Togo Chrétien

"L’amour de Dieu a été manifesté envers nous en ce que Dieu a envoyé son Fils unique dans le monde, afin que nous vivions par lui."

Bible Ewe

Tite

PAULO ƑE AGBALẼ SI WÒŊLɔ NA TITO

Kpɔkplɔyiɖeme:

Tito nye ɖekakpui aɖe si va zu kpeɖeŋutɔ na Paulo. Le Tito ƒe
ŋutete, kutrikuku kple mawuvɔvɔ̃ ta la, Paulo tsɔe ɖo hame si
nɔ Kreta la nu. Agbe vlo nɔnɔ xɔ aƒe ɖe Kretatɔwo me ale
gbegbe be kristotɔ nyui nyenye va zu nu sesẽ na kristotɔ
geɖewo eya ta Paulo ŋlɔ agbalẽ sia na hamea dzikpɔla, Tito,
eye wòfia asi ame siwo tɔgbi Tito atia be woakpe ɖe eŋu le
hamea dzikpɔkpɔ me la nɛ. Egaƒo nu le ale si kristotɔwo nanɔ
agbe le tomefafa, nɔvilɔlɔ̃ kple ɖekawɔwɔ me la hã ŋu.

Emenyawo: 1. Gbedoname, 1:1 4
2. Hamedzikpɔlawo tiatia, 1:5-9
3. Sidzedze aʋatsonufialawo, 1:10-16
4. Nu vavãtɔwo fiafia, 2:1-15
5. Ale si wòle be Tito kple xɔsetɔ bubuawo nazɔe, 3:1-11
6. Taƒonyawo kple yayranyawo, 3:12-15

1 Paulo, Mawu ƒe dɔla kple Yesu Kristo ƒe apostolo na Mawu ƒe ame tiatiawo
ƒe xɔse kple sidzedze nyateƒe si kplɔa ame yia mawusosroɖa gbɔe, 2 xɔse kple
sidzedze si ku ɖe mɔkpɔkpɔ na agbe mavɔ la ŋu, nu si Mawu ame si medea alakpa o
la do eƒe ŋugbe, hafi ɣeyiɣi mavɔwo dze egɔme, 3 eye woɖe eƒe nya la ɖe go fia le
eya ŋutɔ ƒe azãgbe la dzi to nyanyui la gbɔgblɔ si wòtso de asi nam le Mawu, mía
ɖela la, ƒe gbeɖeɖe nu.
4 Mele agbalẽ sia ŋlɔm na Tito, vinye vavãtɔ le xɔse ɖeka si le mia si la nu.
Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu Fofo la kple Kristo Yesu mía ɖela gbɔ la
nanɔ kpli wò.
Tito ƒe dɔdeasi le Krete
5 Nu si ta megblẽ wò ɖe Kreta lae nye nàɖɔ nu siwo susɔ la ɖo eye nàɖo
hamemegãwo le du ɖe sia ɖe me abe ale si meɖoe na wòe ene. 6 Ele na hamemegã
be wòanye mokakamanɔŋutɔ, nyɔnu ɖeka ko srɔ̃, ŋutsu si ƒe viwo lé xɔse la me ɖe
asi eye nya mele wo ŋu be wonye aglãdzelawo kple tomaɖolawo o. 7 Esi wònye be
wotsɔ Mawu ƒe dɔ de asi na hamemegã ta la, ele nɛ be wòanye mokakamanɔŋutɔ,
Manye dadala alo ame si doa dziku kabakaba o, manye aha tsu nola o, manye ame si
wɔa nu gbodogbodo alo tia viɖe ƒoɖi yome o. 8 Ke boŋ wòanye amedzrowɔla, ame
si lɔ̃a nu nyui, ɖokuidziɖula, nu dzɔdzɔe wɔla, ame si le kɔkɔe eye wòwɔa nu ɖe
ɖoɖo nu. 9 Ele nɛ be wòalé nyateƒenya la me ɖe asi sesῖe abe ale si wofiae ene ale be
eya hã natsɔ nu dzɔdzɔe fiafia ade dzi ƒo na ame bubuwo eye wòatsi ɖeklemiɖelawo
ƒe nya nu.
10 Elabena aglãdzela geɖewo le afi ma, nya dzodzro gblɔlawo kple
ameblelawo, vevietɔ ame siwo tso aʋatsotso ƒe kɔmama me. 11 Ele be woatsi woƒe
nuwɔnawo nu elabena wole aƒekɔ blibowo dome gblẽm to nu siwo mele be woafia o
la fiafia me eye wowɔa esia ɖe viɖe ƒoɖi ta. 12 Woawo ŋutɔ ƒe nyagblɔɖilawo
dometɔ ɖeka gblɔ gɔ̃ hã be, “Kretatɔwo nye alakpadalawo ɖaa wonye lã vɔ̃ɖiwo kple
nu tsu ɖula kuviatɔwo” 13 ɖaseɖiɖi sia le eteƒe eya ta ka mo na wo vevie ale be
woade blibo le xɔse la me, 14 eye womaɖo to Yudatɔwo ƒe gliwo alo aɖo to ame
siwo gbe nu le nyateƒe la gbɔ ƒe sededewo o. 15 Ame siwo dza la, nu sia nu le
dzadzɛ na wo, ke ame siwo me gbegblẽ le eye womexɔ se o la, naneke mele dzadzɛ
le wo gbɔ o. Le nyateƒe me la, woƒe susu kple dzitsinya katã me do viviti. 16
Wogblɔna be yewonya Mawu gake wogbea nu le egbɔ to woƒe nuwɔnawo me.
Wonye ŋunyɔnuwo kple tomaɖolawo eye womedze na nu nyui aɖeke wɔwɔ o.

Nu siwo wòle be woafia hatsotso vovovoawo
2 Ele na wò be nàfia nu si nye nufiafia si de blibo. 2 Fia ame tsitsiwo be woafa
tu woanye ame siwo dze na bubu, ɖokuidziɖulawo, ame siwo ƒe xɔse de blibo le lɔlɔ̃
kple tenɔnɔ me. 3 Nenema ke fia nyɔnu tsitsiawo be woafa tu eye woabu ame le
woƒe nuwɔna ɖe sia ɖe me. Womanye ame siwo nɔa tsatsam nɔa nya vlowo gblɔm
tso amewo ŋu o, eye womanye aha tsu nolawo hã o. 4 Ele be nyɔnu tsitsi siawo nafia
ɖetugbiwo ale si woafa tui eye woalɔ̃ wo srɔ̃wo kple wo viwo. 5 Fia wo be woanye
ɖokuidziɖulawo, ame dzadzɛwo, aƒemedɔwɔlawo, dɔmenyotɔwo kple ame siwo
bɔbɔa wo ɖokui na woawo ŋutɔ srