mi azɔ kristotɔ nyuiwo wu? 4 Miekpe fu
geɖe ɖe nyanyui la ta. Miele didim azɔ be yewoaɖe asi le nyanyui la ŋu. Esẽ nam be
maxɔ nu sia dzi ase!
5 Megale mia biam be ɖe Mawu na Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ mi eye wòwɔ
nukunuwo le mia dome le miaƒe agbagbadzedze be yewoawɔ Yudatɔwo ƒe sewo dzi
taa? Mele nenema kura o. Esime miexɔ Kristo dzi se eye mieɖo ŋu ɖe eŋu tso dzi
blibo me tae.
6 Nenema kee wònɔ na Abraham hã. Nu si na Mawu kpɔe be edze na dziƒo
koe nye be, exɔ Mawu ƒe ŋugbedodowo dzi se. 7 Miate ŋu akpɔe tso esia me be ame
siwo nye Abraham ƒe vi vavãwo lae nye ame siwo katã xɔ Mawu dzi se nyateƒetɔe. 8
ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la kpɔe do ŋgɔ be Mawu atso afia na Trɔ̃subɔlawo le xɔse me, eya ta
wòɖe gbeƒã na Abraham do ŋgɔe be, “Woyra dukɔwo le mewò.” 9 Eya ta woyra
ame siwo katã xɔse la kple xɔsetɔ Abraham. 10 Ame siwo katã tsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ
da ɖe sea dzi wɔwɔ dzi la le fiƒode te, elabena woŋlɔ ɖi be, “Woƒo fi de ame sia ame
si melé nu sia nu si woŋlɔ ɖe Segbalẽame la me ɖe asi o.” 11 Eme kɔ ƒãa be
womatso afia na ame aɖeke le Mawu gbɔ to se la me o, elabena woŋlɔ ɖi be, “Ame
dzɔdzɔe la anɔ gbe le xɔse me.” 12 Wometu Sea ɖe xɔse dzi o, ke boŋ mawunya
gblɔ bena, “Ame si awɔ nu siawo la anɔ agbe ɖe wo nu.” 13 Kristo ɖe mí tso Se la
ƒe fiƒode me, esi wòzu fiƒode ɖe mía teƒe, elabena woŋlɔ ɖe mawunya me be, “Woƒo
fi de ame sia ame si woklã ɖe ati ŋuti.” 14 Ale woɖe mí be yayra si wotsɔ na
Abraham la nava Trɔ̃subɔlawo hã dzi to Kristo Yesu me, ale be to xɔse me míaxɔ
Gbɔgbɔ Kɔkɔe si Mawu tsɔ do ŋugbee. 15 Nɔvi lɔlɔ̃awo, le míaƒe agbenɔnɔ gbe sia
gbe me gɔ̃ hã la, ne ame aɖe do ŋugbe na nɔvia eye wòŋlɔe da ɖi, de asi ete la,
womagate ŋu atrɔe o. ŋugbedola magate ŋu atrɔ tame be yeawɔ nu bubu o.
16 Azɔ la, Mawu do ŋugbe aɖewo na Abraham kple Via. ɖo ŋku edzi be nya
sia megblɔ be wodo ŋugbe na viawo o; anye ne esia afia be via siwo katã nye
Yudatɔwo. Ke wodo ŋugbe na Via eye esia gɔmee nye na Kristo. 17 Nu si mele
didim be magblɔ lae nye esi: Mawu ƒe ŋugbe si wòdo be woaɖe ame to xɔse me la
eŋlɔ ŋugbedodo sia da ɖi eye wòde asi ete; womate ŋu aɣlae alo atrɔe ƒe alafa ene
blaetɔ̃ megbe, esi Mawu na Se Ewoawo o. 18 Ne se mawo dzi wɔwɔ ate ŋu aɖe mí
la, ekema eme kɔ ƒãa bena esia ato vovo sã tso Abraham ƒe mɔ gbɔ elabena ɖe ko
Abraham ya xɔ Mawu ƒe ŋugbedodo dzi se.
19 Enyo: Nu ka tae wode se mawo? Wotsɔ se siawo kpe ɖe tsãtɔwo ŋu le
ŋugbe sia dodo vɔ megbe be woafia amewo ƒe fɔɖiɖi ne woda Mawu ƒe sewo dzi. Ke
se siawo anɔ anyi va se ɖe Kristo, Vi, si Mawu do ŋugbe na la ƒe vava dzi ko.
