Togo Chrétien

"L’amour de Dieu a été manifesté envers nous en ce que Dieu a envoyé son Fils unique dans le monde, afin que nous vivions par lui."

Bible Ewe

1 Timothée

PAULO ƑE AGBALẼ GBÃTɔ SI WÒŋLɔ NA TIMOTEO

Kpɔkplɔyiɖeme

Timoteo nye ɖekakpui aɖe si ke ɖe Kristo dzixɔse ŋu to Paulo
dzi eye wòzu kpeɖeŋutɔ vevi aɖe na Paulo le eƑe
mawunyakakadɔ la me. Paulo lɔ̃e abe eya ŋutɔ via ene. Paulo
bia tso Timoteo si be wòakpɔ hame si le Efeso la dzi. Agbalẽ
sia nye Paulo Ƒe ŋusẽdodo kple nufiafia tso hamedzikpɔkpɔ ŋuti
na Timoteo.
Emenyawo

1. Gbedoname, 1:1-2
2. Hameɖoɖowo kple hamedzikpɔlawo, 1:3-3:16
3. Nuxɔxlɔ̃ kple ŋusẽdodo Timoteo, 4:1-6:19
4. Gbedoname kple agbalẽa nuwuwu, 6:20-21
1 Nye Paulo, ame si nye Kristo Yesu Ƒe apostolo to Mawu, mia ɖela, Ƒe
gbeɖeɖe kple Kristo Yesu, miaƑe mɔkpɔkpɔ dzi la, 2 na Timoteo, vinye vavã le xɔse
la me. Amenuveve, nublanuikpɔkpɔ kple ŋutifafa si tso Mawu, Fofo la kple Kristo
Yesu, miaƑe AƑetɔ, gbɔ la, nanɔ anyi kpli wò.
Nuxɔxlɔ̃ tso aʋatsonufiafiawo ŋu
3 Abe ale si meƑoe ɖe nuwò hafi dzo yi Makedonia ene la, tsi Efeso eye nàɖo asi
ŋutsu aɖewo, ame siwo le nudada fiam la dzi be womagafia nenem nuwo o 4 tɔ te
wo be womagagblẽ woƑe ɣeyiɣiwo ɖe gliwo kple dzɔdzɔmenyatotowo ŋu o. Elabena
nu siawo hea nyahehe dzodzrowo vanɛ ɖe Mawu Ƒe dɔwɔwɔ si xɔse hena vanɛ la
teƑe. 5 Nu si metsi dzi na vevie nye be kristotɔ siwo katã le afi ma la nayɔ fũu kple
lɔlɔ̃ si tso dzi vavãwo me, eye be woƑe susuwo me nadza eye woasẽ ŋu le xɔse me.
Nufiala siawo da Ƒu le nu siawo nyanya me eye wogblẽa woƑe ɣeyiɣi nɔa nya
hem eye wonɔa nya maɖinyawo gblɔm. 7 Wodi be yewoaxɔ ŋkɔ abe Mose Ƒe sefiala
gãwo ene, evɔ woawo ŋutɔ menya naneke gobii tso Mose Ƒe seawo kple nu si wofia
mí la ŋu hafi o. 8 Se mawo nyo, zi ale si wowɔ wo ŋutidɔ abe ale si Mawu ɖoe la
ene. 9 Míenyae hã be menye ame nyuiwoe wowɔ se la na o, ke boŋ sedzidalawo
kple aglãdzelawo, mawumavɔ̃lawo kple nu vɔ̃ wɔlawo, ame makɔmakɔwo kple
mawumasubɔlawoe wowɔ se la na, ame siwo wua wo fofowo kple dadawo, na
hlɔ̃dolawo 10 na ahasiwɔlawo kple nu tovo wɔlawo, amesitsalawo kple aʋatsokalawo
kple atam dzodzro kalawo kpakple nu sia nu si tsi tre ɖe nufiafia vavãtɔ 11 si xɔ ɖe
Mawu yayratɔ la Ƒe ŋutikɔkɔenyanyui si wòtsɔ nam la dzi ŋuti.
