Togo Chrétien

"L’amour de Dieu a été manifesté envers nous en ce que Dieu a envoyé son Fils unique dans le monde, afin que nous vivions par lui."

Bible Ewe

Luc

NYANYUI LA ABE ALE SI LUKA ŊLɔE ENE

Kpɔkplɔyiɖeme:
Luka nye atikewɔla – ɖɔkta – xɔŋkɔ aɖe. Woda ŋkɔ ɖe eƒe agbalẽ dzi be, “agblẽ
nyuitɔ si woŋlɔ kpɔ.” Ŋutinya geɖewo le Luka ƒe agbalẽ me ke womele Mateo
kple Marko tɔwo me o; le kpɔɖeŋu me,
a. Maria ƒe kafukafuha, 1:46-55
b. Zakaria ƒe kafukafu ha, 1:67-79
d. Mawudɔlawo ƒe hadzidzi, 2:14
ɖ. Nya siwo Simeon gblɔ esi wòxɔ Yesu ɖe eƒe abɔwo me, 2:25-32
e. Kesinɔtɔ kple Lazaro ŋutinya, 16:19-31
ɛ. Vibubu la, 15:11-32
f. Yesu ɖe eɖokui fia Kleopa, 24:13-35
Luka te gbe ɖe edzi be Yesu lɔ̃ dɔnɔwo, nuwɔametɔwo, wɔnamanɔŋutɔwo, ame
gblɔewo, ame ɖigbɔ̃wo kple nu vɔ̃ wɔlawo gɔ̃ hã.
Emenyawo: 1. Yesu ƒe dzidzi kple ɖevimenyawo, 1:1-2:52
2. Yohanes Mawutsidetanamela ƒe dɔwɔwɔ, 3:1-20
3. Yesu dze eƒe dɔwɔwɔ gɔme, 3:21-4:13
4. Yesu le Galilea, 4:14-9:50
5. Mɔzɔzɔ tso Galilea yi Yerusalem, 9 :51-19 :44
6. Yesu ƒe kwasiɖa mamlɛtɔ le Yerusalem, 19:45-23:56
7. Yesu ƒe tsitretsitsi kple eɖokuiɖeɖefia amewo, 24:1-53

Nya na Teofil
Chapter 1
Ame geɖewo ŋlɔ nu tso nu siwo va eme le mía dome, la ŋu, 2 ame siwo tu woƒe
ŋutinyawo ɖe nyadzɔdzɔ siwo woxɔ tso ame siwo nye nuteƒekpɔlawo le gɔmedzedzea
me la gbɔ eye wonye dɔlawo na nya la. 3 Eya ta enyo nye hã ŋu, le esi medzro nuwo
me tsitotsito tso gɔmedzedze me ke, be magbugbɔ aŋlɔe ɖe ɖoɖo nu na wò, nye bubutɔ
Teofil 4 bena wòagagbugbɔ aɖo kpe edzi na wò be nu siawo katã wofia wò lae nye
nyateƒea.
Wodo Yohanes Mawutsidetaname la ƒe dzidzi ŋugbe
5 Nye ŋutinya la ƒe gɔmedzedze ku ɖe Yudatɔwo ƒe Osɔfo aɖe si woyɔna be Zakaria,
ame si nɔ agbe le ɣeyiɣi si me Herodes nye fia le Yudea la ŋu. Woma Osɔfo siwo wɔa
dɔ le gbedoxɔa me la ɖe ha vovvowo me eye Zakaria nye ha si woyɔna be ‘Abiya’ la me
tɔwo dometɔ ɖeka. Zakaria srɔ̃ Elizabet hã tso Osɔfowo ƒe ƒome me eye wònye Arɔn ƒe
dzidzimevi. 6 Wokple evea nye dzɔdzɔetɔwo le Mawu ŋkume eye wolé Aƒetɔ la ƒe
sededewo kple ɖoɖowo me ɖe asi kpɔtsɔtsɔmanɔŋutɔe. 7 Gake vi ɖeka tete hã menɔ wo
si o, elabena Elizabet nye konɔ eye wo ame evea katã hã tsi ŋutɔ.
8 Eva eme be Zakaria ƒe hatsotso le nunɔdɔ wɔm le kɔa nu le Mawu ƒe ŋkume, 9
eye le nunɔdɔ ƒe kɔa nu la wodzidze nu eye wotia Zakaria be wòawɔ subɔsubɔdɔ le
Aƒetɔ la ƒe gbedoxɔa me eye wòado dzudzɔ. 10 Esi dzudzɔdoɣi ɖo la, ameha si va be
woasubɔ la nɔ xexe nɔ gbe dom ɖa.
11 Zakaria nɔ kɔkɔeƒea, kasia mawudɔla aɖe va do ɖe edzi zi ɖeka; eye wònɔ tsi
tre ɖe vɔsamlekpuia ƒe nuɖusime. 12 Zakaria vɔ̃ ŋutɔ ale wòde asi dzodzo me
nyanyanya.
13 Gake mawudɔla la gblɔ nɛ be, “Mègavɔ̃ o, Zakaria! Elabena meva be magblɔ
na wò be Mawu se wò gbedodoɖa. Srɔ̃wo Elizabet le viŋutsuvi dzi ge na wò, eye nana
ŋkɔe be Yohanes. 14 Mi ame evea miakpɔ dzidzɔ manyagblɔ aɖe le eƒe dzidzi ta eye
ame geɖewo hã atso aseye kpli mi. 15 Elabena ɖevi la anye gã le ƒe ŋkume. Mano wain
alo aha sesẽ aɖeke o. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ayɔ eme taŋtaŋtaŋ hafi woadzii gɔ̃ hã, eye 16
akplɔ Israelvi geɖewo va Mawu si nye woƒe Aƒetɔ la gbɔe. 17 Eya adze ŋgɔ na Aƒetɔ la,
anɔ Eliya ƒe gbɔgbɔ kple ŋusẽ me be wòatrɔ fofowo ƒe dziwo ɖe wo viwo ŋu eye
tomaɖolawo ɖe ame dzɔdzɔewo ƒe nunya ŋu, be wòadzra ame siwo wodzra ɖo ɖi na
Aƒetɔ la ɖo.”
18 Zakaria gblɔ na mawudɔla la be, “Aleke mawɔ anya be esia ate ŋu ava eme,
elabena metsi ŋutɔ eye srɔ̃nye hã ku nyagã.”
19 Mawudɔla la gblɔ nɛ kple kakaɖedzi be, “Nyee nye Gabriel, si nɔa Mawu
ŋkume ɣesiaɣi. Eyae dɔm ɖa be magblɔ dzidzɔnya sia na wò. 20 Gake esi mèxɔ dzinye
se o ta la, wò aɖe atu eye magate ŋu aƒo nu o, va se ɖe esime woadzi ɖevi sia. Elabena
woŋlɔ ɖi be nye nyawo ava me pɛpɛpɛ nenye be ɣeyiɣi la ɖo.”
21 Le ɣeyiɣi siawo katã me la, ameha si nɔ xexe la nɔ Zakaria lalam be wòado
go eye wòwɔ nuku na wo ŋutɔ be etsi xɔa me fũ nenema. 22 Esi wòdo go mlɔeba la,
mete ŋu ƒo nu na ame aɖeke o, ke ewɔ dzesi na wo esi fia be ekpɔ ŋutega alo ɖeɖefia
aɖe le gbedoxɔ la me. 23 Zakaria tsi gbedoxɔ la me va se ɖe esime eƒe dɔwɔŋkeke
Luka
4
mamleawo wu enu eye wòtrɔ yi aƒe me. 24 Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la srɔ̃a Elizabet fɔ
fu, eye wòyi ɖaɣla eɖokui ɣleti atɔ̃ sɔŋ.
25 Elizabet gblɔ kple dzidzɔ be, “Aƒetɔ la ƒe dɔme nyo ŋutɔ bena, wòɖe kotsitsi
ƒe ŋukpe gã sia ɖa le dzinye.”
Wodo Yesu dzidzi ŋugbe
26 Le Elizabet ƒe fufɔfɔ ƒe ɣleti adelia me la, Mawu dɔ mawudɔla Gabriel ɖo ɖe kɔƒe
aɖe si woyɔna be Nazaret si le Galilea la me. 27 Ame si gbɔ wòdɔe ɖo la enye ɖetugbi
dzadzɛ aɖe si woyɔna be Maria. Wodo Maria ŋugbe na David ƒe dzidzimevi aɖe si
woyɔna be Yosef la be wòaɖe.
28 Gabriel va do ɖe Maria gbɔ le vo me eye wògblɔ nɛ be, “Ŋutifafa na wò! Wò
ɖetugbi si kpɔ amenuveve! Aƒetrɔ la li kpli wò.”
29 Maria ɖi vo eye eƒe susu ɖe fu nɛ ŋutɔ; edze agbagba bu tame le nu si tututu
mawudɔla la wɔnɛ la ŋu.
30 Mawudɔla la yi edzi gblɔ nɛ be, “Maria mègavɔ̃ kura o, elabena Mawu ɖoe be
yeayra wò nukutɔe! 31 Èle fu fɔ ge adzi ŋutsuvi, eye nàna ŋkɔe be ‘Yesu.’ 32 Anye ame
xɔŋkɔ aɖe eye woayɔe be Mawu dziƒoʋῖtɔ la ƒe Vi. Aƒetɔ Mawu la atsɔ tɔgbuia David ƒe
fiazikpui la nɛ. 33 Ale wòaɖu fia ɖe Israel dzi eye eƒe Fiaɖuƒe mawu nu akpɔ o.”
34 Maria bia mawudɔla la be, “Ale ke mawɔ adzi vi esi nyemenya ŋutsu kpɔ o.”
35 Mawudɔla la ɖo eŋu be, “Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ava dzi wò, eye Mawu ƒe ŋusẽ ayɔ
mewò; eya ta ɖevi si nàdzi la, anɔ Kɔkɔe eye woanye Mawu Vi.
Luka
5
36 Gawu la anɔ abe ɣleti adee nye si va yi ene la, Wò ƒometɔ Elizabet ame si
woyɔna be ‘konɔ’ la fɔ fu le eƒe nyagãkuku me. 37 Elabena ŋugbe ɖe sia ɖe si Mawu do
la, ava me pɛpɛpɛ.”
38 Maria gblɔ be, “Aƒetɔ la ƒe dɔlae menye eye nu sia nu si wòdi tso asinye lae
mawɔ. Nu sia nu si nègblɔ la neva eme.” Le esia megbe la, mawudɔla la gabu le
eŋkume.
Maria yi ɖakpɔ Elizabet ɖa
39 Le ŋkeke siawo me la, Maria tsi tre eye wòɖe abla yi Yudea dua ɖe me 40 afi si
wòge ɖe Zakaria ƒeme eye wòdo gbe na Elizabet le.
41 Esi Elizabet se Maria wòdo gbe nɛ ko la, vidzῖ si le dɔme nɛ la ʋã kple dzidzɔ
eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ Elizabet me fũ.
42 Elizabet do dzidzɔ ɣli eye wògblɔ na Maria be, “Mawu ve nuwò le nyɔnuwo
katã dome, eye wòɖoe be viwò la naxɔ eƒe yayra gãtɔ kekeake. 43 Bubu kae nye gã si
nède ŋunye, be wò si nye Aƒetɔ la dada nàva kpɔm ɖa! 44 Esi nèva do gbe nam teti ko
la, vinye la ʋã le dɔme nam le dzidzɔ ta. 45 Èxɔe se be Mawu awɔ ɖe ale si wògblɔ la
dzi esia tae wòyra wò alea gbegbe ɖo.”
Maria ƒe kafukafuha
46 Maria ɖo eŋu na Elizabet be, “O, nye luʋɔ le Aƒetɔ la kafum ale gbegbe. 47 Eye mele
dzidzɔ kpɔm le Mawu nye xɔla la ŋuti. 48 Elabena ekpɔ nye, eƒe subɔvi sia ƒe ame gblɔe
Luka
6
nyenye, eye tso azɔ dzi yina la woayɔm be Mawu ƒe ame yayra tso dzidzime yi
dzidzime.”
49 Elabena Ŋusẽtɔ la wɔ nu gãwo nam. Kɔkɔe nye eƒe ŋkɔ. 50 Eƒe
nublanuikpɔkpɔ li na ame siwo vɔ̃nɛ tso dzidzime yi dzidzime.
51 “Ewɔ nu dzɔatsuwo kple eƒe alɔ eye wòkaka ame siwo dana le woƒe
tamesusuwo me. 52 Eɖe fiawo ɖa le wo ƒe zi dzi ke edo ame siwo bɔbɔ wo ɖokuiwo ɖe
anyi la ɖe dzi. 53 Etsɔ nu nyuiwo ɖi ƒo na dɔwuitɔwo ke edo mɔ kesinɔtɔwo asigbɔloe.
54 Ekpe ɖe eƒe dɔla Israel ŋu eye wòɖo ŋku eƒe nublanuikpɔkpɔ na wo dzi 55 be
wòakpɔ nublanui na Abraham kple eƒe dzidzimeviwo tegbee, abe ale si wòdo ŋugbee na
mía fofowo ene.”
56 Maria nɔ Elizabet gbɔ abe dzinu etɔ̃ ene hafi trɔ yi aƒe.
Wodzi Yohanes Mawutsidetanamela
57 Elizabet ƒe vidziɣi va ɖo eye wòdzi ŋutsuvi. 58 Nya sia kaka ɖe eƒe aƒelikawo
kple ƒometɔwo dome kaba ŋutɔ, ame sia ame se ale si Aƒetɔ la nyo dɔme na Elizabet eye
wo katã wokpɔ dzidzɔ.
59 Esi ɖevia xɔ ŋkeke enyi la, ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo va kpe be yewoawɔ
aʋatsotsokɔnu alo ŋkeke enyi ƒe kɔnu la. Amewo katã bu be woatsɔ fofoa ŋkɔ Zakaria
nɛ,
60 gake Elizabet gblɔ be, “Gbeɖe, woana ŋkɔe be Yohanes.”
Luka
7
61 Amewo do ɣli be, “Nu ka? Ame aɖeke mele wò ƒome bliboa me si woyɔna
nenema o.” 62 Ale womia asi ɖevia fofo, eye wobiae to asidzesiwɔwɔ me be wòayɔ ŋkɔ
si woatsɔ na ɖevia.
63 Zakaria na wotsɔ agbalẽ kakɛ aɖe vɛ nɛ eye nukutɔe la, eŋlɔ̃ ɖe edzi be:
“Eŋkɔe nye YOHANES.” 64 Enumake Zakaria ƒe nu ʋu eye wogadze nuƒoƒo gɔme abe
tsã ene. Ekafu Mawu kple dzidzɔ geɖe.
65 Nyadzɔdzɔ bliboa wɔ nuku na woƒe aƒelikawo ŋutɔ eye wòkaka ɖe du siwo le
Yudea togbɛ dzi la katã me. 66 Ame sia ame si se nya sia la bua tame le eŋu ɣeɣiyi didi
aɖe eye wòbiaa eɖokui be, “Ame ka ƒomevi ɖevi sia atsi ava zu? Elabena le nyateƒe me
la, Aƒetɔ la ƒe asi le edzi le mɔ tɔxɛ aɖe nu.”
Zakaria ƒe nyagblɔɖi
67 Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ fofoa Zakaria me eye wògblɔ nya siawo ɖi be,
68 “Woakafu Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la elabena eva eye wòɖe eƒe dukɔ. 69
Eɖo ɖeɖe ƒe ŋusẽ anyi na mí le eƒe dɔla, David, ƒe aƒeme 70 abe ale si wògblɔe to eƒe
nyagblɔɖila kɔkɔewo dzi le blema ene, 71 be yeaɖe mí tso míaƒe futɔwo kple ame siwo
lé fu mí la ƒe asime, 72 ne wòakpɔ nublanui na mía fofowo eye wòaɖo ŋku eƒe nubabla
kɔkɔe 73 kple atam si wòka na mía fofo Abraham la dzi 74 be yeaɖe mí tso míaƒe
futɔwo sime ne míasubɔe vɔvɔ̃manɔmetɔe 75 le eŋkume le kɔkɔenyenye kple
dzɔdzɔenyenye me le míaƒe ŋkekewo katã me. 76 Ke wò, vinye, woayɔ wò be Dziƒoʋῖtɔ
la ƒe nyagblɔɖila elabena àdze Aƒetɔ la ŋgɔ be nàdzra mɔ ɖo ɖi nɛ, 77 ne nàtsɔ xɔxɔ ƒe
sidzedze na eƒe dukɔ to woƒe nu vɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke me 78 le míaƒe Mawu la ƒe
Luka
8
nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la ta to esia dzi ɣedzedze nyui la ava na mí tso dziƒo, 79 ne
wòaklẽ na ame siwo le viviti me kple ku ƒe vɔvɔlῖ te, ne wòada míaƒe afɔwo ɖe
ŋutifafa ƒe mɔ dzi.” 80 ɖevi la tsi eye wosẽ ŋu le gbɔgbɔ me. Enɔ gbedzi va se ɖe esime
woɖee fia Israel blibo la le gaglãgbe.
Yesu dzidzi
(Mateo 1:18-25)
2 Le ɣeyiɣi siawo me la, Kaisaro Augusto, ame si nye fia le Roma dukɔa nu la de
se be woaxlẽ ame siwo katã le fiaɖuƒea me. 2 Kirenio nye gɔvina le Siria le ɣemaɣi.
3 Wodi tso ame sia ame si be wòayi eya ŋutɔ ƒe dedu me be woaŋlɔ eŋkɔ le afi
ma. 4 Esi wònye be Yosef tso fiaƒome me ta la, ele nɛ be wòayi Betlehem le Yudea afi
si nye Fia David ƒe dedu me. Le esia ta wòdze mɔ tso Nazaret si le Galilea la me. 5
Ekplɔ Maria, ame si ŋugbe wodo nɛ, ke fu nɔ eƒo le ɣemaɣi me la ɖe asi.
6 Esi woɖo Betlehem la, Maria ƒe ŋkeke de be wòadzi vi, 7 ale wòdzi ŋutsuvi si
nye eƒe vi gbãtɔ. Exatsa ɖevia ɖe abadzivɔ me eye wòtsɔe mlɔ̃ lãwo ƒe nuɖunu me,
elebena womekpɔ dzeƒe le amedzrodzeƒe si le kɔƒea me la o.
Alẽkplɔlawo kple mawudɔlawo
8 Gbe ma gbe la, alẽkplɔla aɖewo nɔ gbedzi le kɔƒea gbɔ nɔ woƒe alẽwo ŋu dzɔm. 9
Kasia mawudɔla aɖe va do ɖe wo dome kpoyii, eye teƒe si wotsi tre ɖo la klẽ kple Aƒetɔ
la ƒe ŋutikɔkɔe. Nyateƒe wovɔ̃ ŋutɔ, 10 gake mawudɔla la de dziƒo na wo gblɔ be,
Luka
9
“Migavɔ̃ o! Dzidzɔnya gãtɔ kekeake si miese kpɔ o lae meva be magblɔ na mi kple ame
bubuwo siaa!
11 “Ẽ, le nyateƒe me la, wodzi Mesia, Aƒetɔ kple ɖela la na mí fiẽ sia le
Betlehem. 12 Ale si miawɔ akpɔe dze sii enye be, miakpɔ ɖevi aɖe si woxatsa
abadzivɔ ɖe eŋu eye wotsɔe mlɔ lãwo ƒe nuɖunu me.”
13 Kasia mawudɔla bubu geɖewo va kpe ɖe ɖeka ma ŋu eye wonɔ Mawu kafum
le gbɔgblɔm be,
14 “Woakafu Mawu si le dziƒo ʋῖ eye ŋutifafa ava anyigba dzi; anɔ anyi kple
ame siwo katã wɔa eƒe lɔlɔ̃nu.”
15 Esi mawudɔlawo ƒe aʋakɔ gã sia trɔ dzo yi dziƒo la, alẽkplɔlawo gblɔ na wo
nɔewo be, “Mina míayi Betlehem aɖakpɔ nukunu gã si dzɔ, si Aƒetɔ la na míenya
la ɖa.”
16 Alẽkplɔlawo ɖe abla yi kɔƒea me eye woyi afi si Yosef kple Maria nɔ. Wokpɔ
vidzῖa hã, wotsɔe mlɔ lãwo ƒe nuɖunu me vavã. 17 Alẽkplɔlawo gblɔ nu siwo katã dzɔ
la kple nya siwo katã mawudɔla la gblɔ na wo le ɖevia ŋu la na ame sia ame. 18 Woƒe
nya la wɔ nuku na ame siwo katã see la ŋutɔ. 19 Ke Maria ya ɣla nya siawo katã ɖe eƒe
dzime eye wobua wo ŋu zi geɖe.
20 Ale alẽkplɔlawo gatrɔ yi woƒe alẽwo gbɔ le gbea dzi, eye wokafu Mawu be
mawudɔlawo va kpɔ yewo ɖa eye gawu la wokpɔ vidzῖ la, abe ale si wògblɔ na wo la
ene.
Luka
10
Wotsɔ Yesu, ɖevi la yi gbedoxɔ me
21 Esi vidzῖa xɔ ŋkeke enyi la wowɔ aʋatsotsokɔnu alo ŋkeke enyi ƒe kɔnu nɛ eye wona
ŋkɔe be Yesu. Esia nye ŋkɔ si mawudɔla la gblɔ da ɖi be woatsɔ nɛ hafi wofɔ eƒe fu gɔ̃
hã.
22 Le Mose ƒe seawo nu la ele na Maria be wòayi gbedoxɔ me le Yerusalem
aɖana nu abe eɖokui ŋu kɔklɔ le vidzidzi vɔ megbe ƒe kɔnu ene. Esi ŋkeke sia ɖo edzi la
dzila eveawo kɔ vidzῖ la yi Yerusalem be woatsɔe ɖo Mawu ƒe ŋkume. 23 Elabena le
Mose ƒe seawo nu la, Mawu gblɔ be, “Nenye be ame aɖe ƒe vi gbãtɔ nye ŋutsuvi la, ele
be wòatsɔe ade asi na Aƒetɔ la.”
24 Yesu dzilawo na nunana si wòle be woana le ŋutiklɔɣi la. Sea gblɔ be ele be
woana akpakpa eve alo ahɔnɛ sue eve eye esiae wona. 25 Yerusalem ŋutsu aɖe si ŋkɔe
nye Simeon la hã nɔ gbedoxɔ la me gbe ma gbe. Ame sia nye ame ɖɔʋu aɖe si vɔ̃a
Mawu ŋutɔ. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ eme fũ eye wònɔ mɔ kpɔm na Mesia la ƒe vava gbe sia
gbe. 26 Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖee fiae be maku akpɔ o, va se ɖe esime wòkpɔ Mawu ƒe fia si
wòsi ami na la. 27 Gbɔgbɔ Kɔkɔe la zi edzi be wòayi gbedoxɔ la me gbe ma gbe. Esi
Maria kple Yosef wova be yewoatsɔ Yesu ɖevi la aɖo Mawu ŋkume la, 28 Simeon nɔ
afi ma xoxo eye wòxɔ ɖevi la ɖe eƒe abɔwo me henɔ Mawu kafum gblɔ be, 29 “Aƒetɔ,
azɔ àte ŋu ado mɔ wò dɔla faa elabena mekpɔe abe ale si nedo ŋugbee nam la ene. 30
Elabena nye ŋkuwo kpɔ wò ɖeɖe 31 si nèdzra ɖo le dukɔwo katã ƒe ŋkume. 32 Eyae nye
akaɖi si aklẽ na dukɔwo eye wòanye ŋutikɔkɔe na Israel wò dukɔ hã!”
33 Maria kple Yosef ƒe nu ku eye woƒe mo wɔ yaa le nu siwo katã gblɔm
Simeon nɔ le Yesu ŋu ta. 34 Simeon yra wo eye wògblɔ be, “Woɖo ɖevi sia anyi na
Luka
11
ame geɖewo ƒe anyidzedze kple dodoɖedzi le Israel, eye abe dzesi si ŋu woagblɔ nya ɖo,
35 ale be ame geɖewo aɖe woƒe susuwo ɖe go afia, ke wò la yi aƒo ɖe wò luʋɔ le eta.”
36 Nyɔnunyagblɔɖila aɖe si woyɔna be Ana hã nɔ gbedoxɔ la me gbe ma gbe. Enye
Fanuel si tso Yuda ƒe ƒome si woyɔna be Aser me la ƒe vi. Srɔ̃a ku le egbɔ esi woɖe wo
nɔewo le ƒe adre ko megbe 37 eye wònɔ anyi abe ahosi ene ƒe blaenyi-vɔ-ene sɔŋ.
Nyɔnu sia medzona le gbedoxɔ la me geɖe o. Enɔa afi sia zã kple keli nɔa Mawu subɔm
henɔa gbedodoɖa kple nutsitsidɔ dzi atraɖii.
38 Nyɔnu sia zɔ va do ɖe Maria kple Yosef gbɔ esime Simeon nɔ nu ƒom na wo
eye wode asi akpedada me na Mawu. Azɔ eyi ɖaɖe gbeƒã Mesia la na ame siwo katã nɔ
mɔ kpɔm na Yerusalem ƒe ɖeɖe la.
Dzilawo trɔ Yesu yi Nazaret
39 Esi Yesu dzilawo wu nu siwo katã wòle be woawɔ le Yerusalem abe ale si sea bia
tso wo si ene nu la, wotrɔ va aƒe le Nazaret si le Galilea. 40 ɖevi la tsi le afi sia le
nunya, ŋusẽ kple sidzedze me. Ame sia ame nya bena, eƒe nunya kɔ sã eye Mawu kɔ eƒe
yayra ɖe edzi fũ.
Yesu, ɖevi la, la gbedoxɔ me
41 Yesu dzilawo yia Yerusalem ƒe sia ƒe hena Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu. 42 Esi Yesu
xɔ ƒe wuieve la woyi ŋkekea ɖuƒe le kɔnyinyi la nu. 43 Esi azã la wu enu la, dzilawo
dze mɔ trɔ yina Nazaret. Gake Yesu ya tsi Yerusalem. Edzilawo zɔ mɔ ŋkeke ɖeka gake
womedii o, 44 elabena wobu be eya kple woƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃ bubuwo do megbe.
Luka
12
Ke esi fiẽ ɖo eye womekpɔe o la, wode asi edidi me le woƒe ƒometɔwo kple ame
nyanyɛwo dome. 45 Wodii ʋuu gake womekpɔe o, ale wotrɔ yi Yerusalem be yewoadii
le afi ma.
46 Wodii le afi ma ŋkeke etɔ̃ hafi va ke ɖe eŋu, wonɔ gbedoxɔ la me le sefiala
gãwo dome nɔ biabia goglowo me dzrom kplii wo. 47 Amewo katã ƒe nu ku le eƒe
nunya kple nugɔmesese ta.
48 Edzilawo menya nu si woagblɔ esi wokpɔe la o. Mlɔeba la, dada gblɔ nɛ be,
“Vinye, nu ka ta nèwɔ nu sia ƒomevi ɖe mía ŋu ɖo? Mí kple fofowo míetsi dzodzodzoe
nɔ diwòm le afi sia afi.”
49 Yesu ɖevi la ɖo eŋu be, “Nu ka ta wòle be miadim ɖo? Mienya bena ele be
manɔ gbedoxɔ la me afi si nye Fofonye ƒeme oa?” 50 Edzilawo mese nya si wògblɔ la
gɔme o.
51 Ale Yesu trɔ yi Nazaret kpli wo eye wònaa bubu edzilawo nyuie ŋutɔ. Ke
dada tsɔ nya siawo katã ɣla ɖe eƒe dzime. 52 Yesu tsi ɖe edzi eye nunya hã nɔ tagbɔ nɛ.
Eye Mawu kple amewo siaa lɔ̃e vevie.
Yohanes Mawutsidetanamela ƒe mawunyagbɔgblɔ
(Mateo 3:1-12; Marko1:1-8; Yohanes 1:19-28)
3 Le Kaisaro Tibero ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiatɔ̃ lia me, esi Pontio Pilato nye gɔvina le
Yudea eye Herodes nye dziɖula le Galilea, eye nɔvia Filipo hã nye dziɖula le Uturea
kple Trakonitis, eye Lisania hã nɔ Abilene dzi ɖum 2 le esime Anas kple Kayafa wonye
Osɔfogãwo la, Mawu ƒe nya va Yohanes, ame si nye Zakaria vi la gbɔ le gbedzi. 3
Luka
13
Yohanes nɔ tsatsam tso teƒe yi teƒe le Yɔdan tɔsisi la ƒe go eveawo dzi nɔ mawunya
gblɔm be amewo nede tsi ta; ne wòafia bena woɖe asi le nu vɔ̃ wɔwɔ ŋu eye woadze
Mawu yome ale be woatsɔ woƒe nu vɔ̃wo ake wo.
4 Le nyagblɔɖila Yesaya ƒe nya nu la Yohanes enye gbe si le ɣli dom tso gbedzi
be, “Miɖe mɔ na Aƒetɔ la be wòazɔ edzi! Mikeke mɔ xaxɛwo ɖe edzi hafi wòava! 5
Migbã towo woazu sɔsɔeƒewo! Mixe ʋe siwo le baliwo me! Miwɔ mɔ gɔglɔ̃wo woadzɔ!
Miwɔ mɔ tsakliwo zɔzrɔ̃e! 6 Ekema ame sia ame akpɔ ɖela si Mawu ɖo ɖa la.”
7 Yohanes gblɔ mawunya na ame siwo vaa egbɔ be wòade mawutsi ta na yewo
be, “Ame kae xlɔ̃ nu mi dawo ƒe dzidzimeviwo be miasi le Mawu ƒe dɔmedzoe si gbɔna
la nu? 8 Gbã la, miyi ne mia ɖee fia be yewotrɔ dzime to agbe nyui nɔnɔ me. Migabu be
nya vɔ̃ aɖeke madzɔ ɖe mia dzi elabena mienye Abraham ƒe dzidzimeviwo ta o.
Esia ɖeɖe menye naneke o elabena Mawu ate ŋu ana viwo ado go tso kpe siwo le
dzogbe le afi sia me woanye Abraham viwo. 9 Woɖo ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe fia la miaƒe kewo dzi
eye wòle klalo be wòalã mi aƒu anyi. Ẽ, le nyateƒe me la ati sia ati si metse ku nyui o la,
woalãe ƒu anyi eye woatsɔe ade dzo me.”
10 Ameha la ɖo eŋu nɛ be, “Nu kae nèdi tso mía si be míawɔ?”
11 Yohanes ɖo eŋu na wo be, “Nenye be awu eve le ame aɖe si la netsɔ ɖeka na
nɔvia ame dahe. Ame si si nuɖuɖu sɔ gbɔ ɖo la, netsɔ ɖe na ame siwo wum dɔ le la.”
12 Dugadzɔla siwo nye amebala vɔ̃ɖiwo la gɔ̃ hã va do ɖe egbɔ be wòade
mawutsi ta ne yewo. Wobia be, “Nufiala nu ka míawɔ?”
13 Yohanes ɖo eŋu na wo be, “Mito nyateƒe le miaƒe dugadzɔdzɔ me. Mikpɔ
nyuie be miagadzɔ ga le ame aɖeke si wu ale si Roma dziɖuɖua ɖo na mi la o.”
Luka
14
14 Asrafo aɖewo siwo le afi ma la biae be, “Míawo ya ɖe ale kee míawɔ?”
Yohanes ɖo eŋu na wo bena, “Migaxɔ ga le amewo si akpasesẽtɔe o. Ne mienya be ame
aɖe mewɔ nane o la, migahe nya ɖe eŋu alakpatɔe o, Fetu si miexɔna la hã nedze mia
ŋu!”
15 Ame sia ame kloe nɔ mɔ kpɔm be Mesia la ava kpuie le ŋkeke mawo me ale
be wotsi dzi vevie be yewoanya nenye be Yohanes enye amea loo alo menye eyae o?
Biabia sia koe nɔ nu na ame sia ame eye wonɔ nu ƒom le eŋu le afi sia afi. 16
Yohanes ɖo wo ƒe biabia la ŋu hegblɔ na wo be, “Nye la tsi metsɔ le tsi dem ta na
amewoe, gake ame aɖe gbɔna kpuie, ame si si ŋusẽ le wum boo, le nyateƒe me la,
nyemedze ŋutɔ gɔ̃ hã be manye eƒe subɔvi o. Eya ade mawutsi ta na mi kple dzo
kpakple Gbɔgbɔ Kɔkɔe. 17 Ame sia ama atsa la ɖa tso blia gbɔ, atɔ dzo atsa la kple
dzomavɔ la eye wòadzra blia ɖo ɖe eƒe avawo me.” 18 Yohanes xlɔ̃ nu amewo vevie
kple nya siawo le esime wònɔ nyanyui la gblɔm na wo.
Wode Yohanes Mawutsidetanamela gaxɔ me
19 Yohanes he nya ɖe Herodes si nye dziɖula nɔ Galilea ŋu le dutoƒe elabena exɔ nɔvia
srɔ̃ Heroɖia ɖe. Hekpe ɖe nu vɔ̃ bubu geɖe siwo hã wòwɔ ŋu. 20 Gawu la Herodes lé
Yohanes hã de gaxɔ me.
Wode mawutsita na Yesu
(Mateo 3:13-17; Marko 1:9-11)
21 Gbe ɖeka la, Yesu ŋutɔ hã va ge ɖe ame siwo Yohanes nɔ mawutsi dem ta na la
dome. Yohanes de mawutsi ta nɛ, eye esi Yesu nɔ gbe dom ɖa la, dziƒowo nu ʋu, 22 eye
Luka
15
Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖiɖi ɖe edzi le akpakpa ƒe nɔnɔme me eye gbe aɖe ɖi tso dziƒo bena,
“Wòe nye vinye si melɔ̃na vevie ŋutɔ. Ẽ, wòe doa dzidzɔ nam.”
