Togo Chrétien

"L’amour de Dieu a été manifesté envers nous en ce que Dieu a envoyé son Fils unique dans le monde, afin que nous vivions par lui."

Bible Ewe

Philippiens

PAULO ƑE AGBALẼ SI WÒŋLɔ NA FILIPITɔWO

Kpɔkplɔyiɖeme

Paulo ŋlɔ agbalẽ sia na kristotɔ siwo nɔ Filipi si nye hame
gbãtɔ si Paulo ɖo ɖe Europa. Filipi nye asitsadu xɔŋkɔ aɖe le
Romatɔwo ƒe dziɖuɖu te. Afi siae wolée le hede gaxɔ me. Eŋlɔ
agbalẽ sia esi wònɔ gaxɔ me. Le ɣemaɣi me la, aʋatsonufiala
aɖewo va ge ɖe hamea me eye ame aɖewo tsi tsitre ɖe Paulo ƒe
nufiafia ŋu. Ke ame akpa gãtɔ xɔ Paulo ƒe nufiafia eye wokpe
ɖe eŋu hedi eƒe nuhiahiãwo nɛ le eƒe gaxɔmenɔɣi. Paulo te gbe
ɖe dzidzɔ vavãtɔ si le Kristo yomedzedze me la dzi vevie.
Emenyawo

1. Kpɔkplɔyiɖeme, 1:1-11
2. Paulo na nyanya Filipitɔwo tso eɖokui ŋu, 1:12-26
3. Agbenɔnɔ abe kristotɔ ene, 1:27-2 :18
4. Paulo ɖo Timoteo kple Epafrodito ɖe Filipitɔwo, 2:19-30
5. Nufiafia kple ŋusẽdoamenyawo, 3:1-4:9
6. Akpedada le Filipitɔwo ƒe nunanawo ta, 4 :10-20
7. Nuwunyawo kple yayranyawo, 4 :21-23

1 Agbalẽ sia tso Paulo kple Timoteo, Yesu Kristo ƒe dɔlawo gbɔ le yiyim na
Osɔfowo ƒe kpeɖeŋutɔwo kple kristotɔ siwo katã le Filipi.
2 Mawu nayra mi katã. Ẽ, medoa gbe ɖa be Mawu mía Fofo kple míaƒe Aƒetɔ
Yesu Kristo nana eƒe yayra detotɔ mia dometɔ ɖe sia ɖe eye eƒe ŋutifafa la nanɔ
miaƒe dziwo kple miaƒe agbenɔnɔ blibo me.
Akpedada kple gbedodoɖa
3 Nye gbedodoɖawo katã ɖe mia ta nye akpedada sɔŋ ko na Mawu. 4 Eye ne mele
gbe dom ɖa ɖe mia ta la, dzidzɔ sɔŋ yɔa nye dzime. 5 Le kpekpeɖeŋu gã siwo katã
miena le Kristo ƒe nyanyui la kaka me tso ɣeyiɣi si miesee gbã va se ɖe fifia dzi la
ta. 6 Eye meka ɖe edzi be Mawu ame si dze dɔ nyui sia wɔwɔ gɔme le mia me la,
ayi edzi akpe ɖe mia ŋu bena miatsi ɖe edzi le eƒe amenuveve la me va se ɖe esime
dɔ si wɔwɔ gɔme wòdze le mia me la nawu nu keŋkeŋ le ŋkeke si Yesu Kristo aga
trɔ va la dzi. 7 Ele ɖoɖo nu be nye dzi nanɔ ɖe mia ŋu abe ale si wòle ene, elabena
miekpɔ gome le Mawu ƒe yayra me esi menɔ gaxɔ me kple esi medo eye menɔ
nyateƒe la ta ʋlim henɔ gbeƒã ɖem Kristo na amewo. 8 Mawu ɖeka koe nya lɔlɔ̃ vavã
si le menye ɖe mia ŋu abe ale si Yesu Kristo hã lɔ̃ mi ene. 9 Nye gbedodoɖa ɖe mia
tae nye bena, miayɔ fũ eye miagbã go kple lɔlɔ̃ na mia nɔewo eye nenema ke mianɔ
tsitsim ɖe edzi le gbɔgbɔmenunya kple sidzedze me.
