Togo Chrétien

"L’amour de Dieu a été manifesté envers nous en ce que Dieu a envoyé son Fils unique dans le monde, afin que nous vivions par lui."

Bible Ewe

2 Corinthiens

PAULO ƑE AGBALẼ EVELIA SI WOŊLɔ NA KORINTOTɔWO

Kpɔkplɔyiɖeme:
Pauloe nye ame si ŋlɔ Korintotɔwo ƒe agbalẽ evelia hã. Gbeƒãɖeɖe
Kristo hea fukpekpewo vaa ame dzii. Nenema ke wònɔ na Paulo hã.
Wodo vloe, ƒoe, dee gaxɔ me eye ku gɔ̃ hã do ŋɔdzi nɛ ɣeaɖewoɣi. Ke
dzi meɖe le eƒo o. Korinto kristotɔ aɖewo tsɔ nya aɖewo ɖe Paulo ƒe
ŋusẽ kple nufiafia ŋuti. Paulo ŋlɔ eƒe nuɖenyawo ɖe agbalẽ sia me eye
wòɖe eƒe dzidzɔkpɔkpɔ fia esime ame siwo tsi tsitre ɖe eŋu la va se
wo ɖokuiwo gɔme eye wowɔ ɖekpa kplii. Agbalẽ sia he akɔfafa geɖe
vɛ na kristotɔ siwo nɔ Korinto.
Emenyawo:
1. Kpɔkplɔyiɖeme, 1:1-11
2. Paulo ƒe ɖokuitaʋiʋli, 1:12-7:4
3. Tomefafa va Korintotɔwo kple Paulo dome, 7:5-16
4. Mawu ƒe amenuveve na wo, 8:1-9:15
5. Paulo ƒo nu tso eƒe apostolonyenye kple eƒe ŋusẽ ŋu, 10:1-13:10
6. Yayra kple ŋusẽdoamenyawo, 13:11-14
1 Nɔvinye lɔlɔ̃tɔ siwo le Korinto, agbalẽ sia tso nye Paulo, ame si Mawu ŋutɔ
tia be manye Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe dɔla kple nɔvinye Timoteo gbɔ na mi. Míele
agbalẽ sia ŋlɔm na miawo ɖeɖe ko o, ke boŋ míele eŋlɔm na nɔvi siwo hã le Akaya
blibo la katã. 2 Mawu, mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve kple ŋutifafa
nagbã go ɖe mia dzi duu. 3 Woakafu Mawu ame si nye mía Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo,
nublanuikpɔkpɔ Fofo kple akɔfafa katã ƒe Mawu la, 4 ame si fa akɔ na mí le míaƒe
xaxawo katã me, ale be míawo hã míate ŋu afa akɔ na ame siwo le xaxa me kple
akɔfafa si míawo ŋutɔ míexɔ tso Mawu gbɔ. 5 Abe ale si Kristo ƒe fukpekpewo gena
ɖe míaƒe agbemee ene la, nenema kee to Kristo me míaƒe akɔfafa hã gba goe. 6 Ne
míexaxa la, miawo ƒe akɔfafa kple ɖeɖe tae; ke ne wofa akɔ na mí la, miawo ƒe
akɔfafa tae, esia dea dzigbɔgbɔblewuu miame be miawo hã mietea ŋu kpea fu siwo
miekpena. 7 Míaƒe mɔkpɔkpɔ na mi like goŋgoŋgoŋ, elabena míenyae bena, abe ale
si miekpɔ gome le míaƒe fukpekpewo me ene la, nenema ke miakpɔ gome le míaƒe
akɔfafa hã me.
8 Nɔvi lɔlɔ̃tɔwo mebu be ele be magblɔ fu siwo míekpe le Asia la na mi.
Woƒo mí eye wowɔ fu mí ale gbegbe be míawo ŋutɔ gɔ̃ hã míebumɔkpɔkpɔ ɖe sia ɖe
be míatsi agbe. 9 Míebu be míele kuku ge elabena míekpɔ be wɔna aɖeke meganɔ
mía ŋu o gake míetsɔ nu sia nu gblẽ ɖe Aƒetɔ si tea ŋu wɔa nu sia nu eye wòfɔa ame
kukuwo gɔ̃ hã tso yɔdo me la sime. 10 Vavã, Mawu ɖe mí tso ku dziŋɔ aɖe sime, ale
míetsɔ míaƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe edzi be aɖe mí tso fukpekpe ɖe sia ɖe me ɖaa. 11 Eya
ta mi katã miwɔ ɖeka ne miado gbe ɖa ɖe mía ta vevie. Zi ale si miedo gbe ɖa eye
mieɖe kuku ɖe mía ta la, zi nenema ke miagada akpe na Aƒetɔ la ɖe eƒe ŋuɖoɖo si na
be míenɔ dedie la ta.
Tɔtrɔ va Paulo ƒe ɖoɖowo me
12 Ke míawo hã, adegbe si míeƒona lae nye be, míeléa mía ɖokuiwo nyuie le xexe
sia me, eye le mia dome hã la, míezɔna le dzitsinya kɔkɔe nu, míewɔ mía ɖokuiwo
dzadzɛ eye míetoa nyateƒe le nu sia nu me. Ke menye míawo ŋutɔ ƒe ŋusẽ mee
míewɔ esiawo le o, ke boŋ wo katã tso Aƒetɔ la gbɔ. 13 Elabena míeŋlɔ nya bubu
aɖeke na mi, si miate ŋu axlẽ alo ase egɔme o. Mele mɔ kpɔm be 14 abe ale si miese
míaƒe nya gɔme afã kple afãe ene la, miava se egɔme blibo ale be miate ŋu aƒo
adegbe le mía ŋu abe ale si míaƒoe le mia ŋu le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkeke la dzi ene. 15
Esi meka ɖe miaƒe nugɔmesese dzi tae medi be mava mia gbɔ gbã le nye mɔzɔzɔ me,
ale be miagaxɔ yayra ɖe yayra dzi. 16 Tso mia gbɔ la, mayi Makedonia eye ne metrɔ
tso Makedonia la magava to mia gbɔ ale miado mɔm ne medzo yina Yudea.
Nu si he apostoloa ƒe vava ɖe megbe
17 ɖewohῖ mianɔ biabia be, ɖe metrɔ ɖoɖo si mewɔ gbã la alo ɖe mele nu wɔm abe
xexeametɔ siwo menya Kristo o la ene, ame siwo ne, nya lae nye “ẽ” la, wogblɔna
be “ao” hã? 18 Gbeɖe, mele eme nenema o. Abe ale si Mawu nye nyateƒetɔ ene la,
nyemenye ame ma ƒomevi o. Nye “ẽ” nye “ẽ”.
19 Elabena Mawu ƒe Vi, Yesu Kristo, ame si ŋu nye Paulo, Silvano kple
Timoteo míeɖe gbeƒã le na mi la, menye ame si ne nya lae nye “ẽ” la, wògblɔ be
“ao” o. Aƒetɔ Yesu Kristo wɔna ɖe nu sia nu si wògblɔ la ko dzi. 20 Aƒetɔ Yesu
Kristo kpɔna hã be Mawu ƒe ŋugbedodo ɖe sia ɖe va eme pɛpɛpɛ. Ne ŋugbedodoawo
wu akpe nanewo hã la, wovaa eme na mí to Kristo dzi hena Mawu ƒe kafukafu. 21
Medi be wòanɔ susu me na mi bena, Mawue wɔ mí kple miawo hã bena míezu
kristotɔ vavãwo eye wòtia mí abe eƒe apostolowo ene be míaɖe gbeƒã nyanyui
la. 22 Eya ame si de dzesi mí abe viawo ene, eye wòtsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la de míaƒe
dziwo me abe kpeɖodzi ene be míenye etɔwo eye abe nu siwo wòle míana ge la ƒe
akpa gbãtɔ ene.
23 Azɔ la, meyɔ Mawu tso nye dzime ke abe ɖase ene bena nu si gblɔm mele
na mi la enye nyateƒe tututu; susu si ta nyemeva mia gbɔ haɖe o lae nye be nyemedi
be mava ka mo na mi eye mawɔe be miaxa nu o. 24 Menye ɖe míegale
amegã ɖum ɖe mia dzi hele se dem na mi tso nu si ke miaxɔ ase la ŋuti o, elabena
mienya nu si dze be miaxɔ ase, eyae nye Kristo ame si dzi miexɔ se hã. Togbɔ be ne
meva la nyemate ŋu akpe ɖe mia ŋuti, adzi míaƒe xɔse ɖe edzi o, elabena miaƒe xɔse
sɔ gbɔ xoxo hã la, medi be mawɔ nane si ado dzidzɔ na mi ne meva, menye be mana
mialé blanui o.
2 Ke azɔ la, nye ŋutɔ meɖoe be nyemagava mia gbɔ kple nu si agahe nuxaxa vɛ
na mi o. 2 Elabena ne megade nuxaxa miaƒe dzi me la, miete ŋu le dzidzɔ do ge nam
le mia gbɔnɔnɔ me o; evɔ ame bubu aɖeke hã meli si ado dzidzɔ nam tsɔ wu miawo
o. 3 Esia tae meŋlɔ agbalẽ ma na mi ale be miaɖɔ nuwo ɖo hafi mava, elabena
nyemedi be makpɔ naneke le mi ame siwo ŋu meɖoa ŋu ɖo be miado dzidzɔ geɖe
nam la ŋu si ade nuxaxa nye dzime o. Menyae nyuie bena ne meva mia gbɔ le
dzidzɔ me la ekema miawo hã miakpɔ dzidzɔ geɖe. 4 Nuxaxa kple veve geɖe nɔ nye
dzime, eye aɖatsiwo ge le mo nam gɔ̃ hã le agbalẽ ma ŋɔŋlɔ me, eye menye ɖe
meŋlɔ agbalẽ la be mana miaxa nu o, ke boŋ meŋlɔe be mana miadze si nu
masɔmasɔ siwo le edzi yim le mia gbɔ kple ale si melɔ̃ mii vevie.
