Togo Chrétien

"L’amour de Dieu a été manifesté envers nous en ce que Dieu a envoyé son Fils unique dans le monde, afin que nous vivions par lui."

Bible Ewe

Actes des Apôtres

APOSTOLOWO ƑE DɔWɔWɔWO ƑE AGBALẼ

Kpɔkplɔyiɖeme :
Atikewɔla Luka, ame si ŋlɔ Luka ƒe nyanyui la kee ŋlɔ Dɔwɔwɔwo ƒe
Agbalẽa hã. Agbalẽ sia xlẽ nyadzɔdzɔ siwo dze Yesu ƒe ku kple tsitretsitsi
yome la fia. Agbalẽa dze egɔme tso Yesu ƒe dziƒoyiyi dzi eye wòxlẽ ale si
Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woakaka nyanyui la ɖe xexeame ƒe akpa sia
akpa le ŋusẽxɔxɔ vɔ megbe la fia. Le Pentekoste alo Gbɔgbɔ Kɔkɔe kɔkɔɖi si
nye hamea ƒe gɔmedzegbe la, nusrɔ̃lawo xɔ ŋusẽ si ŋugbe Aƒetɔ la do na wo
ale wote ŋu ɖe gbeƒã Nya la eye wowɔ nukunuwo tsɔ ɖo kpe gbeƒã si ɖem
wole la dzi. Agbalẽa ƒo nu tso Paulo ƒe mawunyadɔgbedemɔzɔzɔwo hã ŋu.
Emenyawo:
1. Penetekoste kple Hamea gɔmeɖoɖo anyi le Yerusalem, 1:1-8:3
2. Hamea gɔmeɖoɖo anyi le Yudea kple Samaria, 8:4-11:18
3. Hamea gɔmeɖoɖo anyi le Trɔ̃subɔlawo dome le Antioxia kple Roma
dziɖuƒea, 11:19-21:4
4. Paulo ƒe gaxɔmenɔnɔ le Yerusalem, Kaisarea kple Roma, 21:15-28:31

Yesu ƒe dziƒoyiyi
1 O Teofil, le nye agbalẽ gbãtɔ na wò me la meƒo nu tso nu siwo katã Yesu de
asi wɔwɔ kple fiafia me, 2 va se ɖe ŋkeke si dzi wotsɔe yi dziƒoe le esime wòde se
na apostolo siwo wòtia to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me vɔ megbe ŋu. 3 Le eƒe fukpekpe, ku
kple tsitretsitsi vɔ megbe la, eɖe eɖokui fia ame siawo, eye wòna kpɔɖeŋu geɖewo
tsɔ ka ɖe edzii na wo be yele agbe. Eɖe eɖokui fia wo le ŋkeke blaene sɔŋ me eye
wòƒo nu na wo tso mawufiaɖuƒe la ŋuti. 4 Gbe ɖeka esi Yesu nɔ nu ɖum kple eƒe
apostolowo la, ede se na wo be, “Migadzo le Yerusalem o ke boŋ milala va se ɖe
esime miaxɔ Fofonye ƒe nunana si ŋugbe wòdo, nu si ŋu meƒo nu tsoe na mi xoxo. 5
Elabena tsi ƒuƒlue Yohanes tsɔ de mawutsi ta na mi, gake le ŋkeke ʋe aɖewo megbe
la woade tsi ta na mi kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la.
6 ɣebubuɣi esi Yesu gaɖe eɖokui fia apostoloawo la, wobiae se be, “Ale kee,
Aƒetɔ, ɖe nèle Israel dukɔ la ɖe ge tso Romatɔwo te aɖoe te abe dukɔ nɔɖokuisi ene
azɔa?”
7 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Fofo la ŋutɔe ɖo ŋkeke na nu siawo tɔgbi eye
mehiã be miawo mianya ɣeyiɣi la kple ŋkeke la o. 8 Gake ne Gbɔgbɔ Kɔkɔe la va
mia dzi eye wòyɔ mia me la, ŋusẽ tɔxɛ kple dzideƒo blibo aɖo mia me eye miate ŋu
anye nye ɖaseɖilawo le Yerusalem, Yudea kple Samaria nutowo katã me kple
xexeame ƒe seƒe ke.”
9 Le nya siawo gbɔgblɔ vɔ megbe tete ko la, apostoloawo kpɔ Yesu wònɔ
dziƒo yim abe ame aɖee nɔ ekɔm nɔ dzi yimii ene, kasia wòbu ɖe alilikpo me eye
wòdzo le wo gbɔ. Ke apostoloawo ke nu ɖe te nɔ ekpɔm va se ɖe esime wòbu ɖe wo.
10 Woganɔ kɔ didim be yewoakpɔ Yesu, kasia ame eve aɖewo, siwo do awu ɣiwo la
va do ɖe wo dome. Ame eve siawo gblɔ na apostoloawo be, 11 “Mi Galilea
ŋutsuwo, nu ka ta miegale tsitre ɖe afii gale yame kpɔm gãa ale? Yesu dzo yi dziƒo,
gake gbe ɖeka la, agatrɔ agbɔ abe ale si tututu wòdzo yi dziƒo lae ene!”
Matias tiatia
12 Le nyadzɔdzɔ siawo megbe la, apostoloawo ɖi tso Amito la dzi, afi si nu siawo
dzɔ le la hetrɔ va Yerusalem si didi abe kilometa ɖeka ko ene. 13 Esi wova ɖo
Yerusalem la, woƒo wo ɖokuiwo nu ƒu ɖe xɔ aɖe me le dziƒoxɔ si dzi wonɔ la dzi
eye wodo gbe ɖa le afi ma.
14 Apostolo siwo nɔ afi ma la woe nye: Petro, Yohanes, Yakobo, Adreas,
Filipo, Toma, Bartolomeo, Mateo, Yakobo si nye Alfeo vi, Simɔn si wogayɔna be
Zelote, Yuda si nye Yakobo vi kpakple Yesu nɔviŋutsuwo. Yesu dada Maria kple
nyɔnu bubu geɖewo hã nɔ ameawo dome.
15 Wonɔ gbedodoɖa dzi alea ŋkeke geɖewo. Gbe ɖeka esi ame abe alafa ɖeka
blaeve lɔƒo ene gaƒo ƒu nɔ gbe dom ɖa la, Petro tsi tre ƒo nu na wo gblɔ be, 16
“Nɔvinyewo, ale si Yuda de míaƒe Aƒetɔ Yesu asi eye wowui la va eme tututu abe
ale si woŋlɔe da ɖi le mawunya me ene. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒo nu le nu siawo ŋu xoxo
to Fia David dzi. 17 Yuda la, mía dometɔ ɖeka wònye tsã. Yesu tiae koŋ be wòanye
yeƒe apostolo abe míawo ke ene. 18 Yuda tsɔ ga si wòxɔ ɖe Yesu dede asi ta la yi
ɖaƒle anyigba aɖe si dzi wòwu eɖokui le. Elia ati dzi hetsɔ eɖokui xlã ɖe anyigba
sesῖe ale be eƒe ƒodo wo too eye eƒe dɔkaviwo kaka ɖe anyigba. 19 Eƒe kunya sia
kaka ɖe Yerusalem dua me kaba ŋutɔ ale wona ŋkɔ teƒea be, ‘ʋunyigba.’” 20 Petro
gblɔ be, “Elabena woŋlɔe ɖi ɖe Psalmowo me be, ‘Eƒe nɔƒe naɖi gbɔlo, ame aɖeke
neganɔ afi ma o, eye ame bubu naxɔ eƒe amekplɔdɔ awɔ.”
21 Petro yi eƒe nuƒoa dzi be, “Azɔ la ele be míatia ame bubu aɖe wòanɔ Yuda
teƒe le mía dome. Ame si míatia la nanye ame si nɔ mía dome kplikplikpli tso
gɔmedzedzea, 22 tso esime míenya Aƒetɔa, tso ɣeyiɣi si me Yohanes de mawutsi ta
nɛ va se ɖe esime wòdzo le mia gbɔ yi dziƒo.”
23 Ƒuƒoƒea tɔ asi ame eve dzi, ame siawoe nye Yosef Yusto si woyayɔna be
Basaba kple Matias, be woatia wo dometɔ ɖeka. 24 Eya megbe la wodo gbe ɖa gblɔ
be, “Aƒetɔ, wòe nya ame sia ame ƒe dzime, eya ta fia mí ame si nètia le ame eve
siawo dome 25 be wòaxɔ apostolonyenye ƒe dɔ sia ɖe Yuda teƒe, ame si gblẽ dɔa ɖi
le esime wòyi teƒe si dzee.”
26 Le esia megbe la, woda akɔ eye wòdze Matias dzi ale wotiae abe apostolo
ene kpe ɖe ame wuiɖekɛ mamlɛawo ŋu.
Gbɔgbɔ Kɔkɔe kɔkɔ ɖe anyi le Penetekoste ŋkeke dzi
2 Le Yesu ƒe ku kple tsitretsitsi ƒe kwasiɖe adre megbe la, Pentekoste
ŋkekenyui la gaɖo. Yesu dzixɔsela siawo gaƒo wo ɖokuiwo nu ƒu ɖe teƒe ɖeka henɔ
gbe dom ɖa le ɖekawɔwɔ blibo me. 2 Kasia wose gbeɖiɖi aɖe abe ya sesẽ aɖe ƒe ƒoƒo
ene le xɔa tame tututu, eye aƒea me katã yɔ kple gbeɖiɖia. 3 Enumake nane si ɖi
dzobibi ƒe aɖewo la dze ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe tame, 4 kasia, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la
yɔ ame sia ame si le afi ma la me fũ eye wode asi gbegbɔgblɔ bubu si womenya tsã
o la gbɔgblɔ me elabena Gbɔgbɔ Kɔkɔe la na ŋutete sia wo.
5 Le ɣemaɣi hã la, Yudatɔ mawuvɔ̃la geɖewo tso dukɔ vovowo me va
Yerusalem be yeawoɖu ŋkeke tɔxɛ sia. 6 Esi wose ɣli sesẽ si nɔ ɖiɖim le afi si
5
apostoloawo nɔ la, ame geɖewo fũ ŋutɔ ɖe abla va teƒea be yewoakpɔ nu si nɔ edzi
yim ɖa. Ame siawo ƒe nu ku ŋutɔ esi wose nusrɔ̃lawo wonɔ gbe vovovowo gblɔ eye
ame sia ame se wonɔ eƒe degbe gblɔm.
7 Nu sia wɔ nuku na amedzroawo ale gbegbe be wogblɔ be, “Ame siawo katã
ɖe, menye Galileatɔwoe wonye oa? 8 Ke ale ke wɔ míese wole anyigba siwo dzi
wodzi mía dometɔ ɖe sia ɖe ɖo la ƒe gbe gblɔm mahã? 9 Mía dometɔ aɖewo nye
Patiatɔwo, ɖewo nye Midiatɔwo kple Elamtɔwo, bubuwo hã tso Mesopotamia,
Yudea, Kapadokia, Ponto kple Asia nutowo me. 10 Ame aɖewo gɔ̃ hã tso keke
Frigia, Pamfilia, Egipte kple Libia si le Kirene gbɔ. 11 Ẽ, ame aɖewo tso Roma gɔ̃.
Ame siawo nye Yudatɔ vavãwo kple trɔ̃subɔla siwo ŋutɔ trɔ zu Yudatɔwo, eye
bubuwo hã nye Kretatɔwo kple Arabiatɔwo. Mía dometɔ ɖe sia aɖe se ame siawo le
Mawu ƒe nukunu gãwo ƒe nya gblɔm le eya ŋutɔ degbe me!”
12 Ameha blibo la ƒe nu ku eye woƒe mo wɔ yaa le nyadzɔdzɔ sia ta eye
wobia wo nɔewo be, “Nu sia gɔme ɖe?”
13 Gake ame aɖewo ya nɔ ameha la me nɔ fewu ɖum le apostoloawo ŋu be,
“Ame siawo la, aha yeye womu, menye nu tɔxɛ aɖekee le dzɔdzɔm o.”
Petro ƒe mawunyagbɔgblɔ na ameha la
14 Azɔ la Petro kple apostolo wuiɖekɛawo tsi tre eye Petro ƒo nu na wo kple gbe
sesẽ be, “Agoo na mi, Yudaeatɔwo, mi amedzrowo kple Yerusalem nɔlawo siaa,
miɖo to miasee! 15 Mia dometɔ aɖewo le gbɔgblɔm be ahae le mía mum, ke medi be
mianya nyui be mía dometɔ aɖeke mede nu aha me ŋdi sia o. Miawo ŋutɔwo
6
mienyae be ŋu meke haɖe na ahanono o elabe ŋdi ga asieke me ko míele fifia. 16 Ke
boŋ nu si teƒe kpɔm miele ŋdi sia la nye nu si Nyagblɔɖila Yeol gblɔ ɖi xoxoxo ƒe
alafa nanewoe nye esi va yi be, 17 ‘Le ŋkeke mamlɛawo me la, Mawu gblɔ be makɔ
nye Gbɔgbɔ ɖe amegbetɔƒomewo katã dzi. Esia ana be mia viŋutsuwo kple mia
vinyɔnuwo agblɔ nya ɖi. Hekpe ɖe esia ŋu la, mia viŋutsuwo akpɔ ŋutegawo eye
ame tsitsiwo hã aku drɔ̃e le nu siwo ava dzɔ la ŋuti. 18 Ẽ, Gbɔgbɔ la ayɔ nye
subɔlawo katã me, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, ale be woagblɔ nya ɖi. 19 Mana
nukunuwo nadzɔ le dziŋgɔlῖ me kple anyigba dzi siaa, eye wòadze abe ʋu, dzobibi
kple dzudzɔtutu 20 kɔlikɔli ene. Hafi ŋkeke dziŋɔ si Aƒetɔ la ɖo da ɖi nava la, ɣe atrɔ
zu viviti eye ɣleti abia hẽ abe ʋu ene. 21 Ke ame si abia nublanuikpɔkpɔ tso Aƒetɔ
la gbɔ la akpɔ ɖeɖe.’”
22 Petro yi eƒe nuƒoa dzi gblɔ be, “Mi Israeltɔwo, miɖo to miasee! Mawu wɔ
nukunu klitsu geɖewo le mia dome to Yesu Nazaretitɔ la dzi, be yeatsɔ aɖo kpe
edzii be, Yesu nye ye vi vavã. Nu siawo katã le nyanya me na mi pɛpɛpɛ. 23 Azɔ,
abe ale si Mawu ŋutɔ wɔ ɖoɖo da ɖi xoxo ene la, eɖe mɔ na mi, mieto Roma
dziɖuɖua dzi klã Yesu ɖe atitsoga ŋu eye miewui. 24 Gake Mawu ŋutɔ gaɖe Yesu
tso ku ƒe ŋɔdzi me, fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, elabena ku ƒe ŋusẽ mete
ŋu ɖu Yesu dzi o.
25 “Fia David ƒo nu tso Yesu ŋu be, ‘Menya be nye Aƒetɔ la le gbɔnye ɖaa.
Ekpena ɖe ŋunye, ẽ, Mawu ƒe ŋusẽ gã la xɔna nam.
26 “ ‘Esia ta dzidzɔ blibo yɔ nye dzime eye mele Mawu kafum ɖaa gbe sia
gbe. Kakaɖedzi le asinye hã be nu sia nu anyo nam le ku me gɔ̃ hã.
7
27 “‘Mawu, magblẽ nye luʋɔ ɖe tsiẽƒe o, eye mana be e ƒe Kɔkɔetɔ la ƒe
ŋutilã nanyunyɔ o.
28 “‘Àna magbɔ agbe eye makpɔ dzidzɔ le blibo gbɔwò.’”
29 Petro yi edzi be, “Nɔviwo, mibu tame nyuie ! Mía Togbui David menɔ nu
ƒom le eɖokui ŋuti esi wògblɔ nya siwo megblɔ na mi la o. Elabena David ku
xoxoxo eye eƒe yɔdo gɔ̃ hã le mía dome afii. 30 David nye nyagblɔɖila eye enya be
Mawu do ŋugbe matrɔmatrɔ da ɖi be, David ƒe dzidzimevi ɖeka ava zu Mesia la eye
wòanɔ David ƒe fiazikpui dzi aɖu fia. 31 Gawu la David kpɔ nu siwo ava dzɔ le
ŋgɔgbea eye wògblɔe ɖi le Mesia la ƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome ŋu be, eƒe
luʋɔ matsi tsiẽƒe o, eye eƒe ŋutilã manyunyɔ o. 32 Yesu ŋue David gblɔ nya siawo
tsoe eye le nyateƒe me la, mí katã míate ŋu aɖi ɖase be Mawu fɔ Yesu tso ame
kukuwo dome vavã.
33 “Ke fifia la, Yesu bɔbɔ nɔ bubu ƒe fiazikpui kɔkɔtɔ dzi le Mawu ŋutɔ gbɔ
tututu. Eye abe ale si Fofo la ŋutɔ do ŋugbee ene la, ena ŋusẽe be wòaɖo Gbɔgbɔ
Kɔkɔe la ɖe mía me eye eya ƒe dɔwɔnae nye nu siwo kpɔm miele kple nu siwo sem
mièle fifia. 34 Elabena David melia yi dziƒo o, gake egblɔ be, ‘Aƒetɔ la gblɔ na nye
Aƒetɔ be: nɔ anyi ɖe nye nuɖusime 35 va se ɖe esime mawɔ wò futɔwo wò
afɔɖodzinuwoe.’
36 “Eya ta mika ɖe edzi na Israel bliboa be Mawu wɔ Yesu sia, ame si
miawo mieklã ɖe ati ŋu la Aƒetɔ la kple Kristo la siaa.”
37 Petro ƒe nyawo wɔ dɔ ɖe ameha la dzi ale gbegbe be wo dometɔ aɖewo
bia Petro kple apostolo bubuawo be, “Nɔviwo, nu ka wɔ ge míala?”
8
38 Petro ɖo eŋu na wo be, “Ele be mia dometɔ ɖe sia ɖe nadzudzɔ nu vɔ̃
wɔwɔ, atrɔ ɖe Mawu ŋu eye woade mawutsi ta na mi le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me bena
woatsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi. Ne miewɔ esia la ekema miawo hã miaxɔ nunana sia,
si nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la. 39 Elabe Kristo do Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋugbe na mia dome
ame sia ame si Aƒetɔ Mawu ŋutɔ yɔ va eɖokui gbɔe eye menye miawo ɖeɖe ko o, ke
boŋ na mia viwo kple ame siwo tso dukɔ bubuwo me gɔ̃ hã.”
40 Petro yi dzi hegblɔ mawunya didi aɖe na ameha la. Eƒo nu le Yesu ŋu na
wo eye wòbia tso wo si be woadze agbagba adzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ eye woaɖe wo
ɖokuiwo ɖa tso nu vɔ̃ɖi siwo le edzi yim le dukɔa me la gbɔ. 41 Ame abe akpe etɔ̃
sɔŋ xɔ Petro ƒe nyawo dzi se ale be wona wòde mawutsi ta na wo gbe ma gbe ke.
Yerusalem hame la
42 Ame siawo ge ɖe xɔsetɔwo ƒe habɔbɔ me eye wo katã wodoa go edziedzi hesrɔ̃a
mawunya tso apostoloawo gbɔ; wodoa gbe ɖe eye woɖua Aƒetɔ ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe la
hã. 43 Wo katã nɔ anyi le vɔvɔ̃ tɔxɛ me eye apostoloawo hã wɔ nukunu geɖewo
wokpɔ.
44 Xɔsetɔwo katã nɔ teƒe ɖeka, wowɔ woƒe nuwo katã hamenui 45 wotsɔ
woƒe kesinɔnuwo kple nunɔamesiwo dzra eye woma ga la na amae sia ame ɖe eƒe
hiahiã nu. 46 Wokpea ta ɖe gbedoxɔ la me gbe sia gbe hesubɔa Mawu. Wogamaa
wo ɖokuiwo ɖe ha suesuewo me hã eye wodoa go le wo nɔewo ƒe aƒewo me heɖua
Aƒetɔ ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe la. Woɖua nu ɖekae hã dzidzɔtɔe, 47 wonɔa akpedada na
9
Mawu, dzi ɖaa, amewo katã kpɔa ŋudzedze nyuie le xɔsetɔ siawo ŋuti eye Aƒetɔ la
tsɔa ame siwo kpɔ xɔxɔ la kpena ɖe wo ŋuti gbe sia gbe.
Petro da gbe le tekunɔ aɖe ŋu
3 Gbe ɖeka le ɣetrɔ ga etɔ̃ me la, Petro kple Yohanes yi gbedoxɔ la me be
yewoaɖado gbe ɖa abe ale si wowɔnɛ ɖaa ene. 2 Esi woɖo gbedoxɔa gbɔ la, wokpɔ
tekunɔ aɖe si wokɔ va da ɖe agbo si woyɔna be “Agbo Nyui” la nu. Amea nye
tekunɔ tso eƒe dzɔdzɔme ke eye gbe sia gbe la eƒe ƒometɔwo kɔnɛ va dana ɖe agbo
sia nu be wòabia nu le afi ma. 3 Esi Petro kple Yohanes to tekunɔ sia ŋu va yina ko
la, edo ɣli bia wo be woana ga ye.
4 Petro kple Yohanes trɔ kpɔe dũ eye Petro gblɔ nɛ be, “Nɔvi, fɔ ta nàkpɔ
míaƒe ŋkume.”
5 Tekunɔ la fɔ ŋku ɖe wo dzi gãa henɔ mɔ kpɔm be woana ga ye. 6 Petro
gblɔ nɛ be, “Nɔvi, klosalo kple sika mele asinye o, ke nu si le asinye lae mana wò.
Le Yesu Kristo, Nazaretitɔ la ƒe ŋkɔ me, tsi tre nàzɔ azɔli.”
7 Ale Petro do asi ɖa lé tekunɔ la ƒe alɔnu be wòatsi tre. Kasia dɔna la kpɔ be
ŋusẽ ɖo yeƒe afɔ kple drikame ŋu. 8 Ale wòti kpo, tsi tre hede asi azɔlizɔzɔ me. Enɔ
kpo tim nɔ zɔzɔm alea henɔ Mawu kafum eye wòdze Petro kple Yohanes yome
ge ɖe gbedoxɔa me.
9 Ame siwo katã kpɔ ame sia wònɔ zɔzɔm nɔ Mawu kafum la 10 de dzesii be
eyae nye ŋutsu ma si nɔa nu biam le gbedoxɔ la ƒe agbo si woyɔna be ‘Nyui’ la nu;
woƒe nu ku eye woƒe mo wɔ yaa le nu si dzɔ ɖe edzi la ŋu.
10
Petro gblɔ mawunya na ame siwo le gbedoxɔ la me
11 Nuwɔametɔ sia nɔ Petro kple Yohanes ŋu kplikplikpli va ɖo gbedoxɔa ƒe akpa si
woyɔna be Salomo ƒe Akpata la me eye ameha la ƒo zi va wo gbɔ le afi ma. Le afi
sia la, ame sia ame tɔ te ɖi nɔ nu wɔnuku sia teƒe kpɔm kple vɔvɔ̃.
12 Enumake Petro wɔ mɔnukpɔkpɔ sia ŋutidɔ heƒo nu na ameha la. Egblɔ na
wo be, “Israeltɔwo, nu ka ta nuwɔna sia wɔ nuku na mi alea gbegbe eye miebu be
ŋusẽ tɔxɛ aɖee le míawo ŋutɔwo si alo míaƒe kɔkɔenyenye tae míete ŋu da gbe le
ame sia ŋu ale be wòte ŋu le zɔzɔm hã?” 13 Medi be eme nakɔ na mi nyuie be
Mawu si nye Abraham, Isak, Yakɔb kple mía tɔgbuitɔgbuiwo ƒe Mawu lae da gbe le
ame sia ŋu be yeatsɔ ade bubu eƒe subɔla Yesu Kristo ŋu. Yesu Kristo siae nye ame
si gbɔ miawo miegbe nu le le Pilato ŋkume, togbɔ be Pilato dze agbagba ale gbegbe
be yeaɖe asi le eŋu, aɖe eƒe agbe tso ku me hafi hã. 14 Medze mia ŋu be wòaɖe asi
le Ame Kɔkɔe vɔ̃mawɔla sia ŋu o, ke boŋ miebia be wòaɖe asi le hlɔ̃dola ŋu boŋ. 15
Ẽ, miewu ame si me agbe doa go tsona la, gake Mawu fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo
dome. Nye kple Yohanes míate ŋu aɖi ɖase kɔtee le esia ŋu be esi miewui vɔ la,
míedo goe, agbagbe, ŋkume kple ŋkume.
16 “Yesu ƒe ŋkɔe da gbe le dɔnɔ sia ŋu. Miawo ŋutɔ mienye nuwɔametɔ
si ƒomevi wònye va yi. Le nyateƒe me la, Yesu dzixɔse si Mawu ŋutɔ na mí la ƒe
ŋusẽ mee dɔnɔ sia kpɔ hayahaya blibo sia tsoe.”
17 “Nɔviwo, menya be nu si miewɔ ɖe Yesu ŋu la, mienya hafi wɔe o.
Nenema kee nye mia nunɔlawo hã. 18 Ke to wɔna siawo me la, Mawu na be nu siwo
11
nyagblɔɖilawo gblɔ da ɖi be ele be Mesia la nakpe fu nenema la va eme pɛpɛpɛ. 19
Ke azɔ la nɔviwo, mitrɔ miaƒe susu kple nɔnɔme ɖe Mawu ŋu, eye mitsɔ
mia ɖokuiwo nɛ ale be Mawu hã natsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi eye wòana be miakpɔ
dzidzeme. 20 Gawu la, Mawu agaɖo Yesu miaƒe Mesia la ɖe mi 21 Ẽ, abe ale si
nyagblɔɖilawo gblɔe da ɖi xoxoxo ene la, ele be Yesu nanɔ dziƒo va se ɖe esime
woaɖe nu vɔ̃ ɖa le nu sia nu ŋu keŋkekeŋ. 22 Mose hã gblɔe xoxo be, ‘ɣeyiɣi gbɔna
esi Mawu ŋutɔ aɖo nyagblɔɖila tɔxɛ aɖe ɖe mia dome abe nye Mose pɛpɛpɛ ene.
Anyo na mi be miaɖo to ame sia ƒe gbe 23 elabena woatsrɔ̃ ame sia ame si mase eƒe
gbe awɔ ɖe edzi o.’
24 “Samuel kple nyagblɔɖila bubuawo tso Samuel ŋɔli va ɖo fifia hã ƒo nu
tso nu siwo le dzɔdzɔm egbegbe la ŋu. 25 Miawoe nye nyagblɔɖila siawo ƒe
dzidzimeviwo eye ŋugbe si Mawu do na mia tɔgbuiwo la, miawo hã miele eme.
Mawu do ŋugbe na Abraham be, ‘Woayra xexeame blibo la to wò dzidzimeviwo
dzi.’ 26 Le ŋugbedodo sia ta, esi Mawu ɖo via ɖe xexeame la, eɖoe ɖe Israel dukɔ
la gbɔ gbã be wòakplɔ mi, miadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, atrɔ va Mawu gbɔ.”
Petro kple Yohanes le Sanhedrin ŋkume
4 Esi Petro kple Yohane nɔ nu ƒom na ameawo alea la, Osɔfogãwo kple
gbedoxɔŋudzɔlawo ƒe amegã kpakple Zadukitɔwo dometɔ aɖewo va do ɖe wo dzi. 2
Ale si Petro kple Yohanes nɔ gbeƒã ɖem be Yesu gagbɔ agbe tso ame kukuwo dome
la nye nu si mevivi wo nu kura o. 3 Eya ta wolé Petro kple Yohanes, gake esi fiẽ ɖo
xoxo ta la, wotsɔ wo ame evea de gaxɔ me be woadɔ afi ma ŋu nake. 4 Togbɔ be
12
wòva me alea hã la, ame geɖe siwo se Petro kple Yohanes ƒe nyagbɔgblɔ gbe ma
gbe la xɔe se hetrɔ dzime eye wozu xɔsetɔwo ale xɔsetɔwo katã ƒe xexlẽme va ɖo
abe akpe atɔ̃ ene. 5 Le ŋufɔke la, Yudatɔwo ƒe Osɔfogãwo, agbalẽfialawo kple
dumemegãwo kpe ta le Yerusalem. 6 Takpekpea me nɔla aɖewo nye Anas si nye
Osɔfogã, Kayafa, Yohanes, Aleksandro kple Anas ƒe ƒometɔ aɖewo. 7 Wokplɔ Petro
kple Yohanes va woƒe ŋkumee. Takpekpea me nɔlawo bia Petro kple Yohanes be,
“Ame kae na ŋusẽ mi be miawɔ nu sia?”
8 Enumake Gbɔgbɔ Kɔkɔe la do ŋusẽ Petro eye wòɖo eŋu na wo be, 9
“Osɔfogã, bubutɔwo, kple dumemegãwo, nenye tekunɔ sia ƒe hayahaya tae miele gbe
biam mí la, 10 ekema medi be mi kple Israeltɔwo katã mianya kɔtee be, to ŋusẽ tɔxɛ
si le Yesu Kristo Nazaretitɔ la ƒe ŋkɔ mee ame sia kpɔ lamesẽ le. Yesu siae nye
Mesia ame si miawo miewu, ke Mawu fɔe ɖe agbe tso ame kukuwo dome. Eya ƒe
ŋusẽe na be dɔnɔ sia tsi tre ɖe mía dome fifi laa, eye eƒe lãme sẽ. 11 Mawunya gblɔe
be, ‘Kpe si xɔtulawo gbe la eya kee trɔna zua dzogoedzikpe.’ 12 Yesu ɖeka pɛ ko
dzie ame sia ame ato hafi akpɔ ɖeɖe. Ame aɖeke megali le xexeame godoo si ate ŋu
axɔ na amegbetɔ aɖeke wu Yesu o.”
13 Ŋusẽ tɔxɛ si ɖo Petro kple Yohanes me be wote ŋu ɖo nyawo ŋu alea la,
wɔ nuku na Takpekpea ŋutɔ, elabena wonya be Petro kple Yohanes menya agbalẽ o.
Takpekpea kpɔe dze sii be, Yesu yomenɔnɔ tae wote ŋu kpɔ ŋusẽ sia. 14 Gawu la,
esi wònye be dɔnɔ si ŋu woda gbe le hã nɔ tsitre ɖe wo dome ta la, ɖe ko wònɔ na
Takpekpea me nɔlawo be woalɔ̃ be ŋusẽ aɖe le Petro kple Yohanes si vavã. 15 Le
13
esia ta wona wokplɔ Petro kple Yohanes do goe le xɔa me ale be woate ŋu akpɔ
mɔnu abu tame le nya la ŋu.
16 Azɔ Takpekpea me nɔlawo bia wo nɔewo be, “Nu ka tututue míawɔ ame
eve siawo? Enye nyateƒe matrɔmatrɔ be woda gbe le nuwɔametɔ sia ŋu vavã eye
nukunu sia ɖi hoo le Yerusalem du bliboa me. 17 Gake hã ɖewohῖ míate ŋu axe mɔ
na wo be woagakaka woƒe nya si gblɔm wole le Yesu kple ame kukuwo ƒe tsitretsitsi
ŋu ayi dzii o. Míayɔ wo ado vɔvɔ̃ na wo be ne wogakatse gblɔ nya tso Yesu ŋu la,
manyo na wo kura o!” 18 Ale wogayɔ Petro kple Yohanes va wo dome eye wode se
na wo vevie be yewomedi be yewoagasee alo akpɔ wo woanɔ nu fiam tso Yesu ŋu le
teƒe aɖeke kura o.