10 Elabena medina vevie ɣesiaɣi be miakpɔ vovototo le nyui kple vɔ̃ dome
eye kpe ɖe esia ŋuti la mianɔ dzadzɛ le miaƒe dziwo me ale bena ame aɖeke mate ŋu
akpɔ kpɔtsotso le mia ŋuti o, va se ɖe esime míaƒe Aƒetɔ la nagatrɔ ava. 11 Minɔ nu
nyui kple dɔmenyowɔwɔ dzi ɖaa. Esiawoe afia be mienye Mawu viwo vavã eye
woahe kafukafu kple ŋutikɔkɔe geɖe vɛ na Aƒetɔ la.
Paulo ƒe bablawo do nyanyui la ɖe ŋgɔ
12 Nɔvi lɔlɔ̃wo, medi be mianya esia be: Nu sia nu si dzɔ ɖe dzinye le afi sia la, do
gbeƒãɖeɖe Kristo ƒe nyanyui la ɖe ŋgɔ boŋ. 13 Elabena ame sia ame si le gbɔnye le
afi sia hekpe ɖe asrafo siwo katã le asaɖame ŋuti la nya kɔtee be susu si ta mele
game ɖo koe nye be menye kristotɔ. 14 Eye nye gamenɔnɔ na be kristotɔ siwo katã
le afi sia la megavɔ̃na na gamenɔnɔ o. Ke le go aɖewo me la, nye dzidodo si metsɔ
le gaxɔ mee la de dzi ƒo na wo ale gbegbe be womegavɔ̃a gbeƒãɖeɖe Kristo o.
15 Nyateƒe wònye be ame aɖewo ɖea gbeƒã Kristo le ŋu ʋaʋã kple dzrewɔwɔ
ta, ke ame bubu aɖewo ɖea gbeƒã nya la kple dzitsinya nyui. 16 Ame evelia siawo
wɔnɛ le lɔlɔ̃ me, elabena wonyae be mele game le afii le nyanyui la ta ʋiʋli ŋuti. 17
Ame kemɛawo gblɔa Kristo ƒe nya la le ɖokuitɔdidi ta, ke menye tso dzi vavã me o,
kple susu sia be yewoatsɔ xaxa akpe ɖe nye bablamenɔnɔ ŋu. 18 Susu ka ke nu wole
mawunya la gblɔm ɖo hã la, enye nyateƒe matrɔmatrɔ be wole gbe ƒã ɖem Kristo ƒe
nyanyui la eye esiae nye nye dzidzɔ.
Nu si ta maganɔ agbe vie ɖo
19 Manɔ dzidzɔkpɔkpɔ dzi ɖaa, elabena menya be zi ale si miele gbe dom ɖa ɖe
tanye eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la hã le kpekpem ɖe ŋunye ta la, esiawo katã ahe nyui ko
vɛ nam eye woawɔe be woaɖe asi le ŋutinye le gaxɔ me. 20 Mele lalam eye mele mɔ
kpɔm be nyemawɔ naneke atsɔ do ŋukpe ɖokuinye o; ke boŋ manɔ klalo ɣesiaɣi aɖe
gbeƒã Kristo abe ale si mewɔnɛ tsã ene, togbɔ be nuwo le sesẽm nam le afi sia ŋutɔ
le ɣeyiɣi siawo me hã la, menya be ne mele agbe o, meku o, made bubu Kristo ŋu.
21 Le gonyeme la, agbenɔnɔ nye mɔnukpɔkpɔ nam be mawɔ dɔ na Kristo. Ke ku
ga ɖe vi wu. 22 Ke nenye be agbenɔnɔ ana mɔnukpɔkpɔ geɖem be maɖe luʋɔwo na
Kristo la, ekema nyemeganya ne agbe alo kue nyo wu o. 23 Ewɔna nam ɣeaɖewoɣi
be manɔ agbe gake le ɣebubuɣiwo la, edzroam be maku, elabena medi vevie be mayi
aɖanɔ Kristo gbɔ. O, adzɔ dzi na nye ya sasasã wu be manɔ kodzogbe afii! 24 Ke
nyateƒe lae nye be, mate ŋu ana kpekpeɖeŋu geɖe miawo wu ne mele agbe.
25 Ẽ, ele eme be nye dɔwɔwɔ ga hiã le agbe sia me eya ta meka ɖe edzi be
maganɔ agbe vie wu be makpe ɖe mia ŋuti be miatsi ɖe edzi le xɔse me eye miakpɔ
dzidzɔ. 26 Nye agbenɔnɔ ado dzidzɔ na mi eye wòana mɔnukpɔkpɔ mi be miakafu
Yesu Kristo le ale si wòna megale agbe la ta ne megava mia gbɔ.
27 Ke nu ka kee adzɔ ɖe dzinye hã la, miɖo ŋku edzi ɣesiaɣi be mianɔ agbe
abe kristotɔwo ene, ale be, ne magakpɔ mi alo nyemakpɔ mi o hã la, manɔ ɖaseɖiɖi
nyuiwo sɔŋ ko xɔm tso mia ŋuti be mi katã miele ɖeka kple susu ɖeka sia be miagblɔ
nyanyui la 28 dzideƒotɔe, nu ka kee miaƒe futɔwo awɔ mi hã. Woakpɔ esia abe woƒe
anyidzedze ƒe dzesi ene, ke miawo la, esia anye dzesi tso Mawu gbɔ be, eli kpli mi
eye bena ena agbe mavɔ mi. 29 Ke miawo la menye edzixɔxɔse ƒe mɔnukpɔkpɔ ko
wona mi o, ke boŋ be miakpe fu ɖe eta hã. 30 Mí katãe le avu sia wɔm ɖekae.
Miekpɔ ale si mekpe fu ɖe eta va yi eye fifia hã megale avu sesẽ aɖe wɔm, abe ale si
mienya nyuie la ene.
Midze Yesu ƒe ɖokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu yome
2 Nane li abe kristotɔwo ƒe dzidedeƒo na wo nɔewo enae? ɖe mielɔ̃m ale
gbegbe be miadi be yewoakpe ɖe ŋutinyea? ɖe mí kpli miawo ƒe nɔvinyenye le
Aƒetɔ la me kple míaƒe gomekpɔkpɔ le Gbɔgbɔ ɖeka la me nye viɖe na mia? ɖe
nublanuikpɔkpɔ le dzime na mi le go aɖe mea? 2 Ekema mina makpɔ dzidzɔ vavãtɔ
to mia nɔewo lɔlɔ̃ kple ɖekawɔwɔ me, eye mitsɔ dzi ɖeka, susu ɖeka kple taɖodzinu
ɖeka wɔ dɔe aduadu.
3 Miganye ɖokuitɔdilawo o; migawɔ nu be miadze ame bubuwo ŋu o. Mibɔbɔ
mia ɖokuiwo eye mibu ame bubuwo be wonyo wu mi. 4 Tɔnye ko nenyo meganɔ
mia me o; ke boŋ mibu ame bubuwo hã ŋuti eye miatsɔ ɖe le nu si wɔm wole la me.
5 Miaƒe nɔnɔme nenɔ abe Kristo Yesu tɔ ene, 6 ame si, esi wònye be Mawu
ƒe nɔnɔme mee wònɔ hã la, mebui be ye kple Mawu ƒe sɔsɔ nye nane si wòle be
yeaʋli kplii o, 7 ke boŋ eɖi gbɔlo eɖokui hetsɔ dɔla ƒe nɔnɔme do eye wòva le ame ƒe
nɔnɔme me. 8 Esi wònɔ ame ƒe nɔnɔme me la, ebɔbɔ eɖokui, ɖo to yi ɖase ku me, yi
ɖase atitsogaŋutiku me ke! 9 Eya ta Mawu do eya amea ɖe dzi yi ɖase teƒe kɔkɔtɔ
kekeake eye wòtsɔ ŋkɔ si ƒo ŋkɔwo katã ta la nɛ. 10 Be le Yesu ƒe ŋkɔ me, klo sia
klo, adze nɛ le dziƒo kple anyigba kpakple anyigba te, 11 eye aɖe sia aɖe aʋu eme be
Yesu Kristo nye Aƒetɔ, hena Mawu fofo la ƒe ŋutikɔkɔe.