5
Tsɔtsɔ ke na vɔ̃wɔla
5 Ne ame aɖe he nuxaxa vɛ la, menye nyee wòdo nuxaxa na o ke boŋ mi katãe, mele
egblɔm alea be nyemagate gbe ɖe dzi fũu o. 6 Eya ta tohehe si ame akpa gãtɔ da ɖe
nenem me sia dzi la sɔ gbɔ nɛ. 7 Azɔ ele be miatsɔ eƒe nu vɔ̃wo kee eye miafa akɔ
nɛ. Ne menye nenema o la, ase veve eye dzi aɖe le eƒo ale gbegbe be wòatrɔ ɖa tso
nyateƒe la gbɔ. 8 Meɖe kuku na mi, miɖee fiae azɔ be miegalɔ̃e pɛpɛpɛ abe tsã ene. 9
Meŋlɔ agbalẽ ma na mi be makpɔe ɖa be, miele klalo awɔ ɖe nye ɖoɖowo dzi eye be
makpɔe ɖa be toɖoɖo gbɔgbɔ le mia me mahã? 10 Nu si mietsɔ ke ame aɖe la, nye
hã metsɔe kee, eye edze be nye hã matsɔe ke le Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋusẽ me hena
miaƒe nyonyo ko. 11 Susu bubu si ta wòdze be miatsɔ nu vɔ̃ ake amewo lae nye be
miaxe mɔ na Satana be wòagaɖu mia dzi ahe tɔtɔ va mia dome o, elabena mí katã
míedze si ale si wòdi be yeade zitɔtɔ hamewo dome.
Nubabla Yeyea ƒe apostolowo
12 Esi meva Troa be magblɔ Kristo ƒe nyanyui la le afi ma la, mekpɔ be Aƒetɔ la
ŋutɔ ʋu mɔ nam be dɔ la nayi edzi nyuie. 13 Gake metsi dzi le ɖokuinye me, elabena
nyemekpɔ nɔvinye lɔlɔ̃tɔ Tito le afi ma o, gawu la nyemenya afi si wònɔ kple nu
siwo nɔ dzɔdzɔm ɖe edzi o. Medo taflatse na Troatɔwo eye medzo le afi ma heyi
Makedonia.
14 Ke akpe na Mawu be to nu si Kristo wɔ me la míekpɔ dziɖuɖu eye
míekaka nyanyui la abe ami ʋeʋẽ si ʋẽna lililῖ ene ɖe amewo dome le afi sia afi si
6
míeyi. 15 Elabena Mawu wɔ mí míezu ami si ʋẽna lililῖ la eye Kristo ƒe ʋeʋẽ lililῖ si
wòtsɔ de mía me la kaka ɖe ame siwo katã kpɔ xɔxɔ kple ame siwo mekpɔe o siaa
dome. 16 Nunana nyui si Kristo tsɔ na mí la ɖi ku ƒe ʋeʋẽ na ame siwo le tsɔtsrɔ̃m.
Ke le ame siwo xɔ Kristo dzi se ya gbɔ la, míenye ʋeʋẽ lililῖ si naa agbe. Azɔ biabia
lae nye be, ame ka ŋu ŋutete le be wòawɔ Aƒetɔ la ƒe dɔ siawo? 17 Míawo la míele
abe ame siwo tsɔ mawunya la ɖo ŋgonu hele amewo blem, le ga xɔm le wo si la ene
o. Esi wònye Mawue dɔ mí ta la, míeƒoa nu kple Kristo ƒe ŋusẽ la eye Mawu ƒe ŋku
le mía ŋu ɖaa.
3 Ke nya siwo meŋlɔ na mi la, ɖe wodze abe míele mía ɖokui kafum ena?
Míawo la míele abe aʋatsonufiala mawo siwo xɔa kafukafugbalẽwo tsoa amewo gbɔ
va nɔa mia fiam la ene o; míawo ya kafukafugbalẽ aɖeke mehiã mí o. 2 Fifia la ame
sia ame le afi sia afi kpɔe dze sii azɔ be Kristo to mia dzi wɔ dɔ nukutɔe le mia
dome, eye miezu ame yeyewo. Elabena miedzudzɔ agbe vlo nɔnɔ eye mieva nyateƒe
ƒe kekeli la gbɔ, esia ɖeɖe si amewo kpɔ le mia ŋuti la nye agbalẽ blibo si woaxlẽ. 3
Amewo akpɔe be miezu agbalẽ si tso Kristo gbɔ to mía dzi. Menye agbalẽ si woŋlɔ
kple nuŋlɔti kple nuŋlɔtsi o ke boŋ esi wotsɔ Mawu gbagbe la ƒe Gbɔgbɔ ŋlɔe ɖe
miaƒe dziwo me, ke menye ɖe nuŋlɔkpewo dzi o.
4 Míele nya siawo gblɔm kple kakaɖedzi, elabena míeɖo ŋu ɖe Mawu ɖeka
hɔ̃ la ko ŋu to Aƒetɔ Yesu Kristo me be akpe ɖe mía ŋu be míawɔ ɖe nu sia nu si
míagblɔ la dzi. 5 Míawo la ŋusẽ aɖeke mele mía si si míate ŋu atsɔ awɔ nu siawo
katã o, ke míaƒe ŋusẽ kple dzidzedzekpɔkpɔ la tso Mawu gbɔ. 6 Mawu nye ame si de
7
dɔ sia asi na mí bena míaɖe gbeƒã nubabla yeye si wòwɔ be ame sia ame nakpɔ agbe
mavɔ la. Nubabla yeye sia to vovo sãa tso xoxoa si nye be ame nadze agbagba awɔ
ɖe Se Ewoawo dzi la gbɔ, ke yeyetɔe nye be míasubɔ Mawu le Gbɔgbɔ me. Elabena
Gbɔgbɔ lae gbɔa agbe ame, ke seawo ɖeɖe ko dzi wɔwɔ kplɔa ame yia ku me.
Nubabla Yeye la ƒe ŋutikɔkɔe
7 Enye nyateƒe be Mose xɔ se siwo ɖeɖe dzi wɔwɔ hea ku vɛ la, le ŋutikɔkɔe gã aɖe
me. Eye esi wòtrɔ gbɔ va Israelviwo gbɔ kple seawo la, kekelẽ gã aɖe ƒo xlãe ale
gbegbe be eƒe amewo mete ŋu kpɔ eƒe ŋkume gɔ̃ o gake ŋutikɔkɔe ma nu va yi xoxo.
8 Ke azɔ la ɖe míakpɔ mɔ na dzidzɔ kple ŋutikɔkɔe geɖe wu le esime Gbɔgbɔ Kɔkɔe
la le amewo xɔm ɖe agbe le ŋkeke siawo me oa? 9 Ne ŋutikɔkɔe geɖe ƒo xlã se siwo
hea ku vɛ la, ekema ŋutikɔkɔe geɖe fũu ŋutɔe aƒo xlã nubabla yeye si Mawu wɔ si
kplɔa ame yia agbe mavɔ la me. 10 Le nyateƒe me la ŋutikɔkɔe ma si klẽ tso Mose ƒe
ŋkume la menye naneke ne woatsɔ asɔ kple esi ƒo xlã Mawu ƒe nubabla yeye la o. 11
Eya ta ne nu xoxo si nu va yi la kpɔ ŋutikɔkɔe nenema la, ekema Mawu ƒe nubabla
yeye si hea agbe mavɔ vɛ la ƒe ŋutikɔkɔe la mele gbɔgblɔ me o, elabena eya anɔ anyi
tegbetegbe.
12 Esi míenya be nubabla yeye sia kple eƒe ŋutikɔkɔe la li tegbee ta la, dzika
metsoa mía ƒo o, eye míegblɔa nya la kple dzideƒo. 13 Míawo ya la, míawɔ abe ale
si Mose wɔ esi wòtsɔ nu tsyɔ mo be Israelviwo nagakpɔ kekelẽ la kple ale si wonɔ
bubum le mo nɛ la ene o.
14 Va se ɖe egbe ŋkeke dzi la, menye Mose ƒo mo ko wotsyɔ nui o, ke boŋ
Israelviwo hã ƒe susuwo kple nugɔmesese dzie, elabena wogaɖoa dzi ɖe seawo ŋu
8
eye woxlẽnɛ ɖaa abe nu si ko me woƒe mɔkpɔkpɔ le ene, evɔ wònye to Kristo
dzixɔxɔse me ko hafi woate ŋu adzo le vivitia me eye agbe ƒe kekeli la nadze na wo.
15 Eye va se ɖe fifia ne woxlẽ Mose ƒe Se Ewoawo la, woƒe ŋkuwo meʋu o elabena
wobuna be seawo dzi wɔwɔ koe ana agbe yewo.
16 Ke gbe si gbe wo dometɔ aɖe trɔ tso eƒe mɔ vɔ̃wo dzi eye wòxɔ Kristo abe
Aƒetɔ ene la, ekema nu si tsyɔ mo nɛ ta wòle viviti me la ɖena ɖa enumake. 17 Aƒetɔ
la ŋutɔe nye Gbɔgbɔ si naa agbe wo eye afi si Aƒetɔa ƒe Gbɔgbɔ le ko la ablɔɖe vavã
hã nɔa afi ma. 18 Ke mí ame siwo katã xɔ Yesu Kristo abe Aƒetɔ ene eye míeɖo dzi
ɖe eya ɖeɖe ko ŋu la, nutsyɔnu aɖeke mele míaƒe mowo o eya ta míele abe ahuhɔ̃e si
ɖea Aƒetɔ la ƒe keklẽ kple ŋutikɔkɔe fῖana la ene. Eye zi ale si Kristo ƒe Gbɔgbɔ la le
dɔ wɔm le mía me la, etrɔa mí be míaɖi Kristo le eƒe ŋutikɔkɔe me.
Kesinɔnuwo le anyigoewo me
4 Mawu ŋutɔ ƒe nublanuikpɔkpɔ mee wòtso be wòtsɔ dɔ sia de asi na mí be
míaɖe gbeƒã dzimetɔtrɔ kple agbe yeye nɔnɔ na ame sia ame. Eya tae ɖeɖi metea mía
ŋu le ewɔwɔ me o. 2 Míeblua afɔ na Mawu ƒe nya la o, ke boŋ ale si ame geɖewo
nyae ene la, míetsia tsitre ɖe Mawu ƒe ŋusẽ me eye míegblɔa nyateƒenya vavãtɔ la na
ame sia ame. Le Kristo me la, míeɖe vivitimenuwɔnawo kple ŋukpenanuwɔwɔwo
katã ɖa eye míegbe nu le alakpadada gbɔ helé nyateƒe la ko me ɖe asi.