Vovototo bubu sia hã gali. Mawu tsɔ eƒe seawo na mawudɔlawo be woatsɔ ana
Mose, eye eya hã tsɔ wo na eƒe amewo. 20 Ke esi Mawu do ŋugbe na Abraham la,
eya ŋutɔe doe na Abraham; metsɔ ŋugbedodo la to mawudɔlawo alo Mose dzi o.
21 Ekema ɖe se la tsi tre ɖe Mawu ƒe ŋugbedodowo ŋu mahã? Gbeɖe!
Elabena nenye ɖe se si wona la ana agbe la, anye ne dzɔdzɔenyenye ava to se la me
vavã. 22 Gake ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ be xexeame katã le nu vɔ̃ ƒe game, ale be ŋugbe
si wodo be to Yesu Kristo dzixɔse me ame siwo xɔse la akpɔɖeɖe la nasu wo si.
23 Do ŋgɔ na Kristo ƒe vava la, se la dzɔ mía ŋu abe gamenɔlawo ene va
se ɖe esime míaxɔ ɖela si gbɔna la dzi ase.
24 Mina magagblɔe ale: Yudatɔwo ƒe sewo nye míaƒe nufiala kple mɔfiala va
se ɖe esime Kristo va be yeana míanɔ nyuie kple Mawu to míaƒe xɔse me. 25 Ke azɔ
esi Kristo va la, míegahiã se mawo be woadzɔ mía ŋu eye woakplɔ mí ayi egbɔe o.
Mawu ƒe viwo
26 Elabena azɔ la, mí katã míenye Mawu viwo to Yesu Kristo dzixɔse me, 27 eye mí
ame siwo wode mawutsi ta na ɖe ɖekawɔwɔ kple Kristo me la, míedo Yesu abe awu
ene. 28 Míeganye Yudatɔwo alo Helatɔwo, kluviwo alo ablɔɖeviwo, ŋutsuwo alo
nyɔnuwo gɔ̃ hã o, ke mí katã míele ɖeka; míenye kristotɔwo; míele ɖeka le Kristo
10
Yesu me. 29 Ke azɔ la, esi míenye kristotɔwo la, míenye Abraham ŋutɔ ƒe
dzidzimeviwo eye Mawu ƒe ŋugbe siwo katã wòdo na Abraham la nye mía tɔ.
4 Miɖo ŋku edzi be ne fofo aɖe ku eye wògblẽ domenyinu gã aɖe ɖi na via sue
aɖe la, ɖevi sue ma tɔ me menyo sãa wu kluvi aɖeke tɔ o va se ɖe esime wòatsi
togbɔ be nu sia nu si fofoa gblẽ ɖi nɛ nye etɔ hã. 2 Ele na ɖevi la be wòawɔ nu si
edzikpɔlawo ɖo nɛ va se ɖe esime wòaxɔ ƒe si fofoa ɖo na ɖi.
Mawu xe fe ɖe míaƒe ablɔɖe ta
3 Alea tututue wònɔ na mí va se ɖe esime Kristo va. Míenye kluviwo na
Yudatɔwo ƒe sewo kple kɔnyinyiwo elabena míebu be woate ŋu aɖe mí. 4 Ke
esi ɣeyiɣi nyuitɔ si Mawu ɖo da ɖi va ɖo la, Mawu ɖo Via si nyɔnu aɖe dzi eye
wònye Yudatɔ la ɖa 5 be wòana ablɔɖe mí ame siwo nye kluviwo na seawo ale be
wòate ŋu axɔ mí abe eya ŋutɔ viwo ene. 6 Eye be míenye viawo ta la, Mawu ɖo
Via ƒe Gbɔgbɔ ɖe míaƒe dziwo me eya ta azɔ la míate ŋu ayɔ Mawu dzideƒotɔe be
enye mía Fofo lɔlɔ̃a. 7 Míeganye kluviwo azɔ o ke boŋ míenye Mawu ŋutɔ viwo azɔ.
Azɔ esi míenye viawo ta la, nu sia nu si nye etɔ la nye mía tɔ elabena nenemae
Mawu ɖoe.
