Togo Chrétien

"L’amour de Dieu a été manifesté envers nous en ce que Dieu a envoyé son Fils unique dans le monde, afin que nous vivions par lui."

Bible Ewe

Matthieu

NYANYUI LA ABE ALE SI MATEO ŋLɔE ENE

Kpɔkplɔyiɖeme

Mateo nye dugadzɔla. Le ɣemaɣi me la, dugadzɔlawo xea ga na
Roma Dziɖuɖua eye woxɔa mɔnana be woadzɔ ga la le
ameawo si le nutoa me. Dugadzɔla geɖeawo baa amewo eye
wotoa esia me zua hotsuitɔwo. Yudatɔwo bua dugadzɔla siawo
nu vɔ̃ wɔlawoe elabena wonɔa ga dzɔm le Yudatɔwo si na
Roma Dziɖuɖu si wobu be enye Trɔ̃subɔlawo ƒe Dziɖuɖu. Ale
amewo lé fu wo eye wodoa vlo wo. Ke Yesu tia ame siawo
dometɔ ɖeka si nye Mateo eye wozu eƒe nusrɔ̃la. Mateo do go
Yesu eye eƒe agbenɔnɔ trɔ keŋkeŋ. Egblẽ eƒe nuwo katã ɖi eye
wòdze Yesu yome. Mateo te gbe ɖe edzi le eƒe agbalẽa me be
Yesue nye xexeame ƒe ɖela, ame si ŋu Mawu ƒe nyagblɔɖilawo
gblɔ nya ɖi le ƒe geɖewo do ŋgɔ.
Emenyawo 1. Yesu ƒe dzidzi; kple ɖevimenɔnɔ, 1:1 – 2:23
2. Yesu dze dɔ gɔme, 3:1 – 4:25
3. Todzinyagbɔgblɔ, 5:1 – 7:29
4. Yesu da gbe le ame vovovowo ŋu, 8:1 – 9:34
5. Yesu dɔ nusrɔ̃la wuieveawo, 9:35 – 10:42
6. Yesu gblɔ ame si wonye la na amewo, 11:1 –12:50
7. Lododowo tso mawufiaɖuƒe la ŋu, 13:1-52
8. Wogbe Yesu eye wotso ta le
Yohanes nu, 13:53 – 14:12
9. Yesu dzo le Herodes ƒe dziɖuƒe, 14:13 –17:27
10. Yesu fia nu tso ɖokuibɔbɔ kple tsɔtsɔke ŋu, 18:1-35
11. Yesu yi Yerusalem, 19:1 – 20:34
12. Yesu ƒe kwasiɖa mamlɛtɔ le Yerusalem, 21:1 – 28:10
13. Le Yesu ƒe tsitretsitsi megbe, 28:11-20

Kristo ƒe dzidzimegbalẽ
(Luka 3:23-38)
1 Yesu Kristo enye Abraham kple Fia David ƒe dzidzimevi, eƒe dzidzime lae
nye esi.
2 Abraham dzi Isak, Isak dzi Yakɔb eye Yakɔb dzi Yuda kple nɔviawo.
3 Yuda dzi Perez kple Zera ame siawo dadae nye Temar, Hezrɔn fofoe nye
Perez, Hezrɔn hã dzi Ram
4 Ram dzi Aminadab, Aminadab dzi Nahesɔn, Nahesɔn dzi Salmo,
5 Salmon hã dzi Boaz ame si dadae nye Rahab. Boaz dzi Obed, eye Obed
dadae nye Rut, Obed dzi Yese.
6 Yese dzi Fia David, David dzi Salomo, Salomo dadae nye Batseba ame si
nye Uria srɔ̃ kpɔ,
7 Salomo dzi Rehoboam, Rehoboam dzi Abiya, eye Abiya hã dzi Asa,
8 Asa dzi Yehosafat, Yehosafat dzi Yoram, Yoram dzi Uzia,
9 Uzia dzi Yotam, Yotam dzi Ahaz, Ahaz dzi Hezekia, 10 Hezekia dzi
Manase, Manase dzi Amɔn, Amɔn dzi Yosia,
11 Yosia dzi Yekonia kple nɔviawo. Wodzi ame siawo le esime woɖe aboyo
Israel dukɔa yi Babilonia.
12 Esi aboyomenɔlawo trɔ gbɔ va aƒe la, Yekonia dzi Sealtiel, Sealtiel dzi
Zerubabel,
13 Zerubabel hã dzi Abihud, Abihud dzi Eliakim, eye Eliakim dzi Azɔ,
14 Azɔ dzi Zadɔk, Zadɔk dzi Akim, Akim dzi Elihud,
15 Elihud dzi Eleaza, Eleaza dzi Matan, Matan hã dzi Yakɔb,
16 eye Yakɔb dzi Yosef. Yosef sia nye Maria Yesu Kristo dadaa srɔ̃
17 Dzidzimeawo katã, tso Abraham dzi va se ɖe Fia David dzi ƒe xexlẽme le
wuiene, eye tso Fia David ŋɔli va se ɖe esi woɖe aboyo Israel la le dzidzime wuiene,
nenema ke tso aboyomenɔŋɔli va se ɖe Yesu dzidzi hã le dzidzime wuiene.
Yesu dzidzi
(Luka 2:1-7)
18 Yesu ƒe dzidzi va yi ale: Wodo ŋugbe na Yosef be woatsɔ Yesu dadaa Maria nɛ
wòaɖe. Ke togbɔ be menya ŋutsu o hã la, Maria fɔ fu xoxo to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dzi.
19 Azɔ Yosef ame si wodo eƒe ŋugbe na la nye ame ɖɔʋu aɖe, eya ta eɖoe be
yeagbe Maria le bebeme, elabena medi be yeado ŋukpee le dutoƒo o.
20 Esi wònɔ nu siawo ŋu bum la, mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fiae le drɔ̃eƒe, yɔe
gblɔ nɛ be, “Yosef, David vi, mẽgahe ɖe megbe le srɔ̃wo Maria ŋu o, kplɔe wòava
nɔ gbɔwò. Elabena vi si le dɔme nɛ la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la mee wòtso. 21 Adzi ŋutsuvi
eye nàna ŋkɔe be Yesu, esi gɔmee nye ‘ɖela’, elabena eyae aɖe eƒe dukɔmeviwo tso
woƒe nu vɔ̃wo me. 22 Esiawo katã ava eme be woawu Aƒetɔ ƒe nya si wògblɔ ɖi
to nyagblɔɖila dzi nu bena, 23 ‘Miɖo to miase nya sia, ɖetugbi dzadzɛ la afɔ fu adzi
ŋutsuvi. Woana ŋkɔe be, ‘Imanuel’ si gɔmee nye, ‘Mawu li kpli mí.’” 24 Esi Yosef
nyɔ la, ewɔ ɖe mawudɔla la ƒe gbe dzi, eye wòyi ɖakplɔ Maria va eƒe aƒe mee abe
srɔ̃a ene. 25 Ke Yosef mede asi eŋu o va se ɖe esime wòdzi via ŋutsuvi la eye wòna
ŋkɔe be “Yesu.”
Nunyalawo tso ɣedzeƒe
2 Wodzi Yesu le Betlehem le Yudea, le Fia Herodes ŋɔli. Le ɣemaɣi la,
ɣletivimenunyala aɖewo tso ɣedzeƒe lɔƒo va Yerusalem, eye wonɔ amewo biam
bena, 2 “Afi kae Yudatɔwo ƒe Fia yeye si wodzi la le? Míekpɔ eƒe ɣletivi le ɣedzeƒe
lɔƒo ke ale mieva be miasubɔe.”
3 Esi Fia Herodes se nya sia la dzika tso eya kple Yerusalem dua me nɔlawo
katã ƒo. 4 Le esia ta Fia Herodes yɔ Yudatɔwo ƒe Osɔfogãwo kple agbalẽfialawo katã
ƒo ƒui eye wòbia wo be, “ɖe nyagblɔɖilawo gblɔ afi si wole Mesia la dzi ge le la na
mí da ɖia?”
5 Woɖo eŋu nɛ be, “Ẽ, wogblɔ be woadzi Mesia la le Betlehem.” Nyagblɔɖila
Mika ŋlɔe da ɖi be, 6 “O, wò Betlehem du sue la, menye Yudatɔwo ƒe du sue
maxɔŋkɔ aɖe ko nènye o, ke boŋ èxɔ ŋkɔ ŋutɔ, elabena wò mee Fia si le nye dukɔ
Israel dzi ɖu ge la ado tso.”
7 Le esia megbe la, Herodes dɔ ame ɖo ɖe ɣletivimenunyala siawo dzaa bena
woava kpɔ ye. Esi wova la ebia wo be woagblɔ ɣeyiɣi si tututu wokpɔ ɣletivi la zi
gbãtɔ la na ye eye wogblɔe nɛ. Ale wòdɔ wo kple gbedeasi sia bena, 8 “Miyi
Betlehem ne miadi ɖevi la, eye ne mieke ɖe eŋu la, mitrɔ va gblɔe nam bena nye hã
mayi aɖasubɔe!”
9 Esi wowu takpekpea nu la, ɣletivimenunyalawo gayi woƒe mɔzɔzɔ dzi.
Kasia ɣletivi la gadze wo ŋgɔ heyi ɖatɔ ɖe Betlehem dua tame tututu. 10 Nyateƒe, dzi
dzɔ wo ŋutɔ, ŋutɔ.
11 Woge ɖe aƒe si me Maria kple ɖevia nɔ me eye woyi ɖadze klo ɖe egbɔ
enumake hede ta agu nɛ. Woʋu nu le woƒe nunanawo nu, eye wotsɔ sika, kotoklobo
kple lifi nɛ. 12 Emegbe wotrɔ dze aƒe mɔ dzi tẽe eye womegato Yerusalem yi ɖagblɔ
nya aɖeke na Herodes o, elabena Mawu xlɔ̃ nu wo le drɔ̃eƒe bena woato mɔ bubu ayi
aƒe.
Sisi kple Kristo yi Egipte
13 Esi ɣletivimenunyalawo dzo vɔ la, mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fia Yosef le drɔ̃eƒe.
Egblɔ nɛ bena, “Tso kpla ne nàsi kple ɖevia kpakple dadaa ayi Egipte, eye nànɔ afi
ma va se ɖe esime magblɔ na wò be nàtrɔ gbɔ. Elabena Fia Herodes le nu sia nu si
wòate ŋui la wɔ ge bena yeawu ɖevia.” 14 Le zã ma me ke Yosef si kple ɖevia
kpakple dadaa yi Egipte, 15 eye wonɔ afi ma va se ɖe esime Fia Herodes ku. Nu sia
wu nyagblɔɖi sia nu be, “Egiptee meyɔ vinye la tsoe.”
Herodes wu ɖeviwo
16 Herodes kpɔe be ɣletivimenunyalawo flu ye. Dɔme vee ale gbegbe be wòdɔ
asrafowo ɖo ɖe Betlehem kple eƒe nutowo me be woaɖawu ŋutsuvi siwo katã xɔ ƒe
eve kple esiwo mexɔ nenema haɖe o. Herodes wɔ esia elabena
Mateo
6
ɣletivimenunyalawo gblɔ nɛ be yewokpɔ ɣletivi la anye ƒe evee nye ma. 17 Herodes
ƒe tamesesenu si wòwɔ la wu Yeremia ƒe nyagblɔɖi siawo nu bena, 18 “Vevesese ƒe
ɣli ɖi tso Rama nutowo me, avifafa kple nublanuiɣli ɖi bobobo; Rahel nɔ avi dzi
hehehe le viawo ta eye naneke mate ŋu afa akɔ nɛ o, elabena viawo katã tsi yi nu.”
Yesu dzilawo trɔ gbɔ tso Egipte
19 Esi Herodes ku la, mawudɔla aɖe va ɖe eɖokui fia Yosef le drɔ̃eƒe le Egipte.
Egblɔ nɛ be, 20 “Tso nàkplɔ ɖevia kple dadaa trɔ yi Israel, elabena ame siwo le
ɖevia ƒe agbe yome tim la ku!”
21 Ale Yosef tso enumake eye wòkplɔ Yesu kple dadaa trɔ yi Israel. 22 Ke
esi wòse be Arkelao nɔ dzi ɖum le Yudea ɖe fofoa Herodes teƒe la evɔ̃ na afi ma
yiyi. Woɖee fiae hã le drɔ̃eƒe eya ta eyi Galilea nutome, 23 ale woyi ɖanɔ Nazaret.
Esia wu nyagblɔɖilawo ƒe nya sia nu be, “Woayɔe be Nazaretitɔ.”
Yohanes gblɔ dzimetɔtrɔnya
(Marko 1:1-8; Luka 3:1-9, 15-17; Yohanes 1:19-28)
3 Le esime Yesu kple edzilawo nɔ Nazaret la, Yohanes Mawutsidetanamela dze
mawunya gbɔgblɔ gɔme le Yudea gbedzi. Nyati si dzi wòtu eƒe mawunyawo ɖo lae
nye be, 2 “Midzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, mitrɔ ɖe Mawu ŋuti elabena dziƒofiaɖuƒe la gogo
vɔ.” 3 Nyagblɔɖila Yesaya gblɔ dɔ si ƒomevi wɔ ge Yohanes le la da ɖi ƒe alafa
nanewo va yi, egblɔ be, “Mese ɣli aɖe tso gbedzi wòle ɖiɖim bena, ‘Midzra mɔ ɖo
ɖi na Aƒetɔ la eye mido mɔ siwo dzi to ge wòle la woadzɔ.’”
Mateo
7
4 Wolɔ̃ Yohanes ƒe awu si wòdo la kple kposɔfu eye wòtsɔ lãgbalẽlidziblaka
tsɔ bla awua dzii, eƒe nuɖuɖue nye ʋetsuviwo kple gbemenyitsi. 5 Ame geɖewo tso
Yerusalem eye bubuwo hã tso Yɔdan tɔsisi la ƒe gowo dzi kple Yudea nuto me
godoo va afi si Yohanes nɔ mawunya gblɔm le la be yewoaɖo toe. 6 Esi ameawo ʋu
woƒe nu vɔ̃wo me la, ede tsi ta na wo le Yɔdan tɔsisi la me.
7 Ke esi Yohanes kpɔe be Farisitɔwo kple Zadukitɔ geɖewo hã va be wòade
mawutsi ta na yewo la, eka mo na wo gblɔ bena, “Mi dawo ƒe dzidzimeviwo! Ame
kae gblɔ na mi be miate ŋu asi le Mawu ƒe dɔmedzoe kple tohehe si gbɔna la nu? 8
Miɖee fia to miaƒe agbe nyui nɔnɔ me be mietrɔ dzime vavã 9 Migabui eye mianɔ
gbɔgblɔm ɖokuiwo be ‘mía fofoe nye Abraham’ o. Mele egblɔn na mi be Mawu ate
ŋu ana kpe siawo natrɔ zu viwo na Abraham. 10 Le gaƒoƒo sia me ŋutɔ gɔ̃ hã la,
Mawu le klalo bena yeahe to na ame siwo katã tsi tre ɖe eƒe ɖoɖowo kple sewo ŋu.
Mawu alã ame siawo akɔ ɖi abe ati siwo metse ku o ene eye woafli wo ade dzo me.
11 Nye la metsɔ tsi le mawutsi dem ta na mi ame siwo dzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ la, gake
ame aɖe gbɔna, esi de ŋgɔ wum sãa ame sia de ŋgɔ ale gbegbe be nyemedze bena
manye eƒe subɔvi gɔ̃ hã o. Eya atsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kple dzo ade tsi ta na mi. 12
Ama ame dzɔdzɔewo ɖa tso ame vɔ̃ɖiwo gbɔ, ke ame vɔ̃ɖiwo la, atsrɔ̃ wo kple dzo
mavɔ eye wòadzra ame dzɔdzɔewo ɖo ɖi na agbe mavɔ la.”
Yohanes de mawutsi ta na Yesu
(Marko 1:9-11; Luka 3:21-22)
13 Le ɣemaɣi me la, Yesu hã tso le Galilea va yɔdan tɔsisi la to be Yohanes nade
mawutsi ta na ye. 14 Gake Yohanes medi be yeade tsi la ta nɛ o ke boŋ egblɔ nɛ
Mateo
8
bena, “Medze be nye made tsi ta na wò o. Nye boŋ wòle be nàde tsi ta na.”
15 Yesu gblɔ nɛ bena, “Meɖe kuku de tsia ta nam ko, elabena ele nam be
mawɔ nu siwo katã woɖo da ɖi.” Ale Yohanes lɔ̃ de tsia ta nɛ.
16 Esi wòde mawutsi ta nɛ vɔ eye wònɔ go dom le tsia me la, dziƒo nu ʋu eye
Yesu kpɔ Mawu ƒe Gbɔgbɔ, le akpakpa ƒe nɔnɔme me, wònɔ ɖiɖim ɖe edzi. 17 Le
ɣeyiɣi sia me tututu la, gbe aɖe ɖi tso dziƒo bena, “Ame siae nye Vinye, si gbɔ
nyemelɔ̃a nu le o, ame si ƒe nu dzea ŋunye.”
Abosam te Yesu kpɔ
(Marko 1:12-13; Luka 4:1-13)
4 Le esia megbe la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kplɔ Yesu yi gbedzii bena Abosam natee
akpɔ. 2 Yesu tsi nu dɔ le afi sia ŋkeke blaene kple zã blaene, eye emegbe dɔ wui
vevie ŋutɔ.
3 Esi Abosam kpɔ esia la, eva tee kpɔ gblɔ nɛ be, “Nenye wòe nye Mawu Vi
la vavã la, ɖe gbe na kpe siawo be woatrɔ zu abolo na wò nàɖu.”
4 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Woŋlɔe ɖi be, ‘Menye abolo ɖeɖe ko ŋu ame nanɔ
agbe ɖo o, ke boŋ nya sia nya si Mawu gblɔ la ŋutie.’
5 Azɔ Abosam kplɔe yi Yerusalem du kɔkɔe la me eye wòtsɔe ɖo gbedoxɔ ƒe
tame ke, 6 hegblɔ nɛ bena, “Be nàfia be Mawu Vi nènye la, ti kpo tso afi sia ne
nàdze anyigba elabena, mawunya gblɔ bena, ‘Mawu adɔ eƒe dɔlawo ɖa bena woaxe
wò le yame be màtsɔ wò afɔ axlã ɖe kpe aɖeke o.
7 Yesu gagblɔ nɛ bena, “Woŋlɔ da ɖi hã be mègate Aƒetɔ wò Mawu kpɔ o.”
Mateo
9
8 Le esia megbe la, Abosam kplɔ Yesu yi to kɔkɔ aɖe ƒe tsɔ̃eƒe ke eye wòɖe
xexe sia me ƒe dukɔwo katã kple woƒe atsyɔ̃nuwo katã fiae. 9 Egblɔ nɛ be, “Matsɔ
nu siawo katã na wò nenye be nèdze klo de ta agu nam pɛ ko.”
10 Yesu blu ɖe Abosam ta bena, “Satana, te ɖa le gbɔnye, mèse mawunya
gblɔ bena, ‘Aƒetɔ wò Mawu la ko nàsubɔ, eya ko wòle be nàɖo toe oa?’” 11 Ale
Abosam gblẽe ɖi hedzo, eye mawudɔlawo va egbɔ va subɔe.
Yesu dze eƒe dɔ gɔme le Galilea
(Marko 1:14-15; Luka 4:14-15)
12 Esi Yesu se be wolé Yohanes de gaxɔ me la, edzo le Yudea yi wo de le Nazaret
si le Galilea, 13 ke egadzo le afi sia hã va Kapernaum si te ɖe Galilea ƒua ŋu le
Zebulon kple Naftali nutowo me. 14 Yesu ƒe afi sia vava wu nya si Yesaya gblɔ da
ɖi nu bena, 15 “Mi Zebulon kple Naftali, mi anyigba siwo le ƒuta, kpakple anyigba
siwo le Yɔdan tɔsisi la godo va se ɖe Trɔ̃subɔlawo ƒe Galilea 16 miawoe nye ame
siwo nɔ viviti me tsã gake fifia la, Kekeli gã aɖe klẽ na mi. Mi ame siwo nɔ ku ƒe
anyigba dzi, Kekeli klẽ na mi.” 17 Tso esia dzi la, Yesu de asi gbeƒãɖeɖe me be,
“Midzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ ne miatrɔ ɖe Mawu ŋu, elabena dziƒofiaɖuƒe la te tu aƒe vɔ!”
Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo
(Marko 1:16-20; Luka 5:1-11)
18 Gbe ɖeka esi Yesu nɔ tsa ɖim le Galilea ƒua nu la, ekpɔ nɔvi eve aɖewo. Woawoe
nye Simɔn, si wogayɔna hã be Petro kple nɔvia Andrea. Wonɔ asabu dam elabena
ɖɔkplɔlawoe wonye.
Mateo
10
19 Yesu yɔ wo gblɔ na wo be, “Miva dze yonyeme ne mawɔ mi amewo
ɖelawo.” 20 Petro kple nɔvia Andrea ɖe asi le asabu la ŋu enumake hekplɔ Yesu ɖo.
21 Esi wogazɔ yi ŋgɔ vie ko la, Yesu kpɔ nɔviŋutsu eve siwo ŋkɔwoe nye Yakobo
kple Yohanes kpakple wo fofo Zebedeo le ʋu me nɔ woƒe ɖɔ vuvuwo sam. Yesu yɔ
nɔviŋutsu eveawo hã be woava dze ye yome.
22 Yakobo kple Yohanes gblẽ ʋu la kple wo fofo ɖi hedze Yesu yome
enumake.
Yesu da gbe le ameha gã aɖe ŋu
(Luka 6:17-19)
23 Yesu tsa le Galilea nutoa katã me nɔ nu fiam le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒewo eye afi sia
afi si wòyi ko la eɖea gbeƒã dziƒofiaɖuƒe ƒe nyanyui la. Hekpe ɖe esia ŋu la, eyɔ dɔ,
dɔ ƒomevi vovovo lélawo. 24 Nukunu gã geɖe siwo wɔm wònɔ la kaka ɖe teƒewo
katã va se ɖe keke Galilea ƒe mlɔe nu ke. Ale dɔnɔwo tso kekeke Siria ke hã tɔ
ɖɔɖɔɖɔ va egbɔ be wòada gbe le yewo ŋu. Eyɔ dɔ dɔ ɖe sia ɖe lélawo, eɖa nye
lãmevee, tsukuku, lãmetutu kpeŋui, gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ ame me o, eda dɔ siawo katã. 25
Ameha gã aɖe ŋutɔ dze eyome, eye afi sia afi si wòto ko la wonɔ eyome kplikplikpli.
Ame siawo tso Galilea nutoa me, Yerusalem, Dekapoli kple Yudea godoo, ɖewo gɔ̃
hã tso keke Yɔdan tɔsisia ƒe go evelia dzi ke.
Mateo
11
Todzinyagbɔgblɔ
(Luka 6:20-23)
5 Gbe ɖeka esi amehawo ganɔ ƒu ƒom ɖe Yesu ŋu la, elia togbɛ aɖe eye wònɔ
anyi ɖe edzi. 2 Eƒe nusrɔ̃lawo hã va nɔ egbɔ. Azɔ efia nu wo le afi ma hegblɔ na wo
bena, 3 Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo da ahe le gbɔgbɔ me la, elabena wotsɔ
dziƒofiaɖuƒe la na mi. 4 Dzi nedzɔ mi, ame siwo hã le konyi fam la, elabena woafa
akɔ na mi! 5 Dzi nedzɔ mi, ame siwo faa tu, miawoe anyi anyigba la ƒe dome.
6 Dzi nedzɔ mi, ame siwo wum dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ kple tsikɔ le la, elabena
miawoe aɖi ƒo. 7 Dzi nedzɔ mi, ame siwo le nublanui kpɔm na amewo la, elabena
miawo woakpɔ nublanui na. 8 Dzi nedzɔ mi, ame siwo dza le miaƒe dzi me, elabena
miawoe akpɔ Mawu. 9 Dzi nedzɔ mi, ame siwo léa avu la elabena miawoe woayɔ be
Mawu viwo. 10 Dzi nedzɔ ame siwo yome woti le dzɔdzɔenyenye ta, elabena woawo
tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la.
11 “Dzi nedzɔ mi nenye be amewo dzu mi, ti mia yome, da alakpa ɖe mia si
hegblɔ nya vɔ̃ bubuwo ɖe mia ŋuti le tanye. 12 Mikpɔ dzidzɔ eye miatso aseye!
Elabena fetu gã aɖe le mia lalam le dziƒo. Miɖo ŋku edzi be, nenema ke woti
nyagblɔɖila siwo nɔ anyi le blema la yomee.
Dze kple kekeli
(Marko 9:50; Luka 14:34-35)
13 “Miawoe nye anyigba ƒe dze Ke ne miebu miaƒe dzenyenye la nu ka woagate ŋu
awɔ kpli mi? ŋudɔwɔnu aɖeke maganɔ mia ŋu o, ɖe ko watsɔ mi aƒu gbe, aɖo afɔ
Mateo
12
mia dzi.
14 Miawoe nye xexeame ƒe kekeli. Womate ŋu aɣla du si le todzi la o. 15
Ame aɖeke medraa akaɖi tsɔ dea afianu te o, ke boŋ ɖe akaɖiti dzi be wòaklẽ na aƒea
me nɔla ɖe sia ɖe. 16 Nenema ke mina mia ƒe akaɖiwo naklẽ le amewo gbɔ, be
woakpɔ miaƒe dɔ nyui wɔwɔ eye woakafu mia Fofo si le dzifo.
Nufiafia le sedziwɔwɔ nyuitɔ ŋuti
17 “Mise eme nyuie be, menye ɖe meva bena mate fli ɖe Mose ƒe seawo kple
nyagblɔɖilawo ƒe nuxlɔ̃amenyawo me o. Gbeɖe, menye nu siawo wɔ gee meva o, ke
boŋ ɖe meva be mawu seawo nu eye mafia woƒe nyateƒenyenye. 18 Mele nyateƒea
gblɔm na mi bena, zi ale si dziƒo kple anyigba li la, ŋɔŋlɔ suetɔ kekeake alo nu suetɔ
si wotsɔ nuŋlɔti ŋlɔe la, mabu le sea me o va se ɖe esime woawu nu sia nu nu. 19
Eya ta ne ame aɖe da se siawo ƒe suetɔ kekeake dzi, eye wòfia amewo hã be woada
edzi la, eyae anye suetɔ kekeake le dziƒofiaɖuƒe la me. Ke ame siwo fia Mawu ƒe
seawo eye wowɔna ɖe wo dzi la, woayɔ wo be gã le dziƒofiaɖuƒe la me. 20 Mele nu
xlɔ̃m mi be ne miaƒe dzɔdzɔnyenye meƒo Farisitɔwo kple Yudatɔwo ƒe sefialawo tɔ
ta sãa o la, miawo hã miate ŋu age ɖe dziƒofiaɖuƒe la me gbeɖe o!
Nufiafia le hlɔ̃dodo ŋuti
21 “Miese be wogblɔ na blematɔwo be, ‘mègawu ame o eye ame si awu ame la adze
na ʋɔnudɔdrɔ̃.’ 22 Ke nye la mele egblɔm na mi be, ame si ado dɔmedzoe ɖe nɔvia
ŋu la woakplɔe ayi ʋɔnui. Nenema ke ame si agblɔ na nɔvia be, ‘Mènyo na naneke
o’ la, woahee va Sanhedrin la ƒe ŋkume. Ke ne ame aɖe agblɔ be, ‘Èdzɔ lã!’ la ayi
Mateo
13
dzo mavɔ ʋeme.
23 “Ne èle gbedoxɔ me le vɔsamlekpui ŋgɔ le vɔ sam na Mawu eye nèɖo ŋku
edzi be dzre aɖe le mi kple nɔviwo aɖe dome la, 24 gblẽ wò vɔsanu la ɖe
vɔsamlekpui la ŋgɔ ne nàyi àɖe kuku na nɔviwò sia, eye nàdzra mi kplii dome ɖo
hafi nàva sa vɔ na Mawu. 25 Wɔ ɖeka kple wò futɔ si kplɔ wò yina ʋɔnui kaba esi
miegale mɔa dzi ko. Ne menye nenema o la, atsɔ wò ade asi na ʋɔnudrɔ̃la, ʋɔnudrɔ̃la
hã atsɔ wò ade asi na asrafomegã eye woade wò gaxɔ me. 26 Le nyateƒe me la,
womaɖe asi le ŋuwò o, va se ɖe esime nàxe fe ɖe sia ɖe si nènyi eye pesewa afã hã
masusɔ o.
Nufiafia le ahasiwɔwɔ ŋuti
27 “Miese wogblɔ be, ‘megawɔ ahasi o.’ 28 Gake nye ya mele egblɔm na mi bena,
ne ŋutsu aɖe kpɔ nyɔnu aɖe eye wòdzroe la, ewɔ ahasi kplii xoxo le eƒe dzime. 29
Nenye wò ŋku ɖusimetɔe nana be nèwɔa nu vɔ̃ la, hoe ne nàtsɔe aƒu gbe. Elabena
enyo na wò be nàbu wò ŋutinuwo dometɔ ɖeka wu be woatsɔ wò ame bliboa aƒu gbe
ɖe dzo mavɔ me. 30 Nenema ke ne wò nuɖusie nana be nèwɔa nu vɔ̃ la, lãe ne nàtsɔ
aƒu gbe. Elabena enyo be nàbu wò ŋutinuwo dometɔ ɖeka wu be woatsɔ wò ame
bliboa aƒu gbe ɖe dzo mavɔ me.
Nufiafia le srɔ̃gbegbe ŋuti
(Mateo 19:9; Marko 10:11-12; Luka 16:18)
31 “Wogblɔ hã be, ‘Ne ŋutsu aɖe di be yeagbe ye srɔ̃a la, nena srɔ̃gbegbalẽe.’ 32 Ke
nye la mele egblɔm na mi bena, nenye be nyɔnu aɖe mewɔ ahasi o, gake srɔ̃a gbee
Mateo
14
wòyi ɖaɖe ŋutsu bubu la ekema ŋutsu lae na wòwɔ ahasi. Eye ŋutsu si agaɖe nenem
nyɔnu sia hã wɔ ahasi.
Nufiafia le atamkaka ŋuti
33 “Miese wogagblɔ na blematɔwo be, ‘mègada le atam si nèka la dzi o, ke boŋ, wɔ
ɖe wò atam siwo nèka na Aƒetɔ la dzi. 34 Gake nye ya, mele egblɔm na mi be:
migata nu kura o! elabena ne ègblɔ be meta ‘Dziƒo’ la, èdze agɔ, elabena dziƒoe nye
Mawu ƒe nɔƒe.