3 Eya ta ne Kristo ƒe nyanyui si míele gbeƒã ɖem la gɔmesese sesẽ na ame
aɖewo la, ekema ame siwo dze tsɔtsrɔ̃mɔ dzi la koe wòanɔ na nenema. 4 Satana ame
si le dzi ɖum le xexe vɔ̃ɖi sia me fifia lae gbã dzimaxɔsetɔwo ƒe ŋkuwo eye wòtsyɔ
9
nu woƒe susuwo dzi. Ewɔ esia be womagakpɔ kekeli si tso nyanyui la me le
keklẽm ɖe wo dzi la eye woase nu si gblɔm míele tso Kristo si nye Mawu ƒe
ŋutikɔkɔe ŋu la gɔme o. 5 Menye mía ŋutɔ ɖokuiwo ŋutie míele gbeƒã ɖem le na mi
o, ke boŋ Aƒetɔ Yesu Kristo ŋutie, eye eya koe dze be míasubɔ. Nya siwo ko
míegblɔna tsoa mía ɖokuiwo ŋuti na mi koe nye be Kristo ƒe amedɔdɔwoe míenye ɖe
nu gã siwo wòwɔ na mí la ta. 6 Mawu ame si gblɔ be: “Kekeli neklẽ ɖe viviti me
la,” kee nye ame si klẽ ɖe míawo hã ƒe dzi me. To esia wɔwɔ me la, ena be míexɔ
kekeli la ƒe sidzedze, si nye eƒe ŋutikɔkɔe si klẽna tso Kristo me. 7 Ke kesinɔnu sia
le míasi le anyigoewo me, be wòaɖee fia be ŋusẽ triakɔ sia metso míagbɔ o, ke boŋ
Mawu gbɔe wòtso.
8 Womimi mí ɖo le go sia go me, gake womegbã mí o, míetɔtɔ gake dzi
meɖe le míaƒo o, 9 woti mía yome gake womegblẽ mí ɖi o, woƒo mí ƒu anyi, gake
wometsrɔ̃ mí o. 10 Yesu ƒe ku le míaƒe ŋutilã me míele yiyimee gbe sia gbe, be
woaɖe Yesu ƒe agbe hã ɖe go le míaƒe ŋutilã me.
11 Elabena wotsɔ mí ame siwo le agbe la de asi na ku gbe sia gbe le Yesu ta,
be woaɖe eƒe agbe ɖe go le míaƒe ŋutilã si le kuku ge la me. 12 Eya ta, ku le dɔ wɔm
le mía me, gake agbe le dɔ wɔm le miawo me.
13 Esi míenya be Mawu tsɔa beléle tɔxɛ na mí ta la, míawo hã míeɖea gbeƒã
Kristo ame si dzi míexɔ se la kple dzideƒo, abe ale si Psalmowoŋlɔla gblɔe ene be:
“Mexɔe se, eya ta meƒo nu ɖo” la, nenema ke míawo hã míexɔe se eya ta míadzudzɔ
nuƒoƒo o. 14 Míenya be Mawu ame si fɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la,
afɔ míawo hã kple Kristo ɖe tsitre eye wòatsɔ mí kple miawo siaa nɛ. 15 Míaƒe
fukpekpe siawo katã nye viɖe geɖe na mi, eye zi ale si míeɖe gbeƒã Mawu ƒe
10
amenuveve sia na ame geɖewo eye wokpɔ gome le eme la zi nenema ke woatsɔ
kafukafu kple akpedada na Aƒetɔ la.
16 Esia tae ɖeɖi metea mía ŋu o eye míana ta o. Togbɔ be míaƒe ŋutilãwo le
gbɔdzɔgbɔdzɔm hã la, ŋusẽ si tso Aƒetɔ la gbɔ eye wòle mía me la, le tsitsim ɖe edzi
gbe sia gbe. 17 Xaxa kple fuwɔame siwo katã le mía dzi vam fifia la nu gbɔna yiyi
ge kpuie. Eye le esia teƒe la, Mawu ana eƒe yayrawo kple ŋutikɔkɔe geɖe mí ɖaa tso
mavɔ me yi mavɔ me. 18 Susu sia tae míetsɔa nu siwo kpɔm míele fifia la dea tame
o. Ke boŋ míetsɔa míaƒe susuwo gblẽna ɖe nu siwo le Aƒetɔ la gbɔ, siwo ke míekpɔ
haɖe o la dzi. Elabena fukpekpewo katã nu ava yi kpuie, ke dzidzɔ si gbɔna tso
Aƒetɔ gbɔ la anɔ anyi tegbee.
Míaƒe nɔƒe le dziƒo
5 Míenyae bena ne wokaka míaƒe anyigbadzixɔ siwo nye míaƒe ŋutilãwo la,
Mawu ana ŋutilã yeye, makumaku mí le dziƒo. Eye xɔ yeye siwo Mawu ana mí la
menye amegbetɔwo ƒe asinudɔ o, ke Mawu ŋutɔe tui. 2 Míele fu kpem ŋutɔ le míaƒe
anyigba dzi ŋutilã siawo me, eya tae wòle mía dzrom vevie eye míele mɔ kpɔm na
gbe sia gbe Aƒetɔ la atsɔ dziƒoŋutilã yeyewo ava do na mí abe awu ene. 3 Elabena
menye gbɔgbɔme ko míanɔ o, ke boŋ Mawu ado awu na mí esi nye dziƒoŋutilã la. 4
Zi ale si míegale anyigbadziŋutilã me ko la zi nenema ke míekpea fu siwo hea
hũɖeɖe kple vevesese vaa mía dzi. Menye ɖe míebe míadzo kaba le
anyighbadziŋutilã sia me o, ke boŋ míaƒe mɔkpɔkpɔe nye be Aƒetɔ la natsɔ dziƒotɔ si
nye agbe la atsyɔ na mí, bena wòaɖu esi me míele fifia si gblẽna la dzi. 5 Mawu
11
ŋutɔe ɖoe be tɔtrɔ sia nava míaƒe agbenɔnɔ me eya tae wòtsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la de
mía me abe kpeɖodzinu ene.
6 Azɔ la míele mɔ kpɔm kple dzideƒo na dziƒoŋutilã yeye sia xɔxɔ. Míenyae
bena zi ale si míegale anyigbadziŋutilã me le afi sia la, míeɖo Aƒetɔ la gbɔ le dziƒo
haɖe o. 7 Míenyae bena esiawo katã le eme vavã to xɔse me ke menye to nukpɔkpɔ
kple ŋku me o. 8 Ke dzideƒo blibo le mía si eye wòdzroa mí gɔ̃ hã be míadzo le
anyigbadziŋutilã sia me aɖanɔ Aƒetɔ la gbɔ le eƒe ŋutikɔkɔe ƒe mavɔ la me. 9 Ke
míaƒe didi vevi enye be ne míele agbe le anyigbadziŋutilã sia me alo míele egbɔ le
dziƒo la míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu le nu sia nu me. 10 Elabena mí katã míava tsi tre ɖe Kristo
ŋkume gbe ɖeka, bena wòadrɔ̃ ʋɔnu mí eye wòadzro míaƒe agbenɔɣinuwɔnawo me
tsitotsito. Eye wòaxe fe na ame sia ame pɛpɛpɛ ɖe ale si wònɔ agbe le anyigba dzii
la nu. Ne èwɔ nu nyui la, àxɔ fetu nyui eye ne èwɔ vɔ̃ la, àxɔ fetu vɔ̃.
Krisoto ƒe amedɔdɔwo
11 Mawuvɔvɔ̃ si le mía me tae míeɖea gbeƒã eye míeƒoa dzimetɔtrɔ ƒe nya la ɖe
amewo katã nu be woava Aƒetɔ la gbɔ. Mawu ŋutɔ nya bena míele dɔ sia wɔm kple
dzimekɔkɔ; eye mexɔe se be miawo hã mienyae nenema tututu.
12 Menye mía ɖokui kafum míele alo menye mía ɖokui dom míele ɖe dzi o,
ɖe ko míedi be miada ɖe mía dzi abe ame siwo nye Aƒetɔ la ƒe amedɔdɔ vavãwo ene.
Eye miate ŋu atsɔ mí aƒo adegbee alo aɖo nya ŋu na nufiala alakpatɔ siwo le mia
dome, ame siwo ƒe susu koe nye be yewoƒe dzedzeme nanya kpɔ nyuie le amewo
gbɔ ko, ke woƒe dziwo me do viviti tsiɖitsiɖi. 13 Ne nya siawo sese ɖi le miaƒe towo
me abe ɖe míaƒe susuwo da ene la, ekema le Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la tae. Ke ne
12
miedze sii be míaƒe nyawo meɖi ame siwo ƒe tagbɔ tɔtɔ tɔ o la, ekema aɖe vi geɖe
na mi. 14 Menye mía ŋutɔwo ƒe viɖekpɔkpɔ tae míele nu sia nu si wɔm míele la
wɔm o; míele ewɔm elabena Kristo ƒe lɔlɔ̃ le mía kplɔm. Esi míexɔe se bena Aƒetɔ
Yesu Kristo ku ɖe mí katã ta la, ele be míawo hã míaxɔe se be míeku na agbe xoxo
siwo míenɔna tsã la. 15 Nu vevitɔ si ta Kristo ku ɖo lae nye be mí ame siwo le agbe
fifia eye míekpɔ gome le Mawu ƒe amenuvevenunana si nye agbe mavɔ la me la,
míaganɔ agbe na mía ɖokuiwo alo awɔ nu si dze mía ŋu o. Ele be míanɔ agbe na
Kristo ɖeka ko, ame si ku, ke Fofo la fɔe ɖe tsitre la, eye míawɔ nu si nye eƒe lɔlɔ̃nu
ko. 16 Eya ta tso fifia dzi heyina la migadrɔ̃ ʋɔnu ame aɖeke le ŋutilã nu be, ame sia
nye amegã alo bubume alo be nɔvi kristotɔ aɖe nye nu vɔ̃ wɔla o. Ŋku ma ƒomevie
míetsɔ kpɔ Kristoe tsã be enye vɔ̃wɔla. Gake fifia la meganye nenemae míegale
ekpɔmii o. 17 Ne ame aɖe xɔ Kristo abe eƒe Aƒetɔ ene la, Kristo tsɔa agbenɔnɔ yeye
dea amea me. Agbenɔnɔ vɔ̃ɖi xoxotɔ si wònɔna tsã la nu va yina, eye wòdzea agbe
yeye nɔnɔ gɔme.