Paulo Ƒe akpedada ɖe Mawu Ƒe amenuveve ta
12 Medaa akpe geɖe na Kristo Yesu míaƑe AƑetɔ la be wòtia nye hã abe eƑe dɔlawo
dometɔ ɖeka ene, eye wòna ŋusẽm be manye nuteƑewɔla nɛ, 13 togbɔ be meɖu fewu
le Kristo Ƒe ŋkɔ ŋuti kpɔ gɔ̃ hã. Meti eƑe amewo Ƒe agbe yome, eye mewɔ nu vevi wo
le mɔ ɖe sia ɖe si dzi mate ŋui la nu. Ke Mawu kpɔ nublanui nam elabena nyemenya
nu si wɔm menɔ la o, elabena ɣemaɣi la, nyemenya Kristo o. 14 O, míaƑe AƑetɔ la
Ƒe dɔme nyo loo, elabena efiam ale si wòle be maxɔ edzi asee eye be Kristo Yesu Ƒe
lɔlɔ̃ nayɔ menye fũu.
15 Esia nye nyateƑenya si wòle be woaɖo toe axɔe ase keŋ be, Kristo Yesu va
xexeame nu vɔ̃ wɔlawo ɖe ge, ame siwo dome menye gãtɔ le. 16 Ke Mawu kpɔ
nublanui nam ale be Kristo Yesu ate ŋu awɔ ŋutinyedɔ abe kpɔɖeŋu ene be woatsɔ
afia ame sia ame ale si wòte ŋu gbɔa dzi ɖi na nu vɔ̃ wɔla gãtɔ kekeake gɔ̃ hã ale be
woawo hã nanyae be, woate ŋu akpɔ agbe mavɔ. 17 ŋutikɔkɔe kple bubu woana
Mawu tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. Eyae nye Fia tso blema ke, Mawu makumakua
si womekpɔna o, eye wòyɔ fũu kple nunya. Eya ɖeka koe nye Mawu. Amen.
18 Azɔ vinye, Timoteo, esia nye nye sedede na wò. Wɔ AƑetɔ la Ƒe aʋawo
nyuie, abe ale si wògblɔ na mi be nàwɔ to eƑe nyagblɔɖilawo dzi la ene. 19 Lé wò
xɔse si le Kristo me la ɖe asi sesῖe eye ɣesiaɣi la wò dzitsinya nanɔ dzadzɛ eye nàwɔ
nu si nènya be enyo la ko. Elabena ame aɖewo gbe toɖoɖo woƑe dzitsinya eye wowɔ
nu si wonya nyuie be mele be woawɔ o. Ale mewɔ nuku be esi wogbe Mawu
nenema la wobu woƑe xɔse si le Yesu Kristo me la o. 20 Himenaio kple Aleksandro
wonye nu sia wɔlawo Ƒe kpɔɖeŋuwo. Eva nɔ nam be matsɔ wo de asi na Satana be
woahe to na wo va se ɖe esime woanyae be menyo be woaƑo ɖi Kristo Ƒe ŋkɔ o.
ɖoɖowo le subɔsubɔ ŋu
2 Eya ta mele nu xlɔ̃m be do ŋgɔ na nu sia nu la, woawɔ kukuɖeɖewo,
gbedoɖoɖawo, nyaxɔɖeakɔwo kple akpedada ɖe amewo katã ta 2 ɖe fiawo kple
dziɖulawo katã ta be míanɔ anyi le ŋutifafa kple agbe Ƒe dziɖeɖi me le mawuvɔvɔ̃
kple kɔkɔenyenye katã me. 3 Esia nyo eye wòdze AƑetɔ la ŋu. 4 Edi vevie bena ame
sia ame nakpɔ ɖeɖe eye woase nyateƑe sia gɔme be: 5 Yesu Kristo ame si va
xexeame abe amegbetɔ ene la, koe va dzra Mawu kple amegbetɔwo dome ɖo. 6 Ewɔ
esia esi wotsɔ eƑe agbe na ɖe amewo katã ta.
