Togo Chrétien

"L’amour de Dieu a été manifesté envers nous en ce que Dieu a envoyé son Fils unique dans le monde, afin que nous vivions par lui."

Bible Ewe

2 Thessaloniciens

PAULO ƑE AGBALẼ EVELIA SI WÒŊLɔ NA TESALONIKATɔWO
Kpɔkplɔyiɖeme

Paulo ŋlɔ agbalẽ gbãtɔ na Tesalonikatɔwo eteƒe medidi kura
hafi wògaŋlɔ evelia o. Aʋatsonufiala aɖewo gblɔ na
Tesalonikatɔwo be, Kristo va zi evelia xoxo. Nu sia he tɔtɔ
geɖe va hamea me. Ame geɖewo dzudzɔ dɔwɔwɔ eye wode asi
kuviawɔwɔ me. Paulo ŋlɔ agbalẽ sia heka mo na wo le woƒe
kuviawɔwɔ kple dɔmawɔmawɔ ta. Efia nu wo tso ame kukuwo
ƒe tsitretsitsi ŋuti. Edo ŋusẽ wo be woalé xɔse la me ɖe asi sesῖe
eye woanɔ mɔ kpɔm na Kristo ƒe vava zi evelia.

Emenyawo 1. Gbedoname, 1:1-2
2. Paulo ƒe akpedada kple gbedodoɖa ɖe hamea ta, 1:3-12
3. Aƒetɔ la ƒe vava zi evelia, 2:1-17
4. Nufiamewo, 3:1-15
5. Yayranyawo kple gbedonamewo, 3:16-18

1 Agbalẽ sia tso Paulo, Silvano kple Timoteo gbɔ le yiyim na kristohame si le
Tesalonika, ame siwo le dedie le Mawu mía Fofo kple míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo me.
2 Mawu mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo nana eƒe yayra sɔgbɔ la mi eye
wòana ŋutifafa nanɔ miaƒe dziwo kple tamesusuwo me.
Akpedada kple gbedodoɖa
3 Nɔvi lɔlɔ̃awo, akpedada na Mawu ɖe mia ta menye nu dzeame ko wònye na mí o,
ke boŋ míaƒe dɔ wònye be míawɔ na Mawu ɖe ale si miaƒe xɔse tsi ɖe edzi nukutɔe
eye miaƒe lɔlɔ̃ na mia nɔewo hã de to ŋutɔ la ta. 4 Enye dzidzɔ na mí be míaƒo
adegbe tso miaƒe dzigbɔɖi kple ale si miaƒe xɔse de to le Mawu me la ŋu na hame
bubuwo, togbɔ be miele fukpekpe kple ɣeyiɣi sesẽwo me tom hã. 5 Esia nye ale si
Mawu wɔa nu to mɔ dzɔdzɔetɔ dzii la ƒe kpɔɖeŋu ɖeka ko, elabena to miaƒe
fukpekpe me la ele mia dzram ɖo hena eƒe fiaɖuƒe la 6 eye le ɣemaɣi me ke la ele
ʋɔnudɔdrɔ̃ kple tohehe dzram ɖo ɖi na ame siwo le fu wɔm mi.
7 Eya ta magblɔ na mi ame siwo le fu kpem la be, Mawu ana dzudzɔ mi kple
míawo nenye be Aƒetɔ Yesu va do kpoyi tso dziƒo le dzo ƒe aɖewo me kple eƒe
mawudɔla sesẽwo. 8 Adrɔ̃ ʋɔnu ame siwo katã medi be yewoanya Mawu o, kple ame
siwo katã gbe ɖoɖo si wòwɔ ɖe wo ŋu be yeaɖe wo to míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo dzi
la wɔwɔ me gbidii. 9 Woahe to na wo le dzo mavɔ la me, eye womagakpɔ Aƒetɔ la
ƒe ŋkume akpɔ gbeɖe o, gawu la womakpɔ eƒe ŋutikɔkɔe ƒe ŋusẽ hã o, 10 ne eva be
wòaxɔ kafukafu kple bubu ɖe dɔ gã si wòwɔ na ame kɔkɔewo la ta. Miawo la, mianɔ
ame siwo anɔ ekafum la dome elabena miexɔ Mawu ƒe nya si míegblɔ na mi la dzi
se.
11 Eya ta míedoa gbe ɖa ɖe mia ta ɖaa be míaƒe Mawu la nawɔ mi vi
siwo ƒomevi wòdi be woanɔ ye si lae, eye agawɔ mi mianyo ade ale si miedi la nu!
Mlɔeba la atsɔ eƒe ŋusẽ axe fe na mi ɖe miaƒe xɔse ta. 12 Ekema ame sia ame anɔ
Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ kafum ɖe nu nyui siwo do go tso mia me wokpɔ la ta; eye
miaƒe ŋutikɔkɔe gãtɔ kekeake enye be miava nye etɔ. Míaƒe Mawu kple Aƒetɔ Yesu
Kristo ƒe nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la ana esiawo katã ava eme na mi.