18 Nu siawo katã tso Mawu dɔmenyotɔ la gbɔ, ame si gbɔ agbe míawo hã
eye wògawɔa mí etɔwoe to Kristo dzi. Mawu ŋutɔ tsɔ dɔ nyui sia de asi na mí be
míakplɔ ame bubuwo hã va egbɔe be wòakpɔ nublanui na wo eye woawɔ ɖeka kplii.
19 Gbeƒã si ko ɖem míele fifia lae nye be Mawu, to Kristo dzi le xexeame katã
kpem va eɖokui gbɔe. Màgaɖo ŋku amewo ƒe nu vɔ̃wo dzi azɔ o, ke boŋ àtsɔ wo ake
wo eye wòatutu wo ɖa keŋ. Nukunya siae wòde asi na mí be míagblɔ na amewo
katã. 20 Eya ta míawo la, Kristo ƒe amedɔdɔwoe míenye, eye Mawu le nu ƒom na mi
to mía dzi. Míeto Kristo dzi hele kuku ɖem na mi be ame sia ame nadzudzɔ nu vɔ̃
wɔwɔ eye wòaxɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ si wòna be ne wòawɔ ɖeka kplii. 21 Elabena Kristo
13
mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o, gake be míawo míakpɔ agbe ta la, Mawu tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ƒe
agba dro ɖe eyama dzi. Eye wòtsɔ eƒe dɔmenyo kple amenuveve ɖo eteƒe na mí katã.
6 Esi mí kata míenye Mawu ƒe hadɔwɔlawo ta la, míele kuku ɖem na mi bena
migado vlo Mawu ƒe amenuveve la o. 2 Elabena Mawu gblɔ be, “Meɖo to wò le nye
amenuveɣi la, eye mekpe ɖe ŋuwò le xɔxɔgbe la.” Mele egblɔm na wò be fifi enye
amenuveɣi, kpɔ ɖa fifi enye xɔxɔgbe!
Paulo ƒe fukpekpe
3 Míedi be ame aɖeke nakpɔ vodada le dɔ si wɔm míele na Aƒetɔ la ŋu o.
4 Eya ta le xaxawo, hiãkamewo kple yometiti geɖewo me hã la míedoa dzi
eye míeɖea mía ɖokui fiana abe Mawu ƒe subɔla vavãwo ene. 5 Woƒo mí eye wode
mí gaxɔ me, ame siwo lɔ veve helihelῖ ɖe dzime la tso ɖe mía ŋu kpɔ, míewɔ dɔ
sesῖe ale be ɖeɖi te mía ŋu kpɔ; míetsia zãdomadɔlɔ̃e eye dɔ wua mí. 6 Le nu sia nu
me la, míeɖea mía ɖokuiwo fiana abe mawuviwo ene eye míenɔa anyi le
dzadzɛnyenye me. Míegbɔa dzi ɖi eye míenyoa dɔme na ame sia ame. Ale si míedze
si Aƒetɔ lae ŋu míezɔna ɖo. Mawu ƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ mí fũu eye míezɔna le eme
kple lɔlɔ̃ si me alakpa mele o. 7 Míezɔna le Mawu ƒe nyateƒe kple eƒe ŋusẽ me, esi
nana be míekpɔa dziɖuɖu ɣesiaɣi. Eye ame dzɔdzɔewo ƒe aʋawɔnu siwo le nuɖusime
kple miame la le mía si.
8 Nenye be amewo de bubu mía ŋu alo do ŋukpe mí, nenye be wodzu mí alo
kafu mí eye wose nyateƒe si gblɔm míele gake wogbe be yewomaxɔe o, eye wobu mí
14
abe alakpatɔwo ene hã la, Aƒetɔ la ko míanɔ agbe na.
9 Xexeametɔwo mebua mí ɖe naneke me o, gake Mawu ya nya mí nyuie.
Míele kudo nu ɣesiaɣi, gake kpɔɖa, míele agbe wu nu sia nu. Wode abi mía ŋu gake
mieku o. 10 Míaƒe dziwo sea veve ŋutɔ eye míeléa blanui, gake Aƒetɔ la tsɔa eƒe
dzidzɔ dea mía me. Míenye kesinɔtɔ le xexeamenuwo me o, gake míenaa
gbɔgbɔmenunana xɔasiwo. Míedzena abe ame siwo si naneke mele o la ene gake nu
sia nu nye mía tɔ to Kristo me.
11 Nɔvi Korinto hametɔ lɔlɔ̃awo, meʋu nye dzime faa gblɔ nu siwo le eme la
na mi. Míelɔ̃a mi ŋutɔ eya ta 12 míeɣla naneke ɖe mi o, ke boŋ míelɔ̃ mi tso dzi
blibo me gake ewɔ nuku ŋutɔ be mieʋu miaƒe dziwo me ɖe mía ŋu abe ale si míawo
míewɔe na mi ene o. 13 Azɔ la medi be maƒo nu na mi abe vinye ŋutɔ ŋutɔwo ene.
Mina be miaƒe dɔme nakɔ ɖe mía ŋu, eye mialɔ̃ mí tso dzi blibo me abe ale si míelɔ̃
mii ene.
Migade ha kple dzimaxɔsetɔwo o
14 Migawɔ ɖeka kple ame siwo melɔ̃a Aƒetɔ la o. Ƒomedodo kae le xɔsetɔwo kple
dzimaxɔsetɔwo dome? Eye ale ke kekeli kple viviti ate ŋu anɔ teƒe ɖekae le ɣeyiɣi
ɖeka me? 15 Ale ke Kristo si nye dzɔdzɔetɔwo ƒe fia kple Abosam si nye nu vɔ̃
wɔlawo ƒe fia la ate ŋu awɔ ɖekae? Eye ale ke kristotɔ hã ate ŋu awɔ ɖeka kple
Abosamtɔ? 16 Nenema ke mele be ɖekawɔwɔ aɖeke nanɔ gbedoxɔ kple trɔ̃xɔ dome
o. Míawoe nye Mawu gbagbe la ƒe gbedoxɔ, afi si wònɔna. Mawu ŋutɔ gblɔ bena,
“Manɔ ame siwo nye tɔnyewo la dome, mazɔ le wo dome. Manye woƒe Mawu eye
woawo hã woanye nye dukɔ.” 17 Esia tae Aƒetɔ la gblɔ be, “Vinyewo mido go ɖa
15
le wo dome, eye miaɖe vovo ɖa tso wo gbɔ le nu sia nu me. Migade asi woƒe nu si
wo ŋuti mekɔ o, alo nu ƒoɖi siwo wowɔna la ŋuti o, ekema maxɔ mi abe tɔnyewo
ene; 18 manye mia Fofo eye miawo hã mianye vinye ŋutsuwo kple vinye nyɔnuwo.”
Paulo ƒe dzidzɔ
7 Ke azɔ nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo esi Mawu do ŋugbe gã siawo na mí ta la, mina mía
dzudzɔ nu gbegblẽ wɔwɔ. Eye míate ɖa xaa tso nu siwo ƒoa ɖi míaƒe ŋutilã kple
gbɔgbɔ la gbɔ, eye míanɔ agbe kɔkɔewo to Aƒetɔ la vɔvɔ̃ me, alé eƒe nyawo me ɖe
asi sesῖe.
2 Le míaƒe dɔwɔwɔ me kpli mi la míekplɔ ame aɖeke to mɔ tatra aɖeke dzi o,
míeba ame aɖeke alo gblẽ ame aɖeke ƒe naneke o eya ta miʋu miaƒe dziwo ƒe
ʋɔtruwo ne miaxɔ mí ɖe eme. 3 Nyemele esiawo gblɔm be matsɔ fɔbubu aɖeke ada
ɖe mia dzi o, elabena megblɔ va yi xoxo be mena teƒe mi le nye dzi me tegbee be
manɔ agbe kpli mi eye maku hã kpli mi. 4 Meɖoa dzi ɖe mia ŋu ŋutɔ eye medana ɖe
mia dzi hã ŋutɔ eye togbɔ be nuxaxa kple vevesese geɖe le dzinye hã la, ne meɖo
ŋku mia dzi ko la, dzideƒo ɖoa asinye eye dzidzɔ yɔa menye taŋtaŋtaŋ.
Nuxaxa si hea dzimetɔtrɔ vɛ
5 Míekpɔ ŋutifafa aɖeke esi míeva ɖo Makedonia o, fukpekpewo sɔŋ koe ƒoxlã mí.
Amewo do dzre na mí to mɔ ɖe sia aɖe dzi, eye vɔvɔ̃ kple ŋɔdzi yɔ mía me fũu ŋutɔ.
6 Ke Mawu, ame si ŋutɔ dea dzi ƒo na ame siwo ƒo dzi ɖe le la, de dzi ƒo na míawo
hã esi Tito va ɖo mía gbɔ. 7 Menye esi wòva ɖo mía gbɔ dedie la ɖeɖe koe na be
16
míekpɔ dzidzɔ o, ke boŋ nya siwo keŋ wògagblɔ nam tso mia ŋuti tae; ale si miexɔe
nyuie, ale si wònye miaƒe didi be yewoakpɔm, eye ale si wove mi ŋutɔ be mele fu
geɖe kpem kple ale si miele klalo be yewoalé nu siwo mefia mi la ko me ɖe asi la,
na megli kple dzidzɔ. 8 Fifia la megavem be meŋlɔ agbalẽ sesẽ ma ɖo ɖe mi o, togbɔ
be mexa nu geɖe le eŋu le gɔmedzedzea me hã la, menya be miawo hã miexa nu
ɣeyiɣi kpui aɖe ko.
9 Azɔ la mekpɔ dzidzɔ manyagblɔ aɖe bena meɖo agbalẽ ma ɖe mi. Nyemele
dzidzɔ kpɔm bena miexa nu o, ke boŋ be agbalẽ la na miedzudzɔ agbe vlowo nɔnɔ
eye mieva Aƒetɔ la gbɔ. Mawu ŋutɔe to dzinye ŋlɔ agbalẽ ma na mi be miadzudzɔ nu
vɔ̃ wɔwɔ eya ta menye míawoe na miexa nu o.
