Togo Chrétien

"L’amour de Dieu a été manifesté envers nous en ce que Dieu a envoyé son Fils unique dans le monde, afin que nous vivions par lui."

Bible Ewe

1 Thessaloniciens

PAULO ƑE AGBALẼ GBÃTɔ SI WOŊLɔ NA TESALONIKATɔWO

Kpɔkplɔyiɖeme

Pauloe nye ame si ɖo kristohamea anyi ɖe Tesalonika.
Tesalonika nye asitsadu xɔŋkɔ aɖe. Yudatɔwo ƒe amegãwo na
amewo tsi tsitre ɖe eŋu ale gbegbe be wònɔ na Paulo be
wòadzo le dua me. Yudatɔwo va nɔ kristotɔwo yome tim vevie
eya ta Paulo ƒe hadɔwɔla Timoteo tso Tesakonika yi Paulo gbɔ
eye wògblɔ ale si nuwo nɔ sesẽm na kristotɔwo le Tesalonika la
nɛ. Nu siae na Paulo ŋlɔ agbalẽ sia na Tesalonikatɔwo hedo
ŋusẽ wo. Eda akpa na wo le woƒe xɔse kple lɔlɔ̃ ta. Edo ŋusẽ
wo be woalé xɔse la me ɖe asi sesῖe, anɔ agbe abe kristotɔ
vavãwo ene eye woanɔ mɔkpɔkpɔ dzi na Kristo ƒe vava zi
evelia.

Emenyawo 1. Gbedoname, 1:1
2. Hamea ƒe nɔnɔme kple ŋkɔxɔxɔ, 1:1-10
3. Apostolowo ƒe dɔwɔwɔ le wo dome, 2:1-3 :13
4. Hamea menyawo ŋudɔwɔwɔ, 4:1-5:11
5. Ŋusẽdoamenyawo kple taƒonyawo, 5:12-28

1 Agbalẽ sia tso Paulo, Silvano kple Timoteo gbɔ le yiyim na kristohame si le
Tesalonika, mi ame siwo nye Mawu Fofo la kple Aƒetɔ Yesu Kristo tɔ. Yayra kple
ŋutifafa si tso Mawu mía Fofo kple míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la woana mi.
Akpedada ɖe Tesalonikatɔwo ƒe xɔse ta
2 Míedaa akpe na Mawu ɣesiaɣi ɖe mia ta, eye míedoa gbe ɖa ɖe mia ta
madzudzɔmadzudzɔe. 3 Le míaƒe gbedodoɖawo me na Mawu mía Fofo la ɖe mia ta
la, míeŋlɔa miaƒe lɔlɔ̃dɔwo, miaƒe xɔse triakɔ kple mɔkpɔkpɔ na míaƒe Aƒetɔ Yesu
Kristo ƒe tɔtrɔgbɔ la be o. 4 Nɔvi lɔlɔ̃awo kple Mawu ƒe lɔlɔ̃tɔ veviwo, ménya bena
Mawu ŋutɔe tia mi. 5 Elabena esi míetsɔ nyanyui la vɛ na mi la, miexɔe abe nya
dzodzro aɖe ko ene o; ke boŋ mieɖo to eye miese nya la kple dzidzɔ gã. Nu si
míegblɔ na mi la wɔ dɔ ɖe mia dzi ŋutɔ, elabena Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋutɔ ɖo kpe edzi
na mi be nu si míegblɔ na mi la nye nyateƒe. Eye mienya ale si mía ŋutɔwo ƒe
agbenɔnɔ ganye kpeɖodzi na mi be míaƒe gbedeasi si míetsɔ vɛ na mi la nye nyateƒe.
6 Ale mieva zu míawo kple Aƒetɔ la yomedzelawo; elabena miexɔ míaƒe nya la kple
dzidzɔ si tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gbɔ, togbɔ be ehe tetekpɔ kple nuxaxa geɖewo va mia
dzii hã.
7 Emegbe la miawo ŋutɔwo mieva zu kpɔɖeŋu na kristotɔ siwo katã le
Makedonia kple Akaya. 8 Azɔ la, miekaka Aƒetɔ la ƒe nya la na amewo le afi sia afi,
tso Akaya yi keke Makedonia ƒe liƒowo godo ke hã elabena afi sia afi si míeyi la,
amewo ɖia ɖase tso miaƒe xɔse deto si le mia si le Mawu me la ŋuti. Esia ta megahiã
be míawo míagagblɔ nya aɖeke na wo o, 9 elabena woawo boŋ gblɔa ale si miexɔ mí
kple dzidzɔ manyagblɔ kple ale si mietrɔ tso Trɔ̃subɔsubɔ gbɔ va Mawu gbɔ eye
Mawu gbagbe nyateƒetɔ la koe zu miaƒe Aƒetɔ la na mí. 10 Eye wogblɔ hã na mí be,
miele mɔ kpɔm na Mawu Vi, Yesu ƒe tɔtrɔ ava tso dziƒo; ame si Mawu fɔ tso ku me
eye wònye ɖela si koe aɖe mí tso Mawu ƒe dziku helihelῖ ɖe nu vɔ̃ ŋuti la me.