Kristo ƒe vava zi evelia kple eƒe ŋgɔdodzesiwo
2 Le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe vava kple ale si míaƒo ƒu ɖe egbɔ ŋuti la,
míele biabiam tso mia si, nɔviwo, be 2 miagana woatɔtɔ miaƒe susuwo bɔbɔe alo ado
dzikatsoameƒo na mi kple nyagblɔɖiwo, nutsotsowo alo kple agbalẽ aɖe si wogblɔ be
etso mía gbɔ si le gbɔgblɔm be Aƒetɔ la ƒe vavagbe la va yi xoxo o. 3 Migana
woatɔtɔ miaƒe susuwo eye woable mi o; migaxɔ nu sia nu si wogblɔ la dzi se o.
Elabena ŋkeke ma mava o, va se ɖe esime aglãdzedze ava, eye woaɖe ame
sedzimawɔla la ɖe go, ame si woɖo ɖi na tsɔtsrɔ̃. 4 Atsi tsitre ɖe mawu bubuwo ŋu
eye ayi aɖagbã nu siwo katã amewo subɔna la kple afi si wosubɔa wo le la
gudugudu. Ayi aɖanɔ Mawu ƒe gbedoxɔ me abe Mawu ene eye wòable amewo be
yee nye Mawu. 5 Mieɖo ŋku edzi be megblɔ nya siawo na mi esi menɔ mia gbɔ oa?
6 Eye mienya xoxo nu si le mɔ xem na eƒe afi sia vava; elabena ne eƒe ɣeyiɣi mede
o la, mava o.
7 Ke nu si ŋutsu aglãdzela kple dzomavɔ me vi sia awɔ ne eva la, le edzi yim
xoxo gake eya ŋutɔ mava o va se ɖe esime ame si le mɔ xem nɛ la do ɖa le mɔ me
nɛ hafi. 8 Ekema ŋutsu vɔ̃ɖi sia ava do eye Aƒetɔ Yesu atsɔ eƒe ya si wògbɔna to eƒe
nume la afiãe; eye ne etrɔ va la, atsrɔ̃ ŋutsu sia ɖa le anyigba dzi. 9 Ŋutsu nu vɔ̃
wɔla sia ava kple Satana ƒe ŋusẽ eye Satana awɔ eŋutidɔ atsɔ wɔ dzesi kple nukunu
gã geɖewo, atsɔ aflu amewoe. 10 Ado lã amesiwo katã yina ɖe dzomavɔ la me
elabena wogbe nyateƒe la xɔxɔ; wogbe be yewomaxɔ nyateƒe la ase, alɔ̃e be wòaɖe
wo o, 11 eya ta Mawu ɖe mɔ na wo be woaxɔ alakpa siawo katã dzi ase kple woƒe
dzi blibo 12 eye woadrɔ̃ ʋɔnu wo katã pɛpɛpɛ be woxɔ alakpa dzi se, gbe nu le
nyateƒe la gbɔ eye wokpɔ dzidzɔ le woƒe nu vɔ̃wo me.
Minɔ te sesῖe
13 Ke ele be míada akpe na Mawu ɖaa ɖe mia ta, mi mía nɔvi siwo Aƒetɔ la lɔ̃,
elabena Mawu ɖoe tso blema ke be yeana miakpɔ ɖeɖe, aklɔ mia ŋuti to Gbɔgbɔ
Kɔkɔe la ƒe dɔwɔwɔ kple miaƒe nyateƒe la dzixɔxɔse me. 14 Mawu gblɔ nyanyui la
na mi to mía dzi. Eye to mía dzi wòyɔ mi be miakpɔ gome le míaƒe Aƒetɔ Yesu
Kristo ƒe ŋutikɔkɔe la me.
15 Nɔvi lɔlɔ̃wo, nu siwo katã le susu me na mi eya ta minɔ te sesῖe eye mialé
nyataƒe la me ɖe asi sesῖe, nyateƒe siwo míefia mi esi míenɔ mia gbɔ kple esiwo
míeŋlɔ ɖo ɖe mi le míaƒe agbalẽwo me na mi.
16 Míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ŋutɔ kple Mawu mía Fofo, ame si lɔ̃ mí eye to
eƒe amenuveve me la, wòna dzideƒo mavɔ kple mɔkpɔkpɔ nyui mí la, 17 nade dzi ƒo
na mi eye wòado ŋusẽ mi le dɔ nyui ɖe sia ɖe wɔwɔ kple nya nyui ɖe sia ɖe gbɔgblɔ
me.
Mido gbe ɖa ɖe mía ta