10 Elabena ɣeaɖewoɣi la, Mawu nana míexaa nu be míadze si míaƒe nu vɔ̃wo
eye míadzudzɔ nu vɔ̃ɖi wɔwɔ eye míadi agbe mavɔ la. Ke ne ame aɖe menye kristotɔ
o gake wòxa nu vevie le eya ŋutɔ ƒe agbe vlo nɔnɔ ta gake metrɔ zu kristotɔ o la, ayi
dzo mavɔ me godoo le eƒe kugbe. 11 Miawo ŋutɔ mikpɔ nu si Mawu wɔ na mi to
agbalẽ si meŋlɔ na mi dzi la ɖa. Ena mieku kutri eye mietsi dzimaɖi be yewoatsri nu
vɔ̃ si ŋu meƒo nu le na mi la wɔwɔ. Vɔvɔ̃ ɖo mi le nuwɔna ma ta eye miedi gɔ̃ hã be
mava kpe ɖe yewo ŋuti le nya sia me. Miehe to na ame siwo wɔ nu gbegblẽ sia hã
vevie, eye mieɖe mia ɖokui fia be miede nu si wòwɔ la dzi o. 12 Eya ta ɖe meŋlɔ
agbalẽa koŋ be Aƒetɔ la naɖe ale si melɔ̃na na mí la afia ke menye ɖe ŋutsu ma si xɔ
fofoa srɔ̃ alo fofoa si ŋu wòda vo ɖo la koŋ ta o.
13 Hekpe ɖe dzideƒo si miena mí to lɔlɔ̃ si mieɖe fia mí la ŋu la, míegakpɔ
dzidzɔ geɖe hã le ale si miexɔ Tito kple nu nyui siwo katã miewɔ nɛ be eƒe dzi dze
eme la ta. 14 Hafi Tito nadzo le gbɔnye la, metsɔ mi ƒo adegbe nɛ eye
17
meɖi ɖase nyui le mia ŋuti nɛ, eye vavã miewɔ nu siwo megblɔ nɛ tso mia ŋuti la hã
nɛ. Abe ale si metoa nyateƒe na mi le nu sia nu me ene la, nenema ke me gblɔ
nyateƒe tso mia ŋuti na Tito hã. 15 Azɔ ne Tito hã ɖo ŋku ale si mieɖo toe le nu si
wòfia mi me, ale si mieɖe lɔlɔ̃ fiae kple ale si miexɔe kple dzi blibo dzi la, enana be
eya hã ƒe lɔlɔ̃ na mi gadzina ɖe edzi. 16 Ke esi menya be ɖekawɔwɔ kple lɔlɔ̃ gaɖo
mía dome azɔ la, ena be nye hã mekpɔ dzidzɔ blibo eye megaɖo ŋu ɖe mia ŋu le nu
sia nu me.
Makedoniatɔwo ƒe dɔmenyowɔwɔ
8 Azɔ la nɔviwo, medi be magblɔ nu siwo wɔm Mawu le, le Makedonia
hamewo me to eƒe amenuveve me la fia mi.
2 Togbɔ be wole fu geɖe kpem eye wonye ame dahewo hã la, wokɔ dɔme faa
eye wodzɔa nu kple dzidzɔ. 3 Mele ɖase ɖim le hame siawo ŋuti bena wodzea
agbagba dzɔa nu ŋutɔ eye wowɔnɛ wòwua ale si woate ŋui gɔ̃ hã kple dzi faa ke
menye ɖe metee ɖe wo dzi be woawɔe o. 4 Woɖe kuku na mí be míaxɔ yewo hã ƒe
nunana ale be yewo hã yewoakpɔ dzidzɔ be yewona kpekpeɖeŋu ame kɔkɔe siwo le
Yerusalem. 5 Esi ƒo wo katã ta eye wòwɔ nuku na mí lae nye be wotsɔ wo ɖokuiwo
na Kristo kple míawo hã eye wolɔ̃ be yewoaɖo to nya sia nya si míegblɔ na wo la.
Wowɔ esia kple dzidzɔ geɖe ŋutɔ. 6 Esia ta míebia tso Tito, ame si de dzi ƒo na mi le
yayra si le nunanadɔ si gɔme miedze me la, si be wòayi edzi ade dzi ƒo na mi be
miawu amenuvedɔ sia nu le mia dome. 7 Ale si miede ŋgɔ le xɔse, nufiafia, nunya,
vevidodo kple lɔlɔ̃ si mietsɔ na mí me la, nenema ke medi be mianye ame gbãtɔwo
18
le lɔlɔ̃nunanadɔ sia hã me. 8 Menye ɖe mele se dem na mi alo le mia dzi zim be
miawɔ nunana kokoko o, ke boŋ ale si wònye hame bubuwo ƒe didi vevie be
yewoawɔ nunana alea tae medi be miawo hã miaɖe miaƒe lɔlɔ̃ afia abe hame bubuwo
hã ene.
9 Miawo ŋutɔ mienya mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe lɔlɔ̃ kple dɔmenyo gã si wòɖe
fia la bena, togbɔ be kesinɔtɔ ŋutɔ wònye gake be wòawɔe bena mi ame siwo nye
nublanuitɔwo kple hiãtɔwo la miava zu kesinɔtɔwo la, egblẽ eƒe kesinɔnuwo kple
ŋutikɔkɔ katã da ɖi eye wòva wɔ miawo boŋ miezu kesinɔtɔwo.
10 Medi be maɖo aɖaŋu na mi be miado vevi nu le nunana sia me, awu nu si
gɔme miedze le ƒe si va yi me la nu elabena miawoe nye ame gbãtɔ siwo do susu
sia ɖa eye mieɖee fia be miele klalo ɖe ewɔwɔ ŋuti hã. 11 Azɔ esi miedze ʋua ƒoƒo
gɔme dzidzɔtɔe alea la miaƒoe nenema va se ɖe nuwuwu. Mina nu si miate ŋui la tso
nu si le mia si la me. 12 Ne enye miaƒe didi be yewoana nu mí la, migatsi dzi le ga
home si sinu le mia si la ŋu o. Mawu ƒe didie nye be nana nu si nate ŋui ke menye
wu esi le asiwo o.
13 Menye míaƒe didie wònye be miamia ŋku ana ga fũu be ame siwo miele
nua dzɔm na la, nazu kesinɔtɔwo atsɔ miaƒe ga anɔ agbe vivi ɖum o. 14 Ke boŋ ɖe
míedi be miama nu siwo le mia si la kple wo. Fifia la nu geɖe le mia si, eya ta
mikpe ɖe wo ŋu, ale be ne emegbe nu megava le mia si o, ke wòle woawo si la,
woawo hã nakpe ɖe mia ŋu. To esia me la, ame sia ame akpɔ etɔ sinua. 15 Abe ale si
wòle ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la mee ene be, “Ame si ƒoa ƒu nuwo fũu hã mekpɔ ɖeka ɖe edzi o,
ke ame si ƒo ƒu sue aɖe la hã la naneke mehiãe o.”
19
Wodɔ Tito ɖe Korinto
16 Míeda akpe na Mawu bena wòdee Tito ƒe dzime be wòakpe ɖe mia ŋu axlɔ̃ nu mi
le dɔ sia ƒe vevinyenye ŋuti abe nye ke ene. 17 Tito kpɔ dzidzɔ ŋutɔ esi míegblɔ nɛ
be wòagava kpɔ mi ɖa. Eya ŋutɔ hã di vevie be yeava hafi míegblɔe gɔ̃ hã. 18 Mele
nɔvi nyanyɛ bubu aɖe hã ɖom ɖa kpe ɖe Tito ŋuti le mɔzɔzɔ sia me. Hame geɖewo
ɖi ɖase le ale si nɔvi sia hã kpɔ gome le Mawu ƒe amenuvevenunana la me be
wòagblɔ Aƒetɔ la ƒe nyanyui la kple dzideƒo la ŋuti. 19 Le nyateƒe me la, hameawo
tia nɔvi sia hã be eya hã nanɔ mí ame siwo le miaƒe nunanawo tsɔ ge ayi Yerusalem
la dome. Míele dɔ sia wɔm be míatsɔ ade bubu Aƒetɔ la ŋuti eye míaɖe ale si wònye
míaƒe didi vevie be míakpe ɖe mía nɔewo ŋuti la hã afia. 20 Nu si ta wòhiã be
woatia amewo tso hameawo me woayi Yerusalem kple nunana lae nye be, míedi be
ne ameawo trɔ gbɔ la woagblɔ ale si míema nunana gã sia la fia. 21 Mawu ŋutɔ nya
be nuteƒewɔlawo míenye gake míedi be amewo hã nanya esia.
22 Míegale nɔvi bubu hã ɖom ɖe mi kpe ɖe wo ŋuti ame sia hã nye hadɔwɔla
vevi ɖeka. Eya hã di vevie be yeakpe ɖe mia ŋu, esi megblɔ míaƒe vevidodo nɛ.
23 ɖewohῖ ne ame aɖe bia mi bena ame kae nye Tito hã la, migblɔ be eya
kple nye Pauloe le dɔ wɔm na Aƒetɔ la eye wònye tenyeƒenɔla le mia gbɔ. Eye ne
wobia nu tso nɔvi eve bubuawo hã ŋu la, migblɔ ko be ame dɔdɔwoe wonye tso
hame bubuawo me eye wonye kristotɔ vavã siwo nye Aƒetɔ la tɔ.
24 Meɖe kuku mitsɔ lɔlɔ̃ si le mia me ɖe ŋunye la na ame siawo hã, ale be
woakpɔe be ale si meƒoa adegbe tso mia ŋuti la le eme vavã.
20
Kpekpeɖeŋunana haxɔsetɔwo
9 Mikpɔe be megahiã kokoko bena magaŋlɔ agbalẽ na mi le ale si wòhiã be
miadzɔ nu na nɔvi siwo le Yerusalem la ŋu o. 2 Elabena menya ale si wònye miaƒe
didi vevie be yewoawɔ lɔlɔ̃nununana sia, eye metsɔ esia ƒo adegbe na Makedonia
hamewo be miele klalo kple miaƒe nunanawo abe ƒe ɖekae nye esia ene. Le nyateƒe
me la, esia de dzo tɔxɛ aɖe woawo hã me be wodzea nudzɔdzɔ gɔme. 3 Ke mele nɔvi
siawo dɔm kple miaƒe nudzɔdzɔawo vavã, elabena míetsɔ mi ƒo adegbe na amewo
ŋutɔ eye nyemedi be míaƒe adegbe sia natrɔ zu alakpa o. 4 Eye anye ŋukpe nam ŋutɔ
eye wòanye ŋukpe na miawo hã ne nɔvi siwo tso Makedonia va kplim ko wòava dzɔ
be miele klalo abe ale si megblɔ na wo ene o.