Yesu ƒe dzidzimegbalẽ
(Mateo 1:1-17)
23 Yesu xɔ abe ƒe blaetɔ̃ ene hafi dze mawunyagbɔgblɔ gɔme le dutoƒo. Amewo nya
Yesu abe Yosef ƒe vi ene. Yosef fofoe nye Heli, 24 Heli fofoe nye Matat, Matat fofoe
nye Levi, Levi fofoe nye Melki, Melki fofoe nye Yanai, Yanai fofoe nye Yosef, 25
Yosef fofoe nye Matatias, Matatias fofoe nye Amos, Amos fofoe nye Nahum, Nahum
fofoe nye Esli, Esli fofoe nye Nagai, 26 Nagai fofoe nye Mat, Mat fofoe nye Matatias,
Matatias fofoe nye Semein, Semein fofoe nye Yosek, Yosek fofoe nye Yoda, Yoda
fofoe nye Yoana. 27 Yoana fofoe nye Resa, Resa fofoe nye Zerubabel, Zerubabel fofoe
nye Sealtiel, Sealtiel fofoe nye Neri. 28 Neri fofoe nye Melki, Melki fofoe nye Adi, Adi
fofoe nye Kosam, Kosam fofoe nye Elmadam, 29 Elmadam fofoe nye Er, Er fofoe nye
Yosua, Yosua fofoe nye Elieza, Elieza fofoe nye Yorim, Yorim fofoe nye Matat, Matat
fofoe nye Levi, 30 Levi fofoe nye Simeon, Simeon fofoe nye Yuda, Yuda fofoe nye
Yosef, Yosef fofoe nye Yonam, 31 Yonam fofoe neye Eliakim, Eliakim fofoe nye
Melea, Melea fofoe nye Mena, Mena fofoe nye Matata, Matata fofoe nye Natan, Natan
fofoe nye David, 32 David fofoe nye Yese, Yese fofoe nye Obed, Obed fofoe nye Boaz,
Boaz fofoe nye Salmon, 33 Salmon fofoe nye Naxeson, Naxeson fofoe nye Aminadab,
Aminadab fofoe nye Admin, Admin fofoe nye Arni, Arni fofoe nye Hezrɔn, Hezrɔn
fofoe nye Perez. Perez fofoe nye Yuda, 34 Yuda fofoe nye Yakɔb, Yakɔb fofoe nye
Isak, Isak fofoe nye Abraham, Abraham fofoe Tera, Tera fofoe nye Nahɔ, 35 Nahɔ fofoe
Luka
16
nye Serug, Serug fofoe nye Reu, Reu fofoe nye Peleg, Peleg fofoe nye Eber, Eber fofoe
nye Sela, 36 Sela fofoe nye Kainam, Kainan fofoe nye Arfaxad, Arfaxad fofoe nye Sem,
Sem fofoe nye Noa, Noa fofoe nye Lamek, 37 Lamek fofoe nye Metusela, Metusela
fofoe nye Enɔk, Enɔk fofoe nye Yared, Yared fofoe nye Mahalalil. 38 Mahalalil fofoe
nye Set, Set fofoe nye Adam, Adam fofoe nye MAWU.
Abosam te Yesu kpɔ
(Mateo 4:1-11; Marko 1:12-13)
4 Azɔ Yesu si me Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ fũ la dzo le Yɔdan tɔsisia to eye Gbɔgbɔ la
kplɔe yi ɖe Yudea ƒe gbedadaƒo afi aɖe. 2 Enɔ afi ma ŋkeke blaene eye Satan va tee kpɔ
le ŋkeke siawo katã me. Meɖu naneke le ŋkeke siawo katã me o ale dɔwui vevie.
3 Satan gblɔ nɛ be, “Nenye be Mawu vie neneye tututu la ekema ɖe gbe na kpe
siawo be woatrɔ zu abolo.”
4 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Woŋlɔ ɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔea me be, Menye nuɖuɖu ɖeɖe koe
le vevie na amegbetɔ o.”
5 Satan kplɔe yi teƒe kɔkɔ aɖee eye wòɖe xexeame fiaɖuƒe katã fiae le ɣeyiɣi
kpui aɖe ko me 6 eye wògblɔ na Yesu be, “Dukɔ nyui siawo katã kple woƒe
ŋutikɔkɔewo nye tɔnye eye mate ŋu atsɔe na ame sia ame si melɔ̃. 7 Eya ta ne èdze klo
subɔm ko la matsɔ wo na wò.”
8 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Abe ale si woŋlɔ ɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔea mee ene la, Mawu ɖeka
hɔ̃ ko wòle be míasubɔ.” 9 Azɔ Satana gakplɔe yi Yerusalem eye wòtsɔe ɖo
gbedoxɔ la ƒe kɔkɔƒe kekeake. Egblɔ nɛ be, “Nenye Mawu vie nènye vavã la, ti kpo tso
Luka
17
afi sia. 10 Elabena Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ bena, ‘Ade se na eƒe dɔlawo le ŋutiwò be
woakpɔ tawò nyuie 11 woatsɔwò ɖe woƒe asiwo me ale be matsɔ wò afɔ axlã ɖe kpe
aɖeke o.’”
12 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ be, ‘Megate Mawu wò Aƒetɔ la kpɔ
tamemabutɔe o.’”
13 Esi Satrana wu tetekpɔwo katã nu la, egblẽ Yesu ɖi dzo le egbɔ hena ɣeyiɣi
bubu.
Yesu ƒe dɔgɔmedzedze le Galilea
(Mateo 4:12-17; Marko 1:14-15)
14 Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ yɔ Yesu me fũ azɔ ale wòtrɔ yi Galilea. Eteƒe medidi o la
amewo nyae le nuto sia me kpe ɖo. 15 Le mawunya deto siwo wògblɔna le wo ƒuƒoƒewo
ta la ame sia ame kafu nɛ ŋutɔ.
Nugbegbe le Yesu ŋu le Nazaret
(Mateo 13:53-58; Marko 6:1-6)
16 Eva Nazaret, afi si wònɔ le eƒe ɖevime eye wòyi woƒe ƒuƒoƒe le Sabat ŋkekea dzi. Esi
wòtso be yeaxlẽ mawunya la, 17 wotsɔ nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ nɛ be wòaxlẽ. Eʋʋ
teƒe si woŋlɔ ɖo be,
18 “Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔ le dzinye eya ta wosi ami nam ɖo edɔm ɖa bena magblɔ
nyanyui la na ame dahewo, edɔm ɖa bena maɖe gbeƒẽ be woaɖe ga aboyomenɔlawo eye
ŋkunɔwo ƒe ŋkuwo aʋu. Ame siwo wote ɖe anyi la, ado le wo teɖanyilawo si me, 19 eye
maɖe gbeƒã Aƒetɔ la ƒe ƒe nyui la.”
Luka
18
20 Esi wòxlẽ nya siawo vɔ la, etu agbalẽa tsɔe na ame si tsɔe nɛ la eye eya ŋutɔ
yi ɖanɔ anyi. Ke ame siwo katã nɔ ƒuƒoƒea la fɔ ŋku ɖe edzi gãa. 21 Yesu gagblɔ na
ameawo be, “Mawunya sia va eme le egbe ŋkeke sia dzi.”
22 Ame siwo katã nɔ xɔa me la kafui eye woƒe mo wɔ yaa le mawunya deto siwo
wògblɔ la ta. Wobia wo nɔewo be, “Nya kae nye sia? Alo menye Yosef vie oa?”
23 Yesu ɖo eŋu na wo be, “ɖewohῖ miaɖo ŋku lododo sia adzi be, ‘Gbedala, da
gbe le wò ŋutɔ ɖokuiwò ŋu’ esi gɔmee nye be, ‘Nu ka ta mewɔ nukunuwo le wò ŋutɔ
wò dedu me abe ale si nèwɔe le Kapernaum ene o?’ 24 Magblɔ na mi kple kakaɖedzi
blibo be, bubu menɔa nyagblɔɖila aɖeke ŋu le eya ŋutɔ ƒe dedu me o.
25 Mele egblɔm na mi kple kakaɖedzi be ahosi geɖewo nɔ Israel le Eliya ŋɔli, esi
wotu dziƒo nu ƒe etɔ̃ kple afã eye dɔwuame sesẽ aɖe va anyigba blibo la dzi. 26 Gake
womeɖo Eliya ɖe wo dometɔ aɖeke gbɔ o, ke boŋ woɖoe ɖe ahosi aɖe si tso Zarefat le
Sidon nuto me la gbɔ. 27 Mibu nyagblɔɖila Elisa ame si da gbe le Naaman si nye
Siriatɔ la ŋu kpɔ. Togbɔ be kpodɔléla geɖewo hã nɔ Israel siwo hiã gbedada vevie hã,
Elisa meda gbe le woawo ŋu o, negbe Naaman Siriatɔ la ko.”
28 Yesu ƒe nya siawo ve dɔme na ameawo ŋutɔ. 29 Woƒe dziwo ho ɖe eŋu ale
wotso hetutu asi ʋume nɛ do goe le xɔa me. Wokplɔe yi togbɛ si dzi wotu dua ɖo la ƒe
kɔkɔeƒe be yewoatutui tso teƒe sia wòayi aɖadze aga me. 30 Gake ezɔ to amehawo dome
kɔ̃ɔ hedzo le wo gbɔ.
Luka
19
Yesu nya gbɔgbɔ makɔmakɔ le ŋutsu, gbɔgbɔ vɔ̃ tɔ aɖe, me
(Marko 1:21-28)
31 Yesu trɔ yi Kapernaum si nye du aɖe si le Galilea nuto me la me eye le afi sia egblɔ
mawunya na amewo le Sabat ŋkeke ɖe sia ɖe dzi le wo ƒe ƒuƒoƒewo. 32 Eƒe
nyagbɔgblɔwo wɔ nuku na ameawo katã le afi sia hã, elabena eƒo nu abe ame si nya
nyateƒe la ene, eye megblɔa ame bubuwo ƒe susu o.
33 Gbe ɖeka esi Yesu nɔ mawunya gblɔm le ƒuƒoƒea la, ŋutsu aɖe si me gbɔgbɔ
vɔ̃ aɖe le la de asi ɣlidodo me ɖe eta be, 34 “Ago gbɔ! Wò Yesu Nazaretitɔ, nya aɖeke
mele mí kpli wò dome o. ɖe nèva be yeatsrɔ̃ mí. Menya ame si nènye, Mawu ƒe Vi
kɔkɔe lae nènye.”
35 Yesu tso nya la le enu be, “Zi ɖoɖoe!” Azɔ egblɔ na gbɔgbɔ vɔ̃ la be, “Do go
le ame sia me!” Gbɔgbɔ vɔ̃ la tsɔ ŋutsua xlã ɖe anyi ŋɔdzitɔe, ameha la ƒo zi ɖe eŋu
henɔ ekpɔm. Ke gbɔgbɔ vɔ̃ la do go le amea me eye megawɔ nuvevi aɖekee o.
36 Esia wɔ nuku na ameawo ŋutɔ ale wobia wo nɔewo be, “Ŋusẽ ka ƒomevie le
ame sia ƒe nyawo ŋu ale be gbɔgbɔ vɔ̃ ŋutɔwo gɔ̃ hã ɖoa toe?” 37 Nukunu si Yesu wɔ la
kaka ɖe nutoa katã me le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me.
Yesu yɔ dɔ ame geɖewo
(Mateo 8:14-17; Marko 1:29-34)
38 Esi Yesu do go le ƒuƒoƒea gbe ma gbe la, eyi Simɔn ƒeme, eye wòke ɖe Simɔn lɔ̃xo
ŋu wònɔ ŋudza sesẽ aɖe lém. Ame sia ame kloe va ɖe kuku na Yesu gblɔ be, “Míeɖe
kuku na wò da gbe le eŋu.”
Luka
20
39 Yesu yi ɖatsi tre ɖe dɔnɔa ƒe abe gbɔ eye wòɖe gbe na dɔlélea be wòaɖe asi le
eŋu. Dzoxɔxɔ sesẽ si nɔ nyɔnua ƒe lãme la nu bɔbɔ enumake eye eƒe lãme sẽ. Ale wòtsi
tre heyi ɖaɖa nu na wo.
40 Le ɣetrɔ miaa la, kɔƒea me tɔwo katã kplɔ ame siwo katã nɔ dɔ vovovowo lém
le woƒe aƒewo me la vɛ na Yesu eye wòda asi ɖe wo katã dzi heyɔ dɔ wo. 41 Gbɔgbɔ
vɔ̃tɔ aɖewo hã nɔ ameawo dome ke Yesu ɖe gbe na gbɔgbɔ vɔ̃ siawo be woado go le
ameawo me eye wodo go le eƒe nya nu henɔ ɣli dom be, “Wòe nye Mawu Vi la.” Esi
Yesu kpɔ be gbɔgbɔ vɔ̃wo nya be yee nye Kristo la, eɖe gbe na wo be woazi ɖoɖoe.
Mawunyagbɔgblɔ le du geɖewo me
(Marko 1:35-39)
42 Le ŋkeke eveagbe ƒe ŋdi kanyaa la, efɔ yi ɖe gbe dzi. Ameha la dii vevie le teƒe
geɖewo eye esi wova ke ɖe eŋu mlɔeba la, woɖe kuku nɛ be megadzo o, ke boŋ wòanɔ
yewo gbɔ le Kapernaum. 43 Ke Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ele be magblɔ mawufiaɖuƒe la
ƒe nyanyui la na ame bubuwo hã elabena esia tae wodɔm ɖa.” 44 Ale wòdzo henɔ
tsatsam le Yudea nutowo katã me kpe ɖo, nɔ mawunya gblɔm na amewo le
wo ƒe ƒuƒoƒewo.
Yesu tia eƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo
(Mateo 4:18-22; Marko 1:16-20)
5 Gbe ɖeka esi Yesu nɔ nu fiam le Genesaret ta to la, ameha gã aɖe va ƒo zi ɖe eŋu
be yewoase Mawu ƒe nya la. 2 Yesu kpɔ ʋu eve siwo me ame aɖeke menɔ o la le ta la
Luka
21
to. ɖɔkplɔlawo nɔ woƒe ɖɔwo kpalam le tsia me. 3 Yesu yi ɖage ɖe ʋua ɖeka me eye
wògblɔ na Simɔn ame si tɔ nye ʋua be woakui ayi tsia dzi vie bena yeanɔ eme afia nu
ameha la tso afi ma.
4 Esi wòwu nuƒoa nu la, egblɔ na Simɔn be, “Azɔ miyi tsia ƒe gogoloa ƒe ke ne
miada ɖɔ ɖe afi ma ekema mia ɖe lã fũ.”
5 Simɔn ɖo eŋu nɛ be, “Amegã, egbe zã bliboa katã míeda ɖɔ ʋuu gake míeɖe
naneke o gake esi nègblɔe ko la, míagatee akpɔ.”
6 Wogada ɖɔ la ake ke azɔ la, woɖe lã ale gbegbe be woƒe ɖɔwo koe de asi vuvu
me! 7 Ale Simɔn kple nɔvia wodo ɣli yɔ wo nɔvi siwo nɔ ʋu bubu me le tsia dzi la be
wòava kpe ɖe yewo ŋu. Wo ɖe lã fũ wòyɔ ʋu eveawo ale gbegbe be ʋuawo di be
yewoanyrɔ̃ gɔ̃ hã.
8 Simɔn Petro kpɔ nu si va dzɔ la, eya ta wòdze klo ɖe Yesu kɔme hegblɔ be,
“O, Aƒetɔ, meɖe kuku dzo le mía gbɔ elabena nye nɔ vɔ̃wo sɔ gbɔ ŋutɔ eye nyemedze be
mate ɖe ŋuwò o.” 9 Elabena lã geɖe si woɖe la wɔ nuku na Petro kple eƒe dɔwɔhatiwo.
10 Nenema nye Yakobo kple Yohanes ame siwo nye Zebedeo viwo eye woganye Simɔn
ƒe dɔwɔhatiwo hã. Yesu gblɔ na wo be, “Migavɔ̃ o. Tso azɔ dzi heyina la, miazu amewo
ƒe luʋɔwo ɖelawo!”
11 Esi wova ɖi go teti ko la, wogblẽ woƒe nuwo katã ɖe afi ma hedze Yesu
yome.
Luka
22
Yesu da gbe le anyidzela aɖe ŋu
(Mateo 8:1-4; Marko 1:40-45)
12 Gbe ɖeka la Yesu kpɔ kpotɔ aɖe le kɔ ƒe aɖe si me wòɖi tsa de la. Esi kpotɔ sia kpɔ
Yesu ko la, edze klo tsyɔ mo anyi heɖe kuku nɛ vevie be wòada gbe le ye ŋu. Egblɔ be,
“Aƒetɔ, ne èlɔ̃ la, na be ŋutinye nakɔ.”
13 Yesu tɔ asi ŋutsua hegblɔ be, “Ẽ, melɔ̃. Eya ta ŋuwò nekɔ fifi laa. Ŋutsua ŋuti
kɔ enumake eye dɔ la vɔ le eŋu. 14 Azɔ Yesu de se nɛ be megagblɔe na ame aɖeke o, ke
boŋ neyi Yudatɔwo ƒe osɔfo gbɔ. Egblɔ kpe ɖe eŋu be, “Yi nàna vɔsanu si ame siwo
haya tso kpodɔléle me la nana le Mose ƒe sea nu. Esia afia ame sia ame be èkpɔ dɔyɔyɔ
vavã.” 15 Nya sia kaka ɖe teƒe geɖewo xoxo eye ame geɖewo ŋutɔ ƒo zi ɖe eŋu be
yewoase eƒe mawunya eye wòada gbe hã le yewo ŋu. 16 Gake zi geɖe la edia ɣeyiɣi aɖe
dona le wo dome dzaa yia gbedzi afi aɖe ɖadoa gbe ɖa.
Yesu da gbe le lametututɔ aɖe ŋu
(Mateo 9:1-8; Marko 2:1-12)
17 Gbe ɖeka esi Yesu nɔ nu fiam la, Farisitɔwo kple agbalẽfialawo va teƒea va nɔ
to ɖomii. Ame siawo tso du siwo katã le Galilea, Yudea kple Yerusalem. Aƒetɔ la ƒe
dɔyɔŋusẽ va edzi be wòada gbe le wo ŋu.
18 Kasia, ame aɖewoe nye si kɔ lãmetututɔ aɖe ɖe aba dzi va doe. Wodze
agbagba ɖe sia ɖe be yewoato ameha la dome akɔe yi Yesu gbɔe, 19 gake womete ŋui o
le ameha la ta. Le esia ta wolia xɔa eye woɖe do ɖe etame, heɖiɖi lãmetututɔa ɖe Yesu
kɔme tututu.
Luka
23
20 Esi Yesu kpɔ wo ƒe xɔse la egblɔ na dɔnɔa be, “Ŋutsu, wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke
wò.”
21 Faristɔwo kple agbalẽfiala siwo nɔ ameawo dome la bia wo nɔewo be, “Ame
ka ƒomevi tututu ame sia buna be yenye? Egblɔ busunya! Elabena ame kae ate ŋu atsɔ
nu vɔ̃ ake tsɔ wu Mawu?”
22 Yesu nya nu si ŋu bum wonɔ eya ta eɖo ŋu na wo be, “Nu kae nye busunya?
ɖe nu vɔ̃ tsɔtsɔke sẽ wu gbedada le ame ŋua? 23 Nye si nye Mesia la ŋusẽ le asinye le
anyigba sia dzi be matsɔ nu vɔ̃wo ake eya ta maɖe ŋusẽ sia 24 afia mi kɔtɛe to gbedada
le ŋutsu sia ŋu me.” Ale wògblɔ na lãmetututɔ la be, “Tsi tre nàŋlɔ wò aba nàyi aƒeme.”
25 Ame sia ame ke ŋku ɖi be yeakpɔ nu kasia ŋutsua tsi tre ɖe eƒe afɔ eveawo
dzi, ŋlɔ eƒe aba eye wòɖo ta aƒeme henɔ Mawu kafum bobobo. 26 Ame siwo katã nɔ afi
ma la ƒe mo wɔ yaa eye vɔvɔ̃ ɖo wo, wokafu Mawu nɔ gbɔgblɔm be, “Míekpɔ nu
madzɔkpɔ aɖe egbe.”
Yesu yɔ Levi
(Mateo 9:9-13; Marko 2:13-17)
27 Esi Yesu dzo le du sia me yina la, ekpɔ nudzɔla aɖe si ame sia ame nya nyuie le eƒe
amebaba ta. Nudzɔla sia ŋkɔe nye Levi eye wònɔ anyi ɖe agbadɔ aɖe te nɔ nu dzɔm.
Yesu gblɔ nɛ be, “Va dze yonyeme ne nàzu nye nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka.” 28 Ale Levi
gblẽ nu sia nu ɖi eye wòtso enumake hedze eyome.
29 Eteƒe medidi o, Levi ɖo kplɔ̃ na Yesu eye wòkpe etɔ nudzɔla bubuwo hã ɖe
kplɔ̃ sia ŋu. 30 Farisitɔwo kple agbalẽfialawo kpɔ kpɔtsotso le Yesu ƒe nu wɔna sia ŋu
eye wohe nya kple eƒe nusrɔ̃lawo vevie be Yesu ɖu nu kple nu vɔ̃ wɔlawo.
Luka
24
31 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Dɔnɔwoe hῖa na gbedada menye lamesesẽtɔwo o. 32
ɖe meva be maɖe nu vɔ̃ wɔlawo tso woƒe nu vɔ̃ wɔwɔwo me ke menye be magblẽ
ɣeyiɣi ɖe ame siwo be yewonye ame dzɔdzɔewo la ŋu o.”
Wobia nya Yesu tso nutsitsi dɔ ŋu
(Mateo 9:14-17; Marko 2:18-22)
33 Ameawo gayi edzi bia Yesu be, nu ka tae eƒe nusrɔ̃lawo metsia nu dɔna hedoa gbe
ɖa abe ale si Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo kple Faristɔwo wɔnɛ ene o ke boŋ eƒe nusrɔ̃lawo
ya la nuɖuɖu kple nunono dzi ko wonɔna gbe sia gbe hã?
34 Ke Yesu bia wo be, “Ne ame aɖe le dzidzɔ kpɔm ɖe agbe nuɖuɖua? Ne
wokpe amewo be woava do dzidzɔ ɖe srɔ̃ɖelawo ŋu ɖe, ɖe amekpekpe siawo agbe
nuɖuɖu le esime srɔ̃tɔ la ŋutɔ le nuɖukplɔ̃a ŋu kpli wo hã? 35 Gake ɣeyiɣi li gbɔna esi
woava kplɔ srɔ̃tɔ la adzoe le ameawo gbɔ eye ne edzɔ alea la, nuɖuɖu magadzro wo o.”
36 Azɔ Yesu do lo sia na wo be, “Ame aɖeke metsɔa avɔnuɖeɖi yeye kaa avɔ
xoxo si vuvu lae o. Ne wotsɔ avɔnuɖeɖi yeye ka avɔ xoxo si vuvu la, menyakpɔna o;
gawu la enana be avɔa ƒe teƒe si woka la gavuvuna ɖe edzi wu tsã. 37 Nenema ke,
womekɔa aha yeye ɖe lãgbalẽgolo xoxo me o; ne wowɔ esia la, aha yeye la ƒe ŋusẽ ana
be lãgbalẽgolo xoxo la awo eye aha la katã akɔ ɖe anyigba. 38 Ke boŋ lãgbalẽgolo yeye
mee wòdze be woakɔ aha yeye ɖo. 39 Nenema kee, ame aɖeke menoa aha tsitsi vɔ teti
ko ganoa yeyetɔ tɔtɔnɛ o, elabena wogblɔna godoo be, ‘Mɔ xoxotɔwo nyo wu.’”
Luka
25
Nusrɔ̃lawo ŋe bli le Sabat dzi
(Mateo 12:1-8; Marko 2:23-28)
6 Gbe ɖeka le Sabat ŋkekea dzi esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo zɔ to bligble aɖewò
me va yina la, nusrɔ̃lawo ŋe bli aɖewo klẽ tsro le wo ŋu henɔ ɖuɖum.
2 Farisitɔ aɖewo nɔ afi ma kpɔ wo eye wogblɔ na Yesu be, “Nu si wɔm wò
nusarɔ̃lawo le, le bli ŋem le Sabat dzi la tsi tre ɖe Yudatɔwo ƒe se ŋu.”
3 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Míexlẽa mawunya oa? Alo miexlẽ nu tso nu si Fia
David wɔ esi dɔ wu eya kple eŋutimewo ŋu oa? 4 Eyi ɖe gbedoxɔ la me eye wòtsɔ
abolo tɔxɛ si wotsɔ ɖo Mawu ŋkume la eye eya kple etɔwo mãe heɖu, togbɔ be ame
aɖeke mekpɔ mɔ aɖu abolo sia o negbe osɔfowo ko.” 5 Yesu gblɔ kpe ɖe eŋu be, “Nye
Mesia la, mekpɔ ŋusẽ ɖe Sabat ŋkekea dzi.”
Ŋustu aɖe si titi lé asi na
(Mateo 12:9-14; Marko 3:1-6)
6 Le Sabat bubu gbe esi wònɔ nu fiam le ƒuƒoƒe la, ekpɔ ame aɖe si titi lé asi na la le afi
ma. 7 Esi wònye Sabat ŋkeke dzie ta la, agbalẽfialawo kple Farisitɔwo ɖe ŋku ɖe edzi
gãa henɔ ekpɔm be ada gbe le amea ŋu le ŋkekea dzi hã. Wonɔ ŋku lém ɖe eŋu elabena
wodi be wòawɔ vodada aɖe be yewoatsɔ nya ɖe eŋu.
8 Yesu nya nu si bum ame siawo nɔ xoxoxo, gake egblɔ na ŋutsua be, “Va nɔ
afii bena ame sia ame nakpɔ wò.” Ŋutsua wɔ abe ale si wògblɔ nɛ ene.
Luka
26
9 Azɔ Yesu trɔ ɖe Farisitɔwo kple agbalẽfialawo gbɔ eye wògblɔ na wo be,
“Biabia aɖe le asinye na mi. Enyo be woawɔ nyui le Sabat ŋkekea dzi loo alo wɔawɔ
vɔ̃a? Enyo be woaxɔ ame ɖe agbe loo alo woawuia?”
10 Etsa ŋku le wo katã dzi ɖeka, ɖeka eye wògblɔ na ŋutsua be, “Azɔ dzɔ wò
asi.” Edzɔ asia kasia eƒe asi gaɖɔ ɖo. 11 Nuwɔna sia do dziku na Yesu ƒe futɔwo ŋutɔ.
Wode asi ɖoɖowɔwɔ me le ale si woawɔ awui la ŋuti
Yesu tia eƒe nusrɔ̃la wuieveawo eye wòfia nu wo
(Mateo 10:1-4; Marko 3:13-19)
12 Le nu siawo megbe la, Yesu yi to aɖe dzi gbe ɖeka be yeado gbe ɖa. Edo gbe ɖa zã
blibo katã. 13 Esi ŋu ke la, eyɔ eyomenɔlawo katã ƒo ƒui eye wòtia ame wuieve le wo
dome bena woanye ye ƒe nusrɔ̃lawo. Ame siawoe woyɔ be apostolowo.
14 Ameawo ƒe ŋkɔwoe nye, Simɔn ame si wòna ŋkɔe be Petro, Andrea Simɔn
nɔviŋutsu, Yakobo, Yohanes, Filipo, Bartolomeo, 15 Mateo, Toma, Yakobo Alfeo vi,
Simɔn ame si nye Zelote dunyaheha sesẽ aɖe me nɔla; 16 Yuda, Yakobo vi kple Yuda
Iskariɔt ame si de Yesu asi emegbe.
Yesu fia nu ameha gã aɖe
(Mateo 4:23-25)
17 Esi woɖì tso toa dzi la, nusrɔ̃lawo kple eyomenɔlawo va ƒo ƒu ɖe Yesu ŋuti le
gbadzaƒe aɖe. Ameha gã aɖe hã va ɖe to ɖe wo, amewo tso Yudea nutowo me katã kple
Yerusalem. ɖewo tso keke Sidɔn kple Tiro ƒutaduwo me ke 18 va be yewoaɖo toe alo
be wòada gbe le yewo ŋu. Gbe ma gbe la enya gbɔgbɔ vɔ̃ geɖewo le amewo me. 19
Luka
27
Ame geɖewo ŋutɔ nɔ didim be yewoaka asi eŋu, elabena ne dɔnɔ aɖe wɔ esia ko la,
ehayana enumake.
Yayrawo kple babadonamewo
(Mateo 5:1-12)
20 Azɔ etrɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo gbɔ hegblɔ na wo be, “Dzidzɔ gã ŋutɔ le mi, ame siwo nye
ame dahewo la lalalm elabena miawo tɔe nye mawufiaɖuƒe la. 21 Dzidzɔ gã ŋutɔ le mi,
ame siwo wum dɔ le la lalam elabena miawoe aɖi ƒo. Dzidzɔ gã ŋutɔ le mi, ame siwo le
avi fam fifia la lalam elabena ɣeyiɣi gbɔna esi miava ko nu. 22 Dzidzɔ gã ŋutɔ le mia
lalam, ne amewo lé fu mi, ɖe mi le woƒe hame, eye wodzu mi, heƒo ɖi miaƒe ŋkɔ ɖe
tanye! 23 Dzi nedzɔ mi, eye mitso aseye, elabena fetu nyui le mia lalam le dziƒo. Alea
tututue wo fofowo wɔ ɖe nyagblɔɖila siwo do ŋgɔ na mi la hã ŋuti.”
24 “Ao, babaa na kesinɔtɔwo, elabena wokpɔ dzidzɔ le anyigba sia dzi xoxo. 25
Wokpɔ lãme eye nu le wo si ŋutɔ fifia gake dɔwuame sesẽ aɖe le ŋgɔ na wo gbɔna. 26
Woƒe nukoko ɖe yame fifia ava zu konyifafa na wo. Babaa na ame siwo ŋu amewo aƒo
nu nyui le, elabena nenema kee wo fofowo wɔ, na aʋatsonyagblɔɖilawo.
Lɔlɔ̃ na ketɔwo
(Mateo 5:38-48; 7:12)
27 Azɔ mi katã misee. Milɔ̃ miaƒe futɔwo eye miawɔ nyui na ame siwo lé fu mi la. 28
Mido gbe ɖa ɖe ame siwo ƒo fi de mi la ta be woakpɔ dzidzɔ, eye midi Mawu ƒe yayra
na ame siwo wɔa fu mi.
Luka
28
29 “Nenye be ame aɖe ƒo wò to ɖeka me la, trɔ evelia hã nɛ wòaƒo! Neneye be
ame aɖe bia be nàtsɔ wò dziwui na ye la, tsɔ wò awutewui hã nɛ. 30 Ne nu le asiwò eye
ame aɖe bia wò la, nae eye mègabia be netrɔe vɛ na ye o. 31 Ale si tututu nèdina be
amewo newɔ na ye la, wò hã wɔ na wo nenema.
32 “Ne mielɔ̃ miaƒe lɔ̃lawo ɖeɖe ko ɖe, miebui be miewɔ nanea? Ame siwo
mevɔ̃a Mawu o la hã lɔ̃a wo xɔlɔ̃wo. 33 Ne miewɔa dɔmenyo na ame siwo wɔa
dɔmenyo na mi ko ɖe, akpedada kae li na mi? Nu vɔ̃ wɔlawo gɔ̃ hã wɔna nenema! 34 Ne
miedoa ga na ame siwo ko ate ŋu akpɔe axe na mi emegbe ɖe, nu nyui kae wònye
miewɔ? Nu vɔ̃ɖi wɔla akuakuawo hã doa nu na wo tɔ nu vɔ̃ɖi wɔlawo bena yewoaxɔ
nenema ke emegbe.”
35 “Milɔ̃ miaƒe ketɔwo, eye miwɔ dɔmenyo na wo. Mido nu na wo, eye migakpɔ
mɔ alo atsi dzi ɖe exɔxɔ ŋu o. Ne miewɔ esia la ekema miaƒe fetu asɔ gbɔ le dziƒo, eye
mianye Mawu viwo, elabena Eya ŋutɔ nyoa dome na akpemadalawo kple tagbɔ sesẽ
tɔwo.
36 “Midze agbagba vevie be miakpɔ nublanui na amewo abe ale si mia Fofo
wɔnɛ ene.
Migadrɔ̃ ʋɔnu ame bubuwo o
(Mateo 7:1-5)
37 Migadrɔ̃ ʋɔnu alo aɖe ɖeklemi ame aɖeke o, ne menye nenema o la, anɔ na miawo hã
nenema. Mitsɔ ke amewo eye woatsɔ ake miawo hã eye woawo hã awɔ na mi nenema.
38 Mina nu eye woana nu miawo hã. Nu siwo katã miena la, woatrɔe vɛ na mi woasɔ
gbɔ agbã go sã wu esi sinu miena eye woatsɔe aɖo akɔ na mi. Dzidzenu si mietsɔ dzidze
Luka
29
nui na amewo la eya kee woatsɔ dzidze nui na miawo hã.” 39 Yesu yi edzi do lo sia na
wo be, “ɖe ŋkugbãtɔ ate ŋu akplɔ ŋkuagbãtɔa? ɖe wo kple eve la mage adze do me oa?
40 Nusrɔ̃vi mewua eƒe nufiala o. Ke ame sia ame si xɔ hehe nyuitɔ la anɔ ko abe eƒe
nufiala ene.