12 Xɔ̃nye lɔlɔ̃wo, esi menɔ mia gbɔ la, mielé se siwo mede na mi la me ɖe asi
sesῖe. Ke azɔ esi nyemegale mia gbɔ o la, boŋ wòle be mialé be na mia ɖokuiwo wu
eye miawɔ nu nyui siwo afia be miekpɔ ɖeɖe. Mitsɔ bubu kple toɖoɖo na Mawu eye
miagbe nu le nu siwo medzɔa dzi nɛ o la wɔwɔ gbɔ. 13 Elabena Mawu le dɔ wɔm le
mia me. Eyae kpena ɖe mia ŋu be miaɖo toe eye wògakpena ɖe mia ŋu be miawɔ eƒe
lɔlɔ̃nu.
14 Miwɔ nu sia nu liʋiliʋililῖ kple nyahehe manɔmee, 15 ale bena ame aɖeke
mate ŋu akpɔ mɔ atsɔ fɔɖiɖi na mi o. Minɔ agbe dzadzɛ si ŋu fɔɖiɖi mele o, abe
Mawu vi siwo le xexe si me do viviti tsiɖitsiɖi heyɔ fũ kple ame mawɔnuteƒewo kple
kɔlialiatɔwo la ene. Miklẽ le wo dome abe akaɖi ene 16 eye migblɔ Agbenya la na
wo.
Ekema nenye be Kristo gava la, makpɔ dzidzɔ gã aɖe be dɔ si mewɔ le mia
dome la ɖe vi geɖe. 17 Eye nenye be wokɔ nye ʋu ɖi le nyateƒe me, be wòanye vɔsa
na Mawu ɖe miaƒe xɔse ta alo nenye be edze be maku ɖe mia ta gɔ̃ hã la, malɔ̃ aku
faa eye mana mia dometɔ ɖe sia ɖe nakpɔ gome le nye dzidzɔ sia me. 18 Elabena ele
be miakpɔ dzidzɔ ɖe esia hã ta eye miadzɔ dzi kplim be wona mɔnukpɔkpɔm be
maku ɖe mia ta.
Timoteo kple Epafrodito
19 Ne Aƒetɔ la lɔ̃ la, maɖo Timoteo ɖa be wòava kpɔ mi ɖa kpuie. Ekema ne etrɔ
gbɔ la, nu siwo wòava gblɔ nam tso nu siwo katã wɔm miele kple ale si miele dɔa
dzii ŋu la ana dzi nagaɖo ƒonye. 20 Ame aɖeke megali si tsɔ ɖe le miaƒe nya me wu
Timoteo o. 21 Edze abe ɖe bubuawo katã tsi dzi ɖe woawo ŋutɔ ƒe ɖoɖowo ŋuti eye
menye ɖe Yesu Kristo tɔwo ŋu o ene. 22 Ke mienya Timoteo nyuie. ɖe wòle nam
abe vi ene eye wòkpena ɖe ŋutinye le nyanyui la gbɔgblɔ me. 23 Mele mɔ kpɔm be
maɖoe ɖe mi kpuie; ne mese nu si adzɔ ɖe dzinye le afi sia ko. 24 Eye mele mɔ
kpɔm be, Aƒetɔ la ana be nye ŋutɔ hã mava kpɔ mi ɖa kpuie.
25 Le ɣeyiɣi sia me la, mebui be enyo be magbugbɔ Epafrodito aɖo ɖe mi.
Mieɖoe ɖa be wòava kpe ɖe ŋutinye le nye hiahiãwo me; enyo ŋutɔ. Mí kplii míezu
nɔvi vavãwo eye míewɔa dɔ aduadu. 26 Azɔ la, megbugbɔe le ɖoɖom ɖe mi, elabena
aƒe le edzrom eye esi miese be, edze dɔ la, mietɔtɔ le mia ɖokuiwo me. 27 Le
nyateƒe me la, edze dɔ eye esusɔ vie ko wòaku. Gake Mawu kpɔ nublanui na nye
kplii siaa, bena metsɔ eƒe ku ƒe nuxaxa tsɔ kpe esiwo le dzinye xoxo la o.