19 Ke Petro kple Yohanes ɖo eŋu gblɔ na wo be, “Miawo ŋutɔwo mibu eŋu
kpɔ be enyo be míase amegbetɔ ƒe gbe agbe Mawu ƒe gbedziwɔwɔ hã? 20 Asesẽ na
mí ŋutɔ be míadzudzɔ nuƒoƒo le nu wɔnuku siwo míekpɔ kɔtee be Yesu wɔ kple nya
siwo wògblɔ la ŋu.”
21 Ke Takpekpea me nɔlawo gaklẽ ŋku do wo hede se na wo be woadzudzɔ
nyawo gbɔgblɔ. Emegbe la woɖe asi le wo ŋu wodzo elabena womenya ale si tututu
woawɔ ahe to na wo ale be zi matɔ le dua me o, elabena ame sia ame kloe le dua
me nɔ Mawu kafum le nukunu gã si wòwɔ to Petro kple Yohanes dzi la ta. 22 Esia
nye be woda gbe le ame si nye tekunɔ ƒe blaene sɔŋ la ŋu.
Hametɔwo ƒe gbedodoɖa
14
23 Esi woɖe asi le Petro kple Yohanes ŋu tete ko la, woti wo tɔ nusrɔ̃lawo bubuawo
yii ɖagblɔ nu siwo katã dzɔ ɖe wo dzi la na wo.
24 Enumake wo katã woƒo ƒu do gbe ɖa gblɔ be,
“O Aƒetɔ Mawu gã, wò ame si wɔ dziƒo, anyigba, atsiaƒu kple emenuwo katã,
25 wò Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒo nu to mía tɔgbui David dzi be, ‘Nu ka ta Trɔ̃subɔlawo do
dziku ɖe Mawu ŋu eye dukɔwo hã le bablawo wɔm dzedzro ɖo? 26 Ẽ,
anyigbadzifiawo wɔ ɖeka be yewoaho aʋa ɖe Mawu kple Mesia la ŋu!”
27 “Nu sia tututue le dzɔdzɔm le mía dome egbe le Yerusalem du sia me!
Elabena fia Herodes kple Pontio Pilato kple Trɔ̃subɔlawo katã kpakple Israelviwo gɔ̃
hã wɔ ɖeka hetsi tre ɖe viwò Yesu, wò dɔla kɔkɔe si dzi 28 nèda asi ɖo la ŋu. Ke nu
si wò ŋutɔ nèɖo da ɖi le wò nunya kple ŋusẽ me xoxo la eya ko woate ŋu awɔ. 29
Azɔ mía Mawu, wò ŋutɔ se ale si wole kakam ɖe mía ŋui la ɖa! Na dzideƒo blibo mí
wò subɔlawo be míate ŋu agblɔ wò nya kple 30 agbe eye na ŋusẽ mí be míate ŋu ada
gbe le dɔnɔwo ŋu, awɔ nukunu gãwo le wò dɔla Kɔkɔe, Yesu, ƒe ŋkɔ me.”
31 Esi wodo gbe ɖa vɔ alea ko la xɔ si me wonɔ la ʋuʋu sesῖe eye Gbɔgbɔ
Kɔkɔe la ge ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe me ale be wogakpɔ ŋusẽ hegblɔ Mawu ƒe nya la
kple dzideƒo gã blibo.
Hametɔwo wɔ nu sia nu hamenui
32 Xɔsetɔ siawo katã ƒe dziwo kple susuwo nɔ ɖeka. Wo dometɔ aɖeke mebuna be
nu si le ye si la nye ye ɖeka ko tɔ o, ke boŋ womaa nuwo ɖe wo nɔewo dome. 33
Apostolowo kpɔ ŋusẽ gblɔ mawunya detowo heɖe gbeƒã Aƒetɔ Yesu ƒe tsitretsitsi tso
15
ame kukuwo dome eye amenuveve gã le wo katã dzi. 34 Koɖoɖo aɖeke menɔ anyi o,
elabena ame siwo si nuwo nɔ abe anyigba, xɔ kple bubuwo ene la dzra wo 35 hetsɔ
ga la vɛ na apostoloawo wona wo dometɔ ɖe sia ɖe ɖe eƒe hiahiã nu.
36 Yosef, Levitɔ, ame si wodzi le Kipro eye apostoloawo yɔna hã be
Barnaba, si gɔme woɖe be “Dzideƒovi” 37 dzra eƒe agble hetsɔ ga la katã vɛ na
apostolawo.
Anania kple Safira
5 Ŋutsu aɖe si woyɔna be Anania kple srɔ̃a Safira hã dzra anyigba, 2 ke Anania
tsɔ ga la ƒe ɖe dzra ɖo hafi tsɔ mamlɛa vɛ na apostoloawo be eyae nye ga si yekpɔ.
Nuwɔna sia nɔ nyanya me na srɔ̃a, Safῖra, hã.
3 Ke Petro biae be, “Anania, nu ka ta nèɖe mɔ na Satan be wòva xɔ aƒe ɖe
mèwo alea? Menye amegbetɔ blem nèle o, ke boŋ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la blem nèle. 4
Anyigba la, wò ŋutɔ tɔwòe eye ne edze ŋuwò la, àte ŋu adzrae, ke ne mèlɔ̃ o hã la,
màdzrae o. Nenema ke esi nèdzrae vɔ la, ŋusẽ le asiwò be nàtsɔ ga la ƒe akpa si dze
ŋuwò la vɛ na mí. Ke nu ka tae nètsɔ ga la ƒe ɖe dzra ɖo heva le gbɔgblɔm be ga la
katãe nye esia? Menye amegbetɔ blem nèle o ke boŋ Mawu ŋutɔ blem nèle.”
5 Esi Anania se nya sia tete ko la emu dze anyi enumake heku. 6 Vɔvɔ̃ ɖo
ame sia ame ŋutɔ. Ke ɖekakpui siwo kpɔ eteƒe la bla avɔ ɖe ame kukua ŋu hekɔe yi
ɖaɖi.
7 Abe gaƒoƒo etɔ̃ megbe ene la, Anania srɔ̃, Safῖra, hã va ɖo. Eya menye nu si
dzɔ ɖe srɔ̃a dzi o. 8 Petro biae be, “Safῖra, ga home ale kple alee miekpɔ tso anyigba
si miedzra mea?”
16
Safῖra ɖo eŋu enumake bobobo be, “Ẽ, nenema tututue míekpɔ.”
9 Petro gblɔ na Safῖra be, “Nu ka ta mi kple srɔ̃wo, Anania, miewɔ ɖeka be
yewoate Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔ kpɔ mahã? ɖekakpui siwo ɖi wò aƒetɔ ƒe kukua woe nye
ema le xɔa godo le wò hã lalam.”
10 Enumake Safῖra hã mu dze anyi heku, eye esi ɖekakpuiawo va kpɔ eƒe
kukua le anyigba la, wokɔ eya hã yi ɖaɖi ɖe srɔ̃a xa. 11 Nyadzɔdzɔ sia de vɔvɔ̃ gã
aɖe hame blibo la kple ame siwo katã see la me.
Apostoloawo yɔ dɔ ame geɖewo
12 Le ɣeyiɣi siawo me la, apostoloawo ƒoa ƒu edziedzi ɖe gbedoxɔ ƒe akpa si
woyɔna be Salomo ƒe Akpata la me, eye wonɔa dzesi kple nukunu geɖewo wɔm le
afi ma. 13 Ame geɖewo metea ŋu doa dzi tena ɖe apostoloawo ŋu tututu o, ke hã
ame sia ame tsɔ bubu tɔxɛ blibo na wo. 14 Ame geɖewo ŋutɔ, ŋutsu kple nyɔnu siwo
xɔ se la ge ɖe Aƒetɔ ƒe ha la me. 15 ɖe apostoloawo ƒe nukunuwɔwɔwo ta la, amewo
kɔa dɔnɔwo dana ɖe abawo dzi le mɔwo to be ne Petro va yina la, eƒe vɔvɔlῖ nadze
wo dzi. 16 Zi gã aɖe tɔ le kɔƒe siwo ƒo xlã Yerusalem la me eye amewo tsɔ woƒe
dɔnɔwo kple ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la vɛ eye wòda gbe le wo dometɔ ɖe sia
ɖe ŋu.
Woti Apostoloawo yome
17 Ke Osɔfogã la kple eŋume siwo tso Zadukitɔwo ƒe kɔmama la me la yɔ fũ kple
ŋuʋaʋã. 18 Ale wolé apostoloawo de gaxɔ me.
17
19 Ke le zã me la, mawudɔla aɖe va apostoloawo gbɔ le gaxɔa me. Eʋu
gaxɔa ƒe agbowo eye wòkplɔ wo do goe. Egblɔ na wo be, 20 “Miyi gbedoxɔ la me
eye miagblɔ Agbe Yeye sia ƒe nya na ame sia ame.”
21 Apostoloawo va ɖo gbedoxɔa me le ŋdi kanya eye wodze
mawunyagbɔgblɔ gɔme. Sẽ ko la, Osɔfogã la kple eŋumewo hã va ɖo gbedoxɔ la me.
Woyɔ Yudatɔwo ƒe takpekpe gã me nɔlawo ƒo ƒu ɖe woƒe takpeƒe, eye wodɔ
asrafoawo ɖa be woayi aɖakplɔ apostoloawo tso gaxɔ la me vɛ ne yewoadrɔ̃ ʋɔnu
wo. 22 Ke esi asrafoawo yi la, womekpɔ apostoloawo le gaxɔa me o, ale wotrɔ
yi ɖagblɔ na takpekpea me nɔlawo be, 23 “Esi míede la, asrafowo nɔ agboa nu dzɔm
pɛpɛpɛ eye ʋɔtrua hã nɔ tutu goŋgoŋgoŋ gake esi míeʋu ʋɔa hege ɖe eme la, míekpɔ
ame aɖeke le teƒea o.”
24 Nya sia ʋuʋu asrafo siwo kpɔa gbedoxɔa dzi ƒe amegã kple Osɔfogãwo
ŋutɔ eye woƒe dzi gbã. Womenya nu si tututu ava dzɔ ɖe esia yome o eye
womenya ɣekaɣi tututu hã nu siawo nu ava yi o. 25 Ke ame aɖe va gblɔ na wo be,
ame siwo wolé de gaxɔ me la woe nye ma le nya gblɔm na ameawo ŋusẽtɔe le
gbedoxɔ la me.
26 Enumake, asrafowo ƒe amegã kplɔ etevi aɖewo ɖe asi eye woyi ɖalé
apostoloawo. Asrafoawo kpɔ egbɔ be yewomelé wo sesẽtɔe o, elabe wonɔ vɔvɔ̃m be
ne yewowɔ esia la, ɖewohῖ ameha gã si le afi ma la aƒu kpe yewo awu. 27 Wokplɔ
apostoloawo va Sanhedrin la ƒe ŋkume be Osɔfogã nabia gbe wo.
28 Esi apostoloawo va ɖo Takpekpea me nɔlawo ŋkume la, Osɔfogã bia be,
“Menye ɖe míede se na mi be miadzudzɔ Yesu sia ƒe ŋutinya gbɔgblɔ oa? Ke azɔ
18
kura boŋ miekaka nya sia ɖe Yerusalem du bliboa me kple susu be amewo nabu fɔ
mí be míeda vo be míewu Yesu sia!”
29 Petro ɖe etɔwo nu gblɔ be, “Ele na mí be míawɔ ɖe Mawu ƒe gbe dzi ke
menye ɖe amegbetɔ tɔ dzi o. 30 Esi miewu Yesu si mieklã ɖe ati ŋu la, mía
tɔgbuitɔgbuiwo ƒe Mawu la ŋutɔ gafɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome. 31 Eye
Mawu tsɔ ŋusẽ blibo doe ɖe dzi be wòanye Fiavi kple ɖela ale be to eya dzi la,
Israelviwo nakpɔ mɔnu atrɔ wo ƒe agbenɔnɔ ale be woatsɔ wo ƒe nu vɔ̃wo ake wo. 32
Míawo ŋutɔwo míekpɔ nu sia teƒe tsitotsito eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe si Mawu naa ame
siwo wɔa eƒe gbe dzi la ɖi ɖase le nu siawo ŋu hã.”
33 Petro ƒe nya sia wɔ abe ɖe wòtsɔ ami kɔ ɖe dzo me ene, takpekpea me
nɔlawo katã nyra; wodo dziku blibo eye woɖoe be yewoawu apostoloawo.
Gameliel ƒe aɖaŋu
34 Ke ametsitsiawo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Gamaliel ame si hã nye Farisitɔ xɔŋkɔ
aɖe si nya xɔsenyawo ƒe sea nyuie la, tsi tre heƒo nu na takpekpea me nɔlawo. Ke
hafi wòadze nua ƒoƒo gɔme la, ebia be woakplɔ apostoloawo aɖe kpɔe vie.
35 Azɔ Gamaliel trɔ ɖe etɔwo gbɔ gblɔ na wo be, “Mía tɔ, Israeltɔwo, mikpɔ
nyuie le ɖoɖo si wɔm miele ɖe ame siawo ŋu la ŋuti. 36 Miawo ŋutɔwo miaɖo ŋku
edzi kɔtee be, ɣeyiɣi aɖe va yi la, ɖekakpui aɖe va do ɖe mía dome eye wòwɔ eɖokui
hlodzoo be yenye ame gã aɖe. Ẽ, le nyateƒe me la, ame abe alafa ene sɔŋ dze eyome.
Ke nu kae va dzɔ? Wowu eya ŋutɔ eye eyomedzelawo katã kaka gbẽ, ke nya vɔ̃
aɖeke medzɔ o. 37 Le eya megbe la ame bubu hã gava do. Ame sia nye Yuda si tso
19
Galilea. Eya ha dze agbagba he amewo ɖe eɖokui ŋu abe eƒe nusrɔ̃lawo ene, le
ŋkɔŋɔŋlɔ ŋkekeawo me. Gake, eya hã va ku eye eyomedzelawo kaka.”
38 Gamaliel yi dzi be, “Tɔnyetɔwo, aɖaŋu si medi be maɖo na mie nye be,
miɖe asi le ame siawo ŋu kpoo. Ne wònye woawo ŋutɔ ƒe nufiafia kakam wole la,
ekema eteƒe madidi o, nu sia nu awu enu. 39 Gake nenye Mawu ƒe dɔ wɔm wole
vavã la, ekema miate ŋu atsi enu gbeɖe o. Gawu la, ne miekpɔ nyuie o la, miakpɔ be
yewole kame tem kple Mawu.”
40 Takpekpea me nɔlawo xɔ Gamaliel ƒe aɖaŋu sia ale woyɔ apotoloawo vɛ
eye woƒo wo. Emegbe wode se na wo be woagagblɔ nya aɖeke le Yesu ƒe ŋkɔ me
gbeɖe o, eye woɖe asi le wo ŋu.
41 Apostoloawo ɖe abla do go le takpexɔa me kple dzidzɔ blibo be wodo
ŋukpe yewo le Yesu ƒe ŋkɔ ta. 42 Azɔ woyi edzi nɔ nya gblɔm gbe sia gbe le
gbedoxɔa me kple woƒe aƒewo me siaa be Yesue nye Mesia la.
Kpekpeɖeŋunala adreawo tiatia
6 Esime xɔsetɔawo ƒe xexlẽme va nɔ dzidzim ɖe edzi atraɖii ta la, liʋiliʋῖlilῖ
aɖewo va nɔ ta dom ɖa le wo dome. Wo dometɔ siwo nye Helatɔwo la gblɔ bena
ameŋkumekpɔkpɔ le ta dom ɖa le nuɖuɖumama me, elabena womenaa nuɖuɖu
Helatɔ siwo nye ahosiwo la wòdea Hebritɔ siwo hã nye ahosiwo la tɔ nu o. 2 Le esia
ta la, Apostolo wuieveawo ƒo xɔsetɔwo katã nu ƒu hewɔ takpekpe aɖe. Apostoloawo
doe ɖe hamea gbɔ be,
20
3 “Nɔviwo, mele be míawo míatsɔ nuɖuɖudzikpɔkpɔ awɔ míaƒe dɔ o. Míaƒe
dɔe nye be míagblɔ mawunya. Eya ta mitsa ŋku le mia ɖokuiwo dome, miatia mia
dometɔ adre siwo sea nu gɔme, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ wo me fũ eye ame sia ame kpɔ
ŋudzedze le wo ŋu. Ne mietia ame siawo la ekema míatsɔ nuɖuɖudzikpɔdɔ sia ade
wo si koŋ, 4 ale be míawo la míakpɔ ɣeyiɣi awɔ míaƒe dɔ si nye gbedodoɖa,
mawunyagbɔgblɔ kple nufiafia amewo.”
5 Nya sia me kɔ na hamea katã eya ta wotia ame adreawo. Ame siwo wotia
woe nye Stefano, ame si ƒe xɔse de to eye wòyɔ fũ kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la. Filipo,
Prokoro kple Nikano, bubuwoe nye Timon, Parmena kple Nikolas tso Antioxia ame
si nye trɔ̃subɔla si va zu Yudatɔ. 6 Esi wotia ame adre siawo vɔ la wokplɔ wo va
apostoloawo gbɔe eye wodo gbe ɖa ɖe wo ta heda asi ɖe wo dzi, yra wo.
7 Le esia megbe la apostoloawo kple xɔsetɔ bubuawo gblɔ mawunya le
teƒeteƒewo eye Yesu yomedzelawo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi fũ le Yerusalem, nenema
ke Yudatɔwo ƒe Osɔfo geɖewo gɔ̃ hã trɔ zu kristotɔwo.
Stefano léle
8 Stefano ame si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ fũ eye eƒe xɔse de to blibo la wɔ nukunu
geɖewo le amewo dome.
9 Ke gbe ɖeka la, Stefano do go Yudatɔwo ƒe xɔsehabɔbɔ tɔxɛ aɖe si woyɔna
be, “Ablɔɖeviwo” la, me tɔwo eye ame siawo de asi nyahehe me kplii vevie. Sẽ ko
la, Yudatɔ bubu siwo tso Kirene, Aleksandria le Egipte kple Kilikia kpakple Asia la
21
va kpe ɖe “Ablɔɖeviawo” ŋu le nyaa hehe me. 10 Gake wo dometɔ aɖeke mete ŋu
ɖu Stefano dzi o, le eƒe nunya kple gbɔgbɔ si le eme la ta.
11 Le esia ta woyi ɖakpɔ gbevu aɖewo be woava ɖi aʋatsoɖase le Stefano ŋu
be eƒo fi de Mose kple Mawu ŋutɔ gɔ̃ hã.
12 Nya sia sese na be dua me tɔ geɖewo dze agbo vevie. Wotso ɖe Stefano
ŋu eye Yudatɔwo ƒe amegãwo kple agbalẽfialawo lée hekplɔe yi ɖe dumemegãwo
gbɔe. 13 Aʋatsoɖaseɖila siawo gaɖi ɖase ɖe eŋu le takpekpea me be, yewo ŋutɔ
yewose Stefano wònɔ fewu ɖum le Yerusalem gbedoxɔ la kple Mose ƒe sewo ŋu.
14 Woyi dzi gblɔ be, “Míese Stefano gblɔ be, Yesu Nazaretitɔ sia, ava gbã
gbedoxɔ la eye wòaɖe Mose ƒe sewo katã ɖa.” 15 Esi nu siawo nɔ edzi yim la, ame
siwo katã nɔ takpekpea me la kpɔ be Stefano ƒe mo trɔ nɔ keklẽm abe mawudɔla tɔ
ene.
Stefano ƒe nuƒoƒo na Sanhedrin la
7 Osɔfogã la bia Stefano be, “Nɔvi, ɖe nya siwo katã wogblɔ le ŋuwò le eme
vavãa ?”
2 Stefano ƒo nu legbe aɖe heɖe nya me na wo be, “Mawu bubutɔ la ŋutɔ ɖe
eɖokui fia mía tɔgbui Abraham le esime wònɔ Mesopotamia hafi wòva yi Haran. 3
Mawu gblɔ nɛ be neklã eƒe ƒometɔwo katã eye wòabla agba, adzo adze mɔ ayi
anyigba bubu aɖe sãa si yeafiae la dzi. 4 Ale Abraham dzo le Kaldea nyigba dzi
heyi ɖanɔ Haran, va se ɖe esime fofoa ku gblẽe ɖi. Esia megbe la, Mawu kplɔe va
22
Israel nyigba sia dzi. 5 Ke Mawu metsɔ anyigba sia ƒe akpa aɖeke tete na Abraham
be wòanye etɔ o.
“Boŋ la Mawu do ŋugbe nɛ be le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, anyigba blibo la
azu eya kple eƒe dzidzimeviwo tɔ, togbɔ be vi aɖeke menɔ Abrahan si haɖe o hã. 6
Mawu gagblɔ na Abraham be, eƒe dzidzimeviwo adzo le anyigba la dzi ayi aɖanɔ
dzonyigba aɖe dzi ƒe alafa ene sɔŋ abe kluviwo ene. 7 Ke hã Mawu do ŋugbe na
Abraham be yeahe to na dukɔ si aɖe aboyo Israelviwo, eye emegbe la Israelviwo
agatrɔ va woƒe anyigba la dzi ava subɔ ye le afii.”
8 Stefano yi eƒe nuƒoa dzi be, “Mawu de se na Abraham be wòatso aʋa na via
ŋutsuviwo abe nubabla si le Mawu kple Abraham ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe
kpeɖodzinu ene. Le esia ta esi Isak si nye Abraham viŋutsu xɔ ŋkeke enyi ko la,
fofoa tso aʋa nɛ. Isak ƒe viŋutsue nye Yakɔb ame si hã ƒe viŋutsu wuieveawo me
Israel dukɔa ƒe tɔgbui wuieveawo dzɔ tso. 9 Yosef si nye Yakɔb vi mamlɛtɔ la ƒe nu
menyo nɔvia bubuawo ŋu kura o ale wodzrae na kluvisitsalawo, ame siwo kplɔe yi
Egipte abe kluvi ene. Ke hã la, Mawu nɔ kplii 10 ale gbegbe be wòɖee tso eƒe
fukpekpewo katã me eye gawu la, Mawu na be Egipte fia Farao kpɔ ŋudzedze le
eŋu. Le nunya manyagblɔ si Mawu na Yosef ta la Farao tsɔe ɖo dudzikpɔla gãe le
Egipte dukɔa me eye wògaɖoe tatɔ le eƒe fiasã blibo la me hã.”
11 “Eva eme be dɔ sesẽ aɖe va to le Egipte kple Kanan nyigba dzi ale be,
mía tɔgbuitɔgbuiwo kpe fu ŋutɔ. Nuɖuɖu vɔ le wo si keŋkeŋ. 12 Yakɔb se be nuɖuɖu
le Egipte nyigba dzi ale wòdɔ viawo ɖa be woaɖaƒle ɖe vɛ. 13 Esi wogayi Egipte zi
evelia la, Yosef ɖe eɖokui fia nɔviawo elabena womekpɔe dze sii zi gbãtɔ si wode
23
afi ma la o. Eɖe wo fia fia Farao hã. 14 Yosef dɔ nɔviawo ɖa be ne woyi la, woakplɔ
ye fofo Yakɔb, ye nɔviwo kple woƒe ƒometɔwo katã, ame siwo ƒe xexlẽme nɔ ame
blaadre-vɔ-atɔ̃ la vɛ na ye le Egipte. 15 Esiae na be Yakɔb kple viawo katã ʋu va tsi
Egipte afi si wo katã ku ɖo. 16 Eye wotsɔ Yakɔb kple viawo va Sikem eye woɖi wo
ɖe yɔdo si Abraham ƒle le Homor viwo gbɔ la me.”
17 Esime ɣeyiɣi si Mawu ɖo na Abraham be yeaɖe eƒe dzidzimeviwo tso
kluvinyenye me le Egipte ɖo vɔ la Israelviwo gadzi ɖe edzi fũ ŋutɔ le Egipte. 18 Ke
dzɔgbevɔ̃etɔe la woɖo fia bubu zikpuia dzi le Egipte. Fia sia menya naneke tso Yosef
ŋu o. 19 Le esia ta ewɔ tamesesẽ le mía tɔgbuitɔgbuiwo ŋu ale gbegbe be wòna
wowu woƒe vidzῖwo.
20 “Le ɣeyiɣi sia me lɔƒo la, wodzi Mose si nye ɖevi dzeɖekɛ aɖe. Le se si nɔ
anyi ɣemaɣi me ta la, esi wodzi Mose la, edzilawo ɣlae ɖe xɔme ɣleti etɔ̃ sɔŋ. 21 Ke
esi wòva dzɔ be womagate ŋu aɣlae o ta la, wotsɔe yi ɖada ɖe teƒe aɖe. Fia Farao
vinyɔnuvi va fɔe le afi ma ale wòtsɔe abe via ene hekpɔ edzi. 22 Wohe Mose ɖe
Egiptetɔwo ƒe nunya nu ale wòtsi va zu fiavi xɔŋkɔ aɖe le nunya kple dɔwɔwɔ me.
23 “Esi Mose xɔ abe ƒe blaene ene la, ewɔ susu gbe ɖeka be yeaɖi tsa aɖakpɔ
ye nɔvi Israelviwo ɖa. 24 Le tsaɖiɖi sia me la eva ke ɖe Israel ɖakakpui aɖe kple
Egiptetɔ aɖe ŋu wonɔ dzre wɔm. Mose kpɔe be Egiptetɔ la nɔ Israel ɖekakpuia ƒom
nɔ funyafunya wɔmii eya ta edze Egiptetɔ la dzi hewui. 25 Mose bui be wɔna sia ana
be Israelviwo axɔe se be Mawue ɖo ye ɖa be yeava ɖe wo le aboyo me hafi gake
womexɔe nenema o.”
24
26 “Le ŋufɔke la Mose gaɖi tsa yi etɔ Israelviwo gbɔ. Kasiaa, ekpɔ Israelvi
dzidzi eve hã wonɔ dzre wɔm vevie. Mose te ɖe wo ŋu enumake be yealé avu le wo
dome. Egblɔ na wo be, ‘Nɔviwo, menyo kura be miawo ɖeɖe mianɔ dzre wɔm alea o
eya ta midzudzɔ ne miawɔ ɖeka.’”
27 “Ke ame siawo dometɔ si ƒe nya medzɔ o la gblɔ na Mose be wòakpɔ eya
ŋutɔ ƒe nya gbɔ eye megade nu yewo tɔ me o. Ebia Mose be, ‘Ame kae ɖo wò fia
kple ʋɔnudrɔla ɖe mía dzi?’ Eyi dzi bia Mose be, 28 ‘Alo de nèdi be yeaƒo nye hã
awu abe ale si nèwu Egiptetɔ ma etsɔ enea?”
29 “Nya sia sese te ɖe Mose dzi ale gbegbe be wòsi dzo le nutoa me yi ɖanɔ
Midian nyigba dzi afi si wòdzi eƒe viŋutsu eveawo le.
30 “Le ƒe blaene megbe la, mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fia Mose le gbedzi le
teƒe aɖe si te ɖe Sinai to la ŋu. Mawudɔla la ɖe eɖokui fiae le gbe aɖe si le dzo bim
la me. 31 Esi Mose kpɔ dzobibia la, ewɔ nuku nɛ ŋutɔ eya ta eƒu du yi teƒea be
yeakpɔ nu si wònye. Ke esi wòƒu dua yina la, ese Mawu ƒe gbe bena. 32 ‘Nyee nye
tɔgbuiwòwo Abraham, Isak kple Yakɔb ƒe Mawu la.’ Dzidzi ƒo Mose ale gbegbe be
mete ŋu fɔ ta be yeakpɔ afi si gbea le ɖiɖim tso la o.
33 “Mawu ƒe gbe yi edzi gblɔ nɛ be, ‘ ɖe wò afɔkpawo le afɔ elabena teƒe si
nèle la nye teƒe kɔkɔe. 34 Mekpɔ fu gã si kpem vinyewo le le Egipte nyigba dzi, eye
mese woƒe nublanuiɣli si dom wole la hã. Eya ta meva be maɖe wo tso fukpekpe sia
me. Va ne madɔ wò ɖe Egipte ne nàwɔ dɔ sia nam’ 35 Ale Mose si gbɔ etɔwo gbe
nu le eye wobiae be, ‘Ame kae ɖo wò fia kple ʋɔnudrɔ̃la ɖe mia dzi hã?’ la, eya kee
Mawu gaɖo ɖa be wòanye woƒe ɖela kple kplɔla. 36 Ale to nukunu geɖewo wɔwɔ
25
me la, Mose kplɔ Israelviwo tso Egipte. Woto Ƒu Dziẽ la me eye wozɔ mɔ to gbedzi
ƒe blaene sɔŋ.
37 “Mose ŋutɔ gblɔ na Israelviwo be, ‘Mawu ana nyagblɔɖila aɖe adzɔ tso
mia me abe nye ke ene.’ 38 Mose ƒe nya sia va eme pɛpɛpɛ elabe esi wonɔ gbedzi nɔ
yiyim la, Mose nye avuléla si nɔ Israelviwo kple mawudɔla si na Mawu ƒe sewo le
Sinai to dzi la dome. Se si nye Agbenya lae wòna wo.”
39 “Ke nublanuitɔe la, mía tɔgbuiwo gbe nu le Mose gbɔ eye wodi be
yewoatrɔ ayi Egipte. 40 Le nyateƒe me la, woyɔ Arɔn hegblɔ nɛ be, ‘Nɔvi, me legba
siwo anye míaƒe mawu siwo akplɔ mí agbugbɔ yi Egipte na mí elabena míenya nu si
dzɔ ɖe Mose si kplɔ mí dzoe le Egipte nyigba dzi la dzi o.’ 41 Eya ta wowɔ legba ɖe
nyivi ƒe nɔnɔme me eye wosubɔ nu si wotsɔ woƒe asi wɔe la kple dzidzɔ blibo hesaa
vɔ nɛ.
42 “Wɔna sia na be Mawu hã ɖe asi le wo ŋu eye wosubɔ ɣe, ɣleti
kple ɣletiviwo abe woƒe mawuwo ene. Mawu bia wo to nyagblɔɖila Amos dzi be,
Israelviwo, esi mienɔ gbedzi ƒe blaene sɔŋ ɖe, nyee mienɔ vɔ sam naa? 43 Kpao,
menye nyee miesa vɔ na o ke boŋ miaƒe susuwo katã nɔ miaƒe trɔ̃ siwo ƒe ɖewo nye,
ɣletiviwo la kple miaƒe legba bubuwo ŋu. Le esia ta mana woaɖe aboyo mi, akplɔ yi
abe kluviwo ene ayi keke Babilonia godo ke.”
44 Stefano gblɔ yi dzi be, “Mía tɔgbuitɔgbuiwo tsɔ ɖaseɖiɖi ƒe agbadɔ la ɖe
ta nɔ gbea dzi, nɔ yiyim tso teƒe yi teƒe. Wowɔ ɖaseɖiɖi ƒe agbadɔ sia abe ale si
tututu Mawu ɖee fia Mose be woawɔe ene. 45 Le ƒe aɖewo megbe esi Yosua va zu
26
kplɔla eye wòho aʋa ɖe Trɔ̃subɔdukɔwo ŋu la wotsɔ agbadɔ sia yi woƒe nɔƒe yeye si
wonɔ la, eye wowɔ eŋutidɔ va se ɖe Fia David ŋɔli.”
46 “Mawu yra fia David ŋutɔ, eye David hã bia be Mawu naɖe mɔ na ye
yeatu gbedoxɔ gã aɖe si anɔ anyi tegbee la na eya, Yakɔb ƒe Mawu la. 47 Ke David
vi Solomo boŋue nye ame si va tu gbedoxɔ la nɛ. 48 Ke hã la, Mawu menɔa
gbedoxɔ si amegbetɔ ŋutɔ tsɔ eƒe asi tui la me o. Elabena Mawu ŋutɔ gblɔ to eƒe
nyagblɔɖila Yesaya dzi be, 49 ‘Nye fiazikpuie nye dziƒo eye anyigbae nye nye
afɔɖodzinu. Aƒe ka ƒomevi koŋ ame ate ŋu atu nam be manɔ eme? 50 Alo menye
nyee wɔ dziƒo kple anyigba siaa oa?’”
