Togo Chrétien

"L’amour de Dieu a été manifesté envers nous en ce que Dieu a envoyé son Fils unique dans le monde, afin que nous vivions par lui."

Bible Ewe

Romains

PAULO ƑE AGBALẼ SI WÒŊLɔ NA ROMATɔWO

Kpɔkplɔyiɖeme:

Paulo, ame si ŋlɔ agbalẽ sia na kristotɔ siwo nɔ Roma la, nɔ Israel
nyigba dzi. Enye mawuvɔ̃la aɖe. Ebu be mɔ nyuitɔ si dzi woasubɔ
Mawu toe lae nye be woawɔ Yudatɔwo ƒe kɔnyinyiwò dzi
nyaɖenyanui. Etsi dzi ɖe Yudatɔwo ƒe kɔnyinyiwo me léle ɖe asi
ŋu ale gbegbe be wòti kristotɔwo yome. Ke esi wòtrɔ dze Yesu
yome la, ezu ame bubu azɔ. Eva dze sii be ɖeɖekpɔkpɔ mele
Yudatɔwo ƒe seawo me léle ɖa asi me o ke boŋ ɖeɖekpɔkpɔ le
Yesu Kristo dzixɔse me. Elabena ame aɖeke mate ŋu awɔ seawo
dzi o eye ame aɖeke hã mete ŋu wɔ wo dzi kpɔ o. Paulo ƒe agbalẽ
na Romatɔwo ƒo nu tso ale si kristotɔwo nanɔ agbe le xɔse me la
ŋuti.
Emenyawo 1. Kpɔkplɔyiɖeme, 1:1-17
2. Ale si xexeame hiã ɖeɖee, 1 :18-3 :20
3. ɖeɖe to xɔse me, 3:21-8:39
4. Israel ƒe Mawu ƒe ɖoɖowo, 9:1-11:36
5. Ale si kristotɔwo nanɔ agbee , 12 :1-15 :13
6. Taƒonyawo kple gbedonamewo, 15 :14-16 :27
ROMATɔWO

1 Xɔ̃nye lɔlɔ̃awo le Roma: Agbalẽ sia tso Paulo, Yesu Kristo ƒe kluvi, ame si wotia
be wòanye mawunyadɔgbedela eye wodɔe ɖa be wòaɖe gbeƒã Mawu ƒe nyanyui la, gbɔ.
2 Mawu ƒe nyagblɔɖilawo do nyanyui sia ŋugbe xoxoxo le Nubabla Xoxoa me. 3 Enye
nyanyui tso Via, Yesu Kristo, míaƒe Aƒetɔ, ame si va xexeame abe amegbetɔ ene eye
wodzii ɖe Fia David ƒe fiaƒomea me la ŋu. 4 Esi wofɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome
la, wofia be eyae nye Mawu Vi ŋusẽtɔ la eye Mawu ŋutɔ ƒe nɔnɔme kɔkɔe la nɔ eme.
5 Azɔ la, to Kristo me la, wokɔ Mawu ƒe dɔmenyo ɖe mí nu vɔ̃ wɔla
madzemadzewo dzi, eye azɔ la ele mía dɔm ɖe xexeame godoo be míagblɔ nu gã siwo
Mawu wɔ na xexeame la na amewo katã le afi sia afi, ale be woawo hã naxɔ edzi ase
eye woaɖo toe. 6 Eye miawo hã miele ame siwo woyɔ be woanye Yesu Kristo tɔwo la
dome. 7 Ŋutifafa kple amenuveve tso Mawu, mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ na
mi katã le Roma, ame siwo Mawu lɔ̃ eye wòyɔ mi be miazu ame kɔkɔewo.
Paulo ƒe didi vevi be yeayi Roma
8 Mina magblɔe na mi gbã be teƒe ɖe sia ɖe si meyi la, mesea amewo nɔa nu ƒom tso
mia ŋu, elabena amewo le nu nyam le xexeame godo tso miaƒe xɔse ŋu. Medaa akpe na
Mawu to Yesu Kristo dzi le ɖaseɖiɖi nyui sia sese ta eye megadaa akpe ɖe mia dometɔ
ɖe sia ɖe ta. 9 Mawu nya ale si medoa gbe ɖa enuenu ɖe mia tae. Metsɔa miawo kple
ROMATɔWO
3
miaƒe hiahiãwo yia gbedodoɖa me zã kple keli na ame si mesubɔna kple nye ŋusẽ katã,
eye megblɔa nyanyui la tsoa Via ŋu na ame bubuwo.
10 Nu siwo mebiana to gbedodoɖa me la dometɔ ɖekae nye be makpɔ mɔnu, ne
Mawu lɔ̃ la, mava kpɔ mi ɖa mlɔeba la, eye ne adze edzi la, mazɔ mɔ la dedie.
11 Mele didim vevie be mava kpɔ mi ɖa ale be matsɔ gbɔgbɔmenunana aɖe si
ado ŋusẽ mi la ana mi, 12 hekpe ɖe esia ŋu be nye kple miawo siaa míado ŋusẽ mía
nɔewo ƒe xɔse.
13 Nɔvinye lɔlɔ̃awo, medi be mianya be meɖoe zi geɖe be mava kpɔ mi ɖa ale be
mate ŋu awɔ dɔ le mia dome eye makpɔ kutsetse nyui siwo ado tso eme abe ale si mewɔ
le Trɔ̃subɔlawo ƒe ha bubuwo me ene. Gake esia mete ŋu dze edzi o, 14 elabena menyi
fe le ame sia ame si, ŋkuʋuʋutɔwo kple ŋkumaʋumaʋutɔwo, ame siwo wohe kple ame
siwo womehe o siaa si. 15 Eya ta ne mate ŋui ko la, mele klalo be mava miawo hã gbɔ
le Roma be magblɔ Mawu ƒe nyanyui la na mi.
16 Elabena nyanyui si tso Kristo ŋuti mekpea ŋu nam o. Eyae nye Mawu ƒe mɔ si
ŋu ŋusẽ le si dzi Mawu ato akplɔ ame siwo xɔ edzi se la ayi dziƒo. Gbã la, wogblɔ nya
siawo na Yudatɔwo ɖeɖe ko, ke azɔ la wole ame sia ame yɔm be wòava Mawu gbɔ to
mɔ ma ke dzi. 17 Nyanyui sia le gbɔgblɔm na mí be Mawu dzraa mí ɖo hena dziƒoyiyi
eye wònaa míawo kple Mawu dome kɔna, ne míexɔ Kristo dzi se be aɖe mí. Xɔsee wɔa
nu sia tso gɔmedzedzea va se ɖe nuwuwu. Abe ale si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔe ene la, “Ame
si akpɔ agbe la, akpɔe ato mawudzixɔse me.”
ROMATɔWO
4
Mawu ƒe dziku ɖe amegbetɔ ŋu
18 Woɖe Mawu ƒe dziku ɖe go tso dziƒo ɖe amegbetɔ ƒe mawumavɔmavɔ̃ kple
vɔ̃ɖinyenye katã ŋu, ame siwo tea nyateƒe la ɖe to, to woƒe vɔ̃ɖinyenye me. 19 Elabena
nu si wòle be woanya tso Mawu ŋu me kɔ na wo keŋ, elabena Mawu kɔ eme na wo. 20
Elabena tso xexeame ƒe gɔmedzedzea me Mawu ƒe nɔnɔme siwo womekpɔa kple ŋku o,
esiwo nye eƒe ŋusẽ mavɔ kple eƒe mawunyenye me kɔ na wo ƒãa. Wose esia gɔme to eƒe
nuwɔwɔwo me, be taflatsedodo naganɔ ame aɖeke si o.
21 Togbɔ be wonya Mawu hã la, womesubɔnɛ alo daa akpa nɛ abe Mawu ene o
ke boŋ woƒe tamesusuwo zu nu dzodzro eye woƒe dzi manyanu la me do viviti. 22
Togbɔ be wobu be yewonye nunyalawo hã la, wonye bometsilawo boŋ, 23 elabena
wotsɔ Mawu makumaku la ƒe ŋutikɔkɔe ɖɔ li aklamakpakpɛwo be wòanɔ abe amegbetɔ,
dziƒoxeviwo kple lã afɔenewo kpakple nutatawo tɔ ene.
24 Eya ta, le woƒe dzi vɔ̃ɖiwo ƒe didi nu la, Mawu tsɔ wo de asi na ahasiwɔwɔ ƒe
makɔmakɔnyenye be woado ŋunyɔ woƒe ŋutilãwo kple wo nɔewo. 25 Wotsɔ Mawu ƒe
nyateƒe la ɖɔ li aʋatsoe; wosubɔa eye wodea ta agu na nuwɔwɔwo wu wo Wɔla, ame si
wòle be woakafu tegbetegbe. Amen.
26 Le esia ta Mawu tsɔ wo de asi na dzodzro vɔ̃wo; woƒe nyɔnuwo gɔ̃ hã tsɔ nu
siwo menye dzɔdzɔmenuwo o la, ɖɔ li dzɔdzɔmenuwoe le gbɔdɔdɔnyawo gome. 27
Nenema ke woƒe ŋutsuwo hã ɖe asi le dzɔdzɔme ƒe kadodo si le ŋutsu kple nyɔnu dome
ROMATɔWO
5
ŋu eye woƒe lãme fiena ɖe wo nɔewo ŋu. Ale ŋutsu wɔa ŋunyɔnu kple ŋutsu bubuwo.
Ale woxɔ woƒe ŋukpenanuwo ƒe fetu ɖe woƒe ŋutilã me.
28 Gawu la, esi wosusui be mehiã be woalé sidzedze Mawu me ɖe asi o ta la,
Mawu ɖe asi le woƒe susu ŋu na bometsitsi be woawɔ nu si mele be woawɔ o. 29 Ale
wo ameawo me yɔ fũu kple vɔ̃ɖinyenye ɖe sia ɖe ƒomevi, nu tovo wɔwɔ, ŋukeklẽ kple
gbɔ̃didi ame ɖokui. Nenema ke ŋuʋaʋã, hlɔ̃dodo, dzrewɔwɔ, beble kple vɔ̃ediname hã yɔ
wo me fũu. Wonye ameŋunyagblɔlawo, 30 ameŋugblẽlawo, ame siwo léa Mawu ɖe ke
me, amemabulawo, dadalawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, ame siwo toa nu gbegblẽ yeyewo
wɔwɔ vanɛ, ame siwo meɖoa to wo dzilawo o. 31 Wonye numanyalawo,
dzimaxɔsetɔwo, nublanuimakpɔlawo kple tamesesẽtɔwo.
32 Togbɔ be wonya nu le Mawu ƒe sedede dzɔdzɔe la ŋu be ame siwo wɔa
nenema nu siawo tɔgbi dze na ku hã la, womeyi nu sia nu wɔwɔ dzi ɖeɖe ko o ke boŋ
woda asi ɖe ame siwo wɔnɛ hã tɔ dzi.
Mawu adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe
2 Mianɔ biabia be, “Ame vɔ̃ɖi kawo ŋue mele nu ƒom le?” Milala vie. Miawo hã
miele abe woawo ke ene. Ne miele gbɔgblɔm be wonye ame vɔ̃ɖiwo eye ele be woahe
to na wo la, miele nya siawo ke gblɔm tso miawo ŋutɔ hã ŋu, elabena miewɔe nu vɔ̃ɖi
siawo ke. 2 Mienya be Mawu ahe to na ame sia ame si wɔa nu siawo tɔgbi le eƒe
ROMATɔWO
6
dzɔdzɔenyenye ta. 3 ɖe miele bubum bena Mawu adrɔ̃ ʋɔnu abu fɔ ame aɖewo le nu
siawo wɔwɔ ta ke wòagbe ʋɔnudɔdrɔ̃ miawo ne miewɔ nu mawo kea? 4 ɖe mienya ale
si gbegbe wògbɔa dzi ɖi na mi oa? Alo ɖe mietsɔ ɖeke le eme oa? ɖe miekpɔe be egbɔ
dzi ɖi ɣeyiɣi siawo katã eye mehe to na mi o ale be yeana ɣeyiɣi mi miatrɔ dzime oa?
Eƒe dɔmenyo ƒe taɖodzinue nye wòana miatrɔ dzime.
5 Gake, gbeɖe, miegbe toɖoɖo. Ale miele tohehe sesẽ dzram ɖo na mia ɖokuiwo
le miaƒe gbegbe be yewomaɖe asi le yewoƒe nu vɔ̃wo ŋu o ta; elabena ŋkeke aɖe gbɔna,
gbe si gbe Mawu anye ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe na xexeame katã. 6 Atsɔ nu sia nu si dze na
ame sia ame le eƒe dɔwɔwɔ ta la anɛ. 7 Ana agbe mavɔ ame sia ame si wɔa eƒe lɔlɔ̃nu,
eye wòdia ŋutikɔkɔe kple bubu kpakple agbe mavɔ si Mawu nana. 8 Ke ahe to na ame
siwo tsia tsitre ɖe eƒe nyateƒe la ŋu eye wowɔa nu vɔ̃. Mawu atrɔ eƒe dɔmedzoe akɔ ɖe
wo dzi. 9 Konyifafa kple fukpekpe anɔ anyi na Yudatɔ kple Trɔ̃subɔla siwo nɔa nu vɔ̃
wɔwɔ dzi la siaa sɔsɔe. 10 Ke ŋutikɔkɔe kple bubu kpakple ŋutifafa atso Mawu gbɔ na
ame sia ame si ɖoa toe, ne wonye Yudatɔwo loo alo Trɔ̃subɔlawo, 11 elabena Mawu
meɖea ame aɖeke le eme o.
12 Eya ta woahe to na ame siwo katã si se mele o la abe se manɔsitɔwo ene ne
wowɔ nu vɔ̃, eye woadrɔ̃ ʋɔnu ame siwo le se la te abe setenɔlawo ene. 13 Elabena
menye ame siwo sea se la, woe nye ame dzɔdzɔewo le Mawu ƒe ŋkume o, ke boŋ ame
siwo wɔa sea dzi lae woatso afia na abe ame dzɔdzɔewo ene. 14 Le nyateƒe me, ne
Trɔ̃subɔla siwo si se mele o, gake wowɔ nu ɖe dzɔdzɔme ƒe ɖoɖo nu eye wòsɔ kple se la
la, ekema wozu se na wo ɖokuiwo, 15 elabena wofia be woŋlɔ se la ƒe nyawo ɖe woƒe
ROMATɔWO
7
dziwo me, woƒe dzitsinya hã ɖia ɖase eye woƒe tamesusu hã tsoa wo nu ɣeaɖewoɣi eye
wòɖea wo nu ɣebubuɣi. 16 Gbe ɖeka aɖe gbɔna kokoko, gbe si gbe le Mawu ƒe gbeɖeɖe
nu la, Yesu Kristo adrɔ̃ ʋɔnu ame sia ame le nu siwo wòwɔ le adza me la ta eye wòadrɔ̃
ʋɔnu wo le woƒe susu ɣaɣlawo kple taɖodzinuwo ta. Nu siawo katã nye Mawu ƒe ɖoɖo
triakɔ si mele gbeƒã ɖem la ƒe akpa aɖe.