28 Eya ta metsi dzi vevie be maɖoe ɖe mi, eye menya ale si gbegbe miada
akpee be miegakpɔe, eye esia ana nye hã makpɔ dzidzɔ eye wòaɖe nye xaxawo dzi
akpɔtɔ. 29 Mido dzaa nɛ le Aƒetɔ la me kple dzidzɔ gã aɖe, eye miɖe miaƒe
ŋudzedzekpɔkpɔ fiae, 30 elabena eƒe agbe ɖo xaxa gã aɖe me ɖe Kristo ƒe dɔ la ta
eye esusɔ vie ne wòaku le esime wòle agbagba dzem be yeawɔ nu siwo miate ŋu wɔ
nam o, ɖe ale si miele adzɔge le gbɔnye la ta.
Migaɖo dzi ɖe ŋutilã ŋu o
3 Mlɔeba la, nɔvi lɔlɔ̃awo, midzɔ dzi le Aƒetɔ la me. Meɖe fu nam be maŋlɔ nu
mawo ke aɖo ɖe mi o, elabena wonyo na miaƒe dedienɔnɔ. 2 Minɔ ŋudzɔ na avu
mawo, ŋutsu mawo, ame siwo wɔa funyafunya ŋutilã, 3 elabena mí ame siwo subɔna
le Mawu ƒe gbɔgbɔ me lae nye aʋatsotso nyuitɔ, ame siwo dzɔa dzi le Kristo Yesu
me eye womeɖoa dzi ɖe ŋutilã ŋu o, 4 evɔ nye ya susu si ta wòle be maɖo dzi ɖe
ŋutilã ŋu la le asinye hafi. Ne ame aɖe bu be yeate ŋu aɖo dzi ɖe ŋutilã ŋu la, nye la
mewui, 5 elabena wotso aʋa nam le ŋkeke enyia gbe, metso Israel dukɔ me, tso
Benyamin ƒe to la me, Hebritɔ tso Hebritɔwo me, le sea nu la, Farisitɔ menye. 6 Ke
le hamea yometiti me la, ame aɖeke mewum o, eye le dzɔdzɔenyenye si tso sea me
nu la, mokakamanɔŋutɔe menye.
7 Gake meɖe asi le nu siwo katã mebuna tsã be wonye viɖenuwo la ŋu eye
metsɔ wo katã ƒu gbe be mate ŋu atsɔ nye xɔse kple mɔkpɔkpɔ ana Yesu ɖeka ko. 8
Ẽ, azɔ la, ne metsɔ nu siawo katã sɔ kple viɖe gã si mekpɔ le Kristo Yesu, nye Aƒetɔ
nyanya me la, womega ɖi naneke le nye ŋkume o. Esia ta metsɔ nu mawo katã ƒu
gbe, eye mebu wo aɖukpodzinuwoe, bena nye asi nasu Kristo dzi, 9 eye mawɔ ɖeka
kplii. Azɔ la, nyemegaɖoa ŋu ɖe nye dɔ nyui wɔwɔ ŋuti alo Mawu ƒe seawo dzi
wɔwɔ ŋuti be woaɖem o, ke boŋ meɖoa dzi ɖe Kristo ŋuti be aɖem; elabena mɔ
nyuitɔ si dzi míato awɔ ɖeka kple Mawu lae nye xɔse kple ŋuɖoɖo vevie ɖe
Kristo ɖeka hɔ̃ ko ŋuti. 10 Azɔ la, meɖe asi le nu bubu ɖe sia ɖe ŋuti. Meva kpɔe be
esia koe nye mɔ si dzi míato anya Kristo eye míanye nu hã tso ŋusẽ si fɔe ɖe agbe
tso ku me la ŋu; to esia me míate ŋu ase nu si wònye be míakpe fu, aku kplii la hã
gɔme. 11 Eya ta nu ka kee adzɔ hã la, nye hã manye ame siwo akpɔ gome le ame
kukuwo ƒe tsitretsitsi kple woƒe agbe yeye la me, la dometɔ ɖeka.