Esia nye gbedeasi si Mawu tsɔ na xexeame le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. 7 Enye
nyateƑe matrɔmatrɔ be wotiam be manye Mawu Ƒe apostolo kple nyanyuidɔgbedela si
agblɔ nyateƑe sia na dzimaxɔsetɔwo; afia wo Mawu Ƒe ɖoɖo na amewo be woakpɔ
ɖeɖe to xɔse me. 8 Eya ta medi be ŋutsuwo le afi sia afi nado woƑe asi kɔkɔewo ɖe
dzi na Mawu ado gbe ɖa, elabena wovo tso nu vɔ̃, dziku kple fuléle si me. 9
Nenema ke medi be nyɔnuwo nado awu ɖe nɔnɔme nyui me, le dzadzenyenye kple
nu dzeame wɔwɔ me, menye le atsyɔ̃ɖoɖo vivivo kple ɖa ŋɔŋɔe ƑoƑo, sikanuwo kple
dzonu xɔasiwo dodo kpakple avɔ xɔasiwo tata me o, 10 ke boŋ kple nu nyui wɔwɔ si
dze nyɔnu siwo ʋu eme be yewonye mawusubɔlawo. 11 Ele na nyɔnu be wòasrɔ̃
toɖoɖo le ɖoɖoezizi kple ɖokuibɔbɔ katã me. 12 Nyemeɖe mɔ na nyɔnu be wòafia nu
alo aɖu amegã ɖe ŋutsu dzi o, ke boŋ nezi ɖoɖoe. 13 Nu ka ta? Elabena Mawu wɔ
Adam gbã hafi va wɔ Eva. 14 Eye menye Adam Satana ble o, ke boŋ Evae eye to
esia me nu vɔ̃ va. 15 Eya ta Mawu na be nyɔnuwo nekpe fu ase veve le woƑe
vidzidzi me, ke aɖe woƑe luʋɔwo ne woxɔ edzi se, eye wonɔ agbe nyui le lɔlɔ̃ vavã
me.
Le hamedzikpɔlawo kple subɔlawo Ƒe nɔnɔme ŋuti
3 Enye nyateƑenya be ne ame aɖe di be yeawɔ hamedzikpɔla Ƒe dɔ la, etia dɔ
nyuitɔ. 2 Azɔ la, ele na hamedzikpɔla be, wòanye mokakamanɔŋutɔ, nyɔnu ɖeka ko
srɔ̃, ame si fa tu, ɖokuidziɖula, ame si ŋu bubu le, amedzrowɔla, ame si nya nufiafia
3 menye aha tsu nola o, menye ame si wɔa nu gbodogbodo o ke boŋ ewɔa nu le
bɔbɔenyenye me, menye dzrewɔla alo galɔ̃la o. 4 Ele vevie be woanye ame si kpɔa
eƑe aƑe dzi nyuie eye vi ɖotowo le esi. 5 Elabena ne ŋutsu aɖe mate ŋu akpɔ eƑe aƑe
sue la dzi be woanɔ agbe nyui o la, ale ke wòawɔ akpɔ Mawu Ƒe hame dzi?
Nuxɔxlɔ̃ na Timoteo tso aʋatsonufialawo ŋu
6 Mele be wòanye ame si Ƒe dzimetrɔɣi medidi o, elabena ne menye nenema o la,
dada ayɔ eya amea me eye wòadze anyi le ʋɔnudɔdrɔ̃ si va Satana dzi la te. 7 Ele na
hamedzikpɔla be wòakpɔ ɖaseɖiɖi nyui tso hamea godotɔwo hã gbɔ ale be mage
adze vlododo kple Satana Ƒe mɔ̃ me o.
8 Nenema kee wòle na subɔlawo hã be woanye ame siwo ŋu bubu le kple
nyateƑetɔwo, menye aha tsu nolawo kple ame siwo tia viɖe Ƒoɖiwo yome o.