Yudatɔwo kple se la
17 Mi Yudatɔwo miebu be yewo kple Mawu dome li nyuie elabena Mawu tsɔ eƒe sewo
na mi. Mieƒoa adegbe be yewoe nye Mawu ƒe lɔlɔ̃tɔ veviwo. 18 Ẽ, mienya nu si dim
wòle. Mienya nyui tso vɔ̃ gbɔ eye mieda asi ɖe nyui dzi, elabena wofia eƒe sewo mi tso
keke miaƒe ɖevime ke. 19 Mienya Mawu gbɔ mɔ nyuie ale gbegbe be miate ŋu afia asii
na ŋkuagbãtɔ gɔ̃ hã. Miebua mia ɖokuiwo abe mɔfiakaɖiwo ene hena mɔfiafia ame siwo
bu ɖe viviti me la be woaɖo ta Mawu gbɔ. 20 Miebuna be yewoate ŋu afia mɔ
numanyalawo eye yewoafia mawunya ɖeviwo gɔ̃ hã elabena mienya eƒe seawo nyuie
eye nunya kple nyateƒe yɔ seawo me fũ.
21 Ẽ, miefiaa nu ame bubuwo, ekema nu ka ta miafia nu miawo ŋutɔ
mia ɖokuiwo o? Miegblɔna na amewo be womegafi fῖ o; ɖe miawo miefia fia? 22
Miegblɔna be ahasiwɔwɔ nye nu vɔ̃; ɖe miawo ŋutɔ miewɔnɛa? Miegblɔna be
“Migasubɔ legbawo o,” ke mietsɔ ga wòzu miaƒe mawu.
ROMATɔWO
8
23 Miedana ɖe Mawu ƒe seawo nyanya dzi ŋutɔ ke miedoa vlo Mawu to seawo
dzi dada me. 24 Nu sia tae Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ be xexeame ɖua fewu le Mawu ŋu le
mia ta.
25 Asixɔxɔ aɖe le Yudatɔnyenye ŋu ne miewɔ Mawu ƒe seawo dzi. Ke ne miewɔ
seawo dzi o la, ekema mienyo wu trɔ̃subɔlawo le go aɖeke me o. 26 Eye ne
Trɔ̃subɔlawo wɔa Mawu ƒe sewo dzi la, ɖe Mawu matsɔ nu nyui kple bubu siwo
wòɖo ɖi na Yudatɔwo la ana Trɔ̃subɔlawo o mahã? 27 Trɔ̃subɔla mawo tɔ me anyo sãa
wu mi Yudatɔwo tɔ, evɔ mi Yudatɔwo mienya nu geɖewo tso Mawu ŋu eye eƒe
ŋugbedodowo hã le mia si ke miewɔa eƒe sewo dzi o.
28 Elabena mienye Yudatɔ akuakuawo le mia dzilawo ƒe Yudatɔwo nyenye ɖeɖe
ko ta loo alo le aʋatsotso si nye Yudatɔwo ƒe kɔnyinyi ɖeɖe ko ta o. 29 Yudatɔ akuakuae
nye ame sia ame si ƒe dzi le nyuie ɖe Mawu ŋu. Elabena Mawu mele ame siwo lãa woƒe
ŋutilã le aʋatsotso le ŋutilã me la dim o, ke ame siwo trɔ woƒe dziwo kple susuwo la
dim wòle. Ame sia ame si ƒe agbenɔnɔ me tɔtrɔ ma tɔgbi le la, axɔ eƒe kafukafu tso
Mawu gbɔ, ne mexɔe tso miawo gbɔ o gɔ̃ hã.
Mawu ƒe nuteƒewɔwɔ
3 Ekema viɖe kae le Yudatɔnyenye me? Mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ aɖe li na wo tso Mawu
gbɔa? Viɖe aɖe le Yudatɔwo ƒe aʋatsotso ƒe kɔnuwɔwɔ la mea? 2 Ẽ, nu nyui geɖewo le
Yudatɔnyenye me.
ROMATɔWO
9
Gbã la, Mawu tsɔ eƒe sewo de asi na wo ale be woate ŋu anya eƒe lɔlɔ̃nu eye
woawɔe. 3 Nyateƒee, wo dometɔ aɖewo mewɔ Mawu ƒe gbe dzi o. Ke ɖe woƒe
ŋugbedodowo na Mawu dzi mawɔmawɔ fia be Mawu hã agbe eƒe ŋugbedodowo dzi
wɔwɔ na woa? 4 Gbeɖe o! Togbɔ be ame sia ame nye aʋatsokala le xexeame hã la,
Mawu ya mele nenema o. Èɖo ŋku nu si Psalomowo ƒe Agbalẽ gblɔ tso susu sia ŋu
dzia? Egblɔ be, togbɔ be amewo atsi tsitre ɖe Mawu ƒe nyawo ŋu hã la, Mawu ƒe nyawo
anye nyateƒe kple nya dzɔdzɔe ɣesiaɣi.
5 Ame aɖewo gblɔna be, “Míaƒe vodadawo ɖe Mawu ŋu nye nu nyui elabena
míaƒe nu vɔ̃wo ana amewo nadze si Mawu ƒe nyonyo ne wokpɔ míaƒe gbegblẽ.
Ekema ɖe wònyo be wòahe to na mí le esime míaƒe nu vɔ̃wo nye kpekpeɖeŋu nɛa ?”
Nenemae ame aɖewo gblɔna. 6 Mawu naxe mɔ na nya sia tɔgbiwo. Ekema Mawu ka
tɔgbi wòanye ne wòaŋe aɖaba aƒu nu vɔ̃wo dzi? Ale ke wòate ŋu abu fɔ ame aɖee? 7
Mate ŋu adrɔ̃ ʋɔnum, abu fɔm abe nu vɔ̃wɔla ene o, elabena nye nu vɔ̃ wɔwɔ he
ŋutikɔkɔe vɛ nɛ to asifiafia vovototo si le eya ƒe nuteƒewɔwɔ kple nye nuteƒemawɔmawɔ
dome la me. 8 Ne èkplɔ susu ma ɖo la, àva ke ɖe susu sia ŋu. Ale si míaƒe nu vɔ̃wo sɔ
gbɔ ɖe edzi wu la, nenemae Mawu lɔ̃a mí ɖe edzi wui! Ele be woabu fɔ ame siwo gblɔa
nya siawo tɔgbi. Ke ame aɖewo gblɔna be nu siawo tɔgbie mefiana!
Ame aɖeke mele dzɔdzɔe o
9 Ekema ɖe mí Yudatɔwo míenyo wu ame bubuawoa? Ao, mele eme nenema kura o,
elabena míeɖee fia xoxo be amewo katã nye nu vɔ̃ wɔlawo sɔsɔe, míeɖanye Yudatɔwo
ROMATɔWO
10
loo alo míeɖanye Trɔ̃subɔlawo o. 10 Abe ale si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔe ene la, “Ame
aɖeke meli si nyo o, eye ame ɖeka aɖeke meli si ŋu nu vɔ̃ mele o.”
11 Ame aɖeke mewɔ Mawu ƒe sewo dzi pɛpɛpɛ kpɔ loo alo ɖo kplikpaa kpɔ be
yeawɔ wo dzi gɔ̃ hã o.
12 Ame sia ame tra mɔ; ame sia ame wɔ nu vɔ̃. Ame aɖeke mele afi aɖeke si lé
nyuiwɔwɔ me ɖe asi o. Ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã meli o.
13 Woƒe nuƒoƒo nye nu vɔ̃ɖi kple ŋunyɔnu abe ʋeʋẽ si doa go tsoa yɔdo nuvowo
me ene. Aʋatsokaka yɔ aɖe dzi na wo. Da si ƒomevi me aɖi vɔ̃tɔ le la ƒe aɖi nɔa nu sia
nu si wogblɔna la me.
14 ɖiŋudodo kple dzrewɔwɔ yɔa nume na wo.
15 Woɖea abla ɖe amewuwu ŋu eye woléa fu ame sia ame si tsia tsitre ɖe wo ŋu.
16 Afi sia afi si woyi la, wogblẽa konyifafa kple masɔmasɔ ɖe megbe, 17 eye
womenya ale si woaɖe dzi ɖi eye woadzɔ dzi le Mawu ƒe yayrawo ŋu kpɔ ha ɖe o.
18 Wometsɔ ɖeke le eme na Mawu o eye wometsɔ ɖeke le nu si Mawu bu tso wo
ŋu la hã me o.
19 Ale Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ asẽ na Yudatɔwo elabena woawo ƒe dɔdeasie wònye
be woakpɔ Mawu ƒe seawo dzi le nu vɔ̃ siawo katã wɔwɔ teƒe. ɖokuinuɖenya aɖeke
mele wo dometɔ aɖeke si o. Le nyateƒe me la, xexeame katã ɖi fɔ le Mawu Ŋusẽkatãtɔ
la ŋkume.
20 Miekpɔe azɔa? Womate ŋu atso afia na ame aɖeke le Mawu ƒe ŋkume le amea
ƒe sedziwɔwɔ ta akpɔ o. Elabena ale si míenya Mawu ƒe seawo ɖe edzi wu la, nenema
ROMATɔWO
11
tututue eme kɔna na mí ɖe edzi wu be míele seawo dzi wɔm o. ɖe ko eƒe seawo nana
míenyana be nu vɔ̃ wɔlawo míenye.
Dzɔdzɔenyenye to xɔse me
21 Ke azɔ la woɖe dzɔdzɔenyenye aɖe tso Mawu gbɔ ɖe go si to vovo tso se la gbɔ. Se
la kple Nyagblɔɖilawo ɖi ɖase le eŋuti. 22 Nenem dzɔdzɔenyenye sia si tso Mawu gblɔ
la vana to Yesu Kristo dzixɔse me, na ame siwo katã xɔ se. Vovototo aɖeke meli o, 23
elabena wo katã wɔ nu vɔ̃, Mawu ƒe ŋutikɔkɔe bu ɖe wo, 24 eye wotso afia na wo faa to
eƒe amenuveve si va to Kristo Yesu ƒe ɖeɖedɔ dzi la me.
25 Elabena Mawu ɖo Kristo Yesu ɖa be wòaxɔ míaƒe nu vɔ̃wo ŋu tohehe eye
wòatsi Mawu ƒe dɔmedzoe ɖe mía ŋu nu. Ewɔ míaƒe xɔse kple Kristo ƒe ʋu ŋudɔ hena
eƒe dɔmedzoe ɖe mía ŋu nu tsitsi. Ewɔ nuteƒe le mɔ sia nu togbɔ be mehe to na ame
siwo wɔ nu vɔ̃ tsã o hã. Elabena enɔ mɔ kpɔm na ɣesiɣi Kristo ava eye wòaɖe nu vɔ̃
mawo ɖa. 26 Le ŋkeke siawo hã me la, agate ŋu axɔ nu vɔ̃ wɔlawo le mɔ sia ke nu
elabena Yesu ɖe woƒe nu vɔ̃ ɖa.
27 Ekema nu ka ŋuti míate ŋu aƒo adegbe le be míawɔ hena míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ?
Naneke kura meli o. Nu ka ta? Elabena míaƒe afiatsotso meku ɖe míaƒe dɔ nyuiwo wɔwɔ
ŋu o, ke boŋ eku ɖe nu si Kristo wɔ kple ale si míexɔ Kristo dzi se la ŋu. 28 Aleae wòle
be wotsoa afia na mí to Kristo dzixɔse me eye menye to nu nyui siwo míewɔna la me o.
29 Eye ɖe Mawu ɖea Yudatɔwo ko to mɔ sia nua? Ao, Trɔ̃subɔlawo hã ate ŋu
ava egbɔ to mɔ sia ke dzi. 30 Mí katã míesɔ le Mawu ŋkume. Ame sia ame, Yudatɔwo
ROMATɔWO
12
kple Trɔ̃subɔlawo siaa ate ŋu akpɔ ɖeɖe ne woxɔ se ko. 31 Enyo; ne woaɖe mí to xɔse
me la, ekema ɖe esia fia be megahiã be míawɔ Mawu ƒe sewo dzi oa? Mele nenema
kura o! Ne míexɔ Yesu dzi se la, eya ko hafi miate ŋu awɔ seawo dzi.
Wotso afia na Abraham to xɔse me
4 Azɔ nu ka gblɔ ge míala tso mía fofo Abraham, ame si ƒe nuteƒekpɔkpɔ ŋu míeke
ɖo le nya sia me la ŋuti? 2 Ne ele eme vavã be wotso afia na Abraham to dɔwɔnawo me
la, ekema nane li si ŋuti wòaƒo adegbe le gake menye le Mawu gbɔ o. 3 Nu ka mawunya
gblɔ tso nu sia ŋuti? “Abraham xɔ Mawu dzi se eye wobui dzɔdzɔenyenyee nɛ.”
4 Azɔ ne ame aɖe wɔ dɔ la ekema eƒe fetu menye amenuvevenu o, ke boŋ wobui
abe nu si dze nɛ ene. 5 Ke ne amea mewɔ dɔ aɖeke o, ke boŋ wòxɔ Mawu, ame si bua
ame vɔ̃ɖi dzɔdzɔe la dzi se la, ekema eƒe xɔse le Mawu me wɔe ame dzɔdzɔe.
6 Fia David ƒo nu tso nu sia ŋu esi wòɖi ɖase le nu vɔ̃ wɔla aɖe si ƒe nu vɔ̃wo
Mawu ɖe ɖa la ƒe dzidzɔkpɔkpɔ ŋu be, 7 “Woayra ame siwo ƒe nu vɔ̃ wotsɔ ke wo kple
ame siwo ƒe dzidada dzi wotsyɔ nui. 8 Woayra ŋutsu si ƒe nu vɔ̃ Aƒetɔ la magabu nɛ o.”
9 Azɔ la, biabia lae nye, ɖe wotsɔa yayra sia naa ame siwo xɔa Kristo dzi sena
gake woléa Yudatɔwo ƒe sewo me ɖe asi loo alo ɖe wotsɔa yayra sia naa ame siwo
meléa Yudatɔwo ƒe seawo me ɖe asi o, ke woxɔa Kristo dzi sena ya mahã? Enyo,
ROMATɔWO
13
Abrahma ɖe? Míegblɔna be Abraham xɔ yayra siawo to eƒe xɔse me. ɖe wòxɔe to xɔse
ɖeɖe ko mea? Alo, ɖe wòxɔe to eƒe Yudatɔwo ƒe seawo dzi wɔwɔ me hã?
10 Hafi nàɖo biabia ma ŋu la, ele be nàɖo biabia sia ŋu gbã. ɣekaɣie Mawu tsɔ
yayra sia na Abraham? Etsɔe nɛ hafi wòzu Yudatɔ. Esia gɔmee nye do ŋgɔ na eƒe
Yudatɔwo ƒe aʋatsotso ƒe kɔnu la wɔwɔ.