Nunana tso dzi vavã me
5 Esia tae mele nɔvi siawo dɔm ɖo ɖe mia gbɔ be woakpɔ egbɔ be nu siwo ŋugbe
miedo la nasɔ gbe hafi nye ŋutɔ mava. Ale be wòanye nu si miena faa tso dzime eye
menye tso dzizizi me o. 6 Ke medi be esia nanɔ nyanya me na mi be, ame si ana nu
sue aɖe la, nu si wòakpɔ ɖe eteƒe anɔ sue. Agbledela si ƒã nuku sue aɖe ko la, xaa
nuku sue aɖe ko le nuxaɣi, gake nenye be wòƒã nuku wòsɔ gbɔ la axa nuku fũu le
nuxaɣi. 7 Ale si sinu ame aɖe di be yeana ko la nenae; migazi ame aɖeke dzi be
nena wu ale si wòate ŋui o. Elabena Mawu kpɔa dzidzɔ geɖe le ame siwo naa nu
kple dzi faa la ŋu. 8 Seɖoƒe aɖeke meli na Mawu ƒe nunana si wònaa mi gbe sia gbe
o. Eya ŋutɔ naa nu siwo hiãa mi la mi, eye wònanɛ le agbɔsɔsɔ blibo me be, ne
miewɔ wo ŋutidɔ ʋuu hã la, agatsi anyi zã be miana ame bubuwo hã. 9 Ele Ŋɔŋlɔ
21
Kɔkɔe la me bena, “Ema eƒe nuwo na ame dahewo yi keke didiƒewo ke, eya ta eƒe
dzɔdzɔenyenye anɔ anyi tegbetegbe.”
10 Ke Mawu ame si naa nuku agbledela wòƒãna eye emegbe la wòyrana ɖe
edzi be wòakpɔ nuɖuɖu gbe sia gbe la, ana nuku geɖewo mi be miaƒã eye wòana
woatsi aʋã nyuie ale gbegbe be miakpɔ nuku geɖe le nuxaɣi be miatsɔ ɖewo ana ame
bubuwo hã.
11 Mawu ŋutɔ ana be miazu kesinɔtɔwo ale be miate ŋu ana nu ame dahewo
ɣesiaɣi, ale be ne míetsɔ wo yii na wo la, woada akpe geɖe na Mawu le ale si
miekpe ɖe wo ŋu ta. 12 Ale miakpɔe be nu evee do go tso miaƒe lɔlɔ̃nunana si nam
miele la me; woawoe nye be ame siwo hiãm nu le la kpɔ nu siwo le wo hiãm la eye
woatsɔ akpedada blibo na Fofo la. 13 Nɔvi siwo katã ŋu miele kpekpem ɖo la makpɔ
dzidzɔ le miaƒe nunana nyuiwo ɖeɖe ko ŋuti o, ke boŋ woakafu Mawu hã le ale si
wòto Kristo dzi wɔ mi miezu ame yeyewo eye Kristo ɖeɖe ko le miaƒe dzime la ta.
Eye miaƒe nunana hã nye kpeɖodzi be Kristo le mia me vavã. 14 Nɔvi siawo ado gbe
ɖa ɖe mia ta vevie ada akpe gã aɖe na Fofo la le amenuvedɔ gã siwo wòwɔ na wo to
mia dzi la ta.
15 Akpedada kple kafukafu woatsɔ ana Mawu le Via si nye nunana vavãtɔ la
ta.
Paulo ʋli eƒe apostolonyenye ta
10 Azɔ la, nye Paulo ŋutɔ mele nu xlɔ̃m mi kple dzigbɔɖi abe ale si Kristo ŋutɔ
awɔ ene. Ke mia dometɔ aɖewo le gbɔgblɔm be, “Ne mele adzɔge la meŋlɔa agbalẽ
22
sesẽwo na mi, gake ne meva mia gbɔ ko la menɔa anyi abe vɔvɔ̃nɔtɔ ene.”
2 Mele kuku ɖem na mi bena migana be makplɔ mi kple asi sesẽ ne meva
mia gbɔ o. Menya be ŋusẽ le asinye mazã ɖe ame siwo buna le mia dome be
amegbetɔ ƒe nunya kple ŋusẽ ko metsɔ le dɔ wɔmii la ŋu hafi gake nyemedi be mawɔ
alea o. 3 Enye nyateƒe bena amegbetɔe menye, eye ŋusẽ aɖeke mele ŋunye o. Gake
menye amegbetɔwo ƒe mɔwo kple ŋusẽ metsɔna wɔa aʋawo o. 4 Menye
amegbetɔwo ƒe ŋusẽ míezãna o, ke boŋ Mawu ƒe ŋusẽ si tri akɔ wu nu sia nu lae
míetsɔna ɖua Abosam ƒe ŋusẽwo katã dzi. 5 Míetsɔa Mawu ƒe ŋusẽ sia ɖua nya vlo
siwo katã amegbetɔwo gblɔna ɖe Mawu ŋuti la dzi eye eyae míetsɔna gbãa gli si
wòtu ƒo xlã aamewo be woagadze si Mawu o. Eye to ŋusẽ sia me la, míeléa ame si
dze aglã ɖe Mawu ŋuti la kluvii be wòatrɔ gbɔ va Mawu gbɔ eye míetrɔa eƒe susuwo
be wòaɖo to Kristo. 6 Ŋusẽ ma kee míetsɔ he miawo hã va Kristo gbɔe, eye eya kee
míatsɔ ahe to na mi, ame siwo me aglãdzegbɔgbɔ gale le hamea me la vevie.
7 Nu si le fu ɖem na mi lae nye be, mietsɔ ameŋkumekpɔkpɔ ɖo dɔe, eye
miele nye hã kpɔm be ŋusẽ aɖeke mele ŋunye o. Ke medi be miase egɔme bena ne
ame aɖe ate ŋu agblɔ be Krsito ƒe ŋusẽ le ye si tututu la, nye Pauloe ate ŋu agblɔ
esia. 8 ɖewohῖ la awɔ na mi abe ɖe mele adegbe ƒom akpa le Kristo ƒe ŋusẽ si
wònam la ta ene. Gake nye la menye ŋukpe nam bena maƒo adegbe le Kristo ƒe ŋusẽ
si wonam la ta o, elabena ɖe wòna ŋusẽ siam be matsɔ tu mii ɖe edzi, menye be
matsɔ agblẽ nu le mia ŋu o. 9 Nyemedi be miabui bena ɖe ko mele vɔvɔ̃ dom na mi
kple nye agbalẽwo o.
10 Mia dometɔ aɖewo gblɔ be, “Miɖe asi le Paulo ya ŋu, elabena ne ele
adzɔge la eya wòŋlɔa agbalẽ nɔa ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ dom na ame. Gake ne eya
23
ŋutɔ va la megatea ŋu gblɔa nya mawo dometɔ aɖeke o, ke boŋ eƒoa nu abe ɖevi ene.
11 Menya mawunya aɖeke hã gbɔgblɔ o.” Ke medi be ame siwo le nya mawo gblɔm
la, nadzra ɖo ɖi, elabena ne míeva la, ŋusẽ si míetsɔ ŋlɔ agbalẽawo la, míele eɖe ge
afia wo.
12 Míedi be míawɔ abe ale si mia dometɔ aɖewo wɔna nɔa wo ɖokuiwo
kafum, eye wonɔa nya ʋlim le wo ɖokuiwo dome be ame kae nye gãtɔ hã o. Nu
siawo katã nye movidzɔdzɔ be miadi be yewoakpɔ be ame kae nye gãtɔ wu le yewo
dome hã? 13 Ke míawo la, míaƒo adegbe le nu si le míasi la ko ŋu; nu si Aƒetɔ la de
mía si be míawɔ siwo dometɔ ɖekae nye be miatsɔ nyanyui la ava mia gbɔe la koe
nye míaƒe taɖodzinu. 14 Míedze agɔ ne míegblɔ bena ŋusẽ le mía si ɖe mia dzi o,
elabena míawoe nye ame gbãtɔ siwo tsɔ Kristo ƒe nyanyui la vɛ na mi. 15 Eye
menye ɖe míele didim be míaƒo adegbe le ame bubu ƒe dɔ si wòwɔ le mia dome la ta
o, ke míaƒe didi vevie nye miaƒe xɔse natsi ɖe edzi be míate ŋu awɔ dɔ gãwo le mia
dome le ɖoɖo si wona mí la nu.
16 Le esia megbe la, míate ŋu akpɔ mɔ atsɔ Kristo ƒe nyanyui la ayii na dukɔ
siwo le adzɔge le mia gbɔ afi si ame aɖeke mede haɖe o be woawo hã nadze si
Kristo. Ale be ame aɖeke nagagblɔ be yee nye ame gbãtɔ si tsɔ nyanyui la yi du ma
me hafi míeva o. 17 Mawunya gblɔe be, “Ame sia ame si di be yeaƒo adegbe la
naƒoe le nu si Aƒetɔ Yesu Kristo wɔ la ko ŋu eye menye le amea ŋutɔ ŋu o.” 18
Elabena ame si ƒoa adegbe le eya ŋutɔ ƒe dɔdɔwo ŋuti la, medzea Aƒetɔ la ŋu o, ke
ame si ƒe dɔwɔwɔ ŋu Aƒetɔ la kpɔ ŋudzedze nyui le lae nye dɔwɔla nyuitɔ.