9 Ele na wo be woalé xɔse la Ƒe nyateƑe detowo me ɖe asi kple dzitsinya nyui
10 Ele be woado wo akpɔ gbã eye ne naneke meku ɖe wo ŋu o la, woaɖe mɔ woawo
subɔla Ƒe dɔ.
11 Ele na wo srɔ̃nyɔnuwo be woanye ame ɖɔŋuɖowo, ke menye aha tsu
nolawo kple ameŋunyagblɔlawo o, ke boŋ woawɔ nuteƑe la nu sia nu me. 12
Subɔlawo nanye srɔ̃ ɖeka tɔwo eye dzidzɔ kple toɖoɖo nanɔ woƑe aƑewo me. 13
Kpeɖeŋutɔ siwo wɔ dɔ nyuie la, woƑe fetu anye be amewo aɖo bubu na wo eye
woawo ŋutɔ Ƒe dzideƑo kple xɔse le AƑetɔ la me hã atsi ɖe edzi.
14 Togbɔ be mele mɔ kpɔm be mava mia gbɔ kpuie hã la, mele nu siawo
ŋlɔm na mi, 15 ale be ne nye vava he ɖe megbe hã la miate ŋu anya ame siwo tɔgbi
miatia be woanye Mawu gbagbe la Ƒe hanunɔlawo, hame si lé Mawu Ƒe nyateƑe la
me ɖe asi sesῖe.
16 Enye nyateƑe be mawumegbenɔnɔ mele bɔbɔe o. Gake ele bɔbɔe le Kristo
ta, ame si va anyigba dzi abe ame ene. ɖiƑoƑo aɖeke menɔ eŋuti o eye wòdza le eƑe
gbɔgbɔ me. Mawudɔlawo subɔe eye wogblɔ mawunya tso eŋuti le dukɔwo dome.
Amewo xɔe le afi sia afi si wòyi eye wogaxɔe ɖe eƑe ŋutikɔkɔe me le dziƑo.
4 Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔe na mi kɔtee bena le ŋkeke mamlɛawo me la, ame
aɖewo le hamea me atrɔ le Kristo yome adze nufiala siwo Ƒe susuwo me gbɔgbɔ
vɔ̃wo yɔ la yome kple dzo. 2 Nufiala siawo aɖo mo ta, ada alakpa eye woadae
enuenu ale gbegbe be woƑe dzitsinya magaɖe fu na wo gɔ̃ hã o. 3 Woagblɔ be
menyo be woaɖe srɔ̃ o, eye menyo hã be woaɖu nanewo o, evɔ wònye Mawue tsɔ nu
siawo na kristotɔ siwo li ke la be woakpɔ dzidzɔ le wo ŋuti eye woada akpe ɖe wo ta
hafi. 4 Elabena nu sia nu si Mawu wɔ la nyo, eye miate ŋu aɖui kple dzidzɔ nenye
be mieda akpe ɖe eta, 5 eye miebia tso Mawu si be woayrae, elabena Mawu Ƒe nya
kple gbedodoɖa awɔe kɔkɔe.
Kristo Yesu Ƒe subɔla nyuitɔ la
6 Ne eɖe nu siawo me na ame bubuwo la anɔ wò dɔdeasi wɔm abe Osɔfo
nuteƑewɔla, si le xɔse kple nufiafia dzɔdzɔetɔ si nesrɔ̃ la ŋuti dɔ wɔm la ene.
7 Megagblẽ wò ɣeyiɣi anɔ nya hem tso susu manyatenuwo kple movinyawo
kpakple gli dzodzrowo ŋuti o. Ke boŋ zã wò ɣeyiɣiwo kple wò ŋusẽ natsɔ atu
ɖokuiwò ɖoe le gbɔgbɔ me. 8 Ame ɖokui tutuɖo le ŋutilã me nyo gake tutuɖo le
gbɔgbɔ me le vevie wu, elabena enye atike na nu sia nu si nàwɔ. Eya ta tu ɖokuiwò
ɖo le gbɔgbɔ me eye nadze agbagba be yeanye kristotɔ nyui wu, elabena eyae ava
kpe ɖe ŋuwò. Menye fifia le agbe sia me ko o, ke boŋ le agbe si ava va la me hã.