51 Stefano yi dzi gblɔ na ƒuƒoƒea be, “Mi trɔ̃subɔla tosesẽtɔ siawo, ɖe wòle be
miasẽ dzime atsi tre ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋu ɣesiaɣia? Ẽ, alea tututu mia tɔgbuiwo
wɔe nye si, eye eya ƒomevi ko wɔm miawo hã miele. 52 Mitɔ asi nyagblɔɖila si
yome mia tɔgbuiwo meti hewɔ fui o la dzi nam. Wowu nyagblɔɖila siwo gblɔ
Mesia ƒe vava ɖi eye miawo hã miede Mesia la asi eye miewui. 53 Ẽ, togbɔ be
mawudɔlawoe tsɔ Mawu ƒe seawo vɛ na mi hã la, mieɖo koŋ gblẽ seawo to wo dzi
dada me.”
Woƒu kpe Stefano wòku
54 Stefano ƒe nya sia tɔ dzi na Yudatɔwo ƒe kplɔlawo ŋutɔ. Wodo dziku vevie henɔ
nyanyram le wo ɖokuiwo me. 55 Ke Stefano ame si me Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ fũ la li
eƒe ŋkuwo ɖe dzi gãa, ekpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe gã la eye Yesu nɔ tsitre ɖe Mawu ƒe
27
nuɖusime. 56 Stefano gblɔ na ameha la be, “Mikpɔ ɖa mekpɔ dziƒo nu ʋu eye
Amegbetɔvi tsi tre ɖe Mawu ƒe nuɖusime.”
57 Nya sia gado dziku na wo ŋutɔ ale wo katã wotsɔ woƒe asiwo xe tome be
yewomagase nya aɖeke o. Wodze Stefano dzi henɔ ɣli dom be ame aɖeke megase
eƒe nya o. 58 Emegbe wohee do goe le dua me be yewoaƒu kpee wòaku. ɖasefowo
kple amewulawo ɖe woƒe awuwo na ɖekakpui aɖe si woyɔna be Saul la be wòakpɔ
wo dzi na yewo.
59 Esi kpeawo nɔ Stefano ƒe afi sia fi dzem kpamkpamkpam la, edo gbe ɖa
gblɔ be, “Aƒetɔ Yesu, xɔ nye gbɔgbɔ la.” 60 Emegbe la, edze klo eye wòdo ɣli gblɔ
be, “Aƒetɔ, mègado nu vɔ̃ sia teƒe na wo.” Ale wòdze anyi heku.
Saul ti hame la yome
8 Saul da asi ɖe Stefano wuwu sia dzi kpem. Tso gbe ma gbe dzi ko amewo
dze xɔsetɔ siwo le Yerusalem la yometiti gɔme vevie eye esia na be wo katã si yi
Yudea kple Samaria nutowo me negbe apostoloawo ɖeɖe koe susɔ ɖe Yerusalem. 2
Ke Yudatɔ aɖewo siwo vɔ̃a Mawu la va kɔ Stefano ƒe kukua yi ɖaɖi eye wofae ŋutɔ.
3 Ke Saul ɖoe kplikpaa be yeagblẽ hame la. Etsoa aƒeme yia aƒeme, léa ŋutsuwo
kple nyɔnuwo siaa ɖadea gaxɔ me.
Filipo gblɔ nyanyui la le Samaria
4 Ke xɔsetɔ siwo si dzo le Yerusalem la kaka Yesu ƒe nyanyui la le afi sia afi si
woyi. 5 Filipo hã yi Samaria eye wòɖe gbeƒã le Yesu ŋuti na wo. 6 Filipo wɔ nukunu
geɖewo le Samaria eya ta amewo va ɖoa toe ɣesiaɣi. 7 Enya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le
28
amewo me, eye ne wodo go le ameawo me alea la wonɔa ɣli dom sesῖe. Eyɔ dɔ
tekunɔwo kple lãmetututɔwo. 8 Esia wɔe be dzidzɔ blibo yɔ dua me fũ.
Simon akunyawɔla la
9 Ke ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Simɔn va nɔ Samaria dua me; enye afakala xɔŋkɔ aɖe le
eƒe nukunuwo ta, eya ŋutɔ da ŋkɔ ɖe eɖokui dzi be yenye gã. 10 Amewo katã ku ɖe
eŋu, ame ŋkutawo kple ame gblɔewo siaa eye woda ŋkɔ ɖe edzi be, “Ame siae nye
Mawu ƒe ŋusẽ si woyɔna be Ŋusẽ Gã” la. 11 Amewo dze eyome hoo elabena enaa
be wo nu kuna to eƒe afakaka la me ɣeyiɣi didi aɖe. 12 Ke esi dua me tɔwo se Filipo
ƒe nya la, woxɔe se be Yesu boŋue nye Mesia la. Woxɔ nya siwo Filipo gblɔ tso
Mawufiaɖuƒe la ŋu hã dzi se eya ta wode mawutsi ta na ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa.
13 Nukutɔe la, Simɔn, afakala la, ŋutɔ hã xɔ mawunya dzi se ale wode mawutsi ta
nɛ. Le esia megbe la enɔ Filipo ŋu kplikplikpli yia afi sia afi si wòyina la, eye
nukunu siwo katã Filipo wɔ la na be eƒe nu ku ŋutɔ.
14 Esi apostolo siwo le Yerusalem se be mawunya ɖo Samaria la, woɖo Petro
kple Yohanes ɖa be woaɖakpɔ ale si nuwo nɔ edzi yimii le afi ma ɖa. 15 Esime ame
dɔdɔawo va ɖo Samaria tete ko la, wodo gbe ɖa ɖe xɔsetɔ yeyeawo ta be woaxɔ
Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, 16 elabena tsi ko wode ta na wo le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ me ke
womexɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la haɖe o. 17 Esi Petro kple Yohanes nɔ gbea dom ɖa la,
woda woƒe asiwo ɖe xɔsetɔawo dzi, eye enumake woxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la. 18 Esi
Simɔn kpɔ be wona Gbɔgbɔ Kɔkɔe amewo to Apostoloawo ƒe asidada ɖe wo dzi me
29
la, ena ga Apostoloawo eye wògblɔ na wo be, 19 “Mina ŋusẽ sia nye hã ale be ame
sia ame si dzi mada asi ɖo la naxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la.”
20 Petro ɖo eŋu nɛ be, “Wò ga natsrɔ̃ kpli wò elabena èbu be yeate ŋu aƒle
Mawu ƒe nunana kple ga! 21 Wɔƒe kple gomekpɔkpɔ aɖeke mele asiwò le
subɔsubɔdɔ sia me o elabena wò dzi menyo le Mawu ƒe ŋkume o. 22 Dzudzɔ tame
vɔ̃ɖi ɖoɖo ne nàdo gbe ɖa na Aƒetɔ la. ɖewohῖ atsɔ wò susu vɔ̃ɖi sia ake wò. 23
Elabena edze nam ƒãa be èyɔ fũu kple vevesese eye nènye kluvi na nu vɔ̃.” 24
Simɔn ɖo eŋu be, “Do gbe ɖa na Aƒetɔ la ɖe tanye be nu siwo miegblɔ la dometɔ
aɖeke madzɔ ɖe dzinye o.”
25 Petro kple Yohanes nɔ Samaria hegblɔ mawunya sẽ hafi gatrɔ yi
Yerusalem. Wotɔ ɖe Samaria kɔƒe geɖewo hã me le mɔa dzi, hegblɔ nyanyui la na
amewo le afi siawo hã.
Filipo kple Etiopia fianyɔnu ƒe aƒedzikpɔla la
26 Ke le Filipo gome la, mawudɔla aɖe va gblɔ nɛ be, “Tso nàyi mɔ si tso
Yerusalem heto Gaza gbegbe la dzi.” 27 Filipo wɔ abe ale si wogblɔ nɛ la ene eye
kasia ekpɔ ame aɖe si tso Yerusalem gbɔna le mɔa dzi. Ame siae nye Etiopia ŋutsu
aɖe, si nye fianyɔnu Kandake ƒe gadzikpɔla gã la. Etso Yerusalem afi si wòyi ɖawɔ
subɔsubɔ le Mawu ƒe gbedoxɔ la me, 28 eye wòtrɔ va yina aƒe. Esi wònɔ mɔa dzi la
enɔ Nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ xlẽm sesῖe le eƒe tasiaɖam me.
29 Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gagblɔ na Filipo be, “Te ɖe tasiaɖam la ŋu.”
30
30 Esi wòɖe abla te ɖe tasiaɖam la ŋu eye wòse nu si xlẽm ŋutsua le la,
Filipo biae be, “Èse nu si xlẽm nèle la gɔmea?”
31 Etiopia ŋutsua ɖo eŋu nɛ be, “Ao, nɔvi, ale ke wɔ mate ŋu ase egɔme le
esime ame aɖeke meli aɖe eme nam o?” Azɔ eɖe kuku na Filipo be wòage ɖe
tasiaɖam la me anɔ ye xa. Filipo wɔ nenema. 32 Biblia ƒe akpa si xlẽm wònɔ la gblɔ
be, “Wokplɔe abe alẽvi ene yina wuwu ge. Eye abe ale si alẽvi nɔa anyi kpoo ne
wole eƒe fũwo sẽm ene la, nenema ke eya hã wɔ, meke nu kura o. 33 Le eƒe
ɖokuibɔbɔ ta womedrɔ̃ ʋɔnui ɖe mɔ dzɔdzɔe nu o. Ame kae ate ŋu agblɔ ale si
dzidzime si me wòdzɔ ɖo la ƒe tagbɔ sẽe la afia? Elabena woɖe eƒe agbe ɖa le
anyigba dzi.”
34 Etiopia ŋutsu la bia Filipo be, “Nyagblɔɖila Yesaya ŋu eya ŋutɔ nɔ nu ƒom
le loo alo ame bubu aɖe ŋuea?”
35 Biabia sia na be Filipo wɔ mawunya si wòxlẽ la kple bubuwo ŋutidɔ heƒo
nu le Yesu ŋu na Etiopia ŋutsua.
36 Esi wonɔ mɔa dzi yina sẽ ko la, wova ke ɖe tɔsisi sue aɖe ŋu. Etiopia
ŋutsua bia Filipo be, “Kpɔ ɖa! Tsie nye esi; nu ka ta nyemade mawutsi ta zi ɖeka
o?”
37 Filipo ɖo eŋu nɛ be, “Nenye be èxɔe se tso wò dzi blibo me ko la, ekema
naneke mexe mɔ o.”
Etiopia ŋutsua ɖo eŋu be, “Mexɔe se bena Yesu Kristoe nye Mawu Vi la.”
38 Enumake etɔ tasiaɖam la eye wòɖi ge ɖe tsia me eye Filipo de mawutsi ta
nɛ. 39 Esi wòdo tso tsia me tete ko la, Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔ kɔ Filipo dzoe ale be
31
Etiopia ŋutsua megakpɔe o, ke eya hã dze aƒemɔ dzi kple dzidzɔ. 40 Egblɔ nyanyui
lã le afi ma eye wògagblɔe le du siwo katã le Kaesarea mɔ dzi la hã me.
Saul ƒe dzimetɔtrɔ
9 Saul gado adã ɖe xɔsetɔwo ŋu vevie wu tsa eye wòlé gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo
heganɔ wo yome tim kple ŋkubiã. Eƒe susu kple didi katã koe nye be yeatsrɔ̃ xɔsetɔ
ɖe sia ɖe. Le esia ta eyi Osɔfogã la gbɔ 2 be wòana agbalẽ si ana ŋusẽ ye ale be ne
yeayi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe siwo le Damasko ne woakpe ɖe ye ŋu be yeate ŋu alé
xɔsetɔ siawo katã le teƒe siawo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, ade ga wo eye yeakplɔ
wo va Yerusalem. 3 Esi wòsusɔ vie ko wòaɖo Damasko dua me la, keklẽ gã aɖe
klẽ ɖe edzi tso dziƒo. 4 Edze anyi kpla enumake. Ke ese gbe aɖe be, “Saul, Saul, nu
ka ta nèle yonyeme tim alea?”
5 Saul bia kple vɔvɔ̃ be, “Wò ame kae le nu ƒom?”
Gbea ɖo eŋu nɛ be, “Nye, Yesu, ame si yome tim nèle lae. 6 Azɔ tsi tre eye
nàyi Damasko dua me; ne èɖo afi ma la, magblɔ nu siwo nàwɔ la na wò.”
7 Nyadzɔdzɔ sia wɔ nuku na Saul ŋumewo ŋutɔ. Woƒe nu ku ale gbegbe be
gbɔgblɔ bu ɖe wo elabena wonɔ gbeɖiɖi aɖe sem pɛpɛpɛ gake womekpɔ ame si nɔ
nu ƒom la o. 8 Saul wɔ ɖɔɖɔɖɔ tso le anyigba gake nukutɔe la megate ŋu nɔ nu kpɔm
o; eƒe ŋku dzi tsyɔ eya ta wolé eƒe alɔnu kplɔe ɖɔɖɔɖɔ yi Damasko. 9 Enɔ dua me
ŋkeke etɔ̃ numaɖumaɖu kple tsimanomanoe.
10 Mawudzixɔsela aɖe si ŋkɔe nye Anania la nɔ Damasko dua me ɣemaɣi.
Mawu yɔe le ŋutega me gbe ɖeka be, “Anania.”
32
Etɔ eye wògblɔ be, “Nyee nye esi, Aƒetɔ.”
11 Mawu gblɔ nɛ be, “Tso nàyi ablɔ si woyɔna be ‘Mɔ Dzɔdzɔe’ la dzi, eye
nàdi ŋutsu aɖe si woyɔna be Yuda la ƒe aƒeme. Ne èkpɔe la, bia ŋustua aɖe si
woyɔna be Saul tso Tarso la ta se le afi ma. Le gaƒoƒo sia me la, ele klo dzi le gbe
dom ɖa nam vevie 12 elabena meɖee fiae le ŋutega me be wò, Anania, àva egbɔ, àda
asi ɖe edzi be eƒe ŋkuwo naʋu ale be wòagate ŋu akpɔ nu.”
13 Anania gblɔ kple vɔvɔ̃ɣli be, “Aƒetɔ, mese be funyafunya si gbegbe Saul
sia wɔ xɔsetɔwo le Yerusalem la mele gbɔgblɔ me o ɖe! 14 Gawu la, míese be ɖe
wòxɔ agbalẽ koŋ tso Osɔfogãwo gbɔ le Yerusalem be yeava lé xɔsetɔ siwo katã le
Damasko le afii eye yeakplɔ wo ayi Yerusalem.”
15 Ke Aƒetɔ la ɖo eŋu na Ananaia be, “Yi nàwɔ ɖe nye gbe dzi. Elabena nye
ŋutɔe tia ame sia be wòanye dɔwɔla nam eye wòagblɔ nye nya na trɔ̃subɔladukɔwo,
fiawo kple Israelviwo ŋutɔ hã. 16 Eye nye ŋutɔ magblɔ fu siwo wòakpe ɖe tanye la
afiae.”
17 Anania tso heyi Saul gbɔ eye wòda asi ɖe edzi gblɔ nɛ be, “Nɔvinye Saul,
Aƒetɔ Yesu, ame si ɖe eɖokui fia wò le Damasko mɔ dzi la ɖom ɖa be mada gbe le
ŋuwò eye tso esia dzi la Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nayɔ mewò be nàgakpɔ nu.”
18 Enumake ewɔ abe tsrowoe ge le eƒe ŋkuwo dzi ene. Ŋkuawo ʋu eye
wògade asi nukpɔkpɔ me. Anania de mawutsita nɛ enumake.
33
Saul gblɔ mawunya le Damasko
19 Ŋusẽ gaɖo eya amea ŋu esi wona nanee wòɖu vɔ. Saul nɔ nusrɔ̃lawo gbɔ le
Damasko hena ŋkeke geɖewo. 20 Tete wòdze mawunyagbɔgblɔ gɔme le
woƒe ƒuƒoƒewo me le gbɔgblɔm be Yesue nye Mawu Vi la.
21 Ame siwo katã se Saul ƒe mawunya la ƒe nu ku ale gbegbe be wobia wo
nɔewo be, “Alo menye ame siae wɔ funyafunya geɖe Yesu yomedzelawo le
Yerusalem le woƒe xɔse ta oa ? Míese gɔ̃ be ɖe wòva Damasko afii be yealé
xɔsetɔwo ade ga wo akplɔ yii na Osɔfowo le Yerusalem!”
22 Saul yi eƒe mawunyagbɔgblɔ dzi kple ŋusẽ ale gbegbe be, Yudatɔ siwo nɔ
Damasko la mete ŋu tsi tre ɖe eƒe nya siwo ɖee fia kɔtee be Yesue nye Kristo la ŋu
o.
23 Le ŋkeke aɖewo megbe la Yudatɔwo ƒe kplɔlawo wɔ ɖoɖo be yewoawu
Saul. 24 Ke ame aɖe va fi tofῖ na Saul be dzɔlawo le Damasko ƒe agbowo nu dzɔm
zã kple keli bena ne eva yina la yewoawui. 25 Eya ta gbe ɖeka zã la, Saul
yomedzela aɖewo tsɔe de kusi gã aɖe me heɖiɖii to gli si ƒo xlã dua tame va se ɖe
esime wòɖo anyigba eye wòsi dzo.
Saul si yi Yerusalem
26 Esi Saul va ɖo Yerusalem la, edze agbagba be yeawɔ ɖeka kple xɔsetɔ siwo le afi
ma la gake wonɔ vɔvɔ̃m nɛ eye womelɔ̃ te ɖe eŋu o; elabena wobu be alakpa dam
wònɔ be yezu wo dometɔ ɖeka. 27 Ke gbe ɖeka la, Barnaba kplɔ Saul va
apostoloawo gbɔe. Eƒo nu na wo le ale si Saul kpɔ Aƒetɔa le Damasko mɔ dzi, nya
34
siwo wògblɔ nɛ kple ale si Saul gblɔ mawunya kple ŋusẽ tɔxɛ le Yesu ƒe ŋkɔ me la
ŋu na wo. 28 Esia na be apostoloawo xɔ Saul ɖe wo dome ale tso ɣemaɣi dzi la enɔ
xɔsetɔwo ŋu kplikplikpli henɔ mawunya gblɔm dzideƒotɔe le Aƒetɔa ƒe ŋkɔ me. 29
Ke eva va eme be Helatɔ trɔ zu Yudatɔ aɖewo, ame siwo Saul he nya kplii la
wɔ ɖoɖo be yewoawui. 30 Esi xɔsetɔ bubuawo se be Saul ƒe agbe ɖo xaxa me alea
la, wokplɔe yi Kaisarea eye tso afi ma la woɖoe ɖe wo de, Tarso.
31 Le ɣeyiɣi siawo katã me la, tomefafa blibo nɔ hame siwo le Yudea,
Galilea kple Samaria nutowo me la me. Esia wɔ be hamea ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi
eye wògasẽ ŋu ɖe edzi wu le gbɔgbɔ me hã. Xɔsetɔwo srɔ̃ ale si woanɔ agbee le
mawuvɔvɔ̃ me eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la hã na dzidzeme blibo wo.
Petro da gbe le Aenea ŋuti
32 Petro nɔ tsatsam le xɔsetɔwo dzi tso teƒe yi teƒe eye wòva ɖo Lida. 33 Teƒe sia
wokpɔ ŋutsu aɖe le ame si woyɔna be Aenea, ame si nɔ lãmetutudɔ lém eye
wòtsi aba dzi ƒe enyi sɔŋ.
34 Petro yɔe gblɔ nɛ be, “Aenea, Yesu Kristo da gbe le ŋuwò, eya ta tsi tre
eye nàŋlɔ wò aba.” Ŋutsua ƒe lãme sẽ enumake. 35 Nukunu sia wɔe be ame siwo
katã le Lida kple Saron dze Aƒetɔ la yome elabena wokpɔ Aenea wònɔ zɔzɔm.
Petro fɔ Tabita tso ku me
36 Nyɔnu dɔmenyotɔ aɖe nɔ Yopa dua me si woyɔna be Tabita si gɔmee nye Dɔkas.
Nyɔnu sia nye xɔsetɔ si wɔa dɔmenyo na amewo ŋutɔ, vevietɔ ame dahewo. 37
35
Le ɣeyiɣi sia me tututu la nyɔnu sia dze dɔ eye wòku. Wodzra eƒe kukua ɖo eye
woɖoe aba dzi le dziƒoxɔ aɖe dzi. 38 Ke esi nyɔnua xɔlɔ̃wo se Petro ŋkɔ le Lida la
woɖe ame eve ɖo ɖee kple kukuɖeɖe be wòaɖe abla ava yewo gbɔ le Yopa, elabena
Lida tsɔ ɖe Yopa gbɔ. 39 Petro lɔ̃ va Yopa. Esi wòva ɖo tete ko la, wokplɔe yi xɔ si
me wotsɔ Dɔkas ƒe kukua mlɔe. Xɔa me yɔ fũ kple konyifalawo, ame siwo dometɔ
geɖewo nye ahosi siwo Dɔkas lɔ̃ avɔ alo awu na le eƒe agbeme. ɖe sia ɖe nɔ nu siwo
Dɔkas wɔ nɛ la tsɔm fia nɔvia. 40 Esi Petro ge ɖe xɔa me la, ebia tso wo katã si be
woado go ana mɔ ye. Esi wodo go la, Petro dze klo do gbe ɖa, eye wòtrɔ ɖe ame
kukua gbɔ gblɔ nɛ bena, “Nɔvi Dɔkas, tsi tre!” Enumake ame kukua ʋu ŋku eye esi
wòkpɔ Petro la, efɔ bɔbɔ nɔ abatia dzi. 41 Petro lé eƒe alɔnu eye wòtsi tre. Azɔ Petro
yɔ xɔsetɔawo kple ahosiawo va xɔa mee eye wòtsɔ Dɔkas de asi na wo.
42 Nukunya sia kaka ɖe du bliboa me abe gbe ƒuƒu si wotɔ dzoe la ƒe bibi
ene, eye ame geɖewo ŋutɔ trɔ hexɔ Aƒetɔa dzi se. 43 Petro nɔ Yopa dua me ŋkeke
geɖe eye wònɔ Simɔn si nye Lãgbalẽŋutidɔwɔla la gbɔ le eƒe aƒeme.
Kornelio dɔ ame ɖe Petro
10 Roma ŋutsu aɖe si nye asrafomegã la nɔ Kaisarea le ɣemaɣi. Eŋkɔe nye
Kornelio eye wònye asrafomegã nɔ Italiatɔwo ƒe aʋakɔ ɖeke nu. 2 Ame sia nye
mawuvɔ̃la adodoe aɖe eye eƒe aƒemetɔwo katã hã nye mawuvɔ̃lawo. Ewɔa dɔmenyo
ŋutɔ eye mefena kple gbedodoɖa hã o. 3 Gbe ɖeka abe ɣetrɔ ga etɔ̃ me ene la, ekpɔ
ŋutega esime wònɔ gbe dom ɖa. Ekpɔ mawudɔla aɖe wògbɔna egbɔ. Mawudɔla la
yɔe be, “Kornelio!”
36
4 Kornelio vɔ̃ ŋutɔ. ɖe ko woke ŋku ɖe te gãa nɔ mawudɔla la kpɔm. Mlɔeba
la ebiae be, “Amegã, nya kae dzɔ? Nu ka dim nèle tso gbɔnye?”
Mawudɔla la ɖo eŋu nɛ be, “Mawu se wò gbedodoɖawo eye wòde dzesi wò
dɔmenyowɔwɔwo katã hã. 5 Dɔ amewo ɖe Yopa ne woaɖayɔ ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye
Simɔn Petro la vɛ be wòava kpɔ wò ɖa. 6 Simɔn Petro sia le ŋutsu bubu aɖe si
woyɔna be Simɔn si nye lagbalẽŋutidɔwɔla aɖe la, ƒe aƒeme le ƒuta lɔƒo.” 7 Esi
mawudɔla la dzo tete ko la, Kornelio yɔ eƒe subɔla eve kple eya ŋutɔ ƒe asrafowo
dometɔ ɖeka, ame si hã vɔ̃a Mawu la, 8 eye wògblɔ nu si dzɔ la na wo. Azɔ eɖo wo
ɖe Yopa be woaɖakplɔ Petro vɛ.
Petro kpɔ ŋutega
9 Le ŋufɔke ƒe ŋdɔme la, wonɔ tetem ɖe du la ŋu ; ɣemayi la, Petro yi xɔta be yeado
gbe ɖa. 10 Ke dɔ de asi ewuwu me eye wòdi be yeaɖu nu, ke esi wònɔ nua ɖam la,
ekpɔ ŋutega. 11 Ekpɔ aklala gã aɖe si wotsi ka eƒe dzoge eneawo la wònɔ ɖiɖim tso
dziƒo gbɔna anyigba. 12 Ekpɔ lã afɔenewo, nutatawo kple dziƒoxevi vovovowo le
avɔ la dzi.
13 Petro se gebɖiɖi aɖe wògblɔ nɛ be, “Heyi nàwu lã siawo dometɔ ɖe sia ɖe
si nèlɔ̃ la, nàɖu.”
14 Ke Petro ɖo eŋu be, “Gbeɖe, Aƒetɔ, nyemate ŋu awɔ esia o. Mí Yudatɔwo
la, se meɖe mɔ be míaɖu lã siawo ƒomevi o eye nyemeɖu wo dometɔ aɖeke kpɔ le
nye agbe me o.”
37
15 Gbeɖiɖia gayi edzi gblɔ na Petro be, “Mègagbe Mawu ƒe gbe dzi wɔwɔ o.
Ne Mawu da asi ɖa nane dzi be ekɔ la, mèkpɔ mɔ agblɔ be mekɔ o.”
16 Woɖe ŋutega sia fia Petro zigbɔzi etɔ̃ sɔŋ, eye le eya megbe la, wohe
aklala la dzoe yi dziƒo. 17 Ŋutega sia wɔ moya na Petro ŋutɔ. Mese egɔme o eye
menya nu si tututu Mawu di be yeaɖe fiae hã o. 18 Le ɣemaɣi me tututu la, Kornelio
ƒe amedɔdɔwo va ɖo aƒea me henɔ tsitre ɖe aƒea ƒe agbonu nɔ Simɔn Petro ta biam
se be afi kae wòle mahã?
19 Ke esi Petro ganɔ tame bum le ŋutega la ŋu la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔ nɛ
be, “Ame etɔ̃ aɖewo le diwòm le aƒea me. 20 Eya ta ɖi nàyi ɖakpe wo, eye nàdze wo
yome ayi kpli wo elabena nyee dɔ wo ɖo ɖe gbɔwò. Mègavɔ̃ o, nu sia nu ayi edzi
nyuie.”
21 Ale Petro ɖi ɖe anyigba. Ekpɔ amedzroawo, eye wògblɔ na wo be, “Nyee
nye ame si dim miele. Nu kae miele diyem be mawɔ na mi?” 22 Ŋutsuawo ɖo eŋu
nɛ be, “Ame dɔdɔwo mienye tso Kornelio si nye Roma srafowo ƒe amegã ɖeka la
gbɔ. Enye ame dzɔdzɔe kple mawuvɔ̃la, eye Yudatɔwo katã hã bunɛ ŋutɔ. Mawudɔla
aɖe ɖe eɖokui fiae eye wòbia tso esi be wòadɔ ame ne woayɔ wò ɖee be nàgblɔ nu si
wòawɔ la nɛ.”
Petro le Kornelio ƒe aƒeme
23 Petro se nya siawo katã eye wòxɔ ameawo atuu. Ena dzeƒe wo be woatsi adɔ. Le
ŋufɔke la, Petro kplɔ xɔsetɔ eve aɖewo tso Yopa kpe ɖe eɖokui ŋu eye wodze mɔ
kple Kornelio ƒe ame dɔdɔwo ɖo ta Kaisarea.
38
24 Wova ɖo Kaisarea le ŋkeke evea gbe. Kornelio nɔ mɔ kpɔm na wo vevie
eye wòyɔ eƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo hã be woava do gbe na Petro. 25 Esi Petro ge
ɖe aƒea me tete ko la, Kornelio ɖe abla yi ɖadze klo ɖe ekɔme be yeasubɔe.
26 Ke Petro gblɔ nɛ be, “Tso kaba, elabena menye Mawue menye nàsubɔ o.
Amegbetɔ ko nye hã menye.”
27 Kornelio tsi tre eye eya kple Petro woɖo dze vie emegbe la woyi afi si
ame mamlɛawo ƒo ƒu ɖo.
28 Le gbelɔlɔ̃ vɔ megbe la, Petro tsi tre hegblɔ na ƒuƒoƒea be, “Miawo ŋutɔ
mienya be mele be nye abe Yudatɔ ene mava mi Trɔ̃subɔlawo ƒe aƒeme alea o. Gake
Mawu ɖee fiam le ŋutega me be, mele be mabu ame aɖeke be enye nu maɖinu o. 29
Eya ta esi miaƒe ame dɔdɔwo va ɖo gbɔnye ko la, nyemehe ɖe megbe kura o, ke boŋ
metso dze mɔ dzi enumake. Azɔ nya kae le mia si? Migblɔe mase.”
30 Kornelio ɖo eŋu gblɔ nɛ be, “Egbee nye ŋkeke enelia, esi menɔ gbe
dom ɖa le gaƒoƒo sia tututu me abe ale si mewɔnɛ ɖaa ene. Ame aɖe si do awu ɣi si
nɔ dzo dam miamiamia la va do ɖe ŋkunyeme. 31 Egblɔ nam be, ‘Kornelio, Mawu
se wò gbedodoɖawo eye wòkpɔ dzidzɔ le wò dɔmenyowɔwɔwo ŋu. Azɔ la, dɔ ame
aɖewo ɖe Yopa, 32 be ne woayi aɖayɔ Simɔn Petro vɛ na wò. Simɔn Petro sia le
Simɔn si nye lãgbalẽŋutidɔwɔla aɖe ƒe aƒeme le ƒuta. 33 Esia tae medɔ ame ɖo ɖe
gbɔwò ɖo eye enyo ŋutɔ be nèva zi ɖeka hã. Azɔ mí katã míeƒo ƒu ɖi, le Aƒetɔ la
ŋkume le klalo be míase nya si Mawu de asiwò be nàgblɔ na mí.”
39
Petro ƒe mawunyagbɔgblɔ na Kornelio ƒe aƒe
34 Petro ɖo eŋu gblɔ be, “Eme kɔ nam ƒãa azɔ be nyateƒee Mawu mekpɔa ame
ŋkume o, 35 ke boŋ exɔa ame sia ame si vɔ̃nɛ eye wòwɔa nu si le eteƒe, du ka ke
mee wòtso hã. 36 Meka ɖe edzi be miawo hã miese nyanyui si wohe vɛ na
Israelviwo la, be Yesu he tomefafa va amegbetɔwo kple Mawu domee eye Yesue
nye Mesia kple xexeame katã ƒe Aƒetɔ. 37 Yohanes Mawutsidetanamela dze nyanyui
sia kaka gɔme tso Galilea eye wòkaka ɖe Yudea nuto bliboa katã me. 38 Meka ɖe
edzi be mienya hã be Mawu da asi ɖe Yesu, Nazaretitɔ la, dzi to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la
me eye wòna ŋusẽ si na be wòte ŋu nɔ tsatsam henɔ dɔmenyo wɔm na amewo lae.
Eda gbe le dɔlélawo ŋu henya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le amewo me elabena Mawu nɔ
kplii ɖaa.”