Paulo ƒe dɔwɔwɔ le Tesalonika
2 Nɔvi lɔlɔ̃awo, miawo ŋutɔ mienya ale si míaƒe mia gbɔ vava ɖe vi na mii. 2
Mienya ale si wowɔ funyafunya mí kple ale si míekpe fu le Filipi hafi míeva ɖo mia
gbɔ la hã. Ke Mawu na dzideƒo tɔxɛ mí be míagblɔ nyanyui ma ke na mi togbɔ be
futɔwo ƒo xlã mí gɔ̃ hã. 3 Eya ta miakpɔe adze sii be, míele mawunya gblɔm ɖe didi
vɔ̃wo alo tameɖoɖo vɔ̃wo ta o. Ke boŋ míele egblɔm le anukwareɖiɖi kple dzitsinya
nyui me. 4 Elabena míawo la míele nya la gblɔm abe dɔla siwo tso Mawu gbɔ, ame
siwo dzi ko wòka ɖo be woagblɔ nyateƒe la ko ene; eya ta míetrɔ eƒe nya la ƒe akpa
aɖeke be wòasɔ ɖe nyaselawo ƒe didi nu o, elabena míawo la, míesubɔa Mawu ɖeka
hɔ̃ si dzroa amewo ƒe dzimesusuwo ƒe gogloƒe ke me. 5 Abe ale si mienya nyuie ene
la, míedze agbagba zi ɖeka pɛ hã kpɔ be míahe mi va mía gbɔe to mia nu beble me
o, eye Mawu ŋutɔ hã nya be menye ɖe míebua be míenye mia xɔlɔ̃wo ale be miana
ga mí o. 6 Míebia kafukafu tso miawo alo ame bubu aɖeke gbɔ kpɔ o; evɔ abe Kristo
ƒe apostolowo ene la, míedze na bubu tɔxɛ tso mia gbɔ hafi. 7 Le esia teƒe la, míegbɔ
dzi ɖi na mi abe ale si vi dada gbɔa dzi ɖi doa nuɖuɖu na viawo eye wòléa be na wo
ene. 8 Míelɔ̃ mi vevie eye míaƒe lɔlɔ̃ la de to ale gbegbe be míetsɔ Mawu ƒe nyanyui
la ɖeɖe ko vɛ na mi o ke boŋ míetsɔ miawo ŋutɔ ƒe agbe gɔ̃ hã kpe ɖe eŋuti na mi.
9 Nɔvi lɔlɔ̃awo, mieɖo ŋku ale si míewɔ dɔ kple kutrikuku geɖe le mia dome
la dzi oa? Zã kple keli míewɔa dɔ kple kutrikuku eye míetea fifia be míate ŋu akpɔ
nu anɔ agbe ɖe edzi ale be míaganye agba na ame aɖeke le afi ma esi míele Mawu ƒe
nyanyui la gblɔm le mia dome o. 10 Miawo ŋutɔ kple Mawu siaa mienye ɖasefowo
na mí be míenɔ agbe dzadzɛ, kɔkɔe si ŋuti kpɔtsotso mele o la le mia dome. 11 ɖe
mieɖo ŋku edzi be, míeƒoa nu na mi abe ale si fofo ƒoa nu na viawoe la ene oa?
Míeɖea kuku na mi, dea dzi ƒo na mi eye kura gɔ̃ hã la, míedina 12 tso mia si be
miaƒe agbenɔnɔ naganye nuɖiaɖia na Mawu o, ke boŋ wòahe dzidzɔ vɛ na eya ame
si yɔ mí va eƒe fiaɖuƒe la me be míakpɔ gome le eƒe ŋutikɔkɔe la me.
13 Eye míadzudzɔ akpedada na Mawu ɖe esia ta o, elabena esi míegblɔ
nyanyui la na mi la, miebu nya la abe nya siwo míawo ŋutɔ míesusu la ene o, ke boŋ