9 Esia nye nyateƑe eye wòdze be woaxɔe ase blibo 10 eye le esia tae miewɔ
dɔ heʋli vevie be míatsɔ míaƑe mɔkpɔkpɔ ade Mawu gbagbe la me, ame si nye
amewo katã Ƒe ɖela, vevietɔ ame siwo xɔ se.
Fia nu siawo eye naka ɖe edzi be ame sia ame srɔ̃ wo nyuie. 12 Mègana ame
aɖeke nabu wò ame gblɔe le wò ɖekakpuinyenye ta o. Ke boŋ nye kpeɖeŋu nyuitɔ na
wo. Na woadze nu si nèfiana kple agbe si nènɔna la yome. Na wò lɔlɔ̃, wò xɔse, kple
wò susu dzadzɛwo nanye kpɔɖeŋu na wo. 13 Va se ɖe esime mava mia gbɔ la, xlẽ
ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la na hame la eye naɖe eme na wo; gblɔ Mawu Ƒe nya la ɣesiaɣi.
14 Kpɔ egbɔ be nèwɔ amenuvenunana siwo Mawu na wò to eƑe nyagblɔɖilawo dzi
esi hamemegãwo da asi ɖe dziwò la ŋutidɔ nyuie. 15 Wɔ nunana siawo ŋutidɔ nyuie.
Tsɔ ɖokuiwò Ƒo ɖe wò dɔwɔwɔwo me ale be ame sia ame nate ŋu akpɔ wò tsitsiɖedzi
kple ŋgɔgbeyiyi adze sii. 16 Lé ŋku ɖe nu siwo katã nesusuna kple nu siwo katã
newɔna la ŋuti nyuie. Le nu si nyo eye wòle eteƑe la me ko ɖe asi eye Mawu ayra
wò eye woawɔ ŋuwodɔ le kpekpeɖeŋunana ame bubuwo me.
Timoteo Ƒe dɔdeasi ku ɖe ahosiwo, ame tsitsiwo, kple kluviwo ŋuti
5 MègaƑo nu na me tsitsi aɖeke kple ada o, ke boŋ Ƒo nu nɛ bubutɔe, abe wò
ŋutɔ fofowòe nèle nu Ƒom na ene. Ƒo nu na ɖekakpuiawo abe ale si nàƑo nu na
nɔviwò ŋutsu lɔlɔ̃awo ene. 2 Tsɔ nyɔnu tsitsiwo abe dawòwo ene eye ɖetugbiwo abe
nɔviwò nyɔnuwo ene, eye susu dzadzɛwo ko nanɔ wò tame ɖe wo ŋu.
3 Nenye be ahosiwo mekpɔ ame aɖeke woakpɔ wo dzi o la, ekema hamea
natsɔe ɖo eɖokui dzi atsɔ lɔlɔ̃ akpɔ wo dzii. 4 Ke ne viwo alo mamayɔviwo le wo si
la, ekema ele be woawo nakpɔ wo dzi elabena ele be dɔmenyowɔwɔ nadze egɔme
tso aƑeme, eya ta ele be woakpe ɖe wo dzila siwo le hiã me la ŋuti. Esia nye nane si
dzea Mawu ŋu ŋutɔŋutɔ.
5 Hame la nèkpɔ ahosi dahe siwo tsi akogo le xexeame la dzi nenye be wole
Mawu sinu kpɔm be wòakpe ɖe yewo ŋuti, eye wole gbe dom ɖa atraɖii, 6 ke menye
ne wogblẽa woƑe ɣeyiɣi nɔa tsatsam nɔa ameŋunya gblɔm, nɔa ŋutilãmedzidzɔ ko
dim eye wogblẽa nu le woƑe luʋɔ ŋuti o. 7 Esia nanye miaƑe hame la Ƒe ɖoɖo ale be
kristotɔwo nanya eye woawɔ nu si dze.