35 Eye ne, èta ‘Anyigba’ la, edze agɔ ake elabena anyigbae nye eƒe
afɔɖodzinu. Nenema ke migagblɔ be meta ‘Yerusalem’ hã o! Elabena Yerusalem
enye Fia gã la ƒe du. 36 Mègagblɔ be meta ‘Nye ta’ gɔ̃ hã o, elabena màte ŋu atrɔ wò
ɖakui ɖeka pɛ hã wòafu alo anyɔ o. 37 Kpuie ko la mina miaƒe “Ẽ” nanye Ẽ”, “O”
nanye “O’ nu sia nu si miagblɔ wu esia la tso vɔ̃ɖitɔ la gbɔ.
Nufiafia le nu vɔ̃ teƒeɖoɖo ŋuti
(Luka 6:29-30)
38 “Miese wogblɔ be, ‘ŋku ɖe ŋku teƒe eye aɖu ɖe aɖu teƒe.’ 39 Ke nye ya mele
egblɔ na mi be: Migaɖo vɔ̃, vɔ̃ teƒe o! Nenye be ame aɖe ƒo tome na wò la trɔ tome
evelia hã nɛ be wòaƒo. 40 Ne ame aɖe akplɔ wò ayi ʋɔnui be yeaxɔ wò awutewui la,
na woaxɔ wò dziwui hã kpe ɖe eŋu. 41 Ne ame aɖe azi dziwò be nàzɔ mɔ kple ye
kilomita ɖeka la, zi kplii kilomita eve. 42 Na nu ame si le nu biam wò eye mègatrɔ
megbe de ame si le didim be yeado nu le asiwò la gbɔ o.
Mateo
15
Lɔlɔ̃ na ame ƒe futɔwo
(Luka 6:27-28, 32-36)
43 “Miese wogblɔ bena, ‘Lɔ̃ hawòvi eye nàle fu wò ketɔ.’ 44 Ke nye la mele egblɔm
na mi bena, milɔ̃ miaƒe futɔwo eye mido gbe ɖa ɖe ame siwo tia mia yome la ta! 45
Be mianye mia Fofo si le dziƒo la ƒe viwo, ame si naa eƒe ɣe dzena na ame vɔ̃ɖiwo
kple ame nyuiwo eye wòdɔa tsi be wòadza ɖe ame dzɔdzɔewo kple ame
madzɔmadzɔwo siaa dzi. 46 Ne mielɔ̃a ame siwo lɔ̃a mi ɖeɖe ko la, wɔwui kae
miewɔ?. ɖe nudzɔlawo gɔ̃ hã mewɔna nenema oa:? 47 Ne miedoa gbe na mia
nɔviwo ɖeɖe ko la, wɔwui ka wɔm miele wu ame bubuwo? ɖe Trɔ̃subɔlawo gɔ̃ hã
mewɔna nenema oa? 48 Eya ta mizu blibo abe ale si mia Fofo si le dziƒo la le bliboe
ene.
Nufiafia le dɔmenyowɔwɔ ŋuti
6 “Mikpɔ nyuie be miagawɔ miaƒe ‘dzɔdzɔenyenyedɔwo’ le amewo ŋkume be
woakpɔ o. Ne miewɔe nenema la, miaxɔ fetu aɖeke tso mia Fofo si le dziƒo la gbɔ o.
2 “Eya ta ne miena nu ame dahe aɖe la, migaɖe gbeƒãe kple kpẽ abe ale si
alakpatɔwo wɔnae le woƒe ƒuƒoƒewo kple mɔtatawo dzi be amewo nakafu yewo ene
o. Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be, woxɔ woƒe fetu la, katã xoxo. 3 Ke ne
miena nu ame dahe aɖe la, migana miaƒe miabɔ nanya nu si wɔm miaƒe ɖusibɔ le la
o, 4 ale be miaƒe nunana nanye bebemenu. Ekema mia Fofo si kpɔa nu si wowɔna le
bebeme la natu fe na mi.
Mateo
16
Nufiafia le gbedododa ŋuti
(Luka 11:2-4)
5 “Ne miele gbe dom ɖa la, migawɔ abe alakpatɔwo ene o, elabena wolɔ̃a
gbedodoɖa le tsitrenu le ƒuƒoƒewo kple mɔtatawo ƒe dzogoewo dzi be amewo nakpɔ
yewo. Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be woxɔ woƒe fetu la katã xoxo. 6 Ne ebe
yeado gbe ɖa la, yi ɖe wò xɔme nàtu ʋɔa eye nàdo gbe ɖa na Fofowò, ame si
womekpɔna o ekema Fofowò, ame si kpɔa nu si wowɔna le bebeme la, atu fe na wò.
7 Ne miele gbe dom ɖa la migagblɔ nyawo taŋtaŋ abe Trɔ̃subɔlawo ene o;
elabena wobuna be yewoaxɔ yewo ƒe ŋuɖoɖo le nya geɖewo gbɔgblɔ ta. 8 Miganɔ
abe woawo ene o, elabena mia Fofo nya nu siwo hiãa mi gɔ̃ hafi miebianɛ.
9 “Ale miado gbe ɖae nye si, ‘Mía Fofo, si le dziƒo, woade bubu wò ŋkɔ ŋuti,
10 wò fiaɖuƒe neva, woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi abe ale si wowɔnɛ le dziƒo ene.
11 Na nuɖuɖu si míaɖu egbe la mi. 12 Tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí abe ale si míawo hã
míetsɔnɛ ke na ame siwo daa vo ɖe mía ŋuti la ene. 13 Mègakplɔ mí yi tetekpɔ me o,
ke boŋ ɖe mí tso vɔ̃ɖitɔ la sime.’ 14 Elabena ne mietsɔ vo siwo amewo da ɖe mia
ŋuti ke wo la, ekema mia Fofo si le dziƒo hã, atsɔ ake miawo hã. 15 Ke ne mietsɔ
amewo ƒe nu vɔ̃wo ke wo o la mia Fofo hã matsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi o.
Nufiafia le nutsitsidɔ ŋuti
16 Ne mietsi nu dɔ la, migayɔ mo lilili abe ale si alakpanuwɔlawo wɔna ene o. Ame
siawo yɔa mo lilili, be amewo nakpɔ be yewole nutsitsidɔ me. Mele egblɔm na mi
nyateƒetɔe be ame siawo xɔ woƒe fetu blibo la xoxo. 17 Ke ne miawo mietsi nu dɔ
la, midzra mia ɖokui ɖo nyuie abe ɖe miele naneke wɔm o ene, 18 ale be ame
Mateo
17
aɖeke naganya be mietsi nu dɔ o, negbe mia Fofo si womekpɔna o gake eya kpɔa nu
sia nu si wowɔ le bebeme la eye axe fe na mi.
Miaƒe kesinɔnuwo nanɔ dziƒo
(Luka 12:33-34)
19 “Migadzra miaƒe kesinɔnuwo ɖo ɖe anyigba dzi afi si agbagblaʋui kple ɣebialéle
gblẽa nu le eye fiafitɔwo gbaa ʋɔ hefia nu le la o. 20 Ke boŋ midzra miaƒe
kesinɔnuwo ɖo ɖe dziƒo afi si agbagblaʋui kple ɣebialéle megblẽa nu le eye fiafitɔwo
megbaa ʋɔ hefia nu le na o.
21 “Elabena afi si miaƒe kesinɔnuwo le la, afi ma kee miaƒe dzi hã anɔ.
ŋutila ƒe kekeli
(Luka 11:34-36)
22 ŋkue nye akaɖi na ame blibo la, eya ta ne wò ŋku dzi kɔ la, wò ame blibo la àyɔ
fũu kple kekeli. 23 Ke ne wò ŋku dzi mekɔ o la, wò ame blibo la, àyɔ fũu kple viviti
ekema ne kekeli si le mewò trɔ zu viviti la, ale ke gbegbe viviti la asẽ ŋui!
Mawu kple ga
(Luka 6:13)
24 “Ame aɖeke mate ŋu asubɔ aƒetɔ eve o; alé fu ɖeka eye wòalɔ̃ evelia, alo aku ɖe
ɖeka ŋu vevie eye wòagbe nu le evelia gbɔ. Màte ŋu asubɔ Mawu kple Ga siaa o.”
Mateo
18
Le dzimaɖeɖitsitsi ŋuti
(Luka 12:22-34)
25 “Eya ta mele egblɔm na mi bena, migatsi dzimaɖeɖi le miaƒe agbe ŋuti, nu si
miaɖu alo miano ŋu o; alo le miaƒe ŋutilã ŋuti, nu si miata ŋu o. ɖe miaƒe agbe mexɔ
asi wu nuɖuɖu eye miaƒe ŋutilã mexɔ asi wu nutata oa? 26 Mikpɔ dziƒoxeviwo ɖa,
womeƒãa nu alo ŋea nu alo ƒoa nu nu ƒu ɖe avawo me o. Ke mia Fofo si le dziƒo la
naa nuɖuɖu wo. ɖe mi amegbetɔwo miexɔ asi sãa wu dziƒoxeviwo oa? 27 Mia
dometɔ kae ate ŋu ato dzitsitsi me atsɔ gaƒoƒo ɖeka pɛ akpe ɖe eƒe agbe ŋu?
28 “Ekema nu ka ŋutie mietsia dzi ɖe nutata ŋu? Mikpɔ ale si dzogbenyawo
le gbedzi tsinae ɖa. Womewɔa dɔ alo trea ɖeti o. 29 Ke mele egblɔm na mi be
Salomo le eƒe atsyɔ̃ɖoɖo me gɔ̃ hã mede wo dometɔ aɖeke nu le atsyɔ̃ɖoɖo me o. 30
Ke nenye be Mawu ɖoa atsyɔ̃ na gbe le gbedzi, gbe si nɔa anyi egbe, eye wotsɔnɛ
ƒua gbe ɖe dzo me etsɔ la, ɖe mata nu na mi sãa wu gbe siawo oa, O mi xɔse ʋe
tɔwo? 31 Eya ta migatsi dzi anɔ biabiam be, ‘Nu ka míaɖu?’ alo ‘Nu ka miano?’
alo, ‘Nu kae míata o?’ 32 Elabena Trɔ̃subɔlawo tia nenem nu siawo katã yome, ke
mia Fofo si le dziƒo nyae be nenem nu siawo hiãa mi. 33 Ke midi eƒe fiaɖuƒe la kple
eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã eye woatsɔ nu siawo katã hã akpe ɖe eŋuti na mi. 34
Eya ta migatsi dzi ɖe etsɔ si gbɔna la ŋu o elabena etsɔ si gbɔna la atsi dzi ɖe eɖokui
ŋu; elabena kuxi sɔ gbɔ le ŋkeke sia ŋkeke me xoxo.”
Mateo
19
ʋɔnudɔdrɔ̃ ame bubuwo
(Luka 6:37-38, 41-42)
7 “Mègadrɔ̃ ʋɔnu ame bubuwo o, ne menye nenema o la, woadrɔ̃ ʋɔnu wò hã. 2
Elebena ale si nèdrɔ̃a ʋɔnu ame bubuwoe la, nenema tututue woadrɔ̃ ʋɔnu wò hãe
eye dzidzenu si ŋudɔ nèwɔ la, dzidzenu ma ke ŋudɔe woawɔ atsɔ adzidze nui na wò
hã.
3 “Nu ka tae nèkpɔa ati fefe si ge ɖe nɔviwò ƒe ŋku dzi gake mèkpɔa atikpo
si le wò ŋutɔ wò ŋku dzi la ya o? 4 Ale ke wɔ nàgblɔ na nɔviwò be, ‘Na maɖe ati
fefe le wò ŋku dzi,’ le esime atikpo le wò ŋutɔ wò ŋku dzi? 5 Wò, alakpanuwɔla, ɖe
atikpo le wò ŋutɔ wò ŋku dzi gbã ekema àkpɔ nu nyuie ale be nàte ŋu aɖe ati fefe si
le nɔviwò ƒe ŋku dzi.
6 “Migatsɔ miaƒe nu kɔkɔewo na avuwo o eye migatsɔ miaƒe dzonu xɔasiwo
ƒu gbe na hawo o. Ne menye nenema o la, woanya aʋuzi le wo dzi, atrɔ ɖe mia ŋu
eye woavuvu mi.”
Mibia, midi eye miaƒo ʋɔa
(Luka 11:9-13)
7 Mibia nu eye woana mi; midi nu eye miakpɔe; miƒo ʋɔa eye woaʋui na mi. 8
Elabena ame sia ame si biaa nu la, wonanɛ; ame sia ame si dia nu la, ekpɔnɛ eya ta
ne mieƒo ʋɔa ko la, woaʋui na mi.
9 “Mia dometɔ kae li nenye be viaŋutsu bia aboloe la, wòatsɔ kpe anɛ? 10
Alo nenye be ebia tɔmelãe la wòatsɔ da anɛ? 11 Ke nenye be mi ame vɔ̃ɖiwo mienya
Mateo
20
ale si miana nu nyui mia viwo la, ɖe mia Fofo si le dziƒo la, mana nu nyuiwo ame
siwo bianɛ geɖe wu oa? 12 Le nu sia nu me la, nu siwo ke miedina be amewo nawɔ
na mi la, miwɔ nenema ke na ame bubuwo hã elabena esiae nye Se la kple
nyagblɔɖilawo ƒe nufiafia ƒe taƒonya.
Agbo xaxɛ la
(Luka 13:24)
13 “Mige ɖe eme to agbo xaxɛ la me. Elabena agbo la keke, mɔ la hã le gbadza esi
kplɔa ame yina ɖe tsɔtsrɔ̃ me eye ame geɖewoe le eme tom le gegem ɖe eme. 14 Ke
agbo si le xaxɛ, mɔ la hã le bie la, kplɔa amewo yina ɖe agbe me eye ame ʋe aɖewo
koe kpɔa mɔ sia.”
Sidzedze ati kple eƒe kutsetse
(Luka 6:43-44)
15 “Mikpɔ nyuie le aʋatsonyagblɔɖilawo ŋuti. Wovaa mia gbɔ abe alẽwo ene, ke le
ememe la, wonye amegãxi nyanyrawo. 16 Woƒe kutsetse miatsɔ adze si woe. ɖe
woate ŋu agbe waintsetse le aŋɔka dzi alo gbotsetse le ŋuti dzia? 17 Nenema ke ati
nyui sia ati nyui tsea ku nyui, ke ati manyomanyo tsea ku gbegblẽ. 18 Ati nyui mate
ŋu atse ku gbegblẽ o, eye ati manyomanyo mate ŋu atse ku nyui o. 19 Ati sia ati si
metsea ku nyui o la, wolãnɛ dea dzo me. 20 Eya ta woƒe kutsetse miatsɔ adze si
woe.
Mateo
21
“Nye menya wo o”
(Luka 13:25-27)
21 “ Menye ame sia ame si le yɔyem be, ‘Aƒetɔ, Aƒetɔ’ la ayi dziƒofiaɖuƒe la me o
negbe ame siwo le Fofonye si le dziƒo la ƒe lɔlɔ̃nu wɔm la koe. 22 Ame geɖewo
agblɔ nam le ŋkeke ma dzi be, ‘Aƒetɔ, Aƒetɔ, ɖe menye wò ŋkɔ mee míegblɔ nya ɖi
le, míenya gbɔgbɔ ʋɔ̃wo do goe le, eye míewɔ nukunu geɖewo le oa?’ 23 Ekema
maɖo eŋu na wo be, ‘Nyemenya mi o, mite ɖa le gbɔnyue, mi nu vɔ̃ɖi wɔlawo!’”
Gɔmeɖoɖo evewo
(Luka 6:47-49)
24 “Ame siwo katã sea nye nyawo eye wowɔna ɖe wo dzi la le abe ame si nya nu, tu
eƒe xɔ ɖe agakpe sesẽ dzi ene. 25 Togbɔ be tsi dza sesῖe, tɔwo ɖɔ eye ahom tu hã la,
xɔa meʋã o, elabena woɖo egɔme anyi ɖe agakpe sesẽ dzi.
26 Gake ame siwo sea nye nyawo ke wometsɔa ɖeke le wo me o la sɔ kple
ŋutsu movitɔ si tu eƒe xɔ ɖe ke me. 27 Azɔ esi tsi dza, tɔwo ɖɔ, eye ahom tu, lɔ xɔ
sia ɖe eme ko la, emu dze anyi gbloo.”
28 Esi Yesu wu nya siawo gbɔgblɔ nu la, ameha la ƒe nu ku le eƒe nufiafia la
ta, 29 elabena efia nu wo abe ame si si tɔnyenye le ene ke menye abe woƒe sefialawo
ene o.
Mateo
22
Yesu yɔ dɔ anyidzela aɖe
(Marko 1:40-45; Luka 5:12-16)
8 Esi Yesu ɖi tso togbɛa dzi gbɔna la, ameha gã aɖe kplɔe ɖo hoo. 2 Kasia
anyidzela aɖe zɔ tẽ va dze klo ɖe ekɔme, eye wòde ta agu nɛ heɖe kuku nɛ be,
“Aƒetɔ, ne èlɔ̃ la, yɔ dɔm ne ŋutinye nakɔ.” 3 Enumake Yesu ka asi ŋutsua ŋu gblɔnɛ
bena, “Ẽ, melɔ̃. ŋutiwò nekɔ.” Ale anyidɔ la bu le eŋuti enumake.
4 Yesu yi dzi gblɔ nɛ bena, “Mègatɔ be yeaƒo nu na ame aɖeke o, ke boŋ dze
mɔ enumake nàyi Osɔfowo gbɔ be woado wò akpɔ, eye ne èyina la tsɔ nunana si
Mose ƒe se bia tso anyidɔléla siwo ƒe ŋuti kɔ si la ɖe asi. Esia afia amewo katã be
èkpɔ dɔyɔyɔ vavã.”
Yesu da gbe le Kapernaum ʋafia la ƒe dɔla ŋuti
(Luka 7:1-10; Yohanes 4:43-54)
5 Esi Yesu va ɖo Kapernaum la, Roma srafowo ƒe amegã aɖe va egbɔ va ɖe kuku ne
vevie be woakpe ɖe ye ŋu. 6 Egblɔ be, “Aƒetɔ, nye dɔla le lãmetutudɔ lém, emlɔ anyi
ɖe aƒeme eye wòle vevesese gã aɖe me.
7 Yesu gblɔ nɛ bena, “Enyo, megbɔna be mada gbe le wò dɔnɔ la ŋu na wò.”
8 Ke aʋafia la ya gblɔ nɛ bena, “Aƒetɔ, nyemedze be nàva nye aƒeme o, eye
mehiã be nàva hã o. Boŋ la, gblɔ nya ɖeka ko eye nye dɔla la ƒe lãme asẽ. 9 Elabena
nye hã mele kpɔkplɔ te eye asrafowo le nye hã tenye. Mete ŋu gblɔna na ame sia be,
‘Heyi’, eye wòyina, alo mete ŋu gblɔna na ame kemɛ be, ‘Va,’ eye wòvana. Nenema
Mateo
23
ke megblɔna na nye subɔvi be, ‘Wɔ nu si kple ekemɛ’ eye wòwɔnɛ.
10 Yesu ƒe nu ku le aʋafia la ƒe nyawo ŋuti, azɔ etrɔ ɖe ameha la ŋu gblɔ
bena, “Le nyateƒe me la, nyemekpɔ xɔse sia tɔgbi le Israel nyigba dzi kpɔ o. 11 Mele
egblɔm na mi bena, ame geɖewo atso xexeame ƒe dzogoe eneawo katã dzi age ɖe
dziƒofiaɖuƒe la me, eye woanɔ anyi kple Abraham, Isak kpakple Yakɔb. 12 Ke
Israelvi geɖewo, ame siwo wodzra Fiaɖuƒea ɖo ɖi na ya la woatsɔ wo aƒu gbe ɖe
viviti tsiɖitsiɖi la me, afi si avifafa kple aɖukliɖuɖu lanɔ.” 13 Yesu gatrɔ ɖe Roma
srafowo ƒe amegã, ŋu azɔ hegblɔ nɛ bena, “Heyi aƒe me, nu si nèxɔ se be ate ŋu ava
eme la, va eme xoxo.” Le ɣeyiɣi si me Yesu nɔ nya siawo gblɔm la, dɔla la ƒe lãme
sẽ.
Yesu da gbe le Petro lɔ̃xo kple dɔléla bubu geɖewo ŋuti
(Marko 1:29-34; Luka 4:38-41)
14 Esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo va Petro ƒeme la, ekpɔ Petro lɔ̃xo wònɔ anyimlɔƒe le
ŋudza sesẽ aɖe lém. 15 Yesu ka asi eƒe asi ŋu eye eƒe lãme sẽ enumake. Ale wòtso
yi ɖaɖa nu va ɖo wo kɔme.
16 Gbe ma gbe ƒe fiẽ la, wokplɔ ame geɖe siwo gbɔgbɔ vɔ̃wo nɔ fu ɖem na la
va Yesu gbɔe, eye ne wògblɔ nya ɖeka ko la gbɔgbɔ vɔ̃awo doa go le ameawo me
hesina dzona. Ale dɔnɔwo katã ƒe lãme sẽ. 17 Esia wu nyagblɔɖila Yesaya ƒe nyawo
nu be, “Etsɔ míaƒe vevesesewo eye wòde ta míaƒe dɔlélewo te.”
Mateo
24
Yesu yomedzelawo ƒe fukpekpe
(Luka 9:57-62)
18 Esi Yesu va kpɔe bena ame geɖewo ŋutɔ wu ganɔ ye gbɔ vam la, edɔ eƒe
nusrɔ̃lawo be woadi ʋu aɖe vɛ ne yewoatsɔ atso ƒu lae ayi eƒe go evelia dzi.
19 Hafi wòaɖe nu le nya sia me la, Yudatɔwo ƒe agbalẽfiala aɖe va egbɔ va
gblɔ nɛ bena, “Nufiala, nye la makplɔ wò ɖo ayi afi sia afi si nàyi la.” 20 Yesu ɖo
eŋu nɛ bena, “Abeiwo la do le wo si wonɔa eme, xeviwo la atɔ le wo si wonɔa eme,
gake nye Mesia la, teƒe aɖeke meli maziɔ ta ɖo o.”
21 Ame bubu aɖe si nye eyomedzelawo dometɔ ɖeka la hã gblɔ nɛ be,
“Aƒetɔ, ɖe mɔ nam mayi aɖaɖi fofonye hafi atrɔ va nɔ yowòme.”
22 Yesu ɖo eŋu na ame sia hã bena, “Dze yonyeme fifia eye nàɖe asi le ame
siwo ku le gbɔgbɔ me la ŋu be woaɖi woƒe ame kukuwo.”
Yesu tsi ahom nu le ƒudzi
(Marko 4:35-41; Luka 8:22-25)
23 Azɔ ege ɖe ʋu aɖe me eye eya kple eƒe nusrɔ̃lawo dze mɔ ɖo ta ƒua ƒe go evelia
dzi. 24 Kasia, ahom dziŋɔ aɖe de asi tutu me, eye ƒutsotsoewo de asi ŋeŋe me ɖe ʋua
me. Le ɣeyiɣi sia katã me la, Yesu ŋutɔ ya nɔ alɔ̃ dɔm bɔkɔɔ. 25 Nusrɔ̃lawo te ɖe
eŋu enumake. Woʋuʋui sesῖe eye, wogblɔ nɛ kple ɣli bena, “Aƒetɔ, ɖe mí! Míele
nyɔnyrɔm!” 26 Yesu gblɔ na wo be, “O, mi xɔseʋeetɔwo! Nu ka wɔ miele dzodzom
nyanyanya kple vɔvɔ̃ ale?” Azɔ etsi tre eye wòblu ɖe ahom la ta. Ya sesẽ la tɔ
enumake eye ɖoɖoe zi toŋtoŋtoŋ le ƒua dzi.
27 Nusrɔ̃lawo ƒe nu ku ŋutɔ ale wogblɔ na wo nɔewo be, “Ame ka gɔ̃e
Mateo
25
nye esia, be yaƒoƒo kple ƒu hã ɖoa toe mahã?”
Yesu da gbe le Gadaratɔ, gbɔgbɔ vɔ̃ tɔ aɖe, ŋu
(Marko 5:1-20; Luka 8:26-39)
28 Esi wova ɖi go ɖe ƒua ƒe go kemɛ dzi le Gadaratɔwo ƒe anyigba me la ame eve
siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo xɔ aƒe ɖo la ƒu du va kpee. Ame eve siawo ƒe nɔƒe enye
ameɖibɔ aɖe si le afi ma la me. Ne gbɔgbɔ vɔ̃awo ɖo mo na wo la wowɔa nu baɖa,
baɖawo ale be ame aɖeke megatea ŋu toa afi ma lɔƒo o.
29 Esi wokpɔ Yesu la wode asi ɣlidodo me be, “Nu ka dim wò Mawu Vi
nèle le mía gbɔ. ɖe nèva be yeawɔ fu mí hafi ɣeyiɣia naɖoa?” 30 Le ɣemaɣi me la
aƒehawo ƒe ha gã aɖe nɔ nu ɖum le afi ma lɔƒo. 31 Ale gbɔgbɔ vɔ̃awo ɖe kuku na
Yesu gblɔ nɛ be, “Ne ènya mí do goe le ame siawo me la na míayi aɖage ɖe ha
mawo me.”
32 Yesu gblɔ na wo bena, “Meɖe mɔ na mi, eya ta mido le ameawo me
kaba!”
Ale gbɔgbɔ vɔ̃awo do go le ame eveawo me yi ɖage ɖe hawo me, enumake
hawo katã woƒu du sesῖe yi ɖage ɖe atsiaƒu si le afi ma la me doo eye wono tsi ku.
33 Hakplɔlawo ŋutɔ lé du tsɔ sesῖe yi du si te ɖe afi ma ŋu la me eye wogblɔ nu si
dzɔ la na dua me tɔwo. 34 Ale le ɣeyiɣi kpui aɖe ko megbe la, dua me tɔwo katã do
bibibi va ƒo zi ɖe Yesu ŋu. Esi wokpɔe la, woɖe kuku nɛ vevie be wòadzo le yewo ƒe
anyigba me.
Mateo
26
Yesu da gbe le lãmetututɔ aɖe ŋu
(Marko 2:1-12; Luka 5:17-26
9 Yesu gatrɔ ge ɖe ʋua me eye wòtso ƒua va Kapernaum, si nye wo de du me. 2
Eɖo afi ma eteƒe medidi hafi ame aɖewo kɔ ŋutsu aɖe si le lãmetutudɔ lém la ɖe aba
dzi vɛ o. Yesu kpɔ be ameawo ƒe xɔse de to ŋutɔ eya ta egblɔ na dɔnɔa be, “Vinye,
wò dzi nedze eme elabena wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò.”
3 Yudatɔwo ƒe agbalẽfiala aɖewo siwo nɔ afi ma se nya siwo do le Yesu nu
la gblɔ na wo nɔewo be, “Nu ka! Ame sia gblɔ busunya.”
4 Yesu nya nu si nɔ woƒe susu me eya ta wòbia wo be, “Nu ka tae miele nu
baɖa siawo ƒomevi susum ɖo? 5 Mibu eŋuti kpɔ be kae le bɔbɔe wu, be woagblɔ na
ame sia be, “Wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò,” alo woagblɔ nɛ be, “Ttsi tre nazɔ azɔli?” 6
Ke azɔ mafia mi bena ŋusẽ le nye Mesia la si le anyigba sia dzi be matsɔ nu vɔ̃wo
ake eye mada gbe le ame sia ŋu atsɔ aɖe ŋusẽ sia fia mi.” Esi wògblɔ nya sia vɔ la
etrɔ ɖe dɔnɔ la gbɔ gblɔ nɛ bena, “Tsi tre nàŋlɔ wò aba ne nàzɔ ayi aƒeme!”
7 Amea tsi tre enumake eye wofɔ eƒe nuwo heyi aƒeme.
8 Nyateƒe vɔvɔ̃ gã aɖe dze ameha bliboa dzi elabena Yesu wɔ nukunu sia le
woawo ŋutɔ ŋkume wokpɔ eye wokafu Mawu be wòna ŋusẽ triakɔ sia tɔgbi
amegbetɔ!
Mateo
27
Mateo yɔyɔ
(Marko 2:13-17; Luka 5:27-32)
9 Esi Yesu nɔ tsa ɖim le dua me la, eva ke ɖe dugadzɔla aɖe si woyɔna be Mateo la
ŋu wònɔ afi si wodzɔa duga lena. Yesu yɔe gblɔ nɛ bena, “Va dze yonyeme ne nàzu
nye nusrɔ̃la.” Mateo tso enumake eye wòdze Yesu yome.
10 Gbe ma gbe fiẽ la, Mateo kpe Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo be woava ɖu nu le
ye gbɔ. Dugadzɔlawo kple ame baɖa bubuwo hã nɔ amekpekpeawo dome.
11 Faristitɔwo kpɔ esia ale wobia Yesu ƒe nusrɔ̃lawo bena, “Nu ka ta miaƒe
nufiala dea ha kple ame tovowo abe esiawo ene?”
12 Yesu se nya la eye wòɖo eŋu na wo gblɔ be, “Ame siwo mele dɔ lém o la
mehiã atikewɔla o, ke boŋ ame siwo le dɔ lém lae hiãe.” 13 Ke miyi miasrɔ̃ nu si
gblɔm mawunya sia le, ‘Nublanuikpɔkpɔe medi ke menye vɔsa o. Nyemeva be mayɔ
ame dzɔdzɔewo o ke boŋ nu vɔ̃ wɔlawo.”
Wobia nya Yesu le nutsitsidɔ ŋuti
(Marko 2:18-22; Luka 5:33-39)
14 Gbe ɖeka la, Yohanes Mawutsidetanamela ƒe nusrɔ̃lawo va Yesu gbɔ va biae
bena, “Nu ka ta wò nusrɔ̃lawo metsia nu dɔna abe ale si mí kple Faristɔwo míewɔna
ene o?”
15 Yesu hã bia wo bena, “ɖe wòle be ŋugbetɔsrɔ̃ la xɔlɔ̃wo nanɔ konyi fam,
atsi nu adɔ le esime wòle wo gbɔa? ɣeyiɣi li gbɔna esime woakplɔe adzoe le wo
gbɔ. Eye le ɣemaɣi me la woagbe nuɖuɖu àtsi nu adɔ.
16 “Womate ŋu atsɔ avɔnuɖeɖi yeye aka avɔ vuvu o, ne wowɔe alea la,
Mateo
28
avɔ yeye la aho ɖa le teƒea eye teƒe si vuvu la akeke ɖe edzi wu. 17 Nenema ke
womekɔa aha yeye hã ɖe lãgbalẽgolo xoxo me o. Ne wowɔ esia la, aha yeyea ƒe
ŋusẽ awɔe be lãgbalẽgolo la awo eye ahaa kple goe la katã dome agblẽ. Lãgbalẽgolo
yeye ko me woate ŋu akɔ aha yeye ɖo. Ekema aha la kple lãgbalẽgolo la katã woanɔ
dedie.”