miexɔe abe Nya si tso Mawu ŋutɔ gbɔ la ene, eye le nyateƒe me eya ŋutɔ gbɔe wòtso,
eyata esi miexɔe se la etrɔ miaƒe agbenɔnɔ.
14 Nɔvi lɔlɔ̃awo, esia yomedzenue nye be miawo hã miekpe fu abe ale si
hame siwo le Yudea la kpee ene. Miawo ŋutɔ miaƒe dukɔmetɔwo ti mia yome abe
ale si woawo hã kpe fu tso woawo ŋutɔ ƒe amewo Yudatɔwo, sime ene. 15 Esi wowu
woawo ŋutɔ ƒe nyagblɔɖilawo vɔ la, woklã Aƒetɔ Yesu gɔ̃ hã ɖe atitsoga ŋuti, eye
azɔ la, woti míawo hã yome kutɔkutɔe henya mí do goe le dua me. Wotsi tre ɖe
Mawu kple amegbetɔ siaa ŋuti 16 eye wole agbagba dzem be woaxe mɔ na mí ne
míagagblɔ nya la na Trɔ̃subɔlawo o, ɖe vɔvɔ̃ ta, be wo dometɔ aɖewo akpɔ ɖeɖe. Ale
ame siawo ƒe nu vɔ̃wo gale tsitsim ɖe edzi. Mlɔeba la Mawu ƒe dziku va wo dzi azɔ.
Paulo ƒe didi vevi be yeayi aɖakpɔ Tesalonikatɔwo ɖa
17 Nɔvi lɔlɔ̃wo, esi míedzo le mia gbɔ le ɣeyiɣi kpui si va yi me la, míaƒe dziwo ya
medzo le mia gbɔ o, ke míedze agbagba ɖe sia ɖe be míagava kpɔ mi ɖa gake mete
ŋu dze edzi o. 18 Edzro mí vevie ŋutɔ be míava mia gbɔ eye nye, Paulo, medze
agbagba zi geɖe be mava gake Satana meɖe mɔ na mí o. 19 Nu ka gɔ̃e míele agbe
na? Nu kae na mɔkpɔkpɔ kple dzidzɔ mí eye wònye míaƒe fetu vavã kple fiakuku la?
Miawoe! Ẽ, miahe dzidzɔ geɖe vɛ na mí, ne mí katã míetsi tre ɖe míaƒe Aƒetɔ Yesu
Kristo ŋkume ne etrɔ va. 20 Elabena miawoe nye míaƒe ŋutikɔkɔe kple dzidzɔ.
Wodɔ Timoteo ɖo ɖe Tesalonika
3 Mlɔeba, esi míate ŋu agado dzi o la, míeɖoe be míawo ɖeɖe míatsi Atene 2
eye míeɖo Timoteo, mía nɔvi kple hadɔwɔla; Mawu ƒe dɔla si ɖea gbeƒã Kristo ƒe
nyanyui la ɖe mi be wòava do ŋusẽ miaƒe xɔse eye wòade dzi ƒo na mi, 3 ale be
miate ŋu alé dzi ɖe ƒo le miaƒe fukpekpe siawo katã me. Gake mienya bena fukpekpe
mawo nye Mawu ƒe ɖoɖo ƒe akpa aɖe na mi kristotɔwo. 4 Esi míenɔ mia gbɔ gɔ̃ hã
la, míegblɔe na mi do ŋgɔ bena fukpekpe kple yometiti ava kpuie abe ale si wòva
dzɔe ene.
5 Abe ale si megblɔ va yi ene la, esi míekpɔ be míaƒe mia gbɔ vava le megbe
tsim akpa la, míeɖo Timoteo ɖa be wòakpɔe ɖa be miaƒe xɔse gale te sesῖe mahã.
Mevɔ̃ be ɖewohῖ Satana va kplɔ mia dometɔ vevitɔ aɖewo dzoe eye míaƒe
agbagbadzedzewo katã zu dzodzro.
Timoteo he dzidzɔnya vɛ
6 Azɔ la Timoteo trɔ gbɔ eye wòtsɔ dzidzɔnya sia vɛ na mí be miaƒe xɔse kpe lɔlɔ̃