Paulo tsɔ ɖe le me na Galatia hamea
8 Hafi mi Trɔ̃subɔlawo mianya Mawu la, mienye kluviwo na nu siwo miebuna abe
mawuwo ene, evɔ mawu mawo menɔ anyi gɔ̃ hã o. 9 Ke azɔ esi mieke ɖe Mawu ŋu
11
alo magblɔ be Mawu boŋ ke ɖe mia ŋu la, nu ka tae miagadi be yewoagagbugbɔ ayi
subɔsubɔ gbɔdzɔ, dahe, dzodzro gbɔ hele agbagba dzem be miayi dziƒo to Mawu ƒe
sewo dzi wɔwɔ me hã? 10 Miele agbagba dzem be yewoadze Mawu ŋu to nu si
miawɔ alo nu si mele be miawɔ o le ŋkeke tɔxɛ aɖewo dzi alo le ɣleti aɖewo me alo
le azãgbe aɖewo alo le ƒe aɖewo me la dzi. 11 Mevɔ̃ ɖe mia nu. Mele vɔvɔ̃m be nye
agbagbadzedzewo katã ɖe mia ta la zu nu dzodzro. 12 Nɔvi lɔlɔ̃awo mina nu siawo
nawɔ dɔ ɖe mia dzi abe ale si wòwɔ dɔ ɖe dzinyee ene, elabena nye la mevo tso
kɔkuti siawo te abe ale si miawo hã mievo tso wo te tsã ene. Esi megblɔ mawunya
na mi zi gbãtɔ la miedo vlom o, 13 togbɔ be menɔ dɔ lém esi metsɔ nyanyui la vɛ na
mi zi gbãtɔ hã. 14 Togbɔ be nye dɔléle la nye nuɖiaɖia hã la, miegbe nu le gbɔnye
henyam o, ke boŋ miexɔm eye miekpɔ dzinye abe mawudɔla aɖe menye alo abe
Yesu Kristo ŋutɔ ene.
15 Afi ka dzidzɔkpɔkpɔ ƒe gbɔgbɔ si nɔ mía dome tsã la le? Elabena menyae
be le ŋkeke mawo me la, mialɔ̃ dzidzɔtɔe aho miaƒe ŋkuwo atsɔ aɖo tɔnyewo teƒe ne
ema ate ŋu anye kpekpeɖeŋu nam.
16 Ke azɔ la, ɖe mezu miaƒe futɔ elabena megblɔ nyateƒe la na mia?
17 Aʋatsonufiala mawo, ame siwo le didim vevie be yewoadze mia ŋu la,
mele agbagba dzem nenema ɖe miaƒe nyonyo ta o. Nu si wole didim be yewoawɔ
lae nye yewoatrɔ miaƒe mo ɖa tso gbɔnye ale be miaɖo to woawo wu. 18 Enyo ne
amewo ve mia nu kple tameɖoɖo nyui, to dzi vavãtɔ me vevietɔ ne womele mia nu
vem le ɣeyiɣi si me mele mia gbɔ ko me o. 19 O, vinyewo miena nye dzi le veve
sem! Megale veve sem abe funɔ si le mɔ kpɔm na vidzidzi ene eye mele mɔ kpɔm
12
na ɣeyiɣi si Kristo ƒe gbɔgbɔ ayɔ mia me mlɔeba la. 20 Medi vevie be manɔ mia gbɔ
fifia ale be nyemanɔ nu siawo ŋlɔm na mi o hafi; ke esi mía dome didi ta la, maʋu
eme be nyemenya nu si tututu mawɔ o.
Hagar kple Sara ƒe kpɔɖenu
21 Miɖo tom, xɔ̃nyewo, mi ame siwo bu be ele be miawɔ Yudatɔwo ƒe sewo dzi
kokoko hafi akpɔ ɖeɖe. Nu ka ta miadi nu siwo tututu se siawo fia o. 22 Elabena
woŋlɔ ɖi be viŋutsu eve nɔ Abraham si; ɖeka dada nye kosi ke evelia dada ya nye
ablɔɖenyɔnu. 23 Nya tɔxɛ aɖeke meku ɖe kosi la ƒe vi ɖe dzidzi ŋu o. Ke
ablɔɖenyɔnua ya la Mawu ɖe wòdo ŋugbe nɛ hafi wòte ŋu dzi vi.