Yairo vinyɔnuvi kple nyɔnu si le ʋusisidɔ lém
(Marko 5:21-43; Luka 8:40-56)
18 Le esime Yesu nɔ nya siawo gblɔm la, Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe ƒe amegã aɖe va egbɔ
va dze klo ɖe eŋkume hede ta agu nɛ. Egblɔ na Yesu bena, “Vinye nyɔnuvi ku fifi
laa gake mexɔe se be àte ŋu ana wòagagbɔ agbe nenye be èva ka asi eŋu ko.”
19 Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dze mɔ ɖo ta amegã la ƒeme enumake. 20 Esime
wonɔ mɔa dzi la, nyɔnu aɖe si nɔ ʋusisidɔ lém ƒe wuieve sɔŋ la va ka asi eƒe awu to,
21 elabena egblɔ le eɖokui me bena, “Nenye be meka asi eƒe awu to teti ko la nye
lãme asẽ.”
22 Yesu trɔ ɖe eŋu gblɔ nɛ bena, “Vinyɔnuvi wò dzi nedze eme! Wò xɔse la
da gbe le ŋuwò.” Tso gbe ma gbe ko la nyɔnua ƒe dɔa vɔ nɛ keŋ.
23 Esi Yesu va ɖo amegã la ƒeme la, ekpɔ be amewo nɔ avi fam hoo eye
wonɔ kuteƒehawo hã dzim. 24 Yesu gblɔ bena, “Mina ame siawo katã nado go le xɔa
me, elabena ɖevia meku o, alɔ̃ ko dɔm wòle.” Ame siwo se nya sia la, ɖu fewu le
eŋu eye ɖewo hã koe.
25 Wonya ameha la do goe mlɔeba. Yesu yi afi si wotsɔ ɖevia mlɔe eye wòlé
eƒe alɔnu. Nyɔnuvia nyɔ enumake, eti kpo ɖi le aba la dzi eye eƒe lãme se. 26
Mateo
29
Nukunu sia kaka ɖe nuto bliboa katã me le ɣeyiɣi kpui aɖe ko megbe.
Yesu da gbe le ŋkuagbãtɔ eve aɖewo ŋu
27 Le esime Yesu do go le aƒea me yina la, ŋkuagbãtɔ eve kplɔe ɖo henɔ ɣli dom
bena, “O, Fia David Vi la, kpɔ nublanui na mí.”
28 Wokplɔe ɖo yi aƒe si me wòge ɖo, tete Yesu trɔ ɖe wo ŋu bia wo bena,
“Miexɔe se be mate ŋu aʋu ŋku na mia?” Woɖo eŋu nɛ be, “Ẽ, Aƒetɔ”
29 Ale Yesu tɔ asi woƒe ŋkuwo hegblɔ bena, “Ava eme na mi abe alesi
miexɔe se ene.”
30 Enumake woƒe ŋkuwo ʋu eye wode asi nukpɔkpɔ me nyuie. Yesu de se na
wo vevie bena womegagblɔ nu si yewɔ na wo la na ame aɖeke o. 31 Ke ameawo
mewɔ ɖe Yesu ƒe didi dzi o ke boŋ esi wodo ɖe ablɔ dzi ko la, wokaka nu si wò wɔ
na wo la eye eƒe ŋkɔ ɖi hoo le du bliboa me.
Gbedada le aɖetututɔ aɖe ŋu
32 Esi Yesu nɔ dzodzom le afi ma la, wokplɔ ŋutsu aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ eye
metea ŋu ƒoa nu o la, vɛ nɛ. 33 Yesu nya gbɔgbɔ vɔ̃ la do goe le amea me eye wòde
asi nuƒoƒo me enumake. Nu sia wɔ nuku na ameha la ŋutɔ ale wogblɔ na wo nɔewo
be, womekpɔ esia tɔgbi kpɔ le Israel o.
34 Ke Farisitɔwo ya gblɔ bena, “Nu si ta wòte ŋu nyaa gbɔgbɔ vɔ̃woe nye be,
Satana si nye gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la le eya ŋutɔ me.”
Mateo
30
Yesu ƒe nublanuikpɔkpɔ na ame
35 Yesu tsa le kɔƒe kple du siwo le ŋuto ma me la me kpe ɖo, enɔ mawunya gblɔ le
Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒewo eye wònɔ gbeƒã ɖem Fiaɖuƒe la ƒe nyanyui la hã. Eye afi sia
afi si wòyi la, eda gbe le dɔ vovovo lelawo ŋu. 36 Ameawo ƒe nu wɔ nublanui nɛ
ŋutɔ elabena nu geɖewo nɔ fu ɖem na wo ke womenya nu si woawɔ o. ɖe ko wonɔ
abe alẽha si kplɔla meli na o la ene.
37 Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Agblemenukuawo sɔ gbɔ ŋutɔ gake
dɔwɔlawo mesɔ gbɔ kura o! 38 Eya ta mibia agbletɔa be wòadɔ dɔwɔla geɖewo ɖa
be woawɔ dɔ le eƒe agblewo me.”
Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo
(Marko 3:13-19; Luka 6:12-16)
10 Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo ƒo ƒui eye wòna ŋusẽ wo bena woanya
gbɔgbɔ vɔ̃wo le amewo me eye woada dɔ sia dɔ ƒomevi.
2 Eƒe nusrɔ̃la wuieveawo ƒe ŋkɔwoe nye:
Simɔn, ame si woyɔna hã be Petro,
Andrea, Petro nɔvi,
Yakobo kple nɔvia Yohanes,
ame siwo nye Zebedeo viwo,
3 Filipo,
Bartolomeo,
Toma,
Mateo
31
Mateo, nudzɔla,
Yakobo, Alfeo vi,
Tadeo,
4 Simɔn, ame si nye Zelote dunyaheha sesẽ aɖe me nɔla, kple
Yuda Iskariɔt, ame si va dee asi.
Yesu dɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo
(Marko 6:7-13 ; Luka 9:1-6)
5 Yesu dɔ wo kple gbedeasi sia bena, “Migayi Trɔ̃subɔlawo kple Samariatɔwo gbɔ o,
6 ke boŋ miyi Israelvi siwo nye Mawu ƒe alẽ bubuwo ko gbɔ. 7 Miyi miagblɔ na wo
be, dziƒofiaɖuƒe la va ɖo vɔ. 8 Mida gbe le dɔnɔwo ŋu, migbɔ agbe ame kukuwo,
mina anyidzelawo ŋuti nakɔ, eye minya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le amewo me. Mina nu
amewo faa abe ale si wona mi ene!
9 “Migatsɔ ga aɖeke ɖe asi le miaƒe mɔzɔzɔ me o, 10 migatsɔ mɔzɔkotoku
kple awu bubuwo hã ɖe asi o, eye migatsɔ afɔkpa alo atizɔti teti hã o, elabena ame
siwo ŋu miakpe ɖo la woawo hã akpɔ mia dzi. 11 Nenye be miege ɖe du alo kɔƒe
aɖe me la, midi mawuvɔ̃la aɖe mianɔ eƒe aƒeme va se ɖe esime miadzo ayi du bubu
me. 12 Nenye be miege ɖe aƒe aɖe me la, mido gbe na ameawo eye miabia dzeƒe
ɖokuibɔbɔtɔe. 13 Nenye be aƒea me tɔwo nye mawuvɔ̃lawo vavã la, miyra wo, ke ne
womele nenema o la migayra wo o. 14 Ne du aɖe me tɔwo alo aƒe aɖe me tɔwo
mexɔ mi o eye womeɖo to mi o la, miʋuʋu miaƒe afɔke ɖe teƒea ne miadzo. 15 Le
nyateƒe me la, anɔ bɔbɔe na Sodom kple Gomoratɔwo le ʋɔnudrɔ̃gbe la tsɔ wu ame
siawo ƒomevi.
Mateo
32
Yometitiwo
(Marko 13:9-13; Luka 21:12-17)
16 “Mele mia dɔm abe alẽwo ene ɖo ɖe amegaxi nyanyrãwo dome. Midze aye abe
dawo ene eye midza abe akpakpawo ene. 17 Mikpɔ mia ɖokuiwo dzi nyuie le
amewo ŋuti! Elabena woalé mi adrɔ̃ ʋɔnu mi eye woaƒo mi le woƒe ƒuƒoƒewo. 18 Ẽ,
le tanye la, woadrɔ̃ ʋɔnu mi le fiawo kple mɔmefiawo ŋkume. Ke esia anye
mɔnukpɔkpɔ na mi bena miagblɔ nyanyui la na wo, kple xexeame katã.
19 “Nenye be wolé mi, kplɔ mi yi ʋɔnui la, migatsi dzi le nu si miagblɔ ŋuti
o, elabena woade nya si tututu wòle be miagblɔ la susu me na mi le ɣeyiɣi ma me.
20 Elabena menye mia ŋutɔwoe aƒo nu o, ke boŋ mia Fofo si le dziƒo la ƒe Gbɔgbɔe
le nu ƒo ge to mia dzi.
21 “Mele egblɔm na mi bena, nɔvi ahe nɔvi ade ku me, eye vi fofo ade ye
ŋutɔ via asi. ɖeviwo atsi tre ɖe woawo ŋutɔ dzilawo ŋuti eye woahe wo ade ku me.
22 Ame sia ame alé fu mi elabena mienye tɔnyewo. Ke mia dometɔ siwo anɔ tsitre
sesῖe va se ɖe nuwuwua la akpɔ ɖeɖe.
23 “Nenye be woti mia yome le du aɖe me la misi yi du bubu me! Nye Mesia
la, matrɔ agbɔ hafi miawu tsatsa le Israel duwo katã me nu. 24 Minyae be sukuvi
menyaa nu wua eƒe nufiala o. Nenema ke subɔla mewua eƒe aƒetɔ o. 25 Ne nya aɖe
dzɔ ɖe nufiala aɖe dzi la eƒe sukuvi la hã dzie nye ma wòdzɔ ɖo. Nenema ke ne nya
aɖe dzɔ ɖe Aƒetɔ aɖe dzi la, eƒe subɔvi hã le eme. Eye esi wònye be woyɔ Nye, Aƒea
dzi kpɔla be Satana ɖe, aleke woayɔ miawoe?
Mateo
33
Ame si miavɔ̃
(Luka 12:2-7)
26 Migavɔ̃ ame siwo ado ŋɔdzi na mi la o. Elabena ŋkeke li gbɔna esi dzi woƒe
adzame ɖoɖo vɔ̃wo adze le gaglãgbe eye ame sia ame akpɔ nyateƒe la adze sii.
27 “Nya siwo gblɔm mele na mi le bebeme la migblɔ wo kple ɣli le
gaglãgbe. Ne mede gbe to me na mi la, miɖe gbeƒãe.
28 “Migavɔ̃ na ame siwo ate ŋu awu miaƒe ŋutilã ke womate ŋu awu miaƒe
gbɔgbɔ o la gbeɖe o! Mivɔ̃ Mawu ɖeka hɔ̃ ame si si ŋusẽ le be wòawu ŋutilã kple
gbɔgbɔ la siaa le dzomavɔ me. 29 Nenie enye atsutsrɔe ɖeka ƒe home? Menye
pesewa ɖeka pɛ ye oa? Ke wo dometɔ ɖeka pɛ hã meli si ta mia Fofo la mekpɔna o.
30 Miaƒe taɖa katã gɔ̃ hã ƒe xexlẽme le nyanya me na Mawu. 31 Eya ta migatsi dzi
ɖe naneke ŋu o, miawo la miexɔ asi na Mawu tsɔ wu atsutsrɔewo.
Kristo me ʋuʋu le amewo gbɔ
(Luka 12:8-9)
32 “Ame sia ame si aʋu menye le dutoƒo la, nye hã maʋu eme le Fofo la gbɔ le
dziƒo. 33 Ke ne ame aɖe gbe nu le gbɔnye le dutoƒo la, nye hã magbe nu le egbɔ le
Fofonye gbɔ le dziƒo.
Menye ŋutifafa o, ke boŋ yi
(Luka 12 :51-53, 14-26-27)
34 “Migabu xaa bena meva be mahe ŋutifafa va anyigba dzi o. Nyemeva be mahe
ŋutifafa vɛ o ke boŋ yie metsɔ vɛ, 35 elabena meva be mana, ŋutsu natso ɖe
Mateo
34
fofoa ŋu, vinyɔnu natso ɖe dadaa ŋu eye lɔ̃xoyɔvi natso ɖe lɔ̃xoa ŋu. 36 Ame ƒe
futɔwo anye eya ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo.’ 37 Nenye be mielɔ̃ mia dadawo kple mia
fofowo tsɔ wum la ekema miedze be mianye tɔnyewo o, nenema ke ne mielɔ̃ mia
vinyɔnuwo kple mia viŋutsuwo tsɔ wum la, miedze be mianye tɔnyewo o. 38 Ne
ame aɖe gbe metsɔ eƒe atitsoga dze yonyeme o la eya hã medze anye tɔnye o.
39 “Nenye be ame aɖe ku ɖe eƒe agbe ŋuti vevie la, abui ke ne ame aɖe tsɔ
eƒe agbe na ɖe tanye la, akpɔe le nuwuwua.
Fetuwo
(Marko 9:41)
40 “Ne ame aɖe xɔ mi nyuie la nyee wòxɔ. Eye ne ame aɖe xɔm la exɔ Mawu si
dɔm ɖa. 41 Nenye be miexɔ nyagblɔɖila aɖe be enye Mawu ƒe ame la, woana fetu si
ƒomevi woana nyagblɔɖila la ke miawo hã, eye nenye be miexɔ ame nyui siwo vɔ̃a
Mawu le wòƒe dzadzɛnyenye ta la woana fetu si woana woawo hã mi.
42 Ne ame aɖe ana tsi fafɛ kplu ɖeka ame gblɔe siawo dometɔ ɖeka, be enye
nye nusrɔ̃la ta la, mele egblɔm na mi le nyateƒe me be, eƒe fetu matsi eŋu o.”
Yohanes dɔ eƒe nusrɔ̃lawo ɖe Yesu gbɔ
(Luka 7:18-35)
11 Esi wòde se na nusrɔ̃la wuieveawo alea vɔ megbe la, Yesu ŋutɔ dze mɔ nɔ
mawunya gblɔm le duwo me nɔ yiyim, abe ale si wòɖoe da ɖi ene.
2 Yohanes Mawutsidetanamela, ame si nɔ gaxɔ me le ɣeyiɣi siawo me la se
Mateo
35
nukunu gbogbo siwo katã Mesia la nɔ wɔwɔm. Le esia ta edɔ eƒe nusrɔ̃lawo ɖo ɖe
Yesu gbɔ be woabiae be, 3 “Wò tututue nye ame si ƒe vava míele mɔ kpɔm na loo
alo ame bubu aɖe gali gbɔna?”
4 Wova bia nya sia Yesu eye wòɖo eŋu na wo bena, “Mitrɔ yi Yohanes gbɔ
ne miagblɔ nukunu siwo katã mewɔ miekpɔ la nɛ. 5 Migblɔ nɛ be, meʋu ŋku na
ŋkunɔwo, mena be tekunɔwo alo bafawo le azɔli zɔm, anyidzelawo ŋuti kɔ eye
tokunɔwo le nu sem, nenema ke mena be ame kukuwo le agbe gbɔm, migblɔ ale si
mele nyanyui la gblɔm na ame dahewo la hã nɛ. 6 Migblɔ nya sia hã nɛ be, ‘Woayra
ame siwo xɔa dzinye sena ɖikeke manɔmee.’”
Yesu ɖi ɖase le Yohanes ŋu
7 Esi Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo nɔ dzodzom la, Yesu dze nuƒoƒo na ameha la tso
Yohanes ŋu gɔme be, ‘Nu ka miedo go yi gbedzi be miakpɔ? Aƒla si ya le ƒoƒoma? 8
Ne mele eme nenema o la, nu kae miedo go be miakpɔ? Ame si do awu nyuiwoa?
Ao, ame siwo do awu nyuiwo la le fiasãwo me. 9 Ekema nu kae miedo go ɖakpɔ?
Nyagblɔɖila aɖea? Ẽ, gake mele egblɔm na mi be ewu nyagblɔɖila gɔ̃ hã. 10 Elabena
Yohanes enye ame si ŋu woŋlɔ ɖi le be, ‘Madɔ nye dɔla ɖe ŋgɔwò, ame si adzra wò
mɔ ɖo hafi nàva.’
11 “Enye nyateƒe be, le amegbetɔƒomea katã dome la, ame aɖeke mede ŋgɔ
wu Yohanes Mawutsidetanamela o. Ke megale egblɔm na mi kple kakaɖedzi hã be,
ame suetɔ kekeake si le dziƒofiaɖuƒea me la kɔ wu eya amea! 12 Tso Yohanes
Mawutsidetanamela ƒe ŋkekewo me va se ɖe fifia la, dziƒoƒiaɖuƒe la le ŋgɔ yim
ŋusẽtɔe eye ŋkumesesẽtɔwoe le eham. 13 Elabena se la, kple nyagblɔɖilawo katã
Mateo
36
va se ɖe Yohanes dzi gblɔẽ da ɖi, 14 eye ne miedi be yewoaxɔ nya siwo gblɔm mele
la, ekema minyae be, Yohanes enye Eliya, ame si nyagblɔɖilawo gblɔ be ava do ŋgɔ.
15 Ne ame aɖe le klalo be yease nu la, nesee azɔ!
16 “Aleke magblɔ tso dukɔ sia ŋuti? Ame siawo le abe ɖevi siwo le fefem
hele gbɔgblɔm na wo nɔewo be, 17 ‘Míedzi dzidzɔhawo na mi gake miekpɔ dzidzɔ
o, eya ta míedzi kuhawo gake miefa konyi hã o!’ 18 Yohanes Mawutsidetanamela
menoa wain teti hã o, eye wòtsia nu dɔna zi geɖe, gake miegblɔ be, gbɔgbɔ vɔ̃ le
eme. 19 Ke nye Mesia la, meɖua nu, noa nu, eye miawo ke miegblɔ tso ŋunye be,
nutsuɖula kple ahatsunolae wònye, eye wòdea ha kple nu vɔ̃ wɔlawo! “Ke Mawu ƒe
nunya tsoa afia na eɖokui to eƒe nuwɔnawo me.”
Babadodo na du siwo metrɔ dzime o
(Luka 10:13-15)
20 Azɔ Yesu he nya ɖe du siwo me wòwɔ eƒe nukunu geɖewo le la ŋu elabena
wogbe be yewomaxɔ Mawu dzi se o.
21 Egblɔ le wo ŋu be, “Baba na mi, Korazin kple Betsaida! Elabena ɖe
wònye Tiro kple Sidɔn siwo nye du vɔ̃ɖiwo la mee mewɔ nukunu siwo mewɔ le
miaƒe ablɔwo me le la, ne du mawo me tɔwo tsɔ ɖokuibɔbɔ kple vevesese dzudzɔ nu
vɔ̃ wɔwɔ xoxo. 22 Le nyateƒe me la anɔ bɔbɔe na Sidɔn kple tiro le ʋɔnudrɔ̃gbe la tsɔ
wu mi! 23 Eye wò Kapernaum, togbɔ be wode bubu gã aɖe ŋuwò hã la, àyi dzomavɔ
la me, elabena ne Sodom mewɔ nukunu klitsu siwo mewɔ le mewò le la, ne
wometsrɔ̃ dua o ke boŋ anɔ anyi va se ɖe egbe. 24 Le nyateƒe me la, anɔ bɔbɔe na
Sodom le ʋɔnudrɔ̃gbe la tsɔ wu wò.”
Mateo
37
Miva gbɔnye eye miadzudzɔ
(Luka 10:21-22)
25 Le ɣeyiɣi sia me, Yesu do gbe ɖa bena, “O Fofonye, dziƒo kple anyigba ƒe Aƒetɔ,
meda akpe na wò bena nèɣla nyateƒe la ɖe ame siwo bu wo ɖokuiwo nunyala gãwoe,
ke nèɖe nu siawo fia ɖevi suewo. 26 Ẽ, Fofo meda akpe be edze ŋuwò be nàwɔe
nenema!”
27 Egblɔ yi edzi be, “Fofonye tsɔ nu siwo katã nye nyateƒe la de asi nam.
Fofo la koe nya ame si ƒomevi Vi la nye, eye Vi la kple ame siwo Vi la ɖee fia la
koe nya Fofo la.”
Agbagbadzelawo kpekpe
28 Mite va gbɔnye mi ame siwo ŋu ɖeɖi te eye agba le mia wum la eye nye la mana
miadzudzɔ. 29 Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi eye miasrɔ̃ nu le gbɔnye,
elabena mefa, mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzime, eye miaƒe luʋɔwo agbɔ ɖe eme. 30
Elabena nye kɔkuti la tsɔtsɔ le bɔbɔe eye nye agba la le wodzoe.”
Sabat ŋkeke la ƒe Aƒetɔ
(Marko 2:23-28; Luka 6:1-5)
12 Gbe ɖeka la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo zɔ to bligble aɖewo me yina afi aɖe.
Gbe ma gbe nye Sabat ŋkeke. Dɔ nɔ nusrɔ̃lawo wum ɣemaɣi eya ta woŋe bli aɖewo
eye woklẽ wo heɖu.
2 Farisitɔ aɖewo kpɔ wo eye wohe nya ɖe Yesu ŋu gblɔ bena, “Wò nusrɔ̃lawo
Mateo
38
le sea dzi dam. Elabena wole nu ŋem le Sabat ŋkeke dzi.”
3 Ke Yesu bia wo be, “Miexlẽ nu si Fia David kple eŋutimewo wɔ esi dɔ wu
wo la oa? 4 Eya kple eŋutimewo yi gbedoxɔ me, eye woɖu abolo tɔxɛ si wòle be
Osɔfowo ko naɖu la. 5 Miexlẽe le Mose ƒe segbalẽa me kpɔ be Osɔfo siwo le dɔ
wɔm le gbedoxɔ me la kpɔ mɔ awɔ dɔ le Sabat ŋkekea dzi oa? 6 Le nyateƒe me la,
ame aɖe le afi sia si de ŋgɔ boo wu gbedoxɔ sia! 7 Mawunya aɖe gblɔ be,
‘Nublanuikpɔkpɔ dim mele tso mia gbɔ ke menye miaƒe vɔsawo o.’ Ne ɖe miese
mawunya sia gɔme la anye ne miahe nya ɖe ame siwo medze agɔ o la ŋu o. 8
Elabena Amegbetɔ Vi la, nye Aƒetɔ na Sabat ŋkekea gɔ̃ hã.”
Ame si titi lé asi na
(Marko 3:1-6; Luka 6:6-11)
9 Le esia megbe la, eyi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe 10 eye wòkpɔ ame aɖe si titi lé asi na le
afi ma. Farisitɔ siwo nɔ afi ma la biae enumake bena, “Ele sea nu be woada gbe le
ame ŋu le Sabat ŋkekea dzia?” Wonɔ mɔ kpɔm be aɖo eŋu be “E”, ale be yewoalée.
11 Ke Yesu ɖo eŋu na wo bena, “Nenye be alẽ wò ge ɖe vudo me le Sabat ŋkeke dzi
ɖe màɖee le eme oa? Àɖee le eme godoo! 12 Ke ɖe amegbetɔ ƒe agbe mele vevie tsɔ
wu alẽ tɔ oa? Eya ta enyo vavã be woawɔ dɔ nyui le Sabat ŋkekea dzi.” 13 Azɔ
egblɔ na ame si titi lé asi na bena, “Dzɔ wò asi”, eye esi wòdzɔe la, eƒe asi gaɖɔ ɖo
abe evelia ene.
14 Le nu si Yesu wɔ ta la, Farisitɔwo yɔ takpekpe kpata aɖe bena yewoawɔ
ɖoɖo ɖe ale si yewoawɔ alée awu ŋuti.
Mateo
39
Mawu ƒe Dɔla tiatia la
15 Yesu nya susu vɔ̃ si ɖom Farisitɔawo nɔ eya ta edzo le ƒuƒoƒea, ke ame geɖewo
kplɔe ɖo hoo eye wòda gbe le dɔnɔ siwo katã le wo dome la ŋu. 16 Ke exlɔ̃ nu wo
vevie be womegagblɔ nukunu siwo wɔm yele la na amewo o. 17 Esia wu Yesaya ƒe
nya si wògblɔ ɖi tso eŋuti nu bena,
18 “Nye kɔ nàkpɔ nye Dɔla la ɖa, kpɔ ame sia ɖa, eyae nye nye Ametiatia la.
Eyae nye nye Lɔlɔ̃tɔ, si ŋu nye luʋɔ kpɔa dzidzɔ le. Made nye Gbɔgbɔ eme eye
wòadrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo. 19 Mewɔa dzre alo doa ɣli o, eye mèle eƒe gbe se ge le
ablɔwo dzi hã o! 20 Mewɔa fu ame gblɔewo alo tsia woƒe mɔkpɔkpɔ suetɔ gɔ̃ hã nu
o. Le eƒe dziɖuɖu mlɔetɔ me la, atsi dzrehehe ɖe sia ɖe nu. 21 Eye eƒe ŋkɔ anye
xexeame katã ƒe mɔkpɔkpɔ.”
Yesu kple Belzebub
(Marko 3:20-30; Luka 11:14-23,12:10)
22 Azɔ wokplɔ ame aɖe, si me gbɔgbɔ vɔ̃ le, eye wònye ŋkuagbãtɔ kple aɖetututɔ la
va Yesu gbɔe eye wòda gbe le eŋu ale be wòte ŋu nɔ nu ƒom henɔ nu kpɔm nyuie hã.
23 Nukunu sia wɔ moya na ameha la ale gbegbe be wodo ɣli gblɔ be, “Alo ame siae
nye David Vi la?”
24 Esi Farisitɔwo se nukunu si Yesu wɔ la wogblɔ le wo ɖokuiwo me be,
“Ame sia tea ŋu nyaa gbɔgbɔ vɔ̃ le amewo me to Belzebub si nye gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe
fia la ƒe ŋusẽ me.”
25 Yesu nya nu si gblɔm wonɔ eya ta eɖo ŋu na wo bena, “Fiaɖuƒe si ma ɖe
akpa eve eye wotsi tre ɖe wo nɔewo ŋu la azu aƒedo. Eye du alo aƒe si ma hetsi
Mateo
40
tre ɖe ye ŋutɔ ɖokui ŋu la agbã. 26 Nenye be Satana gale Satana nyam le amewo me
la, ekema eya hã tsi tre ɖe eya ŋutɔ ɖokui ŋu. Ale ke lawɔ eƒe fiaɖuƒe la anɔ te
mahã? 27 Ne miele gbɔgblɔm be mele gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam kple Satana ƒe ŋusẽ ɖe,
ŋusẽ kae miaƒe amewo ya zãna ne wole gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam? Miaƒe amewo boŋ neɖo
nya si mietsɔ ɖe ŋutinye la ŋu na mi. 28 Nenye be Mawu ƒe Gbɔgbɔe metsɔ le
gbɔgbɔ vɔ̃wo nyami la, ekema minyae be mawufiaɖuƒe la va ɖo mia dome. 29 Nenye
be ame aɖe di be yeagbã Satana ƒe fiaɖuƒe la, ele nɛ be woalé Satana abla ɖe ka me
gbã. Eye mɔ sia dzi koe woate ŋu ato anya eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo le amewo me. 30 Misee
be ame si mele dzinye o la etsi tre ɖe ŋunye, eye ame si meƒoa ƒu nuwo kplim o la
eyae kanɛ hlẽna.
Nu vɔ̃ wɔwɔ ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe ŋu
31 Eya ŋuti mele egblɔm na mi be woatsɔ nu vɔ̃ sia nu vɔ̃ kple busunya sia busunya
ake amewo, ke busunya ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe ŋu ya la womatsɔe ake o. 32 Ne ame aɖe
agblɔ nya ɖe Amegbetɔvi la ŋuti la woatsɔe akee, ke ne ame aɖe agblɔ nya ɖe
Gbɔgbɔ Kɔkɔe ŋuti la womatsɔe akee le agbe sia kple agbe si le vava ge la me o.
Ati kple eƒe kutsetsewo
(Luka 6:43-45)
33 “Wotsɔa ati ɖe sia ɖe ƒe kutsetse tsɔna dzea sii. Ati nyui la, ku nyui wòtsena eye
ati manyomanyo hã tsea ku manyomanyo. 34 Mi, da ƒe dzidzimeviwo! Aleke mi
ame vɔ̃ɖi siawo miate ŋu agblɔ nya nyui aɖe? Elabena nya sia nya si ame gblɔna la
tso eƒe dzi me. 35 Ame nyui ƒe nuƒo fiana be nu nyui wɔwɔ yɔ eƒe dzi me. Ke
Mateo
41
ame vɔ̃ɖi ya ƒe dzi me yɔna fũ kple nu vɔ̃, eye eƒe nuƒo ɖea vɔ̃ɖivɔ̃ɖinyenye sia fiana.
36 Mele egblɔm na mi kple kakaɖedzi be, mia dometɔ ɖe sia ɖe ana akɔnta le nya
vlo ɖe sia ɖe si ado tso eƒe nu me la ŋu le ʋɔnudrɔ̃gbe la. 37 Eya ta minyae bena nya
si ado tso miaƒe nume fifia lae afia afi si mianɔ le ʋɔnudrɔ̃gbe la eye eyae woatsɔ
atso afia na mi loo, alo woatsɔ abu fɔ mi.’
Amewo bia dzesi
(Marko 8:11-12; Luka 11:29-32)
38 Tete Yudatɔwo ƒe agbalẽfialawo kple Farisitɔ aɖewo bia tso esi be, “Nufiala,
míedi dzesi kple nukunu aɖe tso gbɔwò.” 39 Yesu ɖo eŋu gblɔ na wo bena,
“Dzidzime vɔ̃ɖi wɔahasi le dzesi kple nukunu dim. Ke ɖeke meli wu nyagblɔɖila
Yona ƒe dzesi la o. 40 Elabena ale si Yona nɔ tɔmelã gã la ƒe dɔme ŋkeke etɔ̃ kple zã
etɔ̃ ene la, nenema ke nye Amegbetɔ Vi la hã manɔ anyigba ƒe tume ŋkeke etɔ̃ kple
zã etɔ̃. 41 Le ʋɔnudrɔ̃gbe la, Ninivetɔwo atsi tre ɖe dukɔ sia ŋuti eye woabu fɔ mi.