le Aƒetɔ la me gale te sesῖe ko abe tsã ene, eye be mieɖoa ŋku míaƒe mia gbɔ vava
dzi kple dzidzɔ, eye miedi vevie be yewoakpɔ mí abe ale si míawo hã míedi vevie be
míakpɔ mi ene. 7 Eya ta nɔvi lɔlɔ̃awo, míaƒe dziwo kpɔ akɔfafa, le míaƒe hiãwo kple
fukpekpewo me le afii, elabena míenya azɔ be miele te sesῖe nyateƒetɔe le Aƒetɔ la
6
me. 8 Míawo la, míate ŋu atsɔ fu ɖe sia ɖe zi ale si míenyae be miele te sesῖe le
Aƒetɔ la me.
9 Ale ke míawɔ ada akpe na Mawu wòade eteƒe ɖe mia ta ɖe dzidzɔ si
míekpɔ le míaƒe Mawu la ŋkume le mia ta? 10 Elabena zã kple keli la, míedoa gbe
ɖa ɖe mia ta atradii; míebiaa Mawu be wòaɖe mɔ be míagakpɔ mi, ale bena mate ŋu
aɖe kuxi aɖewo siwo aganɔ fu ɖem na miaƒe xɔse la ɖa. 11 Mawu mía Fofo la ŋutɔ
kple míaƒe Aƒetɔ Yesu nagagbugbɔ mí ɖo ɖe mia gbɔ. 12 Eye Aƒetɔ la nawɔe be
miaƒe lɔlɔ̃ na mia nɔewo nayɔ fũ agbã go abe ale si míaƒe lɔlɔ̃ na mi le la ene. 13
Esia ana be Mawu mía Fofo la nana be miaƒe dziwo nakpɔ ŋusẽ, anɔ dzadzɛ, kɔkɔe
ale be miate ŋu ado ɖe eŋkume fɔɖiɖimanɔŋui nenye be míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo trɔ
gbɔ kple ame siwo katã nye etɔ.
Agbenɔnɔ hena Mawu ŋudzedze
4 Mlɔeba la, nɔviwo, míefia mi ale si wòle be mianɔ agbe be miadze Mawu ŋu,
eye le nyateƒe me la, miele agbe nɔm nenema. Ke azɔ la míele mia biam hele ŋusẽ
dom mi le Aƒetɔ Yesu me be miagawɔe wu gɔ̃ hã. 2 Mienya nu siwo míeɖo na mi be
miawɔ la to Aƒetɔ Yesu ƒe ŋusẽ me. 3 Elabena enye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu be mianɔ kɔkɔe;
ate ɖa xaa tso ahasiwɔwɔ gbɔ; 4 eye mia dometɔ ɖe sia ɖe nasrɔ̃ ale si wòaɖu eƒe
ŋutilã dzi eye wòanɔ anyi kple srɔ̃a le kɔkɔenyenye kple bubu me, 5 ke menye kple
fῖeŋufῖenu ƒe dzodzro vɔ̃wo, abe ale si Trɔ̃subɔla siwo menya Mawu kple eƒe mɔwo
o la, wɔnɛ ene o.
7
6 Esia hã nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu be, ame aɖeke magaba nɔvia, axɔ srɔ̃a le esi
gbeɖegbeɖe o, elabena Aƒetɔ la ahe to na mi nublanuimakpmakpɔtɔe ɖe nu vɔ̃ sia ta,
abe ale si míegblɔe na mi kple ɖokuibɔbɔ va yi la ene. 7 Elabena Mawu meyɔ mí be
míava nye ame ƒoɖi siwo yɔ fũ kple dzodzro vɔ̃wo o, ke boŋ be míanye ame
dzadzɛwo kple ame kɔkɔewo. 8 Nenye be ame aɖe gbe be yemanɔ agbe ɖe ɖoɖo