41 “Ale ke wɔ newɔa alakpanu dina be yeaɖe ati fefee si le nɔviwo ƒe ŋku dzi la
ɖa, evɔ atikpo gã aɖe le wò ŋutɔ wò ŋku dzi? 42 Ale ke wɔ nàgblɔ na nɔviwò be, ‘Nɔvi,
na maɖe ati fefee si le wò ŋku dzi la ɖa na wò, esi mate ŋu akpɔ gã si le wò ŋutɔ wò
ŋkuwo dzi aɖe o? Alakpanuwɔla! ɖe atikpo si le wò ŋku dzi la ɖa gbã ekema ɖewohῖ
àte ŋu akpɔ nu nyuie ale be nàte ŋu aɖe nɔviwò ƒe ati fefee la ɖa nɛ.
Sidzedze ati kple eƒe kutsetse
(Mateo 7:17-20; 12-34-35)
43 “Ati nyui aɖeke mate ŋu atse ku manyomanyo o, eye ati manyomanyo mate ŋu atse
ku nyui o. 44 Ku si ati aɖe tsena lae wotsɔna dzea si ati si ƒomevi wònye lae. 45 Ame
ɖɔʋu la, nu nyui wɔwɔ doa go tso eƒe dzi dzadzɛ me eye ame maɖɔʋu la, nu vɔ̃ koe doa
go tso eƒe dzi vɔ̃ɖi la me. Elabena, nu si le ame aɖe ƒe dzi me lae doa go tsoa eƒe nu me.
Gɔmeɖoɖo ƒomevi eveawo
(Mateo 7:24-27)
46 “Nu ka tae mieyɔam be Aƒetɔ esi miewɔa nye gbe dzi o? 47 Mafia nu si ame sia
ame si vaa gbɔ nye, sea nye nya eye wowɔa edzi la ɖi la mi. 48 Eɖi ame aɖe si tu xɔ,
eɖe do goglo eye wòɖo gɔmeɖokpe nyuie ɖe kpe gbadza dzi, ke esi tɔ ɖɔ eye tsi ɖe xɔa
la mete ŋu nui o, elabena wotui nyuie. 49 “Ke ame siwo sea nye nya eye womewɔna ɖe
Luka
30
edzi o la, le abe ame aɖe si tu eƒe xɔ ɖe anyigba eye meɖo gɔmeɖokpe nɛ o la ene. Esi
tsi dza ɖɔ ɖe eŋu la, xɔ sia mu gbloo, hegbã gudugudu.”
Yesu da gbe le Roma srafowo ƒe amegã ɖe ƒe subɔla ŋu
(Mateo 8:5-13; Yohanes 4:43-54)
7 Esi Yesu wu eƒe mawunyagbɔgblɔ la nu la etrɔ yi Kapernaum dua me.
2 Romatɔwo ƒe aʋafia gã si nɔ du ma me la ƒe dɔla si gbɔ melɔ̃a nu lena o la dze
dɔ vevie, eye wòɖo kudo nu. 3 Aʋafia la se Yesu ŋkɔ eya ta edɔ Yudatɔ ame ŋkuta
aɖewo ɖe egbɔ be woaɖe kuku nɛ be wòava da gbe le dɔla sia ŋu na ye. 4 Ameawo yi
Yesu gbɔ heɖe kuku nɛ vevie be wòava kpe ɖe aʋafia la ŋu. Wona wònya be aʋafia sia
nye ame nyui aɖe ŋutɔ. 5 Wogblɔ na Yesu be, “Nenye be wòhiã be nàkpe ɖe ame aɖe
ŋu la, ŋutsu sia ŋue wòle be nàkpe ɖo, elabena elɔ̃a mi Yudatɔwo ale gbegbe be eya ŋutɔ
tsɔ eƒe ga tsɔ tu ƒuƒoƒe na mí.”
6 Yesu tso kpla kplɔ woɖo. Gake hafi wòaɖo aƒea me la, aʋafia la dɔ exɔlɔ̃
aɖewo ɖa be woagblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ, mègaɖe fu na ɖokuiwò be nàva nye aƒe me o,
elabena nye medze na bubu sia tɔgbi o. 7 Eye nye medze be mava kpe wò ŋutɔ gɔ̃ hã o.
Gblɔ nya si wòle be nàgblɔ la ɖo ɖa tso afi si nèle ekema nye dɔla ƒe lãme asẽ. 8
Elabena nye ŋutɔ hã ame aɖe tee mele eye amewo hã le tenye, meɖea gbe na tenyeviwo
be, ‘miyi afii’ eye woyina, ‘miva afii’ eye wovana, megblɔna na nye dɔla be ‘wɔ esi
kple ekemɛ’, eye wòwɔnɛ.”
9 Nya siwo wɔ nuku na Yesu ŋutɔ. Etrɔ ɖe ameha la ŋu gblɔ be, “Nyateƒe, le
Israel katã la nyemekpɔ ame aɖeke si si xɔse le abe ame sia tɔ ene kpɔ o.”
Luka
31
10 Esi aʋafia la xɔlɔ̃wo yi aƒeme la, wokpɔ dɔla si nɔ lém la wòhaya eye eƒe
lãme sẽ abe tsã ene.
Yesu gbɔ agbe ahosi aɖe ƒe viŋutsu le Nain
11 Le esia megbe la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo yi du aɖe si woyɔna be Nain la me, eye
abe ale si wònɔna ɖaa ene la, ameha gã aɖe gakplɔe ɖo henɔ eŋu kplikplikpli. 12 Esi
wòsusɔ vie woaɖo dua ƒe agbo nu la, wokpɔ ame aɖewo woyina ameɖiƒe. ɖekakpui si
ku woyina ɖiɖi ge la enye vi ɖeka hɔ̃ si nɔ dadaa si nye ahosi la si. Esia wɔe be ame
geɖewo ŋutɔ kplɔ ahosia ɖo henɔ konyi fam kplii.
13 Esi Aƒetɔ la kpɔ ahosia la, eƒe nu wɔ nublanui nɛ ŋutɔ eya ta egblɔ nɛ be,
“Mègafa avi o!” 14 Yesu te ɖe amekukuɖaka la ŋu eye wotɔ asii enumake ame siwo tsɔ
aɖaka la tɔ ɖe tsitre. Azɔ egblɔ na amekukua be, “ɖekakpui, Tsi tre.”
15 Enumake ɖekakpui la fɔ henɔ alinu eye wòde asi nuƒoƒo me na ame siwo nɔ
egbɔ la; ale Yesu kplɔe de asi na dadaa.
16 Vɔvɔ̃ gã aɖe ɖo ameawo eye wodo ɣli kafu Mawu gblɔ be, “Nyagblɔɖila gã
aɖe le mia dome vavã. Míekpɔ Mawu ŋutɔ ƒe asi wòwɔ dɔ le egbe ŋkeke sia dzi.”
17 Nukunu si Yesu wɔ gbe ma gbe la kaka ɖe Yudea bliboa kata kple nuto
siwo ƒo xlã Yudea la me.
Luka
32
Yohanes Mawutsidetanamela dɔ eƒe nusrɔ̃lawo ɖe Yesu gbɔ
(Mateo 11:2-19)
18 Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo se nu siwo katã wɔm Yesu nɔ eye woyi ɖagblɔe na Yohanes.
19 Ale Yohanes dɔ eƒe nusrɔ̃la eve ɖo ɖe Yesu gbɔ be woabiae be, “Wòe nye Mesia la
vavã loo alo míganɔ mɔ kpɔm na ame bubua?”
20 Esi nusrɔ̃la eveawo va egbɔ la, wogblɔ nɛ be, “Yohanes, Mawutsidetanamelae
dɔ mi ɖo ɖe gbɔwò be miabia wo be, ‘Wòe nye ame si gbɔna loo, alo ɖe míakpɔ mɔ na
ame bubu aɖea?’”
21 Le gaƒoƒo ma tutu dzi la eda gbe le dɔléla geɖewo kple fukpelawo kpakple
ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la ŋu, eye wòʋu ŋku na ŋkuagbãtɔ geɖewo. 22 Eya ta eɖo
ŋu na amedɔdɔawo be, “Miheyi ɖagblɔ nu si miekpɔ kple nu si miese la fia Yohanes
bena, Ŋkuagbãtɔwo le nu kpɔm, tekunɔwo le azɔli zɔm, eye anyidzelawo ŋuti le kɔkɔm,
tokunɔwo le nu sem, ame kukuwo le tsitre tsim, eye wole nyanyui la gblɔm na ame
dahewo. 23 Migblɔ kpe ɖe eŋu nɛ be, ‘Ame siwo xɔ dzinye se la, woayra wo.’”
24 Le amedɔdɔwo ƒe dzodzo vɔ megbe la, Yesu ƒo nu na ameha la le Yohanes
ŋuti. Ebia wo be, “Ame kae nye ame si mieyi ɖakpɔ le Yuda gbegbe? ɖe miekpɔe abe
ame aɖe si yaƒoƒo vitɔ kekeake hã ʋuʋuna sesῖe. 25 Ne menye nenema o la, ekema nu
kae mieyi ɖakpɔ? Ame si do awu nyuiwoe? Ao, ame siwo doa awu xɔasiwo eye wonɔa
agbe kɔkɔ la, fiasãwo mee wokpɔ wo lena. 26 Ekema ame ka ƒomevi tutue mieyi be
yewoakpɔ? Nyagblɔɖilaa? Vavã miekpɔe! Le nyateƒe me la, ame si miekpɔ la wu
nyagblɔɖila gɔ̃ hã. 27 Eyae nye ame si ŋu woƒo nu tsoe le mawunya me be, ‘Mikpɔ ɖa!
Mele nye dɔla dɔ ge ɖa wòava do ŋgɔ na wò, ata mɔ le ŋgɔwò.’ 28 Ame aɖeke mede
Luka
33
ŋgɔ wu Yohanes le amegbetɔwo dome o, gake ame si nye sue tɔ wu le mawufiaɖuƒea
me la de ŋgɔ wui.”
29 Ame siwo katã se Yohanes ƒe mawunyagbɔgblɔ kpɔ dometɔ aɖewo siwo nye
ame baɖawo kekeake la kpɔ ŋudzedze le Mawu ƒe ɖoɖowo ŋu eye wona Yohanes de
mawutsi ta na wo. 30 Farisitɔwo kple agbalẽfialawo koe gbe be yewomaxɔ ɖoɖo si
Mawu wɔ na yewo la o. Ale wogbe be Yohanes made mawutsi ta na yewo o.
31 Azɔ Yesu bia wo be, “ale ke magblɔ tso dzidzime sia tɔgbi ŋu? Nu ka ŋu
matsɔ wo asɔ ɖo? 32 Wole abe ɖevi siwo ƒo ƒu ɖe asime nɔ fefem la ene. Ame siwo gblɔ
na wo nɔewo be, ‘Míeku dzidzɔha na mi ke mieɖu ɣe o eye míedzi konyifahawo na mi
ke miefa avi hã o.’ 33 Yohanes Mawutsidetanamela tsia nu dɔna, eye menoa wain o, ke
miegblɔ be, ‘Ame sia dze aɖaʋa.’ 34 Amegbetɔvi la va eɖua nu eye wonoa nu, ke
miegblɔ bena, ‘Ame sia la nutsuɖula kple ahatsunolae eye wonye nudzɔlawo kple nu vɔ̃
wɔlawo ƒe xɔlɔ̃. 35 Miebuna be miaƒe nuwɔnawo dze, ke Mawu ƒe nuwɔnawoe nye
nyateƒe le ame siwo xɔa edzi sena la gbɔ.”
Nyɔnu nu vɔ̃ wɔla aɖe si ami na Yesu
36 Eva me be Farisitɔ aɖe kpe Yesu be wòava ɖu nu kple ye. Esi wonɔ kplɔ̃a ŋu la 37
nyɔnu gbolowɔla aɖe si se be Yesu nɔ afi ma la yi ɖatsɔ ami ʋeʋẽ xɔasi aɖe ɖe asi. 38
Ege ɖe aƒea me eye wòyi ɖadze klo ɖe Yesu ƒe afɔ nu eye wòfa aɖatsi kɔ ɖe eƒe afɔwo
dzi va se ɖe esime afɔawo ƒo tsi nyuie. Eya megbe la, etsɔ eƒe taɖa tutu Yesu ƒe afɔwoe.
Azɔ egbugbɔ afɔawo eye wòʋu nu le ame ʋeʋẽ la nu hesi na wo.
Luka
34
39 Farisitɔ si kpe Yesu la kpɔ nu si nɔ edzi yim eye esi wòdze si ame si ƒomevi
nyɔnu sia nye ta la, egblɔ le eɖokui me be, “Esia fia be Yesu menye nyagblɔɖila aɖeke
o, elabena nenye be Mawue dɔe vavã la, anya ame si ƒomevi nyɔnu sia nye.”
40 Yesu nya nu si bum Farisitɔ la nɔ eya ta eyɔe be, “Simɔn, nya aɖe le asinye
medi be magblɔ na wò.” Simɔn gblɔ nɛ be, “Enyo, Nufiala, gblɔe mase.”
41 Yesu gblɔ ŋutinya sia nɛ be, “Ŋutsu aɖe do ga sidi akpe ewo na ame aɖe eye
wòdo sidi akpe ɖeka na ame bubu. 42 Wo dometɔ aɖeke mete ŋu xe fea o, ale wòtsɔ ga
la ke wo ame evea. Ame kae nèbu be alɔ̃ gadola sia ƒe nya gbɔ wu?”
43 Simɔn ɖo eŋu be, “Mebu be ame si wòtsɔ ga home gãtɔ kee lae alɔ̃e wu.”
Yesu gblɔ nɛ be, “Pɛ èɖo nyaa ŋu nyuie ŋutɔ.”
44 Azɔ Yesu trɔ ɖe nyɔnua ŋu eye wògblɔ na Simɔn be, “Ekpɔ nyɔnu si dze klo
ɖe afi sia? Esi meva aƒewò me la, mèna tsim be maklɔ ɖi le nye afɔwo ŋu o ke nyɔnu sia
klɔ wo kple eƒe aɖatsiwo eye wòtsɔ eƒe taɖa tutu woe. 45 Le mía de kɔnu nu la, ne
míebe míado gbe na ame aɖe la, míegbugbɔa nu nɛ. Wò la, mèwɔe nam o, gakae nyɔnu
sia gbugbɔ nye afɔwo zi geɖe tso esi meva afi sia. 46 Enye nudzeame be nàna amim
masi ɖe ta gake mènam o, ke eya tsɔ ami xɔasi sia si ɖe nye afɔwo. 47 Le esia ta la, see
be, wotsɔ eƒe nu vɔ̃ geɖe siwo wòwɔ la kee, elabena elɔ̃m ŋutɔ ke ame si wòtsɔ nu vɔ̃
ʋee aɖe ko kee la, ɖea lɔlɔ̃ ʋee aɖe ko fiana.”
48 Yesu gblɔ na nyɔnua azɔ be, “Wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò.”
49 Ame siwo nɔ klpɔ̃a ŋu kplii la gblɔ na wo nɔewo be, “Ame ka ƒomevie ame
sia buna be yenye ale be wòle yiyim le amewo ƒe nu vɔ̃wo tsɔm le wo kem?”
50 Yesu gagblɔ na nyɔnua be, “Wò xɔse ɖe wò, heyi le ŋutifafa me.”
Luka
35
Nyɔnu aɖewo dze Yesu yome le eƒe dɔwɔwɔ me
8 Le esia megbe la, Yesu kplɔ eƒe nusrɔ̃lawo ɖe asi eye wode asi tsatsa me le du
kple kɔƒe siwo le Galilea nutowo me la me nɔ gbeƒã ɖem mawufiaɖuƒe la ƒe vava. 2
Nyɔnu aɖe si me wònya gbɔgbɔ vɔ̃wo le kple esiwo ŋu wòda gbe le la kplɔ wo ɖo. Wo
dometɔ aɖewoe nye Maria Magdalatɔ ame si me wònya gbɔgbɔ vɔ̃ adre le, 3 Yohana,
Kuza srɔ̃, Kuza sia nye Fia Herodes ƒe fiasã bliboa dzikpɔla, Susana kple ame bubu geɖe
siwo tsɔ woawo ŋutɔ ƒe ga kple nuɖuɖu nɔ Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzi kpɔmii.
Lododo tso nukuwula la ŋu
(Mateo 13:1-9; Marko 4:1-9)
4 Gbe ɖeka esi ame geɖe gaƒo ƒu ɖe Yesu ŋu be yewoase eƒe nyawo, eye bubuwo hã
ganɔ mɔ dzi gbɔna tso du bubuwo me la, edo lo sia na wo be,
5 “Agbledela aɖe yi eƒe agble me be yeaƒã nuku. Esi wònɔ nukuawo wum la,
ɖewo ge ɖe mɔƒome eye amewo va zɔ wo dzi. Xeviwo hã va fɔ ɖewo mi. 6 Nuku aɖewo
hã ge ɖe kpenyigba dzi. Nuku siawo de asi miemie me gake wova yrɔ elabena woƒe
kewo mete ŋu yi tome ʋῖ afi si woakpɔ tsi le o. 7 Bubuwo ge ɖe ŋugbewo me eye
womie kple ŋuawo gake ŋuawo va vu tsyɔ wo dzi eye wotsrɔ̃. 8 Nuku bubuwo ya ge ɖe
anyigba nyui dzi, ale wotsi, tse ku alafa nanewo wu esi agbledela la wu.” Esi wògblɔ
ŋutinya sia vɔ la egblɔ be, “Ame si ƒe towo sea nu la, newɔ wo ŋutidɔ fifia.”
9 Eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ be wòaɖe lododo la gɔme na yewo.
Luka
36
10 Ke egblɔ na wo be, “Miawo la, wona nunya mi be miase mawufiaɖuƒe la ƒe
nu ɣaɣlawo gɔme, ke hena ame bubuwo la, meƒoa nu na wo le lododowo me ale be, ‘Ne
wokpɔ nu la, womadze sii o, ne wose nu hã la womase egɔme o.’”
Lododo tso nukuwula la ŋu ƒe gɔmeɖeɖe
(Mateo 13:18-23; Marko 4:13-20)
11 Yesu gblɔ na wo be, “Lododo la gɔmee nye si, nuku lae nye Mawu ƒe nya si wòtsɔ
vɛ na amegbetɔwo. 12 Mɔƒome afi si nuku aɖewo ge ɖo lae nye ame siwo ƒe dziwo ku
atri. Ame siawo ƒomevi sea Mawu ƒe nya gake abosam vana eye wòɖea nya la le woƒe
dzime ale be wometea ŋu xɔ edzi sena be woakpɔ ɖeɖe o.13 Esiwo ge ɖe kpenyigba dzi
lae nye ame siwo nu mawunya sese vivina gake womexɔnɛ ɖe woƒe dziwo me be wòatsi
o. Wonya be nya la nye nyateƒe eye woxɔa edzi se hã ɖe kple ɖee hena ɣeyiɣi aɖe. Ke
ne yometiti ƒe ya xɔdzo la ƒo ɖe wo ko la, woɖenɛ le dzime. 14 Nuku si ge ɖe ŋu me lae
nye ame siwo sea mawunya eye woxɔnɛ sena, gake agbe sia me ƒe fuɖenamewo,
kesinɔnuwo, aglotutu, dzidzɔkpɔkpɔwo kple ŋutilã ƒe dzidzɔdonamenuwo vuna tsyɔa nya
la dzi le woƒe dziwo me ale be wometea ŋu kpena ɖe ame ɖeka pɛ teti hã ŋu be wòaxɔ
nyanyui la dzi se o.”
15 “Ke anyigba nyuie lae nye ame siwo ƒe dziwo me kɔ. Ame siawo sea Mawu
ƒe nya la hewɔa edzi hã pɛpɛpɛ. Wokakana nya la na ame bubuwo hã eye woawo hã
xɔnɛ sena.”
Luka
37
Lododo tso akaɖi si le afianu te la ŋu
(Marko 4:21-25)
16 ɣebubuɣi la Yesu bia ameawo be, “Ame kae se kpɔ be ame aɖe si akaɖi eye wòtsɔ
nu tsyɔ edzi be megaklẽ o. Gbeɖe, akaɖi la, akaɖiti dzie wodanɛ ɖo be wòaklẽ be
amewo nakpɔ nu. 17 Esia fia be gbe ɖeka la, woahe nu sia nu si le amewo ƒe dzi me la
ɖe gaglãgbe be ame sia ame nakpɔ . 18 Le esia ta mikpɔ nyuie le nu siwo miesena la ŋu,
elabena ame si si nu le la, eyae woagana nui, eye ame si si nu mele o la, woaxɔ esi
wòbu be ele ye si la hã le esi.”
Yesu dada kple nɔviaŋutsuwo
(Mateo 12:46-50; Marko 3:31-35)
19 Gbe ɖeka Yesu nɔviawo kple dadaa wova be yewoakpɔe ɖa. Le ɣemaɣi me la enɔ nu
fiam amewo le aƒe aɖe me. Ameawo sɔ gbɔ ale gbegbe be dadaa kple nɔviawo mete ŋu
ge ɖe aƒea me le egbɔ o. Ame aɖe va gblɔe na Yesu be dadaa kple nɔviawo le edim be
yewoakpɔ. 20 Esi Yesu se be ye dada kple ye nɔviwo le xexe le ye dim la, 21 egblɔ
bena, “Danye kple nɔvinyewoe nye ame siwo katã sea mawunya la eye wowɔna ɖe edzi
hã.”
Yesu tsi ahom nu le ƒu dzi
(Mateo 8:23-27; Marko 4:35-41)
22 Gbe bubu gbe esi eya kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ ʋu aɖe me le ƒua dzi la, Yesu bia tso
nusrɔ̃lawo si be woaku ʋua yi ƒua ƒe go evelia dzi. 23 Esi wonɔ ƒua dzi yina la Yesu mlɔ
Luka
38
anyi be yeadɔ alɔ̃ vie. Le ɣeyiɣi sia me la, ya sesẽ aɖe de asi ƒoƒo me eye wova zu ahom
dziŋɔ aɖe, eye woƒe agbe ɖo xaxa gã aɖe me.
24 Nusrɔ̃lawo ɖe abla va Yesu gbɔ heʋuʋui eye wònyɔ. Wogblɔ nɛ be, “Aƒetɔ,
Aƒetɔ, míele nyɔnyrɔ̃m!” Ale Yesu fɔ eye woblu ɖe ahom la ta. Enumake ɖoɖoe gã aɖe
zi eye ahom la dzudzɔ. Ya la kple ƒutsotsoeawo dze kɔ anyi kpoo.
25 Azɔ ebia eƒe nusrɔ̃lawo be, “Afi ka míaƒe xɔse le?” Wo katã ƒe mo wɔ yaa
eye vɔvɔ̃ lé wo. ɖeko wobia wo nɔewo be, “Ame kae nye ame sia, bena ya kple
ƒutsotsoewo gɔ̃ hã ɖoa toe?”
Yesu da gbe le Gadaratɔ, gbɔgbɔ vɔ̃ tɔ aɖe, ŋu
(Mateo 8:28-34; Marko 5:1-20)
26 Wova ɖi go ɖe Garasene nyigba si le Galilea ƒua godo la dzi. 27 Esi wonɔ go dom
tso ʋua me ko la, ŋutsu aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃wo le ƒe geɖe la si du tso Gadara dua me va
kpe Yesu. Nɔƒe aɖeke mele ame sia si abe aƒeme ene o. Agado siwo me woɖi ame
kukuwo ɖo la me wòmlɔ na henɔa amama. 28 Esi wòkpɔ Yesu teti ko etsɔ eɖokui xlã ɖe
anyigba le eŋgɔ henɔ ɣli dom be, “Nu ka dim nèle le gbɔnye wò Yesu, Mawu Dziƒoʋῖtɔ
la ƒe Vi. Meɖe kuku na wò, mègawɔ funyafunyam o!”
29 Egblɔ nya sia elabena Yesu de asi gbɔgbɔ vɔ̃ la nyanya me le eme xoxo.
Gbɔgbɔ vɔ̃ sia xɔ amea me ale gbegbe be ne woblae kple gakɔsɔkɔsɔ hã la, etsoa
kɔsɔkɔsɔa bɔbɔe hesina ɖoa gbe. 30 Yesu bia gbɔgbɔ vɔ̃a be, “Ŋkɔwò ɖe?” Eɖo eŋu nɛ
be; “Nkɔnye nye Akpeakpewo elabena miesɔ gbɔ.” 31 Gbɔgbɔ vɔ̃awo ɖe kuku na Yesu
vevie be meganya yewo de Do Globo si seɖeƒe meli na o la me o.
Luka
39
32 Aƒehawo ƒe ha gã aɖe nɔ nu ɖum le to si te ɖe wo ŋu la kɔgo le ɣeyiɣi sia me
eye gbɔgbɔ vɔ̃awo ɖe kuku na Yesu be nena yewoayi aɖage ɖe wo me. Ale Yesu na mɔ
wo. 33 Gbɔgbɔ vɔ̃awo do go le amea me yi ɖage ɖe haawo me. Enumake haawo katã ƒu
du sesῖe tso toa kɔgo yi ɖadze ƒu me doo heno tsi ku. 34 Hakplɔlawo lé du tsɔ sesῖe tu ta
du siwo te ɖe afi ma la me eye esi wonɔ yiyim la, wonɔ nu si dzɔ la gblɔm na amewo.
35 Eteƒe medidi o, ameha gã aɖe va do be yewoakpɔ nu kple yewo ŋutɔ ƒe
ŋkuwo. Wokpɔ ame si me gbɔgbɔ vɔ̃awo nɔ kpɔ la, eƒe mo kɔ eye wòdo awu hebɔbɔ nɔ
Yesu ƒe afɔnu kpoo, esia wɔe be vɔvɔ̃ gã aɖe ɖo ameawo katã. 36 Ame siwo kpɔ ale si
Yesu da gbe le gbɔgbɔ vɔ̃tɔ la ŋui la gblɔ na wo tɔ bubuawo. 37 Ameawo vɔ̃ ale gbegbe
be woɖe kuku na Yesu be wòadzo le yewo gbɔ kpoo; ale Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ge ɖe
ʋua me eye wotso ƒu la heyi go evelia dzi.
38 Hafi wòadzo la ame si me wònya gbɔgbɔ vɔ̃awo le le ɖe kuku nɛ vevie be
yeayi kplii. Ke Yesu gbe gblɔ nɛ be,
39 “Trɔ nàyi wò ƒometɔwo gbɔ eye nàgblɔ nu gã si Mawu wɔ na wò la na wo.”
Ale ŋutsu sia dze mɔ nɔ tsatsam le dua me henɔ nukunu gã si Yesu wɔ la gblɔm na
ameawo.
Yairo vinyɔnuvi la kple nyɔnu ʋusisidɔléla la
(Mateo 9:18-26; Marko 5:21-43)
40 Ame siwo nɔ ƒu la ƒe akpa si wova ɖi go ɖo la xɔe atuu elabena wonɔ mɔ kpɔm na
eƒe vava xoxoxo.
41 Azɔ ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Yairo si nye Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe dzikpɔlawo
dometɔ ɖeka la va Yesu gbɔ dze klo ɖe eƒe afɔnu heɖe kuku nɛ vevie be nekplɔ ye ɖo yi
Luka
40
aƒeme 42 elabena vinyɔnuvi ɖeka hɔ̃ si le ye si si xɔ ƒe wuieve la le kudɔ ƒom. Yesu dze
eyome enumake gake ameha la mimii ɖo. 43 Nyɔnu aɖe nɔ afi ma ame si le ʋusisidɔ
lém ƒe wuieve sɔŋ, gake ame aɖeke mete ŋu yɔ dɔe o. 44 Nyɔnu sia va te ɖe eŋu le
emegbe eye wòka asi eƒe awuʋlaya to, enumake eƒe ʋusisidɔ la tɔ.
45 Ke Yesu trɔ bia be, “Ame kae ka asi ŋunye” Ame aɖeke melɔ̃ be yee o. Ke
Petro gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ ameha la mimi wò ɖo, eye wote ɖe ŋuwò kpokploe, ale ke wɔ
nàbia be ame kae ka asi ŋunye hã ?”
46 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Gbeɖe, ame aɖe ɖoe koŋ ka asi ŋunye, elabena ŋusẽ si le
menye la ƒe ɖe do le menye.” 47 Nyɔnu si wɔ nenem nu sia la kpɔe be nu si yewɔ la le
nyanya na Yesu eya ta etsɔ vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya va dze klo ɖe eŋkume hegblɔ
nu si ta wòka asi eŋu kple ale si wòkpɔ dɔyɔyɔ enumake la nɛ.
48 Yesu gblɔ nɛ be, “Vinyɔnu, wò xɔse da gbe le ŋuwò. Heyi le ŋutifafa me.”
49 Le esime Yesu nɔ nu ƒom na nyɔnua la, ame aɖe tso Yairo ƒeme va do kple
nya sia bena via nyɔnuvi sue la ku. Amedɔdɔa gblɔ na Yairo bena, “Viwo la ku xoxo
eya ta viɖe aɖeke mele eme be nàga ɖe fu na Nufiala la o.”
50 Esi Yesu se nya si amea tsɔ vɛ la, egblɔ na ɖevia fofo be, “Mègavɔ̃ o! Wò ya
xɔ dzinye se ko, ekema viwòa agagbɔ agbe.” 51 Esi woɖo aƒea me la, Yesu de se be
ame aɖeke nagage ɖe xɔ si me ɖevia le kple ye o ne gbe Petro, Yohanes, Yakobo,
kple ɖevia fofo kple dadaa ko. 52 Aƒea me ŋutɔ yɔ fũ kple konyifala siwo nɔ avi fam.
Yesu gblɔ na wo be, “Midzudzɔ avia. ɖevia meku o, alɔ̃ ko dɔm wòle!” 53 Nya sia ɖi
nukokoe na ameawo, elabena wonya nyuie be ɖevia ku.
Luka
41
54 Azɔ Yesu zɔ ɖe ɖevia dzi le xɔa me eye wòle eƒe alɔnu heyɔe gblɔ be, “Vinye
tsi tre” 55 Agbe gaɖo ɖevia me enumake eye wòtsi tre kpla. Yesu gblɔ na ameawo be,
“Mina nanee wòaɖu!” 56 Dzi dzɔ ɖevia dzilawo ŋutɔ. Ke Yesu de se na wo vevie be
womegagblɔ nu si dzɔ la na ame aɖeke o.
Yesu dɔ nusrɔ̃la wuieveawo
(Mateo 10:5-15; Marko 6:7-13)
9 Gbe ɖeka Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo ƒo ƒui eye wòna ŋusẽ wo be woanya
gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le ameawo me eye woada gbe le dɔ ƒomevi vovovowo lélawo ŋu. 2
Le esia megbe la edɔ wo ɖa be woagblɔ mawufiaɖuƒe la ƒe vavanya na ame sia ame eye
woayɔ dɔ dɔléle ɖe sia ɖe ƒomevi.
3 Ede se na wo be, “Migatsɔ atizɔti teti hã ɖe asi o. 4 Ne mieɖo du aɖe me la
midze aƒe ɖeka ko me.” 5 Nenye be amewo mexɔ mi le du aɖe me o la ekema mi ʋuʋu
ke si le miaƒe afɔwo ŋuti la ɖi hena ɖaseɖiɖi le dua ŋuti.”
6 Ale nusrɔ̃lawo dze mɔ nɔ tsatsam le du kple kɔƒewo me, henɔ nyuanyui la
kakam eye wonɔ gbe dam le dɔnɔwo hã ŋu.
Herodes kple eƒe dumegãwo dzimaɖeɖitsitsi
(Mateo 14:1-12; Marko 6:14-29)
7 Esi Herodes, si nye gɔvina la se nukunu siwo wɔm Yesu nɔ la, etsi dzimaɖeɖi eye eƒe
susu hã ɖe fu nɛ ŋutɔ elabena ese ame aɖewo nɔ gbɔgblɔm be, “Yohanes
Mawutsidetanamelae gagbɔ agbe.” 8 Ame bubuwo hã nɔ gbɔgblɔm be, “Eliya alo
Luka
42
nyagblɔɖila xoxoawo dometɔ ɖekae fɔ tso ame kukuwo dome.” Nya siawo ƒomevi nɔ
ɖiɖim le anyigba blibo la me.
9 Le esia ta Herodes gblɔ na eɖokui be; “Nye ŋutɔe tso ta le Yohanes nu, ke ame
kae nye sia esi ŋu mele nya wɔ nuku siawo sem tsoe?” Ale wòdi vevie be yeakpɔ Yesu.
Yesu nyi ame akpe atɔ̃
(Mateo 14:13-21; Marko 6:30-44; Yohanes 6:1-14)
10 Apostoloawo trɔ gbɔ va gblɔ ale si wode dɔ si gbe wòɖo wo ɖa la na Yesu. Emegbe
la Yesu kplɔ wo dzoe dzaa yi Betsaida dua me. 11 Gake ame geɖewo nya afi si yim
wonɔ xoxoxo eya ta wokplɔ wo ɖo. Exɔ wo alɔ eve eye wògade asi nufiafia wo me tso
mawufiaɖuƒe la ŋu eye wòyɔ dɔ dɔnɔwo hã le wo dome.
12 Le ɣetrɔ miaa la, eƒe nusrɔ̃la wuieveawo va ƒoe ɖe enu be, “Na mɔ ameawo
be woayi kɔƒewo kple agble siwo te ɖe afi sia la me aɖadi nuɖuɖu kple dɔƒe na wo
ɖokuiwo, elabena naneke mele teƒe tsoabo sia woaƒle aɖu o.”