Elabena esi Yona gblɔ mawunya na wo la wotrɔ dzime, ɖe asi le woƒe nu tovowo
wɔwɔ ŋu hetrɔ ɖe Mawu gbɔ. Ke azɔ la, ame aɖe le mia dome si de ŋgɔ wu Yona
boo gake miegbe be yewomaxɔ edzi ase o. 42 Fianyɔnu si tso Sheba la atsi tre ɖe
dukɔ sia ŋu le ʋɔnudrɔ̃gbe eye wòabu fɔe, elabena exa ɖe Salomo ƒe nunya ta tso
didiƒe ke va egbɔ bena yease eƒe nufiamenyawo, ke azɔ ame aɖe si kɔ wu Salomo la
le mia dome.
Mateo
42
Gbɔgbɔ makɔmakɔ la ƒe tɔtrɔgbɔ
(Luka 11:24-26)
43 “Ne gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe do go le ame aɖe me la, eyina gbedzi afi si wòtsana le ɣeyiɣi
aɖe sinu nɔa sitsoƒe dim, ke ne mekpɔ ɖeke o la, 44 ekema egblɔna be, ‘Matrɔ agayi
aƒe si me medo le la boŋ’ Ne etrɔ va la ekpɔna be aƒea me ɖigbɔlo, wokplɔ eme
nyuie eye nu sia nu le ɖoɖo nu. 45 Ekema gbɔgbɔ vɔ̃ la yina ɖayɔa gbɔgbɔ vɔ̃ adre
bubu siwo vlo wu eya ŋutɔ, eye wogena ɖe aƒea me nɔa afi ma. Esia wɔnɛ be amea
ƒe nɔnɔme vɔ̃ɖina wu tsãtɔ. Alea tututue wòanɔ na dzidzime vɔ̃ɖi siae.
Yesu ƒe fometɔ vavãwo
(Marko 3:31-35; Luka 8:19-21)
46 Esi Yesu ganɔ nu ƒom na ameha la, dadaa kple nɔviaŋutsuwo nɔ aƒea godo eye
wonɔ didim be yewoaƒo nu kplii. 47 Ame aɖe gblɔe nɛ be, “Dawò kple nɔviwò
ŋutsuwo le egodo le didim be yewoƒo nu kpli wò.” 48 Yesu bia amea be, “Ame kae
nye danye eye ame kawoe nye nɔvinyeŋutsuwo?” 49 Azɔ edo esi ɖe nusrɔ̃lawo gbɔ
gblɔ bena, “Mikpɔ ame siawo ɖa! Woawoe nye danye kple nɔvinyeŋutsuwo.” 50 Eyi
edzi be, “Ame si le Fofonye si le dziƒo la ƒe lɔlɔ̃nu wɔm lae nye danye, nɔvinyeŋutsu
kple nɔvinyenyɔnu.”
Lododo le nukuwula ŋuti
(Marko 4:1-9; Luka 8:4-8)
13 Gbe ma gbe Yesu do go tso aƒea me yi ɖanɔ anyi ɖe ƒua nu. 2 Ameha gã aɖe
Mateo
43
gaƒo ƒu ɖe eŋu ale gbegbe be ege ɖe ʋu aɖe me eye wòyi ɖe ƒua dzi vie bɔbɔ nɔ anyi
ke ameha la tɔ ɖe ƒua ta. 3 Egblɔ nya geɖewo na wo to lododo me be, “Agbledela
aɖe yi nuku wu ge. 4 Esi wònɔ nukua wum la, ɖewo ge ɖe mɔ to eye xeviwo va fɔ
wo mi. 5 ɖewo hã ge ɖe kpenyigba dzi afi si ke sue aɖe ko nɔ, nuku siawo tsi
vlɔvlɔvlɔ, 6 gake esi ŋdɔ ʋu ɖe wo dzi la, woyrɔ eye woku elabena woƒe kewo mede
to o. 7 Nuku bubuwo ge ɖe ŋu me, eye ŋu vu tsyɔ wo dzi woku. 8 Ke nuku aɖewo
hã ge ɖe anyigba nyuitɔ la dzi, eye womie tsi hetse ku geɖewo, ɖewo tse blaetɔ̃,
bubuwo tse blaade eye ɖewo hã tse alafa. 9 Ne tosenu li na mi la, mise nya siawo.”
Lododo la ƒe taɖodzinu
(Marko 4:10-12; Luka 8:9-10)
10 Eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ va biae bena, “Nu ka ta ɣesiaɣi ko nènɔa nu fiam amewo
to Lododo me ɖo?”
11 Eɖe eme na wo bena woawo nusrɔ̃lawo koe wona mɔnukpɔkpɔ be woanya
nu si dziƒofiaɖuƒe la nye, ke womene mɔnukpɔkpɔ sia ame bubuwo o.
12 Ame si si nu le la, eyae woana nui ale be nu si le esi la nasɔ gbɔ ɖe dzi, ke
ame si si nu mele o la, sue si le esi hã la woaxɔe le esi woatsi asi ƒuƒlu 13 Nu sia tae
metsɔa lododo fia nu amewoe ɖo be, tɔgbɔ be woanɔ nua kpɔm hã la womakpɔe
adze sii o, eye woanɔ esem gake womase egɔme o.
14 “Nya sia wu nyagblɔɖila Yesaya ƒe nyagblɔɖi sia nu bena, ‘Wosea nya, ke
womesea egɔme o, wokpɔa nu, ke womedzea si nu si wokpɔ la o! 15 Elabena woƒe
dziwo ku atri hedo kpeɖi, woƒe towo hã tri, eye woŋe aɖaba ƒu nu siwo wokpɔ la
dzi, 16 elabena womekpɔa nu alo sea nu gɔme ale be woagatrɔ ɖe Mawu ŋu eye
Mateo
44
mada gbe le wo ŋu o,’ ke woyra miawo ya ƒe ŋkuwo kple towo, elabena wokpɔa nu
eye wodzea sii, wosea nya eye wosea egɔme. 17 Mawuvɔ̃la geɖewo kple nyagblɔɖila
geɖewo di vevie bena yewoakpɔ nu siwo kpɔm miele eye yewoase nya siwo sem
miele gake womete ŋui o.
Yesu ɖe lododo tso nukuwula ŋu gɔme
(Marko 4:13-20; Luka 8:11-15)
18 “Lo si medo tso nukuwula ŋuti la ƒe gɔmeɖeɖee nye si! 19 Anyigba alo mɔto afi
si nuku aɖewo ge ɖo la, nye ame aɖe ƒe dzi. Ame sia sea nyanyui la tso mawufiaɖuƒe
la ŋuti gake mesea egɔme o, ale Satana vana eye woɖea nyanyui la le eƒe dzi me. 20
Kpenyigba lae nye ame si sea nyanyui la eye eƒe dzi xɔnɛ kple dzidzɔ, 21 gake dzi
sia meli ke o, ale be mawunya la meƒoa ke ɖe to o, ale le ɣeyiɣi ʋee aɖe ko megbe
nenye be fukpekpe kple yometiti va la, eƒe xɔse nu tsina eye wòdea megbe. 22
Anyigba si dzi yɔ kple ŋuve lae nye ame si sea mawunya la gake dzitsitsi ɖe
xexemenuwo kple kesinɔnuwo ŋu hea eƒe susu ɖa tso mawunya la gbɔ, eya ta metsea
ku aɖeke na Mawu o. 23 Anyigba nyui lae nye ame si ƒe dzi sea mawunya la eye
wòsea egɔme , eye eya hã yina ɖakplɔa ame blaetɔ̃, blaade alo alafa ɖeka bubu gɔ̃ hã
vana dziƒofiaɖuƒea mee.”
Lododo le gbe wuwluiwo ŋuti
24 Lo bubu si Yesu gado hãe nye esi, “Dziƒofiaɖuƒe la le abe ame si ƒã bli ɖe eƒe
agble me ene. 25 ke esi wòmlɔ anyi le zã me la, eƒe futɔ va ƒã gbeku vɔ̃wo ɖe bliawo
dome. 26 Esi bliawo de asi tsitsi me la, gbeku vɔ̃awo hã tsi kpli wo.
Mateo
45
27 Agblea dzi kpɔlawo va agbletɔ la gbɔ va biae be, ‘Aƒetɔ, alo menye nuku
nyui nèƒã ɖe wò abɔ me oa? Afi ka gbeku vɔ̃ siawo tso?
28 “Agbletɔ la ɖo eŋu na wo bena, ‘Futɔ aɖe kokokoe wɔ nenem nu sia.’
“Agbledzikpɔlawo biae bena, ‘Ekema miho gbeku vɔ̃awo ƒu gbe mahã?’
29 “Eɖo eŋu na wo bena, ‘Gbeɖe, migawɔe o, ne miebe yewoaho gbeku
vɔ̃awo la, miaho blia hã. 30 Eya ta mina wo katã natsi aduadu va se ɖe nuŋeɣi,
ekema mana nuŋelawo naho gbekuawo atɔ dzo wo, eye woatsɔ bli la akɔ ɖe nye ava
me!’”
Lododo le logoku kple amɔ ʋaʋã ŋuti
(Marko 4:30-32; Luka 13:18-21)
31 Lo bubu si wògado na wo lae nye esi: “Dziƒofiaɖuƒe la le abe ʋuti ƒe ku si nye
atikutsetse suetɔ kekeake si wodo ɖe anyigba tume ene. 32 Togbɔ be enye atiku
suetɔ wu le atikuwo dome hã la, ne etsi la, eva zua ati gã si ƒoa atiwo katã ta, eye
xeviwo va wɔa atɔ ɖe eme hekpɔa gbɔdzɔe.”
33 Yesu yi edzi kple lododo bubu be: “Dziƒofiaɖuƒe la ɖi nyɔnu si le
yevubolo wɔm. Ekua yevubolowɔ la ɖe sinu eye wòtsɔa nuʋãnu dea eme henyemanɛ
va se ɖe esime yevubolomɔ la hona.”
Lododowo ŋudɔwɔwɔ
(Marko 4:33-34)
34 Yesu wɔa lododo ŋutidɔ zi geɖe nenye be wòle nu ƒom na amewo, ne ele nu ƒom
na wo la, edoa lo ɖeka teti na wo kokoko. 35 Elabena wogblɔ nya ɖi bena,
Mateo
46
“Maƒo nu to lododowo me eye maɖe nu ɣaɣla siwo li tso gɔmedzedzea me ke la
gɔme.”
Lododo le gbe wuwliwo ŋuti gɔmeɖeɖe
36 Azɔ egblẽ ameha la ɖe kpɔa godo eye wòga ɖe aƒea me. Eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ
gblɔ bena, “ɖe lo si nèdo tso bligble kple gbeku vɔ̃wo ŋuti me na mi”
37 Egblɔ na wo bena, “Enyo, maɖe egɔme na mi. Nyee nye agbledela si ƒã bli
ɖe nye agble me. 38 Agble lae nye xexeame, eye bli lae nye ame si le mawufiaɖuƒe
la me, ke gbeku vɔ̃ɖia woe nye dzimaxesetɔwo. 39 Futɔ si ƒã gbeku vɔ̃wo ɖe blia me
lae nye Satana, nuŋeɣi lae nye xexeame ƒe nuwuwu, eye nuŋelawoe nye
mawudɔlawo.
40 “Le alobalo sia me la, woɖe gbeku vɔ̃ɖiawo ɖe aga eye wotɔ dzo wo,
nenema ke wòanɔ le xexeame ƒe nuwuwu. 41 Madɔ nye dɔlawo ɖa eye woaƒo ame
vɔ̃ɖiwo kple nuɖianuwo katã nu ƒu, aɖe wo ɖa le mawufiaɖuƒe la me, 42 woatsɔ wo
aƒu gbe ɖe kpodzo me eye woafia kolikoli. Afi sia avifafa kple aɖukliɖuɖu ade dzi le
bobobo. 43 Ke ame dzɔdzɔewo aklẽ abe ɣe ene le wo Fofo ƒe Fiaɖuƒe la me. Ame si
tosenu li na la nese nya siawo.
Lododo le kesinɔnu ɣaɣla kple kpexɔasi ŋuti
44 “Dziƒofiaɖuƒea le abe kesinɔnu aɖe si ŋu ame aɖe va ke ɖo le anyigba aɖe me
ene. Eye le dzidzɔ si wòkpɔ le kesinɔnu sia ŋuti ta la, edzra nu sia nu si le esi bena
yeakpɔ ga atsɔ ƒle anyigba sia kple kesinɔnua katã.
45 “Megale egblɔm na mi be, dziƒofiaɖuƒe la ɖi dzonusitsala si le dzonu
Mateo
47
nyuiwo dim be yeaƒle adzra. 46 Eva kpɔ dzonu aɖe si xɔ asi ŋutɔ eya ta eyi ɖadzra
nu siwo katã le esi la eye wòƒle dzonu sia.
Lododo le ɖɔ ŋuti
47 Dziƒofiaɖuƒe la ga sɔ kple tɔƒodela aɖe si da asabu ɖe tɔme, eye wòɖe lã
vovovowo, ɖuɖuawo kple maɖumaɖuawo siaa. 48 Esi wòhe asabua va gotae la, enɔ
anyi tia lã ɖuɖuawo ɖe afi ɖeka, ke esiwo womeɖuna o la, etsɔ wo ƒu gbe. 49 Alea
tututu wòanɔ le xexeame ƒe nuwuwu hã, mawudɔlawo ava ma ame vɔ̃ɖiwo ɖa tso
ame dzɔdzɔewo gbɔ 50 woatsɔ ame vɔ̃ɖiwo aƒu gbe ɖe dzo mavɔ me, afi si avifafa
kple aɖukliɖuɖu geɖe anɔ.”
Kesinɔnu yeyeawo kple xoxoawo
51 Azɔ ebia nusrɔ̃lawo be, “Miese nya siawo gɔmea?” Woɖo eŋu be: “Ẽ, miese wo
gɔme.”
52 Ale wòɖo eŋu na wo bena, “Eya ta sefiala ɖe sia ɖe si wofia nui tso
dziƒofiaɖuƒe la ŋuti la, le abe aƒetɔ aɖe si ɖe eƒe kesinɔnu yeye kple xoxoa siaa do
goe tso eƒe nudzraɖoƒe ene.”
Nugbegbe le Yesu ŋu le Nazaret
(Marko 6:1-6; Luka 4:16-30)
53 Esi Yesu wu Lo siawo dodo nu la, edzo le afi ma, 54 etrɔ yi fofoawo de, eye
wòfia nu le woƒe ƒuƒoƒe, ke ewɔ nuku na wo ŋutɔ. Wobia be, “Afi ka ame sia xɔ
nunya kple nukunu gã siwo wɔm wòle tsoe mahã?
Mateo
48
55 ɖe menye esiae nye atikpala la ƒe viŋutsu oa? ɖe menye dadaa ŋkɔe nye
Maria eye nɔviaŋutsuwoe nye Yakobo, Yosef, Simɔn kple Yuda oa? 56 ɖe
nɔvianyɔnuwo katã mele mía dome oa? Ekema afi ka gɔ̃e ŋutsu sia kpɔ nu siawo
katã tsoe?” 57 Ale wokpɔ nuɖiaɖia le eŋu.
Ke Yesu gblɔ na wo be, “Wodea bubu nyagblɔɖila ŋu le afi sia afi negbe le
eya ŋutɔ ƒe dume kple eya ŋutɔ ƒe aƒeme ko.”
58 Ale mewɔ nukunu geɖewo le afi ma o le woƒe dzimaxɔse ta.
Tatsotso le Yohanes nu
(Marko 6:14-29; Luka 9:7-9)
14 Fia Herodes se Yesu ŋkɔ 2 ale wògblɔ na eƒe amewo bena, “Edze ƒã be
Yohanes Mawutsidetanamelae gagbɔ agbe, eya tae wòte ŋu le nukunu geɖe siawo
wɔm.” 3 Azɔ la Herodes na wolé Yohanes eye woblae de gaxɔme, le Herodia nɔvia
Filipo srɔ̃ ta, 4 elabena Yohanes he nya ɖe Herodes ŋu be menyo be wòaxɔ nɔvia
Filipo srɔ̃ aɖe o. 5 Herodes di be yeawu Yohanes gake enɔ vɔvɔ̃m be ʋunyaʋunya
ava dzɔ elabena amewo katã xɔe se be Yohanes nye nyagblɔɖila.
6 Gbe ɖeka la, Herodes nɔ dzigbe ŋkeke ɖum, eye Herodia ƒe vinyɔnuvi va
ɖu ɣe le amekpekpeawo ŋkume. Eƒe ɣeɖuɖu nyakpɔ na Herodes ŋutɔ, 7 eya ta edo
ŋugbe be yeana nu sia nu si nyɔnuvi la abia ye lae. 8 Nyɔnuvia bia dada nu si
wòabia. Dada gblɔ nɛ be nebia Yohanes Mawutsidetanamela ƒe ta. Ale wòva do ɖe
fia gbɔ gblɔ nɛ be, “Mele Yohanes Mawutsidetanamela ƒe ta dim le agba me.”
9 Nya sia te ɖe Fia la dzi ŋutɔ, gake le atam si wòka ta la, medi be yeaɖu
Mateo
49
ŋukpe le eƒe amekpekpeawo ŋkume o, ale wòɖe gbe be woatso ta le Yohanes nu atsɔ
vɛ.
10 Ale woyi ɖatso ta le Yohanes nu le gaxɔ me, 11 tsɔ de agba me tsɔ vɛ na
nyɔnuvia eye wòtsɔe yi na dadaa.
12 Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo se nya la eye woyi ɖaxɔ eƒe kukua heyi ɖaɖi.
Emegbe woyi ɖaka nya la ta na Yesu.
Yesu nyi ame akpe atɔ̃
(Marko 6:30-44; Luka 9:10-17; Yohanes 6:1-14)
13 Esi Yesu se nya sia la eya ɖeka ge ɖe ʋu aɖe me dzo le afi ma eye wòyi ɖaɣla
eɖokui ɖe teƒe tsoabo aɖe. Ke ameawo kpɔ afi si wòɖo tae, eya ta wo dometɔ
geɖewo tso kɔƒe vovovowo me to afɔ ti eyome.
14 Ale esi wotrɔ va ƒua ta la ekpɔ be ame gbogbo aɖewo nɔ ye lalam. Woƒe
nu wɔ nublanui nɛ ŋutɔ eya ta wòda gbe le dɔnɔ siwo le wo dome la ŋu.
15 Esi zã nɔ dodom la eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ va gblɔ nɛ bena, “Afi sia la
gbedzie, naneke meli ame naɖu o, evɔ la, fiẽ nuɖuɣi va yi xoxo, eya ta ɖe asi le
ameha la ŋu ne woayi kɔƒe siwo te ɖe afi sia ŋu la me aɖaƒle nuɖuɖu.”
16 Yesu ɖo eŋu na wo bena, “Mehiã bena woayi aɖaƒle nuɖuɖu o, miawo
midi nuɖuɖu na wo woaɖu!”
17 Nusrɔ̃lawo do ɣli gblɔ bena, “Nuka, abolo atɔ̃ kple tɔmelã eve pɛ koe le
mia si le afi sia!”
18 Yesu gblɔ na wo bena, “Mitsɔ wo vɛ.”
19 Azɔ ebia tso ameha la si be woabɔbɔ nɔ anyi ɖe gbea dzi. Ale wòtsɔ
Mateo
50
abolo atɔ̃ kple tɔmelã evea, eye wòwu mo dzi hedo gbe ɖa ɖe edzi, emegbe eŋe wo
me tsɔ na nusrɔ̃lawo bena woama na ameawo. 20 Ame sia ame ɖu nu ɖi ƒo nyuie.
Eye esi woƒo nuɖuɖu wuwlui mamlɛawo nu ƒu la woyɔ kusi wuieve sɔŋ. 21 Ame
siwo ɖu nua la ƒe xexlẽme nɔ ŋutsu akpe atɔ̃, nyɔnuwo kple ɖeviwo mele eme o.
Yesu zɔ ƒudzi
(Marko 6:45-52; Yohanes 6:15-21)
22 Le esia megbe la Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo bena woage ɖe ʋua me atso ƒua, ke ye
la yeanɔ anyi ado mɔ ameha la woayi aƒeme. 23 Esi wòdo mɔ ameawo wodzo vɔ la,
eya ɖeka yi togbɛawo dzi be yeado gbe ɖa. Enɔ afi ma hafi zã do, 24 ke afi si
tɔdziʋu la ɖo la didi tso gota gbɔ eye ƒutsotsoewo nɔ enyamam elabena ya nɔ ƒoƒom
henɔ ʋu la kpem.
25 Anɔ abe fɔŋli ga ene me lɔƒo ene la, Yesu zɔ ƒua dzi yina wo gbɔ. 26 Esi
nusrɔ̃lawo kpɔe wònɔ ƒua dzi zɔm la, ŋɔ dzi wo, tete wodo ɣli kple vɔvɔ̃ be, “ŋɔlie.”
27 Yesu ƒo nu na wo enumake eye wòde dzi ƒo na wo gblɔ bena, “Nyee,
migavɔ̃ o miaƒe dzi nedze eme.”
28 Petro gblɔ nɛ bena, “Aƒetɔ, nenye wòe tututu la, na nye hã mazɔ tsia dzi
ava gbɔwò.”
29 Yesu gblɔ nɛ be, “Enyo, zɔ va.” Ale Petro ɖi ɖe tsia me le ʋua xa eye
wòzɔ tsia dzi ɖo ta Yesu gbɔ. 30 Ke esi wònye kɔ kpɔ ale si ƒutsotsoeawo nɔ
nyanyrãm la, vɔvɔ ɖoe eye wode asi to yiyi me. Ale wòdo ɣli sesῖe be, “Aƒetɔ,
ɖem!”
31 Yesu do asi ɖa enumake eye wòhee ɖe go. Azɔ egblɔ nɛ bena, “O, wò
Mateo
51
xɔse ʋeetɔ, nu ka tae nèke ɖi mahã?”
32 Esi ame eveawo ge ɖe ʋua me ko la, yaa tɔ te zi ɖeka.
33 Nusrɔ̃la mamlɛawo ƒe nu ku eye woƒe mo wɔ yaa, ale wogblɔ nɛ bena,
“Mawu Vie nènye vavã!”
Yesu da gbe le dɔlélawo ŋu le Genezaret
(Marko 6:53-56)
34 Azɔ wova ɖi go ɖe Ganezaret nyigba dzi. 35 Woƒe vava ɖi hoo le dua katã me.
Amewo nɔ tsatsam nɔ gbeƒã ɖem be amewo nakplɔ woƒe dɔnɔwo vɛ wòada gbe le
wo ŋu. 36 Dɔnɔ aɖewo va ɖe kuku na Yesu be yewoaka asi eƒe awu to ko, eye ame
siwo katã ka asi eƒe awu to la kpɔ dɔyɔyɔ.
Le asimaklɔmaklɔ ƒe kɔnu la ŋuti
(Marko 7:1-23)
15 Farisitɔ aɖewo kple agbalẽfialawo hã tso Yerusalem va bena yewoalé nya
aɖewo kpɔ kple Yesu.
2 Wobiae bena, “Nu ka tae wò nusrɔ̃lawo mewɔna ɖe mí Yudatɔwo ƒe blema
kɔnuwo dzi o? Womewɔ kɔnu si míewɔna heklɔa asi le ɖoɖo tɔxɛ aɖe nu hafi ɖua nu
o.” 3 Yesu ɖo eŋu na wo bena, “Miawo hã nu ka tae miaƒe kɔnuwo tsi tre ɖe Mawu
ƒe sewo ŋuti ɖo? 4 Le kpɔɖeŋu me, Mawu ƒe se gblɔ bena, ‘Bu fofowò kple dawò,
ame si tsi tre ɖe edzilawo ŋuti la ku kee wòaku.’ 5 Ke miawo miegblɔ bena, ne ame
aɖe gblɔ na fofoa alo dadaa be, ‘Nu si ke matsɔ akpe ɖe ŋutiwòe la, metsɔe wɔ
Mateo
52
adzɔgbeɖeɖe ƒe nunanae na Mawu, 6 megahiã be wòatsɔe ade bubu fofoa ŋuti o. Ale
miegbe Mawu ƒe nya dzi wɔwɔ be mialé miawo ŋutɔ ƒe nuɖoanyiwo me ɖe asi. 7 Mi
alakpanuwɔlawo! Yesaya gblɔe ɖi nyuie le mia ŋuti bena, 8 Ame siawo le buyem
kple woƒe nuyiwo, gake woƒe dziwo te ɖa xaa tso gbɔnye. 9 Viɖe aɖeke mele woƒe
subɔsubɔ ŋuti o, elabena wofiaa woawo ŋutɔ ƒe se siwo wowɔ la eye woɖe asi le
Mawu ƒe sewo ŋuti.’”
10 Yesu yɔ ameha la eye wògblɔ na wo bena, “Miɖo to nya si gblɔ ge mala
be miase egɔme nyuie. 11 Menye nu si nèɖuna lae wɔa wò ame makɔmakɔ o! Ke
boŋ nu si nèbuna kple nu si nègblɔna lae.”
12 Nusrɔ̃lawo va biae be, “Ènya be nya si nègblɔ la ve dɔme na Farisitɔwo
ŋutɔa?
13 Yesu ɖo eŋu na wo bena, “Ati sia ati si Fofonye si le dziƒo la me do o la
woahoe kple ke. 14 Miɖe asi le wo ŋuti! Mɔfiala ŋkuagbãtɔwo wonye. Ne ŋkuagbãtɔ
le ŋkuagbãtɔ kplɔm la, wo kpakple eve la woayi aɖa dze agame.”
15 Petro biae be wòaɖe nu si wòwɔnɛ be menye nu si ame ɖuna lae nana
wòzua ame makɔmakɔ o la me na yewo.
16 Yesu biae bena, “Ke miawo hã miese nya sia gɔme oa? 17 Mienyae bena
nu si ame ɖuna la toa eƒe dɔkaviwo me eye wodenɛ le nugodo oa? 18 Nya vloe doa
go tso egblɔla ƒe dzi me eye wòƒoa ɖi amea. 19 Elabena ame ƒe dzi mee susu
vɔ̃ɖiwo, hlɔ̃dodo, ahasiwɔwɔ, matrewɔwɔ, fififi, aʋatsokaka kple ameŋugbegblẽ
doago tsona. 20 Nu siawoe ƒoa ɖi ame, ke ne mèwɔ asikɔklɔ ƒe kɔnua hafi ɖu nu o la
maƒo ɖi wò o!”
Mateo
53
Kanan nyɔnu la ƒe xɔse
(Marko 7:24-30)
21 Yesu dzo le nuto ma me eye wòzɔ mɔ kilometa blaenyi sɔŋ yi Tiro kple Sidɔn
nutowo me.
22 Kanan nyɔnu aɖe si le afi ma va egbɔ va ɖe kuku nɛ vevie bena, “O,
Aƒetɔ, Fia David Vi, kpɔ nye nublanui! Gbɔgbɔ vɔ̃ ge ɖe vinye nyɔnuvi me eye
wòwɔa fui ɣesiaɣi.” 23 Ke Yesu meɖo nya aɖeke ŋu nɛ o, mekpe kpe dee hã o. Eƒe
nusrɔ̃lawo va ƒoe ɖe enu kura be nenyae wòadzo. Wogblɔ bena, “Gblɔ nɛ be nedzo,
elabena eƒe ɣlidodo le tome vem na mí.”
24 Yesu gblɔ na nyɔnua be, “ɖe wodɔm be mava ɖe Yudatɔwo ɖeɖe ko.”
25 Ke nyɔnua te ɖe eŋu kpokploe hede ta agu nɛ gaɖe kuku nɛ be, “Aƒetɔ, vɛ
nunye ko!”
26 Yesu gblɔ nɛ be, “Menyo be maxɔ nuɖuɖu le ɖeviwo si atsɔ na avuwo o.”
27 Nyɔnua ɖo eŋu be, “Ẽ, Aƒetɔ, ele eme nenema, gake avuvi siwo le kplɔ̃ te
la ɖua abolo wuwlui siwo gena ɖe anyigba tso woƒe aƒetɔ ƒe kplɔ̃ dzi.”
28 Yesu gblɔ nɛ bena, “Nyɔnu, wò xɔse lolo ŋutɔ! Nu si dim nèle la neva
eme na wò”, eye enumake eƒe vinyɔnuvi la ƒe lãme sẽ.
Yesu yɔ dɔ dɔléla geɖewo
29 Yesu trɔ yi Galilea ƒua nu azɔ eye wòyi ɖanɔ togbɛ aɖe si le afi ma lɔƒo la dzi. 30
Ameha gã aɖe nye zi va ƒo ɖe edzi le afi sia. Wokplɔ dɔnɔ siwo nye lãmetututɔwo,
ŋkunɔwo, aɖetututɔwo, nuwɔametɔwo kple dɔ bubu ƒomevi geɖe lélawo vɛ nɛ eye
wòyɔ dɔ wo katã. 31 Enye nu wɔnuku blibo! Aɖetututɔwo nɔ nu ƒom kple
Mateo
54
dzidzɔ, ame siwo ƒe abɔ kple atawo menyo o gaɖo nɔnɔme nyui me, tekunɔwo alo
bafawo nɔ kpo tim nɔ yiyim, eye ŋkuagbãtɔwo nɔ nu kpɔm nyuie! Nyateƒe ameha gã
la ƒe nu ku eye wokafu Israel ƒe Mawu la.
Yesu nyi ame akpe ene
(Marko 8:1-10)
32 Azɔ Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ na wo bena, “Ame gbogbo siawo ƒe nu
wɔ nublanui nam ŋutɔ. ŋkeke etɔ̃e nye esia wole yonyeme eye nuɖuɖu hã vɔ le wo
si. Nyemedi be maɖo wo ɖe aƒeme dɔmeɣee o, elabena ŋuzi atsɔ wo le mɔ dzi.”
33 Nusrɔ̃lawo biae be, “Afi kae míakpɔ nuɖuɖu le, le dzogbe afi sia ana ame
gbogbo siawo?”
34 Yesu gabia wo bena, “Abolo nenie susɔ ɖe mia si?” Woɖo eŋu be, “Abolo
adrẽ kple lã vi aɖe koe susɔ.”
35 Yesu gblɔ na ameha la be woanɔ anyi ɖe anyigba, 36 etsɔ abolo adrẽa kple
tɔmelãwo eye wòda akpe na Mawu ɖe wo ta, emegbe la, eŋe wo me kakɛkakɛ, hetsɔ
na nusrɔ̃lawo be woama na ameawo. 37 Wo katã woɖu nu ɖi ƒo, eye nusrɔ̃lawo ƒo ƒu
abolo kakɛ siwo susɔ la ɖe kusi adrẽ me, woyɔ fũ. 38 Ame siwo ɖu nua la ƒe
xexlẽme le ŋutsu akpe ene, nyɔnuwo kple ɖeviwo mele eme o.