siawo nu o la, menye amegbetɔwo ƒe sewo dzi dam wòle o ke boŋ Mawu si na eƒe
Gbɔgbɔ Kɔkɔe la mi la, ƒe sewo dzi dam wòle.
9 Meka ɖe edzi be magahiã be magblɔ nya tso dadavilɔlɔ̃ si dze be wòanɔ
Mawu ƒe amewo dome la ŋuti o; mienyae xoxo! Elabena Mawu ŋutɔ le nu fiam mi
be mialɔ̃ mia nɔewo. 10 Le nyateƒe me, miaƒe lɔlɔ̃ na nɔvi kristotɔ siwo le
Makedonia la katã kpɔ ŋusẽ ŋutɔ. Nɔvi lɔlɔ̃wo, togbɔ be wòle alea hã la, míele kuku
ɖem na mi be miagalɔ̃ mia nɔewo ɖe dzi wu. 11 Esia nanye miaƒe didi ɖaa be, mianɔ
agbe le tufafa me; miakpɔ mia ŋutɔwo ƒe dɔwo gbɔ abe ale si míegblɔ na mi va yi la
ene. 12 Ne mienɔ agbe alea la, ame siwo menye kristotɔwo o la axɔ mia dzi ase eye
woabu mi. Kpe ɖe esia ŋuti la, miganɔ amewo ƒe asinu kpɔm be woana ga mi be
miatsɔ akpɔ mia ɖokuiwo dzii o.
Le Aƒetɔ la ƒe vava ŋuti
13 Nɔviwo, nye medi be mianɔ numanyamanya me le ame siwo ku la ŋu alo miaxa
nu abe ame bubu siwo si mɔkpɔkpɔ mele la ene o. 14 Míexɔe se bena Yesu ku eye
wògatsi tre eya ta míexɔe se bena Mawu afɔ ame siwo dɔ alɔ̃ le Yesu me la kpakple
Yesu. 15 Le Aƒetɔ la ŋutɔ ƒe nya nu la, míele egblɔm na mi bena mí ame siwo gale
agbe, ame siwo asusɔ va se ɖe Aƒetɔ la ƒe vava la, mado ŋgɔ na ame siwo ku o. 16
8
Elabena Aƒetɔ la ŋutɔ aɖi tso dziƒo ava kple gbeɖeɖe gã aɖe, kple mawudɔlagãtɔ ƒe
gbe kpakple Mawu ƒe kpẽɖiɖi eye ame siwo ku le Kristo me la afɔ gbã. 17 Le esia
megbe woakɔ mí ame siwo gale agbe le ɣemaɣi la ayi dzi kpliwo le alilῖkpowo dzi
be míayi aɖado go Aƒetɔ la le yame. Ale míanɔ Aƒetɔ la gbɔ tegbetegbe. 18 Eya ta
mitsɔ nya siawo fa akɔe na mia nɔewo.
Ŋudzɔnɔnɔ na Aƒetɔ la ƒe vava
5 ɣekaɣie nu siawo katã ava eme? Nɔvi lɔlɔ̃awo, mehiã be magblɔ nya aɖeke tso
ema ya ŋuti o, 2 elabena mienya nyuie be ame aɖeke menya ɣeyiɣi la o. Aƒetɔ la ƒe
azãgbe la aɖi ɖe mí abe ale si fiafitɔ vana le zã me ene. 3 Esime amewo le gbɔgblɔm
be, “Ŋutifafa kple dedienɔnɔ” li la, gbegblẽ ava ƒo ɖe wo dzi kpoyi abe ale si fu ɖua
funɔe ene eye mate ŋu asi le enu o ene.
4 Ke nɔvi lɔlɔ̃awo, miawo la nu siawo mele ɣaɣla ɖe mi o, eye wo
mava ɖi ɖe mi abe fiafitɔ ene, le Aƒetɔ la ƒe azãgbe la o. 5 Elabena mi katã la, kekeli
kple ŋkeke la ƒe viwoe mienye eye mienye viviti kple zã tɔwo o. 6 Eya ta minɔ