13 Yesu ɖo eŋu na wò be, “Miawoe wòle be miadi nuɖuɖu na wo woaɖu.”
Woawo hã gagblɔ nɛ be, “Ale ke míawɔ ana nu wo woaɖu esi wònye be abolo atɔ̃ kple
tɔmelã eve koe le miawo ŋutɔ si, alo ɖe nèdi be miayi aɖaƒle nuɖuɖu na ame gbogbo
siawoa?” 14 Wogblɔ esia elabena ameha la ƒe xexlẽme ade akpe atɔ̃. Yesu gblɔ na
nusrɔ̃lawo be, “Migblɔ na ameawo be woanɔ anyi ɖe hatsotsowo me; ame abe blaatɔ̃
lɔƒo ene nenɔ hatsotso ɖeka me” 15 ale ameha la nɔ anyi nenema.
16 Azɔ Yesu tsɔ abolo atɔ̃ kple tɔmelã evea eye wòwu mo dzi ɖe dziƒo heda akpe
ɖe wo ta. Eŋe wo me kakɛkakɛ eye wòtsɔ wo na nusrɔ̃lawo be woatsɔ wo aɖo ameawo
Luka
43
ƒe akɔme. 17 Ame sia ame ɖu nu ɖi ƒo eye le nua ɖuɖu vɔ megbe la, wofɔ kakɛ siwo
susɔ la de kusi wuieve sɔŋ me.
Petro ƒe Yesu me ʋuʋu
(Mateo 16:13-19; Marko 8:27-29)
18 Gbe ɖeka la, esi Yesu nɔ gbe dom ɖa la, eƒe nusrɔ̃lawo nɔ egbɔ eye wòbia wo be,
“Ame kae amehawo gblɔna be menye?”
19 Nusrɔ̃lawo ɖo eŋu nɛ be, “Ame aɖewo be wòe nye Yohanes
Mawutsidenatamela la, bubuwo be Eliya, eye ɖewo hã gblɔ be blemanyagblɔɖilawo
dometɔ ɖeka si gbɔ agbe lae nènye.”
20 Yesu bia wo be “Miawo ya ɖe ame kae miebu be menye?” Petro ɖo eŋu nɛ
be, “Wòe nye Mawu ƒe Kristo la!”
21 Ke ede se na wo vevie bena womegagblɔ nya sia na ame aɖeke o.
Yesu gblɔ nya tso eƒe ku kple tsitretsitsi ŋu zi gbãtɔ
(Mateo 16:20-28; Marko 8:30-9:1)
22 Eyi dzi gblɔ na wo be, “Ele be nye Mesia la makpe fu geɖe. Yudatɔwo ƒe
dumegãwo, osɔfogãwo kple agbalẽfialawo agbe nu le gbɔnye. Woawum, ke magagbɔ
agbe le ŋkeke etɔ̃a gbe.”
23 Egblɔ na wo be, “Ame si di bena yeanɔ yonyeme la, ele nɛ be wòaɖe asi le
xexe sia me nyawo ŋu atsɔ eƒe atsitsoga gbe sia gbe eye wòanɔ ŋunye ɖaa. 24 Ame si
tsɔ eƒe agbe ɖo anyi ɖe tanye la; aɖee boŋ, ke ame si adi vevie be yeaɖe yeƒe agbe la
Luka
44
abui.” 25 Viɖe ka ame akpɔ ne nu siwo katã le xexe sia me la zu etɔ ke to esia me la,
wòabu eya ŋutɔ ƒe agbe?
26 “Ame siwo katã nye ŋutɔ kple nye nyawo le ŋu kpem na fifia la, woaɖo ŋku
edzi be, ne nye amegbetɔvi la, metrɔ va le bubu gã si Fofonye anam la me, eye
mawudɔla kɔkɔewo ƒo xlam la, ekema nye hã makpe ŋu le nenema me siawo ŋu.
27 Enye nyateƒe matrɔmatrɔ be mia dometɔ aɖewo siwo le tsi tre ɖe afi sia la
maku akpɔ o, va se ɖe esime miaƒe ŋkuwo akpɔ mawufiaɖuƒe la!”
Yesu ƒe nɔnɔmetɔtrɔ le to dzi
(Mateo 17:1-8; Marko 9:2-8)
28 Le ŋkeke enyi megbe la, Yesu kplɔ Petro, Yakobo kple Yohanes ɖe asi woyi togbɛ
aɖe dzi afi si wòɖo be yeado gbeɖa le. 29 Esi wònɔ gbe dom ɖa la, eƒe mo de asi keklẽ
me. Eƒe awuwo fu tititi henɔ dzo dam miamiamia. 30 Ŋutsu eve, Mose kple Eliya, 31 do
kple ŋutikɔkɔe gã aɖe henɔ nu ƒom kple Yesu. Woƒo nu tso eƒe dzodzo si ava va eme
kpuie le Yerusalem la ŋu.
32 Le ɣeyiɣi sia me la, Petro kple nɔviawo nɔ alɔ̃ dɔm bɔkɔɔ. Esi wonyɔ la
wokpɔ be keklẽ kple ŋutikɔkɔe gã aɖe ƒo xlã Yesu eye ŋutsu eve le tsitre ɖe egbɔ. 33 Esi
ŋutsu eveawo nɔ dzodzom le Yesu gbɔ la, Petro gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, enyo be míeva afi
sia. Na míatu agbadɔ etɔ̃, ɖeka na wò, ɖeka na Mose eye ɖeka na Eliya.” Evɔ Petro
menya nya si gblɔm wònɔ o.
34 Esi wònɔ nya siawo gblɔm la, alilῖkpo keklẽ aɖe va tsyɔ wo dzi, eye vɔvɔ̃ gã
aɖe lé wo. 35 Gbe aɖe ɖi tso alilikpo la me be, “Ame sia nye Vinye, si metia la, míɖo
Luka
45
toe!” 36 Esi gbea ɖi vɔ ko la, Yesu ɖeɖe koe susɔ ɖe teƒea kple eƒe nusrɔ̃lawo. Nusrɔ̃la
siawo mekɔ nu le nu si teƒe wokpɔ la dzi na ame aɖeke o, hena ɣeyiɣi didi aɖe.
Yesu da gbe le ŋutsuvi aɖe si me gbɔgbɔ makɔmakɔ nɔ la ŋu
(Mateo 17:14-18; Marko 9:14-27)
37 Le ŋufɔke esi woɖi tso togbɛa dzi gbɔna la, ameha gã aɖe va kpe Yesu. 38 Ŋutsu aɖe
si nɔ wo dome la, kɔ gbe dzi gblɔ nɛ be, “Nufiala, ŋutsuvi si le afi sia la koe nye vi le
asinye. 39 Ke gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe dzea edzi enuenu esi wɔnɛ be wòdoa ɣli sesῖe. Etsɔnɛ
xlãna ɖe anyi sesῖe ale be futukpɔ dona le enu bɔbɔbɔ. Gbɔgbɔ vɔ̃ sia ɖea fu nɛ ɣesiaɣi
kloe eye menana wòkpɔ vovo kura o. 40 Meɖe kuku na wò nusrɔ̃lawo be woanyae le
eme gake womete ŋui o.” 41 Yesu xɔ edzi gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “O mi dzidzime
maxɔse kple dzidzime totro kpaɖikpaɖi. ɣekaɣi manɔ mia gbɔ eye mado dzi ahe mi
ase ɖo? Kplɔ viwòŋutsuvi la va afi.”
42 Esi ŋutsuvi gbɔna ɖe Yesu gbɔ la, gbɔgbɔ vɔ̃ la gaxlãe ɖe anyigba sesῖe eye
wònyamae ŋutɔ. Ke Yesu ɖe gbe na gbɔgbɔ vɔ̃a be wòado go le ɖevia me eye wòdo le
eme enumake; ale Yesu da gbe le ɖevia ŋu hetsɔe na fofoa.
43 Ame sia ame ƒe mo wɔ yaa le ale si Yesu ɖe Mawu ƒe ŋusẽ fiae la ta.
Yesu gblɔ nya tso eƒe ku ŋu zi evelia
(Mateo 17:22-23; Marko 9:30-32)
Esi ameha la nɔ nu ƒom le nu wɔnuku siwo katã wɔm wònɔ ŋu la, Yesu trɔ ɖe nusrɔ̃lawo
gbɔ, gblɔ na wo be,
Luka
46
44 “Miɖo to afii eye mialé nya si gblɔ ge mele na mi la ɖe tame. Wole nye
Mesia la de ge asi.” 45 Gake nusrɔ̃lawo mese nya si wògblɔ la gɔme o, elabena wotsyɔ
nu woƒe susuwo dzi, gawu la wovɔ̃ be yewoabia egɔme ase.
Ame kae nye gãtɔ wu
(Mateo 18:1-5; Marko 9:33-37)
46 Azɔ ʋiʋli aɖe va ɖo nusrɔ̃lawo dome le ame si anye gã wu. 47 Ke Yesu nya nya si
ʋlim nusrɔ̃lawo nɔ eya ta ekɔ ɖevi sue aɖe da ɖe eƒe axadzi. 48 Eye wògblɔ na wo be,
“Ame si akpɔ ɖevi sue abe esia ƒomevi ene dzi la, ekema nye dzie ma wòkpɔ. Ke ame si
le dzinye kpɔm la, Mawu si dɔm ɖa lae ma dzi kpɔm wòle. Ale si miekpɔa ame bubuwo
dzii lae woakpɔ hafi anya miaƒe gãnyenye.”
Ame si ke metsi tre ɖe ŋuwò o la, le dziwò
(Marko 9:38-40)
49 Yesu ƒe nusrɔ̃la Yohanes va egbɔ va gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, míekpɔ ame aɖe wònɔ
gbɔgbɔ vɔ̃wo nyãm le wò ŋkɔ me ale míegbe nɛ be megawɔe o elabena menye mía
dometɔ ɖekae wònye o.”
50 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Mele be miawɔ nenema o, elabena ame si metsi tre ɖe
mia ŋu o la le mia dzi.”
Samariatɔwo gbe Yesu xɔxɔ
51 Esi Yesu ƒe ɣeyiɣi si wòle be wòatrɔ ayi dziƒo nɔ aƒe tum la, eɖo tame kplikpaa ɖo ta
Yerusalem, 52 eye le mɔa dzi la, edɔ amewo ɖo ɖe Samaria kɔƒe aɖe me be woaɖadi xɔ
Luka
47
da ɖi na yeƒe vava. 53 Gake kɔƒea me tɔwo gbe be yewomana xɔ amedɔdɔawo o, esi
wònye Yerusalem woɖo yina ta.
54 Esi wova gblɔ nyaa na Yesu la, Yakobo kple Yohanes gblɔ na Yesu be,
“Aƒetɔ, míaɖe gbe na dzo be wòatso dziƒo ava fῖa wo oa?” 55 Gake Yesu trɔ ɖe wo gbɔ
eye wògbe nya na wo gblɔ be, “Alo ɖe mienya gbɔgbɔ si tɔgbi tɔ mienye oa maha?
Elabena Amegbetɔvi la meva be yeatsrɔ̃ amewo o, ke boŋ bena yeaɖe wo.” 56 Ale
wodzo yi kɔƒe bubu me.
Yesu yomedzedze ƒe xaxawo
(Mateo 8:19-22)
57 Esi wonɔ mɔa dzi nɔ yiyim la, ame aɖe va tu Yesu gblɔ nɛ bena, “Medi be makplɔ
wò ɖo ayi afi sia afi si nayi.”
58 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nyae be, afi si maziɔ nye ta ɖo teti hã mele asinye o.
Abeiwo la do le wo si wodɔa eme, xeviwo hã atɔ le wo si wodɔa eme, gake nye ame si
nye Mesia la, dɔƒe aɖeke kura mele asinye le xexeame o.” 59 Egblɔ na ame bubu be,
“Dze yonyeme!” Ke ŋutsu la ɖo eŋu be, “Aƒetɔ, na mayi aɖeɖi Fofonye gbã hafi.” 60
Yesu ɖo eŋu gblɔ nɛ bena, “Na ame siwo nye ame kukuwo la naɖi woƒe ame kukuwo,
ke wò ya yi naɖe gbeƒã mawufiaɖuƒe la na amewo.”
61 Ame bubu aɖe si hã wòyɔ la gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, madze yowòme gake na mayi
aɖakla nye ƒometɔwo gbã hafi mava.” 62 Yesu gblɔ nɛ be, “Ame si ɖea eƒe susu ɖa le
dɔ si meɖo nɛ ŋu la, medze na mawufiaɖuƒe la me yiyi o.”
Luka
48
Yesu dɔ nusrɔ̃la blaadre-vɔ-eveawo
10 Azɔ Aƒetɔ Yesu tia nusrɔ̃la bubu blaadre-vɔ-eve eye wòdɔ wo eve, eve ɖo ɖe du
kple kɔƒe siwo me eya ŋutɔ ɖo be yeava yi emegbe la me. 2 Egblɔ na wo be, “Nuŋeŋe la
sɔ gbɔ, gake dɔwɔlawo mede ha o, eya ta miɖe kuku na nuŋeŋe la ƒe Aƒetɔ bena, woadɔ
dɔwɔlawo aɖo ɖe eƒe nuŋeŋe la me. 3 Azɔ miheyi eye miɖo ŋku edzi be miele abe alẽ
siwo wodɔ ɖo ɖe amegãxiwo dome ene. 4 Migatsɔ ga aɖeke ɖe asi o, migatsɔ kotoku loo
alo afɔkpa dodo bubu o. Migagblẽ ɣeyiɣi le mɔ dzi anɔ gbe dom na amewo o!
5 “Ne miege ɖe aƒe aɖe me la, miyra emetɔwo 6 nenye be wodze na yayra sia
xɔxɔ la ekema anɔ wo dzi ɖaa, ke ne womedze na yayra la o la, agatrɔ va mia gbɔ.”
7 “Nenye be mieɖo kɔƒe aɖe me la miganɔ tsatsam tso aƒe me yi aƒe me o, midze
aƒe ɖeka ko me, eye miaɖu nu alo ano nu sia nu si wotsɔ ɖo mia kɔme la numaƒomaƒoe.
Nenye be wona nane mi la, migagbe exɔxɔ o elabena dɔwɔla ɖe sia ɖe dze na eƒe fetu.”
8 “Nenye be miege ɖe du aɖe me eye dua metɔwo xɔ mi nyuie la, ekema miɖu
nu sia nu si wotsɔ ɖo miaƒe akɔme. 9 Mida gbe le dɔnɔ siwo le afi ma la ŋu eye miɖe
gbeƒã na wo bena, ‘Mawufiaɖuƒe la va ɖo mia dome vɔ azɔ.’”
10 “Ne womexɔ mi le du aɖe me o la, mige ɖe dua ƒe ablɔwo dzi ne miagblɔ be,
11 ‘Míeʋuʋu miaƒe du ƒe ke si lé ɖe afɔwo ŋuti na mí ɖi abe ɖaseɖiɖi ene. Ke
minya nyuie be: Mawufiaɖuƒe la gogo. 12 Mele gbe tem ɖe edzi na mi be nuwo anɔ
bɔbɔe na Sodom wu du sia le ʋɔnudrɔ̃gbe la.
Babadodo na du siwo metrɔ dzime o
(Mateo 11:20-24)
Luka
49
13 Baa na wò Korazin! Baba na wò Betsaida! Elabena ne Tiro kple Sidɔn duwo mee
mewɔ nukunu siwo mewɔ le mia dome le la, anye ne ameawo trɔ dzime xoxoxo, ata
akpanyakotoku abɔbɔ nɔ afi me. 14 Le nyateƒe me, tohehe si woana Tiro kple Sidɔn la
anɔ wodzoe wu esi woana mi le ʋɔnudrɔ̃gbea. 15 Mi Kapernaumtɔwo ya ɖe, ɖe wole
mia kɔ ge ɖe dzi ayi dziƒoea? Gbeɖe, woaɖiɖi mi ɖe dzomavɔ la me.”
16 Egblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Ame siwo xɔ mi la nyee woxɔ. Ame siwo gbe mi la
nyee wogbe eye ame siwo gbem la gbe Mawu ame si dɔm ɖa la.”
Nusrɔ̃la blaadre-vɔ-eveawo ƒe tɔtrɔgbɔ
17 Esi nusrɔ̃la blaadre-vɔ-eveawo trɔ gbɔ la, wogblɔ nɛ dzidzɔtɔe be, “Ne míeyɔ wò ŋkɔ
ko la gbɔgbɔ vɔ̃wo gɔ̃ hã ɖoa to mí.”
18 Yesu ɖo eŋu be, “Nyateƒee, nye ŋutɔ mekpɔ Abosam wòge tso dziƒo abe
dzikedzo ene! 19 Mena ŋusẽ mi be miaɖu Futɔ la ƒe ŋusẽwo katã dzi, eye be miazɔ le
dawo kple ahɔ̃wo me anya avuzi le wo dzi. Ke nuvevi aɖeke mawɔ mi o. 20 Gake
migakpɔ dzidzɔ bena gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖo to mi o. Ke boŋ midzɔ dzi be woŋlɔ miaƒe
ŋkɔwo ɖe dziƒonɔlawo dome.”
Yesu ƒe dzidzɔkpɔkpɔ
(Mateo 11:25-27, 13:16-17)
21 Gbɔgbɔ Kɔkɔe yɔ eƒe dzime fũ kple dzidzɔ blibo eye wògblɔ be, “Mekafu wò, O
Fofo, Dzi kple anyigba ƒe Aƒetɔ, be nèɣla nu siawo ɖa tso xexe sia me nunyalagãwo gbɔ
eye neɖee fia ame siwo xɔ dziwò se abe ɖeviwo ene. Nyateƒe, Fofo akpe na wò elabena
aleae nèdi be wòanɔ. 22 Nyee nye fofonye ƒe Amedɔdɔ le nu sia nu me. Ame aɖeke
Luka
50
menya Vi la o, negbe Fofo la ko, eye ame aɖeke hã menya Fofo la o, negbe Vi la kple
ame siwo wòlɔ̃ ɖe eɖokui fia la ko.”
23 Azɔ etrɔ ɖe nusrɔ̃lawo wuieveawo ŋu eye wògblɔ na wo dzaa be, “Wona
mɔnukpɔkpɔ gã aɖe mi be miekpɔ nu siwo miekpɔ la. 24 Nyagblɔɖilawo kple fia siwo
nɔ anyi tsã la di vevie be yewoanɔ anyi le ŋkeke siawo me eye yewoakpɔ eye yewoase
nu siwo miekpɔ kple nu siwo miese la hafi!”
Lododo le Samariatɔ dɔmenyotɔ la ŋu
25 Gbe ɖeka agbalẽfiala aɖe si nya Mose ƒe seawo nyuie ŋutɔ la va be yeado Yesu ƒe
nyateƒetɔnyenye kpɔ. Ebiae be, “Nu kae wòle be ame nawɔ be agbe mavɔ nasu esi?”
26 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ale kee Mose ƒe sea gblɔ tso nu sia ŋuti?”
27 Agbalẽfiala la ɖo eŋu be, “Mose ƒe se la gblɔ be, ‘Lɔ̃ Aƒetɔ wò Mawu la kple
wò dzi kple luʋɔ blibo la, kpakple wò susu kple wò ŋusẽ katã hã, eye nàlɔ̃ hawòvi abe
wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.’”
28 Yesu gblɔ nɛ be, “Èɖo eŋu nyuie ŋutɔ, heyi eye nàwɔ esiawo katã, ekema
agbe mavɔ la asu asiwò!”
29 Ŋutsu sia di be yeatso afia na ye ɖokui elabena eya ŋutɔ melɔ̃a ame sia ame o,
eya ta wòbia Yesu be, “Ame kae nye hanyevi?”
30 Yesu ɖo biabia sia ŋu nɛ kple lododo sia be, “Ŋutsu aɖe si nɔ mɔ zɔm tso
Yerusalem yina ɖe Yeriko la va ge ɖe adzodalawo sime. Adzodala siawo ƒoe nyuie eye
woɖe ga kple eƒe awuwo le eŋu hegblẽe ɖe mɔa to wònɔ kudɔ ƒom.”
Luka
51
31 “Dzɔgbe nyuietɔe la, Yudatɔwo ƒe osɔfo aɖe va to afi ma yina. Esi wòkpɔ
amea le mɔa to la, edze to eŋu yi ɖato mɔa ƒe akpa evelia eye wòdzo le egbɔ. 32 Levitɔ
aɖe si nye ame siwo naa kpekpeɖenu le gbedoxɔ me la dometɔ aɖe hã va kpɔ amea
wòmlɔ mɔa to gake eya hã tso eme dzo.”
33 “Gake Samariatɔ, ame siwo womebuna ɖe naneke me o hã va yina eye esi
wòkpɔ amea la, eƒe nu wɔ nublanui nɛ ŋutɔ. 34 Etɔ, dze klo ɖe egbɔ eye wòklɔ eƒe
abiawo hetsɔ atike ɖo wo me. Emegbe ekɔe da ɖe eƒe tedzi dzi eye wòkplɔe ɖɔɖɔɖɔ va
ɖo amedzrodzeƒe aɖe eye wònɔ egbɔ zã bliboa. 35 Esi ŋu ke la, Samariatɔ la tsɔ sidi
akpe blaeve na amedzrodzeƒe dzikpɔla be wòatsɔ akpɔ amea dzii. Egblɔ kpe ɖe eŋu be,
‘Nenye be nu si miegblẽ ɖe eta sɔ gbɔ wu ga home si metsɔ na mi la, mava xe fea
mamlea nenye be megatrɔ va afii’” Yesu bia agbalẽfiala la azɔ be,
36 “Le ame etɔ̃ siawo dome ɖe, kae nèbu be enye havi na ame si dze adzodalawo
sime?”
37 Ŋutsu la ɖo eŋu nɛ be, “Ame si kpɔ nublanui nɛ lae nye ehavi.” Yesu gblɔ nɛ
be, “Eɖo eŋu nyuie, heyi eye wò hã nawɔ nenema.”
Yesu le Marta kple Maria ƒe aƒeme
38 Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ woƒe mɔzɔzɔa dzi ɖo ta Yerusalem eye wova ɖo kɔƒe aɖe
me. Nyɔnu aɖe si woyɔna be Marta la xɔ woɖe eƒeme. 39 Marta nɔvi Maria va nɔ
Yesu ƒe afɔnu le anyigba nɔ eƒe nyawo sem.
Luka
52
40 Ke Marta ya tsi dzodzodzoe nɔ nu ɖam na Yesu. Sẽ la, Marta te ɖe Yesu ŋu
eye wògblɔ nɛ be, “Aƒetɔ mèkpɔe be medze be nɔvinye nanɔ anyi ɖe afi sia eye
nye ɖeka manɔ dɔawo katã wɔm oa? Gblɔ nɛ be neva kpe ɖe ŋunye.”
41 Gake Yesu ɖo eŋu nɛ be, “O, Marta, Marta, èle agbagba dzem le fu ɖem na
ɖokuiwò le nu geɖewo ŋuti. 42 Ke nu ɖeka koe le vevie eyae nye nu si Maria tia, eya
womele exɔ ge le esi o.”
Yesu fia nu le gbedodoɖa nu
(Mateo 6:9-15; 7:7-11)
11 Gbe ɖeka Yesu nɔ gbe dom ɖa le teƒe aɖe. Esi wòwu nu la, eƒe nusrɔ̃lawo
dometɔ ɖeka te ɖe eŋu eye wògblɔ nɛ be. “Aƒetɔ, fia gbedodoɖa aɖe mí abe ale si
Yohanes fia eƒe nusrɔ̃lawo ene.”
2 Gbedodoɖa si Yesu fia wo lae nye esi. “Mia Fofo, woade bubu wò ŋkɔ kɔkɔe
la ŋu ɖaa, na wò Fiaɖuƒea nava kaba. 3 Na nuɖuɖu mí gbe sia gbe, 4 tsɔ mia ƒe nu vɔ̃wo
ke mí le esi mietsɔ ame siwo da vo ɖe mía ŋuti la tɔwo kewo ta, eye megana be
míage ɖe tetekpɔ me o.”
5 Tete egblɔ na wo be, “Le kpɔɖeŋu me xɔ̃ aɖe le mia dometɔ ɖeka si, eye woyi
xɔ̃a gbɔ zatitina hegblɔ nɛ be, ‘Xɔ̃nye do abolo etɔ̃ nam, 6 elabena xɔ̃nye aɖe si le mɔ
zɔm la va dzem eye naneke meli matsɔ nɛ woaɖu o.’
7 “Ekema ame si le xɔme la aɖo ŋu be, ‘Megaɖe fu nam o. Míedo ʋɔa xoxo eye
nye kple vinyewo míemlɔ anyi. Nyemate ŋu afɔ ava na naneke wò o.’
Luka
53
8 “Mele egblɔm na mi be, nenye be xɔ̃wòa mefɔ ʋu ʋɔa o togbɔ be xɔ̃wò wònye
hã la, ne eƒo ʋɔa atraɖii la, afɔ ava tsɔ nu sia nu si dim nèle la na wo elabena èku kutri
bia nu si dim nèle la atraɖii. 9 Alea tututue wònɔna le gbedodoɖa hã me. Ne miebia nu
la, woana mi, ne miedi nu la miakpɔe, eye ne mieƒo ʋɔa la woaʋui na mi ɣesiaɣi. 10
Ame sia ame si bia nu la, xɔa nu si wòbia, ame siwo dia nu la kpɔnɛ eye woaʋu ʋɔa na
ame sia ame si aƒoe la.”
11 “Mi ame siwo nye vi fofowo ɖe, nenye be viwo bia abolo wò ɖe, kpee nàtsɔ
nɛa? Ne wòbia tɔmelã ɖe, dalãe nàtsɔ nɛa? 12 Alo ne ebia koklozi ɖe, ahɔ̃e nàtsɔ nɛa?
Gbeɖe miewɔa esia o!
13 “Azɔ nenye be mi ame siwo nye nu vɔ̃ wɔlawo mienaa nu si mia viwo bia mi
wo la, ɖee mienya be mia Fofo si le dziƒo la anyo dɔme, ana Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ame siwo
biae la oa?
Yesu kple Belzebul
(Mateo 12:22-30; Marko 3:20-27)
14 Gbe ɖeka Yesu nya gbɔgbɔ vɔ̃ do goe le tokunɔ aɖe me eye amea de asi nuƒoƒo me
enumake. Ame siwo nɔ afi ma la kpɔ dzidzɔ hetso aseye le nukunu sia ta. 15 Gake ame
aɖewo nɔ ameawo dome siwo gblɔ be, “Mewɔ nuku be ame sia le gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam le
amewo me o, elabena exɔ ŋusẽ tso Satana, si nye gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la gbɔ!” 16 Ame
bubuwo di tso esi be wòana dzesi aɖewo nadze le yame si afia be eyae nye Mesia la
vavã.
17 Yesu dze si nu si nɔ ame siawo katã ƒe susu me eya ta egblɔ be, “Ne dukɔ aɖe
me tɔwo ma ɖe wo nɔewo ŋu hele aʋa wɔm la dukɔa agba, nenema ke nenye be aƒe aɖe
Luka
54
me yɔ fũ kple dzre la mate ŋu anɔ te o.” 18 Nenye be enye nyateƒe abe ale si míegblɔe
be Satanae le dɔ wɔm le menye be manya eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖa la ale ke eƒe fiaɖuƒe anɔ
tee? 19 Eye nenye be Satana ƒe ŋusẽe le menye ɖe, nu kae le miawo ŋutɔ miaƒe amewo
me? Woawo hã tea ŋu nya gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖa? Alo miebu be esia fia kɔtee be Satana ƒe
gbɔgbɔe le wo mea? Mibia wo se kpɔ be miaƒe nya la nye nyateƒe mahã? 20 Azɔ ne
mele gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam kple Mawu ƒe ŋusẽ la, ekema afia be mawufiaɖuƒe la va ɖo
mia dome.
21 Nenye be ŋusẽtɔ aɖe kpla eƒe aʋawɔnuwo eye wole eƒe fiasã ŋu dzɔm la eƒe
nuwo anɔ dedie. 22 Gake ne ame si sẽ ŋu wui va dze edzi eye woxɔ ŋusẽ le esi la axɔ
eƒe aʋawɔnu siwo ŋu wòle ŋu ɖom ɖa le esi eye wòama eƒe nunɔamesiwo.
23 “Ame si mele dzinye o la tsi tre ɖe ŋunye, eye ne ame aɖe mele kpekpem ɖe
ŋunye o la ele nye dɔ me gblẽm nam.”
Gbɔgbɔ makɔmakɔ la ƒe tɔtrɔgbɔ
(Mateo 12:43-45)
24 “Nenye be wonya gbɔgbɔ vɔ̃ le ame aɖe me la, gbɔgbɔ vɔ̃a nɔa tsatsam nɔa sitsoƒe
dim le dzogbe kple teƒe teƒewo. Nenye be mekpɔ teƒe aɖeke o la, etrɔna yina ɖe ame si
me wòdo go le la me. 25 Ne wòkpɔ be wowɔ yeƒe nɔƒe xoxo la wòle dzadzɛ la, 26
eyina ɖayɔa gbɔgbɔ vɔ̃ adre bubu siwo vɔ̃ɖi wui la wogena ɖe amea me. Esia wɔnɛ be
ame sia ƒe nɔnɔme gblẽna ɖe edzi wu tsã.”
Luka
55
Yayra vavãtɔ
27 Esi Yesu nɔ nya siawo gblɔm la, nyɔnu aɖe si nɔ ameawo dome la do ɣli be, “Mawu
neyra dawo ƒodo si me nèmlɔ kple no si nèno.”
28 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Enyo gake woana geɖe wu esia ame siwo sea mawunya
la eye wowɔa edzi pɛpɛpɛ.”
Amewo bia dzesi
(Mateo 12:38-42; Marko 8:12)
29 Esi amehawo le ƒu ƒom ɖe edzi la Yesu gblɔ be, “Esia nye dzidzime vɔ̃ɖi si le dzesi
dim, gake womana dzesi aɖeke tsɔ wu Yona ƒe dzesi o. 30 Elabena ale si Yona nye
dzesi na Ninivetɔwoe la, nenema ke Amegbetɔvi la anye dzesi na dzidzime siae.”
31 “Le ʋɔnudrɔŋkekea dzi la, Nyɔnufia si tso Seba la atsi tre afia asi dzidzime sia
eye wòabu fɔ wo, elabena ezɔ mɔ tso didiƒe aɖe ke va be yease Salomon ƒe
nufiamenyawo. Evɔ ame si de ŋgɔ wu Salomon sãa la le afii gake ame ʋee aɖewo koe
ɖoa toe.”
32 “Ninivetɔwo kura gɔ hã abu fɔ dukɔ sia, elabena woawo la wotrɔ dzime esime
Yona va gblɔ mawunya na wo, ke ame si kɔ wu Yona boo la le afii gake dukɔ sia gbe
be yewomaɖo toe o.”
Ŋutilã ƒe kekeli
(Mateo 5:15; 6:22-23)
Luka
56
33 Ame aɖeke mesia akaɖi tsɔnɛ ɣlana ɖe nu te o, ke boŋ etsɔnɛ dana ɖe akaɖiti dzi
bena wòaklẽ na ame siwo katã le xɔa me. 34 Wò ŋkue nye akaɖi na wò ŋutilã. Ne wò
ŋku dzi kɔ la, wò ŋuti hã akɔ. Ke ne ŋku vɔ̃ɖi le asiwo la, mate ŋu akpɔ kekeli la o,
elabena àtsi viviti me. 35 Eya ta mikpɔ nyuie bena miagaxe mɔ na kekeli la o. 36 Nenye
be èkɔ le ɖokuiwò me eye viviti aɖeke mele mewo o la, ekema wò gota gome hã aklẽ
abe akaɖi keklẽ gã aɖee wosi ɖe mewo ene.”
Babadodo na Farisitɔwo kple sefialawo
(Mateo 23:1-36; Marko 12:38-40; Luka 20:45-47)
37 Esi Yesu wu nya siawo gbɔgblɔ nu la Farisitɔ aɖe kpee be wòava ɖu nu le ye gbɔ, ale
wòyi ɖe eme hebɔbɔ nɔ kplɔ̃a ŋu. 38 Ke esi Farisitɔ la kpɔ be Yesu meklɔ ŋui gbã hafi
be yeaɖu nu o la, eƒe mo wɔ yaa.
39 Yesu gblɔ nɛ be, “Mi Farisitɔwo la, miewɔa nu le gota abe ɖe miedza ene evɔ
miaƒe dzime ya ƒoɖi kpekpekpe ŋubiabiã kpakple tamesesẽ sɔŋ koe le mia me. 40 Mi
movitɔwo! Menye Mawue wɔ nu sia nu godo kple eme oa? 41 Dzadzɛnyenye nyuitɔe
nye esi woɖe fia to dɔmenyowɔwɔ me.
42 “Gake mele egblɔm na mi Farisitɔwo! Togbɔ be mieɖoa ŋku edzi tsɔna miaƒe
nukpɔkpɔwo ƒe ewolia nana Mawu hã, miedrɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe o eye mieŋlɔna be be
Mawu ƒe lɔlɔ̃ li gɔ̃ hã. Enyo be miatsɔ miaƒe nukpɔkpɔwo ƒe ewolia aɖo Mawu ŋkume,
gake mele be miaŋlɔ nu vevi siawo be o.
43 “Baba na mi Farisitɔwo! Elabena mielɔ̃a bubuteƒenɔnɔ le miaƒe ƒuƒoƒewo eye
miedina be amewo nado gbe na yewo kple bubu tɔxɛ nenye be miezɔ to ablɔ dzi va
Luka
57
yina. 44 Le nyateƒe me la ʋunudɔdrɔ̃ sesẽ aɖe le mia lalam. ɖeko miele abe yɔdo siwo
dzi gbe vu tsyɔ ene. Amewo vatoa mia dzi eye womenya nu dziŋɔ si dzi zɔm wole o.”