Dzesiɖoƒe yometiti
12 Menye ɖe mele gbɔgblɔm be nye asi su nu siawo katã dzi xoxo alo wowɔm mede
blibo xoxo o, ke boŋ mele ŋusẽ dom nu be nye asi nasu nu si ta Kristo Yesu hã ƒe
asi su dzinye ɖo la dzi. 13 Nɔvi lɔlɔ̃wo, nyemebu ɖokuinye be nye asi su edzi o. Ke
nu ɖeka si mewɔna lae nye be; meŋlɔa nu siwo le megbenye la be eye mewɔa nye
ŋutete ŋuti dɔ be maɖo nu si le ŋgɔ nye la gbɔ. 14 Mele dzisiɖoƒe la mi nyam vevie
be maxɔ dziɖuɖudzesi si ta Mawu yɔm le Kristo Yesu me ɖo be manyi agbe mavɔ
dome.
15 Aleae wòle be mí ame siwo tsi le xɔsea me la nakpɔ nu siawoe. Ke ne wò
susu to vovo le nu siawo dometɔ aɖe ŋu la, Mawu aɖe eya hã afia wò. 16 Ke ɖeko
miana míanɔ agbe ɖe nu si dzi míaƒe asi su la nu.
17 Nɔvi lɔlɔ̃wo, mikpe ɖe ame bubuwo ŋu ne miasrɔ̃ nye agbe ƒe kpɔɖeŋu eye
mialé ŋku ɖe ame siwo zɔna ɖe ɖoɖo siwo míewɔ na mi nu la ŋuti. 18 Elabena
egblɔe na mi zi geɖe kpɔ, eye megale egblɔm na mi fifia kple aɖatsi be, ame geɖewo
le kristotɔwo ƒe mɔ dzi zɔm, esiwo, le nyateƒe me la, wonye Kristo ƒe atitsoga la ƒe
futɔwo. 19 Woatsrɔ̃ gbidigbidi, elabena nu sia nu si dzro wo lae zua woƒe mawu; nu
si wòle be wòakpe ŋu na wo la boŋ zua dada blibo na wo eye nu si ko ŋuti wobua
tame lena lae nye agbenɔnɔ le anyigba dzi afii. 20 Ke míawo la dziƒoe nye mía de
afi si mía ɖela, Aƒetɔ Yesu Kristo le eye míele mɔ kpɔm be agatso afi ma ava. 21
Ne egatrɔ va la, atrɔ míaƒe ŋutilã siwo ŋu anyigbadzi gbɔdzɔgbɔdzɔ le la eye woazu
ŋutikɔkɔe ŋutilã siwo ŋu ŋusẽ le abe eya ŋutɔ tɔ ene, to ŋusẽ triakɔ ma si wòatsɔ aɖu
nu sia nu dzii le afi sia afi la ŋutidɔwɔwɔ me.
ŋusẽdoame nyawo
4 Nɔvi kristotɔ lɔlɔ̃awo, melɔ̃ mi eye medi vevie be mava kpɔ mi ɖa elabena
miawoe nye nye dzidzɔ kple nye fetu si maxɔ ɖe nye dɔwɔwɔwo ta. Eya ta xɔ̃nye
lɔlɔ̃wo, minɔ te sesῖe nyateƒetɔe le Aƒetɔ la me.
2 Meɖe kuku na Ewodia eye mele kuku ɖem na Sintike hã be gbe nadze gbe
dzi na wo le Aƒetɔ la me. 3 Megale biabiam tso mi, nye hadɔwɔlawo si be miakpe ɖe
nyɔnu siawo ŋuti elabena wowɔ dɔ kplim aduadu le nyanyui la kaka me na ame
bubuwo; eye wowɔ dɔ kple Klemens kpakple nye dɔwɔla bubu siwo ŋkɔ woŋlɔ ɖe
agbegbalẽa me la hã.
4 Dzi nadzɔ mi le Aƒetɔ la me ɣesiaɣi. Megale egblɔm ake be dzi nadzɔ mi! 5
Mina ame sia ame nakpɔe adze sii be, miedia mia ɖokuitɔ o, ke boŋ miebua ame
bubuwo ŋuti le nu sia nu si miewɔna la me. Miɖo ŋku edzi be Aƒetɔ la ƒe vava gogo.