11 Menye emegbe sãa hafi o; wotso aʋa nɛ esi Mawu do ŋugbe nɛ be yeayrae le
eƒe xɔse ta. Aʋatsotso la nye dzesi be Abraham xɔ se xoxo, be Mawu hã xɔe xoxo eye
wòɖi ɖase le eŋu be enye ame dzɔdzɔe le yeƒe ŋkume hafi wotso aʋa nɛ. Ale Abraham
zu gbɔgbɔmefofo na ame siwo kpɔ ɖeɖe to xɔse me ke menye to Yudatɔwo ƒe sewo dzi
wɔwɔ me o. Edze ƒãa be ame siwo mewɔa se siawo dzi o la kpɔa ɖeɖe to Mawu dzixɔse
me. 12 Hekpe ɖe esia ŋu la, Abraham nye gbɔgbɔmefofo na Yudatɔ siwo wotso aʋa na.
Woakpɔe kɔtee le Abraham ƒe kpɔɖeŋu me be menye aʋatsotsoe nana wokpɔa xɔxɔ o,
elabena Mawu kpɔ ŋudzedze le Abraham ŋu to eƒe xɔse me hafi wova tso aʋa nɛ.
13 Ekema eme kɔ be Mawu medo ŋugbe be yeatsɔ anyigba la katã ana Abraham
kple eƒe dzidzimeviwo le eƒe Mawu ƒe sewo dzi wɔwɔ ta o, ke boŋ le ale si wòxɔe se be
Mawu awɔ eƒe ŋugbedodo dzi la ta. 14 Eya ta ne miegale gbɔgblɔm kokoko be Mawu ƒe
yayra vana na ame siwo nye ame dzɔdzɔewo la, ekema ɖe miele gbɔgblɔm bena
gɔmesese aɖeke mele Mawu ƒe ŋugbedodo na ame siwo xɔ se la me o, eye xɔse nye
abunɛnu. 15 Nya la ƒe nyateƒe lae nye esi : Ne míedi be míaxɔ Mawu ƒe yayra kple ɖeɖe
to eƒe sewo dzi wɔwɔ me la, nu si dzɔna koe nye míedoa dɔmedzoe nɛ elabena míetea
ROMATɔWO
14
ŋu wɔa seawo dzi o. Mɔ ɖeka si ko dzi míate ŋu ato avo tso sedzidada me koe nye se
aɖeke manɔ anyi si dzi míada o!
16 Eya ta wonaa Mawu ƒe yayrawo mí to xɔse me abe nunana fexexemanɔŋu
ene. Kakaɖedzi li be míaxɔ nunana siawo ne míelé Yudatɔwo ƒe kɔnyinyiwo me ɖe asi
loo alo míelé wo me ɖe asi o, ne xɔse le mía si abe Abraham ene ko. Elabena Abraham
nye mí katã fofo le xɔse ƒe nya gome. 17 Nu siae Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la le fiafiam esi wògblɔ
be Mawu wɔ Abraham dukɔ geɖewo fofo. Mawu axɔ ame sia ame tso dukɔ ɖe sia ɖe
me, ne amewo axɔ Mawu dzi ase abe Abraham ene. Ŋugbedodo sia tso Mawu ŋutɔ gbɔ,
ame si naa ame kukuwo tsia tsitre eye wòƒoa nu tso nya siwo gbɔna dzɔdzɔ ge la ŋu
kple kakaɖedzi abe ɖe nuawo va eme xoxo ene.
18 Eya ta esi Mawu gblɔ na Abraham be yeana viŋutsuvii, ame si ƒe
dzidzimeviwo asɔ gbɔ eye woazu dukɔ gã aɖe la, Abraham xɔ Mawu dzi se togbɔ be
ŋugbdodo ma tɔgbi mate ŋu ava eme hafi o hã. 19 Esi eƒe xɔse tri akɔ ta la, metsi dzi be
yetsi akpa na viŋutsuvidzidzi o, le esime wòxɔ ƒe alafa ɖeka, srɔ̃a Sara hã xɔ ƒe
blaasieke eye wòtsi akpa na vidzidzi.
20 Ke Abraham meke ɖi kura o. Exɔ Mawu dzi se elabena eƒe xɔse gali ke ɖe
edzi eye wòkafu Mawu ɖe eƒe yayra ta hafi nu si ŋugbe wodo nɛ la va eme gɔ̃ hã. 21
Eka ɖe edzi vevie be Mawu ate ŋu awɔ nu sia nu si ŋugbe wòdo. 22 Le Abraham ƒe
xɔse ta la, Mawu tsɔ eƒe nu vɔ̃wo katã kee.
23 Nya wɔnuku sia be woɖe Abraham le eƒe xɔse ta la, menye viɖe na
Abraham ɖeɖe ko o. 24 Enye viɖe na míawo hã eye wònye kakaɖedzi na mí be Mawu
ROMATɔWO
15
axɔ míawo hã to mɔ ma ke si dzi wòto xɔ Abraham ne míawo hã míaxɔ Mawu, ame si
na Yesu tsi tsitre tso ame kukuwo dome la, ƒe ŋugbedodowo dzi se. 25 Eku ɖe míaƒe nu
vɔ̃ wo ta eye wògatsi tsitre be yealé avu le míawo kple Mawu dome eye wòna Mawu ƒe
amenuveve la yɔ mía me.
Ŋutifafa kple dzidzɔ
5 Eya ta azɔ la, esi wodzra mí kple Mawu dome ɖo to ale si míexɔ eƒe
ŋugbedodowo dzi se ta la, ŋutifafa vavãtɔ ate ŋu anɔ mí kple Mawu dome le nu si Yesu
Kristo, míaƒe Aƒetɔ la, wɔ na mí ta. 2 Elabena le míaƒe xɔse ta la, ekplɔ mí va afi sia, afi
si mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ le, afi si míetsi tsitre ɖo eye míele mɔ kpɔm dzidzɔtɔe le xɔse me
be míava zu nu si tututu Mawu ɖo ɖe mía ŋu be míava zu.
3 Míate ŋu akpɔ dzidzɔ ne nukpekeamewo kple tetekpɔwo va mía dzi elabena
míenya be wonye nu nyuiwo na mí, wokpena ɖe mía ŋu be míasrɔ̃ dzidodo. 4 Dzidodo
doa ŋusẽ míaƒe nɔnɔme eye wòkpena ɖe mia ŋu be míaxɔ Mawu dzi ase wu, ɣesiaɣi si
míawɔ eŋudɔ va se ɖe esime le nuwuwu la, míaƒe mɔkpɔkpɔ kple xɔse va sẽa ŋu eye
wonɔa te. 5 Ekema ne eva eme alea la, kakaɖedzi nɔa mía me le nyadzɔdzɔ ɖe sia ɖe me
be nu sia nu anyo, elabena míenya ale si Mawu lɔ̃a mí. Míesea Mawu ƒe lɔlɔ̃ sia le mía
me elabena Mawu tsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la na mí be wòatsɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ ayɔ míaƒe dzime.
6 Kpɔ ɖa, le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi, esi míeganye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo ko la Kristo va
ku ɖe ame mavɔ̃mawuwo ta. 7 Mebɔ be ame aɖe naku ɖe ame dzɔdzɔe ta o ke ame nyui
ROMATɔWO
16
ya la, ɖewohῖ ame aɖe ado dzi be yeaku ɖe eya ta. 8 Gake Mawu ɖe eƒe lɔlɔ̃ fia mí le
esia me be esi míeganye nu vɔ̃ wɔlawo la, Kristo ku ɖe mía ta. 9 Eye esi wòtsɔ eƒe ʋu
wɔ esiawo katã na mí, ame siwo nye nu vɔ̃ wɔlawo, eye azɔ esi eya ŋutɔ tso afia na mí
la, ale ke gbegbe wòagawɔ na mí wu? Azɔ la, aɖe mí tso Mawu ƒe dɔmedzoe siwo katã
gbɔna la me. 10 Eye, esi míenye eƒe futɔwo tsã, gake Via ƒe ku gbugbɔ mí va Mawu
gbɔe la, ele be yayra geɖewo nanɔ esi na mí le esi míenye xɔlɔ̃awo azɔ eye wòle agbe le
mía me la ta.
11 Fifia miekpɔ dzidzɔ le míaƒe ƒomedodo wɔnuku kple Mawu ŋuti. Ƒomedodo
yeye sia tso nu si míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo wɔ na mí to eƒe ku ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta la
me. Ku sia wɔ mí Mawu ƒe lɔlɔ̃tɔwoe.
Ku va to Adam me, agbe va to Kristo me
12 To Adam ƒe nu vɔ̃ wɔwɔ me la, nu vɔ̃ ge ɖe amegbetɔƒome blibo la me. Eƒe nu vɔ̃ he
ku va xexe blibo la me, ale nu sia nu de asi tsitsi kple kuku me, elabena ame sia ame wɔ
nu vɔ̃. 13 Míenya be Adam ƒe nu vɔ̃e he esia vɛ, elabena, togbɔ be amewo nɔa nu vɔ̃
wɔm tso Adam dzi va ɖo Mose ƒe ɣeyiɣiwo me hã la, Mawu medrɔ̃ ʋɔnu wo, tso kufia
na wo le eƒe sewo dzi dada ta o, elabena mena eƒe sewo wo haɖe o, eye megblɔ nu si
wòdi be woawɔ la hã na wo o. 14 Eya ta woƒe ŋutilã ƒe kuku metso woawo ŋutɔ ƒe nu
vɔ̃wo gbɔ o, elabena woawo ŋutɔ meda Mawu ƒe se tɔxɛ ma dzi eye woɖu atikutsetse si
ŋu wode se ɖo la abe Adam ene o.
ROMATɔWO
17
Vovototo gã ŋutɔe le Adam kple Kristo si meva haɖe o la dome! 15 Nenema ke
vovototo gã ŋutɔe le amegbetɔ ƒe nu vɔ̃ kple Mawu ƒe tsɔtsɔke dome!
Elabena ame ɖeka sia, Adam, he ku vɛ na ame geɖewo to eƒe nu vɔ̃ me. Ke ame
bubu ɖeka sia, Yesu Kristo, he tsɔtsɔke vɛ na ame geɖewo to Mawu ƒe amenuveve me.
16 Adam ƒe nu vɔ̃ ɖeka he tohehe si nye ku la vɛ na ame geɖewo le esime Kristo ɖe
míaƒe nu vɔ̃ gbogboawo ɖa faa eye wòna agbe si me ŋutikɔkɔe le la mí ɖe nu vɔ̃ teƒe.
17 Adam ɖeka ƒe nu vɔ̃ na ku zu fia ɖe ame sia ame dzi, ke ame siwo axɔ Mawu ƒe
tsɔtsɔke ƒe nunana la, woazu fiawo le agbe sia me le Yesu Kristo ɖeka la ta. 18 Nyateƒe,
Adam ƒe nu vɔ̃ he tohehe vɛ na ame sia ame, ke Kristo ƒe dzɔdzɔenyenye dzra Mawu
kple amewo dome ɖo ale be woate ŋu anɔ agbe. 19 Adam na ame geɖewo zu nu vɔ̃
wɔlawo elabena meɖo to Mawu o; Kristo na be ame geɖewo nakpɔ xɔxɔ le Mawu gbɔ
elabena eɖo to Mawu.
20 Wotsɔ Se Ewoawo na amegbetɔwo ale be ame sia ame nanya ale si gbegbe
wògbe mewɔ Mawu ƒe sewo dzi o. Ke zi ale si nu míedzea si míaƒe nu vɔ̃ wɔlawo
nyenye la, zi nenema kee míedzea si Mawu ƒe amenuveve gbãgo la kple ale si wònaa
tsɔtsɔke míi. 21 Tsã la, nu vɔ̃ ɖu ame sia ame dzi eye wòkplɔ amewo katã de ku me; ke
azɔ la, Mawu ƒe amenuveve ɖu dzi ɖe eteƒe eye wòna mí kple Mawu dome le nyuie ale
míekpɔa agbe mavɔ la to Yesu Kristo míaƒe Aƒetɔ la dzi.
Míeku na nu vɔ̃, míele agbe le Kristo me
ROMATɔWO
18
6 Enyo, ekema ɖe wòle be míanɔ nu vɔ̃ wɔwɔ dzi ale be Mawu nate ŋu anɔ
nublanuikpɔkpɔ kple nu vɔ̃ tsɔtsɔke dzia?
2 Gbeɖe! Esi míeku na nu vɔ̃ la ale ke wɔ míaganɔ agbe le nu vɔ̃ me mahã? 3
Alo ɖe mienyae be mí ame siwo katã wode mawutsi ta na le Kristo Yesu me la, wodee
na mí ɖe eƒe ku me oa? 4 Esi wòku la, woɖi miaƒe nu vɔ̃ lɔlɔ̃ ƒe nɔnɔme xoxo la kplii to
mawutsideta me. Esi Mawu, Fofo la, fɔe ɖe tsitre to eƒe ŋusẽ me la, wotsɔ agbe yeye
wɔnuku sia na mi.
5 Elabena miezu eyama ƒe akpa aɖe eya ta mieku kplii esi wòku. Azɔ la, miekpɔ
gome le eƒe agbe yeyea me eye miatsi tsitre abe eya ke ene. 6 Woklã miaƒe dzodzro
vɔ̃ɖi xoxoawo ɖe atisoga la ŋu kplii. Wode kubi miaƒe nɔnɔme si lɔ̃a nu vɔ̃ wɔwɔ la ŋu
ale be miaƒe ŋutilã si lɔ̃a nu vɔ̃ wɔwɔ la, megale nu vɔ̃ ƒe ŋusẽ te loo alo ganye kluvi na
nu vɔ̃ o. 7 Elabena esi mietsri nu vɔ̃ ko la, mievo tso ŋusẽ si nu vɔ̃ ƒe amebeble kpɔ ɖe
mia dzi tsã la me. 8 Eye esi miaƒe nɔnɔme si me nu vɔ̃ lɔlɔ̃ yɔ la “ku” kple Kristo la,
míenya be míakpɔ gome le eƒe agbe yeyea me. 9 Kristo fɔ tso ame kukuwo dome eye
magaku akpɔ o. Ku megakpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe edzi o. 10 Eku zi ɖeka ko be yeaɖe nu vɔ̃ ƒe
ŋusẽ ɖa, ke azɔ la, ele agbe le hadede mavɔ me kple Mawu tegbetegbe. 11 Eya ta mibu
miaƒe nɔnɔme xoxo si lɔ̃ nu vɔ̃ wɔwɔ la abe ɖe wòku eye nu vɔ̃ megakpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe
edzi o ene, ke boŋ minɔ agbe na Mawu eye mianɔ ŋudzɔ nɛ to Yesu Kristo, míaƒe Aƒetɔ
la, me.
ROMATɔWO
19
12 Migana nu vɔ̃ nakpɔ ŋusẽ ɖe miaƒe ŋutilã dzi azɔ o, eye migana nu vɔ̃ ƒe
dzodzrowo naɖu mia dzi o. 13 Migana miaƒe ŋutilã ƒe akpa aɖeke nazu dɔwɔnu na
vɔɖivɔ̃ɖinyenye o, ke boŋ mitsɔ miaƒe ŋutilã ƒe akpa ɖe sia ɖe na Mawu le goawo katã
me, elabena miefɔ tso ku me eye miedi be yewoazu ŋudɔwɔnu le Mawu ƒe asime, be
wòawɔ mia ŋudɔ hena eƒe dɔ nyuiwo wɔwɔ. 14 Mele be nu vɔ̃ naganye miaƒe dziɖula o,
elabena azɔ la, miegale se siwo kplɔ mi le esime mienya nu vɔ̃ ƒe kluviwo la te o, ke
mievo azɔ esi miele Mawu ƒe amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ te.