45 Agbalẽfialawo dometɔ ɖeka si hã nɔ ameawo dome, la yɔe eye wògblɔ nɛ be,
“Aƒetɔ, le nya si nègblɔ fifi laa me la, edo vlo miawo hã.”
46 Yesu ɖo eŋu nɛ bena, “Esia le me vavã elabena nu dziŋɔ siawo le miawo hã
lalam, elabena miedina be amewo nanɔ xɔse ƒe agbe ɖe ɖoɖo aɖewo nu, evɔ miawo
ŋutɔwo la, mietenɛ kpɔ be yewoawɔ ɖe ɖoɖo siawo dzi o. 47 Baba na mi! Elabena ɖeko
miele abe mia tɔgbui siwo wu nyagblɔɖila siwo nɔ anyi tsã va yi la ene. 48 Hlɔ̃dolawo!
Mieda asi ɖe nu si mia fofowo wɔ la dzi be enyo. Nenema ke ko miawo hã miawɔ.
49 “Nu si Mawu gblɔ tso mia ŋu la enye be, ‘Maɖo nyagblɔɖilawo kple
apostolowo ɖe mi. Ke miawu ɖewo eye mianya ɖewo de gbe.’
50 “Woatsɔ nya ɖe mi dzidzime sia ŋu be miawoe wu Mawu ƒe nyagblɔɖilawo
tso keke xexe sia me ƒe gɔmedzedze ke. 51 Le nyateƒe me, woabu fɔ mi be miawoe wu
ame siwo katã wowu tso Abel dzi va se ɖe Zakaria ame si wowu le vɔsamlekpui kple
kɔkɔeƒe la dome la dzi. Le nyateƒe me la, woatsɔ fɔbubu sia ada ɖe mia dzi.
52 “Baba na mi senyalawo elabena mieɣla nyateƒe la ɖe amewo. Esi miawo ŋutɔ
miegbe nu le egbɔ ta la, miexea mɔ na ame bubuwo bena womakpɔ mɔ axɔ nyateƒe la
dzi ase o.”
53 Esi wòdo go tso afi ma la Farisitɔwo kple agbalẽfialawo tsi tre ɖe eŋu vevie,
eye wole biabia vovovowo biam 54 be woalée le eƒe nuƒoƒo me.
Luka
58
Nuxɔxlɔ̃ tso alakpanuwɔwɔwo ŋu
12 Le ɣeyiɣi siawo katã me la, ameha la dzi ɖe edzi akpeakpewo ale gbegbe be
afɔɖoƒe meganɔ anyi o. Azɔ etrɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu eye wògblɔ na wo be, “Mikpɔ
nyuie le Farisitɔwo kple woƒe alakpanuwɔnawo ŋu. Wowɔa nu abe ame nyui ene evɔ wo
vɔ̃ɖi ŋutɔ. Gake woƒe alakpanuwɔnawo ava dze go gbe ɖeka. 2 Ava dze go abe ale si
nuʋãnu nana be abolowɔ hona ɖe dzi hlodzoo ene. 3 Nu sia nu si miegblɔ le viviti me la,
woasee le kekeli me, eye nu si mietsɔ do dalῖ le miaƒe xɔgãwo me la woaɖe gbeƒãe be
ame sia ame nase.
Ame si wòle be woavɔ̃
(Mateo 10:28-31)
4 “Nɔvi lɔlɔ̃wo, migavɔ̃ na ame siwo di be yewoawu mi o. Ŋutilã la koe woate ŋu awu,
ke womekpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe luʋɔwo ya dzi o. 5 Gake magblɔ ame si wòle be miavɔ̃ la na
mi eyae nye Mawu ame si si ŋusẽ le be wòate ŋu awu ame atsɔe aƒu gbe ɖe dzomavɔ
me.
6 “Ho nenie akpakpa atɔ̃ xɔna? Menye sidi ʋee aɖe koe oa? Woƒe home mede
naneke kura o ɖe? Gake Mawu meŋlɔa wo dometɔ ɖeka pɛ hã be o. 7 Mawu nya miaƒe
taɖawo ƒe xexlẽme gɔ̃ hã. Migavɔ̃ o, elabena miexɔ asi na Mawu sã wu akpakpawo.
Yesu me ʋuʋu le amewo ŋkume
(Mateo 10:32-33, 12:32, 10:19-20)
Luka
59
8 “Medi be mana kakaɖedzi mi be, Nye, ame si tso Dziƒo la, made bubu mia ŋu le
dutoƒe le mawudɔlawo ŋkume nenye be miawo hã mieʋu menye le anyigba sia dzi abe
mia xɔlɔ̃ ene. 9 Ke ame si ke gbe nu le gbɔnye le amewo gbɔ la, nye hã magbe nu la eya
hã gbɔ le mawudɔlawo ƒe ŋkume. 10 Nenye be ame aɖe ƒo nu vɔ̃ɖi le ŋunye la ɖewohῖ
woatsɔe akee, ke ame si agblɔ nya vɔ̃ɖi aɖe ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋu la womatsɔe akee
gbeɖe o.
11 “Nenye be wokplɔ mi va Yudatɔwo ƒe amegãwo kple woƒe ƒuƒoƒedzikpɔlawo
ŋkume be yewoadrɔ̃ ʋɔnu mi la, migatsi dzi le nu si miagblɔ la ŋu o. 12 Gbɔgbɔ Kɔkɔe
la ŋutɔ ade nya si tututu miagblɔ la nu na mi ne ɣeyiɣia ɖo.”
Lododo le kesinɔtɔ bometsila la ŋu
13 Ame aɖe do ɣli tso ameawo dome gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, meɖe kuku na wò gblɔ na
nɔvinyeŋutsua be wòama fofonye ƒe nuwo me atsɔ tɔnye nam?”
14 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ŋutsu, ame kae ɖom miaƒe ʋɔnudrɔ̃lae be matso nya sia
ƒomevi me? 15 Kpɔ nyuie! Mègatsi dzi be yeakpɔ nu si menye tɔwò o.” 16 Azɔ edo lo
sia be, “Agble nyui aɖe si wɔa nuku la nɔ gatɔ aɖe si. 17 Le nyateƒe me, eƒe nukuawo
wɔ ale gbegbe be eƒe avawo katã yɔ fũ gba go eye megakpɔ nɔƒe na mamleawo gɔ̃ hã o.
Ebu tame le nu si wòawɔ la ŋu vevie, 18 eye susu aɖe va nɛ mlɔeba. Edo ɣli gblɔ be,
‘Menya nu si tututu mawɔ, magbã nye ava xoxoawo eye matu esiwo lolo wu la ɖe wo
teƒe ale be mate ŋu akpɔ nɔƒe na nye nukuawo katã. 19 Eye manɔ anyi agblɔ
na ɖokuinye be, “Nɔvi èdzra nuɖuɖu geɖewo ɖo ɖi hena ƒe geɖe siwo gbɔna, eya ta xɔ
gbɔgbɔ nàɖe dzi ɖe anyi, ɖu nu, nano nu eye nàɖu agbe nyuie.”
Luka
60
20 “Gake Mawu gblɔ na kesinɔtɔ sia be, ‘O, wò abunɛtɔ, egbe zã sia me ke
woaxɔ wò agbe le asiwò. Ke ame ka tɔ nu siwo katã wòdzra ɖo ɖi la azu?”
21 “Enye nyateƒe be, ame sia ame si anye kesinɔtɔ le anyigba dzi ke menye le
dziƒo o la, abunɛtɔe.”
Migatsi dzimaɖeɖi o
(Mateo 6:25-34, 19-21)
22 Yesu trɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu eye wògblɔ na wo be, “Migatsi dzi le nuɖuɖu kple
nudodo alo avɔtata ŋu o 23 elabena nu vavãwo le agbeme siwo hiã boo tsɔ wu nuɖuɖu
kple nutata. 24 Mikpɔ akpaviãwo ɖa, womeƒã nu o, womeŋẽa nu o, eye ava ɖeka hã
mele wo si be woadzra nuɖuɖu ɖo ɖe eme o, gake wokpɔa woƒe gbe sia gbe nuɖuɖu,
elabena Mawu ŋutɔ naa nuɖuɖu wo. Evɔ miawo la miele vevie na Mawu wu xeviwo
katã!
25 “Hekpe ɖe esia ŋu la, viɖe kae le dzimaɖeɖitsitsi me? Nu nyui kae wòwɔna na
ame? ɖe wòate ŋu adzi wò agbemeŋkekewo ɖe edzi ŋkeke ɖeka? Gbeɖe, esia mava eme
o. 26 Eye nenye be dzimaɖeɖi mate ŋu awɔ nu sue siwo megblɔ va yi o la, viɖe kae
wòanye be miatsi dzimaɖeɖi ɖe nu gãwo ŋu?”
27 “Mikpɔ dzogbenyawo le baliwo me ɖa. Wometrea ɖeti alo lɔ̃a avɔ o, gake
Solomon ame si nɔ atsyɔ̃ gã me hã ƒe atsyɔ̃ɖoɖo mede seƒoƒo siawo tɔ nu kura o. 28
Nenye be Mawu taa avɔ na seƒoƒo siwo nɔa agbe ŋkeke ʋee aɖewo ko alea ɖe, miebu be
mana avɔtata miawo hã oa, mi dzimaxɔsetɔwo? 29 Gawu la, migaɖe fu na mia ɖokuiwo
le nuɖuɖu kple nunono ŋuti o, migana esia nakplɔ mi ade nuxaxa me o. Mawu ana wo
mi. 30 Amegbetɔ siwo katã le xexeame la dagbana be yewoakpɔ gbe sia gbe nuɖuɖu, ke
Luka
61
mia Fofo si le dziƒo nya miaƒe hiahiãwo. 31 Ne mietsɔ dziƒofiaɖuƒea me yiyi wɔ miaƒe
taɖodzinu gbãtɔe la, Mawu ana nu siwo miehiã gbe sia gbe la mi.”
32 Eya ta migavɔ̃ o, mi alẽha sue sia, elabena edzɔ dzi na mia Fofo si le dziƒo la
ŋutɔ bena woatsɔ dziƒofiaɖuƒe la na mi. 33 Midzra nu siwo le mia si eye miatsɔ ga la
ana hiãtɔwo, esia adzi miaƒe fetu si le dziƒo la ɖe edzi. Ne miedzra miaƒe kesinɔnuwo ɖo
ɖe dziƒo, fiafitɔ aɖeke mate ŋu afi wo o eye gbagbladza aɖeke hã mate ŋu aɖu wo o. 34
Afi si nèdzra wò kesinɔnuwo ɖo la, afi mae wò dzi kple wò susu bliboa nɔna.
Dɔla siwo nɔa ŋudzɔ
(Mateo 24:45-51)
35 “Midzra ɖo eye minɔ klalo na 36 miaƒe Aƒetɔ la ƒe tɔtrɔgbɔ tso srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoƒea.
Ekema miate ŋu aʋu ʋɔa nɛ nenye be egbɔ va ƒoe. 37 Ame siawo katã le klalo na eƒe
gbɔgbɔ la, akpɔ dzidzɔ manyagblɔ aɖe, elabena ana ame siawo anɔ kplɔ̃ ŋu eye eya ŋutɔ
ado subɔvi ƒe awu aɖo kplɔ̃ ɖe woƒe akɔme be woaɖu nu. 38 Mienya ɣekaɣie wòava o,
ate ŋu ava le zã ga asieke me loo alo zã titina. Gake ne eva ɖo ko, dzi adzɔ eƒe dɔla
siwo katã le klalo la.”
39 “Ame sia ame anɔ klalo na eƒe vava nenye be wonya ga si me wòle vava ge.
ɖeko wòle abe ale si ame nanɔ ŋudzɔ na fiafiatɔ ƒe vava nenye be enya ga si me tututu
wòle vava ge ene. 40 Eya ta minɔ ŋudzɔ ɣeawo katã ɣi, elabena, Nye, Mesia la, mava le
gaƒoƒo si me ame aɖeke manɔ mɔkpɔm nam o.”
41 Petro biae be, “Aƒetɔ, míawo ko nèle nya siawo gblɔm na loo alo ame sia
ame.”
Luka
62
42 Aƒetɔ la ɖo ŋu nɛ be, “Azɔ ame kae nye xɔnuvi nuteƒewɔla kple nunyala, ame
si eƒe aƒetɔ atsɔ ɖo eƒe aƒemetɔwo nu be wòana woƒe nuɖuɖu wo le enaɣi mahã? 43 Eme
anyo na dɔla ma ne eƒe aƒetɔ trɔ gbɔ vakpɔ be ewɔ eƒe dɔdasia. 44 Le nyateƒe me la,
aƒetɔ la atsɔe aɖo eƒe nuwo katã nu.”
45 “Gake nenye be amea gblɔ le eƒe dzi me be, ‘Nye aƒetɔ anɔ anyi ɣeyiɣi didi
aɖe hafi agbɔ.’ Eya ta wòde asi ame siwo wotsɔ de eƒe dzikpɔkpɔ te la ƒoƒo me, eye
wòle aha mum la, 46 eƒe aƒetɔ agbɔ le eƒe manyamanya me eye wòaɖee ɖa le nɔƒe kɔkɔ
si wòdae ɖo eye woadae ɖe ame mawɔnuteƒewo dome. 47 Woahe to nɛ vevie hã elabena
enya nu si wòle be wòawɔ gake egbe mewɔe o.”
48 “Ame si menya be nane si wɔm yele la nye vɔ̃ la ƒe tohehe masesẽ o. Ame si
si wotsɔ nu geɖe dee la, wodi ŋutete geɖe tso egbɔ elabena nu si wotsɔ de eƒe dzikpɔkpɔ
te la sɔ gbɔ.”
Yesu, ame si he mama vɛ
(Mateo 10:34-36)
49 “ ɖe meva be made agbe yeye ƒe dzo anyigbadzitɔwo me. Ne ɖe mewu dɔ sia nu
xoxo la, ne anyo ŋutɔ hafi. 50 Tsideta dziŋɔ aɖe le ŋgɔnye, eye anye nu si ate ɖe dzinye
va se ɖe esime enu nava yi.”
51 “Miebu be ŋutifafae metsɔ va anyigba dzia? Gbeɖe, dzre kple domemama boŋ
metsɔ vɛ. 52 Tso azɔ dzi yina la, ƒomewo me amã, akpa etɔ̃ adze yonyeme, eye akpe eve
atsi tre ɖe ŋunye. Alo akpa eve adze yonyeme eye akpa etɔ̃ atsi tre ɖe ŋunye. 53 Vi kple
tɔ ƒe gbe madze gbe dzi o le tanye, nenema ke adika aɖo vinyɔnu kple dada dome. Eye
nenye be lɔ̃xo aɖe aɖo nu nyui aɖe be yeawɔ la lɔ̃xoayɔvi atu afɔ eme.”
Luka
63
ɣeyiɣiawo gɔmesese
(Mateo 16:2-3)
54 Yesu trɔ ɖe ameha la ŋu azɔ eye wògblɔ bena, “Ne miekpɔ alilῖkpowo le ƒu ƒom ɖe
ɣetoɖoƒe la, miegblɔna be, ‘Agbafie le dzadza ge.’ Eye wòdzana hã vavã.”
55 “Ne dzieheya de asi ƒoƒo me la miegblɔna be, ‘Egbe la ŋdɔ le ʋuʋu ge sesῖe.’
Eye esia hã vaa eme. 56 Mi alakpanuwɔlawo! Mienya be tsi le dzadza ge alo ŋdɔ le
ʋuʋu ge to ŋkuléle ɖe yame ŋu me. Gake miegbe be yewomalé ŋku ɖe ʋunyaʋunya gã si
gbɔna la ƒe dzesi si ƒo xlã mi la ŋu o.
ɖekawɔwɔ kple ame si tsɔ nya ɖe ŋuwò
(Mateo 5:25-26)
57 Nu ka tae wòle be miagbe be yewomakpɔ nu si nyo la na mia ɖokuiwo o?”
58 “Nenye be ame aɖe tsɔ nya ɖe ŋuwò eye nekpɔe le mɔdzi wòyina ʋɔnu kple
wò nya la, tɔe eye nàlé avu le mi kplii dome. Ne menye nenema o la, ʋɔnudrɔ̃la ade wò
mɔ. 59 Eye ne wode wò mɔ la, anɔ afi ma va se ɖe esime nàxe fe siwo katã nènyi la
wòavɔ keŋkeŋ.”
Luka
64
Trɔ dzime alo na nàtsrɔ̃
13 Le ɣemaɣi me la, ame aɖewo gblɔ ale si Pilato na be wowu Yudatɔ aɖewo siwo tso
Galilea le esime wonɔ vɔ sam na Mawu le gbedoxɔ me le Yerusalem la nɛ.
2 Yesu trɔ bia ameawo be, “ɖe miebu be ame siwo wowu la ƒe nu vɔ̃wo sɔ gbɔ
wu Galileatɔ bubuwo tɔ tae wowu wo ɖoa? 3 Gbeɖe, mele eme nenema o! Miawo hã
minya be yewoatsrɔ̃ alea ke nenye be miegbe be yewo mele nu vɔ̃ wɔwɔ dzudzɔ ge adze
Mawu yome o.”
4 “Ale ke miebu tso ame wuienyi siwo dzi Silɔm gbetakpɔxɔ la mu dze woku la
ŋu? Woawoe nye nu vɔ̃ wɔla gãtɔwo wu le Yerusalem mahã? 5 Gbeɖe, menye woawoe
o. Miawo hã miatsrɔ̃ nenye be miegbe be yewomadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ o.”
Lododo tso gboti matseku la ŋu
6 Azɔ Yesu yi dzi do lo sia be, “Ŋutsu aɖe do kutsetseti aɖe ɖe eƒe abɔ me, eye wòvaa
atia te edziedzi be yeakpɔ be etse ku aɖe mahã, gake mekpɔa kutsetse aɖeke le edzi o. 7
Mlɔeba la egblɔ na abɔdzikpɔla be nelã atia ƒu anyi. Egblɔ kpe ɖe eŋu dzikutɔe be,
‘Melala ʋuu ƒe etɔ̃ sɔŋ gake ati sia metse ku ɖeka pɛ hã kpɔ o! Nu ka ta magana wòanɔ
te? Mate ŋu ado nuku bubu ɖe teƒe si wòxɔ la ɖe?”
8 “Abɔdzikpɔla la ɖo eŋu nɛ be, ‘Aƒetɔ, na wòaganɔ anyi ƒe ɖeka kpɔ. Matrɔ asi
le eŋu nyuie agbugbɔ aɖu ado ɖe ete. 9 Nenye be etse ku la, enyo, ke ne metse ku o la
malãe ƒu anyi.’”
Luka
65
Yesu da gbe le nyɔnu tekunɔ aɖe ŋu le Sabat dzi
10 Gbe ɖeka esi Yesu nɔ nu fiam le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe le Sabat ŋkekea dzi la, 11 ekpɔ
nyɔnu aɖe si nɔ dɔ lém vevie ƒe wuienyi sɔŋ. Dɔléle la na be wòxa gobaa ale be mate ŋu
adzɔ ɖe tsitre nu o.
12 Yesu yɔe va eɖokui gbɔe eye wògblɔ nɛ be, “Nyɔnu èvo tso wò dɔléle la si
me!” 13 Azɔ eka asi eŋu eye enumake nyɔnua ƒe dɔa vɔ nɛ eye wòdzɔ ɖe tsitre ka.
Nyɔnua kpɔ dzidzɔ ale gbegbe be wòda akpe hekafu Mawu!
14 Yudatɔwo ƒe kplɔla si nɔ ƒuƒoƒe ma dzi kpɔm la do dziku vevie le nu si Yesu
wɔ la ta elabena eyɔ dɔ na nyɔnua le Sabat ŋkekea dzi. Edo ɣli gblɔ na ameha la be,
“Ŋkeke ade sɔŋ le kwasiɖa ɖeka me esiwo dzi woawɔ dɔ le, esiae nye ŋkeke siwo dzi
wòle be nàva woayɔ dɔ wò ke menye le Sabat ŋkeke dzi o!”
15 Yesu ɖo eŋu bena, “Mi alakpanuwɔlawo! ɖe mieɖea ka miaƒe nyiwo le woƒe
kpowo me le Sabat dzi eye miekplɔawo yina ɖana tsi wo wonona oa? Esia hã nye
dɔwɔwɔ le Sabat ŋkekea dzie. 16 Ke nu vɔ̃ wònye nye ya mewɔ, be meɖe ga Yuda
nyɔnu sia si Satana bla ƒe wuienyi sɔŋ la?”
17 Eƒe nya siawo na be ŋu kpe eƒe futɔwo katã eye ame sia ame kpɔ dzidzɔ le
nukunu gã siwo katã wòwɔ la ta.
Lododowo le logoku kple amɔʋãtike ŋu
(Mateo 13:31-33; Marko 4:30-32)
18 Azɔ egade asi nufiafia amewo me le mawufiaɖuƒe la ŋuti. Ebia wo be, “Ale ke
mawufiaɖuƒe la le? Nu ka ŋue miate ŋu atsaɔe asɔ ɖo? 19 Ele abe atiku sue aɖe si
wodo ɖe agble me ene. Atiku sia tsi kabakaba heva zu ati kɔkɔ aɖe eye woɖe alɔwo fũ
Luka
66
eye xeviwo vawɔ atɔ ɖe wo me.” 20 Egbabia ke be, ‘Nu ka ŋu matsɔ mawufiaɖuƒe
asɔ ɖo? 21 Eɖi nuʋanu si nyɔnu aɖe tsɔ de abolomɔ me eye wòwɔ dɔ to abolomɔ blibo
la me va se ɖe esime wòʋã nyuie.
Agbo xaxɛ la
(Mateo 7:13-14, 21-23)
22 Azɔ Yesu nɔ tsatsam le du kple kɔƒewo me nɔ nu fiam amewo, ke ekpɔ egbɔ be yenɔ
tetem ɖe Yerusalem ŋu.
23 Ame aɖe va egbɔ va biae be, “Aƒetɔ, ame ʋee aɖewo koe le ɖeɖe kpɔ gea?”
Eɖo eŋu na wo be, 24 “Miʋli be miage ɖe eme to agbo bii la me, elabena ame geɖewo
adi be yewoage ɖe eme, ke mele gblɔm be womate ŋui o. 25 Nenye be aƒetɔ tsi tre hetu
ʋɔa la eye mietsi tre ɖe egodo, de asi eƒoƒo me hele gbɔgblɔm be, ‘Aƒetɔ, ʋu ʋɔa na mi.’
“Ke aɖo eŋu na mi be, ‘Nyemenya mi kple afi si mietso o.’”
26 “Miawo miaɖo eŋu nɛ be, ‘Mi kpli wò míede asi agba ɖeka me ɖu nu kpɔ eye
nèfia nu le mia ƒe ablɔwo dzi hã kpɔ.’”
27 “Ke agaɖo eŋu na mi be, ‘Megblɔe na mi be, nyemenya mi o. Miate ŋu ava
me o, elabena nu vɔ̃ wɔlawo mienye. Midzo le afi ma.’”
28 “Miafa avi aɖu aɖukli le esime miele tsitre ɖe xexe le Abraham, Isak, Yakob
kple nyagblɔɖila siwo katã le mawufiaɖuƒea me la kpɔm ɖo ɖa. 29 Amewo atso
xexeame ƒe dzogoe eneawo katã me ava nɔ woƒe nɔƒewo le afi sia. 30 Mina nya sia nanɔ
susu me na mi be, ame siwo womebuna ɖe naneke me fifia o la axɔ bubu gã aɖe le
dziƒo, eye ame siwo nye ame ŋkutawo le afi sia la, womabu wo ɖe naneke me le afi ma
o.”
Luka
67
Yesu xa nu le Yerusalem ŋu
(Mateo 23:37-39)
31 Le ɣeyiɣi sia me la, Farisitɔ aɖewo va gblɔ nɛ be, “Ne èdi be yeatsi agbe la ekema
dzo le afi sia elabena Fia Herodes le diwòm be yeawu.” 32 Yesu ɖo eŋu na wo be,
“Miyi ɖagblɔ na ayetɔ ma bena manɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo nyanya dzi, eye mawɔ nukunu
geɖewo, ayɔ dɔ amewo egbea kple etsɔ. Ke le ŋkeke etɔ̃a gbe la, màwu nye dɔ nu eye
maɖo afi si yim mele. 33 Ẽ, egbea, etsɔ kple ŋkeke si akplɔe ɖo la, màwu nye dɔ nu!
Elabena menyo be Mawu ƒe nyagblɔɖila aɖeke naku ɖe afi aɖeke tsɔ wu Yerusalem o.
34 “O, Yerusalem, Yerusalem! Du si me tɔwo wua nyagblɔɖilawo eye woƒua kpe
ame siwo woɖo ɖa be woakpe ɖe wo ŋu la. Zi geɖe la medina vevie bena maƒo mia
viwo nu ƒu abe ale si koklonɔ ƒoa viawo nu ƒui ɖe eƒe aʋala te ene, gake mieɖe mɔ nam
o. 35 Fifia miaƒe aƒee ma zu aƒedo. Miegale kpɔnye ge o, va se ɖe esime miado dzaa
nam agblɔ be, ‘Woayra ame si gbɔ na le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me.’”
Yesu da gbe le ŋutsu tete aɖe ŋu le Sabat dzi
14 Gbe ɖeka le Sabat dzi, Yesu yi nuɖuƒe le Farisitɔwo ƒe amegã aɖe ƒe aƒeme, eye
wonɔ ŋku lém ɖe eŋu vevie. 2 Afi ma ŋutsu aɖe si nɔ tete dɔ lém la dze ŋgɔe.
3 Ke Yesu bia Farisitɔ kple senyala siwo nɔ tsitre ɖe afi ma be, “Ele se nu be
woada gbe le ame ŋu le Sabat ŋkekea dzia?”
4 Womeɖo biabia la ŋu nɛ o, ale Yesu lé dɔnɔa ƒe alɔnu eye woda gbe le eŋu.
Emegbe la, eɖe mɔ nɛ wòdzo.
Luka
68
5 Yesu gatrɔ ɖe ameawo ŋu bia wo be, “Mia dometɔ kae mewɔa dɔ le Sabat
ŋkeke dzi o. Nernye be evia alo eƒe nyi ge dze do me le Sabat ŋkekea dzi ɖe meɖenɛ
enumake oa?”
6 Ameawo mete ŋu ɖo biabia sia hã ŋu nɛ o.
Aɖaŋuɖodo na ame kpekpewo kple amekpelawo
7 Yesu kpɔ be ame siwo katã wokpe be woava ɖu nua nɔ didim vevie be yewoanɔ kplɔ̃a
ta. Le esia ta exlɔ̃ nu wo gblɔ be, 8 “Nenye be wokpe wò ɖe srɔ̃ɖekplɔ̃ ŋu la, mègaʋli
bena yeanɔ kplɔ̃ta o, elabena ne ame ŋkuta aɖe si ŋu bubu le wu wò la va la, 9 ne edzɔ
nenema la ame si kpe wò la akplɔe va afi si nènɔ eye wòagblɔ na wò bena, “Tso nàtsɔ
wò nɔƒe na ame sia.’ Esia ana be ŋu akpe wò, eye nàyi aɖanɔ zikpui sia zikpui si le
kplɔ̃a ƒe nuwuwu lɔƒo la dzi.
10 “Nu si boŋ wòle be nàwɔ enye esi, yi ɖanɔ teƒe aɖe le kplɔ̃a ƒe nuwuwu, eye
ne ame si kpe wò ŋutɔ kpɔ wò la, ava gblɔ na wò be, ‘Nɔvi, míegblẽ nɔƒe nyui aɖe ɖi na
wò!’ Ale wòade bubu ŋuwò le ame siwo katã wòkpe la ŋkume. 11 Ame sia ame si dina
be ye ŋutɔ yeade bubu ye ɖokui ŋu la woabɔbɔe ɖe anyi, eye ame si abɔbɔ eɖokui la
woade bubu eŋu.” 12 Azɔ etrɔ ɖe ame si kpee ɖe kplɔ̃ ŋu la gbɔ gblɔ nɛ be, “Ne èɖo
kplɔ̃ la megakpe xɔwòwo, nɔviwòwo kple wò ƒometɔwo kple kesinɔtɔwo o. Elabena
woawo hã ava kpe wò ɖe kplɔ̃ ŋu emegbe. 13 Boŋ la, kpe ame dahewo, tekunɔwo,
lãmetututɔwo kple ŋkunɔwo. 14 Ekema le ame dzɔdzɔewo ƒe tsitretsitsi ŋkeakea dzi la,
Mawu ŋutɔ axe fe na wò be èwɔ dɔmenyo na ame siwo mate ŋu aɖo eteƒe na wò o.”
Luka
69
Lododo le kplɔ̃ɖoɖo gã la ŋuti
(Mateo 22:1-10)
15 Ŋutsu aɖe si nɔ kplɔ̃a ŋu kple Yesu la se nya siwo katã wògblɔ ale wògblɔ na Yesu
be, “Mɔnukpɔkpɔ gã blibo ka wòanye be ame nakpɔ mɔ age ɖe mawufiaɖuƒe me!”
16 Yesu ɖo eƒe nya la ŋu nɛ be, “Ŋutsu aɖe ɖo kplɔ̃ gã aɖe eye wòkpe ame
geɖewo. 17 Esi nu sia nu sɔ gbe vɔ be wɔnawo nadze egɔme la, edɔ eƒe subɔvi ɖe ame
siwo wòkpe la gbɔ be wòaɖayɔ wo vɛ. 18 Gake ame sia ame de asi taflatsɛdodo me esi
subɔvi la yi. Ame ɖeka do taflatsɛ be yeƒle anyigba aɖe eye yedi be yeayi aɖalé ŋku ɖe
eme eya ta yemate ŋu ava o. 19 Bubu hã do taflatsɛ be, yeƒle nyitsu ewo be woawɔ dɔ le
yeƒe agble me eya ta yeyina wo do ge akpɔ. 20 Ame bubu hã gado taflatsɛ be nyitsɔ laa
ko yeɖe srɔ̃ eya ta yemate ŋu agblẽ nyɔnua ɖi ava o.”
21 “Subɔvi la trɔ va gblɔ nya siwo ameawo gblɔ la na eƒe aƒetɔ. Dɔme ve aƒetɔa
ŋutɔ eya ta edɔ eƒe subɔvi la wòyi dua ƒe ablɔwo dzi kple kpɔdomeewo ɖayɔ nubialawo,
tekunɔwo, lãmetututɔwo kple ŋkunɔwo va kplɔ̃a ŋui. 22 Togbɔ be wòwɔ esia hã la, teƒe
ganɔ kplɔa ŋu ko.”
23 Aƒetɔ la gagblɔ na subɔvia be, “Enyo, yi dua ƒe mɔ gãwo dzi, kple kpɔwo
godo eye naƒoe ɖe ame siwo katã nakpɔ la nu bena woava, be aƒea me nayɔ. 24 Elabena
ame siwo katã mekpe gbã la ƒe ɖeke maɖɔ nu siwo meɖa na wo la ƒe ɖeke kpɔ o.”
Nugbegbe le ame ɖokui gbɔ si hiã le Yesu yomedzedze me
(Mateo 10:37-38)
25 Ame geɖe ŋutɔ nɔ Yesu yome nɔ yiyim. Ale wòtrɔ ɖe wo ŋu hegblɔ na wo be. 26
“Ame si di be yeanɔ yonyeme la, ele nɛ be wòalɔ̃m wu fofoa, dadaa, srɔ̃a, viawo, nɔvia
Luka
70
ŋutsu alo nɔvia nyɔnu. Ẽ, le nyateƒe me ele nɛ be wòalɔ̃m wu eya ŋutɔ ƒe agbe gɔ̃ hã, ne
menye nenema o la, mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o. 27 Ame si matsɔ eƒe atitisoga
akplɔm ɖo o la, mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o.”
28 “Ne ame aɖe be yeanɔ yonyeme la, ele be wòabu eŋuti kpɔ nyuie hafi. Ame
kae aɖo be yeatu xɔ ke mawɔ akɔnta tso ga home si wòagblẽ la ŋu eye wòakpɔe ɖa be
ga si le ye si la ade xɔa tutu nu o mahã? 29 Ne mewɔ nenema o, wòɖo xɔa ƒe
gɔmeɖokpewo la akpɔe be ga megale ye si yeayi etutu dzi o. Ale amewo katã akoe!
30 “Woaɖu fewu hã le eŋu be, ‘Miekpɔ ame ma ɖa! Eyae dze xɔ ma tutu gɔme
gake mete ŋu wu enu hafi ga vɔ le esi o.’
31 “Alo fia kae atso kpla ko ayi aʋa ke mayɔ eƒe aɖaŋudelawo be woawɔ akɔnta
le futɔwo ƒe agbɔsɔsɔ ŋu akpɔe ɖa be yeƒe asrafo akpe ewo ate ŋu aɖu futɔwo tɔ akpe
blaeve dzi o? 32 Nenye be wòakpɔe be yeƒe asrafowo mate ŋu aɖu dzi o la, adɔ
ame ɖo ɖe futɔwo gbɔ be wòawɔ ŋutifafa kple wo hafi woava ɖo eƒe du gbɔ.
33 Ale ame aɖeke mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o negbe ɖe wònɔ anyi gbã, bu eƒe
kesinɔnuwo katã ŋu eye wògbe nu le wo gbɔ ɖe tanye hafi!
Dze si bu eƒe vivi
(Mateo 5:13; Marko 9:50)
34 “Ŋudɔwɔnu kae dze, si bu eƒe vivi la ganye? 35 Dze si bu eƒe vivi la meganyo na
naneke o, menyo na aɖudodo gɔ̃ hã o. ɖeko wòle be woatsɔe aƒu gbe. Miɖo to nyuyie,
nenye be miedi be yewoase nu si mewɔnɛ la gɔme.”