8 Ke ame si makpe ɖe eya ŋutɔ Ƒe Ƒometɔ siwo le hiã me, vevietɔ esiwo le
eya ŋutɔ Ƒe aƑeme ŋuti o la, mekpɔ mɔ be woayɔ eɖokui be kristotɔ o. Trɔ̃subɔla gɔ̃
hã nyo wu ame sia tɔgbi.
9 Womatsɔ ahosi aɖeke Ƒe ŋkɔ ade ahosiwo dome o negbe exɔ Ƒe blaade kple
edzivɔ eye wònye ame si nɔ srɔ̃a gbɔ le nyateƑetoto me. 10 Ele be wòakpɔ ɖaseɖiɖi
nyui le amewo katã gbɔ le eƑe dɔ nyui wɔwɔ me le kpɔɖeŋu me ame si hea viawo
nyuie, lɔ̃a amedzrowɔwɔ, klɔa ame kɔkɔewo Ƒe afɔwo, kpena ɖe ame siwo ɖo xaxa
me la ŋu eye wòƑoa eɖokui ɖe dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ me.
11 Mele be woaxɔ ahosi siwo metsi o la ɖe dɔ dɔxɛ wɔla siawo dome o
elabena le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la woada le adzɔgbe si woɖe na Kristo la dzi eye
woagaɖe srɔ̃. 12 Ale woadze na tohehe elabena woda le woƑe ŋugbedodo
adzɔgbeɖeɖe la dzi. 13 Hekpe ɖe esia ŋuti la, ele eme be woava zu ame ɖɔewo eye
woagblẽ woƑe ɣeyiɣi anɔ ameŋunya gblɔm tso aƑe si me yi ekemɛ me, anɔ nu dem
ame bubuwo Ƒe nya me. 14 Eya ta mesusu be enyo na ahosi siwo metsi o la be
woagaɖe srɔ̃, adzi viwo, eye woakpɔ woawo ŋutɔ Ƒe aƑe dzi. Ekema ame aɖeke mate
ŋu agblɔ nya aɖeke ɖe wo ŋuti o. 15 Elabena mevɔ̃ be wo dometɔ aɖewo do le eye
Satana hamea me, kplɔ wo tra mɔe xoxo.
16 Na magaɖo ŋku edzi na wò ake be ele na ahosiwo Ƒe Ƒometɔwo be woakpɔ
wo dzi, eye mele be woaɖe asi le dɔ sia wɔwɔ ŋuti na hamea o. Ekema hamea ate ŋu
atsɔ ga si le esi la akpɔ ahosi amemanɔsitɔwo dzii.
Beléle na hamedzikpɔlawo
17 Hamedzikpɔla siwo wɔa hadɔ nyuie la, dze na bubuteƑe eve, vevietɔ esiwo kua
kutri le mawunyagbɔgblɔ kple efiafia me, 18 elabena woŋlɔ ɖe mawunya me be,
“Mègabla nu na nyitsu ne ele mɔlu tugum o.” Wogagblɔ le teƑe bubu hã be,
“Dɔwɔla dze na eƑe fetu.” 19 Ne wotsɔ nya ɖe hamedzikpɔla aɖe ŋu la, mègawɔ nya
la ŋudɔ o, negbe le ɖasefo eve alo etɔ̃ Ƒe nya nu ko. 20 Woaka mo na nu vɔ̃ wɔlawo
le hame bliboa ŋkume be wòanye kpɔɖeŋu na ame bubuwo.