39 Azɔ edo mɔ ameha la, eye wòɖo ʋu la tso ƒua heyi Magadan nutowo me.
Mateo
55
Farisitɔwo kple Zadukitɔwo bia dzesi
(Marko 8:11-13; Luka 12:54-56)
16 Gbe ɖeka la, Farisitɔwo kple Zadukitɔwo va bena yewoado Yesu kpɔ; wobia
tso esi be wòana dzesi yewo tso dziƒo. 2 Yesu gblɔ na wo be, “Miawo la nenye be
fiẽ ɖo la miegblɔna be, ‘Yame akɔ elabena yame biã’, 3 eye le ŋdi miegblɔna be,
‘Egbe ahom atu elabena akpɔ̃ ɖo eye yame biã.’ Mienyaa ale si miaɖe dziƒo ƒe
nɔnɔme gɔme, gake mietea ŋu dzea si ɣeyiɣiwo ƒe dzesiwo o. 4 Dzidzime vɔ̃ɖi
wɔahasi sia le nukunu ƒe dzesi dim, ke womawɔ ɖeke na wo o negbe Yona ƒe dzesi
la ko.” Ale Yesu gblẽ wo ɖi eye wòdzo.
Farisitɔwo kple Zadukitɔwo ƒe amɔʋãnu
(Marko 8:14-21)
5 Wogatso ƒua yi ɖe go kemɛ dzi, ke nusrɔ̃lawo ɖo ŋku edzi le afi sia be yewomeƒle
nuɖuɖu ɖe asi o. 6 Yesu xlɔ̃ nu wo veviẽ gblɔ bena, “Mikpɔ nyuie le Zadukitɔwo
kple Farisitɔwo ƒe amɔʋãnu ŋuti.”
7 Nusrɔ̃lawo bu be nuɖuɖu si yewometsɔ ɖe asi o tae wògblɔ nya siawo ɖo.
8 Ke Yesu ya nya nu si ŋuti bum wole ale wògblɔ na wo bena, “O! Mi xɔse
ʋeetɔwo! Nu ka ta miele nu xam be yewometsɔ nuɖuɖu ɖe asi o? 9 Nu ka wɔ miate
ŋu ase nu gɔme o? Mieɖo ŋku edzi be menyi ame akpe atɔ̃ kple abolo atɔ̃ eye esi
susɔ la yɔ kusiwo oa? 10 Esi menyi ame akpe ene ɖe, mieɖo ŋku edzi be abolo
gbogbo aɖe gasusɔ oa? 11 Aleke wɔ miedze sii kpɔ bena menye nuɖuɖu ŋutie mele
nu ƒom le o? Megale egblɔm na mi be, “Mikpɔ nyuie le Farisitɔwo kple Zadukitɔwo
Mateo
56
ƒe amɔʋanu ŋuti.”
12 Ke azɔ la wose nu si wòwɔnɛ be amɔʋãnu la gɔme, eyae nye alakpanu
siwo Farisitɔwo kple Zadukitɔwo nɔa fiafiam la.
Petro ʋu Yesu me
(Marko 8:27-30; Luka 9:18-21)
13 Esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo va ɖo Kaisarea Filipi la, ebia eƒe nusrɔ̃lawo bena,
“Ame kae amewo le gbɔgblɔm be menye?”
14 Woɖo eŋu nɛ be, “Ame aɖewo gblɔ be Yohanes Mawutsidetanamela
nenye. ɖewo be Eliyae nènye bubuwo hã be Yeremia alo nyagblɔɖila xoxoawo
dometɔ ɖekae nènye.”
15 Azɔ ebia nusrɔ̃lawo be, “Ke miawo ya ɖe, ame kae miebu be menye?”
16 Simɔn Petro ɖo eŋu nɛ be, “Wòe nye Kristo, Mesia la, kple Mawu gbagbe
la ƒe Vi.”
17 Yesu gblɔ nɛ bena, Mawu ne yra wò, Simɔn Yona vi. Elabena Fofonye si
le dziƒo la ŋutɔe ɖe nu sia fia wò, ke menye amegbetɔ aɖeke gbɔe wòtso o. 18 Nye
hã mele egblɔm na wò bena, Wòe nye petro si gɔmee nye kpe eye nenem kpe
gbadza sia dzie maɖo nye hame la anyi ɖo, eye tsiẽƒe ƒe ŋusẽwo gɔ̃ hã mate ŋu aɖu
edzi o. 19 Matsɔ dziƒofiaɖuƒe la ƒe safuiwo na wò, ale be ʋɔ siwo nàtu le anyigba dzi
afii la woanɔ tutu le dziƒo, eye ʋɔ siwo nàʋu le anyigba dzi la woanɔ ʋuʋu le dziƒo.”
20 Ke Yesu de se na nusrɔ̃lawo vevie bena womegagblɔe na ame aɖeke be
yee nye Mesia la o.
Mateo
57
Yesu gblɔ nya tso eƒe ku kple tsitretsitsi ŋu zi gbãtɔ
(Marko 8:31-9:1; Luka 9:22-27)
21 Tso azɔ dzi heyi la, Yesu ƒoa nu na eƒe nusrɔ̃lawo tso eƒe Yerusalem yiyi kple
nusiwo adzɔ ɖe edzi le afi ma la ŋuti. Egblɔ na wo bena, le Yerusalem la, Yudatɔwo
ƒe Osɔfogãwo, agbalẽfialawo kple dumemegãwo awɔ fu ye eye woawu ye gake le
ŋkeke etɔ̃a gbe la, yeafɔ ɖe tsitre.
22 Esi Yesu gblɔ nya sia vɔ la, Petro ɖe kpɔe, eye wògblɔ nɛ bena, “Mawu
neɖe agba sia ɖa le dziwò, nu siawo madzɔ ɖe dziwò gbeɖe o!”
23 Yesu trɔ ɖe Petro ŋuti gblɔ nɛ bena, “Te ɖa le gbɔnye, Satana! Èle mɔ vɔ̃ɖi
aɖe trem nam. Èle nya sia gblɔm tso amegbetɔ ƒe nukpɔkpɔ nu, ke menye le ale si
Mawu ɖoe la nu o.”
24 Le esia megbe la Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo bena, “Ne ame aɖe di be yeadze
yonyeme vavã la, ekema negbe nu le eɖokui gbɔ ne wòatsɔ eƒe atitsoga adze yonye
me. 25 Elabena ame si lɔ̃a eƒe agbe eye wòtia eƒe agbe yome le ŋutilã me la, abui; ke
ame si ɖe asi le eƒe agbe ŋu fãa ɖe tanye la, akpɔ agbe mavɔ. 26 Viɖe kae wòanye na
mi nenye be xexeame katã zu mia tɔ gake agbe mavɔ la bu ɖe mi? Nu kae le xexe
sia me si agasɔ kple agbe mavɔ? 27 Nye Amegbetɔ Vi la mava kple nye dɔlawo le
Fofonye ƒe ŋutikɔkɔe me eye madrɔ̃ ʋɔnu ame sia ame ɖe eƒe nuwɔnawo nu. 28 Eye
mia dometɔ aɖewo siwo le tsitre ɖe afi sia la, anɔ agbe akpɔm mava kple nye
Fiaɖuƒe la.”
Mateo
58
Yesu trɔ eƒe nɔnɔme le to dzi
(Marko 9:2-13; Luka 9:28-36)
17 Le ŋkeke ade megbe la Yesu kplɔ Petro, Yakobo kple nɔvia Yohanes ɖe asi
woyi to kɔkɔ aɖe dzi. Teƒe sia zi ɖoɖoe nyuie. 2 Le toa dzi la, Yesu ƒe dzedzeme trɔ
enumake. Eƒe mo de asi keklẽ me abe ɣe ene, eƒe awu fu tititi abe kekeli ene. 3
Kasia Mose kple Eliya va do ɖe egbɔ eye wonɔ dze ɖom kplii. 4 Petro gblɔ na Yesu
bena, “Aƒetɔ, enyo ŋutɔ be míele afi sia! Ne èlɔ̃ la na míawɔ agbadɔ etɔ̃, ɖeka nanye
tɔwò ɖeka nanye Mose tɔ, ɖeka nanye Eliya hã tɔ.”
5 Esi wònɔ nya sia gblɔm la alilikpo keklẽ aɖe va tsyɔ wo dzi eye gbe aɖe ɖi
tso alilikpoa me gblɔ be, “Ame siae nye Vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, si dzea
ŋunye. Miɖo to eya amea.”
6 Esi gbea nɔ ɖiɖim alea la, dzidzi ƒo nusrɔ̃la etɔ̃awo eye wotsyɔ mo anyi nɔ
dzodzom nyanyanya. 7 Ke Yesu va wo gbɔ eye wòka asi wo ŋu gblɔ na wo bena,
“Mitsi tre eye migavɔ̃ o.”
8 Esi wofɔ mo dzi la, Yesu ɖeka ko wokpɔ.
9 Le esime wonɔ ɖiɖim tso toa dzi la, Yesu de se na wo vevie be
womegagblɔ nu si teƒe wokpɔ la na ame aɖeke o, va se ɖe esime yeafɔ tso ame
kukuwo dome hafi.
10 Nusrɔ̃lawo biae be, “Nu ka tae Yudatɔwo ƒe Osɔfowo nɔa gbɔgblɔm
godoo be ale be Eliya nagava hafi Mesia la nava?”
11 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ele eme nenema. Ele be Eliya nava aɖɔ nu sia nu
ɖo hafi Mesia la nava. 12 Eye le nyateƒe me la, Eliya gatrɔ va xoxo, gake amewo
Mateo
59
mekpɔe dzesii o, eya ta ame geɖewo wɔ funyafunyae. Nenema ke Amegbetɔ Vi la hã
akpe fue le woƒe asi me.”
13 Nusrɔ̃lawo kpɔe dze sii be Yohanes Mawutsitanamela ŋutie Yesu nɔ nu
ƒom le.
Gbedada le ŋutsuvi gbɔgbɔ vɔ̃ tɔ aɖe ŋu
(Marko 9:14-29; Luka 9:37-43)
14 Esi wova ɖo toa te la wokpɔ ameha gã aɖe wonɔ afi ma nɔ wo lalam. Enumake
ŋutsu aɖe do tso ameha la dome va dze klo ɖe Yesu kɔme gblɔ bena,
15 “Aƒetɔ, kpɔ nublanui na vinye ŋutsuvi sia, ele kpeŋɔedɔ lém, eye wòle fu
kpem nublanuitɔe, ne kpeŋɔedɔa dze edzi ɣeaɖewoɣi la, enana be wodzea dzo alo tsi
me. 16 Mekplɔe vɛ na wò nusrɔ̃lawo gake womete ŋu da gbe le eŋu o.”
17 Yesu ɖo eŋu gblɔ bena, “O! mi xɔse ʋee kple dzime sesẽ tɔwo. ɣekaɣie
manɔ anyi kpli mi ase ɖo? Mikplɔ ɖevi la vɛ nam!” 18 Yesu blu ɖe gbɔgbɔ vɔ̃ la ta
eye wòdo go le ɖevia me ale be eƒe lãme se enumake.
19 Le esia megbe la nusrɔ̃lawo va bia Yesu dzaa bena, “Nu ka tae míawo
míete ŋu nya gbɔgbɔ vɔ̃a do goe o?”
20 Yesu ɖo eŋu na wo bena, “Elabena xɔse ʋee aɖe koe le mia si. Ne miaƒe
xɔse ɖe wòle abe bliku teti ene la anye ne miate ŋu agblɔ na to sia be, ‘Ho tso afi
sia’ eye wòaho ayi teƒe bubu. Nanekewɔwɔ masesẽ na mi o. 21 Ke miate ŋu anya
gbɔgbɔ vɔ̃ siawo ƒomevi o negbe ɖe miado gbe ɖa, atsi nu dɔ ko hafi.”
Mateo
60
Yesu gblɔ nya tso eƒe ku kple tsitretsitsi ŋu zi evelia
(Marko 9:30-32 ; Luka 9:43-45)
22 Esi wogaƒo wo ɖokuiwo nu ƒu le Galilea la, Yesu gblɔ na wo bena, “Wole
Amegbetɔ Vi la de ge asi na amewo, 23 woawui, eye le ŋkeke etɔ̃a gbe la woafɔe ɖe
tsitre.” Esia na nusrɔ̃lawo yɔ fũu kple nuxaxa.
Mawuxɔ me nudzɔdzɔ nana
24 Esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo va ɖo Kapernaun la, gbedoxɔmenudzɔlawo, ame
siwo xɔa dratsima eve le ame sia ame si la va Petro gbɔ eye wobiae bena, “Miaƒe
Aƒetɔ menaa gbedoxɔme adzɔga oa?”
25 Eɖo eŋu na wo bena, “Ẽ, enanɛ,” Ke esi Petro va ɖo aƒea me la, Yesue
nye ame gbãtɔ si ƒo nu. Ebia Petro be, “Simon, ale ke nèsusu? Ame kawo sie
anyigbadzifiawo xɔa adzɔga kple duga le, le dukɔmeviwo si loo, alo le ame bubuwo
si?”
26 Petro ɖo eŋu nɛ bena, “Le ame bubuwo si.” Yesu yi edzi gblɔ nɛ bena,
“Ekema mehiã be dukɔme viwo naxe adzɔga o.”
Ame kae nye gãtɔ le dziƒofiaɖuƒe la me?
(Marko 9:33-37; Luka 9:46-48)
18 Le ɣeyiɣi sia me la, nusrɔ̃lawo va Yesu gbɔ va biae be, “Ame kae nye gãtɔ le
dziƒofiaɖuƒe la me?
2 Yesu yɔ ɖevi sue aɖe va eɖokui gbɔ eye wòtsɔe ɖo nusrɔ̃lawo ŋkume. 3 Azɔ
Mateo
61
egblɔ na wo be, “Ne ame aɖe metsri nu vɔ̃ eye wòtrɔ ɖe Mawu ŋu hexɔ edzi se abe
ɖeviwo ene o la mage ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o. 4 Eya ta ame si bɔbɔ eɖokui abe ɖevi
sue sia ene la, eyae age ɖe dziƒofiaɖuƒe la me. 5 Eye mia dometɔ si axɔ ɖevi aɖe abe
esia ene le nye ŋkɔ me la, nyee nye ma wòxɔ. 6 Ke nenye be mia dometɔ aɖe ana
ɖevi sue siawo dometɔ aɖe nabu xɔse si le eme ɖe ŋunye la, anyo na ame ma wu ne
woatsɔ kpe gã aɖe atsi ɖe kɔ nɛ atsɔe aƒu gbe ɖe atsiaƒu me eye woano tsi aku boŋ.
Yesu ƒo nu le nuɖiaɖianana ŋu
(Marko 9:42-48; Luka 17:1-2)
7 Babaa na xexeame le nu siwo naa amewo wɔa nu vɔ̃ ta! Nu siawo ava eme tsã,
gake babaa na ame si dzi woato ava! 8 Nenye wò asi alo afɔe nana be nèwɔa nu vɔ̃
la, lãe ɖa ne nàtsɔe aƒu gbe. Anyo na wò be nàyi dziƒo kple asi alo afɔ lãlɛ wu be asi
eve kple afɔ eve nanɔ asiwò eye woatsɔ wò aƒu gbe ɖe dzo mavɔ me. 9 Nenye be wò
ŋkue nana be nèwɔa nu vɔ̃ la, hoe le etome ƒu gbe. Anyo na wò be nàyi dziƒo kple
ŋku ɖeka tsɔ wu be ŋku eve nanɔ asiwò, ke nàyi dzo mavɔ me.
Lododo le alẽ bubu la ŋuti
(Luka 15:3-7)
10 “Mikpɔ nyuie bena miagado vlo ɖevi sue siawo dometɔ aɖeke o elabena woƒe
mawudɔlawo le Fofonye ŋkume le dziƒo ɣesiaɣi. 11 Amegbetɔ Vi la va be yeaɖe
ame siwo bu
12 “Nenye be alẽ alafa ɖeka le ame aɖe si eye ɖeka bu la ale ke wòawɔ? ɖe
magblẽ alẽ blaasieke-vɔ-asieke mamlɛawo ɖi ayi aɖadi ɖeka si bu le
Mateo
62
togbɛwo dzi oa? 13 Eye nenye be wòkpɔ alẽa ɖe, makpɔ dzidzɔ manyagblɔ aɖe ɖe
eŋu tsɔ wu blaasieke-vɔ-asieke siwo le dedie le aƒe oa? 14 Nenema ke menye
Fofonye ƒe didi be ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka pɛ hã nabu o.
Nɔvi si dze agɔ le dziwò
(Luka 17:3)
15 “Nenye be nɔviwò aɖe dze agɔ le dziwò la, yi egbɔ dzaa ne naɖe nu si wòwɔ la
fiae. Nenye be ese eɖokui gɔme eye wòɖo to wò la, ekema èɖe nɔviwò sia ƒe agbe.
16 Ke nenye be wògbe meɖo to wò o la, kplɔ nɔviwò bubu ɖeka alo eve ɖe asi ne
miayi egbɔ ake be ame sia wo naɖu ɖasefo na wò. 17 Nenye be wògbe esia hã la, tsɔ
nya la yi na hamea, eye ne hamea tso afia na wò gake melɔ̃ ɖe edzi o la, ekema
woaɖee le hame. 18 Mele egblɔm na mi bena nu sia nu si miabla le anyigba dzi la,
anɔ babla le dziƒo, eye nu sia nu si miatu le anyigba dzi la anɔ tutu le dziƒo.
19 “Mele egblɔm na mi hã be, ne mi ame eve miewɔ ɖeka la anyigba dzi bia
nane Fofonye si le dziƒo la awɔe na mi. 20 Elabena afi si ame eve alo etɔ̃ ƒo ƒu ɖo le
nye ŋkɔ me la, manɔ wo dome.
Lododo le dɔla si metsɔ nu vɔ̃ ke o la ŋuti
21 Azɔ Petro te ɖe eŋu eye wòbiae be, “Aƒetɔ, zi nenie nɔvinye ada vo ɖe ŋutinye
eye matsɔe akee? Zi adrea?”
22 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Gbeɖe, menye zi adre o, ke boŋ zi blaadrẽ teƒe adre.”
23 Azɔ Yesu do lo sia be, “Dziƒofiaɖuƒe la sɔ kple fia aɖe si di be yeawɔ
akɔnta kple eƒe dɔlawo. 24 Esi wònɔ akɔnta la wɔm la, wokplɔ eƒe fenyila
Mateo
63
ɖeka vɛ, ame sia nyi fe sidi akpe akpewo le esi. 25 Fenyila la mate ŋu axe fea o, eya
ta fia la ɖe gbe be woadzra ŋutsu sia srɔ̃, viawo kple woƒe nu sia nu atsɔ xe fe lae.
26 “Ke ŋutsua dze klo ɖe fia la kɔme ɖe kuku nɛ be, ‘O, Aƒetɔ, meɖe kuku,
gbɔ dzi ɖi nam vie, ne mava xe fea katã na wò emegbe.’
27 “ŋutsua ƒe nu wɔ nublanui na fia la ale gbegbe be wòɖe asi le eŋu eye
wòtsɔ fe si wònyi la hã kee.
28 Ke esi dɔla sia do go yina la, edo go ehavi dɔ la bubu, ame si nyi sidi
alafa aɖewo ko ƒe fe le esi. Eti kpo dze edzi helé awu ɖe vɛ nɛ eye wòbia tso esi be,
‘Xe fe si nènyi le asinye la nam!’
29 “ŋutsu sia hã dze klo ɖe kuku nɛ be, ‘Meɖe kuku, gbɔ dzi ɖi nam vie
ekema maxe fe la katã na wò.’
30 “Gake ŋutsu vɔ̃ɖi sia gbe asiɖeɖe le fenyila la ŋuti eye wòna wolée de mɔ
va se ɖe esime wòaxe fea katã nɛ.
31 “ŋutsu nublanuitɔ sia ƒe xɔlɔ̃ aɖe kpɔ nu si dzɔ eye wòyi ɖaka nya la ta na
fia la. 32 Fia la yɔ ŋutsu vɔ̃ɖi si wòtsɔ fe kee la va egbɔ eye wògblɔ nɛ bena, ‘Wò
dɔla vɔ̃ɖi tagbɔsesẽtɔ! Nye ya metsɔ fe gbogbo si nènyi le asinye la ke wò esi neɖe
kuku nam. 33 Nu ka ta wò hã màkpɔ nublanui na amewo abe ale si nye hã mekpɔ
nublanui na wò ene o?’
34 “Fia la do dɔmedzoe ɖe ŋutsu sia ŋu vevie eye wòna wodee gaxɔ me afi si
fukpekpe le, be wòanɔ afi ma va se ɖe esime wòxe fe siwo katã wònyi la pesewa afã
hã masusɔ o. 35 Alea tututu Fofonye si le dziƒo la hã awɔ na mi nenye be mietsɔ nu
vɔ̃wo ke mia nɔewo tso miaƒe dzime o.”
Mateo
64
Nufiafia le srɔ̃gbegbe ŋuti
(Marko 10:1-12)
19 Esi Yesu wu eƒe nuƒo sia nu la, edzo le Galilea eye wòtso Yɔdan tɔsisi la va
Yudea. 2 Ameha gã aɖe kplɔe ɖo eye wòda gbe le woƒe dɔnɔ geɖewo ŋu. 3 Farisitɔ
aɖewo va egbɔ be yewoadoe kpɔ. Wobiae be, “Ele se nu be ŋutsu nagbe srɔ̃a le susu
ɖe sia ɖe ta?”
4 Eɖo eŋu na wo be, “ɖe miexlẽe kpɔ be le gɔmedzedzea me la, Wɔla la wɔ
wo atsu kple asii o mahã? 5 eya ta ŋutsu nagblẽ fofoa kple dadaa ɖi alé ɖe srɔ̃a ŋu
ɖikaa, eye wo kple eve la woazu ŋutilã ɖeka. 6 Le esia ta womeganye ame eve o, ke
boŋ ame ɖeka. Eya ta nu si ke Mawu bla la amegbetɔ aɖeke nagama eme o.”
7 Tete wobia Yesu be, “Ekema nu ka ŋuti Mose de se be ŋutsu nana
srɔ̃gbegbalẽ srɔ̃a eye wòagbee, mahã?”
8 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Mose ɖe mɔ na mi be miagbe mia srɔ̃wo elabena
miaƒe dzime sẽ, gake menɔ alea le gɔmedzedzea me o. 9 Eye mele egblɔm na mi
kple kakaɖedzi be, ame si gbe srɔ̃a eye menye ɖe ahasiwɔwɔ ta o ke boŋ le susu
bubu aɖe ta eye woyi ɖaɖe nyɔnu bubu la, wɔ ahasi.”
10 Yesu ƒe nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ be, “Nenye be wòle alea la anyo wu be ame
ŋutsu maɖe srɔ̃ o.”
11 Yesu gblɔ na wo bena, “Menye ame sia ame ase nya sia gɔme o. Negbe
ame siwo ŋu Mawu kpe ɖo la ko. 12 Elabena wodzi ame aɖewo wonye ame tatawo
tso dzɔdzɔme, ame bubuwo la ame aɖewoe wɔ wo wozu nenema be womaɖe srɔ̃ o.
Ke ame aɖewo gbea srɔ̃ɖeɖe le dziƒofiaɖuƒe la ta. Ame si lɔ̃ la, nexɔ nye nyawo.”
Mateo
65
Yesu yra ɖevi suewo
(Marko 10:13-16; Luka 18:15-17)
13 Dzila aɖewo kplɔ wo vi suewo va Yesu gbɔe be wòada asi ɖe wo dzi eye wòado
gbe ɖa ɖe wo ta. Ke nusrɔ̃lawo blu ɖe dzilawo ta.
14 Gake Yesu gblɔ bena, “Mina ɖevi suewo nava gbɔnye eye migaxe mɔ na
wo o, elabena woawo tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la.” 15 Ale wòtsɔ eƒe asiwo da ɖe wo dzi
eye wòyra wo hafi dzo.
ɖekakpui kesinɔtɔ la
(Marko 10:17-31; Luka 18:18-30)
16 Ame aɖe hã va Yesu gbɔ kple biabia sia bena, “Aƒetɔ nyui, nu kae mawɔ bena
makpɔ agbe mavɔ?”
17 Yesu gblɔ nɛ be, “Ne èyɔm be Aƒetɔ nyui la ekema Mawue ma yɔm nèle,
elabena ame ɖeka koe li esi woayɔ be ame nyui eye ame siae nye Mawu. Le wò
biabia la ŋuti la mele egblɔm na wò be ate ŋu ayi dziƒo nenye be èwɔ ɖe Mawu ƒe
seawo dzi.”
18 ŋutsu la gabiae be, “Se kawoe?” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Woawoe nye,
mègawu ame o, mègawɔ ahasi o, megafi fi o, mègada alakpa o, 19 bu fofowò kple
dawò, lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene!”
20 ɖekakpui la gblɔ nɛ bena, “Mewɔa se siawo dzi tso nye ɖevime ke, ke nu
kae gasusɔ mawɔ?”
21 Yesu gblɔ nɛ bena, “Ne èdi be yeazu ame dzɔdzɔe blibo la, yi nàdzra nu
sia nu si le asiwò la, eye nàtsɔ ga la na ame dahewo, ekema kesinɔnuwo anɔ
Mateo
66
dziƒo na wò. Ne èwɔ esia vɔ la, va nàdze yonyeme.” 22 Ke esi ɖekakpui la se nya
sia la, edzo kple nuxaxa, elabena kesinɔnu geɖe le esi.
23 Yesu trɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu gblɔ na wo be, “Nyateƒe asesẽ na kesinɔtɔwo
ŋutɔ, bena woage ɖe dziƒofiaɖuƒe la me. 24 Megale egblɔm na mi be, anɔ bɔbɔe na
kposɔ bena wòato abui ƒe vo me tsɔ wu be kesinɔtɔ nage ɖe mawufiaɖuƒe la me.”
25 Ke esi nusrɔ̃lawo se nya sia la, woƒe nu ku eye wobia be, “Ke ame ka gɔ̃
ate ŋu akpɔ ɖeɖe le xexe sia me?”
26 Yesu kpɔ wo du eye wògblɔ bena, “Esia mele bɔbɔe le amegbetɔwo gome
o, ke naneke mesesẽna na Mawu ya o.”
27 Petro gblɔ nɛ bena, “Míawo la míegblẽ nu sia nu ɖi hedze yowòme. Fetu
kae miakpɔ?”
28 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nenye be Nye, Amegbetɔ Vi la, menɔ anyi ɖe nye
fiazikpui dzi le nye fiaɖuƒe me le ŋutikɔkɔe gã me la, ekema miawo hã mianɔ
fiazikpui wuieve dzi adrɔ̃ ʋɔnu Israel ƒe to wuieveawo. 29 Eye ame sia ame si gblẽ
eƒe aƒe, nɔvia ŋutsuwo, nɔvia nyɔnuwo, fofoa, dadaa, srɔ̃a, viawo alo eƒe
nunɔamesiwo ɖi hedze yonyeme la, akpɔ wo ɖe edzi teƒe alafa ɖeka eye wòanyi agbe
mavɔ ƒe dome. 30 Ke ame geɖe siwo nye gbãtɔwo fifia la azu mlɔeawo eye amesiwo
nye mlɔeawo la azu gbãtɔwo.”
Lododo le wainbɔ me dɔwɔlawo ŋu
20 Lo bubu aɖe si Yesu do le dziƒofiaɖuƒe ŋu lae nye esi. “Agbletɔ aɖe do go
gbe ɖeka ŋdi aɖe be yeadi apaɖilawo woawɔ dɔ le yeƒe waingble me. 2 Eƒo asi kple
Mateo
67
apaɖilaawo eye wolɔ̃ bena wòaxe sidi wuieve na ame sia ame ŋkeke ɖeka. Ale
dɔwɔlawo yi ɖadze dɔa gɔme.
3 “Le gaƒoƒo ʋee aɖewo megbe la, ekpɔ ame aɖewo le dɔdiƒe aɖe wonɔ dɔ
dim. 4 Ekplɔ woawo hã yi eƒe agblea me, eye wòdo ŋugbe na wo bena yeaxe ga
home si dze la na wo ne ŋkekea wu nu. 5 Le ŋdɔ ga wuieve me la egaɖo ame
bubuwo hã ɖe agblea me eye anɔ abe ga etɔ̃ me ene la egaɖo ame bubuwo hã ɖa
nenema ke.
6 “Ke esi fiẽ ga atɔ̃ ƒo la, egayi dua me eye wògakpɔ ame aɖewo woli dɔ
aɖeke mawɔe. Ebia wo bena, ‘Nu ka tae mieli alea ko dɔ aɖeke mawɔe ŋkeke
bliboa?’
7 “Woɖo eŋu nɛ be, ‘Ame aɖeke meva tsɔ mí be míawɔ dɔ na ye o.’
“Agbletɔa gblɔ na wo be, ‘Ekema miyi nye agble me eye miakpe ɖe ame
siwo le dɔ wɔm le afi ma la ŋu.’
8 “Azɔ esi dɔwɔlawo ɖi bo la, agbletɔa yɔ eƒe gadzikpɔla be neva xe fe na
dɔwɔlawo eye wòadze egɔme tso ame siwo wòɖo ɖe agblea me mamlɛa la dzi. 9
Gadzikpɔla la yɔ ame siwo yi agblea me le ga atɔ̃ me la vɛ eye wòxe ŋkeke ɖeka
blibo ƒe fetu na wo dometɔ ɖe sia ɖe. 10 Le esia ta esi wòyɔ ame siwo va gbã la vɛ
la, woawo nɔ bubum be yewoƒe fetu akɔ wu ame siwo va le ga atɔ̃ me la tɔ. Gake
kpao, ga home ma sinu ke ko wòxe na woawo hã.
11 “Ame gbãtɔwo he nya ɖe agbletɔa ŋu vevie gblɔ bena, 12 ‘Ame siawo la
gaƒoƒo ɖeka pɛ koe wowɔ dɔ, ke nu ka ta woxɔ fetu wòsɔ kple mí ame siwo wɔ dɔ
ŋkeke blibo la katã le ŋdɔ sesẽ nu la tɔ?’
13 “Agbletɔa gblɔ na wo be, ‘Nɔviwo, nyemedze agɔ le mia dzi o ɖe
Mateo
68
menye miawo ŋutɔe lɔ̃ bena ame sia ame axɔ sidi wuieve si nye ŋkeke ɖeka ƒe fetu
oa? 14 Mexee na mi, eya ta mitsɔe miadzo. Nye ŋutɔe lɔ̃ xe ga home ma ke na ame
sia ame 15 ɖe wòtsi tre ɖe se ŋu be ame naxe ga home si dze eŋu la na nɔvia? ɖe
wòle be miado dziku elabena mewɔ dɔmenyoa?’ 16 Esia tae gbãtɔ azu mlɔetɔ eye
mlɔetɔ azu gbãtɔ.”