6 Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o; ke boŋ mido gbe ɖa le nu sia nu me. Migblɔ
miaƒe hiahiãwo na Mawu, eye migaŋlɔ akpedada nɛ be le eƒe ŋuɖoɖo ta o. 7 Ne miewɔ esia la ekema Mawu ƒe ŋutifafa si ƒo amegbetɔwo ƒe nugɔmesesewo katã ta la
anɔ mia me. Eƒe ŋutifafa ana gbɔdzɔe miaƒe susuwo kple miaƒe dziwo le ale si miexɔ
Kristo Yesu dzi se la nu. 8 Mlɔeba la, nɔvi lɔlɔ̃wo, nu siwo nye nyateƒe, nu siwo dze
na bubu, nu siwo le dzɔdzɔe, nu siwo le dzadzɛ, nu siwo dze na lɔlɔ̃, nu siwo nya
kpɔna ne nu nyui aɖe li alo nane li si wole be woakafu la mibu nu sia tɔgbewo ŋu. 9
Minɔ nu siwo katã miesrɔ̃ tso gbɔnye eye miekpɔm menɔa wɔwɔm la wɔwɔ dzi eye
ŋutifafa ƒe Mawu la anɔ anyi kple mi. 10 Medzɔ dzi le Aƒetɔ la me vevie be mlɔeba
la, miegadze ŋkuɖoɖo dzinye gɔme. Le nyateƒe me la, mietsɔ ɖe le eme nam, gake
ɖekoe miekpɔ asinu be miaɖee afi o. 11 Menye be ɖe mexaxa ɣeaɖekeɣi tae mele
egblɔm ɖo o, elabena mesrɔ̃ ale si manɔ agbee le dzidzɔ me nenye be nu geɖe loo
alo nu sue aɖe koe le asinye. 12 Menya ale si manɔ agbee, ne naneke mele asinye o
loo alo ne nu sia nu le asinye. Mesrɔ̃ dzidzemekpɔkpɔ ƒe nu ɣaɣla le go ɖe sia ɖe me,
le ƒoɖiɖi me loo alo le dɔwuame me, le nukpɔkpɔ me loo alo le hiã me. 13 Mate ŋu
awɔ nu sia nu to eya ame si doa ŋusẽm la me. 14 Ke hã la, miewɔe nyuie be
miekpena ɖe ŋutinye le nye ɣeyiɣi sesẽ siawo me.
15 Abe ale si mienya nyuie ene la, esi meva gblɔ nyanyui la na mi zi gbãtɔ
eye meyi nye mɔzɔzɔ dzi tso Makedonia la, mi Filipitɔwo koe zu nye hadɔwɔlawo le
nunana kple nuxɔxɔ me. Hame bubu aɖeke mewɔ esia o. 16 Esi menɔ Tesalonika gɔ̃
hã la, mieɖo nu ɖem zi eve sɔŋ. 17 Togbɔ be mekpɔ ŋudzedze le miaƒe nunana ŋuti
hã la, nu si gadzɔ dzi nam wu lae nye fetu gã si miava xɔ le mia ƒe dɔmenyowɔwɔ
ta.
18 Fifi laa la, nu sia nu si mehiã la le asinye, le nyateƒe me la nuawo sɔ gbɔ
gɔ̃ hã wu ale si mehiã! Esi Epafrodito va la, etsɔ nunana gbogbo siwo mieɖo ɖem la
vɛ nam. Nunana siawo nye vɔsanu ʋeʋẽ lilῖli si dzea Mawu ŋu ŋutɔ. 19 Eye eyae ana
miaƒe nuhiahiãwo katã mi tso eƒe ŋutikɔkɔe kesinɔnuwo me, le nu si Kristo Yesu wɔ
na mí la ta. 20 Azɔ ŋutikɔkɔe woana Mawu mía Fofo la tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.
Amen.
Nuwuwugbedonamewo
21 Medo gbe na kristotɔ siwo katã le afi ma; nɔvi siwo le gbɔnye la hã do gbe na mi.
22 Kristotɔ ɖe sia ɖe si le afi sia la di be mado gbe na mi na yewo, vevitɔ esiwo le
dɔ wɔm le Kaisaro ƒe Fiasã me. 23 Míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi
kple miaƒe gbɔgbɔwo.

Laisser un commentaire

Votre adresse e-mail ne sera pas publiée. Les champs obligatoires sont indiqués avec *