24 Nu siawo nye alobalo ko, elabena nyɔnu eveawo sɔ kple nubabla eve.
Nubabla ɖeka la woxɔe le Sinai to dzi eye eyae dzi ɖevi siwo nye kluviwo. Esia nye
Hagar. 25 Eya ta Hagar enye Sinaito si le Arabia, eye wòsɔ kple egbegbe Yerusalem
du, elabena eya kple viawo le kluvinyenye me. 26 Ke Yerusalem si le dzi ƒo la vo,
menye kluvi o, eye eyae nye mía dada. 27 Elabena woŋlɔ ɖi bena, “Dzi nedzɔ wò, O
konɔ, wò nyɔnu si medzi vi kpɔ o; do ɣli sesῖe nàtso aseye, wò ame si melé ku kpɔ
o; viwo le nyɔnu si tsi akogo la si wu nyɔnu si si srɔ̃ le gɔ̃ hã.”
28 Nɔvi lɔlɔ̃awo, nye kple miawo míenye vi siwo ŋugbe Mawu do abe ale si
wòdo Isak ŋugbe ene. 29 Eya ta ame siwo di be míawɔ Yudatɔwo ƒe sewo dzi la, le
mí ame siwo wodzi tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me yome tim azɔ, abe ale si Ismael, kosi
la ƒe vi, ti Isak, vi si ŋugbe wodo la yome ene.
13
30 Ke ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ be Mawu gblɔ na Abraham be wòanya kosi la
kple via elabena kosi la ƒe vi mate ŋu anyi Abraham ƒe dome kple ablɔɖenyɔnu la ƒe
vi o. 31 Nɔvi lɔlɔ̃awo, menye kosiwo ƒe viwo míenye o; eye míenye kluviwo na
Yudatɔwo ƒe sewo hã o, ke míenye ablɔɖenyɔnu la ƒe viwo, eye míedzea Mawu ŋu le
míaƒe xɔse ta.
Kristo wɔ mí ablɔɖeviwoe
5 Ale Kristo wɔ mí ablɔɖeviwoe. Azɔ la, mikpɔ egbɔ be mielé ablɔɖe sia me
ɖe asi eye miagatrɔ azu kluviwo na Yudatɔwo ƒe sewo kple kɔnyinyiwo o. 2 Miɖo
tom, elabena nya sia le vevie. Ne miele ŋu ɖom ɖe aʋatsotso kple Yudatɔwo ƒe sewo
dzi wɔwɔ ŋu be woana miadze Mawu ŋu la, ekema Kristo mate ŋu aɖe mi o. 3
Magagblɔe zi evelia. Ele na ame sia ame si le didim be yeadze Mawu ŋu to aʋatsotso
me la be wòawɔ Yudatɔwo ƒe se ɖe sia ɖe dzi loo alo wòatsrɔ̃. 4 Ne miele didim be
yewoaxe fe si mienyi le Mawu si kple se mawo dzi wɔwɔ la, ekema viɖe aɖeke mele
Kristo ŋu na mi o. Ekema Mawu ƒe amenuveve la bu ɖe mi.
5 Ke to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe kpekpeɖeŋu me la míele ŋu ɖom ɖe Kristo ƒe ku
ŋu be wòaɖe míaƒe nu vɔ̃wo ɖa ale be míate ŋu adze Mawu ŋu. 6 Eye mehiã be mí
ame siwo Kristo na agbe mavɔe la míatsi dzi o, ne wotso aʋa na mí loo alo míelé
Yudatɔwo ƒe sewo me ɖe asi la, o. Elabena nu si ko míehiã lae nye xɔse si wɔa dɔ to
lɔlɔ̃ me.
7 Miedze egɔme henɔ yiyim nyuie hafi. Ame kae va flu mi eye wòxe mɔ na
nyateƒe la yomenɔnɔ? 8 Eme kɔ ƒãa be menye Mawue wɔ nu sia o, elabena eyae nye
14
ame si yɔ mi hena ablɔɖe le Kristo me. 9 Ke mia dometɔ ɖeka koe agblẽ ame
bubuawo katã.