Yesu gblɔ nya tso eƒe ku kple tsitretsitsi ŋu zi etɔ̃lia
(Marko 10:32-34; Luka 18:31-34)
17 Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dze mɔ ɖo ta Yerusalem eye esi wole mɔa dzi la eɖe kpɔ
nusrɔ̃la wuieveawo, 18 hegblɔ nu siwo ava dzɔ ɖe edzi nenye be woɖo Yerusalem la
na wo.
Egblɔ na wo be, “Woadem asi na Yudatɔwo ƒe Osɔfogãwo kple sefialawo eye
woatso kufia nam. 19 Woatsɔm ade asi na Roma dziɖuɖua eye amewo aɖu fewu le
ŋunye. Woaklãm ɖe atitsoga ŋu maku, gake le ŋkeke etɔ̃a gbe la mafɔ.”
Zebedeo vi eveawo ƒe didi
(Marko 10:35-45)
20 Eva eme be Zebedeo vi eveawo dadaa va Yesu gbɔ, dze klo ɖe ekɔme eye wòbiae
be woawɔ dɔmenyo tɔxɛ aɖe na ye.
21 Yesu biae bena, “Nu ka dim nèle be mawɔ na wò?” Nyɔnua ɖo eŋu be,
“Medi be nàna be vinye ŋutsuvi eve siawo nanɔ fiazikpui eve dzi le wò ɖusi kple
mia me le wò fiaɖuƒe la me.” 22 Yesu gblɔ nɛ bena, “Mènya nu si biam nèle o!”
Azɔ etrɔ ɖe Yakobo kple Yohanes ŋu eye wòbia wo be, “Miawo hã miate ŋu anɔ te
Mateo
69
ɖe fu dziŋɔ si kpe ge mala kpuie la nua?”
Woɖo eŋu be, “Ẽ, míate ŋui.”
23 Yesu gblɔ na wo be, “Anɔ eme be miate ŋu akpe fu dziŋɔ si kpe ge mala
gake le anyinɔnɔ ɖe nye ɖusi kple mia me gome me ya la, ŋusẽ mele asinye be matɔ
asi ame siwo anɔ afi ma la dzi o. Fofonye ŋutɔ tia ame siwo anɔ teƒe siawo la da ɖi
xoxo.”
24 Dɔme ve nusrɔ̃la ewo mamlɛawo ŋutɔ esi wose nu si Yakobo kple
Yohanes yi ɖabia Yesu.
25 Ke Yesu yɔ wo katã ƒo ƒui ɖe eɖokui gbɔ, hegblɔ na wo be, “Le
dzimaxɔsetɔwo dome la, fiawo ɖua wo teviwo dzi kple asi sesẽ, eye nenema ke
dɔnunɔlawo hã ɖua fia ɖe wo teviwo dzii. 26 Nyemedi be nenem nu sia nanɔ miawo
hã dome o. Ame si le mia dome si di be yeanye mia nunɔla la, eyae wòle be wòanye
miaƒe subɔvi. 27 Eye ame si di be yeanye gbãtɔ le mi katã dome la eyae wòle be
wòanye miaƒe subɔla anɔ dɔ tsɔm na mi. 28 Ele be miaƒe nuwɔna nanɔ abe tɔnye
ene, elabena Nye Amegbetɔ Vi la nyemeva be woasubɔm o, ke boŋ ɖe meva be
masubɔ amewo, eye matsɔ nye agbe ana ɖe ame geɖewo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ ta.”
Gbedada ŋutsu ŋkuagbãtɔ eve aɖewo ŋu
(Marko 10:46-52; Luka 18:35-43)
29 Esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo do go le Yeriko dua me dzo yina la, ameha gã aɖe
kplɔ wo ɖo.
30 ŋkuagbãtɔ eve nɔ anyi ɖe mɔ si dzi wòto va yina la to. Esi wose bena
Yesu gbɔna mɔ ma dzi to ge ava yi la wode asi ɣlidodo me bobobo nɔ
Mateo
70
gbɔgblɔm be, “Aƒetɔ, Fia David Vi, kpɔ nublanui na mí!”
31 Amewo blu ɖe wo ta be woazi ɖoɖoe, gake kpao, fifi kura gɔ̃ woƒe gbe
ganɔ dzi dem ɖe edzi wu.
32 Yesu tɔ eye woyɔ wo vɛ hebia wo be, “Nu kae miedi be mawɔ na mi?”
33 Woɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, míedi be míaƒe ŋkuwo naʋu míakpɔ nu.”
34 Woƒe nu wɔ nublanui na Yesu ŋutɔ, eya ta etɔ asi woƒe ŋkuwo. ŋkuawo
ʋu enumake eye ameawo de asi nukpɔkpɔ me. Ale woawo hã kplɔ Yesu ɖo kple
dzidzɔ gã aɖe.
Yesu yi Yerusalem abe dziɖula ene
(Marko 11:1-11; Luka 19:28-38; Yohanes 12:12-19)
21 Esi wòsusɔ vie Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo naɖo Yerusalem la, wova ɖo du aɖe
si woyɔna be Betfage si le Amitoa ŋu la me. Le afi sia la, Yesu dɔ eƒe nusrɔ̃la eve ɖo
ɖe kɔƒe aɖe si le wo ŋgɔ la me.
2 Egblɔ na wo bena, “Ne miege ɖe kɔƒea me ko la, miakpɔ tedzinɔ aɖe kple
via le ka me. Mitu ka wo eye miakplɔ wo vɛ. 3 Ne ame aɖe bia gbe mi la, migblɔ nɛ
ko be, ‘Aƒetɔ lae le wo hiãm, eye ne miegblɔ esia la womagabia nya aɖeke mi o.”
4 Wowɔ esia be woatsɔ wu nyagblɔɖi si wogblɔ da ɖi le blema ke nu bena, 5
“Migblɔ na Zion vinyɔnuvi la bena, Wò Fia gbɔna gbɔwò, edo tedzi kple tedzivi, si
nye dɔwɔlã!”
6 Nusrɔ̃la eveawo wɔ ɖe Yesu ƒe gbe dzi, 7 eye woyi ɖakplɔ tedziawo vɛ nɛ.
Azɔ wotsɔ woƒe awuwo ɖo tedziawo dzi eye Yesu bɔbɔnɔ wo dzi. 8 Ame geɖewo
Mateo
71
ŋutɔ le ameha la dome tsɔ woƒe avɔwo kple awuwo ɖo ɖe mɔtata dzi le eŋgɔ,
bubuwo hã ŋe deʋayawo kple atilɔwo ɖo ɖe eŋgɔ be wòazɔ wo dzi. 9 Ameha la ƒe
akpa aɖe dze eŋgɔ eye bubu hã kplɔe ɖo kplikplikpli nɔ ɣli dom bena, Hosana na Fia
David Vi la, woayra ame si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me, Hosana le dziƒo vῖ”
10 Esi Yesu ge ɖe Yerusalem dua me la, zi gã aɖe ŋutɔ tɔ, ame sia ame kloe
nɔ biabiam be, “Ame kae nye ame sia mahã?”
11 Ame siwo nɔ Yesu ŋu la ɖo eŋu be, “Eyae nye Yesu, nyagblɔɖila si tso
Nazaret le Galilea.”
Gbedoxɔ la ŋukɔkɔ
(Marko 11:15-19; Luka 19:45-48; Yohanes 2:13-22)
12 Azɔ Yesu yi gbedoxɔ la me, eye wònya nudzralawo do goe, le teƒea. Etu afɔ
gaɖɔlilawo ƒe kplɔ̃wo ƒu anyi, eye wòkaka akpakpadzralawo ƒe kplɔ̃wo hã.
13 Egblɔ na wo bena, “Mawunya fia mi be nye gbedoxɔ anye gbedoɖaƒe,
gake miawo la mietsɔe wɔ fiafitɔwo ƒe nɔƒee.”
14 Esi wònya ameawo vɔ la, ŋkuagbãtɔwo kple tekunɔwo va egbɔ eye wòda
gbe le wo ŋu le gbedoxɔ la me. 15 Gake esi Yudatɔwo ƒe Osɔfogãwo kple sefialawo
kpɔ nukunu dzɔtsu siwo wòwɔ eye wose ɖevi suetɔ kekeake hã wònɔ ɣli dom bena,
“Hosana na Fia David ƒe Vi la” la, dɔme ve wo ŋutɔ.
16 Wobiae bena, “Èse nu si gblɔm ɖevi siawo lea?” Yesu ɖo eŋu na wo be,
“Ẽ, gake miexlẽe kpɔ be, ‘Èdzra kafukafu kple dodoɖedzi ɖe ɖeviwo kple vidzῖwo ƒe
nume’ oa?”
17 Le esia megbe la etrɔ yi Betania eye wòtsi afi ma dɔ.
Mateo
72
Yesu ƒo fi de gboti matseku la
(Marko 11:12-14, 22-24)
18 Le ŋufɔke esi Yesu fɔ gayina Yerusalem le ŋdi me la, dɔ wui le mɔa dzi. 19 Ekpɔ
gboti alo kutsetseti aɖe le mɔa to ale wòzɔ ɖe edzi be yeakpɔ kutsetse aɖe le edzi
agbe aɖu mahã? Ke esi wòva ɖo atia te la, aŋgbawo ko wòkpɔ le edzi. Yesu gblɔ na
gboti la bena, “Tso egbe sia yina la, màgatse ku gbeɖe o!” Enumake gboti la yrɔ ɖe
tsitre nu.
20 Nu sia wɔ nuku na nusrɔ̃lawo ŋutɔ, ale wobiae be, “Nu kae na be gboti la
yrɔ enumake?”
21 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Le nyateƒe me la ne xɔse vavã le mia si eye
ɖikeke mele mia me o la, miate ŋu awɔ nu siawo, eye nu siwo miawɔ la akɔ wu
esiwo mewɔ kura gɔ̃. Miate ŋu agblɔ na to si kpɔm miele le afii kura gɔ̃ be, ho nàyi
aɖadze atsiaƒu me, eye wòava eme enumake. 22 Nu sia nu si miabia to gbedodoɖa
kple xɔse me la woana mi.”
Wobia nya tso Yesu ƒe ŋusẽkpɔtsoƒe ŋu
(Marko 11:27-33; Luka 10:1-8)
23 Yesu yi gbedoxɔ la me eye esi wònɔ nu fiam la, Osɔfogãwo kple Yudatɔwo ƒe
dumemegãwo va egbɔ hebiae bena, “ŋusẽ kae nèkpɔ hafi le nu siawo wɔm eye ame
kae na ŋusẽ sia wò?”
24 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nye hã mabia biabia ɖeka mi. Ne mieɖo eŋuti
nam la, ekema nye hã magblɔ afi si mekpɔ ŋusẽ tsoe hafi le nu siawo wɔm la na mi.
25 Yohanes ƒe mawutsidede ta na ame ɖe, afi kae wòtso? Dziƒoe wòtso loo alo
Mateo
73
amewo gbɔe wòtsoa?”
Wodzro nya sia me le wo ɖokuiwo dome eye wogblɔ bena, “Ne míegblɔ be,
‘Tso dziƒo’ la, abia mí be, ‘Ekema nu ka ŋutie miexɔ edzi se o?’ 26 Ke ne míegblɔ
be, ‘Tso amewo gbɔ’ la, míele vɔvɔ̃m na nu si ameawo lawɔ elabena wo katã xɔe se
be Yohanes nye nyagblɔɖila.”
27 Ale woɖo nya la ŋu na Yesu be, “Míenya o.” Tete Yesu hã gblɔ na wo be,
“Nye hã nyemagblɔ afi si mexɔ mɔɖeɖe tsoe hafi le nu siawo wɔm o.”
Lododo le viŋutsu eveawo ŋu
28 Azɔ Yesu yi edzi gblɔ bena, “Ale ke miekpɔ tso nya si gbɔna la ŋuti? ŋutsu aɖe
si si viŋutsu eve nɔ la gblɔ na tsitsitɔ be, ‘Vinye yi nàwɔ dɔ le agble me nam egbe.’
29 ɖevia ɖo eŋu be, ‘Nyemayi o.’ Ke emegbe la etrɔ eƒe susu eye wòyi agblea me
ɖawɔ dɔa. 30 Fofoa gblɔ na ɖevitɔ hã be, ‘Yi nàwɔ dɔ nam le agblẽ me.’ ɖevi la ɖo
eŋu nɛ be, ‘Papa mayi’ Ke egbe meyi o. 31 Le ɖevi eve siawo dome ɖe, ame kae wɔ
fofoa ƒe gbe dzi?”
Azɔ Yesu ɖe lododoa gɔme na wo bena, “Le nyateƒe me la, ame vɔ̃ɖiwo kple
gbolowo kura age ɖe dziƒofiaɖuƒe la me hafi miawo miava yi. 32 Elabena Yohanes
Mawutsidetanamela gblɔe na mi be midzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ eye miaku ɖe Mawu ŋu,
gake mieɖo toe o, gake ame vɔ̃ɖiwo kple gbolowo ɖo toe eye wodzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ.
Ke nu si vɔ̃ɖi wu lae nye be esi miekpɔ be ame siawo dzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ hã la,
metso fu le lãme na mi gɔ̃ hã be miawo hã miadzudzɔ o, ke boŋ miesẽ dzime
goŋgoŋgoŋ.
Mateo
74
Lododo le waingble kple edzikpɔlawo ŋuti
(Marko 12:1-12; Luka 20:9-19)
33 “Miɖo to miase lododo sia ɖa, Agbledela aɖe de waingble gã aɖe eye wòtɔ kpɔ ƒo
xlãe. Etu nɔƒe tɔxɛ na agblea ŋudzɔla eye wòtu wainfiaƒe hã. Azɔ etsɔ agblea de asi
na agbledelawo be woawɔ dɔ le eme ale be yeama viɖe si ado tso eme la kpli wo. Le
esia wɔwɔ vɔ megbe la, agbletɔ la ŋutɔ dzo yi du bubu aɖe me.
34 “Esi nuŋeɣi ɖo la, eɖo dɔlawo ɖe agblea dzi kpɔlawo gbɔ be woaxɔ yeƒe
viɖe vɛ na ye. 35 Ke agbledzikpɔlawo dze ame dɔdɔawo dzi wu ɖeka, ƒo ɖeka vevie
eye woƒu kpe atɔ̃lia.
36 “Agbletɔ la gaɖo ameha gã bubu ɖa gake wowɔ fu woawo hã abe amedɔdɔ
gbãtɔwo ene. 37 Mlɔeba la, agbletɔ la dɔ via ŋutsu ɖa kple susu sia be woade bubu
eya ŋu elabena enye via.
38 “Gake kpao, esi agbledzikpɔla siawo kpɔ ŋutsuvia wògbɔna la, wogblɔ na
wo nɔewo be, “Ehẽ, ame siae le fofoa ƒe dome nyi ge ale be teƒe sia katã gbɔna etɔ
zu ge, mia tɔwo mina míawui bena agble sia nazu mía tɔ!” 39 Ale wohe agbletɔ la ƒe
vi do goe le agblea me eye wowui.
40 Yesu yi edzi bia wo be, “Nenye be agbletɔ la ŋutɔ gbɔ ɖe, nukae miebu be
awɔ agbledzikpɔla vɔ̃ɖi siawo?”
41 Yudatɔwo ƒe amegãwo ɖo eŋu nɛ be, “Ana woawu ame vɔ̃ɖi siawo eye
wòaxɔ agblea atsɔ na ame siwo awɔ eƒe gbe dzi la.”
42 Yesu gabia wo bena, “Miexlẽ le mawunya me kpɔ be, ‘Kpe si xɔtulawo
gbe be yewomazã o lae va zua dzogoedzikpe na xɔ la oa? Esia menye nu wɔnuku
aɖe si Aƒetɔ la wɔ oa?’
Mateo
75
43 “Nya si gblɔm mele na mi la gɔme kpuie koe nye be woaxɔ mawufiaɖuƒe
la le mia si atsɔ na dukɔ bubu, si atsɔ viɖe si nye Mawu tɔ la vɛ nɛ. 44 Nyateƒe nya
sia ɖe wòle abe kpe ene, ame si akli kpe sia la, aŋe kluikluiklui eye ame si dzi kpe
sia age adze la, agba gudugudu.”
45 Yudatɔwo ƒe Osɔfogãwo kple Farisitɔwo kpɔe dze sii be yewoe nye
agbledzikpɔla vɔ̃ɖi siwo ŋu Yesu ƒo nu le, le lododo la me eye yewo ŋutie wòle nya
la gblɔm ɖo. 46 Le esia ta, wodi vevie be yewoawui, gake wonɔ vɔvɔ̃m be ne
yewolée la, ameha la atɔ zi elabena wonya be ameha la xɔe se be Yesu nye
nyagblɔɖila.
Lododo le srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoɖo aɖe ŋuti
(Luka 14:15-24)
22 Yesu gado lo bubu na ameha la gblɔ be, 2 “Dziƒofiaɖuƒe la le abe Fia aɖe si
ɖo srɔ̃ɖekplɔ̃ gã aɖe na via ene. 3 Wokpe ame geɖewo ɖe kplɔ̃ sia ŋu eye esi nu sia
nu sɔ gbe vɔ la, fia la ɖo dɔlawo ɖe ame kpekpeawo be woava elabena ɣeyiɣia ɖo be
wɔnawo nadze egɔme, gake ame kpekpewo katã gbe womeva o. 4 Fia la gadɔ dɔla
bubuwo ɖo ɖe ame kpekpeawo gbɔ kple gbedeasi sia be, ‘Nu sia nu sɔ gbe vɔ,
nuɖuɖua bi eya ta miva. Ame sia ame neɖe abla ne wòava.’
5 “Ke esi ame kpekpeawo se nya sia la ɖeko woko nu eye wo dometɔ ɖe sia
ɖe dzo yi nu si dze eŋu la wɔ ge, ɖeka yi eƒe agble me, eye bubu yi asigbe. 6 Ke
ɖewo do dɔmedzoe ɖe dɔlawo ŋu ƒo wo vevie eye woɖi gbɔ̃ ɖewo wu ɖewo gɔ̃ hã.
7 “Fia la do dɔmedzoe ale wodɔ eƒe asrafowo woyi ɖawu hlɔ̃dola siawo eye
Mateo
76
wotɔ dzo woƒe du la wòbi keŋ. 8 Le esia megbe la fia la gblɔ na eƒe dɔlawo bena,
‘Nu sia nu sɔ gbe na ŋkekea ɖuɖu gake ame siwo mekpe la, medze na bubu si mede
wo ŋu o. 9 Eya ta miyi mɔtatawo dzi kple ablɔwo ƒe dzogoewo me, eye ame sia ame
si miakpɔ ko la, mikpee va kplɔ̃a ŋuti.’
10 “Dɔlawo wɔ ɖe esia dzi, eye eteƒe medidi o wokplɔ amewo vɛ fũ, ame
nyuiwo kple ame baɖawo siaa, eye ale srɔ̃ɖekplɔ̃a ŋu yɔ fũ kple amewo. 11 Esi fia la
ŋutɔ va do be yeado gbe na ame kpekpeawo la, ekpɔ ame ɖeka le wo dome si medo
srɔ̃ɖewu si wotsɔ nɛ be wòado la o.
12 “Fia la biae be, ‘Xɔ̃nye, aleke wɔ medo srɔ̃ɖewu hafi va afi sia o?’ Ke
ŋutsua ƒe nu tsi te elabena menya nya si tututu wòagblɔ o. 13 Fia la ɖe gbe na
eŋutimewo bena ‘Mibla eƒe asiwo kple afɔwo eye miatsɔe aƒu gbe ɖe blukɔ tsiɖitsiɖi
me le xexe afi si avifafa kple aɖukliɖuɖu lanɔ.’ 14 Elabena woyɔ ame geɖewo ke
ame ʋee aɖewo koe nye ame siwo wotia.”
Nudzɔdzɔ na Kaisaro
(Marko 12:13-17; Luka 20:20-26)
15 Le esia megbe la, Farisitɔwo kpe ta eye wode ŋugble le ale si woawɔ atsɔ biabia
aɖe atre mɔ na Yesu alée la ŋu. 16 Wodɔ woƒe nusrɔ̃la aɖewo kpe ɖe Herodia
dunyahelawo ŋu eye wobiae be, “Nufiala, míenyae be ame si de blibo lae nènye, eye
nefiaa Mawu ƒe mɔ le nyateƒe la nu. Amewo ƒe nyagbɔgblɔ meblea nuwò o elabena
mètsɔa ɖeke le nu si wonye la me o. 17 Azɔ gblɔe na mí, nu kae nye wò susu? Ele
eteƒe be woadzɔ duga na Kaisaro loo alo mele eteƒe o?”
18 Ke Yesu nya nu vɔ̃ɖi si woɖo ɖe tame eya ta ebia wo be, “Mi
Mateo
77
alakpanuwɔlawo! Ame kae miedi bena yewoatre mɔ na kple miaƒe aye biabia sia? 19
Mitsɔ kɔba aɖe si wotsɔna xea dugae la vɛ nam makpɔ.” Eye wotsɔ Roma ga ɖeka
va fiae. 20 Azɔ ebia wo bena, “Ame ka ƒe nɔnɔmetatae le ga sia dzi eye ame ka ƒe
ŋkɔe le ete?”
21 Woɖo eŋu nɛ be, “Kaisaro tɔe.” Yesu gblɔ na wo be, “Enyo, mitsɔ nu sia
nu si nye Kaisaro tɔ la na Kaisaro eye miatsɔ nu sia nu si nye Mawu hã tɔ la na
Mawu.”
22 Esi wose eƒe ŋuɖoɖoa la, wotsi yaa elabena ewɔ nuku na wo ŋutɔ be wòɖo
nya la ŋu nyuie alea eya ta wogblẽe ɖi hedzo.
Ame kukuwo ƒe tsitretsitsi
(Marko 12:18-27; Luka 20:27-40)
23 Gake le gbe ma gbe ke la, Zadukitɔ aɖewo ame siwo mexɔ se bena ame kukuwo
atsi tre le nuwuwua o la va egbɔ va biae bena, 24 “Aƒetɔ, Mose de se na mí bena ne
ŋutsu aɖe ɖe srɔ̃ eye medzi vi hafi ku o la, nɔvia ŋutsu naɖe ahosia eye wòadzi vi
kplii, ale be ɖeviawo nanyi ameyinugbea ƒe dome. 25 Azɔ nɔviŋutsu adre aɖewo nɔ
mia dome, woƒe tsitsitɔ ɖe srɔ̃ gake medzi vi kple nyɔnua hafi ku o, ale eyometɔ xɔ
ahosia ɖe. 26 Gake eya hã medzi vi aɖeke kple nyɔnu sia hafi ku o, eye wo nɔvi
etɔ̃lia xɔ ahosia ɖe gake kpao eya hã ku vi madzimadzii. Ale nɔvi ŋutsu adreawo
katã ɖe nyɔnu sia kpɔ gake ɖeke medzi vi kplii o. 27 Mlɔeba la nyɔnua ŋutɔ hã va
ku. 28 Biabia lae nye be, ame ka tɔ nyɔnu sia azu le tsitretsitsi ŋkekea dzi? Elabena
eɖe nɔvi adreawo katã kpɔ!”
29 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Miewɔ vodada gã aɖe ŋutɔ, elabena
Mateo
78
mienya mawunya kple Mawu ƒe ŋusẽ o. 30 Elabena le tsitretsitsi ŋkekea dzi srɔ̃ɖeɖe
maganɔ anyi o; amewo katã anɔ abe mawudɔla siwo le dziƒo ene. 31 ke le ame
kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋuti la, mabia mi be, miexlẽ mawunya kpɔ oa? Mienyae bena
miawoe Mawu nɔ nu ƒom na esi wògblɔ be, 32 ‘Nyee nye Abraham, Isak kple
Yakɔb ƒe Mawu’ oa? Eya ta minyae bena Mawu la, menye ame kukuwo ƒe Mawu
wònye o, ke boŋ ame gbagbewo ƒe Mawu wònye.”
33 Yesu ƒe ŋuɖoɖo la wɔ nuku na ameha la ŋutɔ.
Se lolotɔ la
(Marko 12:28-34; Luka 10:25-28)
34 Ke esi Farisitɔwo se be Yesu de ga nu na Zadukitɔwo la woƒo wo ɖokui nu ƒu. 35
Eye wodometɔ ɖeka, ame si nye sefiala gã aɖe la tee kpɔ hebia be, 36 Nufiala, Se
kae nye gãtɔ wu le Mose ƒe seawo dome?”
37 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Lɔ̃ Aƒetɔ wò Mawu la kple wò dzi blibo, wò luʋɔ
blibo kpakple wò susu katã. 38 Esiae nye se gbãtɔ kple gãtɔ wu. 39 Esi gakplɔe ɖo
lae nye be nalɔ̃ hawòvi abe ale si ko nèlɔ̃ wò ŋutɔ ɖokuiwò ene. 40 Wotu se
bubuawo katã kple nyagblɔɖilawo ƒe nyawo ɖe se eve siawo dzi.”
Kristo enye David ƒe Vi kple eƒe Aƒetɔ
(Marko 12:35-37; Luka 20:41-44)
41 Esia megbe la, Farisitɔwo va ƒo xlãe ale wòbia wo bena, 42 “Ale ke miekpɔ tso
Mesia la ŋutɔ ŋu? Ame ka vie wònye?” Woɖo eŋu nɛ be, “David vie!” 43 Yesu
gabia wo bena, “Ne enye David vi la, nu ka ta esi Gbɔgbɔ Kɔkɔe la va David dzi
Mateo
79
wònɔ nu ƒom la, eyɔ Mesia la be ‘Aƒetɔ’ ɖo? Miakpɔe le mawunya me be, David
gblɔ bena 44 ‘Mawu gblɔ na nye Aƒetɔ bena, nɔ anyi ɖe nye nuɖusime va se ɖe
esime matsɔ wò futɔwo awɔ wò afɔtenui.’
45 “Esime David yɔ Mesia la be, ‘Aƒetɔ’ ɖe, ale ke wɔ wòganye via?” 46
Nyateƒe, biabia la lolo wu wo ale be womete ŋu ɖo eŋuti o. Le esia megbe la ame
aɖeke medo dzi gabia nya aɖekee o.
Babaadodo na Farisitɔwo kple Agbalẽfialawo
(Marko 12:38-40; Luka 11:37-52, 20:45-47)
23 Tete Yesu gblɔ na ameha la kple eƒe nusrɔ̃lawo bena, 2 “Sefialawo kple
Farisitɔwo nɔ Mose ƒe Zi dzi. 3 Eya ta miɖo to wo eye miawɔ nu sia nu si wogblɔ na
mi gake migawɔ nu si wowɔna la o, elabena woawo ŋutɔ mewɔna ɖe nu siwo fiam
wole la dzi o. 4 Woblaa agba kpekpewo hetsɔna ɖoa amewo ƒe abɔta gake woawo
ŋutɔ mele klalo be yewoatsɔ yewoƒe asibidɛ akpe ɖe ameawo ŋu gɔ̃ hã o.
5 “Nu sia nu si wowɔna la, ɖe wowɔnɛ ko be yewoadze abe ame nyuiwo ene
le gota. Woƒe mawunya kpukpui, ŋkuɖodzinu siwo wosana ɖe ŋgonu kple abɔ la
kekena wua ame sia ame tɔ eye wodea dzesi tɔxɛ woƒe awuʋlayawo to be amewo
nakpɔ be yewo nye ame kɔkɔewo. 6 Wolɔ̃a kplɔ̃ta nɔnɔ le nuɖuƒewo eye wolɔ̃a
ŋgɔgbe zikpuiwo dzi nɔnɔ le woƒe ƒuƒoƒewo. 7 Ne wole ablɔ dzi yina eye amewo le
ŋkɔ dam ɖe wo dzi be, ‘Nufiala’ kple ‘Aƒetɔ’ la, evivia wo nu ŋutɔ. 8 Migana be
ame aɖeke nada ŋkɔ siawo tɔgbi ɖe mia dzi o. Elabena Mawu ɖeka hɔ̃ koe nye miaƒe
Nufiala, eye le mia dome la, mi katã miesɔ abe nɔviwo ene. 9 Migayɔ ame aɖeke le
Mateo
80
anyigba dzi afi sia be Fofo o, elabena Mawu ɖeka si le dziƒo koe wòle be míayɔ
nenema. 10 Eye migana hã be woayɔ mi be Nufiala o, elabena Nufiala ɖeka koe li na
mi, eyae nye Mesia la.
11 “Ne miebɔbɔ mia ɖokuiwo eye miesubɔ ame bubuwo la, miaƒe gãnyenye
adze wu le wo gbɔ. Ne ame aɖe di bena yeanye amegã la, netsɔ eɖokui wɔ subɔlae
boŋ. 12 Ame siwo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi la, woaɖiɖi wo ɖe anyi. Ke ame siwo
bɔbɔa wo ɖokuiwo ɖe anyi la woado wo ɖe dzi.
13 “Babaa na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo alakpanuwɔlawo! Mietu
dziƒofiaɖuƒe la ƒe agbo ɖe amewo nu. Miawo ŋutɔ miele eme yi ge o, eya ta mieɖe
mɔ be ame siwo le agbagba dzem be woage ɖe eme la hã nayi eme o.
14 Babaa na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, alakpanuwɔlawo! Miekpɔ mɔ
le ahosiwo ŋu, hexɔa woƒe aƒewo le wo si sesẽtɔe eye emegbe miebua doa gbe
didiwo ɖa! Le esia ta la mieƒe tohehe asesẽ wu bubuawo tɔ!
15 Babaa na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, alakpanuwɔlawo! Mietsana le
anyigbadzi kple atsiaƒuwo dzi, ›, afi sia afi ko be miawɔ ame ɖeka wòazu Yudatɔ le
xɔse me, eye ne ezui la, miewɔnɛ wòzua dzomavɔʋemevi zigbɔ zi eve wu miawo
ŋutɔ.
16 Babaa na mi, mi kplɔla ŋkugbagbãtɔwo.! Miegblɔna be, ‘Ne ame aɖe yɔ
gbedoxɔ ta nui la medze vɔ̃ o, gake ne eyɔ sika si le gbedoxɔ me ta nui la, atam la
blae’ 17 Mi bometsila ŋkugbagbãtɔwo! Kae lolo wu, sika la alo gbedoxɔ si wɔ sika
la gɔ̃ hã be wòle dzadzɛa? 18 Miawo kee gblɔ be ame si ta vɔsamlekpuia la, ate ŋu
ada le atam si wòka la dzi faa, gake ne ame aɖe ta nunana si le vɔsamlekpuia dzi la,
edze agɔ vevie nenye be wòda le ŋugbe si wòdo la dzi. 19 Mi ŋkuagbãtɔwo! Kae
Mateo
81
le vevie wu, nunana si le vɔsamlekpuia dzi loo alo vɔsamlekpuia ŋutɔ si nana be
nunana ŋuti kɔna? 20 Nenye be mieta vɔsamlekpuia ekema mietae kple nu siwo katã
le edzi, 21 eye ne mieta gbedoxɔ la, ekema mietae kple Mawu ame si nɔa eme. 22
Nenye be mieta ‘Dziƒo’ la minyae be mieta Mawu ƒe Fiazikpui kple Mawu ame si
nɔa edzi.