39 Petro yi dzi be, “Ke mí apostoloawoe nye ɖaseɖilawo na nu siwo katã
wòwɔ le Israel kple Yerusalem afi si woklãe ɖe ati ŋu hewui le. 40 Ke Mawu gafɔ
Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome le ŋkeke etɔ̃a gbe tututu eye wòɖee fia ame
tɔxɛ aɖewo si eya ŋutɔ tia. 41 Meɖee fia le dutoƒo o ke boŋ eɖee fia mí apostoloawo
eye míeɖu nu heno nu kplii le eƒe fɔfɔ tso ame kukuwo dome megbe. 42 Eye Yesu
dɔ mí be míagblɔ nyanyui la na amewo katã eye míaɖe gbeƒãe be Mawu tia Yesu be
wòanye ʋɔnudrɔ̃la na amewo katã, agbagbeawo kple kukuawo siaa. 43
Nyagblɔɖilawo katã hã ŋlɔ nu tso Yesu ŋu gblɔ be, ame sia ame si axɔ edzi ase la,
woatsɔ eƒe nu vɔ̃wo akee to eƒe ŋkɔ la me.”
40
Helatɔwo hã xɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la
44 Le esime Petro nɔ nya siawo gblɔ la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dze ame siwo katã nɔ
to ɖom la dzi.
45 Nɔvi xɔsetɔ siwo tso aʋatsotso la me, ame siwo va kple Petro la ƒe mo wɔ
yaa be wokɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖe Trɔ̃subɔlawo gɔ̃ hã dzi. 46 Elabena wose wonɔ aɖe
yeye gblɔm nɔ Mawu kafum.
Tete Petro gblɔ bena, 47 “ɖe ame aɖe ate ŋu axe mɔ be womade mawutsi ta
na ame siawo oa? Woawo hã xɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la abe miawo ke ene.” 48 Ale wɔ
Petro de mawutsi ta na wo le Yesu si nye Mesia la ŋkɔ me. Le esia megbe la,
Kornelio ɖe kuku na Petro be wòanɔ yewo gbɔ ŋkeke aɖewo hafi adzo.
Petro ɖe eɖokui nu
11 Eteƒe medidi kura hafi apostoloawo kple nɔvi bubu siwo le Yudea la se be
Trɔ̃subɔlawo hã xɔ nyanyui la o. 2 Ke esi Petro trɔ va ɖo Yerusalem la, Yudatɔ siwo
xɔ Yesu dzi se la he nya ɖe eŋu vevie hegblɔ nɛ be,
3 “Wò la, èyi ɖade ha kple Trɔ̃subɔlawo eye mi kple wo mieda asi agba ɖeka
me ɖu nu gɔ̃!”
4 Esia na be Petro gblɔ ale si nyawo katã va dzɔe la na wo. 5 Egblɔ na wo be,
“Gbe ɖeka esime menɔ gbe dom ɖa le Yopa la, mekpɔ ŋutega aɖe. Nu si tututu
mekpɔe nye be, aklala gã aɖe si wotsi ka ɖe eƒe dzogoe eneawo dzi la ɖiɖi ɖe gbɔnye
tso dziƒo. 6 Esi melé ŋku ɖe aklalaa dzi la mekpɔ anyigbadzilã afɔeneawo, lã
41
wɔadãwo kple nutatawo kpakple dziƒoxeviwo le afi ma. 7 Mese gbe aɖe wòle
gbɔgblɔm nam be, ‘Petro, tsi tre. Wu wo nàɖu.’”
8 “Ke meɖo eŋu be, ‘Kpao, Aƒetɔ, nyemate ŋu awɔ esia o. Nyemeɖu lã
makɔmakɔ siawo dometɔ aɖeke kpɔ o elabena wonye kɔ na mí Yudatɔwo.’”
9 “Ke megase gbeɖiɖia tso dziƒo wògblɔ nam be, ‘Ne Mawu da asi ɖe nane
dzi be ekɔ la, wò la, mègagblɔ be mekɔ o!’”
10 “Nuwɔna sia yi edzi zigbɔzi etɔ̃ sɔŋ eye emegbe la wohe aklala la kple nu
siwo katã nɔ edzi la yi dziƒoe. 11 Le ɣemaɣi me tututu la, ame dɔdɔ etɔ̃ aɖewo tso
Kaisarea va ɖo aƒe si me menɔ la me be yewoakplɔm ayi Kaisarea. 12 Gbɔgbɔ
Kɔkɔe la de dzi ƒo nam be magaxa nu be wonye Trɔ̃subɔlawo o ke boŋ mayi kpli
wo. Eya ta nye kple nɔvinye ade siwo le afii la míedze mɔ heyi. Eteƒe medidi o
míeva ɖo ame si dɔ ame ɖo ɖem la ƒe aƒeme la Kaisarea.” 13 Ŋutsu sia gblɔ ale si
mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fiae eye wògblɔ na ye be, ‘Dɔ ame ɖo ɖa Yopa ne woayɔ
Simɔn si wogayɔna hã be Petro la vɛ na wò. 14 Atsɔ gbedeasi aɖe vɛ na wò si ana be
wò kple wò aƒe siaa miakpɔ ɖeɖe.’
15 “Esi mese nya sia la, mede asi nyanyui la gbɔgblɔ me na wo. Ke esi mele
nyaa gbɔgblɔ dzi la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋutɔ dze wo dzi abe ale si tututu wòdze míawo
hã dzii le gɔmedzedzea ene. 16 Esi nu sia dzɔ alea ko la, Aƒetɔ ƒe nya si wògblɔ be,
‘Ẽ, Yohane, de mawutsi ta na amewo kple tsi ke miawo la woade mawutsi ta na mi
kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la,’ va tame nam enumake. 17 Azɔ esi wònye Mawu ŋutɔe na
nunana sia trɔ̃subɔla siawo abe ale si wòna míawo hã be míaxɔ Aƒetɔ Yesu Kristo
dzi se ene ta la, ame kae menye be mahe nya kple Mawu?”
42
18 Nya sia wɔ dɔ ɖe apostoloawo kple Yudatɔ siwo xɔ Yesu dzi se la dzi ale
gbegbe be womegahe nya aɖeke kura o ke boŋ wogblɔ be, “Nyateƒee, Mawu ŋutɔ na
mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ sia Trɔ̃subɔlawo hã be woate ŋu atrɔ va ye gbɔ eye woakpɔ agbe
mavɔ.”
Antioxia Hame la
19 Le ɣeyiɣi siawo me la, xɔsetɔ siwo si le Yerusalem, le yometiti si va le Stefano
wuwu megba la, dometɔ aɖewo zɔ mɔ yi kekeke Foenike, Kipro kple Antioxia
nutowo me henɔ nyanyui la gblɔm na ame siwo nye Yudatɔwo ko. 20 Gake xɔsetɔ
siwo tso Kipro kple Kirene heyi Antioxia la dometɔ aɖewo ƒo nu na Helatɔ aɖewo
hã le Aƒetɔ Yesu ŋu. 21 Eye Aƒetɔ la de bubu nu si wowɔ la ŋu ale be Trɔ̃subɔla
siawo dometɔ geɖewo trɔ zu Yesu yomedzelawo.
22 Esi hame si le Yerusalem se nu si le edzi yim la, woɖo Barnaba ɖe
Antioxia be woaɖakpe ɖe xɔsetɔ yeyeawo ŋu. 23 Esi Barnaba kpɔ nu gã siwo Mawu
wɔ le Antioxia la, dzi dzɔe ŋutɔ. Egado ŋusẽ xɔsetɔawo be woayi dzi alé ɖe Mawu
ŋu goŋgoŋgoŋ nenye be nya sia nya le dzɔdzɔm hã. 24 Barnaba nye ŋutsu dɔmenyotɔ
aɖe si me Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ fũ eye eƒe xɔse hã li ke sesῖe. To ame sia ƒe dɔwɔwɔ
me la, ame geɖewo trɔ zu xɔsetɔwo.
25 Tso Antioxia la, Barnaba ti Saul ƒe mɔ yi Tarso. 26 Esi wòke ɖe eŋu la
ekplɔe eye wo ame evea trɔ va Antioxia henɔ afi ma ƒe ɖeka sɔŋ, nɔ nu fiam
xɔsetɔwo. Antioxiae wona ŋkɔ xɔsetɔwo le zi gbãtɔ be, “Kristotɔwo.”
43
Nunana Kristo Hame si le Yerusalem
27 Le ɣeyiɣi sia me tututu la, nyagblɔɖila aɖewo tso Yerusalem va Antioxia. 28
Gbe ɖeka wo dometɔ ɖeka si woyɔna be Agabo la gblɔ nya ɖi tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe
la ƒe ŋusẽ me be dɔ gã aɖe gbɔna toto ge le xexeame katã. Nya sia va eme le fia
Klaudio ƒe dziɖuɣi. 29 Le esia ta xɔsetɔwo ɖo be yewoadzɔ nu, aɖo ɖe yewo nɔvi
Kristotɔ siwo le Yudea eye ame sia ame nadzɔ nu abe ale si wòate ŋu ene. 30 Wowɔ
esia eye wotsɔ woƒe nunanawo de Barnaba kple Saul si be woatsɔ ayi na hanunɔlawo
le Yerusalem.
Woɖe Petro le gaxɔme nukutɔe
12 Le ɣemaɣi me la fia Herodes lé hamevi aɖewo heɖoe be yeawɔ fu wo le xɔse
la ta. 2 Ale wòwu Yakobo, Yohanes nɔvi la, kple yi.
3 Herodes kpɔ be nuwɔna sia do dzidzɔ na Yudatɔwo ƒe dumemegãwo ŋutɔ
eya ta ena wolé Petro hã le esime wonɔ Ŋutitotoŋkeke la ɖum, eye wòdee gaxɔ me. 4
Ena asrafo wuiade nɔ eŋu dzɔm. Herodes ɖoe be ne woɖu Ŋutitotoŋkekea vɔ la,
yeaɖe asi le Petro ŋu na Yudatɔwo woadrɔ̃ ʋɔnui eye woawui. 5 Ke hamea katã nɔ
gbe dom ɖa vevie atraɖii na Mawu be Petro nanɔ dedie le gaxɔa me.
6 Le zã si do ŋgɔ na gbe si gbe woɖo be woawu Petro me la, Petro nɔ alɔ̃
dɔm le asrafo eve dome. Wode ga asi nɛ sesῖe. Asrafo bubuwo hã ganɔ gaxɔa ƒe
agbonu dzɔm. 7 Kasia Aƒetɔ ƒe dɔla aɖe va do eye Kekeli klẽ ɖe gaxɔ la me. Dɔla
la ƒo Petro ƒe axame henyɔe tso alɔ̃ me. Egblɔ nɛ be, “Netsɔ, tsi tre!” Enumake
gakɔsɔkɔsɔ la ge le Petro ƒe alɔnu.
44
8 Tete mawudɔla la gblɔ nɛ be, “Do wò awuwo kple wò afɔkpa.” Petro wɔ
nenema eye mawudɔla la yi edzi gblɔ nɛ be, “Bla wò alidzi sesῖe ne nàdze
yonyeme.”
9 Petro wɔ abe ale si mawudɔla la gblɔ nɛ la ene eye wòdze eyome do go le
gaxɔa me. Nu siwo nɔ dzɔdzɔm la wɔ na Petro abe drɔ̃e kum wònɔ alo ŋutega kpɔm
wònɔ ene. Mexɔe se be kodzogbe yenɔ o. 10 Wozɔ to agbo gbãtɔ eveawo me bɔbɔe
eye esi wova ɖo agbo ga mamlɛa si wotsɔ gakpo wɔe gbɔ la, agboa ŋutɔ ʋu le eɖokui
si ale be wodo go hege ɖe dua ƒe ablɔ ŋutɔ dzi. Esi wogazɔ yi ŋgɔgbe vie ko la,
mawudɔla la bu le Petro gbɔ.
11 Azɔ ko hafi Petro nya nu si tututu dzɔ eye wògblɔ na eɖokui be, “Nyateƒe,
Mawu dɔ eƒe dɔla ɖa wòva ɖem le Herodes kple Yudatɔwo ƒe tame vɔ̃ si woɖo ɖe
ŋunye la me.” 12 Petro nɔ tsitre, bu tame sẽ, eye wòɖoe be yeayi Maria si nye
Marko Yohanes dada ƒeme, afi si hametɔ geɖewo ƒo ƒu ɖo, henɔ gbe dom ɖa le.
13 Esi Petro va ɖo aƒea ƒe agbo nu la eƒo ʋɔa eye nyɔnuvi aɖe si ŋkɔe nye
Roda la va be yeaʋui. Ke gbã la, ebia ame si nɔ ʋɔa ƒom la ƒe ŋkɔ ta se. 14 Esi Roda
se Petro ƒe gbe le agboa godo la dzi dzɔe ale gbegbe be wòƒu du yi ɖe aƒea
me ɖagblɔe na ƒuƒoƒea be Petro va le agboa nu le eƒom. 15 Ameawo mexɔ
nyɔnuvia ƒe nya sia dzi se o eye ame aɖewo gblɔ nɛ gɔ̃ be, “Ewɔ abe ɖe wò susu da
ene.” Ke eganɔ gbe tem ɖe edzi na ameawo be Petro ƒe gbee yese. Ale wogblɔ be,
“ɖewohῖ eƒe dzikpɔdɔlae le agboa nu.” Elabena woxɔe se be wowui xoxo.
16 Ke Petro ganɔ ʋɔa ƒoƒo dzi ŋusẽtɔe. Mlɔeba la, woyi ɖaʋu agboa eye esi
wokpɔ Petro la gbɔgblɔ bu ɖe wo ŋutɔ. 17 Petro bia tso wo si be woazi ɖoɖoe kpoo
45
ale wògblɔ ale si Mawu ɖee le gaxɔa me la na wo. Ebia tso wo si be woana Yakobo
kple ame mamlɛawo nanya nu le nu si dzɔ la ŋu eye eya ŋutɔ dzo yi teƒe bubu afi si
wòanɔ dedie le.
18 Le fɔŋli me la zi gã aɖe tɔ le gaxɔa me. Ame aɖeke menya afi si Petro to
o. 19 Esi Herodes dɔ ame ɖo ɖa be woakplɔ Petro vɛ eye womekpɔe o la, ena wolé
asrafo wuiadeawo katã drɔ̃ ʋɔnu wo eye wotso kufia na wo hewu wo enumake. Le
esia megbe la Herodes dzo yi ɖanɔ Kaisarea vie.
Herodes ƒe ku
20 Le esime Herodes nɔ Kaisarea la, ame dɔdɔ aɖewo tso Tiro kple Sidon va egbɔ.
Herodes melɔ̃a Tiro kple Sidontɔwo ƒe nya kura o. Le esia ta ame dɔdɔawo va dze
xɔlɔ̃ Blasto si nye agbalẽŋlɔla gã le fia la ƒeme gbɔ eye wobia tso esi be wòaɖe kuku
na Herodes ɖe yewo nu ale be ŋutifafa nava yewo kple fia la dome. Esia hiã vevie
elabena Tiro kple Sidontɔwo kpɔa woƒe nunyiame tso dukɔ siwo dzi ɖum Herodes le
la gbɔ. 21 Woɖo ŋkeke na ame dɔdɔawo be woava kpɔ Herodes, esi ŋkekea ɖo la,
wova ƒo ƒu, eye Herodes do eƒe fiawu nɔ eƒe fiazikpui dzi, heƒo nu na amehawo. 22
Esi wòƒo nu vɔ la, amehawo do ɣli kple dzidzɔ heda ŋkɔ ɖe Herodes dzi be, “Eƒo nu
abe mawu aɖe ene eye menye abe amegbetɔ ene o.” Esia na be dzi dzɔ Herodes ŋutɔ
eye wòkɔ eɖokui ɖe dzi hlodzoo.
23 Enumake, mawudɔla aɖe ƒo Herodes eye wòna dɔléle aɖe dze edzi. Ŋɔ
viwo ge ɖe eƒe lãme eye woɖui wòku, elabena elɔ̃ be amewo nasubɔ ye le esi wòatsɔ
bubu na Mawu teƒe.
46
24 Le ɣeyiɣi siawo me la nyanyui la nɔ ta kekem alɔtsɔtsɔe eye ame geɖewo
trɔ zu xɔsetɔwo.
25 Barnaba kple Saul gaɖi tsa va Yerusalem eye esi wowu dɔ si wɔ ge woyi
nu tete ko la wogatrɔ dzo yi Antrioxia eye wokplɔ Marko Yohanes hã yii.
Barnaba kple Paulo tiatia kple wo dɔdɔ
13 Nyagblɔɖila kple nufiala aɖewo nɔ Antioxia hamea me ɣemaɣi eye wo
dometɔ aɖewoe nye Barnaba kple Simɔn si wogayɔna hã be, “Ameyibɔ,” Lukio, tso
Kirene, Manaim si nye Fia Herodes nɔvi kpakple Saul. 2 Gbe ɖeka, esi ame siawo ƒo
ƒu henɔ gbe dom ɖa nɔ nu tsim nɔ dɔdɔm la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔ na wo be, “Mitia
Barnaba kple Saul be woayi aɖawɔ dɔ tɔxɛ si ta meyɔ wo la nam. 3 Wogayi edzi wɔ
nutsitsidɔ hedo gbe ɖa hena ɣeyiɣi aɖe eye le esia megbe la, woda asi ɖe Barnaba
kple Saul dzi, do gbe ɖa ɖe wo ta eye wodo mɔ wo be woayi.
4 Le Kipro la Paulo kple Barnaba dze mɔ le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe kpɔkpɔ te
heyi ɖe Seleukia. Le afi sia la, woɖo tɔdziʋu heyi ɖe Kipro. Wokplɔ Marko Yohanes
hã ɖe asi abe woƒe kpeɖeŋutɔ ene. 5 Esi wova ɖo du si woyɔna be Salami me la,
woyi ɖe Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe eye wogblɔ mawunya le afi ma.
6 Le esia megbe la, wogblɔ mawunya le du geɖewo me tso teƒe yi teƒe le
Kipro ƒukpo bliboa dzi. Esi wova ɖo du si woyɔna be Pafo me la, wokpɔ Yudatɔ aɖe
si woyɔna be, Bar Yesu. Ame sia nye ameflula, aʋatsonyagblɔɖila, kple afakala aɖe.
Bar Yesu dze xɔlɔ̃ Sergio Paulo si nye gɔvina le afi ma, eye wònye ame si si 7 tagbɔ
le eye wòsea nu gɔme hã. Gbe ɖeka, gɔvina Paulo be woava gblɔ Mawu ƒe nya la na
47
ye. 8 Esi wonɔ nya la gblɔm nɛ la, afakala sia si ƒe ŋkɔ le Helagbe mee nye Elima la,
te kpɔ be yeagblẽ to na gɔvina la be megase Paulo kple Barnaba ƒe nyawo o, eye be
megaxɔ Mawu dzi se hã o. 9 Ke Saul ame si wogayɔna be Paulo si me Gbɔgbɔ
Kɔkɔe yɔ fũ la li ŋku ɖe Elima dzi gãa kple dziku eye wòblu ɖe eta be, 10 “Wò
Abosam vi, ame vɔ̃ɖi, wò ameflula si léa fu nu nyui ɖe sia ɖe, ɣekaɣie nàdzudzɔ
tsitretsitsi ɖe Aƒetɔ la ŋu ? 11 Azɔ Mawu ahe to na wò eya ta wò ŋkuwo agbã ale be
màgate ŋu akpɔ nu o hena ɣeyiɣi aɖe.”
Enumake Elima ƒe ŋku dzi tsyɔ eye wòde asi asitsatsa le yame me, henɔ kuku
ɖem be ame aɖe nalé yeƒe alɔnu afia mɔ ye. 12 Nu sia wɔ nuku na gɔvina la ŋutɔ.
Ekpɔe dze sii be ŋusẽ aɖe le mawunya me eya ta wòzu xɔsetɔ.
Paulo kple Barnaba ɖo Antioxia si le Pisidia
13 Le nu siawo megbe la, Paulo kple eŋumewo ɖo tɔdziʋu hedzo le Pafo ɖo ta
Pamfilia si wogayɔna hã be Terki. Du gbãtɔ si me wova ɖi go ɖo lae nye Perga.
Yohanes gblẽ wo ɖi le teƒe sia hetrɔ dzo yi Yerusalem. 14 Ke Barnaba kple Paulo ya
tso me yi Antioxia si le Pisidia nutome.
Le Sabat ŋkeke dzi la woyi sɔleme le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe. 15 Esi woxlẽ nya
tso Mose ƒe Agbalẽ kple Nyagblɔɖilawo ƒe Agbalẽawo me vɔ abe ale si wowɔnɛ ɖaa
ene la, ƒuƒoƒemegãwo dɔ ame ɖo ɖe Barnaba kple Paulo gbɔ gblɔ bena,
“Nɔviŋutsuwo, ne nuxlɔ̃amenya aɖe le mia si na ameawo la migblɔe, mieɖe kuku.”
16 Paulo tsi tre hedo gbe na wo eye wòda akpe na wo le mɔnukpɔkpɔ si wona wo la
48
ta. Eƒo nu gblɔ na wo be, “Israel ŋutsuwo kple ame sia ame si le afii, si vɔ̃a Mawu.
Gbã la, medi be maɖo ŋku blemanya ɖekaɖeka aɖewo dzi na mi.”
17 “Israel dukɔ sia ƒe Mawu, tia míaƒe dukɔ sia eye wòde bubu eŋu. Eɖee tso
kluvinyenye me le Egipte nyigba dzi bubutɔe. 18 Ekpɔ wo dzi kplɔ wo ɖɔɖɔɖɔ le
gbedzi ƒe blaene sɔŋ. 19 Le esia megbe la, Mawu tsrɔ̃ dukɔ adre sɔŋ le Kanan nyigba
dzi eye wòtsɔ anyigba sia na Israelviwo abe woƒe domenyinu ene. 20 Nu siawo yi
edzi anɔ abe ƒe alafa ene blaetɔ̃ ene. Le esiawo megbe la Mawu na ʋɔnudrɔ̃lawo ɖu
dukɔa dzi va se ɖe nyagblɔɖila Samuel dzi.
21 “Ke nu kae va dzɔ? Israelviwo ɖe kuku na Mawu be wòana fia yewo abe
ale si wòle dukɔ bubuwo sii la ene, eya ta Mawu na Saul si nye Kish ƒe vi la va ɖu
wo dzi abe fia ene. Saul tso Benyamin ƒomea me eye wòɖu fia ƒe blaene. 22 Ke
emegbe la Mawu ɖe Saul ɖe le zikpuia dzi eye wòtsɔ David si nye Yese vi la ɖo
eteƒe. Mawu kpɔ ŋudzedze le David ŋu eye wòɖi ɖase le eŋu be, ‘David enye ame si
dze nye dzi ŋu elabena ewɔ nye lɔlɔ̃nu.’ 23 Fia David sia ƒe dzidzimevie nye Yesu
ame si nye ɖela si ŋugbe Mawu do na Israel dukɔ la.”
24 Paulo yi eƒe nuƒoa dzi be, “Hafi Yesu sia nava la ame aɖe va do ŋgɔ nɛ si
nye Yohanes Mawutsidetanamela. Ame sia gblɔ mawunya be ehiã be Israelviwo katã
nadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ eye woatrɔ ɖe Mawu ŋu. 25 Esi Yohanes nɔ eƒe dɔ nu wum la,
ebia amewo be, ‘ɖe miebu be nyee nye Mesia la mahã? Kpao menye nyee o. Ame si
gbɔna la tri akɔ wum. Ne wotsɔm sɔ kplii la, nyemeɖi naneke kura o.”
26 “Nɔvinyewo, mi Abraham ƒe dzidzimeviwo kple mi Trɔ̃subɔla siwo vɔ̃a
Mawu siaa, medi be mianya be, míawoe woɖo ɖeɖe ƒe gbedeasi sia ɖa.” 27 Yudatɔ
49
siwo le Yerusalem kple woƒe dumemegãwo wɔ ɖe nu si woŋlɔ da ɖi la dzi pɛpɛpɛ
hewu Yesu. Wowui elabena, togbɔ be wonɔa nyagblɔɖilawo ƒe nyawo xlẽm hã la,
womekpɔe dze sii eye womenya be eyae nye ɖela si ŋu nyagblɔɖilawo nɔ nu ƒom le
la o. 28 Le nyateƒe me la, womekpɔ vodada aɖeke le eŋu be wòadze na ku o gake
wobia tso Pilato si be wòatso kufia nɛ kokoko. 29 Esi nu sia nu va eme pɛpɛpɛ abe
ale si woŋlɔe da ɖi le eƒe ku ŋu ene la, woɖe eƒe kukua le atitsoga ŋu heɖii ɖe yɔdo
me.
30 “Ke nɔvinyewo, Mawu gagbɔ agbee tso ku me, 31 eye wòɖe eɖokui fia
ame siwo nɔ eŋu tso Yerusalem yi Galilea la zi geɖe. Ame siawo ɖi ɖase le eƒe
tsitretsitsi ŋu ɖaa le dutoƒo le teƒe geɖewo. 32 Nyanyui sia gblɔm míele na mi ;
ŋugbe si Mawu do na mía fofowo, 33 ŋugbedodo sia va eme na mí, wo viwo esi
wòfɔ Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome abe ale si woŋlɔe ɖe Psalmo evelia mee
ene be, ‘Wòe nye vinyeŋutsu, egbe mezu fofowò.’ 34 Kpeɖodzi be Mawu fɔe ɖe
tsitre tso ame kukuwo dome eye makpɔ gbegblẽ o le nya siawo me be, ‘Matsɔ yayra
kɔkɔe kple vavãtɔ si ŋugbe wodo na David la na wò.’ 35 Nenema ke wogblɔ le teƒe
bubu hã be, ‘Mana wò Kɔkɔetɔ la nàto gbegblẽ me o.’ 36 Menye David ŋutie wonɔ
nya siawo gblɔm tsoe o, elabena ele nyanya me na mí katã be esi David wɔ eƒe
agbemedɔ vɔ abe ale si Mawu dii ene la, eku, woɖii eye eƒe ŋutilã vo ɖe tome. 37
Nya siawo ku ɖe ame bubu aɖe si Mawu gbɔ agbee tso ku me eye ku mekpɔ ŋusẽ
aɖeke ɖe edzi o la boŋ ŋu.”
38 Paulo yi eƒe nuƒoƒoa dzi gblɔ na wo be, “Nɔvinyewo, miɖo to miase nya
sia ɖa. Yesu sia tae woatsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi. 39 Ame sia ame si xɔ edzi se la,
50
woaɖee tso nu vɔ̃ sime eye wòazu ame dzɔdzɔe. Nu sia nye nu gã aɖe si
Yudatɔwo ƒe sewo mete ŋu wɔ na ame aɖeke o. 40 Mikpɔ nyuie, be nya siwo
nyagblɔɖilawo gblɔ la nagaɖi mia ŋu o. 41 Wogblɔe be, ‘Mi ame siwo doa vlo
nyateƒe la la, mike ŋku ɖi miakpɔ nu ʋuu va se ɖe esime miatsrɔ̃. Mele dɔ gã aɖe
wɔm le mia dome, gake ne wogblɔe miese la, miele exɔ ge ase akpɔ o.’”
42 Gbe ma gbe esime amewo kaka le ƒuƒoƒea la, ɖewo gblɔ na Paulo be eƒe
nya vivi yewo nu ŋutɔ eya ta wòagatrɔ va ƒo nu na yewo le Sabat si agava la dzi. 43
Ke ame geɖe siwo nye Yudatɔwo kple Trɔ̃subɔla siwo vɔ̃a Mawu la dze wo yome le
ablɔ dzi eye Paulo kple Barnaba gblɔ na wo kple kukuɖeɖe be woaxɔ Mawu ƒe
dɔmenyo si wòwɔ na wo la. 44 Le ŋkeke enyia gbe la du bliboa katã kloe va ƒo ƒu be
yewoase Mawu ƒe nya la.
45 Amehawo ƒe agbɔsɔsɔ alea do ŋɔdzi na Yudatɔwo ale woʋã ŋu Paulo kple
Barnaba ale gbegbe bena wogblɔ busunyawo eye wotsi tre ɖe nya sia nya si Paulo
gblɔ la ŋu vevie.
46 Nu sia meɖe dzi le Paulo kple Barnaba ƒo o ke boŋ wogblɔ kple dzideƒo
be, “Edze be woagblɔ Mawu ƒe nyanyui sia na mi Yudatɔwo gbã, gake esi mieɖi gbɔ̃
nyanyui la eye miebu mia ɖokui abe yewomedze na agbe mavɔ la o la, fifia míatsɔe
ayii na Trɔ̃subɔlawo boŋ. 47 Esia nye se si Mawu de nam be, ‘Mewɔ wò be nànye
akaɖi na Trɔ̃subɔlawo eye nàkplɔ wo tso xexeame ƒe dzogoewo katã dzi ava be
woakpɔ ɖeɖe le gbɔnye.’”
51
48 Paulo ƒe nya sia do dzidzɔ na Trɔ̃subɔlawo eye wo dometɔ siwo Mawu
ŋutɔ tia da ɖi na agbe mavɔ la xɔe se. 49 Ale wɔ mawunya la keke ta le nuto ma katã
me.
50 Dɔme ve Yudatɔwo ƒe dumemegãwo ale gbegbe be wode ʋunyaʋunya dua
me nyɔnu ŋkutatɔ siwo vɔ̃a Mawu kple dumemegãwo me, ale be tɔtɔ gã aɖe va eye
to esia me la wonya Paulo kple Barnaba do goe le dua me. 51 Ke woawo hã ʋuʋu
woƒe afɔkewo ɖe enyi abe dzɔgbevɔ̃e ƒe dzesi ene eye woyi woƒe mɔzɔzɔa dzi ɖo ta
Ikonio. 52 Ke dzidzɔ blibo yɔ ame siwo trɔ zu xɔsetɔwo la me eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la
hã yɔ wo me fũ.
Paulo va ɖo Ikonio
14 Abe ale si wowɔnɛ le afi sia afi si wode ene la, Paulo kple Barnaba gayi
Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe le Ikonio hã eye wogblɔ nya kple ŋusẽ tɔxɛ aɖe ale be ame geɖe
siwo nye Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa, trɔ zu xɔsetɔwo.
2 Ke Yudatɔ siwo medina be yewoase Mawu ƒe ɖeɖenya sia o la, gblɔ nya
baɖa ƒomevi geɖewo ɖe Paulo kple Barnaba ŋu. Wowɔ esia be Trɔ̃subɔlawo nagaxɔ
woƒe nyawo dzi ase o. 3 Esia hã meɖe dzi le Paulo kple Barnaba ƒo kura o, ke boŋ
wonɔ dua me hegblɔ mawunya kple dzideƒo ɣeyiɣi didi aɖe. Aƒetɔ la na ŋusẽ wo
wowɔ nukunu geɖewo be woafia kɔtee be eƒe nya la kakam wole vavã. 4 Dua me
tɔwo ma ɖe akpa eve, ɖewo nɔ Yudatɔwo ƒe dumemegãwo yome eye ɖewo hã nɔ
Paulo kple Barnaba yome.
52
5 Ke ame aɖewo va nɔ ɖoɖo wɔm be yewoade zitɔtɔ Trɔ̃subɔlawo ƒe ha,
Yudatɔwo kple Yudatɔwo ƒe dumemegãwo me ɖe Paulo kple Barnaba ŋu ale be ame
siawo nadze Paulo kple Barnaba dzi aƒu kpe wo, awɔ nuvevi wo. 6 Esi apostoloawo
se nya sia la, wosi dzo le dua me heyi Likaonia ƒe duwo, Listra kple Derbe nutowo
me. 7 Eye wogblɔ nyanyui la fia le afi mawo hã.
Paulo va ɖo Listra kple Derbe
8 Le Listra la ŋutsua aɖe le anyinɔƒe, ame si metea ŋu tsia tre ɖe eƒe afɔwo dzi o, eye
wònye tekunɔ tso dadaa ƒe dɔme ke; mezɔ azɔlῖ kpɔ o. 9 Ame sia ɖo to Paulo esi
wònɔ nu ƒom na ameawo. Paulo lῖ ŋku ɖe edzi gãa eye wòkpɔ be xɔse le esi na
dɔyɔyɔ, 10 eya ta Paulo yɔe gblɔ be, “Tsi tre ɖe wò afɔwo dzi!” Le gbeɖeɖe sia nu
la, ŋutsua ti kpo eye wòde asi azɔlῖzɔzɔ me.
11 Nukunu sia wu gbɔgblɔ na amehawo eye wogblɔ le wo nɔewo dome le
woawo ŋutɔwo degbe me be, ame siawo la, mawuwoe wonye le amegbetɔ ƒe nɔnɔme
me. 12 Le woƒe nuwɔnawo ta la, wona ŋkɔ Barnaba be Yupiter si nye Helatɔwo ƒe
mawu eye woyɔ Paulo be Merkurio elabena eyae nye ame si nɔ nu ƒom geɖe wu. 13
Enumake Yupiter ƒe trɔ̃nua si ƒe nɔƒe le dua godo la tsɔ seƒoƒowo kple nunanawo fũ
vɛ eye wòwɔ dzadzraɖo be yeawu nyitsu gã aɖe atsɔ asa vɔe na wo le dua ƒe agbowo
nu le ameha la ŋkume.
14 Nuwɔna sia gbã dzi na Barnaba kple Paulo vevie ŋutɔ ale wosi du ge ɖe
ameawo dome eye wodo ɣli gblɔ na wo be, 15 “Mía tɔwo, nu kae nye busunu sia
wɔm miele? Míawo hã amegbetɔwo ko míenye abe miawo ke ene. ɖe míeva be
53
míagblɔ nyanyui sia na mi be miadzudzɔ nu maɖinu siawo tɔgbi subɔsubɔ eye miado
gbe ɖa na Mawu gbagbe si wɔ dzi kple anyigba kple atsiaƒu kpakple nu siwo katã le
eme la boŋ. 16 Tsã la Mawu ɖe asi le dukɔ ɖe sia ɖe ŋu wòwɔ nu si dze eŋu. 17 Ke
hã la medzudzɔ ɖaseɖiɖi tso eɖokui ŋuti o, elabena ewɔa nu nyuiwo na mí, enaa
tsidzadza mí tso dziƒo kple nuƒãɣiwo kple nuŋeɣiwo eye wòna nuɖuɖu geɖe mí hetsɔ
dzidzɔ yɔ míaƒe dziwo me fũ.”
18 Togbɔ be woɖe nya me na ameawo alea hã la, esẽse hafi wozi wo dzi be
womete ŋu sa vɔ la na wo o.
19 Ke le ŋkeke ʋe aɖewo ko megbe la, Yudatɔ aɖewo gatso Antioxia kple
Ikonio va do ɖe Listra eye wogade ʋunyaʋunya dua me tɔwo me ɖe Paulo ŋu.
Amehawo ho ɖe Paulo ŋu, ƒu kpee nyui va se ɖe esime wòku ƒenyi eye wohee do
goe le dua me elabena wobu be eku. 20 Xɔsetɔwo kple nɔvinɔviwo va ƒo ƒu ɖe eŋu
kasia, Paulo fɔ, wo katã trɔ yi Listra dua me, eye le ŋkeke evea gbe la, wo kple
Barnaba dzo yi Derbe.
Paulo trɔ va Antioxia le Siria
21 Wonɔ Derbe hegblɔ nyanyui la le afi ma ŋkeke ʋe aɖewo eye ame geɖewo trɔ zu
woƒe nusrɔ̃lawo. Emegbe la wogatrɔ yi Listra, Ikonio kple Antioxia eye wodo ŋusẽ
xɔsetɔwo hefia ale si woalɔ̃ Mawu kple wo nɔewoe ɖe edzi wu la wo. 22 Wode
dzi ƒo na xɔsetɔawo be woalé woƒe xɔse la me ɖe asi sesῖe togbɔ be wole funyafunya
wɔm wo hã elabena fukpekpe mee woato age ɖe dziƒofiaɖuƒe la me. 23 Paulo kple
54
Barnaba ɖo hamemegãwo ɖe ha sia ha nu eye wowɔ nutsitsidɔ kple gbedodoɖa hetsɔ
ameawo de asi na Mawu be wòakpɔ wo dzi le woƒe dɔwɔwɔwo me.
24 Azɔ woyi woƒe mɔzɔzɔa dzi to Pisidia nutome va ɖo Pamfilia alo Terki.
25 Wogagblɔ nya le Perga hã hafi tso eme yi Atalia.
26 Mlɔeba la, woɖo tɔdziʋu hetrɔ va ɖo Antioxia afi si wodze woƒe mɔzɔzɔa
gɔme le. Afi siae Mawu de dɔ si nu wowu fifia la asi na wo le.
27 Esi wogbɔ va ɖo Antioxia la woyɔ xɔsetɔawo katã ƒo ƒui heka nu gã siwo
Mawu wɔ kpli wo la ta na wo. Wogblɔ ale si Mawu ʋu xɔse ƒe mɔ na Trɔ̃subɔlawo
hã la na ameawo. 28 Paulo kple Barnaba tsi Antioxia henɔ xɔsetɔawo gbɔ ɣeyiɣi didi
aɖe.
Hametakpekpe le Yerusalem
15 Le ɣeyiɣi si me Paulo kple Barnaba nɔ Antioxia la, ame aɖewo tso Yudea va
Antioxia dua me. Ame siawo va nɔ nu fiam Trɔ̃subɔla siwo trɔ zu kristotɔwo la be,
ehiã vevie be woatso aʋa na wo abe ale si Yudatɔwo wɔnɛ ene, hafi woakpɔ ɖeɖe. 2
Paulo kple Barnaba melɔ̃ ɖe nya sia dzi kura o ale wohe nya kple nenem me siawo
vevie. Mlɔeba la, Antioxia ha la ɖe hametɔ aɖewo kpe ɖe Paulo kple Barnaba ŋu
heɖo wo ɖe Yerusalem be woayi aɖadzro nya sia me kple apostoloawo kple
hamemegãwo anya woƒe susu le eŋu ava gblɔ na yewo. 3 Ha blibo la katã yi ɖaɖo
ame dɔdɔawo ɖa va se ɖe Antioxia dua godo, eye woyi woƒe mɔzɔzɔ dzi. Le mɔa dzi
la, ame dɔdɔawo tɔ ɖe Foenike kple Samaria du siwo le mɔa dzi la me eye wogblɔ
55
ale si Mawu le dɔ wɔm le Trɔ̃subɔlawo dome la na xɔsetɔ siwo le afi ma. Nya sia do
dzidzɔ blibo na ame sia ame si see.
4 Ame dɔdɔawo va ɖo Yerusalem eye wowɔ takpekpe kple apostoloawo kple
hamemegãwo katã. Paulo kple Barnaba ƒo nu tso dɔ si wɔm Mawu le to wo dzi le
teƒe vovovowo la ŋu na wo. 5 Ke enumake, ame siwo nye Farisitɔwo tsã hafi trɔ zu
kristotɔwo la, tsi tre eye wogblɔ be ele be woatso aʋa na Trɔ̃subɔla siwo trɔ zu
xɔsetɔwo katã eye woawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe sewo kple kɔnuwo katã hã dzi pɛpɛpɛ. 6
Nya sia na be apostoloawo kple hamemegãwo gaɖo ŋkeke be yewoabu tame le nya
la ŋu nyuie.
7 Esi ŋkekea ɖo la wo katã wogava ƒo ƒu eye wodzro nya sia me ɣeyiɣi didi
aɖe. Mlɔeba la, Petro tsi tre heƒo nu na wo gblɔ be, “Nɔvinyewo, miawo ŋutɔ
mienya be anɔ abe ƒe aɖewo nye esi va yi ene la, Mawu tiam le mia dome eye
wòɖom ɖa be magblɔ nyanyui la na Trɔ̃subɔlawo ale be woawo hã woaxɔ se azu
kristotɔwo. 8 Mawu si nya amegbetɔ ɖe sia ɖe ƒe dzime la, xɔ wo hena Gbɔgbɔ
Kɔkɔe la wo abe ale si wòna míawo hã ene. 9 Mede vovototo aɖeke mí kple woawo
dome o elabena eɖe woƒe nu vɔ̃wo ɖa tso xɔse me abe míawo ke ene. 10 Ke
nɔvinyewo, nu ka ta miedi be miate Mawu kpɔ adi be yewoatsɔ agba kpekpe si
míawo ŋutɔ kple mía tɔgbuitɔgbuiwo mete ŋu tsɔ o la da ɖe woawo dzi be woatsɔ
mahã? 11 Ao, ɖe miexɔe se kpɔ be Aƒetɔ Yesu, si nye Mawu ƒe nunana la dzi koe
ame sia ame ato akpɔ ɖeɖe oa?”
12 Le nuƒo sia megbe la ƒuƒoƒea zi ɖoɖoe eye nyahahe aɖeke megayi edzi o.
Esia na mɔnu Paulo kple Barnaba be wogblɔ nukunu gã siwo Mawu wɔ to wo dzi le
56
Trɔ̃subɔlawo dome la na wo. 13 Esi woawo hã ƒe gbe dze anyi la, Yakobo hã tsi tre
heƒo nu gblɔ be, “Tɔnyetɔwo, miɖo tom. 14 Petro gblɔ ale si Mawu ŋutɔ tia amewo
tso Trɔ̃subɔlawo dome bena woasubɔ ye ade bubu yeƒe ŋkɔ ŋuti la na mi. 15
Trɔsubɔla siwo trɔ zu Kristotɔ siawo ƒe nya sɔ kple nyagblɔɖila Amos ƒe nyagblɔɖi
sia be 16 ‘Le nu siawo megbe la magatrɔ ava eye magatu David ƒe aƒe si mu dze
anyi la, magagbugbɔ aɖo eƒe gli gbagbãwo eye mafɔ wo ɖe tsitre, 17 ale be ame
susɔewo adi Aƒetɔ la kple Trɔ̃subɔla siwo ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo la, Aƒetɔ la, ame si
wɔa nu siawo katã lae gblɔe.’ 18 Esiae nye nu si Aƒetɔ, ame si ɖe eƒe ɖoɖo si wòwɔ
tso gɔmedzedzea me fia mí la, gblɔ.
19 “Esia ta nye nyametsotsoe nye be, mehiã be míaɖe fu na ame siwo trɔ va
Mawu gbɔ la o. 20 Ke ɖe ko míabia tso wo si be woadzudzɔ lã siwo wotsɔ sa vɔe na
trɔ̃wo kple lã siwo tsi ʋu me la ɖuɖu eye hekpe ɖe esiawo ŋu la, woadzudzɔ
ahasiwɔwɔ. 21 Elabena tso blema ke la, nu siawo nye kɔ na Yudatɔwo eye woƒoa nu
le wo ŋu le Sabat sia Sabat dzi le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒewo.”
Hametakpekpe la ƒe agbalẽ na Hela kristotɔwo
22 Azɔ la apostoloawo kple hamemegãwo katã va lɔ̃ ɖe edzi be yewoaɖe ame aɖewo
woakplɔ Paulo kple Barnaba ɖo ayi Antioxia be woaɖagblɔ nu si dzi woɖo kpee la
na hame si le afi ma. Wotia hamemegã eve be woayi. Woawoe nye Yuda si
wogayɔna be Barsaba kple Sila.
57
23 Woŋlɔ agbalẽ de ame dɔdɔawo si eye emenyawo yi ale, “Mía nɔvi
Trɔ̃subɔla siwo trɔ̃ zu xɔsetɔwo le Antioxa, Siria kple Kilikia, mixɔ gbedoname tso
apostoloawo, hamemegãwo kple mia nɔvi siwo le Yerusalem la gbɔ.
24 “Míese be xɔsetɔ aɖe siwo tso mía gbɔ le afii la va mia dome eye wova
gblɔ nya aɖewo, siwo ɖe fu na miaƒe susu eye woʋuʋu miaƒe xɔse kple ɖeɖekpɔkpɔ
la na mi. Míedi be mianya be, menye míawoe dɔ ame siawo ɖo ɖe mi o. 25 Ke esi
míawo hã miebu nya la ŋu eye mí katã míeɖo kpe nu si nye nyateƒea dzi vɔ la,
míeɖoe be anye susu nyui aɖe ŋutɔ be míaɖe ame dɔdɔ eve siwo woakplɔ mía nɔvi
lɔlɔ̃awo, Paulo kple Barnaba, ɖo ava mia gbɔ. 26 Ame dɔdɔ eve siawo nye Yuda
kple Sila, ame siwo tsɔ woƒe agbe ke faa na míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo. 27 Míeka ɖe
dzi be ame siawo aƒo nu aɖo kpe nu si nye míaƒe susu le nya siwo le fu ɖem na
míaƒe susuwo la dzi na mi. 28 Míekpɔe dze sii be enyo Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kple míawo
hã ŋu be menyo be míatsɔ agba gã aɖeke ada ɖe mia dzi wu nu vevi siawo ko o, 29
be miatsri trɔ̃wo ƒe vɔsawo kple ʋu kpakple lã tsiʋumewo ɖuɖu eye miatsri
ahasiwɔwɔ hã. Ne miekpɔ mia ɖokui dzi nyuie le nu siawo me la, ekema miewɔe
nyuie. Minɔ anyi nyuie.”
30 Ame dɔdɔ eneawo dze mɔ ɖo ta Antioxia enumake. Esi wova ɖo la woƒo
kristotɔwo katã nu ƒu eye wotsɔ gbedeasia ɖo woƒe ŋkume. 31 Esi woxlẽ agbalẽa eye
wose emenyawo la, hame bliboa kpɔ dzidzɔ manyagblɔ aɖe. 32 Hekpe ɖe agbalẽa ŋu
la, Yuda kple Sila ame siwo nya Mawu ƒe nya nyuie la gaƒo nu geɖe na hamea hedo
ŋusẽ woƒe xɔse. 33 Wonɔ Antioxia ŋkeke geɖe hafi wodo mɔ wo kple
dzidzɔgbedoname tso Antioxia hamea gbɔ vɛ na Yerusalem hame si dɔ wo ɖa. 34 Ke
58
enyo Sila ŋu be yeatsi afi ma. 35 Paulo kple Barnaba hã gatsi Antioxia hena
kpekpeɖeŋu ame siwo nɔ mawunya gblɔm henɔ nu fiam amewo le afi ma.
Paulo kple Barnaba ƒe mama
36 Le ŋkeke aɖewo megbe la, Paulo doe ɖe Barnaba gbɔ be, “Na míagbugbɔ ayi
aɖakpɔ nɔvi siwo le du siwo me míegblɔ Aƒetɔ la ƒe nya la le la, akpɔ ale si wole
zɔzɔmii la ɖa.” 37 Barnaba lɔ̃, ke edi be yewoatsɔ Yohanes, si woyɔna be Marko la,
akpe ɖe yewo ɖokui ŋu. 38 Ke le ale si Marko gblẽ wo ɖi le Pamfilia eye meyi dɔa
dzi kple wo o ta la Paulo mebui be enyo be wòagayi kpli yewo o. 39 Nu sia he
masɔmasɔ de Paul kple Barnaba dome ale gbegbe be wo dome ma. Barnaba kplɔ
Marko ɖe asi eye woɖo tɔdziʋu yi Kipro. 40 Ke Paulo hã tsɔ Sila kpe ɖe eɖokui ŋu,
eye nɔviawo tsɔ wo de asi na Aƒetɔ la ƒe amenuveve. 41 Woto Siria kple Kilikia
nutowo me henɔ ŋusẽ dom hame siwo nɔ afi ma.
Timoteo kpe ɖe Paulo kple Silas ŋu
16 Teƒe gbãtɔ si Paulo kple Sila de lae nye Derbe. Emegbe woyi Listra. Le afi
sia la wodo go nusrɔ̃la aɖe si ŋkɔe nye Timoteo ame si dada nye Yudatɔ kple
Kristotɔ ke fofoa nye Helatɔ. 2 Timoteo nye ɖekakpui aɖe si ƒe dɔwɔwɔ dze Kristotɔ
siwo le Listra kple Ikonio ŋu nyuie ŋutɔ. 3 Le esia ta Paulo bia tso esi be wòadze
yewo yome le yewoƒe mɔzɔzɔ la me. Hafi woadze mɔ la, Paulo tso aʋa na Timoteo
be wòaganye nuɖianu na Yudatɔ siwo le nutoa me la o, elabena ele nyanya me na
ame sia ame be Helatɔe nye Timoteo fofo. 4 Azɔ woyi woƒe mɔzɔzɔ dzi henɔ
59
tsatsam le duwo me. Afi sia afi si woɖo la, wogblɔa nya siwo dzi apostolowo kple
hamemegãwo ɖo kpee le Yerusalem le Trɔ̃subɔlawo siwo zu kristotɔwo ŋu la na
hameawo. 5 Esia na be hameviawo tsi ɖe edzi le gbɔgbɔ me eye woƒe xexlẽme hã
dzi ɖe edzi.
Paulo kpɔ ŋutega tso Makedonia
6 Tso afi ma la, woyi Frigia kple Galatia nutome elabena Gbɔgbɔ Kɔkɔe la meɖe mɔ
na wo be woayi Asia nyigba dzi le ɣeyiɣi sia me o. 7 Woto Misia liƒo dzi heyina
Bitinia le anyiehe godzi. Ke Yesu ƒe gbɔgbɔ gaxe mɔ na wo eya ta womete ŋu yi
Bitinia o 8 ke boŋ woto Misia nutome heyi Troa.
9 Le gbe ma gbe ƒe zã me la, Paulo kpɔ ŋutega aɖe. Ekpɔ ame aɖe si tsi tre ɖe
Makedonia le Hela nyigba dzi nɔ kuku ɖem nɛ be, “Tso ƒu la nàva mía gbɔ le
Makedonia le afii ne nàva kpe ɖe mía ŋu.” 10 Enumake míeɖoe be míayi Makedonia
elabena edze na mí kɔtee be Mawu le mía ɖom ɖe afi ma be míayi aɖagblɔ nyanyui
la.
Lidia trɔ dzime le Filipi
11 “Míeɖo tɔdziʋu le Troa va Samotrake eye le ŋkeke evea gbe la, míeva ɖo
Neapoli. 12 Mlɔeba la míeva ɖo Filipo si nye Romatɔwo ƒe dutsotso aɖe si le
Makedonia nyigba ƒe liƒo dzi tututu. Míenɔ afi ma ŋkeke geɖewo. 13 Le Sabat dzi la
míeyi tɔsisi aɖe si didi tso dua gbɔ vie la to afi si míese be ame aɖewo ƒoa ƒu ɖo doa
gbe ɖa le, eye gbe ma gbe la míegblɔ mawunya na nyɔnu siwo va teƒea. 14 Nyɔnu
60
siawo dometɔ ɖekae nye Lidia si nye avɔdzrala aɖe tso Tiatira. Enye mawuvɔ̃la xoxo
eye esi Paulo nɔ nu ƒom la Mawu ʋu eƒe dzi eye wòxɔ nya siwo katã Paulo gblɔ la
dzi se. 15 Esia ta míede mawutsita na eya kple eƒe aƒemetɔwo katã eye emegbe la
ekpe mí be, míava dze ye ƒeme. Lidia gblɔ na mí be, ‘Ne miexɔe se tututu be nye hã
menye Aƒetɔ la tɔ vavã la ekema miva dze gbɔnye.’ Eƒoe ɖe mía nu ʋuu va se ɖe
esime míelɔ̃ yi ɖadze egbɔ.”
Wode Paulo kple Sila gaxɔme
16 “Gbe ɖeka esi míenɔ mɔ dzi yina gbedoɖaƒe le tɔa to la, míedo go ɖetugbi aɖe si
me gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ eye wòtea ŋu kaa afa na amewo eye to esia me wòwɔa ga geɖe
ŋutɔ na eƒe aƒetɔ elabena kluvi wònye. 17 ɖetugbi sia nɔ mía yome nɔ ɣli dom be,
‘Ame siawo la, Mawu Dziƒoʋῖtɔ ƒe dɔlawo wonye eye ɖe wova be yewoafia mi ale
si miawɔ be woatsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi.’”
18 ɖetugbi la wɔ nenem nu sia ŋkeke geɖe ke gbe ɖeka la, eva glo Paulo ale
wòtrɔ ɖe ɖetugbi la ŋu heblu ɖe gbɔgbɔ vɔ̃ si le eme la ta be, “Mele gbe ɖem na wò
le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me be do go le ɖetugbi sia me fifi laa!” Gbɔgbɔ vɔ̃ la do go le
eme enumake.
19 Nuwɔna sia do dziku na ɖetugbi sia ƒe aƒetɔwo elabena wobu woƒe
gakpɔmɔnu. Le esia ta wona wolé Paulo kple Sila hekplɔ wo yi ʋɔnudrɔ̃la gãwo ƒe
ŋkume le dutoƒo.
61
20 Nutsotso si wowɔ ɖe wo ŋu na dumemegãwo lae nye be, “Yudatɔ siawo
va le to gblẽm na amewo le dua me 21 be woawɔ nu siwo tsi tre ɖe Romatɔwo ƒe
sewo ŋu.”
22 Kasia, amehe gã aɖe va ƒo ƒu henɔ ɣli dom. Edze ƒã be woɖo be yewoawɔ
ʋunyaʋunya. Le esia ta dumemegãwo bu fɔ Paulo kple Sila eye woɖe gbe be woaƒo
wo kple ati. 23 Esi woƒo wo wòte wo ŋu nyuie la, wotsɔ wo de gaxɔ me, eye wogblɔ
na gaxɔdzikpɔla vevie be ne menya o ameawo si la ekema eya ŋutɔ aku. 24 Le esia
ta gaxɔdzikpɔla hã mefe kpli wo kura o. Etsɔ wo de gaxɔa ƒe gogloeaƒe ke eye wòde
ga afɔ na wo sesῖe.
25 Le zã bliboa me la Paulo kple Sila nɔ gbe dom ɖa nɔ ha dzim nɔ Mawu
kafum. Gaxɔmenɔla bubuawo hã nɔ woƒe hawo sem. 26 Le zã ga wuieve me tututu
la, anyigba ʋuʋu sesῖe eye gaxɔ bliboa ʋuʋu kpekpekpẽ, ʋɔtruawo katã ʋu le
wo ɖokuiwo si eye ga si wode gaxɔmenɔla ɖe sia ɖe la ɖe ɖa. 27 Esi gaxɔdzikpɔla
nyɔ tso alɔ̃ me eye wòkpɔ be ʋɔtruawo katã nɔ ʋuʋu ɖi la, vɔvɔ̃ ɖoe elabena ebu be
gamenɔlawo katã si dzo. Le esia ta, eɖe eƒe yi le aku me be yeawu ye ɖokui.
28 Ke Paulo do ɣli gblɔ nɛ be, “Nɔvi, mègawɔ nuvevi ɖokuiwo o; mí katã
míele afii.”
29 Enumake gaxɔdzikpɔla la bia akaɖi; ƒu du yi ɖe eme eye wòdze klo ɖe
Paulo kple Sila ƒe afɔ nu le dzodzo nyanyanya me. 30 Ekplɔ wo do goe hebia be,
“Aƒetɔ, nu kae le nam be mawɔ bena makpɔ ɖeɖe?”
31 Woɖo eŋu nɛ be, “Ne èxɔ Aƒetɔ Yesu dzi se la, ekema wò kple wò aƒe
blibo la miakpɔ xɔxɔ. 32 Wogblɔ Aƒetɔ la ƒe nya nɛ kple eƒe aƒemetɔwo katã. 33 Le
62
zã ma ke me gaxɔdzikpɔla klɔ woƒe abiwo na wo; eye enumake wode mawutsi tsi ta
na eya kple eƒe aƒe bliboa. 34 Ena nu wo, woɖu eye aƒea me tɔwo katã yɔ fũ kple
dzidzɔ elabena wotrɔ zu Mawu dzi xɔselawo.”
35 Le ŋdi me la ʋɔnudrɔ̃lawo ɖo kpovitɔwo ɖe gaxɔdzikpɔla la kple gbeɖeɖe
sia be, “ɖe asi le ŋutsu mawo ŋu ne woadzo.” 36 Gaxɔdzikpɔla la gblɔ nya la na
Paulo be, “ʋɔnudrɔ̃lawo ɖo gbe ɖa be woaɖe asi le wò kple Sila ŋuti. Eya ta miate
ŋu adzo azɔ. Miheyi le ŋutifafa me.”
37 Ke Paulo gblɔ na kpovitɔwo be, “Woƒo mí le dutoƒo ʋɔnumadrɔ̃madrɔ̃e,
togbɔ be míenye Romatɔwo hã; wode mi gaxɔ me, ke azɔ la woaɖe mí ado goe le
adzamea? Gbeɖe! ɖe ko woawo ŋutɔ nava hafi woakplɔ mi adoe.”
38 Kpovitɔ siwo wodɔ ɖo ɖe gaxɔdzikpɔla gbɔ la trɔ va gblɔ Paulo ƒe nya la
na ʋɔnudrɔ̃lawo eye vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔ esi wose be Paulo kple Sila nye Romatɔwo ta.
39 Dumemegãwo ɖe able va wo gbɔ le gaxɔe me eye woɖe kuku na wo be woado go
adzo le dua me. 40 Paulo kple Sila trɔ yi Lidia ƒe aƒeme, eye xɔsetɔwo va ƒo ƒu ɖe
wo ŋu eye wogagblɔ nyanyui la na wo hafi dzo le dua me.
Paulo gblɔ nya le Tesalonika
17 Azɔ ame eveawo zɔ mɔ to Amfipolis kple Apolonia nutowo me va ɖo
Tesalonika afi si Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe aɖe le. 2 Paulo yi ƒuƒoƒe sia abe ale si
wòwɔne ɖaa ene eye wògblɔ mawunya na ameawo. 3 Ewɔ esia Sabat etɔ̃ siwo kplɔ
wo nɔewo ɖo. Eɖe mawunya ƒe akpa si ku ɖe Mesia la ƒe fukpekpe, ku kple
tsitretsitsi ŋu la me na wo, eye wòdze agbagba hã ɖee fia wo tso mawunya me be
63
Yesue nye Mesia alo ɖela la vavã. 4 Ame geɖe siwo se Paulo ƒe nya la trɔ zu
kristotɔwo eye wo dometɔ aɖewo nye Helatɔ siwo me mawuvɔvɔ̃ le, kple dua me
nyɔnu ŋkutatɔ aɖewo.
5 Yudatɔwo ƒe amegã siwo nɔ dua me la ʋã ŋu Paulo kple Sila eya ta woƒo
gbevu aɖewo nu ƒu eye wowɔ ʋunyaʋunya le dua me le Paulo kple Sila ta. Wova dze
Yason ƒe aƒe afi si wonɔ la dzi kple susu be yewoalé Paulo kple Sila ahe wo va
dumemegãwo ŋkumee ne woahe to na wo.
6 Ke womekpɔ Paulo kple Sila le aƒea me o eya ta wolé Yason kple Kristotɔ
aɖewo, kplɔ wo yi dumemegãwo gbɔe. Wotsɔ nya ɖe Yason kple etɔwo ŋu eye
wotso wo nu kple ɣli be, “Paulo kple Sila, ame siwo he tɔtɔ va xexeame ƒe akpa
geɖewo la va míaƒe du me afi sia hã hele ʋunyaʋunya hem vɛ.” 7 Ke Yason ya na
sitsoƒe wo ɖe eƒe aƒeme. Le esia ta wo katã wodze na ku elabena wole gbɔgblɔm be
fia bubu aɖe gali si ŋkɔe nye Yesu, ame sia lolo wu Kaisaro.”
8 Nya siawo medzɔ dzi na dumemegãwo kple dua me tɔwo kura o. 9 Eya ta
woka ŋkume na Yason kple etɔwo vevie eye wona ame aɖe de megbe na wo be
yewomagawɔ nu sia ƒomevi azɔ o hafi woɖe asi le wo ŋu.
Paulo gblɔ nya le Beroea
10 Le zã ma me la Kristotɔ siwo le dua me la kplɔ Paulo kple Sila do goe le dua me
alɔtsɔtsɔe eye woyi Beroea. Paulo kple Sila gayi woƒe dɔ dzi le afi sia hã heyi ɖagblɔ
mawunya le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe si le dua me la me. 11 Beroeatɔwo ya lé fɔ ɖe nya
la ŋu wu Tesalonikatɔwo, eye woɖo to Paulo ƒe nyagbɔgblɔ kple dzidzɔ. Woawo
64
ŋutɔwo hã nɔa mawunya la me dzrom ɣesiaɣi be yewoakpɔe ɖa be nyateƒenya gblɔm
Paulo kple Sila nɔ mahã. 12 To esia me la, wo dometɔ geɖewo zu xɔsetɔwo eye
Helatɔ ŋkutatɔ siwo nye nyɔnuwo kple ŋutsuwo siaa xɔ nya la dzi se.
13 Esi Yudatɔ siwo tso Tesalonika la gase be Paulo nɔ mawunya gblɔm le
Beroea la, wogati wo yome yi afi ma hã eye wògade zi ameawo me ɖe wo ŋu. 14 Ke
Kritsotɔwo wɔ kaba ɖo Paulo ɖe dziehe gome lɔƒo gake Sila kple Timoteo ya tsi
anyi. 15 Ame siwo kplɔ Paulo yii la ɖoe ɖa va se ɖe Atene hafi trɔ yi Beroea. Paulo
de gbe asi ma wo be woagblɔ na Sila kple Timoteo be woawɔ kaba ava tu ye le
Atene.
Paulo le Atene
16 Esi Paulo nɔ Sila kple Timoteo lalam le Atene la, eɖi tsa le dua me. Nu siwo
wòkpɔ la ɖu dzi nɛ ŋutɔ. Ekpɔ be legbawo bɔ ɖe dua me fũ. 17 Eyi Yudatɔwo ƒe
ƒuƒoƒe be yeadzro nya me kple Yudatɔwo kple Helatɔ vɔ̃mawuwo. Eƒo nu na ameha
si le dua ƒe takpeƒe la hã gbe sia gbe.
18 Paulo dzro nya me kple xexemenunyala gã aɖewo siwo woyɔna be
Epikurea kple Stoiktɔwo la hã. Esi wòƒo nu na wo tso Yesu ƒe ku kple tsitretsitsi ŋu
la, wo dometɔ aɖewo gblɔ be Paulo ƒe tagbɔ gblẽ alo dzixɔse yeye aɖe boŋ ŋue wònɔ
nu ƒom le.
19 Ale wolée hekplɔe yi takpeƒe si woyɔna be Areopago la, afi ma wobia tso
esi be, “Na míase nya tso nufiafia yeye si nèhe vɛ la ŋu. 20 Èle nya masekpɔ aɖewo
gblɔm ɖe miaƒe towo me, miedi be míase nya siawo gɔme kple nu si wonye.” 21
65
Atenetɔwo katã kple amedzroawo hã lɔ̃a anyinɔnɔ ɖe takpeƒe wɔa woƒe ɣeyiɣi ŋutidɔ
to nyamedzodzro kple susu yeyewo xɔxɔ me.
22 Esi ŋkekea ɖo la, Paulo tsi tre ɖe ameha la titina le Mastogbɛ la dzi heƒo
nu gblɔ na wo bena,
“Nɔvinye Atenetɔwo, edze nam ƒã be mienye ame siwo kpɔa dzidzɔ le
mawuvɔvɔ̃ ŋu ŋutɔ, 23 elabena esi menɔ tsa ɖim le miaƒe dua me la, mekpɔ legba
geɖewo kple vɔsamlekpuiwo hã. Nukutɔe la mekpɔ ɖe si mieme na ŋkɔe be, ‘Mawu
si mienya o la tɔe.’ Mawu si miesubɔna le manyamanya me la ƒe nyae metsɔ vɛ na
mi.”
24 “Mawu siae wɔ dziƒo kple anyigba kple nu siwo katã le eme eye wònye gã
kple aƒetɔ na nu sia nu. Le esia ta menɔa gbedoxɔ si amewo tsɔ asi tui la me o, 25
eye le esime naneke mehiãnɛ o ta la, amegbetɔ mate ŋu awɔ naneke nɛ o. Ke eya
boŋ na agbegbɔgbɔ nu sia nu eye wònaa nu ame sia ame ɖe eƒe hiahiã nu. 26 Mawu
siae wɔ amegbetɔ siwo katã tso dzɔtsoƒe ɖeka eye wòkaka wo ɖe xexeame ƒe
akpa ɖe sia ɖe. Eɖo liƒo na dukɔwo eye wòɖo dukɔ siwo ayi ŋgɔ kple esiwo adze
anyi la da ɖi xoxo.”
27 “Mawu ƒe didie nye be amegbetɔwo nadii, ake ɖe eŋu togbɔ be egbɔ
medidi tso ame aɖeke gbɔ o hafi hã. 28 Eya mee míele agbe le abe ale si miaƒe hɛnɔ
aɖe gblɔe ene bena, ‘Míawoe nye Mawu viwo.’ 29 Eya ta ne míenye Mawu viwo la
ekema menyo be míabu be Mawu nye legba si amegbetɔ awɔ kple klosalo kple sika
alo akpae kple kpe o. 30 Tsã la Mawu mia ŋku ɖe amegbetɔ ƒe numanyamanya dzi.
Ke azɔ la ede se be ame sia ame naɖe asi le legbawo ŋu eye wòasubɔ ye ɖeka ko. 31
66
Elabena eɖo ŋkeke tɔxɛ aɖe da ɖi be yeava drɔ̃ ʋɔnu xexeame, eya ŋutɔ tia ame si le
ʋɔnua drɔ̃ ge la da ɖi eye eyae nye ame si wòfɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome.” 32
Esi wosee wògblɔ, nya tso fɔfɔ tso ame kukuwo dome ŋu la, nyasela aɖewo koe ŋutɔ
ke ame bubuwo hã be, “Míedi be míagase nya sia ɣebubuɣi” 33 Ale Paulo dzo le
takpeƒea. 34 Ame ʋe aɖewo ya dze eyome trɔ zu xɔsetɔwo. Ame siawo dometɔ
aɖewo nye Dionisio si nye dumemegã ɖeka kple nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Damari.
Paulo ƒe dɔwɔwɔ le Korinto
18 Le nu siawo megbe la, Paulo dzo le Atene heyi Korinto afi si wòdo go
Yudatɔ aɖe si woyɔna be Akuila la le. 2 Wodzi Akuila le Ponto eye eya kple srɔ̃a
Priskila nɔ Roma tsã gake Kaisaro Klaudio va de se be woanya Yudatɔwo katã dzoe
le Roma dua me, eye le esia ta Akuila kple srɔ̃a ʋu va tsi Korinto. 3 Paulo dze
Akuila kple srɔ̃a gbɔ le Korinto eye wòwɔ dɔ kpli wo elabena wo katã nye
avɔgbadɔwɔlawo.
4 Paulo yia Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe si le dua me le Sabat ɖe sia aɖe dzi hedzroa
mawunya me kple Yudatɔwo kpakple Helatɔwo siaa. 5 Esi Sila kple Timoteo tso
Makedonia va ɖo Korinto ko la, Paulo ɖe asi le eƒe avɔgbadɔwɔwɔa ŋu eye wònɔ
nya gblɔm na Yudatɔwo gbe sia gbe henɔ ɖase ɖim be Yesue nye Mesia la. 6 Ke le
ale si Yudatɔwo tsi tre ɖe eŋu sesῖe eye gawu la, wonɔ fewu ɖum henɔ busunyawo
gblɔm ɖe Yesu ŋu ta la, Paulo ɖe ta le woƒe nya me eye wògblɔ na wo be, “Miaƒe ʋu
neva miawo ŋutɔ ƒe ta dzi. Nye asi megale miaƒe nya me o. Tso azɔ dzi yina la
magblɔ nyanyui la na Trɔ̃subɔlawo.”
67
7 Le esia megbe la edzo yi ɖanɔ Trɔ̃subɔla aɖe si ŋkɔe nye Tito Yusto la gbɔ.
Ame sia ƒe aƒe te ɖe Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe la ŋu eye wònye mawuvɔ̃la adodoe aɖe. 8
To Paulo ƒe afi ma nɔnɔ me la, Krispo si nye Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒea ƒe amegã la kple
eƒe aƒe blibo la me tɔwo katã trɔ zu kristotɔwo eye wode mawutsi ta na wo. Nenema
kee nye Korintotɔ bubu geɖewo hã.
9 Gbe ɖeka ƒe zã me la, Mawu ƒo nu na Paulo le drɔ̃eƒe be, “Mègavɔ̃ o; nɔ
nya la gbɔgblɔ dzi eye mègazi ɖoɖoe o. 10 Elabena meli kpli wò eye ame aɖeke
mate atsi tre ɖe ŋuwò o, ame geɖewo le du sia me siwo nye tɔnyewo.” 11 Nu sia do
ŋusẽ Paulo ale wònɔ Korinto ƒe ɖeka kple afã sɔŋ henɔ Mawu ƒe nyateƒenya la
gblɔm.
12 Ke esi wova ɖo Galio gɔvinae le Akaya nutoa me la, Yudatɔwo gatso ɖe
Paulo ŋu eye wohee va mɔmefia la gbɔe be wòadrɔ̃ ʋɔnui. 13 Wotsɔ nya ɖe eŋu be,
“Ŋutsu sia le amewo hem be woasubɔ Mawu le mɔ si mesɔ kple Romatɔwo tɔ o la
dzi.”
14 Esi Paulo ke nu ko la, Galio xɔ nya la hegblɔ na Yudatɔwo be, “Ne mi
Yudatɔwo ɖe miele nutsotso nam tso nu vlo wɔwɔ aɖe alo amewuwu ŋuti la, anye ne
maɖo to mi. 15 Gake esi wònye nu si ku ɖe miawo kple ame aɖe ƒe xɔse ŋuti la,
miawo ŋutɔwo mikpɔ egbɔ. Nyemedi be manye ʋɔnudrɔ̃la le nya sia me o.” 16 Ale
Galio nya wo do goe le ʋɔnudrɔ̃ƒea.
17 Amehawo do dziku vevie ale be wodze Sostene si nye Yudatɔwo ƒe
ƒuƒoƒea ƒe amegã yeyea dzi eye wolée heƒoe nyui le ʋɔnudrɔ̃xɔa godo, gake Galio
mede nu eme kura o.
68
Priskila, Akuila kple Apolo
18 Paulo ganɔ dua me ŋkeke aɖewo eye emegbe la, eklã kristotɔwo eye wòɖo
tɔdziʋu hedzo yi Siria nutome. Ekplɔ Priskilia kple Akuila hã ɖe asi. Esi wova ɖo
Kentarea la, Paulo lũ ta kolikoli le adzɔgbeɖeɖe si wòwɔ do ŋgɔe le Yudatɔwo ƒe
kɔnu nu la ta. 19 Esi wova ɖo Efeso la Paulo gblẽ Akuila kple Priskila ɖe tɔdziʋua
me eye wòyi ɖe dua me be yeadzro nya me kple Yudatɔ siwo le afi ma la le woƒe
ƒuƒoƒe. 20 Wobia tso esi be wòanɔ anyi vie gake egbe. 21 Ke esi wòle dzodzom le
wo gbɔ la edo ŋugbe na wo be, “Ne Mawu lɔ̃ la matrɔ ava.” Eya megbe la eɖo
tɔdziʋu tso Efeso. 22 Esi wòɖo Kaisarea la, èyi ɖado gbe na hamea eye wòyi
Antioxia. 23 Enɔ afi ma vie eye wòdze mɔ ɖo ta Terki ke etɔ ɖe Galatia kple Frigia
nutomewo eye wòdo ŋusẽ hame siwo le nutoawo me hekpe ɖe wo ŋu be woagatsi ɖe
edzi le gbɔgbɔ me.
Apolo va Efeso kple Kɔrinto
24 Eva va eme be Yudatɔ aɖe si ŋkɔe nye Apolo la tso Aleksandria si le Egipte la va
Efeso. Ame sia nye mawunyanyala adodoe aɖe. 25 Wofia nui tso Aƒetɔ la ƒe mɔ ŋuti,
egblɔa nya dzideƒotɔe eye wòfiaa nu tso Yesu ŋuti pɛpɛpɛ, togbɔ be Yohanes ƒe
mawutsideta ko wònya hã. 26 Edze nufiafia gɔme le ƒuƒoƒea dzideƒotɔe. Esi Akuila
kple Priskila se eƒe nyawo la wokpee yi wo ƒe aƒeme heɖe Mawu ƒe mɔ me nɛ
tsitotsito wu esi wònya tsã.
27 Apolo di vevie be yeayi Hela nutome, ale xɔsetɔ siwo le Antioxia la do
ŋusẽe be wòayi. Woŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe xɔsetɔ siwo le afi ma la be ne Apolo va la, 28
69
woaxɔe akpɔ edzi nyuie. Esi wòva ɖo Hela nutome la, egblɔ mawunya kple ŋusẽ eye
wòdo ŋusẽ hame siwo nɔ afi ma. Edzro nya me kple Yudatɔwo le dutoƒo eye
wòɖi ɖase be mawunya ɖee fia kɔtee be Yesue nye Mesia la vavã.
Paulo ƒe mɔzɔzɔ etɔ̃lia
19 Esime Apolo ganɔ Korinto la, Paulo hã zɔ mɔ to Terki nutowo me va ɖo
Efeso. Ekpɔe be xɔsetɔ aɖewo le afi ma eye le woƒe nyamedzodzro me la, 2 Paulo
bia wo se be, “Esi miezu kristotɔwo ɖe, miexɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe ɖe mia mea?”
Ke woɖo eŋu be, “Ao, míexɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la o eye le nyateƒe me la, míese
eŋkɔ hã kpɔ o. Nu kae wònye?”
3 Paulo yi dzi bia wo be, “Ekema nu ka dzie miexɔ se hafi wode mawutsi ta
na mi?”
Woɖo eŋu be, “Wode mawutsi ta na mí ɖe Yohanes Mawutsidetanamela ƒe
nufiafia nu.”
4 Nya sia mevivi na Paulo o ale wòfia wo be Yohanes Mawutsidetanamela ɖe
ko wòwɔe be yeafia ale si ame nadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ atrɔ va Mawu gbɔ eye emegbe
la wòaxɔ Yesu Kristo ame si ƒe nya Yohanes gblɔ be ele vava ge la dzi ase ale be
woade mawutsi ta nɛ ɖe eƒe ŋkɔ me.
5 Esi wose nya sia la wo katã wolɔ̃ eye Paulo gbugbɔ de mawutsi ta na wo ɖe
Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me. 6 Emegbe la, Paulo do gbe ɖa ɖe wo ta eye wòda asi ɖe wo
dzi ale be Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ge ɖe wo me, eye woƒo nu kple gbegbɔgblɔ bubuwo
hegblɔ nya ɖi hã. 7 Ameawo ƒe xexlẽme nɔ ame wuieve.
70
8 Paulo nɔ Efeso ɣleti etɔ̃ nɔ mawunya gblɔm le Sabat dzi. Edzea
agbagba ɣesiaɣi be yeagblɔ nu si dzi wòxɔ se le mawufiaɖuƒea ŋu kple nu si ta wòxɔ
edzi se la afia eye wòtena kpɔna be yeaɖe nya me na amewo be woaxɔ Yesu dzi ase.
9 Ame aɖewo mexɔ eƒe nya o ale wotsi tre ɖe eŋu vevie hegblɔ busunya geɖe ɖe
Kristo ŋu le dutoƒo, nu sia na be Paulo dzo le wo gbɔ. Ke ekplɔ ame siwo xɔ eƒe nya
la ɖe asi yi Tirano Takpexɔa me afi si wòƒo nu na wo le gbe sia gbe. 10 Ewɔ nu
sia ƒe eve sɔŋ ale be Yudatɔwo kple Helatɔ siwo katã le Ausia si le Terki nutoa me
la katã se nyanyui la. 11 Mawu wɔ nukunu tɔxɛwo to Paulo ƒe asi dzi, 12 ale gbegbe
be wòtsɔa takuviwo kple akɔtawuiwo kaa dɔnɔwo ŋu wohayana eye gbɔgbɔ vɔ̃wo hã
doa go le wo me.
13 Yudatɔ aɖewo hã nɔ tsatsam tso du me yi du me henɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam
le amewo me. Ame siawo va ɖo be yewoayɔ Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ anya gbɔgbɔ
vɔ̃e kpɔ be adze edzi na yewo mahã? Woɖoe be ne yewotu ame si me gbɔgbɔ vɔ̃ le
la, yewoado ɣli ɖe eta be, “Meɖe gbe na wò le Yesu Kristo, ame si ƒe nya gblɔm
Paulo le la ƒe ŋkɔ me be nàdo go!” 14 Ame siwo nɔ nu sia wɔm la woe nye
Yudatɔwo ƒe Osɔfo aɖe si woyɔna be Skeva la ƒe viŋutsuvi adreawo. 15 Wova ke ɖe
ame aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ le la ŋu vavã eye wote kpɔ be yewoanya gbɔgbɔ vɔ̃a le
Yesu ƒe ŋkɔ me. Ke gbɔgbɔ vɔ̃ la bia wo be, “Menya nu tso Yesu kple Paulo ŋu
nyuie, ke miawo ɖe, ame kawoe mienye?” 16 Enumake edzo dze wo dometɔ eve
dzi, ƒo wo de abi wo ŋu eye wòvuvu awu le wo ŋu ale be wosi do go le aƒea me
amamae.
71
17 Nya sia kaka ɖe Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa dome le Efeso dua me. Ale
vɔvɔ̃ tɔxɛ aɖe dze wo dometɔ ɖe sia ɖe dzi eye wode bubu Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ ŋu. 18
Ame geɖewo va eye woʋu woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo me. 19 Ame aɖe siwo nye
afakalawo la lɔ woƒe dzogbãlewo kple nu kpotokpotoewo vɛ eye wotɔ dzo wo le
dutoƒo. Nu siwo wotɔ dzoe la ƒe home anɔ abe sidi akpe enyi ene. 20 Esia nye dzesi
be mawunya xɔ aƒe le nutoa me vavã. 21 Emegbe la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dee Paulo me
be, wòayi Hela nutome hafi atrɔ ayi Yerusalem. Eya ŋutɔ hã ɖoe be tso afi ma la ele
be yeayi Roma hã. 22 Eɖo eƒe kpeɖeŋutɔ eve siwo nye Timotoe kple Erasto la ɖa be
woadze ŋgɔ ayi Makedonia, Hela nutome, ke eya ŋutɔ gatsi Terki vie.
Demetrio ƒe zitɔtɔ
23 Ke le ɣemaɣi la, masɔmasɔ gã aɖe va Efeso dua me le kristotɔwo ta. 24 Ame si
he masɔmasɔ sia vɛ lae nye Demetrio. Ame sia nye klosalonutula eye dɔwɔviwo nɔ
esi fũ. Wonɔa Helatɔwo ƒe mawu, Diana, ƒe legbawo wɔm kple klosalo. 25 Gbe ɖeka
la, Demetrio ƒo eƒe dɔwɔlawo kple ame siwo katã nye klosalonutulawo le dua me la
nu ƒu eye wòƒo nu na wo ale “Mía tɔwo, miawo ŋutɔwo mienya be klosalonutudɔ
siae míewɔna ɖuna. 26 Ke ele nyanya me na mi katã bena, Paulo va le tagbɔ gblẽm
na amewo be mawu siwo wotsɔ asi wɔe la menye Mawu gbagbe o eye esia na be
míaƒe dɔ megale edzi yim tututu le Efeso afii kple nutoa katã me o. 27 Azɔ medi be
mianya be menye míaƒe dɔwɔna ɖeɖe tae mele nya siwo gblɔm o ke boŋ ele bɔbɔe
be míaƒe mawu bubutɔ, Diana, subɔsubɔ dzi aɖe kpɔtɔ eye madidi o la, Diana, si nye
mawugã si wosubɔna le mía ƒe nutome afii kple xexeame godoo la ƒe ŋkɔ abu keŋ.”
72
28 Nya sia de adã tame na ameha la ale wode asi ɣlidodo me sesῖe be,
“Diana, Efesotɔwo ƒe mawu la, lolo loo!”
29 ɣlidodo sia na be amewo va ƒo zi be yewoakpɔ nu si le edzi yim la ɖa eye
le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, du blibo la katã tɔ zi. Ame sia ame ƒu du yi ƒuƒoƒea eye
wolé Gayo kple Aristako ame siwo nye Paulo ƒe mɔzɔhatiwo, be woadrɔ̃ ʋunu wo.
30 Paulo di vevie be yeadze wo yome ayi ƒuƒoƒea gake nusrɔ̃la bubuawo meɖe mɔ nɛ
o. 31 Roma srafo siwo le nutoa me la dometɔ siwo nye Paulo xɔlɔ̃wo hã ɖo ame ɖe
egbɔ gblɔ nɛ be megado ta ɖe afi ma o ne menye nenema o la eƒe agbe aɖo xaxa me.
32 Takpekpea ŋutɔ tɔ zi kɔtɔɔ. Ame sia ame nɔ ɣli dom nɔ nya sia nya ƒomevi
si dze eŋu la gblɔm. Vavã, wo dometɔ geɖe hã menya nu si tututu ta wova ƒo ƒu ɖe
afi ma gɔ̃ hã o.
33 Yudatɔ aɖewo kpɔ Aleksandria ɖa le amewo dome eye enumake wohee do
goe wòva tsi tre ɖe ameha la ŋkume. Ekɔ asi dzi eye ɖoɖoe zi, ale wòde asi nuƒoƒo
me na wo. 34 Ke esi ameha la kpɔe dze sii be Yudatɔ wònye la, wogade asi ɣlidodo
me be, “Diana, Efesotɔwo ƒe mawu la, lolo loo! Diana, Efesotɔwo ƒe Mawu la, lolo
loo!”
35 Mlɔeba la, dudzikpɔla ble wo nu wozi ɖoɖoe ale wòƒo nu na wo gblɔ be,
“Efesotɔwo, ame sia ame nya be Efeso du siae nye trɔ̃ gã Diana si ge tso dziƒo la ƒe
du gã. 36 Le esia ta mehia be ne ame aɖe gblɔ nya bubu aɖe ko la, mianɔ ʋunyʋunya
wɔm alea gbegbe o. 37 Ame siwo mielé va afii la mefi naneke le Diana ƒe gbedoxɔ
me o eye womegblɔ nya gbegblẽ aɖeke ɖe Diana ŋu hã o. 38 Gake ne Demetrio kple
eƒe hadɔwɔlawo kpɔ be nya aɖe le yewo kple ame siawo dome la ekema ɖe wòle na
73
wo be woatsɔ nya ɖe wo ŋu le ʋɔnudrɔ̃ƒe. ʋɔnudrɔ̃lawo hã le klalo be yewoadrɔ̃ nyaa
na wo. 39 Ne nya bubu aɖe gali la, ekema woate ŋu ayi Dutakpekpea me aɖalé wo
kpɔ. 40 Ke ne miekpɔ nyuie o la, Roma dziɖuɖua abia tso mía si be míana akɔnta le
egbe ƒe ʋunyaʋunya si nu ta mele o la ŋu, eye nyemenya nya ka magblɔ ne wòva
eme alea o.”
41 Ale dudzikpɔla la kaka ƒuƒoƒoa eye ame sia ame trɔ dzo yi aƒeme.
Paulo gatrɔ yi Makedonia
20 Le nu siawo katã megbe la, Paulo yɔ nusrɔ̃lawo eye wògagblɔ nya na wo
hede dzi ƒo na wo. Emegbe la eklã wo 2 hedzo ɖo ta Hela nutome. Le du sia du si
me wòɖo le mɔa dzi me la, eƒoa nu hexlɔ̃a nu xɔsetɔ siwo le afi ma. 3 Paulo nɔ Hela
nyigba dzi ɣleti etɔ̃ eye esi wònɔ dzadzram ɖo be yeayi ɖe Siria la, ese be Yudatɔwo
nɔ ɖoɖo wɔm be yewoawui. Le esia ta eɖoe be yeagatrɔ aɖo ta Makedonia si le
anyiehe gome la boŋ.
4 Ame geɖewo kplɔ Paulo ɖo ɖa va se ɖe keke Terki. Wo dometɔ aɖewoe nye
Sopata si nye Piro ƒe vi tso Beroea, Aristaxo kple Sekundo siwo tso Tesalonika,
Gayo tso Derbe, Timotio, Tihiko kple Trofima ame siwo trɔ yina aƒe le Terki.
5 Ame siwo katã do ŋgɔ na mí eye wonɔ mía lalam le Troa. 6 Esime míeɖu
ŋutitotoŋkekenyui la vɔ ko la, míeɖo tɔdziʋu le Filipi si le Hela nyigba la ƒe anyiehe
gome eye le ŋkeke atɔ̃ megbe la míeva ɖo Troa si hã le Terki. Míenɔ afi ma
kwasiɖa ɖeka.
74
Paulo fɔ Eutiko tso ku me le Troa
7 Le Kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ la míeƒo ƒu be míaxɔ Aƒetɔ ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe la.
Pauloe gblɔ nya gbe ma gbe. Esi wònye gbe ma gbee nye Paulo ƒe ŋkeke mamlɛtɔ le
afi ma ta la, enɔ nu ƒom ʋuu va se ɖe zãtitina ke. 8 Wosi akaɖiwo ɖe afi si míenɔ le
dziƒoxɔa dzi. 9 Esi Paulo nɔ nu ƒom alea la, ɖekakpui aɖe si woyɔna be Eutiko la nɔ
akɔlɔ̃e dɔm le fesre ɖeka nu. Kasia, Eutiko ge tso fesrea nu le dziƒoxɔ etɔ̃lia dzi ke
va dze anyigba kpla eye wòku enumake. 10 Nu si dzɔ la metso dzika ƒo na Paulo
kura o ke boŋ eɖi ɖe anyigba, kɔ ɖekakpuia ɖe eƒe abɔwo me eye wògblɔ na ameha
la be, “Migawɔ ʋunyaʋunya o, naneke medzɔ ɖe edzi o. Egale agbe.” 11 Le nyateƒe
me la, ɖekekpuia gagbɔ agbe, esia na be ameha la kpɔ dzidzɔ ŋutɔ. 12 Wo katã gatrɔ
yi dziƒoxɔa dzi eye woɖu Aƒetɔ ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe la. Le eya megbe la, Paulo gayi
eƒe nuƒoa dzi ʋuu va se ɖe fɔŋli hafi wòdzo le wo gbɔ.
Paulo kla Efeso hame la
13 Paulo to afɔ yi Aso, ke míawo míeɖo tɔdziʋu hedze ŋgɔ nɛ. 14 Eva tu mí le afi
ma eye mí katã míeɖo ʋu yi Mitilene. 15 Tso afi ma mieve to Kio ŋu, va to Samo
eye mlɔeba la míeva ɖo Mileto le ŋufɔke.
16 Paulo megadi be yeatɔ ɖe Efeso azɔ o elabena edi be ne yeate ŋui la,
yeaɖo Yerusalem kaba aɖu Pentekoste ŋkeke la le afi ma. 17 Esi míeɖi go ɖe Mileto
la, Paulo ɖo ame ɖe Efeso hamemegãwo be woava do go ye le tɔdziʋua me. 18 Esi
wova ɖo la, egblɔ na wo be, “Mienya ale si menɔ mia dome tso ŋkeke gbãtɔ si
meva Asia nutowo me va se ɖe fifia. 19 Mesubɔ Aƒetɔ la le ɖokuibɔbɔɖeanyi kple
75
aɖatsiwo me togbɔ be Yudatɔwo tem kpɔ to woƒe nugbeɖoɖowo ɖe ŋunye me hã.”
20 Gake hã la, nyemadzudzɔ nyateƒe la gbɔgblɔ na mi le dutoƒo loo alo le miaƒe
aƒewo me kpɔ o. 21 Nya ɖeka ma ke koe megblɔ na Yudatɔwo kple Trɔ̃subɔlawo
siaa be, ehiã be woadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ eye woatrɔ ɖe Mawu ŋu to Yesu Kristo
dzixɔse me.
22 “Fifia la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la hem yina Yerusalem, togbɔ be nyemenya nu si
le lalayem le afi ma o hã. 23 Nu si ko Gbɔgbɔ la gblɔ nam le du sia du mee nye
bena, fukpekpe kple gamenɔnɔ nye nu siwo wòle be makpɔ mɔ na. 24 Ke viɖe aɖeke
mele nye agbe ŋu o, negbe ɖe ko mewɔ eŋutidɔ tsɔ wɔ dɔ si Aƒetɔ Yesu de asi nam.
Dɔae nye be magblɔ nyanyui la na amewo le Mawu ƒe lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ gã
ŋuti.”
25 “Azɔ menyae nyuie be, mi ame siwo katã dome menɔ wɔ dɔ eye mefia
nyanyui la mi la dometɔ aɖeke megale kpɔ nye ge akpɔ le agbe sia me o. 26 Medi be
magblɔ na mi kɔtee be, womele ame aɖeke ƒe ʋu bia ge tso asinye o, 27 elabena
nyemeɣla mawunya la ƒe akpa aɖeke ɖe mi o. 28 Azɔ la, mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie
eye mikpɔ egbɔ be mienyi Mawu ƒe alẽha si nye hame si wòtsɔ eya ŋutɔ ƒe ʋu ƒle,
elabena Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖo mi hadzikpɔlawoe. 29 Menya nyuie be ne metrɔ megbe
ko la, aʋatsonufiala aɖewo ava ɖo mia me abe amegaxi wɔadãwo ene, eye woadze
agbagba be yewoagblẽ nu le alẽha si nye hamea ŋu. 30 Mia dometɔ aɖewo hã ate
kpɔ atrɔ nyateƒe la bubui be amewo nadze yewo yome. 31 Eya ta minɔ ŋudzɔ! Miɖo
ŋku ƒe etɔ̃ siwo menɔ mia dome la dzi. Miɖo ŋku ale si mekpɔa mia dzi zã kple keli
kple ale si mexlɔ̃a nu mi kple aɖatsi zi geɖe la dzi.”
76
32 “Azɔ metsɔ mi de asi na Mawu, eya ame si ƒe nya ana be miaƒe xɔse nali
ke be wòakpɔ mia ta eye wòakpɔ gome le ame tiatiawo katã ƒe domenyinu la me. 33
Nyemebiã ŋu ɖe ame aɖeke ƒe klosalo alo sika alo awu ŋu o. 34 Miawo ŋutɔ mienya
ale si metsɔ nye asi wɔ dɔ hedi nye ŋutɔ kple nye kpeɖeŋutɔwo ƒe nuhiahiãwoe. 35
Zi geɖe la, mefia ale si miakpe ɖe ahetɔwo ŋui la mi elabena meɖo ŋku nya si míaƒe
Aƒetɔ Yesu gblɔ dzi be, ‘Nunana hea yayra vanɛ wu nuxɔxɔ.’”
36 Esi Paulo wu eƒe nuƒoa nu la, edze klo hedo gbe ɖa kpli wo. 37 Le esia
megbe la, wokpla asi kɔ nɛ hedo hedenyui nɛ kple avi, 38 vevietɔ le esime wògblɔ
na wo be womegale ye kpɔ ge akpɔ o la ta. Ale wokplɔe ɖo ɖa va se ɖe tɔdziʋua me
ke.
Paulo yi Yerusalem
21 Esi míeklã Efeso hanunɔlawo vɔ la míedze mɔ tẽ va ɖo Kos. Le ŋkeke evea gbe
la, míeva ɖo Rode eye tso afi ma míeyi Patara. 2 Le Patara la, míeɖo tɔdziʋu aɖe si
nɔ Foenike si le Siria nutoa me yim. 3 Míeto Kipro ƒukpo la ŋu le miame lɔƒo eye
míeva ɖi go ɖe Tiro ʋudzeƒea le Siria. ʋua ɖe agba le afi sia. 4 Míawo hã míeɖi tsa
yi dua me eye míedi xɔsetɔ siwo le afi ma la henɔ wo gbɔ kwasiɖa ɖeka. Gbɔgbɔ
Kɔkɔe la ƒo nu to hame sia dzi ale wogbe na Paulo be megayi Yerusalem o. 5 Ke esi
míaƒe ɣeyiɣi de la míedzo eye míeyi miaƒe mɔzɔzɔ dzi. Hame blibo la, nusrɔ̃lawo
kple wo srɔ̃wo kpakple wo viwo siaa va ɖo mi ɖa va se ɖe keke futa, afi si míedo
gbe ɖa le. 6 Míedo hedenyui na wo, ge ɖe tɔdziʋua me eye woawo hã trɔ yi aƒeme.
77
7 Tso Tiro míeva tɔ ɖe Pitolemia eye míenɔ afi ma hã ŋkeke ɖeka hesrã hame
si le afi ma kpɔ. 8 Tso afi ma míeyi Kaisarea eye míedze nyanyuigblɔla Filipo si nye
hadzikpɔla gbãtɔ adreawo dometɔ ɖeka la gbɔ. 9 Vinyɔnuvi ene siwo dometɔ aɖeke
meɖe srɔ̃ haɖe o la nɔ esi. Mawu na nyagblɔɖi ƒe ŋusẽ wo dometɔ ɖe sia ɖe.
10 Míenɔ afi sia ŋkeke geɖewo eye le ɣeyiɣi sia me la, nyagblɔɖila aɖe si
woyɔna be Agabu la tso Yudea nutome va kpɔ mí ɖa le Filipo gbɔ. 11 Agabu tsɔ
Paulo ƒe alidziblaka eye wòbla eya ŋutɔ ƒe asiwo kple afɔwo hegblɔ be, “Gbɔgbɔ
Kɔkɔe la be, ‘Alea tututue Yudatɔwo awɔ ame si tɔe nye alidziblanu sia la le
Yerusalem, eye woatsɔe ade asi na Romatɔwo.’” 12 Esi míese nya sia la, mí Paulo
ŋumewo kple dua me kristotɔwo katã, míeɖe kuku na Paulo be megayi Yerusalem la
o.
13 Ke Paulo ɖo eŋu na mí be, “Midzudzɔ avifafa elabena miele dzi gbãm
nam. Mele klalo be manɔ gaxɔ me le Yerusalem eye gawu la maku le nye Aƒetɔ
Yesu ta.” 14 Esi míekpɔe be Paulo ɖoe kplikpaa be yeayi Yerusalem la, míeɖe asi le
nya la ŋu eye míetsɔe de asi na Mawu be wòawɔ eƒe lɔlɔ̃nu.
15 Le esia megbe la, míeƒo ƒu míaƒe agbawo eye míedze Yerusalem mɔ dzi.
16 Nusrɔ̃la aɖewo tso Kaisarea kplɔ mí ɖo, eye míeva ɖo Yerusalem la, míedze
xɔsetɔwo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Mnason ame si nye xɔsetɔ xoxoawo dometɔ ɖeka
si tso Kipro la ƒe aƒeme.
Paulo va ɖo Yerusalem
17 Esi míeɖo Yerusalem la Kristotɔ siwo le dua me la xɔ mí nyuie ŋutɔ.
78
18 Ke ŋkeke evea gbe la Paulo kplɔ mí ɖe asi eye míeyi ɖado gbe na Yakobo
kple hamemegã bubuawo le Yerusalem ha la me. 19 Esi míelɔ̃ gbe vɔ la, Paulo gblɔ
ale si Mawu wɔ dɔ le Trɔ̃subɔlawo domee to eya Paulo ƒe dɔwɔwɔ me la na wo.