10 Mele mɔ kpɔm be Mawu agagbugbɔ mi va xɔse la gbɔ abe ale si mele mɔ
kpɔm le nu siawo me ene. Ame ka kee le fu ɖem na mi hele mia flum la, Mawu ŋutɔ
ahe to nɛ.
11 Ame aɖewo gblɔ gɔ̃ hã be nye ŋutɔ mele gbeƒã ɖem be aʋatsotso kple
Yudatɔwo ƒe sewo le vevie hena ɖeɖe. Enyo, ne meɖe gbeƒã nenema la, womagati
yonyeme o, elabena gbeƒãɖeɖe sia meɖia ame aɖeke nu o. Esi wogale yonyeme tim
kokoko la, fia be megale gbeƒã ɖem tso ɖeɖe to xɔse le Kristo ƒe atitsoga ɖeɖe ko me
ŋu.
12 ɖe ko medi vevie be nufiala siwo di be miana woatso aʋa na mi la, woaɖe
wo ɖokuiwo ɖa le mia dome eye woaɖe le mia ŋu kpoo.
Agbenɔnɔ le Gbɔgbɔ la me
13 Elabena nɔvi lɔlɔ̃awo, wona ablɔɖe mi ke menye ablɔɖe be miawɔ nu vɔ̃ o, ke
boŋ ablɔɖe be mialɔ̃ mia nɔewo eye miave wo nu. 14 Elabena woate ŋu aƒo seawo
katã nu ƒu wòazu se ɖeka sia be, “Lɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene.” 15 Ke ne le lɔlɔ̃ na
mia nɔewo teƒe ɖeklemiɖeɖe kple dzrewɔwɔ le miawo ɖeɖe dome la, ekema minɔ
ŋudzɔ eye miakpɔ nyuie be miagagblẽ nu le mía nɔewo ŋu o.
16 Eya ta megblɔ be minɔ agbe le Gbɔgbɔ la me ale be miagawɔ miaƒe
dzɔdzɔme vɔ̃wo ƒe didiwo dzi o.
15
17 Elabena dzɔdzɔme vɔ̃ dia nu si tsi tre ɖe Gbɔgbɔ la ŋu, eye nu si dim
Gbɔgbɔ la le la hã nye futɔ na mía ƒe dzɔdzɔme vɔ̃wo. Wole avu wɔm kple wo
nɔewo, ale be miate ŋu awɔ nu si miedi be miawɔ la o. 18 Ke ne Gbɔgbɔ la le
miakplɔm la, miegale se la te o.
19 Ke ŋutilãmenudzodzro vɔ̃ wo dze ƒãa; esi woe nye, ahῖawɔwɔ,
mɔkɔmakɔnyenye, hadzedze, 20 trɔ̃subɔsubɔ, adzewɔwɔ, fuléle, dzrewɔwɔ ŋuʋaʋã,
dɔmedzoedodo, ɖokuitɔdidi, kɔmamawo, mamawo, 21 ŋubiabiã, ahamumu, aglotutu
vɔ̃wo kple esia tɔgbiwo. Mele nu xlɔ̃m mi, abe ale si mexlɔ̃ nu mi va yi ene la be,
ame siwo nɔ agbe alea la manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o.
22 Ke Gbɔgbɔ la ƒe kutsetse enye, lɔlɔ, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔɖi,
dɔmenyowɔwɔ, nyuiwɔwɔ, nuteƒewɔwɔ, 23 tufafa kple ɖokuidziɖuɖu. Se la metsi
tre ɖe nu siawo ŋuti o. 24 Ame siwo nye Kristo Yesu tɔ la klã woƒe dzɔdzɔme vɔ̃wo
kple woƒe fieŋufieŋuwo kpakple woƒe dzodzrowo ɖe ati ŋuti. 25 Esi míele agbe le
Gbɔgbɔ la me la, mina míazɔ hã le eƒe kpɔkplɔ te. 26 Migana dada nayɔ míame o,
ado dziku ha mía haviwo alo aʋa ŋu mía nɔewo o.