Luka
71
Lododo le alẽ bubu la ŋuti
(Mateo 18:12-14)
15 Dugadzɔla mawɔnuteƒewo kple nu vɔ̃wɔla adodoewo va ɖoa to Yesu ƒe mawunya
zi geɖe. 2 Esia na Farisitɔwo kple agbalẽfialawo galῖ liʋiliʋῖ geɖe le Yesu ŋu elabena
wobu be edea ha kple nu vɔ̃ wɔla siwo nye ame ɖigbɔ̃wo, heɖua nu kpli wo gɔ̃ hã. 3
Esia na be Yesu do lo sia na wo be, 4 “Nenye be alẽ alafa ɖeka le asiwò eye ɖeka tra
mɔ yi gbeme hebu ɖe magblẽ blaasieke vɔ asieke mamalea ɖe gbea dzi aɖadi ɖeka ma
va se ɖe esime nèke ɖe eŋu oa? 5 Eye nenye be èkpɔe la àkɔe ɖe abɔta kple dzidzɔ
manyagblɔ aɖe ayi aƒee. 6 Ne èɖo aƒe la, àyɔ wò aƒelikawo kple xɔlɔ̃wo be woava kpɔ
dzidzɔ kple ye elabena èkpɔ wò alẽ si bu la.
7 “Nenema kee dziƒonɔlawo akpɔ dzidzɔ le nu vɔ̃ wɔla ɖeka pɛ si dzudzɔ nu vɔ̃
wɔwɔ la ŋu tsɔ wu ame blaasieke vɔ asieke siwo mehῖa na dzimetɔtrɔ o.
Lododo le klosaloga si bu la ŋuti
8 “Mise lododo sia hã ɖa. Klosaloga ewo nɔ nyɔnu aɖe si eye wòbu ga vevi siawo
dometɔ ɖeka. ɖe nyɔnu sia masi akaɖi adi ga la le eƒe aƒe ƒe dzogoewo katã me
kple ɣaɣlaƒewo katã va se ɖe esime wòkpɔe oa? 9 Eye ne ekpɔe ɖe, mayɔ eƒe aƒelikawo
kple exɔlɔ̃wo be woava akpɔ dzidzɔ kpli ye oa? 10 Nenema kee mawudɔlawo kpɔa
dzidzɔe nenye be nu vɔ̃ wɔla ɖeka dzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ.”
Luka
72
Lododo le vi bubu la ŋuti
11 Yesu yi edzi gblɔ be, “Viŋutsu eve nɔ ŋutsu aɖe si. 12 Gbe ɖeka la suetɔ va gblɔ na
fofoa be, ‘Medi be nàtsɔ domenyinu si le tɔnye zu ge la nam fifia, nyemate ŋu alala va
se ɖe esime nàku hafi o.’ Fofoa lɔ̃ ɖe eƒe nya la dzi eye wòma eƒe nuwo me hetsɔ etɔ nɛ.
13 Le ŋkeke ʋee aɖewo megbe la, ɖevi suetɔ ƒo eƒe nuwo katã nu ƒu eye wòdzo
yi du didi aɖe me. Egblẽ eƒe ga katã le afi ma le gbolowo yomenɔnɔ kple agbe
kɔkɔ ɖuɖu me. 14 Esime ga vɔ le esi teti ko la, dɔ dziŋɔ aɖe to le anyigba ma dzi, ale dɔ
de asi ewuwu me. 15 Eya ta eɖe kuku na agbledela aɖe be wòaxɔ ye yeanɔ eƒe hawo dzi
kpɔm nɛ. 16 Dɔ wu ɖekakpui sia ale gbegbe be nu siwo hawo ɖuna la dzroe be wòaɖu
elabena mekpɔa naneke ɖuna o.
17 “Eyi eɖokui me eye wògblɔ be, ‘A, subɔvi siwo le fofonye ƒeme gɔ̃ hã kpɔa
nu ɖuna wòsua wo nyuie eye ɖe gakpɔtɔna gɔ̃ hã, ke nye ya mele afii le kukum le
dɔwuame ta!” 18 Mayi aƒe aɖagblɔ na fofonye be, “Fofo, mewɔ nu vɔ̃ ɖe dziƒo kple
ŋutiwò, 19 eye nyemegadze be nàyɔm be viwò o, meɖe kuku xɔm abe wò subɔviwo
dometɔ ɖeka ko ene.”
20 “Ale wòtrɔ ɖo ta aƒe. Hafi wòaɖo aƒea me la, fofoa kpɔe le adzɔge ɖaa
wògbɔna.” Eƒe dɔme trɔ ɖe eŋu ale wòƒu du heyi ɖawɔ atuu nɛ hegbugbɔ nu nɛ.
21 “ɖevia gblɔ na fofoa be, ‘Fofo, meɖe kuku mewɔ nu vɔ̃ ɖe dziƒo kple ŋuwò,
eye nyemegadze be manye viwò o.’
22 “Gake fofoa gblɔ na eƒe subɔviwo be, ‘Miyi ɖatsɔ awu nyuitɔ si le aƒea me la
vɛ miado nɛ kaba! Ne miatsɔ asigɛ kple afɔkpa va do nɛ. 23 Miwu nyivi dami si le
Luka
73
nyikpoa me hã. Ele be míaɖo kplɔ̃ gã aɖe akpɔ dzidzɔ. 24 Elabena vinye sia ku eye
wògagbɔ agbe. Ebu eye megakpɔe.’ Kplɔ̃ɖoɖoa kple dzidzɔkpɔkpɔ dze egɔme enumake.
25 “Le ɣeyiɣe siawo katã me la, nɔvia tsitsitɔ ya nɔ dɔ wɔm le agble me. Esi
wòtrɔ gbɔna va aƒeme la, ese ʋuƒoƒo kple hadzidzi ƒe ɖiɖi le aƒea me, 26 ale woyɔ
subɔvi ɖeka hebiae be, nu kae le edzi yim le aƒea me? 27 Subɔvi la ɖo eŋu nɛ be,
‘Nɔviwòe gbɔ, eye fofowò wu nyivi si míele nuɖuɖu namii be wòada ami la, heɖo kplɔ̃
gã aɖe be woatsɔ do dzidzɔe ɖe eŋu be etrɔ gbɔ dedie.’
28 “Dɔme ve viŋutsuvi tsitsitɔ la ŋutɔ eya ta egbe be yemage ɖe aƒea me o. Fofoa
yi ɖaɖe kuku nɛ be wòage ɖe aƒea me. 29 Gake via gblɔ nɛ be, ‘Mewɔ dɔ na wò kple
nye ŋutetewo katã ƒe geɖe. Nyemegbe dɔ na wò zi ɖeka pɛ hã kpɔ o, ke mèna
gbɔ̃vi ɖeka tetim kpɔ be matso ne nye kple xɔ̃nyewo miaɖa nu aɖu akpɔ dzidzɔ o. 30
Gake esi viwo sia yi ɖagblẽ wò ga ɖe gbolowo ŋu trɔ gbɔ la, èwu nyivi damitɔ kekeake
si le mía si la tsɔ ɖo kplɔ̃e nɛ.’”
31 Fofoa gblɔ nɛ be, “Kpɔɖa, vinye lɔlɔ̃a nye kpliwo míeli xoxoxo. Nu sia nu si
le asinye la tɔwòe. 32 Gake enyo be míakpɔ dzidzɔ, elabena nɔviwòe. Azɔ eku eye
wògagbɔ agbe, ebu eye míegafɔe.”
Lododo le xɔnuvi dzeaye la ŋuti
16 Yesu do lo sia na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Kesinɔtɔ aɖe xɔ gakɔntametola aɖe be
wòakpɔ eƒe ganyawo dzi nɛ. Ke ete ƒe medidi oa, eva se be gakɔntametolaa nye ame fiti
aɖe ŋutɔ.
Luka
74
2 “Le esia ta kesinɔtɔ la yɔe gblɔ nɛ be, ‘Nya kawoe nye esiawo mese le ŋuwò
be èle nye nuwo fim? Wɔ akɔnta le ga siwo katã nèxɔ la ŋu nam, elabena tso egbea dzi
la menya wò le dɔ me.’
3 “Gakɔntametola la yi tame sẽ eye wòbia eɖokui be, ‘Nu ka mawɔ fifia?
Wonyam le afi sia evɔ ŋusẽ hã mele ŋunye be mayi aɖawɔ dɔ sesẽ aɖeke o, eye nyemate
ŋu abia nu hã o elabena esia aɖe dzinye kpɔtɔ akpa. 4 Menya nu si mawɔ! Ele be madi
xɔlɔ̃wo fũ, esiwo gbɔ maɖu nu le ne medzudzɔ dɔa.’
5 “Ale wòyɔ eƒe aƒetɔ ƒe fenyilawo ɖeka ɖekae. Ebia gbãtɔ be, ‘Ho nenie ƒe fe
nenyi le nye aƒetɔ ŋu?
6 Eɖo eŋu be, “Amitimi kilolita etɔ̃ “Gakɔntametola gblɔ nɛ be, ‘Tsɔ wò fegbalẽ
gbãtɔ, nɔ anyi kaba eye natrɔe wòazu kilolita ɖeka kple afã.’
7 “Tete wòbia ame evelia be, ‘Fe nenie wo ya nenyi?’
“Eɖo eŋu be, wɔ memi kilolita blaetɔ̃-vɔ-atɔ̃.” Egblɔ nɛ be, ‘Tsɔ wò fegbalẽ eye
naŋlɔ kilolita blaetɔ̃.
8 “Aƒetɔ la kafu nuteƒemawɔla sia le eƒe aɖaŋudzedze ta. Eye enye nyateƒe be
ame siwo le xexe sia me la dze aye le nu madzɔmadzɔ wɔwɔ me tsɔ wu ame siwo vɔ̃a
Mawu.”
9 Mele egblɔm na mi be mitsɔ anyigbadzinu madzɔmadzɔwo dze xɔlɔ̃woe na mia
ɖokui, ne wo nu va yi vɔ la woaxɔ mi ɖe aƒe mavɔ la me.
10 “Ame si te ŋu wɔ nuteƒe le nu suetɔ me la ate ŋu awɔ nuteƒe le nu geɖewo hã
me, eye ame si nye nu madzɔmadzɔ wɔla le nu suetɔ me la anye nu madzɔmadzɔ wɔla le
nu geɖewo hã me. 11 Ne amewo mekana ɖe mia dzi ɣeaɖekeɣi le xexemekesinɔnuwo
Luka
75
ŋuti o la, ame kae atsɔ dziƒo nu xɔasi vavãwo ade mia si? 12 Eye nenye be mieɖia
anukware le ame bubuwo ƒe nu siwo wotsɔ de mia si me o la, ale ke wɔ woatsɔ gã si
nye wò ŋutɔ tɔwò la ade asi na wò?
13 “Ame aɖeke mate ŋu asubɔ aƒetɔ eve o. Agbe nu le ɖeka gbɔ eye wòatsɔ
nyateƒetoto kple lɔlɔ̃ na evelia. Miate ŋu asubɔ Mawu kple ga o.”
Se la kple Mawufiaɖuƒe la
(Mateo 11:12-13)
14 Farisitɔ siwo lɔ̃a ga vivivo la se nya siawo katã eye woɖo hehe ɖe Yesu ta.
15 Yesu gblɔ na wo be, “Miewɔa mia ɖokuiwo abe ame kɔkɔe deblibowo ene le
amewo ƒe ŋkume, gake Mawu nya miaƒe dzimesusu vɔ̃ɖiwo.” Miaƒe alakpanuwɔwɔ na
be amewo tsɔa bubu na mi, gake enye ŋunyɔnu le Mawu ƒe ŋkume. 16 Hafi Yohanes
Mawutsidetanamela nadze mawunya gbɔgblɔ gɔme la, Mose ƒe sewo kple
nyagblɔɖilawo ƒe gbedeasiwo koe kplɔa mi. Gake Yohanes tsɔ nyanyui sia vɛ be
mawufiaɖuƒe la gbɔna kpuie. Eye fifia la ame geɖe ŋutɔ le ʋiʋlim vevie be yewoage ɖe
eme. 17 Gake esia mefia be sea ƒe ŋusẽ dzi ɖe kpɔtɔ le mɔ aɖeke nu o. Ŋusẽ gale eŋu
eye wòle te sesῖe abe dziƒo kple anyigba ene.
18 “Eya ta ne ame aɖe gbe srɔ̃a eye wòɖe nyɔnu bubu la ewɔ ahasi, eye ame si
hã ɖe nyɔnu si ŋu woɖe asi le la hã wɔ ahasi.”
Luka
76
Lododo le kesinɔtɔ kple Lazaro ŋuti
19 Yesu do lo sia be, “Ŋutsu kesinɔtɔ aɖe nɔ anyi, ame sia doa awu xɔasiwo eye wònɔa
dzidzɔkpɔkpɔ dzi gbe sia gbe. 20 Ŋutsu dahe aɖe si ŋkɔe nye Lazaro, ame si ƒe ŋuti yɔ
fũ kple abiwo eye wònye nubiala la va mlɔa kesinɔtɔ sia ƒe agbo nu. 21 Emlɔ afisia henɔ
mɔ kpɔm be nuɖuɖu kakɛ aɖe ava ka ye si tso kesinɔtɔ la ƒe nuɖukplɔ̃ dzi. Avuwo vanɔ
eƒe abiwo me ɖuɖɔm le agboa nu. 22 Mlɔeba la Lazaro nubiala la va ku eye
mawudɔlawo va kɔe yi Abraham gbɔ afi si ame dzɔdzɔewo nɔna. Kesinɔtɔ la hã ku
mlɔeba eye woɖii. 23 Eƒe lũʋɔ yi ɖe dzomavɔ me. Esi wònɔ fu kpem le afi ma la, ekpɔ
Lazaro ɖaa le Abraham gbɔ.
24 “Edo ɣli sesῖe be, ‘Fofo Abraham, kpɔ nye nublanui! Dɔ Lazaro ɖa be wòade
eƒe asibidɛ tsi me atsɔ age ɖe nye aɖe dzi be nye dzi nafa vie, elabena nye veme ƒu
kplakplakpla le dzo gã sia me.’
25 “Gake Abraham gblɔ nɛ be, ‘Ŋutsu, ɖo ŋku edzi bena le wò agbeme ŋkekewo
me la, èkpɔ nu sia nu si nèdi, ke naneke menɔ Lazaro ya si o. Ale le afi sia la, ekpɔ
akɔfafa, ke wò ya èle vevesese me. 26 Hekpe ɖe esia ŋu la, ʋe gã aɖe le mí kpli wò
dome, ale be ne ame aɖe be yeatso afii ava mia gbɔ la, ʋe la gbɔ ko wòava se eye ame
aɖeke hã mate ŋu atso mia gbɔ ava mía gbɔ o.’
27 “Ale kesinɔtɔ la gblɔ be, ‘Fofo Abraham, ekema dɔ Lazaro ɖe fofonye ƒeme
28 elabena nɔviŋutsu atɔ̃ bubuwo gale megbea bena wòagbe nya na wo tso agbe
si ƒomevi wole la ŋu be ne woawo hã va ku la, womava dzomavɔ sia me o.’
29 “Abraham ɖo eŋu be, ‘Mose kple Nyagblɔɖilawo le wo gbɔ, woaɖo to
woawo. 30 “Egblɔ be, ‘Ao, Fofo Abraham, nenye be ame aɖe atso ame kukuwo dome
Luka
77
ayi wo gbɔ la, woatrɔ dzime. 31 “Egblɔ nɛ be, ‘Nenye be womaɖo to Mose kple
Nyagblɔɖilawo o la, ne ame aɖe fɔ tso ame kukuwo dome gɔ̃ hã la mate ŋu aƒoe ɖe wo
nu woaxɔe o.’”
Yesu ƒo nu le nuɖiaɖianana nu vɔ̃ tsɔtsɔke kple xɔse ƒe dɔ ŋuti
(Mateo 18:6-7, 21-22; Marko 9:42)
17 Gbe ɖeka la, Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Tetekpɔ ava mia dzi ɖaa be miawɔ
nu vɔ̃ gake baba na ame si ate nɔvia kpɔ.”
2 Enyo nɛ be woatsɔ kpe gã aɖe atsi ɖe kɔ nɛ, eye woatsɔe ƒu gbe ɖe atsiaƒu me
wu esi wòaɖia ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka nu wòawɔ nu vɔ̃. 3 Eya ta minɔ ŋudzɔ.
“Ne nɔviwò wɔ nu vɔ̃ la, ka mo nɛ eye ne etrɔ le eƒe dzime la, tsɔe kee. 4 Ne eda
vo ɖe ŋuwò zi adre le ŋkeke ɖeka dzi eye wova zi adre va gblɔ be, ‘Metrɔ dzime, la
ekema tsɔe kee.”
5 Le ɣebubuɣi la, apostoloawo gblɔ na Aƒetɔ la be, “Míedi be míaƒe xɔse nasẽ ŋu
ɖe edzi. Fia nu si míawɔ la mí.”
6 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nenye be xɔse le mia si lolo abe kutsetse suetɔ
kekeake ene la, ate ŋu ana be miaɖe gbe na ati gã sia be neho yi ɖadze ƒu me eye wòawɔ
miaƒe gbe dzi.”
7 Mia dometɔ ka ƒe dɔla anɔ agble ŋlɔm alo le alẽ kplɔm eye wòtrɔ tso agble va
aƒeme eye wòagblɔ na dɔla be, ‘Va nɔ anyi eye naɖu nu? 8 Ke magblɔ nɛ boŋ be, ‘Wɔ
nye fiẽnuɖuɖu, dzra ɖokuiwo ɖo eye nava subɔm le nye kplɔ̃ ŋuti maɖu nu eye mano nu,
le esia megbe wo hã naɖu nu nano nu oa? 9 ɖe wòada akpe na dɔla la elabena ewɔ nu si
Luka
78
wogblɔ nɛ be newɔa? 10 Alea kee nenye be mieɖo tom la, mele be miabu be, ele be
makafu mi o, elabena miaƒe dɔdeasi ko miewɔ!”
Dɔyɔyɔ anyidzela ewoawo
11 Esi wonɔ woƒe mɔzɔzɔ dzi ɖo ta Yerusalem la, wova ɖo Galilea kple Samaria ƒe liƒo
dzi. 12 Woge ɖe kɔƒe aɖe me eye le afi ma la, wokpɔ kpodɔléla ewo wonɔ tsitre ɖe
adzɔge nɔ ɣli dom be, 13 “Aƒetɔ Yesu kpɔ nublanui na mí”
14 Yesu trɔ kpɔ wo hegblɔ na wo be, “Miyi ɖe osɔfowo gbɔ miatsɔ mia ɖokuiwo
fia be yewo ŋuti kɔ!” Esi wonɔ mɔa dzi yina la, wokpɔe be kpodɔ la bu le yewo ŋu.
15 Wo dometɔ ɖeka trɔ va Yesu gbɔ kple dzidzɔ henɔ ɣli dom be, “Woakafu
Mawu, elabena nye lãme sẽ.” 16 Edze klo ɖe Yesu ƒe akɔme le anyigba eye woda akpe
nɛ le esi wòyɔ dɔe ta. Ame sia nye Samariatɔ ame siwo womebuna ɖe naneke me o.
17 Yesu biae be, “Menye ŋutsu ewo ŋue meda gbe le oa? Asieke mamleawo ya
ɖe? 18 Nu ka ta wònye amedzro sia koe trɔ va be yeakafu Mawu?”
19 Yesu gblɔ na ŋutsua be, “Tso nàdzo, wò xɔsee da gbe le ŋuwò.”
Yesu ƒo nu le mawufiaɖuƒe la ƒe vava ŋuti
(Mateo 24:23-28, 37-41)
20 Gbe ɖeka la, Farisitɔwo va bia Yesu be “ɣekaɣie mawufiaɖuƒea le egɔme dze ge?”
Yesu ɖo eŋu be, “Mawufiaɖuƒea mava kple dzesi siwo miakpɔ kple ŋku o. 21 Miate ŋu
agblɔ be, edze egɔme tso afi sia alo dukɔ la ƒe akpa kemɛ o. Elabena mawufiaɖuƒe la le
mía dome xoxo.”
22 Emegbe la Yesu gaƒo nu le nu sia ŋu na eƒe nusrɔ̃lawo be, “ɣeyiɣi aɖe gbɔna
esi miadim be manɔ mia gbɔ ŋkeke ɖeka pɛ ko. Gake nyemanɔ anyi o.”
Luka
79
23 “Amewo ava gblɔ na mi be metro gbɔ eye mele afii alo afi mɛ. Migaxɔ wo
dzi se o, eye migayi be yewoadim o.”
24 “Elabena ne matrɔ gbɔ la mianya kokoko. Nye tɔtrɔ gbɔ adze nyuie abe ale si
dzi kea dzo le alilῖkpowo mee ene, be ame sia ame nakpɔe. 25 Gake gbã la, ele be
makpe fu vevie eye dukɔ blibo sia nagbe nu le gbɔnye.”
26 “Hafi matrɔ agbɔ la, xexeame anɔ abe ale si wònɔ le Noa ŋɔli pɛpɛpɛ ene. 27
Amewo nɔ nutsu ɖum, nɔ srɔ̃ ɖem eye agbe vivi ɖuɖu nɔ edzi vevie va se ɖe esime Noa
ge ɖe eƒe aɖakaʋu la me eye tsiɖɔɖɔ va tsrɔ̃ ame bubuawo katã.”
28 “Xexeame anɔ abe ale si wònɔ le Lɔt ƒe ŋkekewo me ene. Ame sia ame nɔ eƒe
gbe sia gbe dɔ wɔm pɛpɛpɛ. Wonɔ nu ɖum, nɔ nu nom, wonɔ asi ƒlem, wode agble, tu
xɔ gãwo 29 va se ɖe ŋdi si Lɔt dzo le Sodom. Eye dzo kple dzokpexɔxɔwo dza tso dziƒo
hetsrɔ̃ ameawo katã.” 30 Ẽ, nenema ke amewo anɔ woƒe dɔwo dzii va se ɖe esime
gaƒoƒo si dzi matrɔ gbɔ la naɖo.
31 “Ame siwo manɔ aƒe gbe ma gbe o la, megatrɔ yi aƒeme be yewoaƒo ƒu
yewoƒe nuwo o.” Ame siwo le agble la megaxa trɔ yi aƒeme le dua me o. 32 Miɖo ŋku
nu si dzɔ ɖe Lɔt srɔ̃ dzi! 33 Ame sia ame si adi vevie be yeatsi agbe la aku eye ame si
aku la atsi agbe. 34 Le zã ma me la ame eve amlɔ abati ɖeka dzi eye woava kplɔ ɖeka
dzoe agblẽ ɖeka ɖi.
35 Nyɔnu eve woanɔ wɔ tum le teƒo, woaxɔ ɖeka, eye woagblẽ evelia ɖi. 36 Ame
eve lanɔ agbleme woatsɔ ɖeka agblẽ evelia ɖi.
37 Eƒe nusrɔ̃lawo biae be, “Aƒetɔ afi kae woakplɔ wo ayi?”
Luka
80
Yesu ɖo eŋu na wo bena, “Afi si wotsɔ nukukuwo ƒu gbe ɖo la, afi mae
akagawo hã nɔna!”
Lododo le ahosi kple ʋɔnudrɔ̃la la ŋu
18 Gbe ɖeka la Yesu do lo sia na eƒe nusrɔ̃lawo be wòatsɔ fia wo be ehῖa be woanɔ
gbedodoɖa dzi atraɖii va se ɖe esime woxɔ ŋuɖoɖo na woƒe biabiawo.
2 Egblɔ na wo be, “ʋɔnudrɔ̃la aɖe nɔ du gã aɖe me. Ame sia mevɔ̃a Mawu o, eye
mebua ame aɖeke hã ɖe naneke me o. 3 Ahosi aɖe si hã nɔ dua me la vaa ʋɔnudrɔ̃la sia
gbɔ gbe sia gbe va nɔ kuku ɖem nɛ be wòatso afia na ye le ye kple ŋutsu aɖe si dze agɔ
le ye dzi la ƒe nya me. 4 “Hena ɣeyiɣi aɖe la, egbe be yemaɖo toe o. Ke mlɔeba la egblɔ
na eɖokui bena, ‘Togbɔ be nyemevɔ̃a Mawu alo bua amewo ɖe naneke me o hã la, 5 le
ahosi sia ƒe fuɖeɖe nam atraɖii ta la, makpɔ egbɔ be wotrɔ nu si nye etɔ la nɛ ale be
magana be nu nati kɔ nam mlɔeba la le eƒe fuɖeɖe nam ta o!’”
6 Yesu yi edzi be, “Nenye be woɖe fu na ʋɔnudrɔ̃la vɔ̃ɖi sia va se ɖe esime wòlɔ̃
be yeawɔ nu si wobia tso esi la ɖe 7 miebu be Mawu matso afia na via siwo le
kuku ɖem nɛ zã kple keli la oa? 8 Le nyateƒe me, àɖo woƒe biabiawo ŋu na wo
enumake. Gake biabia lae nye be, Nenye be nye Mesia la, metrɔ gbɔ ɖe, ame nenie
makpɔ siwo ƒe xɔse anɔ te eye woanɔ gbedodo ɖa dzi?”
Lododo le Farisitɔ kple nudzɔla la ŋu
9 Azɔ Yesu do lo sia na ame aɖewo siwo dana eye womekpɔ ame bubu ɖe naneke me o
la be, 10 “Ame eve aɖewo yi gbedoxɔ me be woado gbe ɖa. ɖeka nye Farisitɔ eye
Luka
81
evelia nye nudzɔla aɖe. 11 Farisitɔ la do gbe ɖa be, ‘Meda akpe na Mawu be, nyemenye
nu vɔ̃ wɔla abe ame bubuwo ene o, vevitɔ abe nudzɔla si le afi mɛ ɖa ene o.” Elabena
nyemebaa ame o, nyemewɔa ahasi o, 12 meblaa nu zi eve le kwasiɖa ɖeka me, eye
metsɔa nye nukpɔkpɔwo ƒe ewolia naa Mawu.’
13 “Gake nudzɔla la nɔ tsitre ɖe adzɔge afi aɖe ke eye wòde mo to heƒo eƒe akɔta
kple vevesese do gbe ɖa kple ɣli be, ‘Mawu, kpɔ nublanui na nye nu vɔ̃ wɔla sia.’ 14
Mele egblɔm na mi bena, nudzɔla sia trɔ yi aƒeme kple dzidzɔ elabena wotsɔ eƒe nu
vɔ̃wo kee! Ke wometsɔ Farisitɔ la ƒe nu vɔ̃ ke o, elabena woabɔbɔ dadalawo katã ɖe
anyi eye woado ame siwo bɔbɔa wo ɖokui la ɖe dzi.”
Yesu yra ɖevi suewo
(Mateo 19:13-15; Marko 10:13-16)
15 Gbe ɖeka la, dzila aɖewo kplɔ wo viwo vɛ be Yesu nada asi ɖe wo dzi ayra wo.
Gake nusrɔ̃lawo nya wo ɖa be woadzo.
16 Ke Yesu yɔ ɖeviawo va eɖokui gbɔe eye wògblɔ be, “Mina ɖevi suewo nava
gbɔnye eye migaxe mɔ na wo o, elabena ame sia tɔgbiwo tɔe nye mawufiaɖuƒe la. 17 Le
nyateƒe me, mele gblɔm na mi be, ame si maxɔ mawufiaɖuƒe la abe ɖevi sue ene o la
mage ɖe eme gbeɖe o.”
ɖekakpui kesinɔtɔ la
(Mateo 19:16-30; Marko 10:17-31)
18 Gbe ɖeka la, Yudatɔwo ƒe kplɔla ɖeka biae be, “Nufiala nyui, nu kae mawɔ be mayi
dziƒo?”
Luka
82
19 Yesu biae be, “Ebu be ènya nu si gblɔm nèle esi nèyɔm be ame nyuia? Le
nyateƒe me la, ame aɖeke menyo o, negbe Mawu ɖeka ko. 20 Ke le wò biabia ŋu la,
magblɔ be ènya seawo xoxo be, mègawɔ ahasi o, mègafi fi o, mègawu ame o, mègada
alakpa o, bu fofowò kple dawò, kple bubuawo.” 21 Ŋutsua ɖo eŋu nɛ be, “Mewɔ ɖe se
siawo katã dzi tso keke nye ɖevime ke.”
22 Yesu gblɔ nɛ be, “Esusɔ nu vevi ɖeka nàwɔ, yi nàdzra nu siwo katã le asiwò
eye nàtsɔ ga la na ame dahewo; esia anye kesinɔnu na wò le dziƒo ekema, va nàdze
yonyeme.”
23 Gake esi ŋutsua se nya sia la, etrɔ dzo nublanuitɔe, elabena kesinɔtɔ gã aɖe
wònye.
24 Yesu nɔ eyome kpɔm esi wòyina eye wògblɔ be, “Asesẽ na kesinɔtɔ ŋutɔ be
woageɖe mawufiaɖuƒe la me! 25 Anɔ bɔbɔe na kposɔ be wòato abi ƒe vo me ado, tsɔ wu
be kesinɔtɔ nage ɖe mawufiaɖuƒea me.” 26 Ame siwo le afi ma se nya si wògblɔ la gblɔ
be, “Nenye be esesẽ alea ɖe, ekema ame ka koŋ ate ŋu akpɔ ɖeɖe sia?”
27 Eɖo eŋu be, “Mawu ate ŋu awɔ nu si amegbetɔ mate ŋu awɔ o!” 28 Petro gblɔ
nɛ be, “Míawo la míegblẽ míaƒe aƒewo kple nu sia nu ɖi dze yowòme.” 29 Yesu ɖo eŋu
be, “Esia le me vavã eye ame sia ame si gblẽ eƒe aƒe, srɔ̃a, nɔviawo, dzilawo alo viawo
ɖi ɖe mawufiaɖuƒea ta la, 30 akpɔ fetu geɖe fifia, eye wòakpɔ agbe mavɔ hã le xexeme
si le vava ge la me.”
Yesu gblɔ eƒe ku kple tsitretsitsi ɖi zi etɔ̃lia
(Mateo 20:17-19; Marko 10:32-34)
Luka
83
31 Eyɔ nusrɔ̃la wuieveawo va eɖokui gbɔ, gblɔ na wo be, “Abe ale si mienyae ene la,
míeyina Yerusalem. Ne míeɖo afi ma la nyagblɔɖi siwo katã nyagblɔɖilawo gblɔ ɖi tso
ŋutinye la le eme va ge. 32 Woatsɔm ade asi na Trɔ̃subɔlawo be woaɖu fewu le ŋunye,
ado ŋukpem nyuie, woaɖe ta ɖe ŋunye, 33 aƒom eye woawum. Eye le ŋkeke etɔ̃a gbe la
mafɔ tso ku me.” 34 Nusrɔ̃lawo mese eƒe nya siwo wògblɔ la ɖeka pɛ hã gɔme o,
elabena edze abe ele nu ƒom na wo le lododo me ene.
Yesu da gbe le nubiala ŋkuagbãtɔ aɖe ŋu le Yeriko
(Mateo 20:29-34; Marko 10:46-52)
35 Esi wote tu Yeriko la, wokpɔ nubiala ŋkuagbãtɔ aɖe wonɔ mɔ to nɔ nu biam le
mɔzɔlawo si. 36 Esi wòse ameha aɖe ŋkɔ wòva yina la, ebia ame aɖe be wòagblɔ nu si
nɔ dzɔdzɔm la na ye. 37 Amea gblɔ nɛ be, “Yesu Nazaretitɔ lae va yina.” 38 Ale wode
asi ɣlidodo me be, “Yesu David Vi la, kpɔ nye nublanui!”
39 Ame siwo nɔ Yesu ŋgɔ la di be yewoaɖo asi ŋkuagbãtɔa dzi, gake ɖeko
wògado ɣlia sesῖe wu be, “David Vi, kpɔ nye nublanui.” 40 Esi Yesu va ɖo afi si wònɔ
la, etɔ, eye wògblɔ be, “Mikplɔ ŋkuagbãtɔ ma va afii.” 41 Esi wòva la, Yesu biae be,
“Nu ka dim nèle tso asinye?” Ŋkuagbãtɔ la ɖe kuku nɛ gblɔ be, “Aƒetɔ medi be makpɔ
nu!”
42 Yesu gblɔ nɛ be, “Enyo wò ŋkuwo neʋu nakpɔ nu. Wò xɔse da gbe le ŋuwò.”
43 Ŋutsua de asi nukpɔkpɔ me enumake eye wòdze Yesu yome henɔ Mawu
kafum. Ame siwo katã kpɔ nu si dzɔ la hã kafu Mawu.
Luka
84
Yesu dze nudzɔla Zaxeo gbɔ
19 Yesu ge ɖe Yeriko du la me eye wòzɔ to dua me. 2 Ŋutsu aɖe nɔ dua me, ame si
ŋkɔe nye Zaxeo. Enye nudzɔlawo ƒe amegã eye wònye kesinɔtɔ hã. 3 Ame sia di be
yeakpɔ Yesu, gake mete ŋui o, esi wònye ame kpui ta, eye amehawo hã ƒo xlãe. 4 Le
esia ta eƒu du dze wo ŋgɔ, yi ɖalia ati kɔkɔ aɖe si le mɔa to, be yeakpɔe tso afi ma.
5 Esi Yesu va ɖo atia te la, ewu mo dzi kpɔ Zaxeo le atia me. Eyɔ eŋkɔ be,
“Zaxeo, ɖi kaba! Elabena madze aƒewò me egbe.”
6 Zaxeo ɖi le atia dzi kaba eye wòkplɔ Yesu yi eƒemee le dzidzɔ gã aɖe me. 7 Nu
sia medzɔ dzi na ameha la o. Wolῖ liʋiliʋῖ gblɔ be, “Eyi be yeadze nu vɔ̃ wɔla gã sia
ƒeme.”