Kluviwo na dzɔdzɔenyenye
15 ɖe esia le fiafiam be azɔ la, míate ŋu ayi nu vɔ̃ wɔwɔ dzi eye míagatsi dzi le eŋu oa?
Gbeɖe! Elabena míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ meku ɖe sedziwɔwɔ ŋu o, ke boŋ eku ɖe Mawu ƒe
amenuveve ŋu.
16 ɖe miedze sii be yewoate ŋu atia Aƒetɔ na yewo ɖokui oa? Miate ŋu atia nu
vɔ̃ eye ku akpe ɖe eŋu alo miate ŋu atia toɖoɖo eye tsɔtsɔke akpe ɖe eŋu. Wo dometɔ si
mietsɔ mia ɖokuiwo na la, eyae axɔ mi eye wòanye miaƒe aƒetɔ eye miawo mianye eƒe
kluviwo. 17 Mida akpe na Mawu be togbɔ be mietia tsã be yewoanye kluviwo na nu vɔ̃
hã, azɔ la, mietsɔ miaƒe dzi blibo xɔ nufiafia si Mawu tsɔ na mi. 18 Azɔ la, mievo tso
miaƒe aƒetɔ xoxoa si nye nu vɔ̃, sime eye miezu kluviwo na miaƒe aƒetɔ yeyea si nye
dzɔdzɔenyenye.
ROMATɔWO
20
19 Mele nu ƒom alea eye metsɔ kluviwo kple aƒetɔwo le kpɔɖeŋu ɖom elabena
wo gɔmesese le bɔdɔe. Abe ale si mienye kluviwo tsã na nu vɔ̃ vovovowo ene la,
nenema kee wòle be miatsɔ mia ɖokuiwo awɔ kluviwo azɔ na nu siwo katã nyo eye
wole kɔkɔe.
20 Le ɣemaɣi esi mienye kluviwo na nu vɔ̃ la, mietsi dzi ɖe nyuiwɔwɔ ŋu tututu
o. 21 Nu kae do tso eme? Eme kɔ ƒãa be nyui aɖeke medo tso eme o, elabena ŋu le mia
kpem fifia le nu siwo miewɔna tsã la ŋububu gɔ̃ hã ŋu, elabena nu mawo katã kplɔ mi yi
tsɔtsrɔ̃ mavɔ me. 22 Ke azɔ la, mievo tso nu vɔ̃ ƒe ŋusẽtenɔnɔ me. Miezu kluviwo na
Mawu eye kɔkɔenyenye kple agbe mavɔ le viɖe siwo miakpɔ tso Mawu gbɔ la dome. 23
Elabena nu vɔ̃ ƒe fetue nye ku, ke Mawu ƒe amenuveve ƒe nunanae nye agbe mavɔ to
Yesu Kristo, míaƒe Aƒetɔ la me.
Srɔ̃ɖeɖe abe kpɔɖeŋu ene
7 Nɔvi Yudatɔ lɔlɔ̃awo le Kristo me, ɖe mienyae haɖe be ne ame aɖe ku la, se la
megablae o mahã?
2 Mina maɖo kpɔɖeŋu aɖe na mi. Ne woɖe nyɔnu aɖe la, se la blae ɖe srɔ̃a ŋuti
zi ale si srɔ̃ŋutsu la le agbe. Ke ne srɔ̃ŋutsu la ku la, srɔ̃ɖeɖe ƒe se la megabla nyɔnu la o.
3 Ekema ate ŋu aɖe ŋutsu bubu ne elɔ̃. Nyɔnu la ada vo ne ŋutsu la le agbe, ke nu sia sɔ
le go sia go me le ŋutsu la ƒe ku megbe.
4 Tsã la, mia “srɔ̃ŋutsu,” si nye míaƒe aƒetɔ lae nye Yudatɔwo ƒe se; ke magblɔ
be “mieku” kple Kristo le atitsoga la ŋu, eye esi “mieku” ta la, “miegaɖe se la o,” eye
ROMATɔWO
21
se la megabla mi o. Miegagbɔ agbe esi kristotɔ fɔ tso ame kukuwo dome eye miezu ame
yeyewo. Azɔ la, mieɖe ame si fɔ tso ame kukuwo dome ale be miate ŋu atse ku nyui
siwo nye dɔ nyuiwo wɔwɔ na Mawu. 5 Esi miaƒe nɔnɔme xoxoa nɔ mia me la, dzodzro
vɔ̃ɖiwo nɔ dɔ wɔm le mia me, eye wonaa miedina be yewoawɔ nu siwo Mawu di be
miagawɔ o. Ale mietsea nu vɔ̃ ƒe kutsetse siwo nye ku ƒe kutsetse gbegblẽwo. 6 Ke azɔ
la, mehiã be miagatsi dzi ɖe Yudatɔwo ƒe seawo kple kɔnyinyiwo ŋuti o, elabena
“mieku” le esime woɖe aboyo mi, ke azɔ la, miate ŋu asubɔ Mawu nyateƒetɔe, menye le
mɔ xoxoa nu to seawo dzi wɔwɔ me tamemabumabutɔe o, ke boŋ le mɔ yeyea nu,
miasubɔ Mawu kple miaƒe dzi blibo kpakple miaƒe susu katã.
ʋiʋli kple nu vɔ̃
7 Ekema ɖe mele gbɔgblɔm be Mawu ƒe se siawo nye se dzodzrowoa? Gbeɖe! Ao, nu
vɔ̃ mele se la ŋu o, ke boŋ se lae ɖe nye nu vɔ̃ fiam. Ne se la megblɔ be, “Mele be
dzodzro vɔ̃ɖiwo nanɔ wò dzime o” la, anye ne nyemate ŋu anya nu vɔ̃ si le nye dzime
kple dzodzro vɔ̃ɖi siwo ɣla ɖe afi ma o. 8 Ke nu vɔ̃ wɔ se siawo ŋudɔ hetso tsi tre ɖe
dzodzro vɔ̃ɖiwo ŋu to ŋkuɖoɖo wo dzi nam me be, dzodzro ma tɔgbiwo nye nu vɔ̃ eye
wonyɔa dzodzro siwo nu wode se ɖo la le menye! Ne se aɖeke meli si dzi woada o la,
eya ko hafi nu vɔ̃ wɔwɔ aɖeke hã manɔ anyi o.
9 Eya tae nye dzi dze eme, zi ale si nyemese nu si se la bia tututu la gɔme o. Ke
esi meke ɖe nyateƒea ŋu la, medze sii be meda sea dzi eye mezu nu vɔ̃ wɔla si wotso
kufia na. 10 Eya ta le nye ɖeka gome la, le ale si se nyui la afia agbemɔ lam teƒe la, ena
ROMATɔWO
22
wotso kufia nam boŋ. 11 Nu vɔ̃ wɔm mezu abunɛtɔ esi wòto Mawu ƒe se nyuiwo
ŋudɔwɔwɔ me na medze be woatso kufia nam. 12 Ke, abe ale si miakpɔe ene la, se la
ŋutɔ le eteƒe pɛpɛpɛ eye wònyo hã!
13 Ke ale ke nu sia ate ŋu ava emee? Menye se lae hem de tsɔtsrɔ̃ mee nye ema
oa? Ekema ale ke wòate ŋu anye nu nyui? Ao, enye nu gbegblẽ kple nu vɔ̃, nu si wɔ nu
nyui ŋudɔ eye wòna wobu fɔm. Ale miate ŋu akpɔ ale si wònye nu vɔ̃ɖi si ate ŋu ahe ku
vɛ eye wòle be woatsri eŋudɔwɔwɔ, elabena ewɔa Mawu ƒe se nyuiwo ŋudɔ hena eya
ŋutɔ ƒe tameɖoɖo vɔ̃ɖiwo.
Ame ƒe ʋiʋli le ememe ke
14 Ekema se la nyo, ke nu si gblẽ la tso gbɔnye elabena wodzram mezu kluvi na nu vɔ̃.
15 Nyemese ɖokuinye gɔme kura o elabena medina vevie be mawɔ nu si nyo, gake
nyemetea ŋui o. Mewɔa nu si nyemedina be mawɔ o. Melé fu nu sia. 16 Menya nyuie be
nu si wɔm mele la menyo o; nye dzitsinya vɔ̃ɖi la ɖenɛ fiaam be melɔ̃ ɖe se siwo dzi
dam mele la dzi. 17 Gake wɔna aɖeke mele ŋunye o, elabena menye nyee gale ewɔm o;
nu vɔ̃ si le menye la kpɔ ŋusẽ ɖe dzinye eye eyae naa mewɔa nu vɔ̃ siawo.
18 Menya be menye ame gbegblẽ le goawo katã me le ale si nye dzɔdzɔme si
nye nu vɔ̃ xoxoa sɔŋ le la ta. Nye agbagbadzedze ɖe sia ɖe metea ŋu naa mewɔa nu nyui
o. Medina be mawɔ nu nyui gake nyemetea ŋu wɔnɛ o. 19 Ne medi be mawɔ nu nyui la,
nyemetea ŋu wɔnɛ o. Ne medze agbagab ne nyemawɔ nu vɔ̃ o la, mewɔa nu vɔ̃ kokoko.
ROMATɔWO
23
20 Azɔ ne mele nu si nyemedina be mawɔ o wɔm la, ekema eme kɔ be menye nye ŋutɔe
le ewɔm o, ke boŋ nu vɔ̃ si gakpɔ ŋusẽ ɖe dzinye kokoko lae.
21 Edze abe enye nyateƒe aɖe le nye agbe me ene be, ne medi be mawɔ nu si nyo
la, mewɔa nu si menyo o la kokoko. 22 Medina be mawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le nye
dzɔdzɔme yeyea nu. 23 Ke mekpɔ se bubu si le dɔ wɔm le nye ŋutilã me, ewɔa aʋa kple
nye susu eye wòwɔam kluvi na nu vɔ̃ ƒe se la le nye ŋutinuwo me. 24 O, menye
nublanuitɔ gã aɖe! Ame ka aɖem tso ŋutilã si kplɔm yina ku mee la sime? 25 Ke woada
akpe na Mawu be eɖem to Yesu Kristo míaƒe Aƒetɔ la, dzi. Eya ta azɔ la menye kluvi na
Mawu ƒe se la le nye susu me, ke menye kluvi na nu vɔ̃ ƒe se la le ŋutilã nu.
Agbe le Gbɔgbɔ la me
8 Eya ta azɔ la, fɔbubu aɖeke megale ame siwo nye Yesu Kristo tɔ la lalam o. 2
Elabena Gbɔgbɔ si naa agbe ƒe ŋusẽ si le menye to Yesu Kristo me la, ɖem tso nu vɔ̃
kple ku sime. 3 Womeɖea mí tso nu vɔ̃ ƒe asime to Mawu ƒe seawo nyanya me o,
elabena míewɔa seawo dzi o, eye míate ŋu awɔ wo dzi hã o. Ke Mawu wɔ ɖoɖo bubu
aɖe ŋudɔ be yeaɖe mí. Eɖo eya ŋutɔ via ɖa wònɔ ŋutilã me abe míawo ke ene, ke nu vɔ̃
le míawo ya ƒe ŋutilã ŋu. Eɖe nu vɔ̃ ƒe ŋusẽ si wòkpɔ ɖe mía dzi la ɖa to eɖokuitsɔtsɔ sa
vɔe ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta me. 4 Eya ta azɔ la, míate ŋu awɔ Mawu ƒe sewo dzi ne míedze
Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yome eye míegaɖoa to nu vɔ̃ ƒe gbɔgbɔ si le mía me la o.
ROMATɔWO
24
5 Ame siwo ɖea mɔ woƒe nu vɔ̃wo ƒe dzodzrowo ɖua wo dzi la, nɔa agbe ko be
yewoadze yewo ɖokuiwo ŋu, ke ame siwo dzea Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yome la, dzea sii be
yewole nu siwo dzea Mawu ŋu la wɔm. 6 Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yomedzedze kplɔa mí yia
agbe kple ŋutifafa me, ke nu vɔ̃ ƒe dzɔdzɔme xoxoa yomedzedze kplɔa ame yia ku me, 7
elabena míaƒe nu vɔ̃ ƒe dzɔdzɔme xoxoa tsia tsitre ɖe Mawu ŋu. Dzɔdzɔme sia mewɔ
Mawu ƒe sewo dzi kpɔ o, eye mawɔe hã o. 8 Eya ta ame siwo gale woƒe nu vɔ̃ ƒe
dzɔdzɔme xoxoa te kokoko eye wodina be yewoadze dzodzro vɔ̃ɖiwo yome la, mate ŋu
adze Mawu ŋu akpɔ o. 9 Ke miawo miele nenema o. Ne Mawu ƒe Gbɔgbɔ le mia me la,
ekema miele miaƒe dzɔdzɔme yeye la te. Miɖo ŋku edzi be ame sia ame si me Kristo ƒe
Gbɔgbɔ mele o la, ame ma menye kristotɔ o. 10 Ke, togbɔ be Yesu Kristo le agbe le mia
me hã la, miaƒe ŋutilã aku le nu vɔ̃ ta ke miaƒe gbɔgbɔ ya anɔ agbe elabena Kristo ve
enu. 11 Eye ne Mawu ƒe Gbɔgbɔ si fɔ Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome le agbe le
mia me la, ana miaƒe ŋutilã kukuawo naganɔ agbe le miaƒe ku megbe to Gbɔgbɔ Kɔkɔe
ma ke si le agbe le mia me la dzi.
12 Eya ta, nɔvi lɔlɔ̃awo, se aɖeke mebla mi be miawɔ nu si miaƒe nu vɔ̃ ƒe
dzɔdzɔme xoxoa di tso mia si be miawɔ o. 13 Elabena ne miaganɔ eyome kokoko la,
miabu eye miatsrɔ̃, ke ne to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ me, mieɖu miaƒe dzɔdzɔme xoxo
vɔ̃ɖi la dzi la, mianɔ agbe. 14 Elabena ame siwo katã Mawu ƒe Gbɔgbɔ kplɔna la, ame
mawoe nye Mawu viwo.
15 Eya ta mele be míanɔ abe kluvi vɔvɔ̃nɔtɔwo ene o, ke boŋ míawɔ nu abe
Mawu ŋutɔ vi siwo wòxɔ ɖe eƒe ƒome la me eye míeyɔnɛ be, “Fofo, Fofo” ene. 16
ROMATɔWO
25
Elabena eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒoa nu na mí le míaƒe dzi ƒe gogloƒe ke eye wògblɔna na
mí be Mawu viwo míenye vavã. 17 Eye esi míenye viawo ta la míakpɔ gome le eƒe
kesinɔnuwo me elabena nu siwo katã Mawu naa Via Yesu la, zu míawo hã tɔ azɔ. Ke ne
míakpɔ gome le eƒe ŋutikɔkɔe me la, ele be míakpɔ gome le eƒe fukpekpe hã me.