Miwɔ nyui na amewo katã
6 Nɔvi lɔlɔ̃awo, ne kristotɔ aɖe dze nu vɔ̃ me la, ele na mi ame siwo vɔ̃a Mawu
la be miatsɔ gbe blewu kple ɖokuibɔbɔ akpe ɖe eŋu be wòagbugbɔ ava mɔ dzɔdzɔe
la dzi; miaɖo ŋku edzi be mia dometɔ aɖe hã ate ŋu azu vɔ̃wɔla ɣebubuɣi. 2 Mitsɔ
mia nɔewo ƒe agbawo eye miakpe ɖe wo ŋu le woƒe xaxawo me, ale miawɔ Aƒetɔ
16
la ƒe se la dzi. 3 Ne ame aɖe bu be yenye amegã le esime menye amegã o la eble
eɖokui.
4 Mina ame sia ame naka ɖe edzi be yele yeƒe dɔ wɔm abe ale si yeate ŋui
ene, ekema akpɔ dɔ nyui wɔwɔ ŋuti dzidzɔ eye mahiã be wòatsɔ eɖokui asɔ kple ame
bubu aɖeke o. 5 Ele be mía dometɔ ɖe sia ɖe natsɔ eya ŋutɔ ƒe vodadawo kple eya
ŋutɔ ƒe agbawo elabena mía dometɔ aɖeke mede blibo o!
6 Ame siwo wofia Mawu ƒe nyae la na ma woƒe nu nyuiwo kple woƒe
nufialawo. 7 Migable mia ɖokuiwo o. Miɖo ŋku edzi be ame aɖeke mate ŋu aflu
Mawu o. Nu si ame ƒãna la eya kee wòŋene ɣesiaɣi. 8 Ne eƒã eya ŋutɔ ƒe dzodzro
vɔ̃wo ƒe ku la, ekema ele nu vɔ̃wo ƒe ku ƒãm eye le nyateƒe me la, aŋe gbegblẽ ƒe ku.
Ke ne eƒã gbɔgbɔmekuwo la, aŋe agbe mavɔ si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la anɛ. 9 Migana
míagbɔdzɔ le nu nyui wɔwɔ me o, elabena ne míegbɔdzɔ o la, míaŋe nu le ɣeyiɣi
nyuitɔ dzi. 10 Eya ŋuti esi asinukpɔkpɔ le míasi la, mina míawɔ nyui na amewo katã,
vevietɔ na nɔvi dzixɔsetɔwo.
Menye aʋatsotso o, ke boŋ nuwɔwɔ yeye yae
11 Matsɔ nye ŋutɔ nye asi aŋlɔ nuwunya mamlɛ siawo na mi. Mikpɔ ale si wòle be
mana nye ŋɔŋlɔdzesiwo naloloe ɖa! 12 Miaƒe nufiala siwo le agbagba dzem be
yewoana miatso aʋa la, le agbagba dzem le nu ɖeka ko ta: eyae nye be yewoadze
amewo ŋu eye womagati yewo yome, abe ale si wòanɔ ne woaʋu eme be Kristo ƒe
atitsoga koe ate ŋu aɖe mí ene o. 13 Menye ame siwo wotso aʋa na gɔ̃ hãe wɔa sea
dzi o, ke wodi be woatso aʋa na mi ale be woaƒo adegbe le miaƒe ŋutilã ŋu.
14 Mawu neɖi be nyemaƒo adegbe le naneke ŋu o, negbe le míaƒe Aƒetɔ Yesu
Kristo ƒe atitsoga la ŋu ko, nu si me woto klã xexeame ɖe ati ŋuti nam eye woklã
nye hã ɖe ati ŋuti na xexeame. 15 Gɔmesese aɖeke megale aʋatsotso kple
aʋamatsɔmatso ŋu o: nu si le vevie lae nye nuwɔwɔ yeye zuzu.
16 Mawu ƒe ŋutifafa kple nublanuikpɔkpɔ nanɔ anyi kple ame siwo katã wɔa
se sia dzi, eye woanɔ anyi kple Mawu ƒe Israel hã.
17 Mlɔeba la migana ame aɖeke naɖe fu nam le nu siawo ŋuti o elabena
Yesu ƒe dzesiwo le nye ŋutilã ŋu.
18 Nɔvi lɔlɔ̃awo, míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kple miaƒe
gbɔgbɔ, Amen.

Laisser un commentaire

Votre adresse e-mail ne sera pas publiée. Les champs obligatoires sont indiqués avec *