8 Le aƒea me la Zaxeo gblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ tso azɔ la matsɔ nye kesinɔnuwo
ƒe afã na ame dahewo, eye ne mexɔ ga le ame aɖe si wu ale si wòle be maxɔ la, maɖo
eteƒe nɛ zigbɔzi ene sɔŋ!”
9 Yesu gblɔ nɛ be, “Egbe xɔxɔ va aƒe sia me, elabena ame sia hã la Abraham vi
wonye. 10 Elabena Amegbetɔvi la va be yeadi eye yeaɖe ame siwo bu.
Lododo le sikaga ewoawo ŋuti
(Mateo 25:14-30)
11 Esi Yesu nɔ tetem ɖe Yerusalem ŋu la, edo lo aɖe si awɔe be amewo nagabu be
mawufiaɖuƒe la le egɔme dze ge enumake o. Egblɔ be,
12 “Bubume aɖe si nɔ nuto aɖe me le anyigba aɖe dzi la xɔ du be wòava anyigba
la ƒe du gãtɔ me ale be woatsɔe aɖo fiae ɖe eƒe nutometɔwo nu. 13 Hafi wòadzo la eyɔ
Luka
85
eƒe dɔlawo dometɔ ewo ƒo ƒui eye wòtsɔ ga sidi akpe eve na wo dometɔ ɖe sia aɖe be
wòatsɔ anɔ asi tsamii hafi yeagbɔ. 14 Gake eteviwo lé fui eye wodɔ amewo ɖo ɖe
eyome gblɔ be, “Míele ame sia dim be wòaɖu fia ɖe mía dzi o.”
15 Togbɔ be ele alea hã la, woɖoe fiae eye wòtrɔ gbɔ va aƒe. Tete wòdɔ be
woayɔ eƒe subɔlawo siwo wòtsɔ ga na la be yeakpɔe ɖa be wowɔ ga la ŋudɔ kpɔ viɖe
aɖe mahã.
16 “Ame gbãtɔ wɔ akɔnta eye wògblɔ ale si wòkpɔ viɖe teƒe ewo ɖe edzi la nɛ.”
17 “Fia la kafui gblɔ be, ‘Enyo ŋutɔ! Èɖi anukware le nu sue si metsɔ na wò me,
eye abe wò fetu ene la matsɔ du ewo ade wò dzikpɔkpɔ te.’
18 “Ame evelia hã kpɔ viɖe ŋutɔ. Ekpɔ viɖe teƒe atɔ̃ ɖe ga si wotsɔ nɛ la dzi. 19
Eƒe aƒetɔ gblɔ nɛ be, ‘Esia hã nyo! Matsɔ du atɔ̃ ade wò dzikpɔkpɔ te.’
20 “Ame etɔ̃lia ya gagbugbɔ ga la vɛ pɛpɛpɛ. Mewɔ viɖe aɖeke ɖe edzi o. Egblɔ
be, ‘Metsɔ ga la dzra ɖo na wò be wòanɔ dedie, 21 elabena mevɔ̃ be àbia viɖe tso
asinye, evɔ wò nya ɖe wòsesẽ, èxɔa nu si menye tɔwò o le amewo si akpasesẽtɔe. Èxɔa
amewo ƒe agblewo le wo si akpasesẽtɔe gɔ̃ hã.’ 22 Fia la do dɔmedzoe hegblɔ na dɔla
vɔɖi la be, ‘Wò kuviatɔ nèbe menye ŋutasẽla. Wò ŋutɔ wò nuƒoƒoe matsɔ adrɔ̃ ʋɔnu
wòe. Ne ènya nyuie be ŋutasẽla menye ɖe, 23 nu ka tae mètsɔ ga la da ɖe gadzraɖoƒe
bena wòahe viɖe vi aɖe teti vɛ nam o?”
24 “Etrɔ ɖe ame mamle siwo le tsitre la gbɔ eye wòɖe gbe na wo be, ‘Mixɔ ga la
le esi ne miatsɔe na ame si kpɔ viɖe geɖe ɖe etɔ dzi la.’
25 “Woɖo eŋu nɛ be, ‘Aƒetɔ, ga geɖe le ame ma si xoxo ɖe!’ 26 Fia la ɖo eŋu be,
‘Ele eme nenema, gake enye nyateƒe matrɔmatrɔ be, ame siwo si nu le la, woawoe
Luka
86
agakpɔ nu ɖe edzi eye ame si si nu sue aɖe le la abu sue si le esi la gɔ̃ hã le ɣeyiɣi
kpui aɖe me. 27 Azɔ le nye futɔ siwo tsi tre ɖe ŋunye gome la, mikplɔ wo va
ŋkunyemee ne miatso ta le wo nu.’
Yesu yi Yerusalem abe dziɖula ene
(Mateo 21:1-11; Marko 11:1-11; Yohanes 12:12-19)
28 Esi Yesu wu lo sia dodo nu la, edze nusrɔ̃lawo ŋgɔ ɖo ta Yerusalem. 29 Esi wova ɖo
Betfage kple Betania, du siwo le Amito dzi me la, edɔ eƒe nusrɔ̃la eve be woadze ŋgɔ
ayi kɔƒe si le wo ŋgɔ la me. 30 Ebe ne woge ɖe kɔƒea me la, woatsa ŋku na tedzi aɖe si
wode kae ɖe mɔ to la. Enye tedzivi si ame aɖeke medo kpɔ o. Egblɔ kpe ɖe eŋu be, “Ne
miekpɔe la, mitu kae ne miakplɔe va afii. 31 Eye ne ame aɖe bia mi nu si ta miele ka
tumii la, migblɔ ko be, ‘Aƒetɔ la hiãe.’”
32 Wokpɔ tedzivi la abe ale si Yesu gblɔe ene 33 eye esi wonɔ ka tumii la,
nutɔwo va wo gbɔ va bia wo be, “Nu kae ma wɔm miele? Nu ka tae miele ka tum míaƒe
tedzivia?”
34 Nusrɔ̃lawo ɖo eŋu na wo dzaa be, “Aƒetɔ la hiãe.” 35 Ale wokplɔ tedzivi la
vɛ na Yesu eye woɖo woƒe avɔwo ɖe edzi be wòanɔ edzi.
36 Esi wònɔ yiyim la amewo tsɔ woƒe avɔwo keke ɖe mɔƒo me nɛ. 37 Azɔ esi
wògogo teƒe si woɖia Amito la ƒe aga lena la, nusrɔ̃lawo ƒe ha blibo la de asi Mawu
kafukafu me kple gbe sesῖe le nukunu siwo wokpɔ la ta,
38 gblɔ bena, “Woayra Fia si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa me!”
“Ŋutifafa le dziƒo, eye ŋutikɔkɔe le dziƒo boo !”
Luka
87
39 Gake Farisitɔ aɖewo siwo nɔ ameawo dome la gblɔ na Yesu be; “Aƒetɔ, na be
ameawo nadzudzɔ nya siawo gbɔgblɔ!”
40 Eɖo ŋu na wo be, “Nenye be ameawo zi ɖoɖoe hã la kpe siwo le mɔto afii la
ade asi aseyetsotso me.”
Yesu fa avi ɖe Yerusalem ŋu
41 “Esi wote ɖe Yerusalem ŋu eye wòkpɔ dua la efa avi ɖe eŋu, 42 eye wògblɔ be, Wò
hã, ne ɖe nànya nu si na ŋutifafa wò le ŋkeke sia me hafi, ke eɣla ɖe wò ŋkuwo fifia.
43 Wò futɔwo aƒu kpo ɖe wò gliwo ŋu, aɖe to ɖe wò eye woadze dziwò, 44 atugu wò
agbã wò gudugudu elabena ègbe mɔnukpɔkpɔ si Mawu na wò be nadzudzɔ nu vɔ̃ la.”
Yesu nya nudzralawo le gbedoxɔ me
(Mateo 21:12-17; Marko 11:15-19; Yohanes 2:13-22)
45 Azɔ Yesu ge ɖe gbedoxɔ la me eye wòde asi asiƒlelawo nyanya me. 46 Egblɔ na wo
be; “Mawunya gblɔ be, ‘Nye gbedoxɔ la enye gbedoɖaƒe’, gake miawo la mietsɔe wɔ
fiafitɔwo ƒe nɔƒee!”
47 Le esia megbe la efia nu le gbedoxɔ la me gbe sia gbe, gake osɔfogãwo,
agbalẽfialawo kple ame ŋkuta siwo le dua me la nɔ mɔnu dim bena yewoaɖe eƒe
agbe ɖa. 48 Ke wo mekpɔ mɔ si dzi woato o, elabena ame sia me kloe lɔ̃e vevie eye eƒe
nyawo sɔ tome na wo ŋutɔ.
Wobia nya Yesu le eƒe ŋusẽkpɔtsoƒe ŋuti
(Mateo 21:23-27; Marko 11:27-33)
Luka
88
20 Esi Yesu nɔ nu fiam amewo eye wònɔ nyanyui la gblɔm na wo le gbedoxɔ la me le
ŋkeke mawo dometɔ ɖeka dzi la, osɔfogãwo kple agbalẽfialawo kple dumegãwo va ƒo
xlãe heɖe ɖeklemi kplii. 2 Wobiae be, “Ame kae na ŋusẽ wò be nànya asitsalawo do goe
le gbedoxɔ me?”
3 Eɖo eŋu be, “Nye hã mabia biabia ɖeka mi hafi maɖo miaƒe biabia ŋu na mi. 4
Biabia lae nye, ‘Yohanes ƒe mawutsideta la ɖe, Mawu gbɔe wòtso loo alo eya ŋutɔe tsɔe
ɖo eɖokui dzi nɔ nu si dze eŋu la wɔma?”
5 Wodzro biabia la ŋu le wo nɔewo dome kpɔ hegblɔ be, “Ne míegblɔ be Mawue
dɔe ɖa la ekema míede mía ɖokuiwo nya me, elabena abia mí be, ‘Nu ka tae míexɔ edzi
se o maha?’ 6 Ne míegblɔ hã be menye Mawue dɔe ɖa o la, ekema ameha la katã awɔ
funyafunya mí, elabena woxɔe se vevie be Yohanes nye nyagblɔɖila.” 7 Mlɔeba la woɖo
eŋu nɛ be, “Míenya afi si wòtso o.”
8 Ale Yesu gblɔ na wo be, “Ekema nye hã nyemaɖo miaƒe biabia la ŋu na mi o.”
Lododo le waingble kple edzikpɔla ŋu
(Mateo 21:33-46; Marko 12:1-12)
9 Yesu gatrɔ ɖe ameha la gbɔ eye wòdo lo sia na wo be, “Ŋutsu aɖe de waingble eye
wòtsɔe de agbledela bubuwo si hedzo yi du didi aɖe me afi si wònɔ ƒe geɖe. 10 Esi
nuŋeɣi ɖo la edɔ eƒe dɔla ɖeka ɖo ɖe agbledelawo gbɔ be wòava xɔ waintsetsea ƒe akpa
si nye tɔ gome la vɛ. Gake agblea dzikpɔlawo ƒo dɔla la vevie eye wogbugbɔe ɖo ɖa asi
ƒuƒlu. 11 Agbletɔ la gadɔ dɔla bubu ɖa gake wowɔ eya hã nenema, woƒoe, dzui nyuie
eye wonyae dzoe asi ƒuƒlu. 12 Agbletɔ la gadɔ ame etɔ̃lia ɖo ɖa agblea dzikpɔlawo gbɔ
Luka
89
ake gake eya hã kpɔ nuteƒe abe ame gbãtɔ eveawo ene. Wode abi eŋu eye wonyae ɖe du
nu wòdo go le agbelea me heyi aƒe asi ƒuƒlu.”
13 “Agbletɔ la gblɔ na eɖokui azɔ be, ‘Menya nu si mawɔ! Madɔ vinye ɖeka hɔ̃
la ɖe wo gbɔ. Meka ɖe edzi be woade bubu eya ŋu.’”
14 “Gake esi agblea dzikpɔlawo kpɔ via wògbɔna la, wogblɔ be, ‘Nu si dim
míele la va ɖo. Ame si avanyi eƒe dome nenye be megali o lae nye esi va do! Mina
míawui bena eƒe domenyinua nazu míatɔ.’15 Ale wolée, hee le anyigba do goe le
waingblea me heyi ɖawu.” Yesu bia ameha la be, “Nu ka miebu be agbletɔ la awɔ? 16
Magblɔe na mi. Agbletɔa ava eye wòana woawu ame vɔ̃ɖi siawo eye wòatsɔ waingble la
de ame bubuwo ƒe dzikpɔkpɔ te.” Nyaselawo alo ameha la gblɔ nɛ be,
“Agbledzikpɔlawo mate ŋu awɔ nu vɔ̃ɖi sia ƒomevi o ɖe.”
17 Yesu kpɔ wo dũ hegblɔ be, “Ke nu kae mawunya wɔnɛ esi wogblɔ be, ‘Kpe si
xɔtulawo gbe la, eyae va zu kpe si wotsɔ ɖo dzogoe na xɔa’?” 18 Egblɔ kpe ɖe eŋu be,
“Ame sia ame si akli kpe sia la aŋe afɔ. Ke ame si dzi wòage adze la, agbã gudugudu.”
19 Esi osɔfogãwo kple agbalẽfialawo se ŋutinya si Yesu gblɔ la, wodi be
yewoalée enumake, elabena wonya be yewo ŋutie wògblɔe ɖo. Woawoe nye
agbledzikpɔla vɔ̃ɖi siwo le ŋutinya la me. Gake wovɔ̃ bena ne yewo ŋutɔ yewolée la, ahe
ʋunyaʋunya vɛ.
Nudzɔdzɔ na Kaisaro
(Mateo 22:15-22; Marko 12:13-17)
20 Esi wonɔ mɔnu dim le eŋu ta la, wodɔ ame aɖewo ɖe egbɔ bena woawɔ wo ɖokuiwo
abe ame dzɔdzɔewo ene eye woabia biabiawoe. 21 Wova Yesu gbɔ va gblɔ nɛ be,
Luka
90
“Aƒetɔ, míenyae be nufiala anukwaretɔe nènye. Etoa nyateƒe ɣesiaɣi eye mèkpɔa ame
aɖeke hã ŋkume o, ke boŋ èfiaa nu si nye Mawu ƒe mɔwo. 22 Azɔ gblɔ wò susu na mí
tso nya sia ŋuti. Enyo be míadzɔ nu na Kaisaro loo alo menyo o.” 23 Yesu kpɔ aye si
wɔm ameawo nɔ la dze sii eya ta wògblɔ be, 24 “Mitsɔ kɔba ɖeka nam makpɔ ɖa. Ame
ka ƒe tatae nye sia le kɔba sia dzi ? Eye ame ka ƒe ŋkɔe le tata la te?”
Woɖo eŋu nɛ be, “Kaisaro si nye Roma duwo katã dziɖula ƒe tatae.”
25 Egblɔ na wo be, “Ekema mitsɔ nu siwo katã nye Kaisaro tɔ la nɛ eye mitsɔ nu
siwo katã nye Mawu tɔ la na Mawu!”
26 Ale mɔ̃ si wotre nɛ be wòaɖee le ameha la ŋkume la mete ŋu ɖee o. Eƒe
nyaŋuɖoɖo la wɔ nuku na wo ale gbegbe be ɖoɖoe zi le wo nu.
Ame kukuwo ƒe tsitretsitsi kple srɔ̃ɖeɖe
(Mateo 22:23-33; Marko 12:18-27)
27 Azɔ Zadukitɔ aɖewo, ame siwo xɔe se be ame kukuwo ƒe tsitretsitsi aɖeke meli o la
28 va Yesu gbɔ kple nya sia be, “Mose ƒe se gblɔ be nenye be ŋutsu aɖe ɖe srɔ̃ gake wo
kple srɔ̃a medzi vi hafi wòku o la, nɔvia ŋutsu naɖe ahosia eye vi si woadzi la anye ame
si ku la tɔ, eye wòavaxɔ ɖe eteƒe nenye be eva tsi 29 míenya ƒome aɖe, si me ɖekakpui
adre nɔ. Tsitsitɔ ɖe srɔ̃ gake medzi vi aɖeke hafi ku o. 30 Ame si dzɔ ɖe eyome la ɖe
ahosia gake eya hã medzi vi kplii hafi trɔ megbe o. 31 Nu sia yi dzi ʋuu va se ɖe
esime ɖekpakpui ewoawo katã ɖe ahosia kpɔ gake ɖeke medzi vi kplii hafi ku o. 32
Nyɔnua hã va ku mlɔeba. 33 Azɔ míaƒe biabia lae nye be, Ame ka srɔ̃e nyɔnu sia anye
nenye be wofɔ tso ku me? Elabena ŋutsuawo katã ɖee kpɔ!”
Luka
91
34 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ame siwo le agbe le xexe sia mee woɖo srɔ̃ɖeɖe anyi
na. 35 Gake ame dzɔdzɔe siwo woafɔ ɖe tsitre yi dziƒo la womaɖe srɔ̃ o. 36 Womagaku
hã o, ale woanɔ abe mawudɔlawo ene, eye woanye Mawu viwo, elabena wofɔ wo ɖe
tsitre yi agbe yeye mee.
37 Ke le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋuti la, Mose gɔ̃ hã gblɔe fia le ŋuve mumu si
nɔ bibim la gbɔ, esi woyɔ Mawu be, ‘Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe
Mawu.’ 38 Ke menye ame kukuwo ƒe Mawu wonye o ke boŋ ame gbagbewo tɔe,
elabena le eya gbɔ wo katã wole agbe nɛ.
39 Sefialawo dometɔ aɖewo gblɔ be, Nufiala, egblɔe nyuie ŋutɔ!” 40 Ale
wodzudzɔ woƒe biabiawo elabena dzi megale wo ƒo be woagabia nya ɖekee o.
Ame ka vie nye Kristo
(Mateo 22:41-46; Marko 12:35-37)
41 Azɔ Yesu tsɔ biabia sia ɖo woƒe ŋkume be, “Nu ka tae wogblɔ be Kristo Mesia la
nye Fia David ƒe vi?
42 Elabena David ŋutɔ gblɔ le Psalomowo ƒe agbalẽ me be, “Aƒetɔ la gblɔ na nye
Aƒetɔ be. Bɔbɔnɔ nye nuɖusi me, 43 va se ɖe esime matsɔ wò ketɔwo awɔ wò
afɔɖodzinu.” 44 David yɔe be, “Aƒetɔ” Ale ke wɔ wòaganye via?
Yesu xlɔ̃ nu nusrɔ̃lawo le agbalẽfialawo ŋuti
(Mateo 23:1-36; Marko 12:38-40, Luka 11:37-54)
Luka
92
45 Yesu trɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu le esime ameha la nɔ to ɖomii eye wògblɔ na wo be, 46
“Mikpɔ nyuie le agbalẽfiala siawo ŋuti, elabena woɖoa atsyɔ̃ gãwo nɔa yiyim, eye ne
wole ablɔ dzi la wodina be amewo nabɔbɔ ado gbe na yewo bubutɔe. Wolɔ̃a teƒe
kɔkɔwo nɔnɔ le ƒuƒoƒewo kple azã bubuwo ɖuƒe. 47 Ke ne wole woƒe gbe didi mawo
dom ɖa hele atsyia dem eme la, woganɔa susu wɔm le ale si woawɔ aba ahosi dahewo la
ŋuti. Eya ta Mawu ƒe tohehe gãtɔ le wo lalam.”
Ahosi aɖe ƒe nudzɔdzɔ
(Marko 12:41-44)
21 Esi Yesu nɔ tsitre ɖe gbedoxɔ la me la, enɔ ŋku lém ɖe ale si kesinɔtɔwo le woƒe
nunanawo dam ɖe nudzɔɖaka la me dadatɔe ŋuti. 2 Ke ekpɔ ahosi dahe aɖe hã va eye
woda pesewa eve ko ɖe nua me.
3 Yesu kpɔe dũ eye wògblɔ be, “Le nyateƒe me ne wotsɔ nunalawo katã ƒe
nunanawo ƒo ƒui la, ahosia ƒe nunana sɔ gbɔ sã wu wo tɔ. 4 Elabena nenem gatɔ siawo
tsɔ nu si womehiã o la ƒe sue aɖe ko vana eye togbɔ be ahosi sia, da ahe alea hã la, etsɔ
nu sia nu si le esi la na faa.”
Nyagblɔɖi tso gbedoxɔ la gbagbã
(Mateo 24:1-2; Marko 13:1-2)
5 Yesu ƒe nusrɔ̃la aɖewo nɔ nu ƒom le atsyɔ̃ gã si woɖo na gbedoxɔ la ŋuti. Wokpɔ
ŋudzedze le nɔnɔmetata siwo wota ɖe gliawo ŋu kple akpedanunana vovovo siwo
wotsi ɖe gliawo ŋu la ŋu ŋutɔ.
Luka
93
6 Yesu gblɔ na wo be, “ɣeyiɣi aɖe li gbɔna esime woagbã nu siwo kafum miele
la. Woagbãe ale gbegbe be kpe ɖeka pɛ hã magasusɔ ɖe nɔvia dzi o. Nu sia nu akaka
azu kpo kɔkɔ aɖe ɖe afi si gbedoxɔa le.”
Dzesiwo kple yometitiwo
(Mateo24:3-14; Marko 13:3-13)
7 Wo katã wodo ɣli biae be, “Aƒetɔ! ɣekaɣie esiawo ava eme? Dzesi kae ado ŋgɔ na nu
siawo?”
8 Eɖo ŋu na wo be, “Migana be ame aɖeke naflu mi o! Elabena ame geɖewo ava
aɖe gbeƒã be yewoe nye Mesia la, eye woanɔ gbɔgblɔm be, ‘ɣeyiɣi ɖo azɔ.’ Gake
migaxɔ wo dzi se o! 9 Eye ne miese be aʋa dzɔ eye ʋunyaʋunyawo hã dze egɔme la,
dzidzi megaƒo mi o. Nyateƒe ele be aʋawo nadzɔ, gake nuwuwua mava enumake o. 10
Elabena dukɔ atsi tre ɖe dukɔ ŋu, eye fiaɖuƒe akpe akɔ kple fiaɖuƒe. 11 Anyigba aʋuʋu
sesῖe le teƒewo, eye dɔ ato vevie le teƒe bubuwo hã. Dɔvɔ̃ geɖewo akaka ɖe xexeame,
eye nu dziŋɔ geɖewo ado ɖe dziƒo ŋu.
12 “Gake hafi nu siawo katã nava dzɔ la, woati mia yome vevie eye woahe mi
ayi woƒe ƒuƒoƒewo kple gaxɔwo me, woakplɔ mi ayi ʋɔnui le fiawo kple gɔvina gãwo
gbɔe. Woawɔ esiawo katã ɖe mia ŋu le tanye. 13 Nu siawo anye mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ na mi
be miaɖi ɖase le ŋunye na wo be woanya Mesia la nyuie eye woatsɔ bubu tɔxɛ nɛ. 14
Eya ta migatsi dzi le ale si miawɔ aʋli mia ɖokuiwo ta nenye be wotsɔ nya ɖe mia ŋu la
o, 15 elabena mana nunya mi eye made nya siwo katã miagblɔ la nu me na mi ale be
ame aɖeke mate ŋu atsi tre ɖe nu siwo miagblɔ la ŋu o. 16 Azɔ ame siwo nye miawo
Luka
94
ŋutɔ ŋutimewo, abe mia dzilawo, nɔviŋutsuwo, nɔvinyɔnuwo kple xɔlɔ̃ veviwo ene la
ade mi asi eye woana woava lé mi, eye woawu mia dometɔ aɖewo gɔ̃ hã. 17 Ame sia
ame alé fu mi elabena mienye tɔnyewo ta. 18 Gake le nyateƒe me la, miaƒe taɖa ɖeka pɛ
hã matsrɔ̃ o. 19 Elabena ne miele tsitre sesῖe la, ekama miaƒe luʋɔwo akpɔ ɖeɖe.
Nyagblɔɖi tso Yerusalem ƒe aƒedozuzu ŋuti
(Mateo 24:15-21; Makro 13:14-19)
20 “Nenye be miekpɔ asrafowo woƒo xlã Yerusalem dua la, ke minyae be dua gbãɣi ɖo
vɔ. 21 Ekema mina ame siwo le Yudea la nasi ayi togbɛwo dzi eye ame siwo le
Yerusalem la nadze agbagba asi, ke ame siwo le dua godo la megate kpɔ be yewoatrɔ
ayi dua me o. 22 Ŋkeke siawoe nya si nyagblɔɖila xoxoawo katã gblɔ da ɖi la ava eme
pɛpɛpɛ. 23 Ke, baba na nyɔnu siwo ƒo fu le kple ame siwo si vidzῖ f›wo le, elabena
nuxaxa geɖe ava anyigba sia dzi eye Mawu ƒe dɔmedzoe ava dukɔ sia dzi. 24 Woawu
wo tamesesẽtɔe alo woaɖe aboyo wo ayi xexeme dukɔ bubuwo mee. Trɔ̃subɔlawo aɖu
Yerusalem dua dzi agbãe gudugudu. Esia ayi dzi va se ɖe esime wòdze Mawu ŋu be
wòaɖo asi Trɔ̃subɔla siawo dzi.”
Yesu gblɔ nya le eƒe vava zi evelia ŋuti
(Mateo 24:29-31; Marko 13:24-27)
25 “Azɔ la nu dziŋɔwo ado ɖe yame esiwo ana nyanya mi. Dzesi dziŋɔwo
ado ɖe ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo me. Le anyigba dzi afi sia la, ʋunyaʋunya ava dukɔwo
me eye woatɔtɔ elabena atsiaƒu aɖe gbe sesῖe eye ƒutsotsoewo aŋe ŋɔdzitɔe. 26 Ame
geɖewo abu mɔkpɔkpɔ le nu dziŋɔ̃ siwo gbɔna dzɔdzɔ ge ɖe aʋnyigba sia dzi ta, elabena
Luka
95
dziƒowo ŋutɔ ƒe ŋusẽ kura aʋuʋu sesῖe. 27 Ale ame siwo le anyigba dzi la akpɔ nye
Mesia la manɔ alilikpowo dzi gbɔna le ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe gã aɖe me. 28 Eya ta ne nu
siawo katã le dzɔdzɔm la, minɔ te sesῖe eye mianɔ ŋudzɔ elabena ɣeyiɣia ɖo vɔ be
woaɖe mi.”
Nufiame tso gboti ŋu
(Mateo 24:32-35; Marko 13:28-31)
29 Azɔ edo lo sia na wo be, “Mikpɔ aŋutiti kple ati bubuawo katã ɖa 30 ne woto
aŋgbawo la, miakpɔe adze sii le mia ɖokui si be dzomeŋɔli le ɖoɖom.” 31 Nenema ke
nenye be miekpɔ be nu siwo megblɔ na mi le eme vam la, minyae be mawufiaɖuƒe la te
tu aƒe.
32 “Mele egblɔm na mi kple kakaɖedzi be, dzidzime sia anɔ agbe akpɔ nu siawo
teƒe pɛpɛpɛ hafi aku. 33 Eye togbɔ be dziƒo kple anyigba nu ava yi hã la, nye nyawo
anye nyateƒenya anɔ anyi tegbtegbe.
Nuxɔxlɔ̃ hena ŋudzɔnɔnɔ
34 Mikpɔ nyuie, be nutsuɖuɖu, ahamumu kple dzimaɖitsitsi ɖe agbemenyawo ŋu nagate
miaƒe dzi ɖe to o, eye ŋkekea naɖi ɖe mi abe ale si mɔ̃ ɖea ame ene o. 35 Elabena adze
ame siwo katã le anyigba dzi la dzi kpoyi. 36 Minɔ ŋudzɔ ɖaa, eye miado gbe ɖa be ne
edze Mawu ŋu la miagakpɔ nu dziŋɔ siawo dometɔ aɖeke teƒe hafi ava gbɔnye o.”
Luka
96
37 Yesu nɔ nu fiam le gbedoxɔa me gbe sia gbe, eye le fiẽ si la etrɔna yia Amito
la dzi, afi si wòdɔna le zã me, 38 eye ameha la katã ƒoa ƒu ŋdi sia ŋdi be yewoaɖo to eƒe
nufiafia.
Nugbeɖoɖo ɖe Yesu wuwuw ŋuti
(Mateo 26:1-5, 14-16; Marko 14:1-2, 10-11; Yohanes 11:45-53)
22 Azɔ Ŋutitoto ŋkekea te tu aƒe. Ŋkeke siae nye Yudatɔwo ƒe ŋkekenyui si dzi
woɖua abolo si wotsɔ amɔ maʋamaʋã wɔe la ko. 2 Le ɣeyiɣi sia me la, Yudatɔwo ƒe
Osɔfogãwo kple agbalẽfialawo nɔ ŋugble dem vevie le mɔ si dzi woato awu Yesu ale be
ʋunyaʋunya madzɔ le dukɔa me o la ŋuti elabena wonɔ vɔvɔ̃m na dukɔa me viwo.
3 Azɔ Satana ge ɖe Yuda Iskariɔt, ame si nye nusrɔ̃la wuieveawo dometɔ ɖeka la
me, 4 ale wòyi Osɔfogãwo kple gbedoxɔmesrafowo ƒe amegãwo gbɔ be yeade aɖaŋu
kple wo le mɔ nyuitɔ si dzi yeato ade Yesu asi na wo la ŋuti. 5 Edzɔ dzi na ameawo
ŋutɔ be Yuda le klalo be yeakpe ɖe yewo ŋu eya ta wodo ga home aɖe ŋugbe nɛ. 6 Tso
esia dzi la, Yuda de asi ɣeyiɣi nyuitɔ si me woalé Yesu le amehawo ƒe manyamanya me
la didi me.
Dzadzraɖo na Ŋutitotoŋkekenyui
(Mateo 26:17-25; Marko 14:12-21; Yohanes 13:21-30)
7 Azɔ Ŋutitoto ŋkekenyui si dzi wowua ŋutitoto levi la le eye woɖanɛ kple amɔ
maʋamaʋã ƒe abolo la ɖo edzi. 8 Yesu dɔ Petro kple Yohanes be woado ŋgɔ aɖawɔ
dzadzraɖo na yewoƒe Ŋutitoto ŋkekea ɖuɖu.
Luka
97
9 Wobia be, “Afi kae nèdi be míayi aɖadzra ɖo?”
10 Eɖo eŋu na wo be, “Ne miege ɖe Yerusalem dua me teti ko la, miakpɔ ŋutsu
aɖe si lé tsize ɖe ta la; wòazɔ va yina. Mikplɔe ɖo eye miage ɖe aƒe si me wòage ɖo la
me, 11 eye miagblɔ na aƒea tɔ be, ‘Míaƒe Nufiala be mibia wò nàfia mí amedzrowo ƒe
xɔ afi si eya kple eƒe nusrɔ̃lawo aɖu Ŋutitoto ŋkekenyui la le.’ 12 Aƒea tɔ akplɔ mi ayi
dziƒoxɔa dzi eye wòafia xɔ gã aɖe si me wodzra ɖo la mi. Teƒe lae nye ma. Miyi eye
miaɖo kplɔ̃ ɖe afi ma.”
13 Woyi dua me eye wokpɔ nu sia nu abe ale si Yesu gblɔe ene, eye woɖo
kplɔ̃ ɖe xɔa me hena Ŋutitoto ŋkekea ɖuɖu le fiẽ ma.
Aƒetɔ ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe la ɖoɖo anyi
(Mateo 26:26-30; Marko 14:22-26)
14 Yesu kple nusrɔ̃la mamleawo va ɖo le ɣeɣiɣe si woɖo ɖi la me eye wo katã wonɔ
kplɔ̃a ŋu hena nua ɖuɖu. 15 Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Menɔ mɔ kpɔm vevie be maɖu
Ŋutitoto ŋkekea ƒe nuɖuɖu sia kpli mi hafi nye fukpekpewo nadze egɔme. 16 Elabena
medi be mianya fifi be nyemagaɖui akpɔ o, va se ɖe esime woɖe nu si tututu wònye
la ɖe go le mawufiaɖuƒea me.”
17 Azɔ etsɔ wainkplu ɖeka, eye esi wòda akpe ɖe eta vɔ la, egblɔ na wo be,
“Mixɔe eye ame sia ame nanoe. 18 Elabena nyemagano wain akpɔ o va se ɖe esime
mawufiaɖuƒela va.”
Luka
98
19 Emegbe etsɔ abolo, eye esi wòda akpe na Mawu le eta vɔ la, eŋe eme eye
wòtsɔe na nusrɔ̃lawo hegblɔ be, “Esia nye nye ŋutilã, si wotsɔ na ɖe mia ta. Miɖui ne
miaɖo ŋku dzinye.”
20 Esi woɖu nua vɔ la, egatsɔ wainkplu la na wo eye wògblɔ be, “Esia nye
Mawu ƒe nubabla yeye si wòwɔ be yeatsɔ axɔ mi ɖe agbee la ƒe dzesi. Wotre nubabla
sia nu kple ʋu si makɔ ɖi abe vɔsasa ɖe mia ta ene. 21 Gake ame aɖe nɔ anyi ɖe kplɔ ŋu
afi sia abe mía xɔlɔ̃ ene, evɔ eyae nye ame si adem asi. 22 Ele be Mesia la naku abe ale
si Mawu ɖoe ene. Gake baba na ame si adee asi!”
23 Nusrɔ̃lawo tsa ŋku godoo le wo nɔewo dome hebia be ame kae le nu sia tɔgbi
wɔ ge.