23 “Babaa na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo alakpanuwɔlawo! Mienaa
adrike, sikɔni kple tsyo ƒe ewoliawo gɔ̃ hã, gake miegblẽ se la ƒe nu vevietɔ siwo nye
afia nyui tsotso, nublanuikpɔkpɔ kple nuteƒewɔwɔ la ɖi. Ele be miawɔ ɖe esiawo hã
dzi eye mele be miagbe ekemɛawo hã o. 24 Mi kplɔla ŋkugbagbãtɔwo! Mieɖea
nudzodzoe suetɔ kekeake le miaƒe nunonowo me ƒua gbe, gake miehe mia kpɔsɔ ya.
25 Babaa na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo! Mieklɔa kplu kple nuɖugba
ŋuti, gake wome yɔ fũu kple ŋukeklẽ kpakple ɖokuitɔdidi. 26 Farisitɔ
ŋkugbagbãtɔwo! Miklɔ kplu la kple nuɖugba la me gbã ekema wo godo hã la ɖi
nyuie.
27 “Babaa na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, alakpanuwɔlawo! ɖeko
miele abe yɔdokpe siwo wosi akalo na la ene, esiwo dzena le gota nyuie, ke wo me
yɔ fũu kple ame kukuwo ƒe ƒuwo kple numakɔmakɔ bubuwo. 28 Miawo hã, nenema
kee miedze le gota le amewo gbɔ abe ame dzɔdzɔawo ene, gake miaƒe ememe yɔ fũu
kple alakpanuwɔwɔ kpakple vɔɖivɔ̃ɖi.
29 “Babaa na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, alakpanuwɔlawo! Miewɔ
ŋkuɖodzikpe na nyagblɔɖilawo eye mieɖo atsyɔ̃ na ame dzɔdzɔwo ƒe yɔdowo. 30
Eye miegblɔ bena, ‘Ne ɖe míenɔ agbe le mía fofowo ŋɔli la, míawɔ ɖeka kpli wo le
nyagblɔɖilawo ƒe ʋu kɔkɔɖi me o’ 31 Ale mieɖi ɖase le miawo ŋutɔ ɖokui ŋu be
Mateo
82
mienye ame siwo wu nyagblɔɖilawo ƒe dzidzimeviwo. 32 Enyo ŋutɔ, azɔ miwu nu
vɔ̃ dɔ si gɔme mia fofowo dze la nu.
33 “Mi dawo! Dawo ƒe dzidzimeviwo! Ale ke miawɔ asi le dzomavɔʋe ƒe
fɔbubu nu?
34 “Eya ta mele nyagblɔɖilawo, nunyalawo kple nufiala siwo me Gbɔgbɔa yɔ
fũ la hã ɖom ɖe mi, ke miawo la, miawu wo dometɔ aɖewo alo aklãwo ɖe atitsoga
ŋu, miaƒo ɖewo le miaƒe ƒuƒoƒewo eye miati geɖewo hã ƒe agbe yome tso afii yi afi
mɛ. 35 Ne miewɔ esiawo la ekema ame kɔkɔe siwo wowu tso keke Abel dzi va se ɖe
Zakaria, Barakia vi si miewu le Vɔsamlekpui kple Kɔkɔeƒea dome le gbedoxɔa me la
ƒe ʋu ava mia dzi. 36 Ẽ, mele egblɔm na mi bena, tohehe siwo katã wodzra ɖo ɖi tso
ɣemaɣi ke va se ɖe fifia la ava dzidzime sia dzi.
Konyifafa ɖe Yerusalem ŋu
(Luka 13:34-35)
37 “O, Yerusalem, Yerusalem, wò du si me tɔwo wu nyagblɔɖilawo eye woƒu kpe
ame siwo Mawu ɖo ɖe wò! Medi zi geɖe bena maƒo viwòwo nu ƒu abe ale si koklo
ƒoa viawo nu ƒui ɖe eƒe aʋalãwo te ene, gake wogbe womena mɔm o. 38 Azɔ
woagblẽ miaƒe aƒe ɖi na mi aƒedoe. 39 Mele egblɔm na mi kple kakaɖedzi be,
miagakpɔm azɔ o, va se ɖe esime miagblɔ be woayra ame si gbɔna le Aƒetɔa ƒe ŋkɔ
me.”
Mateo
83
Wogblɔ nya ɖi tso gbedoxɔ la gbagbã ŋuti
(Marko 13:1-2; Luka 21:5-6)
24 Yesu do go le gbedoxɔ la me, hezɔ dzo yina, ke eƒe nusrɔ̃lawo te ɖe eŋu heɖo
ŋku nu dzi nɛ tso xɔ bubu siwo le gbedoxɔ me la ŋuti. 2 Yesu ɖo eŋu na wo bena,
“Miele nu siawo katã kpɔma? Mele egblɔm na mi, le nyateƒe me be, womagble kpe
ɖeka pɛ hã ɖe nɔvia dzi o, woagbã nu sia nu aƒu anyi.”
Fukpekpewo ƒe gɔmedzedze
(Marko 13:3-13; Luka 21:7-19)
3 Azɔ edzo yi ɖanɔ Amito la dzi. Nusrɔ̃lawo va egbɔ va biae bena, “Aƒetɔ, ɣekaɣie
nu siawo katã ava eme? Dzesi kawoe afia wò vava zi evelia kple xexeame ƒe
nuwuwu?”
4 Yesu ɖo eŋu na wo bena, “Minɔ ŋudzɔ, be ame aɖeke nagaflu mi o. 5
Elabena ame geɖewo lava le nye ŋkɔme agblɔ be, ‘Nyee nye Kristo la’ eye woaflu
ame geɖewo. 6 Ne miese be aʋa dzɔ le afi aɖe eye aʋaɣliwo le ɖiɖim la, migaɖi vo
alo avɔ̃ o, elabena esia mefia be nye vava alo nuwuwu la ɖo o, nu siawo adzɔ gake
nuwuwua meɖo haɖe o. 7 Le ɣeyiɣi mawo me la dukɔ atsi tre ɖe dukɔ ŋu eye fiaɖuƒe
atsi tre ɖe fiaɖuƒe ŋu. Dɔ ato le teƒe geɖewo fũ, hekpe ɖe esia ŋu la anyigba aʋuʋu le
teƒe geɖewo. 8 Nu siawo nye kpɔkplɔyiɖeme ko na nu dziŋɔ siwo gbɔna.
9 “Le ɣeyiɣi mawo me la, amewo ade mi asi na yometitiwo kple wuwu gɔ̃
hã. 10 Le ɣemaɣi me la, ame geɖewo atra ɖa le xɔse la gbɔ, woade wo nɔviwo asi
eye woalé fu wo nɔewo vevie, 11 Aʋatsonyagblɔɖilawo abɔ fũ eye woatra ame
Mateo
84
geɖewo. 12 Nu vɔ̃ wɔwɔ axɔ aƒe ale gbegbe be, amehavi lɔlɔ̃ nu atsi 13 Ke ame si
anɔ te ase ɖe nuwuwu la, woaɖee. 14 Azɔ la, woagblɔ fiaɖuƒe la ƒe nyanyui sia le
xexeame katã abe ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã ene, ekema nuwuwua ava.
Xaxa gã la
(Marko 13:14-23; Luka 21:20-24)
15 “Eya ta, ne miekpɔ ‘ŋunyɔnu si hea gbegblẽ vanae’ le tsitre ɖe Kɔkɔeƒe la, esi ƒe
nya wogblɔ to nyagblɔɖila Daniel dzi la, nu sia xlẽ la nese egɔme, 16 ekema nana
ame siwo le Yudea la nasi ayi towo dzi. 17 Ame si le eƒe xɔ tame la nagaɖi ayi
naneke tsɔ ge le aƒea me o. 18 Eye ame si le agble me la hã nayi aƒeme be yeatsɔ
yeƒe awuʋlaya o.
19 “Baba na funɔwo kple ame siwo si vidzῖwo le le ŋkeke mawo me.
20 Mido gbe ɖa be, miaƒe sisigbe nagadze vuvɔŋɔli alo sabat ŋkeke dzi o. 21
Le ɣemaɣi me la, xaxa si ƒomevi medzɔ kpɔ tso xexeame ƒe gɔmedzedze va se ɖe
fifia o eye magadzɔ kpɔ o la anɔ anyi.
22 “Le nyateƒe me, ne womeɖe le nenem ŋkekeawo dzi o la, amegbetɔ ƒomea
katã atsrɔ̃. Ke meka ɖe edzi na mi be, le Mawu ƒe ame tiatiawo ta la woato ŋkeke
siawo ɖe eme.
23 “Nyenye be ame aɖe agblɔ na mi be, ‘Mesia la va ɖo eye wòle afii alo afi
mɛ alo wokpɔe le afi aɖe la, migaxɔe se o. 24 Elabena aʋatso kristotɔwo kple aʋatso
nyagblɔɖilawo ava do eye woawɔ nukunu gãwo si dzi Mawu ƒe ame tiatiawo gɔ̃ hã
ate ŋu axɔ ase. 25 Kpɔ ɖa, megblɔe na mi do ŋgɔ lo! 26 “Eya ta ne ame aɖe gblɔ na
mi be ele gbedzi afi aɖe la, megaɖe fu na ɖokuiwò be yeayi aɖakpɔe ɖa o. Alo ne
Mateo
85
ame aɖe be ebe ɖe teƒe aɖe la, megaxɔe se o! 27 Abe ale si dzi kea dzo le ɣedzeƒe
wokpɔnɛ le ɣetoɖoƒe ene la, nenema ke Nye Mesia la ƒe vava anɔ. 28 Minyae bena
afi si nukuku le la afi mae akagawo nɔna.
Amegbetɔ Vi la ƒe vava
(Marko 13:24-27; Luka 21:25-28)
29 “Le xaxa ŋkeke mawo megbe teti ko la, ‘Zãdokeli ado, ɣleti magaɖi o, ɣletiviwo
age tso dziƒo eye dziƒoŋunuwo aʋuʋu kpekpekpe.
30 “Le ɣemaɣi me la, Amegbetɔvi la ƒe dzesi ado ɖe dziŋgɔli me eye anyigba
dzi dukɔwo katã afa konyi. Tete woakpɔ Amegbetɔ Vi la wòanɔ alilikpo dzi aɖiɖi
gbɔna le ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe gã aɖe me. 31 Eye wòadɔ eƒe dɔlawo kple kpẽ ƒe ɖiɖi
sesῖe eye woayi aɖa ƒo ametitiawo nu ƒu tso ya eneawo dzi, tso dziƒo ƒe dzogoe si
dzi, yi ekemɛ dzi.
Nufiame tsɔ gboti la ŋu
(Marko 13:28-31; Luka 21:29-33)
32 “Azɔ misrɔ̃ nu tso gboti ŋu. Nenye be tsi ɖo eƒe alɔwo me eye aŋgbawo de asi
dodo me la, ekema minyae be dzomeŋɔli ɖo vɔ. 33 Nenema ke ne miekpɔ be nu
siawo katã de asi dzɔdzɔ me la, ekema minyae be nye vava tu aƒe kpokploe.
34 Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be, dzidzime sia nu mava yi o, va se ɖe
esime nu siawo katã va eme.
35 “Dziƒo kple anyigba nu ava yi gake nye nyawo anɔ anyi ɖaa. 36 Ame
aɖeke menya ŋkeke alo gaƒoƒo si dzi nuwuwua ava o mawudɔlawo gɔ̃ hã
Mateo
86
menyae o Mawu Vi la ŋutɔ gɔ̃ hã menyae o, negbe Fofonye ɖeka hɔ̃ ko.
Ame aɖeke menya ŋkeke la alo gaƒoƒo la o
(Marko 13:32-37; Luka 17:26-30, 34-36)
37 Abe ale si wòdzɔ le Noa ŋɔli ene la, nenema woanɔ le Amegbetɔ Vi la ƒe vava
ɣeyiɣi me.
38 Elabena le ŋkeke siwo do ŋgɔ na tsiɖɔɖɔ me la, ameawo nɔ nu ɖum, nɔ nu
nom, nɔ srɔ̃ɖem eye woasɔa ame nana be woaɖe, va se ɖe ŋkeke si dzi Noa ge ɖe
aɖakaʋu la me, 39 eye womenya nu si gbɔna dzɔdzɔ ge o, va se ɖe esime tsiɖɔɖɔ la
va eye wòkplɔ wo katã dzoe. Nenemae wòanɔ le Amegbetɔ Vi la ƒe vavaɣi.
40 “Ame eve anɔ agble me anɔ dɔ wɔm, woava kplɔ ɖeka dzoe agblẽ ɖeka ɖi.
41 Nyɔnu eve anɔ bli tum le te dzi, woatsɔ ɖeka agblẽ evelia ɖi.
42 “Eya ta minɔ ŋudzɔ elabena mienya gbe sigbe miaƒe Aƒetɔ la ava o.
43 “Ne ame aɖe medi be fiafitɔ neva fi yeƒe nuwo le zã me o la, enɔa ŋudzɔ
na fiafitɔ la ƒe vava, 44 eya ta miawo hã minɔ ŋudzɔ be nyemava lili mi o.
Dɔla ŋuteƒewɔla alo ŋuteƒemawɔla la
(Luka 12:41-48)
45 “Minye dɔla nuteƒewɔlawo kple aɖaŋudzela siwo ate ŋu akpɔ nye aƒe dzi ana
nuɖuɖu vinyewo ɖe ɣeyiɣi dzi pɛpɛpɛ gbesiagbe. 46 Nenye be metrɔ gbɔ va kpɔ mi
miele miaƒe dɔdeasi siawo wɔm anukwaretɔe la, mayra mi ŋutɔ. 47 Nuteƒewɔla
siawo tɔgbie matsɔ ɖo nusiwo katã le asinye la nu.
48 “Gake ne miewɔ abe ame vɔ̃ɖiwo ene hegblɔ na mia ɖokuiwo be,
Mateo
87
‘Nye Aƒetɔ mava fifia o,’ 49 ale be miede asi dɔla bubuawo ƒoƒo me hele nutsuɖuɖu
kple ahamumu dzi la, 50 miaƒe Aƒetɔ la ava do ɖe mia dzi kpata le ɣeyiɣi si me
miele mɔ kpɔm nɛ o la me, 51 eye woaƒo mi vevie. Emegbe la ana woadrɔ̃ ʋunu mi
kple alakpanuwɔlawo eye afi ma miafa avi, aɖu aɖukli hã le.”
Lododo le ɖetugbi ewoawo ŋuti
25 “Miatsɔ ɖetugbi ewo aɖewo ƒe ŋutinya atsɔ asɔ kple dziƒofiaɖuƒe lae.
ɖetugbi ewo siawo tsɔ woƒe akaɖiwo ɖe asi be yewoayi aɖakpe ŋugbetɔsrɔ̃ aɖe. 2
Wo dome ame atɔ̃ nye abunetɔwo, eye ame atɔ̃ hã nye nunyalawo. 3 Abunetɔwo tsɔ
woƒe akaɖiwo ke wometsɔ ami kpe ɖe akaɖiawo ŋu o. 4 K nunyalawo ya tsɔ ami kpe
ɖe woƒe akaɖiawo ŋuti.
Eva dzɔ be ŋugbetɔsrɔ̃a tsi megbe ale alɔ̃ de asi ɖetugbiawo tsɔtsɔ me eye
womlɔ anyi dɔ alɔ̃. 6 Ke le zã titina la ɣli ɖi be, ‘ŋugbetɔsrɔ̃ la va ɖo azɔ. Mido go
va kpee hee!’
7 ɖetugbiawo katã fɔ eye wodzra woƒe akaɖiawo ɖo. 8 Tete abunetɔawo gblɔ
na nunyalawo be ‘mina miaƒe amia ƒe ɖe mí’ elabena míaƒe akaɖiwo le tsitsim.
9 “Gake woɖo eŋu na abunetɔawo be, ‘Mía tɔ hã mesɔ gbɔ ade mia kple
míawo nu o eya ta miyi ne miadze ɖe ne mia ɖokuiwo.’
10 “Kaka woaɖe afɔ la, ŋugbetɔsrɔ̃ la va ɖo xoxo eye ame siwo nɔ klalo la yi
srɔ̃ɖeƒea kplii, eye wotu agbo si le aƒea nu.
11 “Emegbe ɖetugbi abunetɔ atɔ̃awo va do ɖe agboa nu nɔ ɣli dom be.
‘Aƒetɔ, ʋu agbo la na mí!’
Mateo
88
12 “Aƒetɔ, la ɖo eŋu na wo bena, ‘Midzo le afi ma miayi, elabena mietsi
megbe!’
13 “Eya ta minɔ ŋudzɔ eye miadzra ɖo elabena mienya ŋkeke alo gaƒoƒo si
dzi matrɔ ava o.
Lododo le talentomama ŋuti
(Luka 19:11-27)
14 “Dziƒofiaɖuƒe la gasɔ kple Aƒetɔ aɖe si ɖo be yeawɔ mɔzɔzɔ ayi anyigba bubu
aɖe dzi. Hafi wòadzo la eyɔ eƒe dɔlawo hetsɔ ga home vovovo de asi na wo dometɔ
ɖe sia ɖe be wòatsɔ nɔ asi tsamii va se ɖe esime yeagbɔ.
15 “Etsɔ Sidi akpe atɔ̃ na ame gbãtɔ, tsɔ Sidi akpe eve na ame evelia eye
wòtsɔ Sidi akple ɖeka na eme etɔ̃lia. Ema ga la na wo ɖe woƒe ŋutete nu, eye le esia
megbe la edzo yi mɔa dzi. 16 Ame si xɔ Sidi akpe atɔ̃ la de asi asitsatsa me kplii
enumake eye eteƒe medidi hafi wògakpɔ Sidi akpe atɔ̃ ɖe gatia dzi o. 17 Ame si xɔ
Sidi akpe eve hã tsa asi kple etɔ eye wogakpɔ Sidi akpe eve bubu ɖe edzi.
18 “Ke ame si xɔ Sidi akpe ɖeka la ya yi ɖaɖe do eye wòtsɔ ga la ɣla ɖe eme
be wòanɔ dedie.
19 “Aƒetɔ la trɔ gbɔ le ŋkeke geɖewo megbe, eye wòyɔ dɔlawo be woava na
akɔnta tso ga siwo wòtsɔ na wo la ŋuti. 20 Ame si wòtsɔ Sidi akpe atɔ̃ na la tsɔ Sidi
akpe ewo vɛ nɛ.
21 “Eƒe Aƒetɔ kafui ŋutɔ le eƒe dɔ nyui si wòwɔ la ta. Egblɔ na dɔla la bena,
‘Wò dɔla nyui, èwɔ nuteƒe ŋutɔ eya ta tso azɔ dzi la matsɔ dɔ geɖe ade wò dzikpɔkpɔ
te. Va ne nàkpɔ dzidzɔ kplim.
Mateo
89
22 “Ame si xɔ Sidi akpe eve la hã va gblɔ na Aƒetɔa bena, ‘Aƒetɔ, ètsɔ Sisi
akpe eve nam, gake megakpɔ Sidi akpe eve bubu ɖe edzi.’
23 “Aƒetɔ la gblɔ nɛ kple dzidzɔ be, ‘Dɔ nyui aɖee ma nèwɔ. Dɔla dzɔdzɔe
kple nuteƒewɔlae nènye. Esi nèɖi anukware le gã home sue sia ŋudɔwɔwɔ me ta la,
tso azɔ dzi la, matsɔ ga geɖe ade asi na wò.’
24 Ame si xɔ Sidi akpe ɖeka hã va do eye wòdo dzi gblɔ na Aƒetɔ la be,
‘Aƒetɔ menyae bena wò nya ɖe wòse, eŋea nu le afi si mèƒã nu ɖo o eye neƒoa nu ƒu
le afi si mewu nu ɖo o, 25 ale menɔ vɔvɔ̃m be ne mekpɔ viɖe aɖe ɖe gã la dzi la
axɔe le asinye bɔbɔe, eya ta metsɔ wò ga la ɣla eye esi nèva la mehee ɖe go. Eyae
nye esi.’
26 “Aƒetɔ la ɖo eŋu nɛ kple dɔmedzoe be, ‘Dɔla vɔ̃ɖi kple kuviatɔe nènye; esi
nènya be ame sesẽe menye eye meŋea nu le afi si nyemeƒã nu ɖo o eye meƒoa nu ƒu
le afi si nyemewu nu ɖo o eye esi nènyae hã be mele viɖe bia ge ɖe gaa dzi la, 27
ele na wò be nàtsɔ ga la da ɖe gadzraɖoƒe nam teti be wòahe viɖe vi aɖe vɛ nam. 28
Mixɔ ga la le ame vɔ̃ɖi sia si eye miatsɔe na ame si si Sidi akpe ewo le la. 29
Elabena ame si wɔ nu si wotsɔ nɛ ŋudɔ nyuie la, woagatsɔ nu geɖe akpee nɛ, nu nasɔ
gbɔ ɖe esi fũ. Ke ame si meɖia anukware o la, woaxɔ nu suetɔ kekeake si le esi la hã
le esi. 30 Woatsɔ dɔla ɖigbɔ̃ sia aƒu gbe ɖe viviti si do tsiɖitsiɖi la me, afi ma avifafa
kple aɖukliɖuɖu anɔ.’
Nuwuwu ʋɔnudɔdrɔ̃
31 ‘Ne nye Mesia la meva le nye ŋutikɔkɔe me kple mawudɔlawo katã la, ekema
manɔ anyi ɖe nye ŋutikɔkɔe fiazikpui la dzi. 32 Ekema dukɔ siwo katã le
Mateo
90
xexeame alo ame siwo katã le xexeame la aƒo ƒu ɖe ŋkunyeme. Eye mamã ameawo
me ɖe akpa eve, abe ale si alẽkplɔla ma alẽwo ɖa tso gbɔ̃wo gbɔe ene. 33 Mada
alẽawo ɖe nye nuɖusime, eye gbɔ̃wo anɔ nye miame.
34 “Ekema Nye, Fia la magblɔ na ame siwo le nye nuɖusime bena, ‘Fofonye
ƒe ame yayrawo, miyi ɖe Fiaɖuƒe si wòdzra ɖo ɖi na mi tso xexeame ƒe
gɔmedzedzeame ke la me. 35 Elabena esi dɔ wum la, miena nuɖuɖum, tsikɔ wum
eye miena tsim, medze mi abe amedzro ene eye miexɔm atuu ɖe miaƒe aƒewo me. 36
Awu menɔ ŋunye o gake mietsɔ awu nam medo. Medze dɔ mieva kpɔm ɖa. Menɔ
gaxɔ me eye mieɖi tsa va gbɔnye.
37 “Ame dzɔdzɔewo abia be, ‘Aƒetɔ, ɣekaɣie miekpɔ wò dɔ nɔ wuwòm eye
míena nuɖuɖu wò? Alo tsi kɔ wuwòm míena tsi wò nèno kpɔ? 38 ɣekaɣie nèva dze
mí abe amedzro ene? 39 Eye gbe ka gbee míetsɔ awu na wò nèdo kpɔ? ɣekaɣie
wode wò mɔ alo nedze dɔ eye mieva kpɔ wò ɖa?’
40 “Eye nye Fia la maɖo eŋu na wo bena, ‘ Esi miewɔ nu siawo katã na
nɔvinye sue siawo dometɔ aɖe ta la, nyee miewɔ wo na!’
41 “Azɔ matrɔ ɖe ame siwo le nye miame la ŋu agblɔ na wo be, ‘Mite ɖa le
gbɔnye, mi ame siwo woƒo fi de. Miyi dzomavɔ si wodzra ɖo ɖi na Abosam kple eƒe
dɔlawo la me. 42 Elabena esi dɔ wum la, miena nuɖuɖum o, tsikɔ wum miena tsim
be mano o. 43 Meva dze mi abe amedzro ene gake miexɔm o, menɔ amama gake
mietsɔ awu nam be mado o, medze dɔ gake mieva kpɔm ɖa o, wodem mɔ gake
medzro mi be miava do gbe teti nam o.’
44 “Woawo hã aɖo eŋu nam be, ‘Aƒetɔ, gbe ka gbe míekpɔ wò bena, dɔ le
wuwom, alo tsikɔ le wuwòm eye míekpɔ gbɔwò o? ɣekaɣie nèdze míagbɔ, nèle
Mateo
91
amama, nèdze dɔ alo nele gaxɔ me eye míeva kpɔ wò ɖa alo kpe ɖe ŋuwò o?
45 “Ale maɖo eŋu na wo bena, ‘Esime miegbe be yewomawɔ nu siawo na
nɔvinye sue siawo dometɔ ɖeka teti o la nyee nye ema miewɔ wo na o.’
46 “Ale ame siawo ayi ɖe fukpekpe mavɔ me. Ke ame dzɔdzɔewo ayi agbe
mavɔ la me.”
Nugbeɖoɖo ɖe Yesu wuwu ŋuti
(Marko 14:1-2; Luka 22:1-2; Yohanes 11:45-53)
26 Esi Yesu ƒo nu na eƒe nusrɔ̃lawo le nya siawo ŋu vɔ la, egblɔ na wo hã be,
2 “Abe ale si ke mienya ene la, ŋutitotoŋkeke la adze gɔme le ŋkeke eve
megbe, eye woadem asi aklãm ɖe ati ŋuti.”
3 Le ɣeyiɣi ma tutu me la, Yudatɔwo ƒe Osɔfogãwo kple Yudea dumemegã
bubuwo kpe ta ɖe Osɔfogãtɔ, Kayafa ƒeme, 4 be yewoade ŋugble tso ale si woawɔ
alé Yesu le bebe me awui la ŋuti. 5 Ke wo katã wolɔ̃ ɖe edzi bena, “Míawɔ nu sia
gake menye le ŋutitotoŋkekea dzi o, ne menye nenema o la zi atɔ le dukɔa me.”
Amisisi na Yesu le Betania
(Marko 14:3-9; Yohanes 12:1-8)
6 Azɔ Yesu yi Betania eye wòdze Simɔn anyidɔléla la ƒeme. 7 Esi wonɔ nu ɖum la,
nyɔnu aɖe va aƒea me kple amiʋeʋẽ xɔasi aɖe eye wòʋui tsɔ kɔ ɖe tame na Yesu.
8 Esia ve dɔme na nusrɔ̃lawo ŋutɔ eye wogblɔ bena, “Nu ka ta wòle be ame
natsɔ ga aƒu gbe ɖe yame alea? Enyo be wòawɔ esia? 9 Ate ŋu adzra ami sia, akpɔ
Mateo
92
ga home gã aɖe atsɔ na ame dahewo ɖe.”
10 Yesu nya nu si bum nusrɔ̃lawo le ale wògblɔ na wo be, “Migaɖe ɖeklemi
kple nyɔnua o, elabena nu nyui wònye wòwɔ nam. 11 Ame dahewo li kpli mi gbe sia
gbe, ke nye la nyemanɔ mia gbɔ tegbee o. 12 Esi wònye be nye ku gbɔna kpuie ta la,
ekɔ amiʋeʋẽ la ɖe dzinye bena wòadzra nye ŋutilã ɖo hena ɖiɖi. 13 Nyɔnu sia ƒe ŋkɔ
mele bubu ge akpɔ o elabena woagblɔ nu si wòwɔ la afia le xexeame godoo afi sia
afi si woagblɔ nyanyui la le ko.”
Yuda lɔ̃ be yeade Yesu asi
(Marko 14:10-11; Luka 22:3-6)
14 Le nyadzɔdzɔ sia megbe la, Yuda Iskariɔt, nusrɔ̃la wuieveawo dometɔ ɖeka yi ɖe
Osɔfogãwo gbɔ 15 eye wòbia bena, “Ho nenie miaxe nam nenye be mede Yesu asi
na mi?” Enumake woxlẽ klosaloga blaetɔ̃ tsɔ de asi nɛ. 16 Tso gbe ma gbe dzi ko
Yuda de asi mɔ si dzi wòato ade Yesu asi na Osɔfogãwo la didi me.
Yesu ɖu ŋutitotolẽvi la kple eƒe nusrɔ̃lawo
(Marko 14:12-21; Luka 22:7-14, 21-23; Yohanes 13:21-30)
17 Le ŋkeke gbãtɔ si do ŋgɔ na abolo maʋamaʋã ɖuɖu ƒe ŋkekea dzi la, nusrɔ̃lawo te
ɖe Yesu ŋu eye wobiae be, “Afi kae míele ŋutitotoŋkekenyui la ɖu ge le?”
18 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ne miege ɖe dua me teti ko la, miado go ŋutsu
aɖe, mi gblɔ nɛ bena, ‘Míaƒe Nufiala ɖo mí ɖe gbɔwò be míagblɔ na wò be, yeƒe
ɣeyiɣi la ɖo azɔ eya ta ye kple yeƒe nusrɔ̃lawo yewoava dze gbɔwò aɖu
ŋutitotoŋkekenyui la.’” 19 Nusrɔ̃lawo wɔ ɖe Yesu ƒe gbe dzi pɛpɛpɛ eye wodzra ɖo
Mateo
93
na ŋkekea ɖuɖu le afi ma.
20 Le fiẽ me la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ kplɔ̃ ŋu eye woɖu nu. 21 Ke esi
wonɔ nua ɖum la, Yesu gblɔ na wo be, “Mia dometɔ ɖeka adem asi be woawu.”
22 Nya sia ɖi ɖe nusrɔ̃lawo ŋutɔ ale wolé blanui. Wo dometɔ ɖe sia ɖe tsi
dzodzodzoe eye wobiae be, “Aƒetɔ nyea? Aƒetɔ nyea?”
23 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ame si de asi nuɖugba me kplim lae le dɔ sia wɔ
ge. 24 Ele nam be maku abe ale si nyagblɔɖilawo gblɔe da ɖi xoxo ene. Gake baba
na ame si adem asi. Le nyateƒe me la, nenye be womegaxa dzii o la anyo nɛ wu sa.”
25 Ke azɔ la, Yuda hã bia Yesu be, “Nufiala, nyee le nu sia wɔ gea?” Ke
Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nɔvi, wò tututue le dɔ sia wɔ ge.”