Ŋutikɔkɔe si míava xɔ
18 Ke fu si míakpe fifia la, menye naneke si woatsɔ asɔ kple ŋutikɔkɔe si woana mí
emegbe la kura o. 19 Elabena Mawu ƒe nuwɔwɔwo katã tsɔ dzigbɔɖi kple mɔkpɔkpɔ le
lalam na ŋkeke si gbɔna si dzi Mawu afɔ viawo ɖe tsitre. 20 Elabena nuwɔwɔ blibo la le
teteɖeanyi gã aɖe me, nu si menye eƒe didi o ke boŋ ame si he gbegblẽ sia vɛ la ƒe
lɔlɔ̃nu wònye kple mɔkpɔkpɔ 21 be nuwɔwɔ blibo la axɔ ablɔɖe tso gbegblẽ ƒe
kluvinyenye me age ɖe Mawu viwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la me.
22 Elabena míenyae be dzɔdzɔmenu siwo nye atiwo kple lãwo gɔ̃ hã kpea fu le
dɔléle kple ku sime esime wole mɔ kpɔm na nya gã sia ƒe dzɔdzɔ. 23 Mí kristotɔwo gɔ̃
hã, togbɔ be Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le mía me eye wònye ŋutikɔkɔe si le mía ŋgɔ ƒe ɖeɖefia
na mí hã la, míawo hã míedina vevie be woaɖe mí tso vevesese kple fukpekpe me.
Míawo hã míele mɔ kpɔm vevie na ŋkeke ma gbe sia gbe. Mawu ana nu siwo nye mía
tɔ abe viawo ene la mí. Nu siawo dometɔ ɖekae nye ŋutilã yeye siwo ŋugbe wòdo na
mí. Ŋutilã siawo magalé dɔ o eye womaku gbeɖe o.
24 Woɖe mí to xɔse me; xɔse gɔmee nye mɔkpɔkpɔ na nane si mele mía si o la
kpɔkpɔ. Mahiã be ame si si nane le xoxo la, nakpɔ mɔ eye wòaxɔe se be yeakpɔ nu ma
ROMATɔWO
26
o. 25 Ke ne wòle be míaxɔ Mawu dzi ase le nu si medzɔ haɖe o gome la, dzixɔse sia
fiaa mí be míalala kple dzigbɔɖi kpakple kakaɖedzi.
Míewu dziɖulawo
26 Nenema ke to míaƒe xɔse me la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kpena ɖe mía ŋu le míaƒe gbe sia
gbe ƒe xaxawo kple gbedodoɖawo me. Elabena míenyaa nu si míabia to gbedodoɖa me
gɔ̃ hã loo alo ale si miado gbe ɖae o. Ke Gbɔgbɔ Kɔkɔe la doa gbe ɖa ɖe mía ta kple
seselelãme si tɔgbi ŋu womate ŋu aƒo nu le o. 27 Eye Fofo la, ame si nyaa dziwo katã
me la, nyaa nu si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le gbɔgblɔm esime wòɖea kuku ɖe mía ta le nu siwo
sɔ ɖe Mawu ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu dzi la ta. 28 Ke míenyae bena le nuwo katã me la, Mawu wɔa
nu hena ame siwo lɔ̃nɛ la ƒe nyui, ame siwo woyɔ le eƒe tameɖoɖo ɖi nu. 29 Elabena
ame siwo Mawu nya ɖi la, woawo kee wòɖo ɖi be woanɔ Via ƒe nɔnɔme me be wòanye
ŋgɔgbevi le nɔviawo dome. 30 Ame siwo wòtia da ɖi la, woawo ke hãe wòyɔ, ame siwo
wòyɔ la, woawoe wòtso afia na eye ame siwo wòtso afia na la, woawo ŋutie wòkɔ. 31
Nu ka gɔ̃ míate ŋu agblɔ tso nu wɔnuku siawo tɔgbi ŋu? Ne Mawu le mía dzi la, ame
kae ate ŋu atsi tsitre ɖe mía ŋu? 32 Esi Mawu meve nu le Via gɔ̃ hã ŋu o, ke boŋ wòtsɔe
na ɖe mí katã ta la, ɖe matsɔ nu bubu ɖe sia ɖe hã ana mí oa?
33 Ame kae ate ŋu atsɔ nya ɖe mí ame siwo Mawu tia na eɖokui la ŋu?
ROMATɔWO
27
Mawue nye afiatsola
34 Ekema ame kae abu fɔ mí? ɖe Kristo awɔ esia? Ao! Elabena eyae nye ame si ku ɖe
mía ta eye wògatsi tsitre na mí; ebɔbɔ nɔ Mawu ƒe ɖusime eye wòle kuku ɖem ɖe mía ta
le dziƒo.
35 Ame kae ama mí ɖa tso Kristo ƒe lɔlɔ̃ gbɔ? Fuwɔame loo alo xaxa? Yometiti
loo alo dɔwuamea? Amamanɔnɔ, loo dzɔgbevɔ̃e loo alo yia? 36 Abe ale si woŋlɔe ɖi ene
be, “Le tawò míeɖoa ku ƒe xaxawo me le ŋkeke blibo la me, wobua mía abe alẽ siwo
wokplɔ yina wuwu ge la ene.” 37 Ao, le nu siawo katã me míeɖu dzi ʋuu, wòglo to ame
si lɔ̃ mí la me. 38 Elabena medze sii be naneke mate ŋu ama mí ɖa tso Kristo ƒe lɔlɔ̃ la
gbɔ o. Ku mate ŋui o, agbe hã mate ŋui o. Mawudɔlawo mawɔe o, eye tsῖeƒe ŋutɔ ƒe
ŋusẽ katã gɔ̃ hã mate ŋu aɖe mí ɖa tso Mawu ƒe lɔlɔ̃ la gbɔ o. Míaƒe egbe ƒe vɔvɔ̃wo
kple míaƒe etsɔ ƒe dzimaɖeɖiwo 39 alo kɔkɔƒe, alo gogloƒe alo nuwɔwɔ bubu aɖeke gɔ̃
hã mate ŋu ama mí ɖa tso Mawu ƒe lɔlɔ̃ si le Kristo Yesu, míaƒe Aƒetɔ, me la gbɔ o.
Israel ƒe domenyinyi
9 Nyateƒe gblɔm mele le Kristo me, nyemada alakpa aɖeke o eye nye dzitsinya le
ɖase ɖim le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me 2 be mele nu xam ŋutɔ eye mele vevesese gã aɖe me
le nye dzime. 3 Elabena anyo nam wu be woabu fɔm eye woaɖem ɖa tso Kristo gbɔ ne
esia ana be nye amewo, Yudatɔwo, nakpɔ ɖeɖe.
ROMATɔWO
28
4 Woawo tɔe nye vinyenye la, woawo tɔe nye Mawu me ŋutikɔkɔe la,
nubablawo, se la xɔxɔ, gbedoxɔ me subɔsubɔ la kple ŋugbedodoawo. 5 Wonye fofoawo
ƒe dzidzimeviwo, dzidzime siwo me Kristo dzɔ tso le ŋutilã nu, ame si nye Mawu ɖe
nuwo katã dzi, ame si wokafuna tegbee! Amen.
6 Ekema ɖe Mawu gbe ŋugbe siwo wòdo na Yudatɔwo la dzi wɔwɔa? Ao!
Elabena edo ŋugbe siawo na ame siwo nye Yudatɔ akuakuawo. Ke menye ame sia ame
si wodzi ɖe Yudatɔwo ƒe ƒome me lae nye Yudatɔwo akuakuawo o. 7 Be wodo tso
Abraham me ɖeɖe ko mewɔ wo Abraham vi vavãwo o. Elabena Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ be
ŋugbedodo siawo li na Abraham vi Isak kple Isak ƒe dzidzimeviwo ko, togbɔ be vi
bubuwo nɔ Abraham si hã. 8 Esia le fiafiam be menye Abraham viwo katãe nye Mawu
viwo o, ke boŋ ame siwo xɔ ɖeɖekpɔkpɔ ƒe ŋugbe si wodo na Abraham dzi se la koe.
9 Elabena Mawu do ŋugbe be, “Mana viŋutsuvi wò kple Sara le ƒe si gbɔna me.”
10 Menye esia ɖeɖe ko o, ke Rebeka ƒe venɔviawo fofoe nye mía tɔgbui Isak. 11
Hafi ne woadzi venɔvi siawo alo venɔvi siawo nawɔ nane, nyui alo vɔ̃ la, bena Mawu ƒe
tameɖoɖoɖi nanɔ eteƒe le tatia la nu, 12 ke menye le dɔwɔwɔ aɖeke nu o, ke boŋ tso
ame si yɔa ame gbɔ la wogblɔ na Rebeka be, “Tsitsitɔ la azu subɔla na ɖevitɔ la.” 13
Abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, “Mayra Yakɔb, ke menye Esau o.”
14 ɖe Mawu wɔ nu madzɔmadzɔa? Gbeɖe! 15 Elabena Mawu gblɔ na Mose be,
“Ne medi be mave ame aɖe nu la, mawɔe eye makpɔ nublanui na ame sia ame si medi
be makpɔ nublanui na.” 16 Ale womenaa Mawu ƒe yayra ame elabena amea di be
ROMATɔWO
29
woayra ye alo ku kutri be yeaxɔ yayra la o. Wonaa yayra siawo elabena Mawu kpɔa
nublanui na ame siwo wòdi be yeakpɔ nublanui na.
17 Farao, Egipte fia, nye kpɔɖeŋu le go sia me. Elabena Mawu gblɔ nɛ be yetsɔ
Egipt fiaɖuƒea nɛ ale be yeate ŋu aɖe yeƒe ŋusẽ si tsi tsitre ɖe eŋu la afia, ale be
xexeame katã nase nu tso ye Mawu ƒe ŋkɔ kɔkɔe la ŋu. 18 Ale miekpɔ be Mawu nyo
dome na ame aɖewo elabena edi be yeanyo dome na wo eye wònaa ame aɖewo sẽa
dzime. 19 Ekema nu ka ta Mawu bua fɔ wo le woƒe tomaɖomaɖo ta? ɖe womewɔ nu si
wòɖo na wo be woawɔ oa?
20 Ao, mègagblɔ nenema o! Ame kae nènye be nàdrɔ̃ ʋɔnu Mawu? ɖe ame aɖe
ƒe nuwɔwɔ abia nuwɔla be, “Nu ka ta nèwɔm alea mahã?” 21 Ne ame aɖe tsɔ tsu me ze
aɖe la, ɖe mɔɖeɖe meli be zemela la natsɔ tsu ma ke ame kplu nyui aɖe si me woatso
seƒoƒo ade eye wòame kplu bubu si me wòatsɔ gbeɖuɖɔwo akɔ ɖo oa? 22 Nu ka adzɔ
nenye be Mawu ame si lɔ̃, ɖe eƒe dɔmedzoe kple ŋusẽ fia la, gbɔ dzi ɖi na ame siwo dze
na eƒe dɔmedzoe ƒe tohehe? 23 Alo ewɔ esia be yeaɖe eƒe ŋutikɔkɔe ƒe kesinɔnuwo afia
ame siwo le mɔ kpɔm na eƒe nublanuikpɔkpɔ, ame siwo wòdzra ɖo do ŋgɔ na eƒe
ŋutikɔkɔe la, 24 mí ame siwo hã wòyɔ, menye tso Yudatɔwo dome ɖeɖe ko o, ke boŋ
tso Trɔ̃subɔlawo hã domea? 25 Mieɖo ŋku nu si Hosea ƒe nyagblɔɖi gblɔ la dzia? Afi
mae Mawu gblɔ le bena yeadi vi bubu siwo metso Yuda ƒomea me o la na ye ɖokui eye
yealɔ̃ wo togbɔ be ame aɖeke melɔ̃ wo kpɔ o hã. 26 Wogblɔ le Trɔ̃subɔlawo ŋu tsã be,
“Menye nye amewo mienye o.” Azɔ la, woayɔ wo be, “Mawu Gbagbe la ƒe viwo.”
ROMATɔWO
30
27 Nyagblɔɖila Yesaya gblɔ tso Yudatɔwo ŋu be, togbɔ be woade ame akpe
akpewo hã la, wo dometɔ ame ʋe aɖewo koe akpɔ ɖeɖe. 28 “Elabena Aƒetɔ la atso nya
me tso anyigba dzi ŋuti, awu eƒe wɔnawo nu kaba kple dzɔdzɔenyenye.”
29 Yesaya gagblɔ le teƒe aɖe be na menye Mawu ƒe amenuveve tae o la, woatsrɔ̃
Yudatɔwo katã, ame sia ame, abe ale si wotsrɔ̃ ame sia ame le Sodom kple Gomora ene.
Israel ƒe dzimaxɔse
30 Nya kawo míagblɔ tso nu siawo ŋu? Nu si míagblɔ koe nye be Mawu na
mɔnukpɔkpɔ Trɔ̃subɔlawo be woakpɔ ɖeɖe to xɔse me, togbɔ be womenɔ Mawu dim
vevie o hã. 31 Ke Yudatɔwo, ame siwo dze agbagba vevie be yewoadze Mawu ŋu to
Mawu ƒe sewo dzi wɔwɔ me la, mete ŋu dze Mawu ŋu o. 32 Nu ka tae? Elabena wonɔ
agbagba dzem be yewoakpɔ ɖeɖe to seawo dzi wɔwɔ me eye yewoanɔ agbe nyui le
esime wòle be woanya be xɔse me ko yewoato akpɔ ɖeɖe teƒe. Wokli kpe gã la dze anyi.
33 Mawu gbe nya na wo tso nu sia ŋu le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la me esi wògblɔ be, “Metsɔ
Agakpe aɖe da ɖe mɔ me na Yudatɔwo. Ame geɖewo akli Agakpe sia, si nye Yesu, eye
woadze anyi. Ame siwo axɔ edzi se la, ŋu makpe wo gbeɖe o.”
10 Nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, nye dzi ƒe didi kple nye gbedodoɖae nye be Yudatɔwo
nakpɔ ɖeɖe. 2 Menya ale si wotsɔa dzo ɖe Mawu ƒe bubu ŋuti gake womewɔa nu sia to
mɔ nyuitɔ dzi o. 3 Elabena womese egɔme be Kristo ku be yeadzra yewo kple Mawu
ROMATɔWO
31
dome ɖo o. Le esia gɔmesese teƒe la, wole agbagba dzem be yewoadze na Mawu ƒe
amenuveve la to Yudatɔwo ƒe seawo kple kɔnyinyiwo dzi wɔwɔ me; ke esia
menye ɖeɖekpɔkpɔ ƒe mɔ o. 4 Womese eme be ame siwo xɔ Kristo dzi se la, Kristo naa
nu sia nu si wodina to eƒe sewo dzi wɔwɔ me la wo o. Ewu nu siawo katã nu.
5 Elabena Mose ŋlɔ be ne ame aɖe anye ame nyui le go ɖe sia ɖe me, aɖu
tetekpɔwo dzi le eƒe agbemeŋkekewo katã me eye mawɔ nu vɔ̃ akpɔ o la, eya ko hafi
woave enu wòakpɔ ɖeɖe. 6 Ke ɖeɖekpɔkpɔ si vana to xɔse me la, gblɔ be, “Mele be nàdi
dziƒo be yeakpɔ Yesu le afi ma eye yeahee va anyigba dzi be wòakpe ɖe ye ŋu o,” eye,
7 “Mehiã be nàyi ame kukuwo dome be yeana Kristo nagatsi tsitre o.”