24
Paulo kple aʋatsopostolowo
11 Mexɔ se be miagbɔ dzi ɖi ase nye movinya siwo gblɔm mele na mi. Miɖo to
ne magblɔ nye dzimenyawo na mi. 2 Metsi dzi vevie ɖe mia ŋu be mianye Kristo
ɖeka ko tɔ, eye mialɔ̃ Kristo ɖeka hɔ̃ ko tso dzi vavã me abe ale si ɖetugbi tsɔa eƒe
lɔlɔ̃ naa ŋutsu si wotsɔe na be wòaɖe la ene. 3 Gake mele vɔvɔ̃m ɖe mia nu bena
ɖewohῖ la, ame aɖe ava ble mi eye wòatrɔ miaƒe susu ɖa tso Kristo gbɔ, abe ale si da
dzeaye ma ble Eva le Eden bɔ mee ene. 4 Nu si ta mele esiawo gblɔm lae nye be
edze nam be mia beble le bɔbɔe eye ne ame aɖe va mia gbɔ va ɖe gbeƒã Yesu bubu
si to vovo tso esi ŋuti míefia nu mi le la gbɔ alo wòfia nu bubu sãa mi, alo ƒo nu tso
gbɔgbɔ bubu aɖe si mesɔ kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe si miexɔ o ŋuti la, miexɔa ame ma dzi
sena bɔbɔe. 5 Ke nye Paulo mexɔe se be, ame siwo nɔa wo ɖokuiwo yɔm be Mawu
ƒe ame dɔdɔwo yewonye la, menyo wum le mɔ aɖeke nu o. 6 Ne nyemeɖea ami ɖe
nye nuƒo abe ale si woawo wɔnɛ ene o hã la, menya nu si tututu gblɔm mele, elabena
Aƒetɔ la ƒe ŋusẽ me meƒoa nu le abe ale si miawo ŋutɔ mienya ene.
7 Azɔ esi meva mia gbɔ eye meɖe gbeƒã Mawu ƒe nyanyui la na mi le
ɖokuibɔbɔɖeanyi blibo me eye nyemexɔ naneke le mia si o la, eyae nye nu vɔ̃ si
mewɔ ɖe mia ŋu eya ta miebum ɖe naneke me oa? 8 Le ɣeyiɣi si mele gbeƒã ɖem le
mia gbɔ la, hame bubuwoe nɔ dzinye kpɔm. Ale be wòva zu be mexɔ nu siwo hame
bubuwo nam la hetsɔ wɔ dɔe le mia gbɔ. 9 Esi menɔ mia gbɔ eye nanewo va hiãm la
nyemebia mi o, ke boŋ kristotɔ siwo tso Makedonia va gbɔnye lae tsɔ nu sia nu vɛ
nam. Meɖoe be nyemanye agba na mi o, eya tae nyemebia pesewa ɖeka hã va se ɖe
fifia o, eye nyemabia mi hã gbeɖegbeɖe o. 10 Abe ale si Kristo ƒe nyateƒe la le
25
menye ene la, ame aɖeke mate ŋu atrɔ nye susu sia o eye mana nɔvi siwo katã le
Akaya nutowo me la hã nanya nu le esia ŋuti. 11 Ame aɖe agblɔ be ɖe nyemelɔ̃ mi
kristotɔwo o eya ta megblɔ esia ɖo gake mele eme nenema o elabena Mawu ŋutɔ gɔ̃
hã nya be melɔ̃ mi vevie. 12 Ke mawɔ nu si meɖo la dzi be matsɔ ɖe ke le miaƒe
apostolo siwo le adegbe ƒom bena yewo hã Mawu ƒe dɔ ko wɔm yewole abe míawo
ke ene la te.
13 Nenɔ nyanya me na mi bena menye Mawue dɔ alakpa aʋatsopostolo mawo
o. Alakpatɔwo wonye, eye wodze agbagba ble mi be Kristo ƒe apostolowo yewonye.
14 Esia mewɔ nuku nam o, elabena Satana ŋutɔ hã tea ŋu trɔa eɖokui ɣeaɖewoɣi abe
Mawu ƒe dɔla ene. 15 Eya ta menye nu wɔnuku aɖeke wònye kura be Satana ƒe
dɔlawo trɔ wo ɖokuiwo abe Kristo ƒe dɔlawo ene o. Gake le nuwuwu la woahe to na
wo ɖe woƒe nuwɔnawo ta.
Paulo ƒo adegbe le eƒe fukpekpewo ŋuti
16 Megale kuku ɖem na mi be migabu be ɖe nyemenya ale si maƒo nui abe ame
mawo ene o eye nenye be nyemenya ale si maƒo nui abe woawo ene o hã la, miɖe
mɔ nam be maƒo nu abe abunɛtɔ ene eye nye hã maƒo adegbe vie abe woawo ene. 17
Adegbe sia ƒoƒo menye nu si Aƒetɔ la di tso asinye be mawɔ o gake mele eƒo ge abe
ale si ame tagbɔmanɔsitɔ ƒoa nui ene. 18 Abe ale si ame geɖewo ƒoa adegbe be
yewonye ame tɔxɛwo le xexeame ene la, nenema ke nye hã mele wɔwɔ ge fῖfῖ laa.
19 Miebe nunyalawoe yewonyea, gake mieɖoa to lãnyawo dzidzɔtɔe. 20 Mielɔ̃ wotsɔ
mi wɔ kluviwoe woɖoa nu siwo menyo o la na mi miewɔna, wona miekpɔ wo dzi,
wowɔa wo ɖokuiwo glodzoo eye wokaa mo na mi ɖe madzɔmadzɔ dzi geka
26
miekea nu o. 21 Enye ŋukpe nam be magblɔ be dzideƒo kple ŋusẽ mele asinye be
maƒo nu nenema o, ke nu sia nu si ŋu woaƒo adegbe le la nye hã mate ŋu aƒo adegbe
le nenema nu ma ŋu. Eye enye dada nam be megale nu ƒom abe lã ene.
22 Woƒoa adegbe be Hebritɔwo yewonye, nye hã Hebritɔ menye. Wobe
Israelviwo yewonye, nye hã Israelvi menye, eye wobe Abraham ƒe dzidzimeviwoe
yewonye, nye hã Abraham ƒe dzidzimevie menye.
23 Megala nu ƒom dadatɔe abe ame si ƒe tagbɔ da enea? Wobe Kristo ƒe
subɔlawo yewonyea? Gake mesubɔa Kristo wu wo katã. Eye mewɔ dɔ wu wo
elabena le Kristo ta wodem gaxɔ me zi geɖe, woƒom kutɔkutɔe eye ɣeaɖewoɣi gɔ̃ hã
la, medea tsiẽƒe gagbɔna. 24 Yudatɔwo ƒom zi atɔ̃ sɔŋ, eye le ƒoƒo ɖe sia ɖe me la,
woƒom zi blaetɔ̃-vɔ-aseike. 25 Romatɔwo hã ƒom zi etɔ̃ kple gakawo, eye woƒu kpem
zi ɖeka. Menɔ tɔdziʋu me wògbã zi etɔ̃ sɔŋ; ɣeaɖeɣi gɔ̃ hã mege dze atsiaƒu me eye
menɔ atsiaƒu gbanaa la me zã ɖeka kple ŋkeke ɖeka. 26 Mezɔ mɔ didi teɖeɖiameŋu
geɖewo eye nye agbe ɖo xaxame le tɔɖɔɖɔ, fiafitɔwo, Yudatɔwo kple Trɔ̃subɔlawo
ta. Le nyateƒe me la, meto dzɔgbevɔ̃ewo me le afi sia afi si mede la, le du gãwo me,
gbedzi kple ƒudzi siaa. Nenema ke ame aɖewo siwo be yewonye nɔviwo le Kristo
me evɔ mele eme nenema o hã do ŋɔdzi na nye agbe. 27 Le dɔwɔwɔ fũu ta la ɖeɖi
tea ŋunye eye metsi zãdomadɔlɔ̃e zi geɖe. Dɔ kple tsikɔ wuam zi geɖe. Dɔƒe hã
menɔa asinye o, eye le zã me la vuvɔ wɔam elabena avɔ titri menɔa asinye o.
28 Hekpe ɖe nu siawo ŋuti la, metsina dzodzodzoe enuenu tso hamewo ƒe
tsitsi ɖe edzi ŋuti. 29 Ne ame aɖe le hame aɖe me si gbɔdzɔ la etena ɖe dzinye eye
nye hã megbɔdzɔna enumake, eye ne hamevi aɖe wɔ nu vɔ̃ eye wòdze anyi la, enana
be nuxaxa yɔa nye dzi me.
27
30 Azɔ ne medi be maƒo adegbe la, ɖe ko maƒoe le nu siwo nana be ŋusẽ
mele ŋunye o la ŋu. 31 Mawu, ame si nye Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, eye wòdze
kafukafu tso mavɔ me yi mavɔ me la hã nya bena nyateƒe gblɔm mele. 32 Esi menɔ
Damasko la, fia Areta ɖo asrafowo dua ƒe agbowo nu be woalém. 33 Gake nɔvi siwo
le afi ma la de ka kusi ŋu eye wotsɔm da ɖe kusia me hetsɔ to do si le glia me la me
eye mesi dzo le egbɔ. ɖe esia mefia be ame geɖewo lɔ̃a nye nya oa?
Paulo ƒe ŋutega kple ŋui si le eƒe ŋutilã me
12 Adegbe siwo katã ƒom mele la mehiã o, movinyawo sɔŋ ko wonye gake mele
edzi yi ge. Mina magblɔ ŋutega siwo mekpɔ kple nu siwo katã Aƒetɔ la ɖe fiam la na
mi.
2 Anɔ abe ƒe wuiene enye esia ene la, wokɔm yi dziƒo be makpɔ afi ma ɖa. 3
Migabiam be ŋutilã mee menɔ alo gbɔgbɔ mee menɔ hafi yi afi ma hã o, elabena
nyemenya o. Mawu ɖeka koe nya. Gake menya be mede Paradiso la me vavã. 4 Le
afi ma la mese nya siwo wɔ nuku ale gbegbe be wogbɔ amegbetɔwo ƒe susu kple
gɔmesese ŋu yi, eye womeɖe mɔ nam be magblɔ wo na ame aɖeke o. 5 Nu si teƒe
mekpɔ la nye nu xɔasi aɖe, si ŋu mate ŋu aƒo adegbe le gake nyemedi be mawɔ
nenema o. Ke boŋ la maƒo adegbe le ale si megbɔdzɔe gake Mawu wɔ ŋutinyedɔ
hena eya ŋutɔ ƒe ŋutikɔkɔe la ŋuti. 6 Nu geɖewo ŋutɔ li siwo ŋu maƒo adegbe le, eye
ne mewɔ esia la mawɔm movitɔ o gake nyemedi be amewo nabum amegãe wu ame
si ŋutɔ menye o, ke boŋ be woakpɔ nu si wòdze be woakpɔ le nye agbenɔnɔ kple
gbeƒã si ɖem mele la me. 7 Mawu ƒe gãnyenye kple nukunu siwo teƒe mekpɔ la
28
menye nu bɔbɔe o, eye be nyemagado ɖokuinye ɖe dzi o la tae Mawu na be dɔléle
aɖe ge ɖe nye ŋutilã me si zu ŋu nɔa fu ɖem nam. Esia nye Satana ƒe dɔla ƒe nuwɔna.