Aƒetɔ ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔ ɖo ɖo anyi
(Marko 14:22-26; Luka 22:15-20)
26 Esi wonɔ nua ɖum la, Yesu tsɔ abolo ɖe asi. Edo gbe ɖa ɖe aboloa ta eye womae
na wo be woaɖu. Esi wòtsɔ aboloa na wo be woaɖu la, egblɔ be, “Mixɔe ɖu. Esiae
nye nye ŋutilã.”
27 Emegbe la etsɔ wain kplu la hã ɖe asi, do gbe ɖa ɖe eta eye wotsɔe na wo
be woano. Egagblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Mi katã mixɔe no, 28 esia nye nye ʋu si wotsɔ
tre nubabla yeyea nui. Wokɔe ɖi be ame geɖe nakpɔ nu vɔ̃ tsɔtsɔke to eme.” 29 Yesu
yi edzi gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena, “Medi be mianya nyuie bena, nyemegale wain
sia no ge akpɔ o, va se ɖe esi me nye kple miawo miaganoe yeyee le fofonye ƒe
Fiaɖuƒe la me.”
30 Esi Yesu ƒo nu vɔ la, wo katã wodzi ha ɖeka eye wodo go heɖo ta
Mateo
94
amitito la dzi.
Yesu gblɔ nya ɖi tso Petro ƒe nugbegbe le egbɔ ŋuti
(Marko 14:27-31; Luka 22:31-34; Yohanes 13:36-38)
31 Azɔ Yesu gblɔ na wo be, “Le egbe ƒe zã sia me la, mi katã mia kaka le ŋunye.
Elabena woŋlɔe ɖe mawunya me bena, ‘Mele alẽkplɔla la wu ge eye alẽawo katã
akaka gbẽe.’ 32 Gake ne megagbɔ agbe la, mayi ɖe Galilea eye mado go mi le afi
ma.”
33 Petro tɔ asi akɔ gblɔ nɛ be, “Ne ame sia ame ka hlẽ le ŋuwò hã la, nye ya
nyemadzo le gbɔwò gbeɖegbeɖe o.” 34 Ke Yesu gblɔ nɛ be, “Nɔvi, le nyateƒe me la,
kasia ne koklo naku atɔ le fɔŋli me la, agbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.”
35 Petro gaɖo eŋu kple kakaɖedzi be, “Ke ɖeko maku hafi agbe nu le gbɔwò”
Azɔ nusrɔ̃la bubuawo katã hã gblɔ nenema.
Le Getsemane
(Marko 14:32-42; Luka 22:39-46)
36 Ke Yesu kplɔ wo yi ɖe abɔ aɖe si woyɔna be Getsemane la me eye wògblɔ na wo
be woabɔbɔ nɔ anyi alala ye vie. Esi wonɔ elalam la, ezɔ yi ŋgɔ vie be yeado gbe ɖa.
37 Ekplɔ Petro kple Zebedeo vi eveawo siwo nye Yohanes kple yakobo la ɖe asi. Esi
wova ɖo teƒea la eƒe lãme gbɔdzɔ eye wòlé blanui.
38 Ale wògblɔ na wo bena, “Nye lãme gbɔdzɔ ŋutɔ eye nye dzi le nu xam
heyi ku me ke, eya ta minɔ afi sia eye mianɔ ŋudzɔ kplim.”
39 Yesu zɔ yi ŋgɔ vie, edze klo eye wòtsyɔ mo anyi. Azɔ edo gbe ɖa be,
Mateo
95
“Fofonye, ne anɔ bɔbɔe la, ekema ɖe kplu sia ɖa le dzinye. Ke na be nu si ke nye wò
lɔlɔ̃ nu la nava eme ke menye nu si medi la o.”
40 Yesu trɔ va nusrɔ̃la etɔ̃awo gbɔ kasia, ekpɔ be wonɔ alɔ̃ dɔm bɔkɔɔ. Eyɔ
Petro eye wòbiae se bena, “Ke miate ŋu anɔ ŋu kplim gaƒoƒo ɖeka pɛ oa? 41 Minɔ
ŋudzɔ eye mido gbe ɖa, nemenye nenema o la, tetekpɔ aɖu mia dzi. Elabena gbɔgbɔ
la le lɔlɔ̃m gake ŋutilã ya gbɔdzɔ.”
42 Yesu gagblẽ nusrɔ̃la etɔ̃awo ɖi heyi ɖado gbe ɖa ake be, “Fofo, nenye be
ele be mano kplu sia kokoko la, ekema mawɔ wò lɔlɔ̃ nu.”
43 Esi wògatrɔ va la ekpɔ nusrɔ̃lawo woganɔ alɔ̃ dɔm ko elabena alɔ̃ bla woƒe
ŋkuwo. 44 Etrɔ le wo gbɔ gayi ɖado gbe ɖa zi etɔ̃lia.
45 Azɔ etrɔ va nusrɔ̃lawo gbɔ eye wògblɔ na wo be, “Miate ŋu adɔ alɔ̃ azɔ
fãa eye mia dzudzɔ mia ɖokuiwo. Gake nɔviwo, ɣeyiɣi la de be woadem asi na nu vɔ̃
wɔlawo. 46 Mitso míadze mɔ. Mikpɔ ɖa, ame si le denye ge asi la enye ma gbɔna.”
Yesu dede asi kple eléle
(Marko 14:43-50; Luka 22:47-53; Yohanes 18:3-12)
47 Esi wònɔ nua ƒom la Yuda ame si nye nusrɔ̃la wuieveawo dometɔ ɖeka la enye
ekem le ŋgɔ na ameha gã aɖe eye wozɔ gbɔna. Ameha siawo nye amedɔdɔwo tso
Yudatɔwo ƒe Osɔfowo kple dumemegãwo gbɔ, eye wolé yiwo kple kpowo ɖe asi
gbɔna. 48 Yuda gblɔ na wo do ŋgɔ be ame si dim wole la enye ame si yeado gbe na
eye yeagbugbɔ nu na la. 49 Yuda zɔ tẽe yi ɖe Yesu gbɔ gblɔ nɛ be, “Medo gbe na
wò, Nufiala,” eye wògbugbɔ nu nɛ.
50 Ke Yesu gblɔ nɛ be, “Nɔvi, yi wò dɔ si ta nèva ɖo la dzi.” Kasia,
Mateo
96
amewo lũ ɖe Yesu dzi eye wolée.
51 Enumake Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka ɖe eƒe yi le aku me eye wòkpa
to na Yudatɔwo ƒe osɔfogã ƒe subɔvi ɖeka.
52 Ke Yesu gblɔ nɛ be, “Megawɔ wò yi ŋudɔ o, tsɔe de aku me, elabena ame
siwo wɔa yi ŋudɔ la, hã kpɔa ku le yi nu. 53 Alo menya be mate ŋu abia Fofonye
eye wòana mawudɔla akpeakpewo mí be woadzɔ mía ŋu oa? 54 Ke ne mewɔ
nenema ɖe ale ke nya siwo woŋlɔ da ɖi le mawunya me siwo le dzɔdzɔm fifia hã la
awɔ hafi ava eme?”
55 Azɔ Yesu trɔ ɖe amehawo gbɔ ƒo nu na wo be, “Nu vɔ̃ wɔla kple hlɔ̃dola
menye hafi mietsɔ yiwo kple kpowo ɖe asi va be yewoalém hã? Menɔ mia dome,
gblɔ nya le miaƒe gbedoxɔ me gbe sia gbe, ke miete ŋu wɔ naneke o. 56 Nyateƒe nu
siawo katã le dzɔdzɔm tututu abe ale si nyagblɔɖilawo ŋlɔe da ɖi le mawunya la me
ene.”
Le Sanhedrin ƒe ŋkume
(Marko 14:53-65; Luka 22:54-55, 63-71; Yohanes 18:13-14, 19-24)
57 Ameha la kplɔ Yesu yi ɖe Osɔfogã Kayafa ƒe aƒeme, afi si Yudatɔwo ƒe osɔfowo
katã va ƒo ƒu ɖo la. 58 Petro hã dze ameawo yome ɖɔɖɔɖɔ va Osɔfogãwo ƒe aƒea me
eye wòyi ɖanɔ asrafoawo dome be yeakpɔ nu si adzɔ ɖe Yesu dzi ɖa.
59 Yudatɔwo ƒe Osɔfogãwo kple dumegãwo kpe ta ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒegã la henɔ
vodada si dzi woatsi tre ɖo atso kufia nɛ la dim. 60 Gake womekpɔ ɖeke o, togbɔ be
ame geɖewo lɔ̃ ɖi aʋatsoɖase le eŋu hã. 61 Le nuwuwu la ame eve va gblɔ be, “Ame
sia gblɔ be, ‘mate ŋu agba Mawu ƒe gbedoxɔ sia agatui le ŋkeke etɔ̃ megbe.’”
Mateo
97
62 Enumake Yudatɔwo ƒe Osɔfogã la tsi tre hebia Yesu be, “Alekee, nuɖeɖe
aɖe le asiwo le nya sia ŋua?” 63 Ke Yesu meke nu o.
Osɔfogã la yi edzi gblɔ nɛ be, “Meta Mawu gbagbe la, nenye wòe nye Mesia,
Mawu Vi la la, ekema gblɔe mise fifia.”
64 Azɔ Yesu ɖo eŋu gblɔ be, “Ẽ, nye tututue, eye madidi o la, miakpɔ nye
Amegbetɔ Vi la mabɔbɔ nɔ Mawu ŋusẽkatãtɔ la ƒe nuɖusime, eye matrɔ agbɔ va le
dziƒo lilikpowo me.”
65 Eƒe nya sia tɔ dzi na Yudatɔwo ƒe Osɔfogã la ale woƒu asi akɔta gblɔ bena,
“Mise ɖa, ame sia gblɔ busunya, megahiã be ame bubu aɖeke naɖi ɖase o, mí katã
míese eƒe numegbe xoxo. 66 Nu kae nye miaƒe nyametsotso?” Ameha gã la do ɣli
be, “Edze na ku, ele be woawui!”
67 Azɔ amewo ƒu du ɖe edzi, ɖe ta ɖe eŋu eye ɖewo tu kɔe to megbe hegblɔ
nɛ be, 68 “Ne wòe nye Mesia la la, ekema tɔ asi ame si ƒo wò to megbe la dzi ne
míakpɔ.”
Petro gbe nu le Yesu gbɔ
(Marko 14:66-72; Luka 22:56-62; Yohanes 18:15-18, 25-27)
69 Le ɣeyiɣi siawo katã me la, Petro ganɔ amehawo dome le xexe. Nyɔnuvi dzaa
aɖe te ɖe eŋu gblɔ nɛ bena, “Wò hã ènɔ Yesu Galileatɔ la yome.”
70 Ke Petro sẽ nu le wo katã ŋkume, “Nye menya naneke le nu si gblɔm nèle
la ŋu o.”
71 Emegbe la Petro do ɖe agboa nu eye nyɔnuvi bubu aɖe hã gakpɔ Petro le
amehawo dome, eye wògblɔ na ame siwo le afi ma be, “Ame sia hã nɔ Yesu
Mateo
98
Nazaretitɔ ƒe nusrɔ̃lawo dome.”
72 Azɔ Petro ka atam be, “Nye menya ŋutsu la le afi aɖeke kura kpɔ o!”
73 Ke eteƒe medidi o la, ame siwo tsi tre ɖe afi ma la te ɖe Petro ŋu gblɔ nɛ
be, “Nɔvi, míenya be Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka nènye, wò nuƒo hã sɔ kple
Galileatɔwo tɔ pɛpɛpɛ.”
74 Azɔ Petro do ɣli. Eka atam gblɔ be, “Ne menya ame sia tututu la, ekema
nane nedzɔ ɖe dzinye.”
Kasia Petro naɖe nu le nyaa me la, koklo ku atɔ ‘kɔkɔliakɔe.’ 75 Enumake
Petro ɖo ŋku nya si Yesu gblɔ nɛ be, “Hafi koklo naku atɔ la agbe nu le gbɔnye zi
etɔ̃” la dzi. Ale wòtrɔ dzo eye wofa avi vevie.
Yesu le Pilato ŋukume
(Marko 15:1; Luka 23 :1-2; Yohanes 18:28-32)
27 Esi ŋu ke la, Osɔfogãwo kple Yudatɔwo ƒe dumemegã bubuwo kpe ta be woade
ŋugblẽ le ale si woawɔ able Romatɔwo ƒe dziɖuɖua nu ne wòatso kufia na Yesu la
ŋuti. 2 Emegbe la, wode gae eye wokplɔe yi na Pilato, Romatɔwo ƒe gɔvina.
Yuda ƒe ku
3 Le ɣeyiɣi sia me la, Yuda, ame si de Yesu asi la kpɔ be wotso kufia nɛ. Eƒe susu
trɔ eye wòvee vevie be wòwɔ esia. Eya ta egbugbɔ ga si wòxɔ le Osɔfogãwo kple
Yudatɔwo ƒe dumemegãwo si la yii na wo.
4 Egblɔ na wo be, “Mewɔ nu vɔ̃ elabena, mede ame maɖifɔ asi.” Ke woɖo
Mateo
99
eŋu nɛ be, “Wònyae nye ema, ɖeke meka mí o.”
5 Ale Yuda tsɔ ga la ƒu gbe ɖe anyigba le gbedoxɔ la me eye wòyi ɖade ka ve
na eɖokui. 6 Osɔfogãwo va fɔ ga la le anyigba eye wogblɔ bena, “Míate ŋu atsɔ ga
sia ade nudzɔɖaka le me o, elabena etsi tre ɖe míaƒe sewo ŋu be, míaxɔ ga si woxe
ɖe ame aɖe ƒe ku ta la.”
7 Mlɔeba la, woɖoe be yewoatsɔ ga la aƒle abɔ aɖe si le afi si Zemelawo kaa
anyi lena la eye yewoatrɔe woazu ameɖiƒe na amedzro siwo ku le Yerusalem. 8 Eya
tae woyɔa ameɖiƒe sia be, “ʋubɔ” va se ɖe egbe. 9 Esia wu nya si nyagblɔɖila
Yeremia gblɔ da ɖi be, “Wotsɔ klosalo ga blaetɔ̃, si wòxɔ le Israelviwo gbɔ la, 10 ƒle
abɔe tso Zemelawo si abe ale si Aƒetɔ la gblɔ nam ene,” la nu.
Pilato bia gbe Yesu
(Marko 15:2-5; Luka 23:3-5; Yohanes 18:33-38)
11 Azɔ la Yesu tsi tre ɖe Pilato, Roma dziɖuɖua ƒe gɔvina ŋkume. Gɔvina la biae be,
“Wòe nye Yudatɔwo ƒe Fia la?” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ẽ, abe ale si míegblɔe ene. 12
Osɔfogãwo kple Yudatɔwo ƒe dumemegãwo tsɔ nya geɖewo wɔ nutsotsoe ɖe Yesu
ŋuti, gake eya zi ɖoɖoe kpoo. Meɖo nya ɖeka pɛ hã ŋu o.
13 Pilato gabiae be, “Mèle nya gbogbo siwo gblɔm wole ɖe ŋutiwò la sem
oa?”
14 Ke Yesu meɖo nya la ŋu nɛ o eye esia wɔ nuku na Pilato ŋutɔ.
Mateo
100
Wotso kufia na Yesu
(Marko 15:6-15; Luka 23:13-25; Yohanes 18:39-19:16)
15 Enye gɔvina la ƒe ɖoɖo be ne ŋutitotoŋkeke la ɖo edzi ƒe sia ƒe la, yeaɖe asi le
Yudatɔ gamenɔla si wodi la ŋuti. 16 Le ƒe sia me la, gamenɔla aɖe li, ame sia nye
ame dovo, tagbɔsesẽtɔ aɖe. Eƒe ŋkɔe nye Baraba. 17 Esi ameha la ɖi anyi ɖe Pilato
ƒe xɔxɔnu le ŋdi ma la, ebia wo be, “Ame ka ŋutie maɖe asi le na mi? Baraba loo alo
Yesu, miaƒe Mesia la?” 18 Elabena Pilato nya nyuie be ale si ame geɖewo dze Yesu
yome la koe biã ŋu na Yudatɔwo ƒe dumemegãwo eya tae wolée ɖo.
19 Ke esi wòbɔbɔ nɔ ʋɔnudrɔ̃zikpui la dzi la, srɔ̃a ɖo gbedeasi sia ɖee be,
“Megaka asi ame dzɔdzɔe ma ŋuti o; elabena etsɔ si va yi ƒe zã la meku drɔ̃e dziŋɔ
aɖe tso eŋuti.”
20 Azɔ la Osɔfogãwo kple Yudatɔwo ƒe dumemegãwo ble ameha la nu be
woabia be woaɖe asi le Baraba ŋuti na yewo eye woawu Yesu. 21 Eya ta esi gɔvina
la gabia be, “Ame eve siawo dometɔ ka ŋutie maɖe asi le na mi?” la, ameha la do
ɣli sesῖe be, “Baraba.”
22 Pilato biawo be, “Ekema nu kae mawɔ kple Yesu, miaƒe Mesia la?” Wodo
ɣli hoo be, “Klãe ɖe ati ŋuti”
23 Pilato gabia be, “Nu ka tae miedi be mawɔ esia ɖo, eye vo kae wòda?” Ke
woawo la ɣlia dodo dzi ko wonɔ be, “Klãe ɖe ati ŋuti! Klãe ɖe ati ŋuti!”
24 Esi Pilato kpɔ be ameawo ɖo kplikpaa eye howɔwɔ gã aɖe le egɔme dzem
la, edɔ be woaku tsi ɖe gagbɛ me vɛ na ye, ale woklɔ asi le ameha la ŋkume gblɔ be,
“Ame nyui sia ƒe ʋu kɔkɔ ɖi la, metso gbɔnye o; ke boŋ etso mia gbɔ!”
25 Ameha la do ɣli sesῖe be, “Eƒe ʋɔ kɔkɔ ɖi ƒe tohehe neva mí kple mía
Mateo
101
viwo dzi fãa!”
26 Ale Pilato ɖe asi le Baraba ŋuti na wo. Ena woƒo Yesu eye esi woƒoe vɔ
la, eɖe asi le eŋu na Roma srafowo be woakplɔe yi aɖaklã ɖe ati ŋu.
Asrafowo ɖu fewu le Yesu ŋu
(Marko 15:16-20; Yohanes 19:2-3)
27 Gbã la, asrafoawo kplɔe yi ɖe afi si aʋawɔnuwo nɔna eye asrafoha la katã va ƒo
xlãe. 28 Woɖe eƒe awu siwo wòdo la le eŋuti eye wotsɔ awu dzῖ do nɛ 29 eye wotsɔ
ŋu didi aɖewo wɔ fiakuku heɖɔ nɛ eye wotsɔ fiatikplɔ hã de eƒe dusisi me. Wova
dzea klo ɖe eŋkume fewuɖutɔe eye wogblɔna be, “Míedo gbe na wò, Yudatɔwo ƒe
fia.” 30 Azɔ la, wotu ta ɖe eŋuti eye woxɔ atikplɔ la le esi hetsɔ ƒo dzodome nɛ
sesῖe.
31 Esi wowu fewuɖuɖua nu la, woɖe awu dzῖ la le eŋuti eye wotsɔ eya ŋutɔ
ƒe awuwo do nɛ eye wokplɔe dzoe yina kaklã ge ɖe ati ŋuti.
Woklã Yesu ɖe ati ŋuti
(Marko 15:21-32; Luka 23:26-43; Yohanes 19:17-27)
32 Esi woyina eklã ge ɖe atitsoga ŋuti la, wodo go ŋutsu aɖe si tso Kirene, le Afrika,
eŋkɔe nye Simɔn, eye wozi edzi be wòatsɔ atitsoga la akpe Yesu. 33 Ale wova ɖo
teƒe si woyɔna be Golagata, si gɔme nye “Ametakoli Togbɛ.” 34 Asrafoawo tsɔ wain
si me wode atikee la nɛ be wòano gake esi wòɖɔe kpɔ la, egbe enono. 35 Esi woklãe
ɖe atitsoga ŋuti vɔ la, asrafoawo da akɔ ɖe eƒe awuwo dzi be woazu ame si ɖu dzi la
tɔ. 36 Le esia megbe la, wobɔbɔ nɔ anyi ɖe afi ma henɔ eŋu dzɔm. 37 Woŋlɔ nu
Mateo
102
klã ɖe eƒe atitsoga la tame be, “Ame sia nye Yesu, Yudatɔwo ƒe fia la.”
38 ŋdi ma ke la, woklã adzodala eve hã ɖe ati ŋu le axawo kple eve dzi. 39
Ame siwo to teƒea va yina la dzui hegblɔ nya vlo geɖewo ɖe eŋuti. Woʋuʋua ta
fewuɖutɔe be, 40 “Ke alee wòle! Àte ŋu agbã gbedoxɔ la, agbugbɔ atui le ŋkeke atɔ̃
megbe. Mate ŋui oa? Ne àte ŋui eye nenye Mawu Vi tututu la, ɖe ɖokuiwò le atia
ŋuti!”
41 Osɔfogãwo kple Yudatɔwo ƒe dumemegã bubu siwo le afi ma la ɖu fewu
le eŋu be, 42 “Eɖe ame bubuwo gake mate ŋu aɖe eɖokui o! Ke wò boŋue nye
Yudatɔwo ƒe fia laa? Nenye wòe la, ɖi le atitsoga la ŋuti, ekema míaxɔ dziwò ase. 43
Ebe yexɔ Mawu dzi se; Mawu neɖo kpe eƒe xɔse la dzi ne wòaɖee le atia ŋuti. Alo
menye eyae gblɔ be, ‘Mawu vi menye,’ oa?”
44 Nenema ke adzodala siwo woklã ɖe ati ŋuti kpe ɖe eŋuti la hã dzui heɖe
alɔme le eŋuti.
Yesu ƒe ku
(Marko 15:33-41; Luka 23:44-49; Yohanes 19:28-30)
45 Le ŋdɔ ma la, zadokeli do ɖe anyigba la katã dzi gaƒoƒo etɔ̃ sɔŋ, tso ŋdɔ ga
wuieve va se ɖe ɣetrɔ ga etɔ̃ me.
46 Le ɣetrɔ ga etɔ̃ me la, Yesu do ɣli sesῖe be, “Eli, Eli lama sabaktani”, esi
gɔme enye, “Nyee Mawu, nyee Mawu nu ka ŋuti nègblẽm ɖi mahã?”
47 Nukpɔla siwo le afi ma la dometɔ aɖewo mese nya si wògblɔ la gɔme
nyuie o, eye wobu be Eliya yɔm wòle. 48 Ameawo dometɔ ɖeka si du ɖatsɔ aha tsitsi
eye wokɔe ɖe akutsa tɔxɛ aɖe me. Etɔ akutsa la ɖe ati nu eye wòtsɔe ɖo nu na
Mateo
103
Yesu. 49 Ke ame bubuwo gblɔ nɛ be, “ɖe asi le eŋuti ne míakpɔe ɖa be Eliya ava
ɖee le atia ŋuti hã.”
50 Yesu gado ɣli sesῖe ake. Etsɔ eƒe gbɔgbɔ la na eye wòku kpoo. 51 Eye kpɔ
ɖa xɔmetsovɔ si wotsɔ xe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la ŋkumee le gbedoxɔ me la ma ɖe
eve enumake tso tame va se ɖe egɔme eye anyigba ʋuʋu kpekpekpe; agakpe gãwo hã
gbã 52 eye yɔdowo nu ʋu eye nyɔnu kple ŋutsu siwo nye mawuvɔ̃lawo hafi ku la
gagbɔ agbe. 53 Le Yesu ƒe tsitretsitsi megbe la, wodo le woƒe yɔdoawo me eye woyi
ɖe Yerusalem, afi si woɖe wo ɖokuiwo fia ame geɖewo le.
54 Esi asrafo siwo klãe ɖe atia ŋuti kple woƒe amegãwo kpɔ nu siwo va dzɔ
kple ale si anyigba ʋuʋui la, ŋudzi kple vɔvɔ̃ lé wo eye wogblɔ be, “Ame sia nye
Mawu Vi vavã.”
55 Nyɔnu siwo kplɔe ɖo tso Galilea be yewoava kpɔ edzi le Yerusalem la, le
nu siwo katã le dzɔdzɔm la kpɔm tso adzɔge. 56 Ame siawo dometɔ aɖewoe nye
Maria Magdalatɔ, Maria Yakobo kple Yosef dada kple Yohanes kpakple Yakobo
siwo nye Zebedeo ƒe viwo la dada.
Yesu ɖiɖi
(Marko 15:42-47; Luka 23:50-56; Yohanes 19:38-42)
57 Esi fiẽ ɖo la, kesinɔtɔ aɖe si ŋkɔe nye Yosef, tso Arimatia, ame si nye Yesu
yomedzelawo dometɔ ɖeka la, 58 yi ɖe Pilato gbɔ hebia Yesu ƒe ŋutilã kukua. Pilato
ɖe gbe be woatsɔ Yesu ƒe ŋutilã kukua nɛ. 59 Yosef xɔ ame kuku la eye wòtsɔ aklala
yeye aɖe si fu tititi la xatsa ɖe eŋuti nyuie 60 eye wòtsɔe mlɔ yɔdo si eya ŋutɔ ɖe ɖe
agakpewo dome la me hemli kpe gã aɖe tu yɔdo la nu. 61 Maria Magdalatɔ kple
Mateo
104
Maria evelia wonɔ anyi henɔ ale si woɖi Yesu kple afi si woɖi ɖo la kpɔm.
Asrafowo dzɔ yodo la ŋu
62 Le ŋufɔke, esi ŋutitoto ŋkeke la ƒe ŋkeke gbãtɔ wu enu la, Osɔfogãwo kple
Farisitɔwo yi ɖe Pilato gbɔ 63 eye wogblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, alakpatɔ ma gblɔ kpɔ be,
‘Matsi tre le ŋkeke etɔ̃ megbe’ 64 Eya ta míedi be naɖe gbe ne woatre yɔdo la nu va
se ɖe ŋkeke etɔ̃a gbe ale be eƒe nusrɔ̃lawo mate ŋu ayi aɖafi eƒe ŋutilã kukua ahable
amewo be, etsi tre o. Nenye be nu sia va eme la, ekema nu si adzɔ fifia la, awu
gbãtɔ.”
65 Pilato ɖo nya la ŋu na wo be, “Mikplɔ asrafo siawo yi nɛ woadzɔ yɔdo la
ŋu nyuie
66 Ale wotre yɔdo la nu hetsɔ kpovitɔwo ɖo afi ma be woadzɔ eŋuti.
Yesu ƒe tsitretsitsi
(Marko 16:1-8; Luka 24:1-12; Yohanes 20:1-10)
28 Le Kwasiɖagbe ƒe fɔŋli me la, Maria Magdalatɔ kple Maria evelia woyi ɖe
yɔdo la to. 2 Kasia anyigba ʋuʋu sesῖe; elabena mawudɔla aɖe si tso Aƒetɔ la gbɔ la
ɖi tso dziƒo va mli kpe gã la ɖa eye wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe edzi. 3 Mawudɔla la ƒe mo le
keklẽm abe dzikedzo ene eye eƒe awuwo fu tititi abe ɖetifu ene. 4 Esi dzɔlawo kpɔe
la, dzidzi ƒo wo eye womu dze anyi heku ƒenyi. 5 Mawudɔla la ƒo nu na nyɔnuawo
gblɔ be, “Migavɔ̃ o, menya be Yesu si woklã ɖe ati ŋu la dim miele 6 gake mele afi
sia o. Elabena etsi tre abe ale si wògblɔ da ɖi ene. Miva kpɔ afi si wotsɔe mlɔe la ɖa.
Mateo
105
7 Azɔ miɖe abla miayi aɖagblɔe na eƒe nusrɔ̃lawo be, etsi tre tso ame kukuwo dome
eye woyina ɖe Galilea be miava kpe ye le afi ma. Mixɔ nye gbedeasi sia yi na wo.”
8 Nyɔnuawo si du dzo le yɔdoa to kple vɔvɔ̃ kple dzidzɔ. Esi wole dua dzi
yina ɖe nusrɔ̃lawo di ge la, 9 Yesu va kpe wo. Edo gbe na wo be, “ŋdi na mi” eye
wodze klo ɖe eƒe akɔme helé eƒe afɔwo ɖe asi eye wosubɔe.
10 Yesu gblɔ na wo be, “Migavɔ̃ o! Miyi miagblɔ na nɔvinyewo be woadze
mɔ enumake ayi ɖe Galilea eye woado gom le afi ma.”
Asrafoawo na nutsotso
11 Esi nyɔnuawo le gegem ɖe dua me la, asrafo siwo nɔ yɔdoa ŋu dzɔm le ƒe ɖewo
va Osɔfogãwo gbɔ hegblɔ nu si va dzɔ la na wo. 12 Esi Osɔfogãwo kpe ta kple
dumemegãwo la wode aɖaŋu eye wotsɔ ga home gã aɖe na asrafoawo bena; 13
“Migblɔ be, ‘Eƒe nusrɔ̃lawo va zã me eye wofi eƒe kukua dzoe esi míenɔ alɔ̃ dɔm’”
14 Takpekpe la do ŋugbe be, “Nenye be gɔvina la se nya sia la, miatsi tre aʋli
mia ta eye nu sia nu ayi dzi nyuie.”
15 Ale asrafoawo xɔ ga la eye wogblɔ nu si woɖo na wo be woagblɔ la. Nya
la kaka ɖe Yudatɔwo dome gbẽe eye woxɔe se va se ɖe egbegbe gɔ̃ hã.
Dɔdeasi gã la
(Marko 16:14-18; Luka 24:36-49; Yohanes 20:19-23)
16 Nusrɔ̃la wuiɖekɛawo hã dze Galilea mɔ dzi eye woyi ɖe to si dzi Yesu ɖo be
yeado go wo le la dzi. 17 Afi sia wokpee le hesubɔe, ke wo dometɔ aɖewo meka ɖe
edzi be Yesu ŋutɔ nye ema o.
Mateo
106
18 Egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Wotsɔ ŋusẽ si le dziƒo kple anyigba la katã de
asi nam. 19 Eya ta miyi ɖawɔ amewo le dukɔ ɖe sia ɖe me woanye nye nusrɔ̃lawo;
miade mawutsi ta na wo le Fofo la, Vi la, kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋkɔ me 20
Miafia nu nusrɔ̃la yeye siawo be woawɔ ɖe se siwo katã mede na mi la dzi; eye
kakaɖedzi nenɔ mia si ɣesiaɣi be, meli kpli mi ɣesiaɣi va se ɖe xexeame ƒe
nuwuwu.”

Laisser un commentaire

Votre adresse e-mail ne sera pas publiée. Les champs obligatoires sont indiqués avec *