8 Elabena ɖeɖekpɔkpɔ si tso Kristo dzixɔse me, si nye nu si ƒe gbeƒã míeɖena la,
le bɔbɔe be wòasu mía dometɔ ɖe sia ɖe si. Le nyateƒe me la etsɔ ɖe mía gbɔ kpuie abe
míaƒe dziwo kple nuwo ene. 9 Elabena ne ètsɔ wò ŋutɔ wò nu ʋu eme na ame bubuwo
be Yesu Kristoe nye yeƒe Aƒetɔ eye nèxɔe se tso wò ŋutɔ wò dzime be Mawu fɔe ɖe
tsitre tso ame kukuwo dome la, àkpɔ ɖeɖe. 10 Elabena ame ƒe xɔse tso eƒe dzime kee
naa ame kple Mawu dome nyona, eye ne èʋu eme kple wò nu na amewo la, ekema èɖo
kpe wò ɖeɖekpɔkpɔ dzi. 11 Elabena Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ na mí be, ŋu makpe ame sia
ame si xɔ Kristo dzi se la akpɔ o. 12 Yudatɔwo kple Trɔ̃subɔlawo siaa sɔ le go sia me;
Aƒetɔ ɖeka ma koe le wo katã si eye Aƒetɔ sia naa eƒe kesinɔnuwo ame sia ame si bianɛ
la faa. 13 Ame sia ame si yɔa Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ dzi la akpɔ ɖeɖe.
14 Ke ne womexɔ edzi se o la, ale ke woate ŋu abiae be wòaɖe yewo? Eye ale ke
woate ŋu axɔ edzi ase ne womese nu tso eŋu kpɔ o? Eye ale ke woawɔ ase nu tso eŋu ne
ROMATɔWO
32
ame aɖeke megblɔe na wo o? 15 Eye ale ke ame aɖe ayi aɖagblɔ Kristo ŋunya na wo ne
ame aɖeke medɔe o? Nya siae Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la le gbɔgblɔm to nya siawo me be, “Ame
siwo ɖea gbeƒã ŋutifafa si nɔa Mawu kple amewo dome ƒe nyanyui eye wògblɔa
dzidzɔnyawo tso nu nyuiwo ŋuti la ƒe afɔwo nya kpɔna loo!” Esia gɔmee nye woado
dzaa na ame siwo vana gblɔa Mawu ƒe nyanyui la!
16 Ke menye ame sia ame si sea nyanyui lae xɔnɛ kple dzidzɔ o, elabena
nyagblɔɖila Yesaya gblɔ be, “Aƒetɔ, ame kae xɔ dzinye se esi megblɔe na wo?” 17 Ke
xɔse vana na ame to nyanyui sia, si nye nyanyui tso Kristo ŋuti la, sese me.
18 Ke Yudatɔwo ya ɖe? ɖe wose Mawu ƒe Nya? Ẽ, ede afi sia afi si wole;
wogblɔ nyanyui la na xexeame ƒe akpa ɖe sia ɖe. 19 Eye ɖe wose egɔme be Mawu atsɔ
eƒe ɖeɖekpɔkpɔ ana ame bubuwo ne woawo, Yudatɔwo, gbe be yewomaxɔe oa? Ẽ,
elabena le keke Mose ŋɔli gɔ̃ hã la, Mawu gblɔ be yeanyɔ ŋuʋaʋã kple sidzedze ƒe
gbɔgbɔ le wo me to yeƒe ɖeɖetsɔtsɔ na Trɔ̃subɔlawo, abunɛtɔwo ƒe dukɔwo, me. 20
Emegbe la Yesaya ɖe gbeƒã bena ame siwo manɔ Mawu dim gɔ̃ hã o la, akpɔe. 21 Fifia
la, ele asimiamia Yudatɔwo dzi, ke woawo le ɖeklemiɖeɖe dzi eye wogbea vava.
Israel ƒe ame kpɔtɔeawo
11 Ekema mabia be, ɖe Mawu gbe eƒe amewo, Yudatɔwo, eye wògblẽ wo ɖia? Ao,
mele nenema kura o. Miɖo ŋku edzi be nye ŋutɔ hã Yudatɔe menye; Abraham ƒe
dzidzimevie menye eye metso Benyamin ƒe ƒomea me.
ROMATɔWO
33
2 Mawu meɖe asi le eya ŋutɔ ƒe amewo, ame siwo wòtia tso gɔmedzedzea me ke
la ŋu o. Mieɖo ŋku nu si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ na Eliya esi wònɔ Israelviwo nu tsom na
Mawu dzia? 3 Eliya gblɔ be, “Aƒetɔ, wowu wò Nyagblɔɖilawo eye wogbã wò
vɔsamlekpuiwo ƒu anyi; nye ɖeka hɔ̃ koe susɔ, eye wodi be yewoawu nye hã.”
4 Mieɖo ŋku ale si Mawu ɖo nya sia ŋu dzia? Mawu gblɔ be, “Ao, menye wò
ɖeka koe susɔ o. Ame akpe adre sɔŋ le asinye kpe ɖe ŋuwò, ame siwo galɔ̃am kokoko
eye womedea ta agu na legbawo o!”
5 Alea ke wògale egbe sia hã. Menye Yudatɔwo katãe de megbe tso Mawu gbɔ
o. Ame ʋe aɖewo le xɔxɔ kpɔm le Mawu ƒe amenuveve si wòtsɔ tia woe la ta. 6 Nenye
Mawu ƒe amenuveve tae la, ekema menye woƒe nyonyo tae o. Elabena ne ele nenema la,
ekema nu si wona faa la meganye nunana o, ke boŋ enye nu si ame ŋutɔ wɔ dɔ hekpɔ.
7 Eya ta alea nya la lee nye esi: Yudatɔ geɖewo mekpɔ Mawu ƒe amenuveve si
dim wole la o. Wo dometɔ ʋe siwo Mawu tia la kpɔe, ke ame bubuwo ƒe ŋkuwo gbã. 8
Nu siae Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la le gbɔgblɔm esi wòxlẽ fia be Mawu na wodɔ alɔ̃, womia woƒe
ŋkuwo eye woƒe towo me xe ale be womete ŋu se nu si gblɔm míele tso Kristo ŋu la
gɔme o. Aleae wòle va se ɖe egbe.
9 Fia David ƒo nu tso nu ma ke ŋu esi wògblɔ be, “Mina woƒe nuɖuɖu nyuiwo
kple yayra bubuwo nana woabu be nu sia nu sɔ le yewo kple Mawu dome. Mina nu nyui
siawo nayi atrɔ agbɔ va dze ta dzi na wo eye woagbã wo gudugudu. 10 Mina woƒe
ŋkuwo dzi natsyɔ ale be womagate ŋu akpɔ nu o. Mina agba kpekpe nabi dzime na wo
gobaa hafi woanɔ yiyim ɖaa.”
ROMATɔWO
34
Woagaɖo Yudatɔwo te abe tsã ene
11 ɖe esia le fiafiam be Mawu gbe Yudatɔwo tegbetegbea? Kura o! Eƒe taɖodzinue nye
yeana yeƒe ɖeɖe nanɔ anyi na Trɔ̃subɔlawo hã ekema Yudatɔwo aʋã ŋu eye woadi
Mawu ƒe ɖeɖe na woawo ŋutɔwo. 12 Azɔ ne xexeame katã kpɔ yayra to Mawu ƒe
ɖeɖenana me la, ekema ne Yudatɔwo agbe Mawu ƒe ɖeɖe la xɔxɔ la, mibu yayra gã si
wu esia, si ava xexeame dzi ne Yudatɔwo hã va xɔ Yesu la ŋu.
13 Abe ale si mienya ene la, Mawu tiam be manye dɔtsɔla tɔxɛ na mi
Trɔ̃subɔlawo. Metea gbe ɖe nu sia dzi eye meɖoa ŋku edzi na Yudatɔwo ɣesiaɣi si mate
ŋui, 14 ale be, ne mate ŋui la, mana woadi nu si le mi Trɔ̃subɔlawo si eye mato esia me
aɖe wo dometɔ aɖewo. 15 Anye nu wɔnuku gã aɖe ŋutɔ ne wozu kristotɔwo. Mawu ƒe
tɔtrɔ le wo yome fia be Mawu trɔ ɖe xexeame ƒe akpa bubuawo ŋu be yeatsɔ yeƒe ɖeɖe
ana wo. Aganye nu si awɔ nuku wu ne Yudatɔwo azu kristotɔwo. Anɔ abe ame kukuwo
ƒe agbegbɔgbɔ ene. 16 Eye zi ale si Abraham kple nyagblɔɖilawo nye Mawu ƒe amewo
la, wo viwo hã anye Mawu ƒe amewo. Elabena ne ati aɖe ƒe kewo le kɔkɔe la, eƒe alɔwo
hã anɔ kɔkɔe.
17 Ke wolã alɔ siawo dometɔ aɖewo, siwo le Abraham ƒe ati la ŋu la ɖa; ame
siawoe nye Yudatɔwo. Eye mi Trɔ̃subɔlawo, mienye alɔwo tso amiti aɖe si nɔ gbeme la
dzi, ke azɔ la, mieva zu alɔ na Abraham ƒe ati la. Eya ta azɔ la, miawo hã mixɔ yayra si
ŋugbe Mawu do na Abraham kple viawo eye miakpɔ gome le Mawu ƒe nunyiame me
tso eya ŋutɔ ƒe amiti tɔxɛ la gbɔ.
ROMATɔWO
35
18 Gake mikpɔ nyuie be miagaƒo adegbe be wotsɔ yewo ɖo atilɔ siwo wolã ɖa la
teƒe o. Miɖo ŋku edzi be miele vevie le ale si mienye Mawu ƒe ati la ƒe akpa aɖe la ɖeɖe
ko ta; alɔ ko mienye, menye ati la ƒe kee mienye o.
19 Miagblɔ be, “Wolã alɔ siawo ɖa be woakpɔ teƒe nam. Esia fia be menye ame
dzadzɛ.”
20 Kpɔ nyuie. ɖo ŋku edzi be wolã alɔ ma siwo nye Yudatɔwo ɖa, elabena
womexɔ Mawu dzi se o, eye miawo miezu alɔwo le miaƒe dzixɔse ɖeɖe ko ta. Migado
mia ɖokuiwo ɖe dzi o; mibɔbɔ mia ɖokuiwo, mida akpe eye miakpɔ nyuie. 21 Elabena
ne Mawu mekpɔ nublanui na atilɔ gbãtɔwo o la, makpɔ nublanui na miawo hã o. 22
Mide dzesi ale si Mawu nyoa dɔme eye wògahea to hãe. Esẽa asi ɖe ame siwo gbea
toɖoɖoe la dzi, ke enyoa dome ne míeyi elɔlɔ̃ kple edzixɔxɔse dzi. Ke ne míelɔ̃e o eye
míexɔ edzi se hã o la, alã míawo hã ɖa. 23 Ke ne Yudatɔwo aɖe asi le woƒe dzimaxɔse
ŋu eye woatrɔ ava Mawu gbɔ la, Mawu agaxɔ wo ado ɖe ati la dzi. Ŋusẽ le esi be
wòawɔe.
24 Elabena ne Mawu lɔ̃ be yeaxɔ mi ame siwo nɔ adzɔge ke, mienye amiti
dzodzro aɖe ƒe akpa aɖe tsã eye fifia yeaxɔ mi ado ɖe ye ŋutɔ yeƒe ati nyui dzi, nu si
medzɔna edziedzi o la, ɖe miekpɔe be anɔ klalo sãa wu be yeagbugbɔ Yudatɔwo, ame
siwo nɔ afi ma tsã la axɔ oa?
ROMATɔWO
36
Israel katã akpɔ ɖeɖe
25 Nɔvi lɔlɔ̃awo, medi be mianya nyateƒe sia tso Mawu gbɔ, ale be miagado mia
ɖokuiwo ɖe dzi eye miade asi dada me o. Ẽ, eme kɔ be Yudatɔ aɖewo tsi tsitre ɖe
nyanyui la ŋu azɔ, ke anɔ alea va se ɖe esime mi Trɔ̃subɔla siwo katã lɔ̃ la, miava Kristo
gbɔ. 26 Ekema Israel blibo la akpɔ ɖeɖe.
Mieɖo ŋku nu si nyagblɔɖilawo gblɔ tso nu sia ŋuti dzia? “Xɔla aɖe ado tso Zion
eye wòatrɔ Yudatɔwo katã ɖa tso mawumavɔmavɔ̃ ɖe sia ɖe ƒomevi gbɔ. 27 ɣemaɣi me
la, maɖe woƒe nu vɔ̃wo katã ɖa abe ale si medo ŋugbee ene.” 28 Azɔ la Yudatɔ geɖeawo
nye nyanyui la ƒe futɔwo. Wolé fui. Ke nu sia nye viɖe na miawo, elabena ena Mawu
tsɔ eƒe nunana na mi Trɔ̃subɔlawo. Ke Mawu galɔ̃a Yudatɔwo kokoko le eƒe ŋugbe si
wòdo na Abraham, Isak kple Yakɔb la ta. 29 Elabena Mawu magagbugbɔ eƒe nunanawo
kple eƒe ameyɔyɔ axɔ o; Mawu magbe eƒe ŋugbedodowo dzi wɔwɔ gbeɖe o. 30 Tsã la,
mienye aglãdzelawo ɖe Mawu ŋu, ke esi Yudatɔwo gbe eƒe nunanawo xɔxɔ la, Mawu ve
miawo nu ɖe wo teƒe. 31 Azɔ la, Yudatɔwoe nye aglãdzelawo. Gake gbe ɖeka la,
woawo hã akpɔ gome le Mawu ƒe amenuveve si wòkɔ ɖe mia dzi la me. 32 Elabena
Mawu ɖe ŋku ɖa le wo ŋu le woƒe nu vɔ̃ ta ale be yeate ŋu akpɔ nublanui na amewo
katã sɔsɔe.
Ŋutikɔkɔe woana Mawu
33 O, Mawu wɔnukɔ aɖe ŋutɔe le mía si. Eƒe nunya kple kesinɔnuwo lolo loo! Míate ŋu
ase eƒe nyametsotsowo kple ɖoɖowo me akpɔ o! 34 Elabena mía dometɔ kae ate ŋu anya
ROMATɔWO
37
Aƒetɔ la ƒe tame? Ame kae nya nu ale gbegbe be wòate ŋu azu eƒe aɖaŋudela alo
mɔfiala? 35 Ame kae ate ŋu adɔ Aƒetɔ la ɖa be wòaɖe mɔ amea nawɔ nane? 36 Elabena
Mawu ko gbɔe nu sia nu tsona. Nu sia nu le agbe le eya ko ƒe ŋusẽ ta, eye nu sia nu li
na eƒe ŋutikɔkɔe. Ŋutikɔkɔe nanye etɔ tegbee!