Mawu ɖe mɔ na dɔléle sia be wòanɔ fu ɖem nam be nyemagaƒo adegbe o. 8 Medo
gbe ɖa na Aƒetɔ la zi etɔ̃ sɔŋ kple kukuɖeɖe be wòaɖe dɔlélé sia ɖa le menye.
9 Ke ɣesiaɣi la Aƒetɔ la gblɔna nam be, “Ao, meli kpli wò. Nye amenuveve
sɔ gbɔ na wò. Elabena meɖea nye ŋusẽ fiana to ame siwo gbɔdzɔ le ŋutilã me la
dzi.” Eya ta enye dzidzɔ nam be maƒo adegbe le nye gbɔdzɔgbɔdzɔ ŋuti boŋ, ale be
Kristo ƒe ŋusẽ blibo la katã nadze le menye tsɔ wu be maɖe nye ŋutɔ nye ŋusẽ kple
ŋutetewo afia. 10 Esi menya be Kristo ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu wònye be nu sia nadzɔ ɖe
dzinye ta la, mekpɔa dzidzɔ be “ŋu” sia le nye ŋutilã me. Mekpɔa dzidzɔ hã be
amewo dzuam, tia nye agbe yome eye meɖoa xaxa kple hiã geɖe me. Elabena
mekpɔa ŋusẽ to gbɔdzɔgbɔdzɔ me eye zi ale si megbɔdzɔ la zi nenema ke meɖoa ŋu
ɖe eŋu.
Paulo tsɔ ɖe le me na Korinto hamea
11 Miaƒe nuwɔnae na be meƒo nu, do ɖokuinye ɖe dzi abe lãtɔ ene. Evɔ la miawoe
wòle be miakafum ke menye nye ŋutɔe wòle be makafu ɖokuinye hafi o eye togbɔ
be nyemele naneke me o hã la, naneke mele miaƒe apostolo mawo si, si mele asinye
o. 12 Esi mele mia gbɔ la, nye dɔwɔwɔ ɖe sia ɖe ɖo kpe edzi be Aƒetɔ lae tiam abe
apostolo ene eye wòdɔm be mava gblɔ nyanyui la na mi, eye metsɔ dzigbɔɖi wɔ
dzesiwo, nukunuwo kple ŋusẽdɔ geɖewo hã le mia dome. 13 Nu si ko nyemewɔ le
mia gbɔ o, evɔ mewɔe le hame bubuwo me lae nye be nyemetsɔ nye nuɖuɖu, nye
nuhiahiãwo kple xɔ si me manɔ la ɖo mia ŋkume o. Mitsɔe kem be nyemetsɔ agba
29
siawo da ɖe mia dzi o. 14 Azɔ la, zi etɔ̃liae nye esia megbɔna mia gbɔ eye le nye
vava me hã la, nyematsɔ dzinyekpɔkpɔ ƒe agba aɖo mia dzi o, elabena nyemele
miaƒe ga dim o, ke boŋ miawo ŋutɔ dim mele. Vinyewoe mienye, eye menye viwoe
wòle be woadi nuɖuɖu na wo dzilawo o. Vi fofoe wòle be wòakpɔ via dzi. 15 Enye
dzidzɔ nam be matsɔ ɖokuinye kple nu siwo le asinye la na mi, be miatsi ɖe dzi le
gbɔgbɔ me. Gake zi ale si mele mia lɔ̃m ɖe edzi la, zi nenema ke miaƒe lɔlɔ̃ nam hã
dzi le ɖeɖem kpɔtɔ.
16 Ame aɖewo le mia dome le gbɔgblɔm be “Enye nyateƒe be ne eɖi tsa va
kpɔ mí la, míegblẽa ga aɖeke ɖe eŋuti o. Gake Paulo sia ayetɔe wònye le mía blem.
Le nyateƒe me la, anya to mɔ aɖe dzi kokoko wɔ ga le mía ŋuti.” 17 Enye
nyateƒea? ɖe ame siwo medɔ ɖo ɖe mi la ƒe ɖe va xɔ nane le mia sia? 18 Alo ɖe Tito
kple nɔvi si medɔ ɖo ɖe mia gbɔ la va ba mia? Gbeɖe, elabena menya nyuie bena mí
katã la Gbɔgbɔ Kɔkɔe ma ɖeka koe le mía me, eye nu ɖeka tɔgbi mí katã míewɔna.
19 ɖewohῖ la, mianɔ bubum be ɖe mele esiawo katã gblɔm be maʋli mía
ɖokuiwo ta le mia gbɔ ale be miagalɔ̃m. Esia mele eme nenema o. Nɔvi lɔlɔ̃wo mele
nya sia gblɔm na mi le Mawu ƒe ŋkɔ me be matu mi ɖo le gbɔgbɔ me ke menye be
matu ɖokuinye ɖo o. 20 Nu si vɔ̃m mele lae nye be ne meva mia gbɔ la, miaƒe
agbenɔnɔ ava tɔ ŋku nam, eye esia ana be nye nuwɔna manɔ abe ale si miadi be
wòanɔ ene o. Mele vɔvɔ̃m be ne meva la, mava kpɔ dzrewɔwɔ, ŋuʋaʋã,
dɔmedzoedodo, ameŋuzɔzɔ, sakplisasa, ɖokuidodoɖedzi, kple mama le mia dome. 21
Mele vɔvɔ̃m hã be nenye be meva la, Mawu abɔbɔm ɖe anyi le miaƒe ŋkume ale be
manɔ dzi gbagbã kple nuxaxa me. Elabena mia dometɔ geɖe siwo wɔ nu vɔ̃ la trɔ zu
nu vɔ̃ wɔlawo gbidii elabena wometsɔ ɖeke le eme be yewoatrɔ dzime o. Ke
30
boŋ wogale nu vɔ̃ɖiwo kple ŋunyɔnuwo wɔm eye wole ahasi wɔm, le hadzenu wɔm,
le amesrɔ̃ xɔm.
Nuxɔxlɔ̃ mamlɛawo
13 Esia anye zi etɔ̃lia mava mia gbɔ. Azɔ abe ale si woŋlɔ̃e ɖe mawunya mee
ene la, “Woaxɔ nya si ame aɖe tsɔ ɖe nɔvia ŋu la to ɖasefo eve alo etɔ̃ ƒe kpeɖodzi
me.” 2 Mexlɔ̃ nu mi xoxo esi meva mia gbɔ zi evelia va yi. Azɔ la megale egblɔm,
esi nyemele mia gbɔ o. Ke ne metrɔ va la, nyematsɔe ake ame siwo wɔ nu vɔ̃ do ŋgɔ
alo ame bubu siwo wɔe kplɔ ɖo o, 3 elabena miele nane dim be wòaɖo kpe edzi na
mi be Kristoe le nu ƒom to dzinye. Kristoa megbɔdzɔ le tohehe na mi me o, ke esẽ
ŋu le mia dome. 4 Be woaka ɖe edzi na mi la, woklãe ɖe ati ŋu le gbɔdzɔgbɔdzɔ me,
ke hã la, ele agbe to Mawu ƒe ŋusẽ me. Nenema ke, míegbɔdzɔ le eya amea me,
gake to Mawu ƒe ŋusẽ me míele agbe be míasubɔ mi. 5 Mido mia ɖokuiwo kpɔ be
miele xɔse me vavã mahã? Nenema le midzro mia ɖokuiwo me. ɖe miekpɔ dzesi be
Kristo le mia me oa? Negbe ɖee mieto xɔse ƒe dodokpɔ la me o. 6 Mexɔe se be mi
katã mialɔ̃ ɖe edzi kplim be mieto dodokpɔ la me. 7 Míaƒe gbedodoɖae nye be,
mianɔ agbe dzadzɛ. Menye be miatso afia be míefia nu nyui mi alo miede ŋgɔ o.
Gbeɖe, nenye be woɖe vodada na mí hã la ele be miawo ya miawɔ nu nyui. 8 Míaƒe
dɔdeasi enye be míado ŋusẽ mi be miawɔ nu dzɔdzɔetɔ le ɣeawokatãɣi, ke menye nu
vɔ̃ o. 9 Enye dzidzɔ na mí ne wobu mí ame gblɔewo eye woɖe alɔme le mía ŋu ke
miawo miesẽ le xɔse me. Míaƒe gbedodoɖa kple didi vevi enye be miatsi ɖe edzi le
Kristo me
10 Mele nu sia ŋlɔm na mi kple mɔkpɔkpɔ be ne meva ɖo la, magahiã be
mahe nya ɖe mia ŋu alo ahe to na ame aɖeke o. Elabena nye didie nye be mawɔ ŋusẽ
si Aƒetɔ la nam la ŋutidɔ atsɔ atu mi ɖo le xɔse me. Ke menye be matsɔe aɖiɖi mi ɖe
anyi o.
Gbedoname Mamleawo
11 Mawu nye agbalẽa nu kple nya mamletɔ siawo bena, Minɔ dzidzɔkpɔkpɔ dzi ɖaa.
Mitsi ɖe edzi le Kristo me. Miɖo to nya siwo katã megblɔ na mi. Minɔ anyi le
ɖekawɔwɔ kple ŋutifafa me. Eye ŋutifafa kple lɔlɔ̃ ƒe Mawu la nanɔ anyi kpli mi. 12
Mitsɔ nugbugbɔ kɔkɔe do gbe na mia nɔewo. 13 Nɔvi kristotɔ siwo katã le gbɔnye
afii la do gbe na mi nyuie. 14 Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve kple Mawu ƒe lɔlɔ̃
kpakple Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe habɔbɔ nanɔ anyi kple mi katã.

Laisser un commentaire

Votre adresse e-mail ne sera pas publiée. Les champs obligatoires sont indiqués avec *