ŋudzɔ ɖaa eye migadɔ alɔ̃ abe ame bubuwo ene o. Minɔ ŋudzɔ na eƒe vava eye mianɔ
mo xexi. 7 Zãmee amewo dɔa alɔ̃ eye ɣemaɣi me kee amewo mua aha. 8 Ke mina
mí ame siwo nye kekeliviwo la míanɔ mo xexi, eye míatsɔ xɔse kple lɔlɔ̃ ƒe
akɔtakpoxɔnu ado eye míaɖɔ ɖeɖekpɔkpɔ si míele mɔ kpɔm na la abe gakuku ene.
9 Mawu meɖo be yeatrɔ eƒe dɔmedzoe akɔ ɖe mía dzi o, ke boŋ be yeaɖe mí
to míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo dzi. 10 Kristo ku ɖe mía ta, ale be míele agbe alo míeku
o, ne etrɔ va la míate ŋu anɔ agbe kplii tegbetegbe. 11 Eya ta mide dzi ƒo na mia
nɔewo be miatu mia nɔewo ɖo abe ale si miele wɔwɔm xoxo la ene.
9
Ŋku ɖodzinyawo kple gbedonamewo
12 Nɔvi lɔlɔ̃awo, azɔ la míele biabiam tso mia si be miade bubu ame siwo wɔa dɔ
kple vevidodo le mia dome la ŋu, ame siwo wotsɔ ɖo mia nu le Aƒetɔ la me eye
woxlɔ̃a nu mi. 13 Mido kɔkɔ ame siawo le lɔlɔ̃ me le woƒe dɔwɔwɔ ta. Minɔ anyi le
ŋutifafa me kple mia nɔewo. 14 Míele ŋusẽ dom mi, nɔvi lɔlɔ̃awo be miaxlɔ̃ nu ame
siwo le kuvia wɔm, mide dzi ƒo na ame siwo le vɔvɔ̃m, mikpe ɖe ame siwo gbɔdzɔ
la ŋu migbɔ dzi ɖi na ame sia ame. 15 Mikpɔ egbɔ be ame aɖeke metsɔ vɔ̃ ɖo vɔ̃ teƒe
o, ke boŋ midze agbagba be ɣesiaɣi la mianyo dɔme na mia nɔewo kple ame bubu ɖe
sia ɖe.
16 Dzi nedzɔ mi ɣesiaɣi. 17 Minɔ gbedodoɖa dzi madzudzɔmadzudzɔe. 18
Mida akpe le nuwo katã me elabena esiae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na mi le Kristo Yesu
me. 19 Migatsi Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nu o. 20 Migado vlo nyagblɔɖiwo o. 21 Mido nu
sia nu kpɔ eye milé ɖe nu si nyo la ŋu. 22 Mitsri vɔ̃ ɖe sia ɖe tɔgbi.
23 Azɔ la, Mawu ŋutɔ, ame si nye ŋutifafa ƒe Mawu nakɔ mia ŋuti keŋkeŋ
eye wòadzra miaƒe gbɔgbɔ, luʋɔ kple ŋutilã blibo la ɖo mokakamanɔŋui le míaƒe
Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe vavagbe la. 24 Nuteƒewɔlae nye ame si yɔ mi eya ta awɔe ade
goe.
25 Nɔvi lɔlɔ̃awo, mido gbe ɖa ɖe míawo hã ta. 26 Mido gbe na nɔviawo katã
kple nugbugbɔ kɔkɔe. 27 Mele eƒom ɖe mia nu le Aƒetɔ la ŋkume be woaxlẽ agbalẽ
sia na nɔviawo katã.
28 Míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kpli mi.

Laisser un commentaire

Votre adresse e-mail ne sera pas publiée. Les champs obligatoires sont indiqués avec *