Vɔsa gbagbewo
12 Eya ta, nɔvinyewo, le Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la ta, mele ŋusẽ dom mi be
miatsɔ miaƒe ŋutilãwo awɔ vɔsa gbagbe si le kɔkɔe eye wòdzea Mawu ŋu esi anye miaƒe
subɔsubɔ gbɔgbɔmetɔ. 2 Migazɔ azɔ ɖe xexe sia me ƒe nuɖoanyiwo nu o ke boŋ mitrɔ to
miaƒe tamesusuwo ƒe yeyewɔwɔ me ekema miate ŋu anya, akpɔ kakaɖedzi le nu si
Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nye la ŋu, eƒe lɔlɔ̃nu si nyo eye wòdze hede blibo.
3 Le Mawu ƒe amenuveve ƒe nunana si wònam nu la, mele egblɔm na mia
dometɔ ɖe sia ɖe be: migabu mia ɖokuiwo ame gãwoe wu ale si dze o, ke boŋ mibu
mia ɖokuiwo ɖokuibɔbɔlawoe le xɔse ƒe dzidzenu si Mawu na mi la nu. 4 Abe ale si
ŋutinu geɖewo le miaƒe ŋutilãwo ŋu eye ŋutinu siawo katã mewɔa dɔ ɖeka o ene la 5
nenema kee wole Kristo hã ƒe ŋutilã ŋui, eye ŋutinu siawo nye wo nɔewo tɔ, ame sia
ame hiã nɔvia.
6 Mawu na amenuvevenunana mía dometɔ ɖe sia ɖe be wòawɔ nu tɔxɛ aɖe
nyuie. Eya ta ne Mawu na nunana wò be nàgblɔ nya ɖi la, ekema ele na wò be nàgblɔ
nya ɖi ɣesiaɣi si nàte ŋui kple zi geɖe ale si wò xɔse asẽ ŋu ale be nàte ŋu axɔ nya tso
ROMATɔWO
38
Mawu gbɔ. 7 Ne wò nunanae nye be nàsubɔ ame bubuwo la, ekema nàsubɔ wo nyuie.
Ne ènye nufiala la, nàfia nu nyuie. 8 Ne ènye mawunyagblɔla la, ekema ele be nàkpɔ
egbɔ be ŋusẽ le yeƒe mawunya ŋu eye wòkpena ɖe amewo ŋu. Ne Mawu na hotsui wò la
tsɔe nyo dɔme eye nàkpe ɖe ame bubuwo ŋu. Ne Mawu na dzikpɔkpɔ ƒe nunana wò eye
wòna be nàkpɔ ame bubuwo ƒe dɔwo dzi la, ele na wò be nàlé fɔ ɖe wò dɔdeasi sia ŋu
vevie. Ele na ame siwo faa akɔ na konyifalawo be woatsɔ kristotɔwo ƒe dzidzɔ awɔe.
ɖoɖo hena kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ
9 Migalɔ̃ mia nɔewo le ŋkume ko o, ke boŋ milɔ̃ wo tso dzi vavã me ke. Milé fu nu vɔ̃.
Mide nu nyui dzi. 10 Mitsɔ dadaviwo ƒe lɔlɔ̃ lɔ̃ mia nɔewo eye mide bubu mia nɔewo ŋu
wu miawo ŋutɔ ɖokuiwo. 11 Migagbɔdzɔ le vevidodo me o, ke boŋ mixɔ dzo le gbɔgbɔ
me eye misubɔ Aƒetɔ la kple dzi blibo.
12 Mikpɔ dzidzɔ le ɖoɖo siwo katã Mawu le wɔwɔm ɖe mia ŋu la ŋuti. Mido dzi
le xaxawo me eye mianɔ gbedodoɖa dzi ɣesiaɣi. 13 Ne Mawu viwo ge ɖe hiã me la,
miɖe wo tso eme. Mikpe amewo va miaƒe aƒewo me enuenu ne woaɖu nu kpli mi; ne
dzeƒe hiã wo la, mina wo.
14 Ne ame aɖe wɔ nu masɔmasɔ aɖe ɖe ŋuwò le wò kristotɔnyenye ta la, mègaƒo
fi dee o; do gbe ɖa ɖe eta eye nàyrae. 15 Mikpɔ dzidzɔ kple ame siwo le dzidzɔ kpɔm.
Mifa konyi kple ame siwo le konyi fam. 16 Miwɔ dɔ kple mia nɔewo dzidzɔtɔe. Migado
mia ɖokuiwo ɖe dzi glodzoo o. Migadze agbagba be yewoadze amegãwo ŋu o, ke boŋ
mide ha kple ame gblɔewo. Migabu be yewonya nu sia nu o.
ROMATɔWO
39
17 Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe o. Miwɔ nuwo ale be ame sia ame nate ŋu akpɔe be mienye
nyateƒetɔwo le goawo katã me. 18 Migawɔ dzre kple ame aɖeke o, ke boŋ minɔ anyi
kple ame sia ame le ŋutifafa me abe ale si miate ŋui ene.
19 Xɔ̃nye lɔlɔ̃awo, migabia hlɔ̃ na mia ɖokuiwo o. Migblẽ hlɔ̃biabia ɖe Mawu ƒe
asime elabena eya ŋutɔe gblɔ be yeabia hlɔ̃ ame siwo dze na hlɔ̃biabia. 20 Le hlɔ̃biabia
teƒe la, ne dɔ le wò futɔ wum la, na nuɖuɖui. Ne tsikɔ le ewum la, na tsii wòano. Ekema
àna ŋu nakpee le nu si wòwɔ ɖe ŋuwò la ta. 21 Mègana nu vɔ̃ na u dziwò o, ke boŋ tsɔ
nu nyui wɔwɔ ɖu nu vɔ̃ dzii.
Toɖoɖo dziɖuɖu
13 Miɖo to dziɖuɖu la, elabena Mawue nye ame si ɖo dziɖuɖu la anyi. Dziɖuɖu
aɖeke mele afi aɖeke si Mawu ŋutɔ metsɔ ŋusẽ na o. 2 Eya ta ame sia ame si gbe dukɔa
ƒe sewo dzi wɔwɔ la, gbe Mawu ƒe sewo dzi wɔwɔ eye tohehe adze nu sia yome. 3
Elabena kpovitɔ medoa ŋɔdzi na ame siwo le nu nyui wɔm o, ke ame siwo le nu vɔ̃ wɔm
la, avɔ̃ kpovitɔ ɣesiaɣi. Eya ta ne mèdi be yeanɔ vɔvɔ̃m o la, wɔ seawo dzi kpoo ekema
eme anyo na wò. 4 Mawue ɖo kpovitɔ la ɖa be wòakpe ɖe ŋuwò. Ke ne èle nu vɔ̃ aɖe
wɔm la, eme kɔ ƒãa be ànɔ vɔvɔ̃m elabena kpovitɔ la ana woahe to na wò. Nu sia tututu
tae Mawu ɖoe ɖa. 5 Eya ta miwɔ seawo dzi le nu eve siawo ta : gbã, be miagaxɔ tohehe
o; evelia, elabena mienyae xoxo be ele be yewoawɔ seawo dzi.
ROMATɔWO
40
6 Midzɔ miaƒe dugawo hã le nu eve siawo ke ta, elabena ele be woaxe fe na
dziɖuɖudɔwɔlawo ale be woate ŋu anɔ Mawu ƒe dɔ la wɔm, anɔ kpekpem ɖe mia ŋu. 7
Mixe fe na ame sia ame abe ale si wòdzee ene. Mixe miaƒe dugawo kple adzɔwo
dzidzɔtɔe. Miɖo to miaƒe tatɔwo eye mitsɔ bubu na ame sia ame si dze bubu.
Amehavilɔlɔ̃
8 Migana naneke ƒe fe natsi mia ŋu o negbe ame bubuwo lɔlɔ̃ ƒe fe ko. Migaxe ame
bubuwo lɔlɔ̃ ƒe fe sia vɔ gbeɖe o! Elabena ne mielɔ̃ wo la, miawɔ Mawu ƒe sewo katã
dzi eye miawɔ nu sia nu si Mawu bia tso mia si. 9 Ne èlɔ̃ hawòvi abe ale si nèlɔ̃ wò ŋutɔ
ɖokuiwò ene la, màdi be yeawɔ nu vevii, abae, awui, alo afi eƒe naneke o. Gawu la,
màwɔ nu vɔ̃ kple hawòvi srɔ̃ alo adi nu si nye etɔ alo awɔ nu bubu aɖeke si Se Ewoawo
gblɔ be menyo o la ɖe eŋu o. Seawo katã ƒe ƒuƒoƒoe nye esia be nàlɔ̃ hawòvi abe ale si
nèlɔ̃ ɖokuiwo ene. 10 Lɔlɔ̃ naa womedaa vo ɖe ame aɖeke ŋu o. Eya tae wòsɔ ɖe nu
siwo katã wòle be míawɔ la dzi. Se ɖeka sia koe miehῖa.
11 Nu bubu si ta wòle be mianɔ agbe nyui nye be: mienya be ɣeyiɣi boo megali
o. Minyɔ elabena Aƒetɔ la ƒe vava tu aƒe fifia wu ale si míexɔe se tsã. 12 Zã la va yi vɔ,
ŋu le kekem azɔ! Eya ta mina míaɖe asi le vivitimenuwɔwɔwo ŋu eye míado kekeli ƒe
akpoxɔnuwo. 13 Mina míawɔ nu dzeame, abe ale si nyo le ŋkeke me ene, menye le
aglotuwo kple ahamumuwo, menye le ahasiwɔwɔwo kple hadzedzewo eye menye le
dzrewɔwɔ kple ŋuʋaʋã me o. 14 Ke boŋ mibia Aƒetɔ Yesu Kristo be wòakpe ɖe mia ŋu
be mianɔ agbe abe ale si dze ene. Migakpɔ dzidzɔ le nu vɔ̃ wɔwɔ ŋu o.
ROMATɔWO
41
Migadrɔ̃ ʋɔnu mia nɔewo o
14 Mixɔ nɔvi ɖe sia ɖe si adi be yeage ɖe hamea me la nyuie, ne eƒe xɔse mesẽ ŋu o
hã. Migahe nya ɖe eŋu le eƒe susu siwo to vovo tso mia tɔwo gbɔ la ŋu le nu si nyo alo
nu si menyo o la ta o. 2 Le kpɔɖeŋu me, migahe nya kplii be enyo be wòaɖu lã si wotsɔ
sa vɔe na legbawo loo alo menyo o. Mixɔe se be nu vɔ̃ aɖeke mele nu sia me o, ke ame
bubuwo ƒe xɔse gbɔdzɔ wu mia tɔ. Woawo bu be menyo o eye woagbe lãɖuɖu kura aɖu
amagbewo ko ɖe lã ma tɔgbi ɖuɖu teƒe. 3 Mele be ame siwo bu be enyo be woaɖu lã ma
tɔgbi la nado vlo ame siwo mebui nenema o. Ne mienye ame siwo meɖui o la, migaɖe
vodada na ame siwo aɖui o. Elabena Mawu xɔ wo be woanye ye viwo. 4 Mawu ƒe
subɔlawo wonye, menye miawo ƒe subɔlawo wonye o. Mawue wole agbe na, menye
miawoe wole agbe na o. Mina Mawu nana woanya ne wo tɔ dzɔ loo alo wo tɔ medzɔ o.
Mawu ate ŋu ana woawɔ nu si wòle be woawɔ.
5 Ame aɖewo bu be ele be woawɔ kristotɔwo ƒe ŋkekenyuiwo kple ŋkeke tɔxɛwo
ŋudɔ atsɔ asubɔ Mawu, ke ame aɖewo gblɔ be, menyo o eye wònye abunɛnu be woaɖe
fu na ame ɖokui nenema, elabena ŋkeke sia ŋkeke nye Mawu tɔ. Ele be ame sia ame
natso nya siawo tɔgbi me na eɖokui. 6 Ne ŋkeke tɔxɛwo le mia si hena Aƒetɔ la
subɔsubɔ la, miele agbagba dzem be yewoade bubu eŋu eye wònye nu nyui aɖe miele
wɔwɔm. Nenema kee nye ame si ɖu lã si wotsɔ sa vɔe na legbawo; eda akpe na Aƒetɔ la
ɖe eta. Eya hã wɔe nyuie. Ame si madi be yeaɖu lã ma tɔgbi o la hã di be yeadze Aƒetɔ
la ŋu eye wòle akpe dam. 7 Menye aƒetɔwo míenye na mía ɖokuiwo be míanɔ agbe alo
ROMATɔWO
42
aku abe ale si míawo ŋutɔwo míatia la ene o. 8 Ne míele agbe o, míeku o, míedzea
Aƒetɔ la yome eye míenye etɔwo le go eveawo dometɔ ɖe sia ɖe me. 9 Nu sia tututu tae
Kristo ku eye wògatsi tsitre ale be yeate ŋu anye míaƒe Aƒetɔ ne míele agbe o, míeku o.
10 Mèkpɔ mɔ nàɖe vodada na nɔviwò alo nàdo vloe o. ɖo ŋku edzi bena mía
dometɔ ɖe sia ɖe atsi tsitre ɖe Mawu ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ. 11 Elabena woŋlɔe ɖi
bena Aƒetɔ la gblɔ be, “Esi mele agbe la, ame sia ame adze klo nam eye aɖe sia aɖe aʋu
nya me na Mawu.” 12 Nyateƒe ame sia ame ana akɔnta tso eɖokui ŋu na Mawu. 13 Eya
ta mègaɖe vodada na nɔviwò azɔ o. Le esia teƒe la, dze agbagba eye nànɔ agbe ale be
mànye nuɖiaɖia na nɔviwò ne wòakpɔ wò nànɔ nu si eya bu be menyo o la wɔm o.
14 Le nye ŋutɔ gome la, meka ɖe Aƒetɔ Yesu ƒe ŋusẽ dzi be naneke megblẽ le lã
si wotsɔ sa vɔe na legbawo la ɖuɖu ŋu o. Ke ne ame aɖe ya xɔe se be menyo o la,
ekema mele be wòaɖui o elabena menyo le eya gbɔ o. 15 Eye ne nu si nàɖu anye
nuɖiaɖia na nɔviwò la, mèle nu wɔm le lɔlɔ̃ me, ne èɖui o. Mègana wò nuɖuɖu nagblẽ
nu le ame si ta Yesu ku ɖo la ŋu o. 16 Mègawɔ nu si ana amewo naɖe vodada na wò o,
togbɔ be ènya be nu si yewɔ la nyo hafi hã. 17 Elabena le nuwo katã megbe la, nu si le
vevie na mí kristotɔwo la, menye nu si míeɖu alo nu si míeno o, ke boŋ be míana
Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nana amenuveve, ŋutifafa kple dzidzɔ mí. 18 Ne miena Kristo nye
Aƒetɔ le nu siawo me la, dzi adzɔ Mawu eye ame bubuwo hã akpɔ dzidzɔ. 19 Eya ta
mina miaƒe taɖodzinu nanye be nusɔsɔe nanɔ hamea me eye miadze agbagaba ado ŋusẽ
mia nɔewo.