20 Hamemegãwo katã kpɔ dzidzɔ, kafu Mawu ke wogblɔ na Paulo be,
“Yudatɔ geɖewo hã zu kristotɔwo gake woƒe ɖoɖoe nye be ele be Yudatɔ xɔsetɔ ɖe
sia ɖe nagawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe kɔnuwo dzi pɛpɛpɛ. 21 Yudatɔ Kristotɔ siwo le
Yerusalem afii la see be wò la, ètsi tre ɖe Mose ƒe sededewo kple mí Yudatɔwo ƒe
kɔnuwo ŋu eye gawu la ègblɔ be, mele be woatso aʋa na wo viwo o. 22 Ke fifia ɖe,
ale ke míele nya sia lé gee? Godoo la woasee be èva ɖo dua me.
23 “Nu si míedi be nàwɔe nye si ame ene aɖewo le mía dome siwo le
dzadzram ɖo be yewoalũ ta aɖe adzɔgbe le sea nu, 24 eya ta míadi be wò hã nàkplɔ
wo ɖo ayi gbedoxɔa me eye nàlũ ta. Hekpe ɖe esia ŋu la, nàxe fe ɖe ame ene siawo
ƒe kɔnuwɔwɔ hã ta. Ne èwɔ esia la ekema ame sia ame adze sii be nya siwo yewose
le ŋuwò la mele eme nenema o.
25 “Ke le Trɔ̃subɔla siwo trɔ zu kristotɔwo gome la, ame aɖeke mele
gbɔgblɔm be woawo hã nawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe kɔnuwo dzi o, negbe nu siwo míeŋlɔ
ɖo ɖe wo xoxo be, woadzudzɔ nu siwo wotsɔ sa vɔe na trɔ̃wo la kple lã tsiʋumewo
ɖuɖu eye womegawɔ matre o.”
26 Paulo lɔ̃ ɖe woƒe nya sia dzi eye wòdze ameawo yome woyi ɖawɔ
kɔnuawo pɛpɛpɛ le gbedoxɔ la me, ale wòɖee fia ame sia ame be yele vɔsa wɔ ge le
ŋkeke adrea gbe.
79
Wolé Paulo le gbedoxɔ me
27 Ke esi wòsusɔ vie ŋkeke adrea nade la, Yudatɔ aɖewo tso Terki va Yerusalem
eye wokpɔ Petro le gbedoxɔa me. Enumake wode ʋunyanya amewo me ɖe eŋu eye
wolé Paulo henɔ ɣli dom ɖe eŋu be, 28 “Israelviwo, mixɔ na mí loo! Ame siae tsi
tre ɖe Yudatɔwo ŋu eye wònɔ gbɔgblɔm na amewo be womegawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe
sewo dzi o. Gawu la, edo vlo míaƒe gbedoxɔ la hã eye wòkplɔ Trɔ̃subɔlawo yi míaƒe
gbedoxɔ mee be yeaɖi gbɔ̃ gbedoxɔ la. 29 Wogblɔ esia elabena wokpɔ Paulo wònɔ
zɔzɔm kple Trofimo si nye Trɔ̃subɔla aɖe tso Efeso le Terki la, le ablɔ dzi eya ta
wosusu be Paulo kplɔe yi gbedoxɔa mee.”
30 Zitɔtɔ gã aɖe dzɔ le dua me le nya sia ta eye wolé Paulo, hee do goe le
gbedoxɔa me hedo ʋɔa. 31 Esi wobe yewoawui ko la, ame aɖe yi ɖagblɔ na Roma
srafowo ƒe amegã be ʋunyaʋunya gã aɖe le edzi yim le Yerusalem dua me. 32
Asrafomegã la ɖe eƒe asrafo aɖewo ɖo ɖa be woayi aɖatsi ʋunyaʋunya la nu. Esi
amehawo kpɔ asrafoawo gbɔna ko la wodzudzɔ Paulo ƒoƒo. 33 Asrafoawo ƒe amegã
la na wolé Paulo eye woblae sesῖe kple gakɔsɔkɔsɔ. Azɔ etrɔ ɖe ameha la gbɔ eye
wòbia wo ame si Paulo nye kple nu vɔ̃ si wòwɔ. 34 Ame aɖeke mete ŋu na ŋuɖoɖo
gobi aɖeke o elabena ame sia ame nɔ ɣli dom nɔ nya si dze eŋu la gblɔm. Le esia ta
asrafowo ƒe amegã la ɖe gbe be woakplɔ Paulo yi ɖe asrafowo ƒe nɔƒee. 35 Esi wova
afi ma henɔ atrakpuiawo liam la ameha la galũ ɖe wo dzi kple adã. Esia na be
asrafoawo kɔ Paulo ɖe abɔta be woƒe asi nagakae o. 36 Ke hã ameawo nɔ ɣli dom le
wo yome sesῖe be, “Miwui! Miwui!”
80
Paulo ƒo nu na ameha la heʋli eɖokui ta
37 Esi wova ɖo gaxɔa ƒe mɔnu la, Paulo gblɔ na asrafoawo ƒe amegã le Helagbe me
be, “Amegã, magblɔ nya aɖe na wò.”
Ewɔ nuku na asrafoa ŋutɔ be Paulo gblɔ Helagbe ale wòbiae be, “ɖe nèse
Helagbea? 38 Alo menye wòe nye Egiptetɔ ma si de zitɔtɔ amewo me abe ƒe ɖeka
alo eve aɖewoe nye esi va yi ene eye nèkplɔ gbevuviwo abe akpe ene sɔŋ ene
woyi ɖabe ɖe gbegbe aɖe oa?”
39 Paulo ɖo eŋu be, “Ao, nye la Yudatɔ menye tso Tarso le Kilikia nutome.
Du sia nye du xɔŋkɔ aɖe. Meɖe kuku na wò ɖe mɔ nam maƒo nu na ameha la.”
40 Asrafowo ƒe amegã la lɔ̃ ɖe Paulo ƒe biabia la dzi ale Paulo tsi tre ɖe
atrakpuia dzi hekɔ asi dzi na ameha la eye ɖoɖoe gã aɖe zi enumake. Azɔ eƒo nu na
wo le Hebrigbe me be:
Paulo gblɔ eƒe dzimetɔtrɔŋutinya
22 “Fofonyewo kple nɔvinyewo, to kukuɖeɖe me miɖo tom ne maɖe ɖokuinye
nu ne miase.” 2 Esi ameawo se be enɔ Hebrigbe gblɔm la, wogazi ɖoɖoe ɖe edzi wu
tsã. 3 Paulo yi edzi be, “Yuda vidzidzi ŋutɔŋutɔe menye tso Tarso le Kililkia
nutome. Ke Yerusalem afi siae mede suku le, eye nye nufialae nye Gamaliel, ame si
hem be mawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe sewo kple kɔnuwo dzi pɛpɛpɛ abe ale si dze ene.
Enye nye didi vevi ɣemaɣi be made bubu Mawu ŋu le nu sia nu si mawɔ la me abe
ale si miawo hã miele ewɔm fifia ene. 4 Meti kristotɔwo yome. Mewɔ funyafunya
wo, wu wo, lé ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa de gaxɔ me. 5 Yudatɔwo ƒe Osɔfogã alo
81
Dumemegã ɖe sia ɖe ate ŋu aɖi ɖase na mi le nya siawo ŋu, elabe mexɔ agbalẽ tɔxɛ
tso wo gbɔ le Yerusalem si na ŋusẽm be mayi Yudatɔwo ƒe amegãwo gbɔ le
Damasko eye woakpe ɖe ŋunye be malé Kristotɔ siwo katã le dua me la, akplɔ wo
va Yerusalem be woahe to na wo.”
6 “Ke esime wòsusɔ vie maɖo Damasko dua me, le ŋdɔ ga wuieve me lɔƒo la,
keklẽ gã aɖe tso dziƒo klẽ ƒo xlãm. 7 Ale medze anyi. Enumake mese ame aɖe ƒe gbe
be, ‘Saul, Saul, nu ka tae nèle yonyeme tim ale mahã?’
8 “Mebia be, ‘Meɖe kuku, wò ame kae le nu ƒom nam?’ Gbea ɖo eŋu be,
‘Nyee nye Yesu, Nazaretitɔ, ame si yome tim nèle.’ 9 Ame siwo nɔ ŋunye la se
nuƒoa pɛpɛpɛ gake womese nu si wògblɔ la gɔmee o.
10 “Meyi edzi gabiae be, ‘Aƒetɔ nu ka mawɔ?’
“Aƒetɔ la gblɔ nam be, ‘Tso nàyi Damasko dua me eye ame aɖe agblɔ nu
siwo wɔ ge nèle le ƒe siwo gbɔna me la na wo.’
11 “Ke esi metso le anyigba la mede dzesii be nyemegate ŋu nɔ nu kpɔm o.
le kekeli gã ma ta; eya ta ame siwo le ŋunye la, lém ɖɔɖɔɖɔ hekplɔm yi Damasko. 12
Le afi ma la, ŋutsu aɖe si ƒe ŋkɔe nye Anania la va gbɔnye. Anania nye Yudatɔ, ame
si mefena kple Yudatɔwo ƒe sewo o, ale Yudatɔ siwo katã le Damasko la tsɔ bubu
tɔxɛ nɛ. 13 Ame sia va tsi tre ɖe gbɔnye eye wògblɔ nam be, ‘Nɔvinye Saul, ʋu ŋku
nàkpɔ nu!’ Enumake nye ŋkuwo ʋu eye megakpɔ nu.
14 “Anania yi edzi gblɔ nam be, ‘Mía tɔgbuiwo ƒe Mawu la tia wò be nànya
nu si nye eƒe lɔlɔ̃nu, ase eƒe gbe eye nàkpɔ Dzɔdzɔetɔ la, ase eƒe nuƒo hã. 15
Hekpe ɖe esia ŋu la ele be nàtsɔ eƒe nyanyui la ayi xexeame ƒe afi sia afi eye nàgblɔ
82
nu siwo nèkpɔ kple nu siwo nèse la hã fia amewo. 16 Azɔ ɣeyiɣigbegblẽ aɖeke
megali o. ɖe ko woade mawutsi ta na wò, aklɔ wò nu vɔ̃wo ɖa le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ
me.’
17 “Metrɔ va Yerusalem eye gbe ɖeka esi menɔ gbe dom ɖa le gbedoxɔ la me
la, mekpɔ ŋutega aɖe 18 eye Mawu gblɔ nam be, ‘Wɔ kaba nàdzo le Yerusalem
elabena ne ègblɔ nye nya na amewo la womaxɔe se o.’
19 “Ke meɖo eŋu be, ‘O, Aƒetɔ, ame siawo nya nyuie be ame siwo katã xɔ
wò ŋkɔ dzi se la, meléa wo tso ƒuƒoƒe yi ƒuƒoƒe, ƒoa wo eye medea wo gaxɔ me. 20
Gawu la esime wonɔ wò dɔla Stefano wum la, nye ŋutɔ meda asi ɖe edzi. Menɔ afi
ma eye mexɔ ame siwo nɔ ewum la ƒe awuwo lé ɖe asi na wo esime wonɔ
kpe ƒumii.’
21 “Gake Mawu gblɔ nam be madzo le dua me godoo elabena yeaɖom ɖe
kekeke Trɔ̃subɔlawo gbɔ be magblɔ nya na wo.”
Paulo, Romatɔ la
22 “Esi wògblɔ nya sia ko la, ameha la ganyra kple ɣli bobobo be, ‘Mikplɔ ame
ma ƒomevi dzoe! Miyi ɖawui ! Medze be wòanɔ agbe o!’ 23 Ale woda woƒe awuwo
ɖe ya me eye wolɔ ke hlẽ ɖe yame dzikutɔe.
24 Ale asrafowo ƒe amegã ɖe gbe be woakplɔ Paulo yi xɔa mee, aƒoe kple
atam va se ɖe esime wòato nyateƒe be, yenya nu si tututu ta ameha la do dziku ɖe ye
ŋu nenema ɖo.
83
25 Esime wonɔ Paulo blam be yewoaƒoe la, ebia asrafoawo ƒe nunɔla aɖe si
nɔ tsitre ɖe egbɔ be, “Ele se nu be miaƒo Romatɔ le esime womedrɔ̃ ʋɔnui oa?”
26 Asrafo sia yi eƒe amegã gbɔ enumake ɖagblɔ nɛ be, “Amegã, nu kae nye
esia nèbe yeawɔ? Mènya be ame sia la Romatɔ wònye hafi nèbe woaƒoe oa?”
27 Asrafowo ƒe amegã la ɖe abla va Paulo gbɔ hebiae be, “Ŋutsu, Romatɔe
nènye vavã?”
Paulo ɖo eŋu be, “Ẽ, Romatɔe menye.”
28 Asrafowo ƒe amegã la hã gagblɔ nɛ be, “Nye hã Romatɔe menye gake ga
home gbogbo aɖee mena hafi te ŋu zui.”
Ke Paulo gblɔ nɛ be, “Nye ya Roma vidzidzie menye.”
29 Nya sia na be vɔvɔ̃ ɖo asrafowo ƒe amegã la le esi wòɖe gbe be woaƒo
Paulo ta. Asrafo siwo nɔ dzadzram ɖo ɖe eƒoƒo ŋu la katã bu le afi ma enumake esi
wose be Romatɔe wònye.
Paulo le Sanhedrin la ŋkume
30 Le ŋkeke evea gbe la, asrafowo ƒe amegã la ɖe Paulo le gaxɔ me eye wòyɔ
Osɔfogãwo kple Yudatɔwo ƒe amegãwo ƒo fui. Azɔ ekplɔ Paulo va wo ŋkume be
yease nu si tututue le tɔtɔ sia hem vɛ la gɔme.
Paulo le ʋɔnudrɔ̃lawo ŋkume
23 Paulo lῖ ŋku ɖe takpekpea dzi gãa eye wòƒo nu gblɔ be, “Nɔviwo, nye
dzitsinya ka ɖe edzi nam, be nye agbenɔnɔ dzea Mawu ŋu ɣesiaɣi.”
84
2 Esi wòɖe nu le nya sia me tete ko la, Osɔfogã Anania ɖe gbe be ame siwo
le Paulo gbɔ lɔƒo la naƒo nugbɔ nɛ. Ale woƒoe nɛ.
3 Paulo gblɔ nɛ be, “Mawu aƒo wò hã, wò ame si le abe gli si wosi akalo na
ene. Ènɔ zi dzi be nadrɔ̃ ʋɔnum ɖe se la nu, ke wò ŋutɔ nèda sea dzi, ɖe gbe be
woaƒo alɔgbɔ nam!” 4 Ame siwo nɔ tsitre ɖe Paulo gbɔ la do ɣli ɖe eta be, “Mɔ
kae nèkpɔ ne nànɔ Mawu ƒe Osɔfogã la dzum alea?”
5 Paulo ɖo eŋu be, “Tɔnye medzɔ o, nɔviwo, nyemenya be eyae nye Osɔfogã
la o, elabena mawunya gblɔe be, ‘Mègagblɔ nya vɔ̃ aɖeke ɖe wò kplɔlawo ŋu o.’”
ʋiʋli ɖo Zadukitɔwo kple Farisitɔwo dome
6 Enumake susu aɖe va tame na Paulo. Ekpɔe dze sii be takpekpea me valawo ƒe
akpa aɖe nye Zadukitɔwo eye ɖe hã nye Farisitɔwo. Eya ta edo ɣli gblɔ bena,
“Nɔvinyewo, Farisitɔ menye abe tɔgbuinyewo ke ene, eye nu si ta wohem va ʋɔnui
egbe lae nye be nye hã mexɔe se abe miawo ke ene be ame siwo ku la agafɔ tso ku
me.” 7 Esi wògblɔ esia ko la ʋiʋli ge ɖe Farisitɔwo kple Zadukitɔwo dome eye
takpekpea ma ɖe akpa eve, 8 elabena Zadikitɔwo gblɔna be tsitretsitsi tso ame
kukuwo dome meli o, eye mawudɔlawo kple gbɔgbɔwo meli o, ke Faristɔwo xɔ nu
siawo dzi se be woli.
9 Nu sia he tɔtɔ gã aɖe vɛ eye Yudatɔwo ƒe agbalẽfiala aɖewo tsi tre hedo ɣli
be yewomekpɔ be naneke gblẽ le Paulo ŋu o, ke boŋ ɖewohῖ mawudɔla alo gbɔgbɔ
aɖee ƒo nu nɛ le Damasko mɔ dzi.
85
10 Howɔwɔa va de dzi blibo eye ameawo nɔ Paulo hem tso afii yi afi. Mlɔeba
la, asrafoawo ƒe amegã ɖe gbe na eƒe asrafowo be woakplɔ Paulo adzoe sesẽtɔe le
wo gbɔ ne menye nenema o la woava vuvui, ale wokplɔe gayi ɖe gaxɔa mee le
asrafowo ƒe nɔƒe.
11 Le zã me la, Aƒetɔ la va Paulo gbɔ va gblɔ nɛ be, “Paulo, dzi megaɖe
le ƒowò o, elabena abe ale si nèɖi ɖase le ŋunye le Yerusalem ene la, nenema kee
nèle ɖase ɖi ge le ŋunye le Roma hã.”
Wo ɖo nugbe ɖe Paulo ŋu be woawui
12 Esi ŋu ke la Yudatɔ aɖewo ƒo ƒu eye woka atam na wo ɖokuiwo be ne
yewomewu Paulo o kpaa, yewomaɖu nu alo ano tsi o. 13 Ŋutsu siwo ɖo vɔ̃ sia la sɔ
gbɔ wu ame blaene. 14 Woyi Osɔfogãwo kple dumemegãwo gbɔ hegblɔ woƒe ɖoɖoa
na wo. 15 Wogblɔ na wo be, “Migawɔ abe ɖe miedi be yewoagabia gbe Paulo ene
ale be miabia asrafowo ƒe amegã ne wòakplɔe va takpekpe gã la mee abe nyitsɔ ene.
Míawo la míabe ɖe mɔa dzi eye ne wokplɔ Paulo gbɔnea la, míadzo adze edzi
awui.”
16 Ke Paulo ƒe nyruiyɔvi aɖe se woƒe ɖoɖo sia ale wòɖe abla yi ɖagblɔe na
Paulo.
17 Paulo yɔ asrafowo dometɔ ɖeka eye wòbia tso esi be wòakplɔ ɖekakpuia
yi asrafoawo ƒe amegã gbɔe elabe nya aɖe le esi wòdi be yeagblɔ nɛ. 18 Asrafoa
kplɔ ɖekakpuia yii abe ale si Paulo gblɔ nɛ ene.
86
19 Asrafomegã la kplɔ ɖekakpui la ɖe kpɔe hebia gbee be, “Nye kae nèdi be
yeagblɔ nam?”
20 Paulo ƒe nyruiyɔvi la gblɔ nɛ be, “Etsɔ la, Yudatɔwo aɖo ame ɖe gbɔwò be
nàkplɔ Paulo va yewoƒe takpekpe gã la ŋkumee kple susu be yewoagabia gbee. 21
Gake mègawɔe o, elabena Yudatɔ blaene aɣla wo ɖokuiwo ɖe mɔa dzi be ne Paulo
va yina la, yewoalée awu. Woka atam na wo ɖokuiwo be ne Paulo meku o la,
yewomaɖu nu alo ano tsi hã o, eya ta wobe ɖe mɔa dzi fifi laa hã xoxo.”
22 Asrafowo ƒe amegã la gblɔ na ɖekakpuia be, “Mègana ame aɖeke nanya
be èva gblɔ nya sia nam o.” Emegbe la edzo.
Woɖo Paulo ɖe Kaisarea
23 Enumake asrafomegã la yɔ etevi eve eye wògblɔ na wo be, “Midzra ɖo miadze
Kaesarea mɔ dzi egbe zã ga asieke me. 24 Miƒo asrafo tutsɔla alafa eve, akplɔtsɔla
alafa eve kple sɔdola blaadre nu ƒu, eye midi sɔ na Paulo wòado ale be miakpɔe ayi
ɖade asi na Gɔvinagã Felike dedie.”
25 Eŋlɔ agbalẽ kpe ɖe eŋu ale. 26 Klaudio Lisia Na Bubutɔ, Gɔvinagã Felike
Xɔ gbedoname nyui sia.
27 Gbe ɖeka la Yudatɔwo lé ŋutsu sia eye wonɔ eƒom be yewoawui, ke esi
mesee be Romatɔ wònye la, meɖo asrafowo ɖa woyi ɖaxɔe le wo si. 28 Emegbe la
mekplɔe yi Yudatɔwo ƒe takpekpe gã la me be mase nu si tututu wòwɔ tae wolée ɖo.
29 Le woƒe nyamedzodzrowo me la, mekpɔe be menye nya gobi aɖekee wotsɔ ɖe
eŋu o, ke boŋ nya siwo ku ɖe Yudatɔwo ƒe xɔse kple kɔnuwo ŋu la koe, eye medze
87
be woawui alo adee gaxɔ me kura gɔ̃ hã ɖe nya siawo ƒomevi ta o. 30 Ke, le esime
mesee be Yudatɔwo ganɔ ɖoɖo wɔm le bebeme be yewoawui ta la, meɖoe be
makplɔe ɖo ɖe wò eye magblɔ na eƒe futɔwo hã be woava gbɔwò ne nàdrɔ̃ nya la na
wo.”
31 Ale, le zã ma me la asrafoawo kplɔ Paulo yi va ɖo Antipatre. 32 Esi ŋu ke
la wotsɔe de asi na sɔdzisrafoawo be woakplɔe ayi Kaisarea, ke afɔzɔlawo ya gatrɔ
va woƒe nɔƒe. 33 Esi wova ɖo Kaisarea la, wotsɔ Paulo de asi na Gɔvinagã la eye
wotsɔ agbalẽ si Lisia ŋlɔ de wo si la hã nɛ. 34 Esi Mɔmefiagã la xlẽ agbalẽa vɔ la,
ebia Paulo du si me tɔ wònye, eye Paulo ɖo eŋu be, “Metso Kilikia.”
35 Azɔ Gɔvinagã la gblɔ nɛ be, “Maɖo to wò nyawo katã nenye be
nuwòtsolawo va ɖo.” Ale wòɖe gbe be woaɖatui ɖe gaxɔ me le fia Herodes ƒe fiasã
me.
Wodrɔ ʋɔnu Paulo le Gɔvina Felike ŋkume
24 Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, Osɔfogã Anania kple eŋumewo yi Kaisarea be yewoatsɔ
nya ɖe Paulo ŋu. Ame siwo nɔ Anania ŋu woe nye Yudatɔwo ƒe kplɔla aɖewo kple
senyala Tertulo. 2 Esi mɔmefia la bia gbe wo la, Tertulo ƒo nu ɖe wo nu gblɔ be,
“Amegã bubutɔ Felike, le wò kpɔkplɔ nyui la te la, mí Yudatɔwo míekpɔ
tomefafa kple bubu eye amewo megakpɔa mí abe nu tsɛ aɖewo ko ene o. 3 Míele
akpe manyagblɔ aɖe dam na wò tso míaƒe dzime ke le esia ta. 4 Nyemedi be
magblẽ ɣeyiɣi na wò boo o eya ta mayi nye nya dzi agblɔe kpuie ko. 5 Ame si
wokplɔ va gbɔwòe la, ame vɔ̃ɖi aɖe ŋutɔe wònye. Eƒe dɔ koe nye be wòanɔ
88
ʋunyaʋunya dem Yudatɔwo dome le xexeame katã godoo be woatsi tre ɖe Roma
dziɖuɖua ŋu anɔ woƒe sewo kple kɔnuwo dzi dam. Eya koe nye habɔbɔ si woyɔna be
Nazaretitɔwo la ƒe kplɔla ɖeka.
6 “Nu si gavlo wu lae nye be, edi be yeado vlo míaƒe gbedoxɔ la hafi míeva
do ɖe edzi helée. 7 ɖe míebe míawɔ fui abe ale si dze ene hafi asrafowo ƒe amegã,
Lisia, va xɔe le mía si sesẽtɔe ale be woadrɔ̃ ʋɔnui le Roma se la nu. 8 Ne wò ŋutɔ
èse eƒe numegbe ko la, ekema míaƒe nya me akɔ na wò.”
9 Yudatɔ mamlɛawo xɔ ɖe Tertulo ƒe nyawo dzi be wole eme tututu abe ale si
wògblɔe ene.
10 Azɔ eɖo Paulo hã dzi be wòaɖe eɖokui nu. Mɔmefiagã la wɔ asi nɛ be
wòatso aƒo nu.
Paulo ɖe eɖokui nu gblɔ be, “Amegã bubutɔ, menya be menye egbee nèle
Yudatɔwo ƒe nyawo drɔ̃m o. Le esia ta dzideƒo le asinye be maɖe ɖokuinye nu le
gbɔwò. 11 Anɔ abe ŋkeke wuieve koe nye esi ene, meva ɖo Yerusalem be mawɔ
subɔsubɔdɔ le gbedoxɔ me. 12 Ame siwo le nunye tsom le mekpɔm menɔ nya hem
kple ame aɖeke le gbedoxɔme alo de zitɔtɔ ameha aɖewo dome le ƒuƒoƒe aɖeke alo le
dua ƒe akpa aɖeke o. 13 Le nya si wotsɔ ɖe nufiafia la hã me la, womate ŋu aɖee afia
be enye nyateƒe o.
14 “Ke hã la, melɔ̃ ɖe edzi be mesubɔa mía fofowo ƒe Mawu la abe ame si le
mɔ la dzi ene, esi amewo yɔna be kɔmama. Mexɔ nu sia nu si sɔ kple se la kple nu
siwo woŋlɔ de nyagblɔdigbalẽawo me la dzi se. 15 Mexɔe se hã abe ame siawo ke
ene be nu vɔ̃ wɔlawo kple ame dzɔdzɔewo siaa afɔ tso ku me. 16 Eye le esia ta la,
89
medze agbagba wɔa nye ŋusẽ katã ŋutidɔ be nye agbenɔnɔ nadze Mawu kple
amegbetɔwo ŋu.”
17 Paulo yi eƒe nuƒoa dzi be, “Menɔ gbedzi ƒe geɖe eye metro va Yerusalem,
hetsɔ ga ɖe asi be mava kpe ɖe Yudatɔwo ŋu eye masa vɔ na Mawu hã. 18 Nye futɔ
siawo va ke ɖe ŋunye le gbedoxɔa me, melũ ta pɛpɛpɛ abe ale si wòle seawo nu ene,
eye menɔ nye nunana ƒe vɔsa wɔm. ʋunyaʋunya aɖeke menɔ afi ma kura o. 19 Ke
dzɔgbevɔ̃etɔe la, Yudatɔ aɖewo, ame siwo tso Terki, ame siwo wòle be woanɔ afi sia
hafi hã nɔ afi ma ɣemaɣi. 20 Bia ame siawo le afi sia fifia ŋutɔ se be esi wokplɔm yi
Yudatɔwo ƒe takpekpe gã la me ɖe vodada kae wokpɔ le ŋunye mahã. Nu si megblɔ
si ɖewohῖ 21 medze be magblɔ hafi o koe enye be ‘Nu si ta wokplɔm va mia dome
le takpekpe gã sia mee nye be mexɔe se be ame siwo katã ku la agafɔ ɖe tsitre tso ku
me!”
22 Felike nyae nyuie be kristotɔwo mewɔa ʋunyaʋunya o. Le esia ta egblɔ na
Yudatɔwo be woalala va se ɖe esime asrafowo ƒe amegã, Lisia, nava hafi yeatso nya
la me. 23 Ede se be woakplɔ Paulo ayi gaxɔa me gake woakpɔ edzi nyuie. Woaɖe
mɔ faa be exɔlɔ̃wo nava kpɔe ɖa eye woate ŋu atsɔ nunanawo vɛ nɛ faa, be eƒe dzi
nadze eme.
24 Le ŋkeke ʋee aɖewo megbe la, Felike kple srɔ̃a, Drusila, ame si nye
Yudatɔ la va eye woɖo ame ɖe Paulo be wòava. Esi Paulo va la eƒo nu na wo le
Yesu Kristo dzixɔse ƒe nyawo ŋu. Nyawo de tome na Felike srɔ̃a nyuie. 25 Ke esi
wòɖe nya me na wo le dzɔdzɔenyenye, ɖokuidziɖuɖu kple ʋɔnudɔdrɔ̃ si li gbɔna ŋu
90
la vɔvɔ̃ ɖo Felike eye wògblɔ na Paulo be neyi gbɔ, ne yegakpɔ ɣeyiɣi nyui aɖe la
yeagaɖo ame ɖee.
26 Felike nɔ mɔ kpɔm be Paulo ana zãnu ye eya ta eyɔe zi geɖe henɔ nya me
dzrom kplii. 27 Wonɔ esia dzi alea ʋuu ƒe eve sɔŋ. Ke mlɔeba la woɖe Felike le afi
ma hetsɔ Porkio Festo ɖo eteƒe. Le esi Felike di be Yudatɔwo nakpɔ ŋudzedze le ye
ŋu ta la, egblẽ Paulo ɖe gaxɔ me hafi dzo.
Paulo tsɔ eƒe nya de asi na Kaisaro
25 Esi Festo dze eƒe dɔ gɔme le Kaesarea ƒe ŋkeke etɔ̃a gbe tututu la, eɖi tsa yi
Yerusalem. 2 Osɔfogãwo kple Yudatɔwo ƒe dumemegãwo wɔ mɔnukpɔkpɔ sia ŋutidɔ
heka Paulo ƒe nya la ta nɛ. 3 Wodze agbagba ble enu be wòaɖo Paulo ɖe Yerusalem
enumake kple susu be yewoabe ɖe mɔa dzi awui. 4 Festo ɖo eŋu be, “Esi Paulo le
gaxɔme le Kaesarea eye nye hã mele afi ma yi ge kpuie la, 5 mina miaƒe kplɔla
aɖewo nadze yonyeme aɖatsɔ nya ɖe ŋutsua ŋu le afi ma nenye eda vo aɖe.”
6 Le ŋkeke enyi alo ewo megbe la, Festo trɔ yi Kaesarea eye le ŋkeke evea
gbe tututu la, eyɔ Paulo ƒe nya la le ʋɔnu.
7 Esi Paulo va ɖo ʋɔnua ko la, Yudatɔ siwo tso Yerusalem va la, do ɣli gblɔ
aʋatsonya geɖewo ɖe eŋu togbɔ be ɖasefo aɖeke menɔ wo si o hã. 8 Ke Paulo ɖo eŋu
na wo be, “Nyemedze agɔ le ame aɖeke dzi o. Nyemeda Yudatɔwo ƒe se aɖeke dzi o
eye nyemedo vlo gbedoxɔ la hã o. Gawu la nyemetsi tsitre ɖe Roma dziɖuɖua
ŋu ɣeaɖekeɣi o.”
91
9 Ke Festo di vevie be yeadze Yudatɔwo ŋu eya ta ebia Paulo be, “Èlɔ̃ be
yeayi Yerusalem be madrɔ̃ ʋɔnu ye le afi maa?”
10 Paulo ɖo eŋu nɛ be, “Gbeɖe! Nyemele Yerusalem yi ge o. Ke boŋ medi be
mayi Roma Fiagã la boŋ gbɔ be wòadrɔ̃ ʋɔnum le sea nu. Wò ŋutɔ ènya nyuie be
nyemedze agɔ o. 11 Ne mewɔ nane si dze na ku la nyemele ku vɔ̃m o. Ke ne vodada
aɖeke mele ŋunye o la, medze be wò alo ame bubu aɖeke natsɔm de asi na ame
siawo be woawum o. Metsɔ nye nya de asi na fia Kaisaro ŋutɔ!”
12 Nya sia na be Festo trɔ ɖe eŋumewo ŋu eye wodo dãli vie. Emegbe la, etrɔ
ɖe Paulo gbɔ, gblɔ nɛ bena, “Enyo; Paulo, esi nètsɔ wò nya de asi na Kaisaro ta la,
míaɖo wo ɖe Kaisaro gbɔ.”