3 Mlɔeba la, nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, esi mele agbalẽ sia nu wum la, mabia tso mia si be
miaɖo gbe ɖa ɖe mía ta. Mido gbe ɖa gbã be Aƒetɔ la ƒe nya la nakaka ɖe afi sia afi
kaba eye wòakpɔ dziɖuɖu le afi sia afi si wòkaka ɖo, ale be wòaɖe ame geɖewo abe
ale si wòdzɔe esi míeva mia gbɔ la ene. 2 Mido gbe ɖa hã be míado go le ame
vɔ̃ɖiwo ƒe asi me, elabena menye ame sia amee lɔ̃ Aƒetɔ la o. 3 Aƒetɔ la, nuteƒewɔla
wònye; eya ta ado ŋusẽ mi eye wòakpɔ mia ta tso Satana ƒe fuwɔame ɖe sia ɖe me. 4
Míeka ɖe edzi le Aƒetɔ la me bena miele nu siwo míefia mi la dzi wɔm eye menye
zi ɖeka ko o ke boŋ ɣesiaɣi. 5 Aƒetɔ la nawɔe be miaƒe nugɔmesese tso Mawu ƒe lɔlɔ̃
ŋuti la nanɔ to dem ɖe edzi wu ɣesiaɣi.
Nuxɔxlɔ̃ tso kuviawɔwɔ ŋu
6 Nɔvi lɔlɔ̃awo, míele se sia dem na mi le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me be:
Migade ha kple nɔvi si nɔa anyi kuviatɔe gbe sia gbe eye mewɔa dɔ aɖeke abe ale si
míefia mi be miawɔ la ene o. 7 Elabena miawo ŋutɔ mienya ale si wòle be miadze
míaƒe kpɔɖeŋu yomee. Esi míenɔ mia dome la, míenɔ anyi kuviatɔe 8 alo ɖu ame
aɖe ƒe nu femaxee o, ke boŋ míewɔ dɔ zã kple keli. Míedze agbagba, ku kutri be
míaganye agba na mia dometɔ aɖeke o. 9 Míewɔ esia menye esi míate ŋu abia
kpekpeɖeŋu ma tɔgbi mi ta o ke boŋ be míatsɔ mía ɖokuiwo aɖo kpɔɖeŋui na mi be
miadze eyome. 10 Elabena esi míenɔ mia gbɔ gɔ̃ hã la, míede se sia na mi be, “Ame
si medi be yeawɔ dɔ o la, megadu nu hã o.”
11 Gake míesena be mia dometɔ aɖewo le kuvia wɔm, wogbe be yewomawɔ
dɔ aɖeke o, eye wogblẽa woƒe ɣeyiɣi le ameŋunyagbɔgblɔ me. 12 Míele kuku ɖem
na nenem me mawo katã eye míele gbe ɖem na wo hã le Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ
me be, woadze kɔ anyi awɔ dɔ atsɔ kpɔ wo ɖokuiwo dzii. 13 Hena nɔvi lɔlɔ̃
mamlɛawo la, mele nu xlɔ̃m mi be ɖeɖi megate mia ŋuti le nu nyui wɔwɔ me o.
14 Nenye be ame aɖe gbe be yemawɔ ɖe nu siwo míegblɔ ɖe agbalẽ sia me
dzi o la, milé ŋku ɖe eŋuti eye migade ha kplii o, ale be ŋu nakpee. 15 Ke migabui
be enye miaƒe futɔ o; ke boŋ miƒo nu nɛ abe nɔvi si hiã nuxɔxlɔ̃ ene.
Gbedonamewo
16 Ŋutifafa ƒe Aƒetɔ la ŋutɔ nana eƒe ŋutifafa mi ɣesiaɣi le nu sia nu me. Aƒetɔ la
nanɔ anyi kpli mi katã.
17 Azɔ esia nye, nye ŋutɔ nye gbedoname si mele ŋɔŋlɔm kple nye ŋutɔ nye
asi, abe ale si mewɔnɛ le nye agbalẽwo katã ƒe nuwuwu la ene; be wòanye kpeɖodzi
na mi be agbalẽ la tso nye ŋutɔ gbɔnye. Esia nye nye ŋutɔ nye asinuŋɔŋlɔ. 18 Míaƒe
Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe yayra nanɔ mi katã mia dzi.

Laisser un commentaire

Votre adresse e-mail ne sera pas publiée. Les champs obligatoires sont indiqués avec *