ROMATɔWO
43
20 Migana lãkɔ ɖeka nagblẽ Mawu ƒe dɔwɔwɔ me o. Miɖo ŋku edzi be naneke
megblẽ le lã ŋu o, ke enye nu vɔ̃ be nàɖui eye wòazu nuɖiaɖia na ame bubu. 21 Nu
nyuitɔ si nàwɔe nye nàɖe asi le lãɖuɖu alo ahanono alo nu sia nu si wɔwɔ aɖia nɔviwò
nu alo ana wòawɔ nu vɔ̃ la ŋu. 22 Ànya be nu gbegblẽ aɖeke mele nu si yewɔ la ŋu le
Mawu gɔ̃ hã gbɔ o, ke wɔe na ɖokuiwò ko. Mègaɖe wò nu si nèxɔ se be enyo la fia le
ame bubu siwo nu wòaɖia la ŋkume o. Le go sia me la, woayra ame si mewɔ nu vɔ̃ to
nu si wònya be enyo la wɔwɔ me o. 23 Ke ame sia ame si xɔ se be nu si yedi be yeawɔ
menyo o la, mele be wòawɔe o. Ne ewɔe la, ewɔ nu vɔ̃ elabena ebu be menyo o, eya ta
nua menyo na eya o. Nu sia nu si wòawɔ to nu si wònya be enyo gbɔ la, nye nu vɔ̃.
15 Ehiã be, mí ame siwo ŋu ŋusẽ le la míatsɔ ame siwo ŋu ŋusẽ mele o la ƒe
gbɔdzɔgbɔdzɔwo eye míagadze mía ɖokui ŋu o. 2 Mía dome ame sia ame nadze ehavi
ŋu hena ehavi ƒe nyonyo kple tutuɖedzi. 3 Kristo mewɔ nu be yeadze ye ɖokui ŋu o.
Abe ale si Psalmokpala gblɔe ene la, “Eva be yeakpe fu eye yeaxɔ dzudzu tso ame siwo
tututu tsi tsitre ɖe Aƒetɔ la ŋu la gbɔ.” 4 Ele be nu siwo woŋlɔ ɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la me
gbe aɖe gbe ke la nafia dzigbɔɖi mí eye wòade dzi ƒo na mí ale be míanɔ mɔ kpɔm na
ɣeyiɣi si Mawu aɖu nu vɔ̃ kple ku dzi.
5 Mawu, ame si naa dzigbɔɖi kple tenɔnɔ kpakple dzideƒo ame la, nakpe ɖe mia
ŋu be mianɔ anyi kple mia nɔewo le nɔvilɔlɔ̃ blibo me eye ame sia ame natsɔ Kristo ƒe
ROMATɔWO
44
nɔnɔme anɔ agbe ɖe nɔvia ŋu. 6 Ekema mí katã míate ŋu atsɔ gbe ɖeka akafu Aƒetɔ la,
atsɔ ŋutikɔkɔe ana Mawu, míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo.
Nyanyui la na Trɔ̃subɔlawo
7 Eya ta mixɔ mia nɔewo nyuie ɖe hame la me abe ale si Kristo ŋutɔ hã xɔ mi ene,
ekema miatsɔ ŋutikɔkɔe ana Mawu. 8 Miɖo ŋku edzi be Yesu Kristo va be yeafia be
Mawu wɔa eƒe ŋugbedodowo dzi eye be yeakpe ɖe Yudatɔwo ŋu. 9 Migaɖo ŋku edzi hã
be eva be Trɔ̃subɔlawo hã nakpɔ ɖeɖe eye woatsɔ ŋutikɔkɔe ana Mawu le ale si wòvea
wo nu la ta. Nu siae Psalmokpala la fia esi wòŋlɔ bena, “Makafu wò le Trɔ̃subɔlawo
dome eye madzi ha na wò ŋkɔ.”
10 Le teƒe bubu aɖe la, egagblɔ be, “O, Trɔ̃subɔlawo, mikpɔ dzidzɔ kple
Mawu ƒe amewo, Yudatɔwo.”
11 Egagblɔ le teƒe bubu hã be, “O, Trɔ̃subɔlawo, mikafu Aƒetɔ la, mina ame sia
ame nakafui.”
12 Nyagblɔɖila Yeseya gblɔ be, “Domenyila aɖe atso Isai ƒe aƒeme eye wòaɖu
fia ɖe Trɔ̃subɔlawo dzi.”
13 Eya ta mele gbe dom ɖa ɖe mi Trɔ̃subɔlawo ta be Mawu, ame si naa
mɔkpɔkpɔ mi la, nana dzidzɔ kple ŋutifafa nayɔ mia me le esi miexɔ edzi se ta. Mele
ROMATɔWO
45
gbe dom ɖa be Mawu nakpe ɖe mia ŋu be mɔkpɔkpɔ le Mawu me nagbã go le mia me
to Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe ŋusẽ si le mia me la me.
Paulo ƒe dɔ le Trɔ̃subɔlawo dome
14 Nɔvinyewo, menya be mienye ame nyanuwo kple ame nyuiwo eye mienya nu siawo
nyuie ale be miate ŋu afia nu ame bubuwo tso wo katã ŋu. 15 Metsɔ dzideƒo ŋlɔ nya
aɖewo na mi abe ŋkuɖoɖo nu dzi na mi ene to amenuveve si Mawu nam la me 16 be
manye Yesu Kristo ƒe dɔtsɔla na Trɔ̃subɔlawo, eye be matsɔ Mawu ƒe nyanyui la vɛ na
mi Trɔ̃subɔlawo be miazu vɔsa si dze Mawu ŋu si ŋu Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kɔ. 17 Eya ta
mekpɔ mɔ maƒo adegbe vie le nu siwo katã Kristo Yesu wɔ to dzinye la ŋu. 18 Mele be
mabu akɔnta le ale si wòwɔ ame bubuwo ŋudɔ la ŋu o, ke menya esia be: eto dzinye eye
wòhe Trɔ̃subɔlawo va Mawu gbɔe. 19 Meɖe wo kple nye gbeƒãɖeɖe kpakple nye agbe
nyui si menɔ le woƒe ŋkume hekpe ɖe nukunu siwo wowɔ to dzinye abe dzesiwo tso
Mawu gbɔ ene la ŋu. Esiawo katã tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ me. Meɖe gbeƒã Kristo
ƒe nyanyui blibo la to mɔ siaa dzi tso keke Yerusalem yi ɖado ɖe Iliriko ke.
20 Ke enye nye didi vevi be magayi ŋgɔ wu nenema gɔ̃ hã eye maɖe gbeƒã
nyanyui la le teƒe siwo womese Kristo ŋkɔ le kpɔ haɖe o. Esia dzrom wu be maɖe gbeƒã
le afi si ame bubu aɖe ɖo hame aɖe anyi ɖo xoxo. 21 Menɔ zɔzɔm ɖe ɖoɖo si ŋu woƒo
nu le le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔea me la nu. Afi siae Yesaya gblɔ le be, “Ame siwo mese Kristo ŋkɔ
kpɔ haɖe o la, woakpɔ nu eye woase egɔme.” 22 Nu sia tututu tae nyemete ŋu va kpɔ
mi ɖa kaba o.
ROMATɔWO
46
23 Ke mewu nye dɔ la nu le afi sia mlɔeba azɔ eye mele klalo be mava le ƒe geɖe
siwo melala la megbe. 24 Mele tame ɖom be mayi Spania. Ne meyina la, matɔ ɖe Roma
eye ne menɔ anyi kpli mi le dzidzɔ me ɣeyiɣi kpui aɖe la, miagate ŋu ado mɔm.
Paulo wɔ ɖoɖo ɖe Roma yiyi ŋu
25 Ke hafi mava la, ele be mayi Yerusalem gbã eye matsɔ nunana aɖe ayi na Yudatɔ
siwo nye kristotɔwo le afi ma. 26 Elabena kristotɔ siwo le Makedonia kple Akaya la di
nanewo be yewoaɖo ɖe nɔvi siwo le Yerusalem, ame siwo le ɣeyiɣi sesẽ aɖe ŋutɔ me
tom. 27 Edzɔ dzi na wo ŋutɔ be woawɔ esia elabena wodze sii be yewoanyi akpedafe gã
aɖe le kristotɔ siwo le Yerusalem la si. Nu ka ta? Elabena nya tso Kristo ŋu va na
Trɔ̃subɔla siawo tso hame si le Yerusalem la gbɔ. Tso esime woxɔ nyanyui la ƒe
gbɔgbɔmenunana sia tso afi ma la, wodze sii be nu suetɔ si yewo hã yewoate ŋu awɔ lae
nye yewoakpe ɖe wo ŋu kple anyigbadzinu aɖewo. 28 Ne metsɔ ga sia na wo eye mewu
dɔ nyui si wowɔ na wo nɔviwo nu na wo la, mava kpɔ mi ɖa ne mele Spania yim. 29
Meka ɖe edzi be ne meva la, Aƒetɔ la ana yayra geɖem matsɔ vɛ na mi.
30 Miado gbe ɖa kplim mahã? Le Aƒetɔ Yesu Kristo ta kple miaƒe lɔlɔ̃ nam si
Gbɔgbɔ Kɔkɔe la tsɔ na mi ta la, mido gbe ɖa vevie ɖe tanye. 31 Mido gbe ɖa be Mawu
nakpɔ tanye le Yerusalem tso ame siwo menye kristotɔwo o la sime. Mido gbe ɖa hã be
kristotɔ siwo le afi ma la nalɔ̃ axɔ ga si metsɔ yina na wo. 32 Ekema ne Mawu lɔ̃ la,
mate ŋu ava mia gbɔ kple dzidzɔ eye míade agbe yeye mía nɔewo me.
33 Ke azɔ la, mía Mawu, ame si naa ŋutifafa la nanɔ anyi kpli mi katã Amen.
ROMATɔWO
47
Gbedoname vovovowo
16 Mele Foibe, mía nɔvinyɔnu, ame si nye subɔla le Kenkrea hame me la kafum na
mi. 2 Mele biabiam tso mia si be miaxɔe abe ale si dze le Aƒetɔ la me ene, eye le mɔ sia
mɔ si dze ame kɔkɔewo la nu miakpe ɖe eŋu le nu sia nu si ahiãe la me. Elabena
ekpe ɖe ame geɖewo ŋu le woƒe hiahiãwo me. Ekpe ɖe nye ŋutɔ hã ŋu. 3 Mido gbe na
Priskila kple Akwila nam. Wonye nye hadɔwɔlawo le Kristo Yesu ƒe dɔ la me. 4 Wotsɔ
woƒe agbe de xaxa me ɖe tanye. Menye nye ɖeka koe le akpe dam na wo o. Ame siwo
katã le Trɔ̃subɔla siwo zu kristotɔwo ƒe hamewo me la hã le akpe dam na wo.
5 Mido gbe na ame siwo katã kpea ta hesubɔa Mawu le woƒe aƒewo me la nam.
Mido gbe na xɔ̃nye vevi, Epeneto, hã nam. Eyae nye ame gbãtɔ si zu kristotɔ le Asia. 6
Mido gbe na Maria hã, ame si wɔ dɔ sesῖe hekpe ɖe mía ŋu la, nam. 7 Andronika kple
Yunia hã li; woawoe nye nye ƒometɔ siwo nɔ gaxɔ me kplim. Apostoloawo bua wo eye
wozu kristotɔ hafi meva zui. Mido gbe na wo nam. 8 Mido gbe na Ampliato, ame si
melɔ̃na abe Mawu ŋutɔ viwo dometɔ ɖeka ene 9 kple Urbano, míaƒe hadɔwɔla kpakple
Stakis nam.
10 Apeles, ame nyui si ŋu Mawu kpɔ ŋudzedze le la hã li. Mido gbe nɛ nam.
Mitsɔ nye gbedoname nyuitɔ na ame siwo le dɔ wɔm le Aristobulo ƒe aƒeme. 11 Medo
gbe na nye ƒometɔ Herodion kple kluvi siwo nye kristotɔwo le Narkiso ƒe aƒeme, 12
kple Trifena kpakple Trifosa, ame siwo nye Aƒetɔ la ƒe dɔwɔlawo kple Persis lɔlɔ̃a, ame
si wɔ dɔ sesῖe ŋutɔ na Aƒetɔ la. 13 Medo gbe na Rufo, ame si Aƒetɔ la tia be wòanye ye
ROMATɔWO
48
ŋutɔ tɔ kple dadaa lɔlɔ̃a, ame si kpɔ dzinye abe danye ene. 14 Mido gbe na Asinkrito,
Flego, Herme, Patroba, Herma kple nɔvi bubu siwo katã le gbɔ. 15 Migblɔ na Filologo,
Yunia, Nereo kple nɔvianyɔnu kple Olimpa kpakple kristotɔ bubu siwo katã le wo gbɔ la
be medo gbe na wo. 16 Mitsɔ nugbugbɔ kɔkɔe do gbe na mia nɔewo nam. Hame siwo
katã le afi sia la do gbe na mi katã.
17 Nya ɖeka gale asinye magblɔ hafi awu agbalẽ sia nu. Migade ha kple ame
siwo dea mama amewo dome, naa amewo ƒe xɔse trana eye wofiaa nu siwo tsi tre ɖe nu
siwo wofia mi tso Kristo ŋuti la o. 18 Nufiala siawo mele dɔ wɔm na míaƒe Aƒetɔ Yesu
Kristo o, ke boŋ woawo ŋutɔ ƒe viɖe ko dim wole. Woƒoa nu nyuie eye woblea susu
wodzoe tɔwo enuenu. 19 Ke ame sia ame nya be miawo ya la mienye nuteƒewɔlawo. Nu
sia doa dzidzɔ gã nam. Medi be mianya nu tso nu si nyo la ŋu ɣesiaɣi eye miavo tso nu
vɔ̃ ɖe sia ɖe me. 20 Esusɔ vie Ŋutifafa ƒe Mawu la nagbã Satana ɖe miaƒe afɔ te
gudugudu. Míaƒe Aƒetɔ Yesu ƒe yayra nava mia dzi.
21 Timoteo, nye hadɔwɔla, kple Lukio, Yasom kple Sosipatro, nye ƒometɔwo do
gbe na mi. 22 Nye Tertio, ame si le agbalẽ sia ŋlɔm na Paulo la, nye hã medo gbe na mi
abe mia nɔvi kristotɔ ɖeka ene. 23 Gayo be mado gbe na mi. Eya ƒe amedzroe menye
eye hamea kpea ta le afii le eƒe aƒeme. Erasto, ame si nye dugadzikpɔla kple Kuarto,
nɔvi kristotɔ aɖe, do gbe na mi. 24 Míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi
kpli mi katã.
25 Azɔ ame si te ŋu ɖo mia gɔme anyi to nye nyanyui kple gbeƒãɖeɖe Yesu
Kristo me esiae nye ɖoɖo si woɣla ɖe mi tso xexeame ƒe gɔmedzedzea me ke. 26 Ke azɔ
la abe ale si nyagblɔɖilawo gblɔe do ŋgɔ eye abe ale si Mawu mavɔtɔ la de se ene la,
wole gbeƒã ɖem na dukɔwo katã be woaxɔe ase eye woaɖo to eya amea. 27 Mawu ame
ROMATɔWO si ɖeka koe nye nunyatɔ to Yesu Kristo dzi la, tɔ nanye ŋutikɔkɔe la yi ɖe mavɔmavɔ
me! Amen.

Laisser un commentaire

Votre adresse e-mail ne sera pas publiée. Les champs obligatoires sont indiqués avec *