Paulo do ɖe fia Agripa ŋkume
13 Le ŋkeke ʋe aɖewo megbe la fia Agripa kple nɔvianyɔnu, Benis, ɖi tsa va Festo
gbɔ be yewoava kpɔe ɖa. 14 Le woƒe afi ma nɔnɔ me la, Festo gblɔ Paulo ƒe nya na
Agripa be, “Felike gblẽ ame aɖe ɖe gaxɔ me le afii hafi meva xɔ eteƒe. 15 Eye esi
meɖi tsa de Yerusalem la, Osɔfogãwo kple Yudatɔwo ƒe tatɔwo va gbɔnye hewɔ
nutsotso geɖe ɖe ame sia ŋu eye wobia tso asinye be matso kufia nɛ. 16 Ke, abe ale
si wò ŋutɔ nènyae ene la, megblɔ na wo be, míaƒe Roma se la meɖe mɔ be woabu fɔ
ame ʋɔnumadrɔmadrɔ̃e o. Ke boŋ ele be woana mɔe be wòaɖe eɖokui nu le ame
siwo tsɔ nya ɖe eŋu la ŋkume.”
17 “Esi Yudatɔwo tso Yerusalem va afii la, meyɔ ʋɔnua eye mena wokplɔ
Paulo va ʋɔnuae. 18 Esi enutsolawo tsi tre be woaƒe nu la wometsɔ nya sesẽ aɖeke
92
ɖe eŋu, abe ale si mebui ene o. 19 Ke boŋ nyaʋiʋli aɖewo tso woƒe subɔsubɔ kple
ame aɖe si woyɔna be Yesu, ame si ku gake Paulo ya gale gbɔgblɔm be ele agbe
kokoko la ŋu. 20 Esi mese woƒe nyawo la, metɔtɔ ŋutɔ, elabena nyemenya ale si
madrɔ̃ nya sia ƒomevi o. Mebia Paulo be alɔ̃ be woadrɔ̃ nya sia le Yerusalem hã? 21
Gake Paulo gbe gblɔ be yedi be Kaisaro gã la ŋutɔ nadrɔ̃ ʋɔnu ye. Le esia ta megana
be woagbugbɔe ayi gaxɔ me va se ɖe esime mate ŋu aɖoe ɖe Kaisaro gbɔ.”
22 Agripa gblɔ na Festo be, “Nye ŋutɔ medi be mabia gbe Paulo ase eƒe
numegbe.” Festo do ŋugbe nɛ be, “Etsɔ àse eƒe numegbe.”
23 Le ŋkeke evea gbe tututu la, Agripa kple Beris va do ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒea le
bubu kple atsyɔɖoɖo gã me. Asrafowo kple dumemegãwo hã nɔ wo ŋu. Esi woɖi
anyi vɔ la, Festo na wokplɔ Paulo va wo ŋkumee.
24 Festo ƒo nu na ƒuƒoƒea be, “Fiagã Agripa kple ame siwo katã ƒo ƒu ɖe afii,
ame si le mia dome lae nye ame si Yudatɔ siwo le du sia me kple Yerusalem siaa, di
be woatso kufia na. 25 Ke le nye nukpɔkpɔ nu la, mewɔ naneke si dze na ku o. Ke
esi eya ŋutɔ bia be Kaisaro ŋutɔ nadrɔ̃ ʋɔnu ye ta la, wɔna aɖeke megale ŋunye wu
be maɖoe ɖe Kaisaro gbɔ le Roma o. 26 Gake hã la, nyemenya nya ka tututu maŋlɔ
ɖo ɖe Fiagã la abe nutsotso le eŋu ene o, elabena wometsɔ nya gobi aɖeke ɖe eŋu o.
Eya ta mekplɔe vɛ na mi katã, vevitɔ wò fia Agripa be nàbia gbee eye to esia me
makpɔ nane aŋlɔ tso eŋu. 27 Elabena susu mele eme be woaɖo gamenɔla aɖe ɖe
Kaisaro be wòadrɔ̃ ʋɔnui le esime wometɔ asi nutsotso aɖeke dzi tso eŋu o.”
93
Paulo ɖe eɖokui nu le Agripa ŋkume
26 Fia Agripa gblɔ na Paulo be, “Meɖe mɔ na wò be nàɖe ɖokuiwò nu mase.”
Ale Paulo gaɖe eɖokui nu gblɔ be,
2 “Fiagã Agripa, enye dzidzɔ kple bubu gã aɖe nam be mekpɔ mɔnu sia be
maƒo nu le nye agbenɔnɔ ŋu na wò, 3 elabena ènya nu tso Yudatɔwo ƒe sewo kple
kɔnuwo ŋu tsitotsito. Azɔ meɖe kuku na wò be, nàgbɔ dzi ɖi aɖo tom.
4 “Ele nyanya me na Yudatɔwo katã be, wohem tso ɖevime abe Yudatɔ
akuakua ene, le nye dedu Tarso kple Yerusalem, eye menɔ agbe ɖe sewo kple
kɔnuwo nu pɛpɛpɛ ƒe geɖewo. 5 Ne woato nyateƒe la, Yudatɔwo alɔ̃ ɖe edzi be menɔ
agbe abe Farisitɔ adodoe ene eye mewɔ ɖe Yudatɔwo ƒe sewo kple kɔnuwo dzi
pɛpɛpɛ ɣesiaɣi. 6 Ke nu bubu sã tae wotsɔ nya ɖe ŋunye fifia, eyae nye be mele mɔ
kpɔm be Mawu awɔ eƒe ŋugbe si wòdo na mía tɔgbuitɔgbuiwo la dzi. 7 Nu sia ke ko
Israelviwo ƒe to wuieveawo katã hã le mɔ kpɔm na, hele kutri kum le subɔsubɔ wɔm
zã kple keli gbe sia gbe ɖe eta. Gake fiagã, le nye ya gome la, wobe enye nu vɔ̃
mewɔ. 8 Ke medi be mabia be, nu vɔ̃ wònye be ame naxɔe se be ame siwo ku la
agatsi tre hã? Ewɔ nuku na wò be Mawu agafɔ ame kukuwo ɖe agbea?
9 “Tsã la, mexɔe se be enye nye dɔdeasi be mawɔ funyafunya tsyowo ƒomevi
ame siwo nye Yesu Nazaretitɔ la yomenɔlawo. 10 Le esi ta la mexɔ ŋusẽ tso
Osɔfogã gbɔ eye melé xɔsetɔ geɖewo de gaxɔ me le Yerusalem. Gawu la, ne wotso
kufia na wo dometɔ aɖe la, medaa asi ɖe nuwɔna sia dzi blibo. 11 Mewɔ
funyafunya ƒomevi geɖewo Kristotɔ siawo kple susu be woaƒo fi ade Yesu ƒe ŋkɔ.
94
Melé fu ame siawo ale gbegbe be, metia wo yome yia du siwo le anyigba bubuwo
dzi gɔ̃ hã me.
12 “Be malé wo ta la, megaxɔ ŋusẽnagbalẽ le tatɔwo gbɔ eye medze mɔ yina
Damasko. 13 Esi míenɔ mɔa dzi yina anɔ abe ŋdɔ ga wuieve me lɔƒe ene la, keklẽ gã
aɖe klẽ ɖe mí kple ŋunyemewo dzi 14 Mí katã míedze anyi. Enumake mese ame aɖe
wònɔ nu ƒom nam le Hebrigbe me be, ‘Saul, Saul, nu ka ta nèle yonyeme tim? Wò
ŋutɔ ɖokuiwò, ko nèle nuveve wɔmii.’
15 “Mebia be, ‘Meɖe kuku, wò ame kae le nu ƒom?’ Aƒetɔ la ɖo eŋu be,
‘Nyee nye Yesu, ame si yome tim nèle. 16 Tsi tre, elabena metia wò be nànye nye
subɔla kple nye ɖaseɖila. Yi nàɖe gbeƒã wò nuteƒekpɔkpɔ sia kple bubu siwo gbɔna
la fia xexeame katã. 17 Makpɔ tawò eye maɖe wò tso wò ŋutɔ wò amewo kple
Trɔ̃subɔlawo hã sime. Le nyateƒe me la, maɖo wò ɖe Trɔ̃subɔlawo dome be nàgblɔ
nyanyui la na wo, be woƒe ŋkuwo naʋu eye woatrɔ le Abosam ƒe viviti la gblɔ ava.
18 Mawu ƒe Kekeli la me, bena woatsɔ woƒe nu vɔ̃wo ake wo eye woaxɔ Mawu ƒe
domenyinu si li na ame siwo katã ŋuti kɔ eye wodza le xɔse me.’
19 “Eya ta, Fia Agripa, nye hã mewɔ ɖe ŋutega si tso dziƒo la ƒe ɖoɖo dzi. 20
Gbã la, megblɔ nyanyui la na ame siwo le Damasko eye tso afi ma la meva
Yerusalem kple Yuda nutowo me. Emegbe la, meyi Trɔ̃subɔlawo dome eye megblɔ
na wo be woadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, atrɔ ɖe Mawu ŋu eye woana woƒe nu nyui wɔwɔ
nafia be wotrɔ zu ame yeyewo vavã. 21 Esia tae Yudatɔwo va lém le gbedoxɔ la me
be yewoawum gɔ̃ hã hafi. 22 Ke Mawu kpɔ dzinye ale megale agbe egbe be magblɔ
nya sia na ame sia ame ƒomevi, ame gblɔewo kple bubumewo siaa. 23 Nya si
95
megblɔna la koe nye esi nyagblɔɖilawo kple Mose gblɔ be, ‘Woawɔ funyafunya
Mesia la, eyae anye ame gbãtɔ si afɔ tso ame kukuwo dome eye wòahe Kekeli vɛ na
Yudatɔwo kple Trɔ̃subɔlawo siaa.’”
24 Esi Festo se nya sia ko la, edo ɣli ɖe Paulo ta sesῖe be, “Paulo, wò tagbɔ le
gbegblẽm; wò agbalẽsɔsrɔ̃ fũ na wò tagbɔ flu.”
25 Paulo ɖo eŋu be, “Bubume Festo, nye tagbɔ meflu o, ke boŋ nya siwo
megblɔ la nye nyateƒe matrɔmatrɔ sɔŋ ko. 26 Fia Agripa ŋutɔ hã nya nu le nu siawo
ŋu. Meka ɖe edzi be Fia Agripa se nye siawo katã kpɔ elabena wonye nu siwo dzɔ le
gaglãgbe eye womele ɣaɣla ɖe ame aɖeke o. 27 Fia Agripa, mènya be èxɔ
nyagblɔɖilawo ƒe nyawo dzi se; alo mele eme nenema oa?”
28 Agripa xɔ nya la le Paulo nu gblɔ be, “ ɖe nèbu be nya sue si nègblɔ le
afii lae ana be mazu Kristotɔ zi ɖekaa?”
29 Paulo ɖo eŋu be, “Anye nye didi vevie be, togbɔ be nye nyawo meɖi
naneke o hã la, wò kple ame sia ame si le afii la miatrɔ zu kristotɔwo abe ale si
menyee ene ke menye to fukpekpe me abe ale si mele ekpem la ene o.”
30 Le nya siawo megbe la, Fia Agripa kple mɔmefia gã Festo kpakple Benis
kple wo ŋumewo katã tso hedzo. 31 Emegbe esi wonɔ nya la me dzrom kpɔ le wo
ɖokuiwo me la, wokpɔe dze sii be, le nyateƒe me la, Paulo mewɔ naneke si dze na ku
alo gamenɔnɔ gɔ̃ hã o.
32 Ale Agripa gblɔ na Festo be, “Ne menye ɖe Paulo tsɔ eƒe nya la de
Kaisaro si o la anye ne ele be woaɖe asi le eŋu hafi.”
96
Wokplɔ Paulo yi Roma
27 Mlɔeba la wowɔ dzadzraɖo vɔ be míadze mɔ ayi Roma kple meli. Wotsɔ
Paulo kple gamenɔla bubu aɖewo de asi na Yulio, si nye Kaisaro ƒe asrafowo ƒe
amegã ɖeka be wòakplɔ wo ayii dedie. 2 Míeɖo meli aɖe si tso Adramitio eye
wòyina tɔtɔ ge ɖe Terki du geɖewo me la hedze mɔ. Helatɔ aɖe tso Tesalonika si
woyɔna be Aristark la hã nɔ ʋua me kpli mí.
3 Le ŋkeke evea gbe la, míeve ɖo Sidɔn. Asrafoawo ƒe amegã, Yulio, nyo
dɔme na Paulo ale be wòɖe mɔ nɛ wòɖi tsa de dua me ɖakpɔ xɔlɔ̃awo ɖa eye wodi
eƒe nu hiahiã aɖewo nɛ. 4 Esi míegadze mɔ tso afi ma tete ko la, ya sesẽ aɖe ƒo va
kpe mí eye esia wɔe be míete ŋu zɔ mɔ to afi si wòle be míato o ke boŋ míeto
Kipro ƒukpo la ƒe anyiehe gome. Esia gɔmee nye be míeto ƒukpo la kple anyigba la
ŋutɔ dome ale be yaa megaɖe fu na mí o. 5 Míeto Kilikia kple Pamfilia ŋu eye
míeva ɖi go ɖe Mira le Likia nutome. 6 Le afi sia la míaƒe kplɔla la kpɔ Egipte
tɔdziʋu aɖe si tso Aleksandria yina Italia eye míeɖoe.
7 Míenɔ tsia dzi eye míekpe fu ŋkeke geɖewo hafi va ɖo Knido gbɔ lɔƒo. Ya
nɔ ƒoƒom sesῖe ale gbegbe be ɖe ko míegbɔ eme tso Salmon ʋudzeƒea ŋu heyi Kreta.
8 Míenɔ ahom gã sia me wònɔ fu ɖem na mí alea heto dziheƒuta ɖɔɖɔɖɔ va ɖo teƒe
aɖe si woyɔna be ʋudzeƒe Nyui la. Teƒe sia te ɖe Lasea dua ŋu. 9 Míenɔ afi sia
ŋkeke geɖewo. Le ɣeyiɣi siawo me la, ƒudzimɔzɔzɔ yi didiƒewo menɔ bɔbɔe o
elabena ƒea wu enu vɔ eye ɣeyiɣi sia mee ahom sesẽwo tuna le ƒu dzi. Paulo kpɔe
dze sii alea ale wòyɔ tɔdziʋua kulawo hegblɔ na wo be,
97
10 “Amegãwo, edze nam abe ne míeyi míaƒe mɔzɔzɔ sia dzi fifia la, nya aɖe
ava dzɔ ɖe mía dzi ene. ɖewohῖ ʋua anyrɔ eye míaƒe agbawo abu, amewo axɔ abi
eye ame aɖewo aku gɔ̃ hã.” 11 Ke asrafowo ame siwo ƒe kpɔkplɔ te gamenɔlawo nɔ
la, meɖo to Paulo o ke boŋ wose tɔdziʋua kulawo ƒe amegã ƒe aɖaŋu boŋ. 12 Eye esi
wonye be ʋudzeƒe Nyui sia hã menyo tututu be woanɔ le vuvɔŋɔli me o ta la,
tɔdziʋua me nɔla geɖewo lɔ̃ ɖe edzi be yewoadze agbagba ayi ŋgɔ aɖo Foenike be
yewoatsi afi ma le vuvɔŋɔli la me. Foenike ʋudzeƒe sia ka ɖe eme wu. ʋudzeƒe Nyui
la sã elabena etrɔ mo de anyieheɣetodoƒe kple dzieheɣetoɖoƒe.
Ahom tu le ƒu dzi
13 Le ɣemaɣi me tututu la, ya aɖe nɔ ƒoƒom tso dziehe gome, eye wòdze abe enyo
be míadze mɔ ene eya ta wodo abalawo eye míedze mɔ henɔ goŋu tom to Kreta
ŋkume kekeake. 14 Sẽ ko la yame trɔ zi ɖeka eye ahom sesẽ aɖe si woyɔna be
anyieheɣetoɖoƒeya ƒo kpe mí tso ƒukpo la dzi. 15 Ahom la lɔ ʋua ɖe nu ale be ʋua
kulawo ɖe asi le eŋu nɛ eye wòkplɔ mí dzoe.
16 Mlɔeba la, mieto ƒukpo sue aɖe si woyɔna be Kauda la godo eye to
agbagbadzedze geɖe me la wohe tɔdziʋu sue si wotsi kae ɖe ʋu si míeɖo ŋu la 17
eye wobla tsɔdziʋu la sesῖe be wòagaʋanya alo anɔ ʋuʋum o. Tɔdziʋua kulawo nɔ
vɔvɔ̃m be míaƒe ʋua ava ɖo ba alo asi ke le Afrika ƒe ƒuta eya ta woɖiɖi abalawo ale
ya kɔ mí ɖe nu heyii.
18 Le ŋiufɔke esi ahom la nu ganɔ sesẽm ɖe edzi la ʋua kulawo fɔ agbawo ƒu
gbe ɖe ƒua me. 19 Le ŋkeke etɔ̃a gbe la wofɔ dɔwɔnu siwo katã le ʋua me la hã ƒu
98
gbe ɖe ƒua me. 20 Ahom la nu gasẽ ɖe edzi hena ŋkeke geɖewo eye míete ŋu kpɔ ɣe
alo ɣletiviwo le dziŋgɔlῖ me gɔ̃ hã o. Esia na be míebu mɔkpɔkpɔ keŋkeŋ.
21 Anɔ abe ŋkeke nanewo nye esi ene ame aɖeke meɖu naneke o, ke mlɔeba
la, Paulo yɔ ʋua me nɔlawo ƒo ƒu eye wògblɔ na wo be, “Ne wònye ɖe miese nye
gbe eye míetsi ʋudzeƒe Nyui la, anye ne dzɔgbevɔ̃e sia mava mía dzi o. 22 Ke milé
dzi ɖe ƒo elabena togbɔ be tɔdziʋua anyrɔ hã la, mía dometɔ aɖeke mele tsɔtsrɔ̃ ge
o.”
23 “Elabena le zã si va yi me la, nye Mawu si mesubɔna la ɖo eƒe dɔla ɖe
gbɔnye wòva gblɔ nam be, 24 ‘Paulo, mègavɔ̃ o, elabena àva ɖo Kaisaro gbɔ dedie
be wòadrɔ̃ ʋɔnu wò. Gawu la, Mawu se wò gbedodoɖa eya ta ame siwo katã le ʋua
me kpli wo la atsi agbe.’ 25 Eya ta, nɔvinyewo, milé dzi ɖe ƒo, elabena mexɔ Mawu
dzi se nyuie eye menyae be nu si wògblɔ la ava eme tututu.” 26 Ke ele na mí be
míadze go ɖe ƒukpo aɖe dzi.
27 Tɔdziʋu la ƒe gbagbã le míaƒe ƒudzinɔnɔ ƒe ŋkeke wuienelia ƒe zãtitina lɔƒo
esi ahom la ganɔ mía nyamam le Adria ƒu me la, ʋua kulawo bu xaa be yewote ɖe
anyigba aɖe ŋu. 28 Ale woda dzidzeka ɖe ƒua me, eye wokpɔ be tso ƒua dzi yi egɔme
anɔ abe mita blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃ ko ene. Sẽ la, wogadae eye azɔ la wokpɔ be anɔ afɔ
blaasieke pɛ ko. 29 ʋua kulawo nyae be madidi hafi míava ɖi go o, ke esi wonɔ
vɔvɔ̃m be ɖewohῖ míava ɖi go ɖe agakpewo dome ta la woda seke ene ɖe ʋua me
henɔ agu ƒe dzedze lalam.
30 ʋua kula aɖewo wɔ ɖoɖo be yewoasi le tɔdziʋua me ale woɖiɖi tɔdziʋu
sue la ɖe tsia dzi abe seke da ge woyina ene. 31 Ke Paulo gblɔ na asrafoawo kple
99
woƒe amegã bena, “Mía tɔwo, ne mia dometɔ aɖe dzo le tɔdziʋua me la, matsi agbe
o.” 32 Ale asrafoawo lã ka si wosa ɖe tɔdziʋu sue la ŋu be wòge dze tsia dzi.
33 Le fɔŋli me la, Paulo gblɔ na ameawo be, “Mía tɔwo, kwasiɖa eve sɔŋ
enye esi ame aɖeke meɖu naneke o. 34 Eya ta meɖe kuku na mi, miɖe dzi ɖi ne
miaɖu nu elabena naneke mele dzɔdzɔ ge ɖe mía dometɔ aɖeke dzi o.”
35 Azɔ Paulo ŋutɔ tsɔ abolo aɖe eye esi wòdo gbe ɖa da akpe ɖe eta vɔ la,
eka ɖe heɖu. 36 Nu sia ŋusẽ ʋua me nɔlawo katã ale be ame sia ame di nane de
nume azɔ. 37 ʋua me nɔlawo katã ƒe xexlẽme anɔ ame alafa eve blaadre-vɔ-ade. 38
Esi woɖu nu ɖi ƒo vɔ la, wolɔ bli kotoku mamleawo katã ƒu gbe ɖe ƒua me be ʋua
nanɔ wodzoe ale be wòaganyrɔ o.
39 Esi ŋu ke la, womekpɔ anyigba dze si o elabena afu do gake wokpɔ ƒuta ƒe
afi aɖe ɖaa. Esia na be wonɔ tame bum be ɖe yewoate ŋu ato agakpeawo dome ava
do ɖe go ŋu dedie hã. 40 Mlɔeba la, woɖoe be yewoatee akpɔ, ale wolã sekeawo
hegblẽ wo ɖe ƒua me, wotu kuɖɔkawo hã eye wodo abala heɖo ta gota. 41 Ke
dzɔgbevɔ̃etɔe la, tɔdziʋua si ke. Eƒe ŋgɔgbe lɔƒo tsi teƒe ɖeka ale be ahom la hã
nɔ eƒe megbe lɔƒo kakam.
42 Esi wòdzɔ alea ko la, asrafoawo gblɔ na woƒe amegã be wòaɖe mɔ na
yewo yewoawu gamemɔlawo katã ale be wo dometɔ aɖeke nagadzo dze ƒua me aƒu
tsi asi dzo le yewo gbɔ o. 43 Ke le esi woƒe amegã Yulio di be yeaɖe Paulo ƒe agbe
ta la, melɔ̃ ɖe woƒe susu si wodo ɖa la dzi o. Ke boŋ eɖe gbe be ame siwo nya
tsiƒuƒu la nadze agbagba aƒu tsi ayi gota. 44 Ke ame mamlɛawo dometɔ aɖewo nanɔ
100
ʋuƒowo dzi eye bubuwo hã nanɔ ʋua ƒe kakɛwo dzi ayi gota. Ale ame sia ame dze
agbagba alea ɖo gota dedie.
Woxɔ wo nyuie le Mɔlta
28 Emegbe la, míeva nya be ƒukpo si woyɔna be Mɔlta la dzie míeva ke ɖo.
2 Ƒukpoa dzi tɔwo xɔ mí nyuie ŋutɔ. Esi tsi nɔ dzadzam eye vuvɔ nɔ wɔwɔm ta la,
wodo dzo gã aɖe na mí be míaƒu.
3 Esi Paulo fɔ nake wuwului aɖewo be yeade dzoe me ko la, da vɔ̃ɖi aɖe do
tso nake la me, le dzo xɔxɔa ta, eye wòbla ɖe Paulo ƒe alɔnu. 4 Nu sia wɔ nuku eye
wòdo vɔvɔ̃ na ame siwo nɔ afi ma ŋutɔ ale wogblɔ na wo nɔewo be, “Ame sia la,
hlɔ̃dola vɔ̃ɖi aɖee wònye. Togbɔ be metsi ƒu me ku o hã la, Mawu ƒe hlɔ̃biabia melɔ̃
be wòatsi agbe o.”
5 Ke Paulo ʋuʋu da la le alɔnu ɖe dzobiabia me eye naneke mewɔe o. 6
Ameawo nɔ mɔ kpɔm be Paulo ƒe abɔ ate eye wòadze anyi aku, ke esi wolala ʋuu
nya aɖeke medzɔ ɖe edzi o la, wotrɔ woƒe susuwo hegblɔ be Paulo la Mawu aɖe
koko wòanye.
Paulo ƒe nukunuwɔwɔwo
7 Ƒukpo sia ƒe mɔmefia ŋkɔe nye Publio, ame sia ƒe anyigba kple aƒe te ɖe ƒuta, afi
si míeva ɖi go ɖo. Publio xɔ mí ɖe eya ŋutɔ ƒe aƒeme, hekpɔ mía dzi nyuie ŋkeke etɔ̃
sɔŋ. 8 Publio fofo ƒe lãme menɔ kɔkɔm tututu o, elabena asrã kple kpeta nɔ fu ɖem
nɛ. Paulo yi egbɔ hedo gbe ɖa heda asi ɖe edzi ale be eƒe lãme sẽ. 9 Enumake dɔléla
101
siwo katã nɔ teƒea la, va Paulo gbɔ eye wòda gbe le wo katã ŋu. 10 Dzi dzɔ ƒukpoa
dzi tɔwo ŋutɔ ale wotsɔ nunana ƒomevi geɖewo vɛ na mí, eye esi ɣeyiɣi de na mí be
míadzo la, wodo agba na míaƒe tɔdziʋu la nyuie ŋutɔ kple nu siwo katã ava hiã mí le
míaƒe mɔzɔzɔa me.
Paulo ɖo Roma
11 Míenɔ Mɔlte ƒukpo dzi ɣleti etɔ̃ hafi gadze mɔ. Míeɖo tɔdziʋu aɖe si woyɔna be
“Venɔviwo” si tso Aleksandria eye wòva tsi ƒukpoa dzi le vuvɔŋɔli la. 12 Teƒe gbãtɔ
si míetɔ ɖo lae nye Sirakusa eye míenɔ afi ma ŋkeke etɔ̃. 13 Tso Sirakusa la, mieƒo
xlã heyi Regio, eye tso afi ma la ya aɖe ƒo mí tso dziehe gome ale be le ŋkeke evea
gbe la míeva ɖo Puteoli, afi si míedo go xɔsetɔ aɖewo le. 14 Xɔsetɔ siawo di tso mía
si vevie be míanɔ yewo gbɔ vie ale míelɔ̃, nɔ wo gbɔ ŋkeke adre. Tso Puteoli la,
míeɖo ta Roma.
15 Esi xɔsetɔ siwo le Roma la se be míegbɔna la wo dometɔ aɖewo va kpe mí
le keke teƒe si woyɔna be Apioforo eye wòdidi tso Roma gbɔ abe kilometa blaenyi
sɔŋ ene. Ame bubuwo hã va kpe mí le afi si woyɔna be “Amedzrodzeƒe etɔ̃awo.”
Teƒe sia hã didi tso Roma gbɔ abe kilometa bladre ene. Esi Paulo kpɔ xɔsetɔ siawo
la, dzi dzɔe ŋutɔ; dzi ɖo eƒo eye wòda akpe na Mawu.
16 Esi míeva ɖo Roma la, asrafowo ƒe amegã si ƒe kpɔkplɔ te Paulo nɔ la ɖe
mɔ na Paulo be ate ŋu adze afi sia afi si eya ŋutɔ lɔ̃. Ke woɖe asrafo aɖe ɖe eŋu be
wòadzɔ eŋu ɣesiaɣi.
102
Paulo gblɔ mawunya le Roma abe gamenɔla ene
17 Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, Paulo yɔ Yudatɔ siwo le Roma dua me la ƒo ƒu eye wòƒo nu
na wo gblɔ be, “Nɔvinyewo, edzɔ dzi nam be meva ɖo mia gbɔ le afii. Medi be
mianya be togbɔ be nyemewɔ naneke o eye nyemeda le kɔnyinyi aɖeke dzi o hã la,
Yudatɔ siwo le Yerusalem la lém eye wotsɔm de asi na Roma dziɖuɖua ƒe ame dɔdɔ
siwo le Yerusalem, be woadrɔ̃ ʋɔnum. 18 Esi míeyi ʋɔnua la, Roma dziɖuɖu ƒe ame
dɔdɔwo mekpɔ vodada aɖeke le ŋunye o, eya ta wodi be yewoaɖe asi le ŋunye
elabena wokpɔ be nyemedze na ku abe ale si Yudatɔwo ƒe amegãwo dii ene o. 19 Ke
esi mekpɔ be Yudatɔwo mekpɔ dzidzɔ le ale si wodrɔ̃ ʋɔnua ŋu o, eye wotsi tre ɖe
nyametsotsoa ŋu vevie ta la, nye hã megblɔ na ʋɔnua be metsɔ nye nya de asi na
Kaisaro le Roma be wòadrɔ̃ ʋɔnum. 20 Nu si ta meyɔ mi va afii egbeae nye be
míadze si mía nɔewo eye be mana mianya nu si tututu ta wolém de game ɖo. Esiae
nye be mexɔ se tso nye dzi me ke be, Mesia si mía tɔgbiwo nɔ mɔ kpɔm na la va
mía dome.”
21 Ameawo ɖo eŋu na Paulo be, “Míawo la ame aɖeke megagblɔ wò nya
aɖeke na mí kpɔ loo alo ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe mí tso Yudea le ŋuwò kpɔ o. Nɔvi Kristotɔ
siwo tso Yerusalem va hã dometɔ aɖeke megblɔ nya aɖeke na mí tso ŋuwò kpɔ o. 22
Ke míadi be nàɖe wò xɔse la me na mí nyuie elabena nu sia míenya koe nye be, ame
aɖeke media kristotɔwo ƒe nya le teƒe aɖeke o.”
23 Ale woɖo ŋkeke bubu na takpekpe eye esi ŋkekea ɖo la, ame geɖewo
va ƒo ƒu ɖe Paulo ƒeme. Paulo ɖe mawunya me na wo tsitotsito, le mawufiaɖuƒe la
kple Yesu Kristo ŋu. Wonɔ takpekpea me tso ŋdi va se ɖe fiẽ ke. 24 Paulo ƒe nyawo
sɔ tome na ame aɖewo eye wotrɔ zu kristotɔwo; ke mewɔ naneke kura le ame aɖewo
hã ŋu o. 25 Wodzro nyawo me le wo ɖokuiwo me ʋu hafi kaka dzo. Ke nya si tsi
tome na wo eye wòɖe fu na wo dometɔ geɖewo lae nye esi Paulo gblɔ na wo be,
“Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe nya si wogblɔ to nyagblɔɖila Yesaya dzi la le eme tututu be,
26 ‘Migblɔ na Yudatɔwo be, miaƒe towo ase nyawo gake miase wo gɔme o.’
27 Elabena miaƒe dziwo ku atri, miaƒe towo ku, eye miaƒe susuwo me meʋu be
miase nu gɔme o. Le nyateƒe me la, menye miaƒe didi wònye be miakpɔ nu, ase nu
gɔme eye miatrɔ ɖe ŋunye be mada gbe le mia ŋu o. 28 Eya ta medi be mianya be
Mawu ƒe ɖeɖedɔ sia ɖo Trɔ̃subɔlawo gbɔ eye woaɖo toe. 29 Esi wògblɔ esia la
Yudatɔwo dzo eye nyahehe geɖe ɖo wo dome.
Taƒonya
30 Ke Paulo nɔ afi ma ƒe eve sɔŋ le xɔ si ta wòxe fe ɖo la me, eye ame geɖewo va
nɔ ekpɔm ɖa le eƒe aƒeme. 31 Enɔ gbeƒã ɖem mawufiaɖuƒe la nɔ nu fiam le Aƒetɔ
Yesu Kristo ŋuti dzideƒotɔe eye ame aɖeke mexea mɔ nɛ le esiawo katã wɔwɔ me o.

Laisser un commentaire

Votre adresse e-mail ne sera pas publiée. Les champs obligatoires sont indiqués avec *