21 Mele se dem na wò moveviɖotɔe le Mawu kple AƑetɔ Yesu Kristo kpakple
mawudɔla kɔkɔeawo katã Ƒe ŋkume, be nàwɔ nu sia ne hamemegã la nye xɔ̃wò vevi
loo alo menye xɔ̃wò o. Ele be woatsɔ dzidzenu ɖeka ma ko na ame sia ame. 22
Mègatsi dzi klokloklo le hamemegãtiatia me o. Wò ŋku abu le eƑe nu vɔ̃wo dzi eye
wòawɔ abe ɖe nède eƑe nu vɔ̃wo dzi ene. Kpɔ nyuie be wò ŋutɔ nate ɖa xaa tso nu vɔ̃
ɖe sia ɖe Ƒomevi gbɔ. 23 Ke hã la, esia mefia be nàtsri wain keŋkeŋ o. Ele be nano
sue aɖe ɣeaɖewoɣi abe atike ene ɖe wò dɔmeɖu la ta elabena edzea dɔ kaba kaba.
24 ɖo ŋku edzi be ŋutsu aɖewo hamemegã aɖewo gɔ̃ hã, le nu vɔ̃ gbe nɔm
eye esia le nyanya na ame sia ame. Le nu siawo me la, ate ŋu awɔ nane tso eŋuti. Ke
le go bubuwo me la, ʋɔnudrɔ̃gbe la koe ate ŋu aɖe nyateƑe dziŋɔ la ɖe go. 25
Nenema ke, ame sia ame nya ale si hamemegã aɖewo wɔ dɔ nyuie, gake ɣeaɖewoɣi
la womenya woƑe dɔ nyui wɔwɔwo o, va se ɖe ɣeyiɣi didi aɖewo megbe hafi.
ɖoɖo na kluviwo
6 Kluvi siwo nye kristotɔwo la nawɔ dɔ na woƑe aƑetɔwo kple ŋusẽ eye woabu
wo; mègana woagblɔ tso Kristo Ƒe hadɔwɔlawo ŋuti be wonye kuviatɔwo o. Mègana
Mawu Ƒe ŋkɔ alo eƑe nufiafia nazu alɔmeɖenu le nu sia ta o. 2 Ne woƑe aƑetɔ nye
kristotɔ la, esia menye mɔnukpɔkpɔ be woawɔ alɔgblɔdɔ le woƑe dɔwɔnawo ŋuti o;
ke boŋ ele be woagawɔ dɔ ɖe edzi wu elabena wole kpekpeɖeŋu nam wo nɔvi
kristotɔ kple woƑe ŋusẽ.
Timoteo, fia nyateƑenya siawo eye nàdo ŋusẽ ame sia ame be woawɔ ɖe wo
dzi.
Galɔlɔ̃
3 Ame aɖewo asẽ nu agblɔ be nya siawo mele eme o, gake wonye nufiafia dzɔdzɔe
si de blibo, wonye esiwo Kristo ŋutɔ fia eye wonye mawumegbenɔnɔ Ƒe gɔmeɖokpe.
4 Ame si agblɔ nya aɖe si ato vovo tso esia gbɔ la, ame ma nye dadala kple movitɔ.
Elabena ele gɔmeɖeɖe bubu tsɔm na Kristo Ƒe nyawo eye wòle nyahehe siwo awu nu
le ŋuʋaʋã kple dziku me la hem vɛ. Esia Ƒe metsonuwo koe anye megbeŋkɔyɔyɔ na
amewo, nyatsɔtsɔ ɖe ame ŋu, kple nu vɔ̃ɖi susu ɖe ame nɔewo ŋuti. 5 Nyahela siawo,
esiwo Ƒe susuwo nu vɔ̃ bla goŋgoŋ la, menya ale si woagblɔ nyateƑe lae o. Le woawo
gbɔ la, Agbenya la gbɔgblɔ nye gakpɔmɔnu ko. Eya ta mite ɖa xaa tso wo gbɔ.
6 Ke mawuvɔvɔ̃ kple ŋudzedzekpɔkpɔ nye viɖe gã, 7 elabena míetsɔ naneke
va xexe sia me o eye edze Ƒãa be míatsɔ naneke hã adzoe o. 8 Ke ne nuɖuɖu kple
nudodowo le mía si la, mina woadze mia ŋu. 9 Ame siwo dina be yewoazu
hotsuitɔwo la, gena ɖe tetekpɔ kple mɔtetre kpakple movidzɔdzɔ kple didi vɔ̃wo me,
esiwo kplɔa amewo yina ɖe gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ me. 10 Nu tovo wɔwɔwo katã Ƒe
dzɔtsoƑee nye galɔlɔ̃, ame siwo tsi dzi ɖe gakpɔkpɔ ŋu la, trana tso xɔse la gbɔ eye
wotsɔa veve geɖe ŋɔa wo ɖokuiwoe flofloflo.