Nyahehe tso ame si nye gãtɔ ŋu
24 Azɔ ʋiʋli ɖo nusrɔ̃lawo dome le ame si anye gãtɔ la ŋu.
25 Yesu gblɔ na wo be, “Xexe sia me fiawo ɖua aƒetɔ ɖe wo teviwo dzi, eye
amegã bubuwo hã tea wo teviwo ɖe to gake teviawo bua ame siawo katã
amenuvelawoe. 26 Gake mele be wòanɔ nenema le mia dome o, ame si di be yeanye
miaƒe amegã la, newɔ eɖokui subɔlae. 27 Le xexeame la, aƒetɔ nɔa kplɔ̃ ŋu eye eƒe
subɔviwo va subɔnɛ. Gake esia mele mia dome le afii o! Elabena nyee nye miaƒe subɔvi.
28 Miawoe nye ame siwo do dzi nɔ anyi kplim le nye tetekpɔwo me, 29 eye nye la mele
fiaɖuƒe ɖo anyi na mi abe ale si Fofonye ɖo fiaɖuƒe anyi nam ene.” 30 Miaɖu nu ano nu
le kplɔ̃ ŋu kplim le fiaɖuƒe ma me. Hekpe ɖe esia ŋu la, mianɔ fiazikpuiwo dzi adrɔ̃ ʋɔnu
Israel ƒe tokɔ wuieveawo.”
Luka
99
Nyagblɔɖi tso Petro ƒe nugbegbe le Yesu gbɔ ŋuti
(Marko 26:31-35; Marko 14:27-31; Yohanes 13:36-38)
31 Yesu gblɔ na Petro be, “Simɔn, Simɔn, Satana le mi katã dim be yeagbɔ mi abe ale si
wogbɔa blii ene. 32 Gake medo gbe ɖa ɖe tawò be wò xɔse magabu keŋ o. Ale nenye be
èdze si wò vodada eye nègatrɔ va gbɔnye la, do ŋusẽ nɔviwò mamleawo hã eye nàtu
woƒe xɔse ɖe edzi.”
33 Simɔn ɖo eŋu be, “Aƒetɔ, mele klalo be mayi gaxɔ me kpli wò eye maku kpli
wò gɔ̃ hã.”
34 Gake Yesu gblɔ nɛ be, “Petro na magblɔ nya aɖe na wò. Va se ɖe etsɔ fɔŋli
hafi koklo naku atɔ la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃ be yemenyam gɔ̃ hã o.”
Gakotoku, mɔzɔkotoku kple yi
35 Azɔ Yesu bia nusrɔ̃lawo be, “Esi medɔ mi be miyi ɖagblɔ nyanyui la, eye mietsɔ ga,
mɔzɔkotoku alo awu eve ɖe asi o eye miedo afɔkpa hã o ɖe nane hiã mia?” Woɖo ŋu nɛ
be, “Naneke mehiã mi o.”
36 Eyi dzi be, “Azɔ la mitsɔ mɔzɔkotoku nenye be ɖe le mia si. Mitsɔ ga hã ɖe
asi, eye ne yi mele mia dometɔ aɖe si o la, nedzra eƒe awuwo wòatsɔ ga la aƒle ɖee. 37
Elabena ɣeyiɣi la ɖo bena nya si wogblɔ ɖi tso ŋunye la nava eme be, ‘Woadrɔ̃ ʋɔnui
abe nu vɔ̃ wɔla ene.’ Le nyateƒe me, nya siwo katã nyagblɔɖilawo gblɔ tso ŋunye la ava
eme.” 38 Woɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, yi eve le mía si le afi sia.” Yesu gblɔ be, “Esɔ gbɔ.”
Luka
100
Yesu do gbe ɖa le Amito dzi
(Mateo 26:36-46; Marko 14:32-42)
39 Azɔ Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo le aƒea me heyi Amito la dzi abe ale si
wòwɔna ɖaa ene. 40 Le afi sia la egblɔ na wo be, “Mido gbe ɖa be tetekpɔ nagaɖu mia
dzi o.”
41 Edzo le nusrɔ̃lawo gbɔ, zɔ vie ko eye wòdze klo do gbe ɖa be, 42 “Fofo,
nenye wò lɔlɔ̃nu la na kplu sia nato nunye ayi, gake menye nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ tɔwò ko
woawɔ.” 43 Kasia mawudɔla aɖe tso dziƒo va do ŋusẽe, 44 elabena eƒe gbɔgbɔ nɔ veve
sem ale gbegbe be, fifia nɔ dzadzam le eŋu abe ʋu ene le esime wònɔ gbe dom ɖa
atraɖii. 45 Mlɔeba la, etso eye wòtrɔ yi eƒe nusrɔ̃lawo gbɔ, gake eva ke ɖe wo ŋu wonɔ
alɔ̃ dɔm elabena konyifafa na be woƒe lãme gbɔdzɔ.
46 Yesu do ɣli gblɔ be, “Alɔ̃ dɔm mielea? Mifɔ kaba! Mido gbe ɖa be miaɖu
tetekpɔwo dzi.”
Yesu dede asi kple Yesu léle
(Mateo 26:47-56; Marko 14:43-50; Yohanes 18:3-11)
47 Ke esi wònɔ nya siawo gblɔm la ameha aɖe do ɖe wo dzi, Yuda eƒe nusrɔ̃lawo
dometɔ ɖeka nɔ ŋgɔ na wo. Yuda zɔ ɖe Yesu dzi eye wògbugbɔ alɔgo nɛ abe lɔlɔ̃ ƒe
dzesi ene.
48 Gake Yesu biae bena, “Yuda, nu ka tae nèwɔ esia ɖo, nugbugbɔe natsɔ ade
Mesia la asia?”
Luka
101
49 Esi nusrɔ̃la mamleawo kpɔ nu si be yeadzɔ la, wodo ɣli be, “aƒetɔ, miwɔ avu
kpli woa? Mietsɔ míaƒe yiawo ɖa asi!” 50 Kasia, nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka tsɔ eƒe yi
kpa ɖusimeto na Osɔfogãtɔ ƒe subɔvi si nɔ ameawo dome.
51 Ke Yesu gblɔ nɛ be, “Migawɔ avu kpli wo o, miɖe asi le wo ŋu ko.” Ale
wòka asi afi si subɔvia ƒe to la nɔ ŋu eye toa gaɖo eteƒe abe tsã ene. 52 Yesu trɔ ɖe
osɔfogãwo, hamemegãwo kple gbedoxɔmesrafowo ƒe amegã siwo nɔ ameha la ŋgɔ va la
ŋu eye wòbia wo be, “Adzodalae menye ta mietsɔ kpowo kple yiwo va be yewoalém
hã? 53 Nu ka tae mielém le gbedoxɔ la me o? Menɔa afi ma gbe sia gbe ɖe!
Gake ɣeyiɣi sia enye ɣeyiɣi nyuitɔ na mi, ɣeyiɣi si me Satana ƒe ŋusẽ le dzi ɖum.”
Petro gbe nu le Yesu gbɔ
(Mateo 26:57-58, 69-75; Marko 14:53-54, 66-72; Yohanes 18:12-18, 25-27)
54 Ale wolée eye wokplɔe yi Osɔfogãtɔ ƒeme eye Petro nɔ eyome ʋῖ gbɔna. 55
Asrafowo do dzo ɖe xɔxɔnu le ƒuƒum eye Petro va nɔ wo dome le afi ma.
56 Dɔlanyɔnuvi aɖe si kpɔ Petro dze sii la gblɔ be, “Ame sia hã nɔ Yesu yome
kpɔ.”
57 Ke Petro gbe gblɔ be, “Nyɔnu nyemenya amea ŋutɔ gɔ̃ hã o!”
58 Le aɖabaƒoƒo ʋee aɖewo megbe la ame bubu hã kpɔe eye wògblɔ nɛ be, “Wò
hã eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka tututue nènye!” Petro ɖo eŋu nɛ be, “Gbeɖe, amegã
menye wo dometɔ ɖekae menye o.”
59 Abe gaƒoƒo ɖeka megbe ene la, ame bubu hã va gblɔ kple kakaɖedzi be,
“Menya be ame sia hã nye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka, elebena eya hã nye
Galileatɔ abe Yesu ene.”
Luka
102
60 Ke Petro gado dzi gblɔ be, “Ŋutsu, nyemenya naneke kura tso nu si gblɔm
nèle la ŋu o.” Eye esi wòɖe nu le nya siawo me ko la, koklo ku atɔ.
61 Le ɣeyi ɣi sia me tututu la Yesu trɔ kpɔ Petro dũ. Kasia Petro ɖo ŋku Yesu ƒe
nya siawo dzi be, “Hafi koklo naku atɔ etsɔ fɔŋli la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.” 62
Petro dzo le ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe xɔxɔnu heyi ɖafa avi vevie.
Asrafowo ɖu fewu le Yesu ŋu
(Mateo 26:67-68; Marko 14:65)
63 Asrafo siwo le Yesu ŋu dzɔm, dze fewuɖuɖu le eŋu eye wonɔ eƒom hã. 64 Wotsyɔ
nu mo nɛ eye wobia tso esi be, Gblɔ nya ɖi! Ame kae ƒo wò.” Hekpe ɖe esia ŋu la,
wodzu dzu ƒomevi geɖewo nɛ.
Yesu le Sanhedrin ŋkume
(Mateo 26:59-66; Marko 14:55-64; Yohanes 18:19-24)
66 Le ŋufɔke ŋdi kanya la, Yudatɔwo ƒe Osɔfogãwo, dumegãwo kple agbalẽfialawo
va ɖi anyi, eye wokplɔ Yesu va wo ƒe ŋkumee. 67 Wogblɔ be, “Nenye woe nye Kristo
la, gblɔe na mi.” Yesu ɖo eŋu be, “Ne megblɔe na mi la, miaxɔ dzinye ase o, 68 eye ne
mebia biabia ɖe mi hã, miele eŋu ɖo ge nam o. 69 Gake ɣeyiɣi gbɔna esi woaɖo Nye
Mesia la fiazikpui dzi le Mawu ŋusẽkatãtɔ la ƒe ɖusime.
70 Ameawo katã do ɣli sesῖe be, “Ekema ɖe nèle gbɔgblɔ be Mawu Vie
yènyea?” Yesu ɖo eŋu be, “Ẽ, Mawu Vie menye abe ale si miegblɔe ene.”
71 Ameawo gado ɣli sesῖe be, “ɖe míegahiã ɖasefo bubuwo be woatso ame sia
nua? Gbeɖe! Míawo ŋutɔ míesee wògblɔ be Mawu Vie yenye!”
Luka
103
Yesu le Pilato ŋkume
(Mateo 27:1-2, 11-14; Marko 15:1-5; Yohanes 18:28-38)
23 Azɔ takpekpe bliboa katã kplɔ Yesu va Pilato ƒemee. 2 Esi woɖo afi ma teti ko la
wode asi enu tsotso me na Pilato be, “Ŋutsu sia le to gblẽm na dukɔa me viwo be
womegadzɔ nu na Kaisaro o. Gawu la, etɔ asi akɔta be yee nye míaƒe Mesia, si nye Fia
si gbɔna la.”
3 Pilato bia Yesu be, “Wòe nye Yudatɔ ƒe fia la?” Eɖo eŋu be, “Ẽ, ele me abe
ale si nègblɔe ene.”
4 Pilato trɔ ɖe Osɔfogãwo kple ameha la ŋu gblɔ be, “Nyemekpɔ vodada ɖeke le
ame sia ŋu o.”
5 Ke ameawo ganɔ nutsotso nam le eŋu vevie ŋutɔ. Wogblɔ na Pilato be, “Ne
medze agɔ o hã la, ehe tɔtɔtɔ geɖe vɛ. Ena be amewo le tsitre tsim ɖe dziɖuɖua ŋu le afi
sia afi si wòde la. Ewɔ esia ƒo xlã Yudea godoo kpeɖo tso keke Galilea va se ɖe
Yerusalem ke!”
Yesu le Herodes ŋkume
6 Esi Pilato se nya siawo la, ebia be ame la ɖe Galileatɔ wonyea? 7 Ke esi wòse be
Yesu tso Herodes ƒe ŋusẽ te la, eɖoe ɖa Herodes, ame si hã nɔ Yerusalem le ŋkeke
mawo me. 8 Herodes kpɔ dzidzɔ ŋutɔ esi wòkpɔ Yesu elabena ese eŋkɔ zi geɖe eye
wòse nukunu gã siwo katã wòwɔ la hã ale wònɔ mɔ kpɔm be awɔ ɖe yeakpɔ.
Luka
104
9 Herodes bia biabia geɖewo Yesu ke meɖo ɖeke ŋu nɛ o. 10 Le ɣeyiɣi siawo
katã me la, Osɔfogãwo kple agbalẽfialawo nɔ tsitre ɖe afi ma nɔ nutsotso geɖewo nam le
Yesu ŋu kabakaba ŋutɔ.
11 Herodes kple eƒe asrafowo hã va de asi vlododoe me. Wo ɖu fewu geɖe hã le
eŋu, wodo awu nɛ abe fia ene eye wogagbugbɔe ɖo ɖe Pilato gbɔ. 12 Tso gbe ma gbe la,
Herodes kple Pilato ame siwo lé fu wo nɔewo vevie tsã la trɔ zu xɔlɔ̃ veviwo.
Wotso kufia na Yesu
(Mateo 27:15-26; Marko 15:6-15; Yohanes 18:39-19:16)
13 Pilato yɔ Yudatɔwo ƒe osɔfogãwo, dumegãwo kple ameha la ƒo ƒui, 14 eye wògblɔ na
wo be, “Togbɔ be miekplɔ ame sia vɛ be egblẽ to na ame geɖewo be woatsi tre ɖe
Roma dziɖuɖua ŋu hã la, meku miaƒe nutsotsoa gɔme tsitotsito ke mekpɔe dzesii kɔtee
be ame sia medze agɔ aɖeke o. 15 Herodes hã kpɔe be medze agɔ o, eya ta
wògatrɔe ɖo ɖe mí. Vavã ame sia mewɔ naneke si ta wòle be woatso kufia nɛ o. 16 Le
esia ta la, mana woaƒoe sesῖe le dutoƒo eye maɖe asi le eŋu.”
17 Azɔ ele na Pilato be, wòaɖe asi le gamenɔla ɖeka ŋu na wo le Ŋutitoto
ŋkekenyuia dzi. 18 Ke wo katã do ɣli kple gbe ɖeka be, “ɖe ame sia ɖa! ɖe asi le
Barabas ŋu na mí!” 19 Baraba sia nye ame aɖe si wolé de gaxɔ me be ehe tɔtɔ gã aɖe va
Yerusalem, be amewo natsi tre ɖe dziɖuɖua ŋu. Gawu la, ewu ame hã. 20 Eya ta Pilato
gaɖe nya me na ameha la, elabena edi vevie be yeaɖe asi le Yesu ŋu. 21 Gake ɖeko
ameha la gado ɣli sesῖe wu be, “Klãe ɖe ati ŋu! Klãe ɖe ati ŋu!”
Luka
105
22 Pilato gabia wo zi etɔ̃lia be, “Nu ka tae wòle be maklãe ɖe ati ŋu ɖo? Vɔ̃ kae
wòwɔ? ɖeko maƒo ame sia eye maɖe asi le eŋu elabena nyemekpɔ vɔ̃ aɖeke le eŋu si
ana be matso kufia nɛ o.” 23 Gake ɖeko ameawo ganɔ ɣli dom sesῖe atraɖii be woawu
Yesu.
24 Mlɔeba la, Pilato wɔ ɖe woƒe didi dzi eye wòtso kufia na Yesu. 25 Ale wòtsɔ
Yesu de asi na wo be woawɔ nu si wolɔ̃ la kplii. Ke eɖe asi le Baraba ame si wode
mɔ ɖe ʋunyaʋunyawɔwɔ kple amewuwu ta la ŋu.
Woklã Yesu ɖe ati ŋu
(Mateo 27:32-44; Marko 15:21-32; Yohanes 19:17-27)
26 Esi ameha la kplɔ Yesu yina wuwu ge la, wodo go ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Simɔn,
amesi nye Kirenetɔ la wòtso agbleta gbɔna Yerusalem. Ale wozi edzi be wòatsɔ Yesu ƒe
atitsoga la kplii. 27 Ameha gã aɖe kplɔe ɖo hoo eye nyɔnu geɖewo nɔ avi fam ɖe eŋu le
wo dome.
28 Yesu trɔ ɖe konyifala siawo ŋu gblɔ na wo be, “Yerusalem nyɔnuwo, migafa
avi ɖe ŋunye o, ke boŋ mifa avi na mia ɖokuiwo kple mia viwo. 29 Elabena ŋkeke
aɖewo gbɔna esime konɔwo gɔ̃ akpɔ dzidzɔ be yewomedzi vi o. 30 Amegbetɔwo aɖe
kuku na towo be woaho va dze yewo dzi eye togbɛwo naɖi yewo ɖe tome. 31 Megblɔ
esia elabena ne wole nu siawo ƒomevi wɔm ɖe ati mumu ŋu ɖe, nu ka woawɔ ɖe ati ƒuƒu
ŋu?”
Luka
106
32 Wokplɔ ŋutsu bubu eve siwo nye hlɔ̃dolawo kpe ɖe eŋu be woaklã woawo hã ɖe ati
ŋu kplii. 33 Esi woɖo teƒe si woyɔna be “Ametakoli ƒe” la woklãe ɖe ati ŋu le afi ma,
hlɔ̃dola ɖeka le eƒe nu ɖusime eye ɖeke le eƒe miame.
34 Sẽ la, Yesu do ɣli sesῖe be, “Fofo tsɔ ame siawo ƒe nu vɔ̃wo ke wo elabena
womenya nu si wɔm wole la o.” Asrafowo ɖe eƒe awuwo le eŋu eye woda akɔ ɖe ɖe
sia ɖe dzi be wòanye ame si aɖu dzi la tɔ. 35 Ameha gã aɖe nɔ afi ma nɔ Yesu kpɔm ke
Yudatɔwo ƒe amegã siwo nɔ wo dome la nɔ fewu ɖum le eŋu. Wogblɔ be, “Ame sia ɖe
ame geɖewo ke mina miakpɔe ɖa be ate ŋu aɖe ye ŋutɔ ɖokui le atia ŋu nenye eyae nye
Mesia, si nye Mawu ƒe Ametiatia la vavã.” 36 Asrafo siwo nɔ eŋu dzɔm hã ɖu fewu le
eŋu. Wotsɔ aha tsitsi nɛ be wòano 37 eye wogblɔ be, “Nenye wòe nye Yudatɔwo ƒe fia
la, ekema ɖe wò ŋutɔ ɖokuiwò.”
38 Woŋlɔ klã ɖe eƒe atitsoga tame be, “AMESIA ENYE YUDATɔWO ƑE FIA”
39 Adzodala siwo woklã ɖe ati ŋu le egbɔ la dometɔ ɖeka gblɔ busunya sia ɖe
eŋu be, “Ke wò boŋue nye Mesia la? Nenye wòe la, ekema ɖe ɖokuiwo eye nàɖe miawo
hã le atitsoga la ŋue.” 40 Ke adzodala evelia blu ɖe nɔvia ta be, “ɖe mevɔ̃a Mawu oa,
esi mí katã míele fububu ma ke tea? 41 Míawo ya tohehe sia dze mi, elabena nu si dze
míaƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo la, eya kpɔm míele. Ke ame sia ya mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o.” 42 Eyi
edzi be, “Yesu ɖo ŋku dzinye le wò fiaɖuƒe la me.”
43 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Mele ŋugbe dom na wò kple kakaɖedzi be, egbea ke
nànɔ Paradiso la me kplim.”
Luka
107
Yesu ƒe ku
(Mateo 27:45-56, Marko 15:33-41; Yohanes 19:28-30)
44 Le ɣeyiɣi sia me la eƒo ga wuieve lɔ ƒe, ke viviti do ɖe anyigba blibo la katã dzi
enumake va se ɖe ɣetrɔ ga etɔ̃ me. 45 ɣe ƒe keklẽ bu eye enumake xɔmetsovɔ
titri si wotsɔ tso gbedoxɔ la mee la ma ɖe akpa eve.
46 Yesu do ɣli sesῖe le gaƒoƒo sia me gblɔ be, “Fofo, metsɔ nye gbɔgbɔ de asiwò
me.” Esi wògblɔ nya siawo vɔ ko la, emia nu kpoo.
47 Esi Roma srafo siwo klã Yesu ɖe ati ŋu la ƒe amegã kpɔ nu si dzɔ la, vɔvɔ̃ ɖoe
ale wòkafu Mawu gblɔ bena, “Le nyateƒe me ame sia medze agɔ aɖeke o.” 48 Esi ame
siwo katã va ƒo ƒu be yewoakpɔ nu siwo ava dzɔ teƒe la, kpɔ nu siwo va dzɔ la, wotrɔ
dzo nɔ woƒe akɔta ƒom. 49 Ke eƒe ame nyanyɛwo katã kple nyɔnu, siwo dze eyome tso
Galilea la, tsi tre ɖe adzɔge ke le nu siawo kpɔm.
Yesu ɖiɖi
(Mateo 27:57-61; Marko 15:42-47; Yohanes 19:38-42)
50 Azɔ ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Yosef, Yudatɔwo ƒe Takpekpegã me nɔla, ame si nye ame
nyui kple ame dzɔdzɔe, 51 ame si melɔ̃ ɖe woƒe aɖaŋudede kple woƒe nuwɔwɔ dzi o.
Etso Yuda du si woyɔna be Arimatia la me, eye wonye ame si le mɔ kpɔm na
mawufiaɖuƒe la ƒe vava. 52 Ŋutsu sia yi Pilato gbɔ ɖabia Yesu ƒe kukua. 53 Wona mɔe
eye wòɖe Yesu ƒe kukua le atitsoga la ŋu. Exatsa aklala ɖe eŋu eye wòtsɔe yi ɖamlɔ
yɔdo yeye aɖe si woɖe ɖe agakpe aɖe si le togbɛ aɖe xa la me. Womeɖi ame aɖeke ɖe
yɔdo sia me kpɔ o. 54 Ewɔ esia le Fida ɣetrɔ le esime amewo nɔ dzadzra ɖo wɔm na
Sabat ŋkekea ɖuɖu.
Luka
108
55 Esi Yosef kɔ ame kukua yina ɖiɖi ge la, nyɔnu siwo tso Galilea va la kplɔe ɖo
eye woyi ɖakpɔ afi si wòɖii ɖo. 56 Ale woyi aƒeme ɖawɔ atikewo kple ami ʋeʋẽwo be
yewoava si na Yesu ƒe kukua be wòagavo o. Gake esi wowu ami ʋeʋẽwo kple atikeawo
wɔwɔ nu la, Sabat ŋkekea ɖo edzi, eye le Yudatɔwo ƒe kɔa nu la, wodzudzɔ le ŋkeke sia
dzi.
Yesu ƒe tsitretsitsi
(Mateo 28:1-10; Marko 16:1-8; Yohanes 20:1-10)
24 Le kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ ƒe ŋdikanyaa la, nyɔnuawo tso ami ʋeʋẽawo ɖe asi
heva yɔdoa to. 2 gake wokpɔe be womli kpe gã si wotsɔ tu yɔdoa nui la ɖa. 3 Woge ɖe
yɔdoa me gake womekpɔ Yesu ƒe kukua o.
4 Nu sia wɔ moya na wo ŋutɔ eya ta wonɔ tsitre ɖe yɔdoa to henɔ tame bum le
nu si dzɔ ŋu, kasia ame eve siwo do awu ɣi siwo nɔ dzo dam miamiamia la va do ɖe wo
dome. 5 Nyɔnuawo vɔ̃ ale gbegbe be wodze klo ɖe ameawo ŋkume. Ŋustuawo biawo
bena, “Nu ka tae mieva le ame gbagbe dim le yɔdo me? 6 Mele afi sia o; etsi tre tso
ame kukuwo dome. Miɖo ŋku ale si wògblɔe na mi, esime wònɔ nyi kpli mi le Galiliea
la dzi be. 7 ‘Ele be woade Amegbetɔvi la asi na nu vɔ̃ wɔlawo, woaklãe ɖe ati ŋuti eye
le ŋkeke etɔ̃a gbe la wòatsi tre.’”
8 Nyɔnuawo ɖo ŋku eƒe nyawo dzi. 9 Esime wogbɔ tso yɔdo la gbɔ la, woka nu
siawo katã ta na ame wuiɖekeawo kple ame bubuawo katã. 10 Nyɔnu siwo de yɔdoa to
woe nye Maria Magdalatɔ, Yohana kple Maria Yakobo dada kpakple nyɔnu bubu
Luka
109
geɖewo. 11 Esi nusrɔ̃lawo se nyɔnuawo ƒe nyawo la, ɖeko wòɖi glitoto le woƒe towo
me.
12 Ke Petro ʋu du yi yɔdoa to be yeakpɔ nu si dzɔ la ɖa. Ebɔbɔ do mo ɖe yɔdoa
me, gake aklala ƒuƒlu ko wòkpɔ le anyigba. Ale wòtrɔ yi aƒe me, henɔ nu si dzɔ la ŋuti
bum vevie.
Le Emaus mɔ dzi
(Marko 16:12-13)
13 Le gbe ma gbe ke la, Yesu yomenɔla eve nɔ mɔ zɔm yina kɔƒe aɖe si woyɔna be
Emaus la me. Kɔƒe sia didi tso Yerusalem gbɔ abe kilometa wuiɖekɛ lɔƒo ene. 14 Wonɔ
dze ɖom kple wo nɔewo tso nu siwo katã va dzɔ la ŋuti. 15 Esi wonɔ dzea ɖom nɔ nu
siawo me dzrom kple wo nɔewo la, Yesu ŋutɔ va tu wo eye wòde asi zɔzɔ me kpli wo.
16 Gake womekpɔe dze si o elabena wotsyɔ nu woƒe ŋkuwo dzi.
17 Yesu bia wo be, “Nya ka me dzrom miele vevie alea? Edze nam ƒãa be nya
siwo me dzrom miele la nye nya gã aɖe ŋutɔ si dzɔ.” Mɔzɔla eveawo nɔ tsitre eye
wodzudzɔ nuƒoƒo. Blanui lé wo ŋutɔ. 18 Ke wo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Kleopa, la ɖo
Yesu ƒe biabia ŋu be, “ ɖewohῖ wò ɖeka koe nye ame le Yerusalem si mese nya dziŋɔ si
dzɔ le kwasiɖa si va yi me la o.”
19 Yesu gabiae be, “Nya kae dzɔ?” Ŋutsua ɖo eŋu nɛ be, “Nya siwo dzɔ ɖe
Yesu, ŋutsu si tso Nazaret dzi lae mewɔnɛ. Ŋutsu sia nye nyagblɔɖila xɔŋkɔ aɖe si wɔ
nu wɔnukuwo eye wòganye nufiala deŋgɔ aɖe si tɔgbi mebɔ o. Le nyateƒe me la ede ŋgɔ
ŋutɔ le Mawu kple amegbetɔwo siaa ŋkume. 20 Ke nu kae va dzɔ, osɔfogãwo kple miaƒe
agbalẽfialawo lée hetsɔ de asi na Roma dziɖuɖua be woatso kufia nɛ. Ale Roma
Luka
110
dziɖuɖua tso kufia nɛ eye woklãe ɖe ati ŋu.” 21 Míawo ya míenɔ bubum be eyae nye
Mesia ŋusẽtɔ si va Israel dukɔa ɖe ge tso kluvinyenye me hafi. Nu siawo katã dzɔ ŋkeke
etɔ̃e nye esi va yi. 22 Hekpe ɖe esia ŋuti la, míaƒe nyɔnuawo dometɔ aɖewo do voɖi na
mí. Woyi yɔdoa to fɔŋli sia 23 gake womekpɔ eƒe ŋutilã kukua o. Wotrɔ gbɔ va gblɔ na
mí be yewokpɔ ŋutega eye yewokpɔ mawudɔlawo le ŋutega la me ame siwo gblɔ na
yewo be ele agbe. 24 Miatɔ aɖewo ƒu du yi yɔdoa to enumake ke woawo hã kpɔ be
yɔdoa le ƒuƒlu vavã abe ale si ame gbãtɔwo gblɔe ene.”
25 Yesu gblɔ na wo bena, “Mi ame manyanuwo! Esesẽna na mi be miaxɔ nya
siwo katã nyagblɔɖilawo gblɔ da ɖi la dzi ase! 26 ɖe nyagblɔɖilawo megblɔ da ɖi be ele
be Mesia la nakpe fu siawo katã hafi age ɖe eƒe ŋutikɔkɔe la me oa?”
27 Ale Yesu gblɔ mawunya kpukpui geɖewo na wo tso Mose dzi va se ɖe
nyagblɔɖila bubuawo katã dzi, eye wòɖe akpa siwo ku ɖe ye ŋutɔ ŋu la me na wo.
28 Le ɣeyiɣi sia me la, wogogo Emaus, kɔƒe si me woyina la. Yesu wɔ abe ɖe
wòle eme tsom ene, eya ta 29 woɖe kuku nɛ be wòatsi yewo gbɔ adɔ ŋu na ke elabena
zã do vɔ keŋ. Ale Yesu lɔ̃ eye wòyi woƒe aƒeme. 30 Esi wonɔ anyi be yewoaɖu nu la,
eyra ɖe nuɖuɖua dzi eye wòtsɔ abolo, ŋe eme hetsɔe na wo. 31 Kasia, woƒe ŋkuwo ʋu
eye wokpɔe dze sii be eyae nye Yesu eye enumake wòbu le wo gbɔ.
32 Ame eveawo de asi gbɔgblɔ me be, mèkpɔe be míaƒe dziwo ʋu dzo ŋutɔ le
esime wònɔ mawunya la me ɖem na mí le mɔa dzi oa? 33 Enumake wogatso dze mɔ ɖo
ta Yerusalem eye esi woɖo afi ma la, wokpɔ nusrɔ̃lawo wuiɖekeawo kple Yesu
yomedzela bubuwo. 34 Nusrɔ̃lawo gblɔ na wo be, “Aƒetɔ la tsi tre vavã! Eɖe eɖokui fia
Luka
111
Petro!” 35 Ŋutsu eve siwo tso Emaus la hã gblɔ ale si wodo go Yesu le Emaus mɔ dzi
eye wòzɔ kpli wo va ɖo Emaus, kple ale si wokpɔe dze sii to aboloŋeŋe me na wo.
Yesu ɖe eɖokui fia nusrɔ̃lawo
(Mateo 28:16-20; Marko 16:14-18; Yohanes 20:19-23)
36 Esi ŋutsuawo nɔ woƒe nuteƒekpɔkpɔwo gblɔm la, Yesu ŋutɔ va do ɖe wo dome hedo
gbe na wo! 37 Dzika tso ameawo katã ƒo eye wovɔ̃ ŋutɔ ŋutɔ, elabena wobu be ŋɔli
kpɔm yewo le.
38 Yesu bia wo be, “Nu ka tae miele vɔvɔ̃m ɖo? Nu ka tae miele ɖi kem le miaƒe
dziwo me, be nyee le mia dome? 39 Milé ŋku ɖe nye asiwo kple afɔwo ŋu nyuie! Miva
lém kpɔ eye miakpɔe kɔtɛe be menye ŋɔlie menye o! Elabena ŋɔliwo la, ŋutilã menɔa
wo ŋu abe ale si mele ene o. 40 Esi wònɔ nua ƒom la, etsɔ eƒe asiwo do ɖe wo gbɔ bena
woakpɔ abi siwo gatagbadzɛwo de eŋu la, le eƒe asiƒome kple afɔƒome.”
41 Ke ame aɖeke mete ŋu te ɖe eŋu o, elabena dzidzɔ kple ɖikeke yɔ wo me fũu.
Le esia ta ebia wo be, “Nuɖuɖu aɖe le mia si le afi sia?”
42 Wotsɔ lã memẽ kakɛ aɖe nɛ eye esi wònɔ 43 eɖum la wonɔ ekpɔm!
44 Yesu gblɔ na wo be, “Esi menɔ anyi kpli mi le ŋkeke siwo va yi me ɖe,
nyemegblɔe na mi be nu siwo Mose kple nyagblɔɖilawo kpakple Psalmowo gblɔ tso
ŋunye la ava eme oa?” 45 Ale wòʋu woƒe susuwo be woase mawunya siawo katã gɔme.
46 Yesu yi edzi be, “Vavã, woŋlɔe ɖi tso gbaɖegbe ke be, ele na Mesia la be wòakpe fu
eye wòaku eye le ŋkeke etɔ̃a gbe la woagatsi tre tso ame kukuwo dome. 47 Eye ele bena
woatsɔ dzimetɔtrɔ kple nu vɔ̃ tsɔtsɔkenya sia ayi na dukɔwo katã eye woadze egɔme tso
Yerusalem. 48 Miawoe nye ɖeasefowo na nu siawo katã.”
Luka
112
49 “Azɔ makɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖe mia dzi abe ale si Fofonye do ŋugbee ene. Ke
minɔ Yerusalem afii va se ɖe esime Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nava mia dzi tso dziƒo ana ŋusẽ
mi.”
Yesu ƒe dziƒoyiyi
(Marko 16:19-20)
50 Yesu kplɔ nusrɔ̃lawo do go va se ɖe Betania, eye wòkɔ eƒe asiwo dzi heyra wo. 51
Esi wònɔ wo yram la, wokɔe le nusrɔ̃lawo gbɔ heyi dziƒoe. 52 Le esime wòdzo yina la,
nusrɔ̃lawo dze klo eye wosubɔe. Emegbe wotrɔ yi Yerusalem kple dzidzɔ manyagblɔ
aɖe. 53 Wonɔ gbedoxɔ la me gbe sia gbe henɔ Mawu kafum.

Laisser un commentaire

Votre adresse e-mail ne sera pas publiée. Les champs obligatoires sont indiqués avec *