Paulo Ƒe ɖoɖo tɔxɛwo na Timoteo
11 Ke wò, Mawu Ƒe ame, si le nu siawo katã nu eye nati dzɔdzɔenyenye, mawuvɔvɔ̃,
xɔse, lɔlɔ̃, tenɔnɔ kple bɔbɔenyenye yome. 12 ʋli xɔse Ƒe ʋiʋli nyui la, lé agbe mavɔ
si woyɔ wò na esi nèʋu emeʋuʋu nyui le ɖasefo geɖewo Ƒe ŋkume la me ɖe asi sesῖe.
13 Mele didim tso asiwò le Mawu si na agbe amewo katã kple Kristo Yesu si
ɖi ɖase dzideƑotɔe le Pontio Pilato gbɔ la Ƒe ŋku me be, 14 nàwɔ nu siwo katã
wògblɔ na wò be nàwɔ la, ale be tso fifia dzi va se ɖe esime míaƑe AƑetɔ Yesu Kristo
natrɔ ava la, ame aɖeke makpɔ kpɔtsotso le ŋutiwò o. 15 Elabena ne ɣeyiɣia ɖo la,
Mawu yayratɔ, fiawo dzi Fia, aƑetɔwo dzi AƑetɔ, si koe nye Mawu ŋusẽkatãtɔ la, aɖe
Kristo afia tso dziƑo. 16 Mawu sia ɖeka hɔ̃ koe mate ŋu aku o; keklẽ gã dziŋɔ aɖe Ƒo
xlãe ale gbegbe be amegbetɔ aɖeke mate ŋu ate ɖe eŋuti o. Amegbetɔ aɖeke mekpɔe
kpɔ o eye makpɔe akpɔ hã o. Eya tɔ nanye bubu kple ŋusẽ kpakple dziɖuɖu tso mavɔ
me yi ɖe mavɔ me. Amen.
17 Gblɔ na kesinɔtɔwo katã be womegada wo ɖokuiwo eye woaɖo ŋu ɖe
woƑe ga si nu ava yi kpuie la ŋuti o; ke boŋ woƑe dada kple ŋuɖoɖo nanɔ Mawu
gbagbe si naa nu siwo katã míehiã na míaƑe dzidzɔkpɔkpɔ la mí fũu ɖeɖe ko ŋu. 18
Gblɔ na wo be woawɔ woƑe ga ŋutidɔ le dɔ nyui wɔwɔ me. Ele be woazu kesinɔtɔwo
le dɔ nyui wɔwɔ me eye woana nu hiãtɔwo faa kple dzidzɔ eye woanɔ klalo ɣesiaɣi
be woama nu sia nu si Mawu tsɔ na wo la kple ame bubuwo. 19 To esia wɔwɔ me
la, woanɔ kesinɔnu vavãwo Ƒom Ƒu ɖe dziƑo na wo ɖokuiwo. Eya koe nye agbe mavɔ
Ƒe nu si wodzrana ɖo eye megblẽna o! Ekema woanɔ kristotɔ Ƒe agbe si ɖea vi la, le
anyigba dzi afi sia hã.
20 O, Timoteo, mègado kpo nu siwo Mawu tsɔ de asiwò la wɔwɔ o. Mègahe
nya manyatanu kple ame siwo dana be yewonya nu evɔ womenyae o la o. 21 Ame
siawo bu nu vevitɔ kekeake le agbe me: Womenya Mawu o.

Laisser un commentaire

Votre adresse e-mail ne sera pas publiée. Les champs obligatoires sont indiqués avec *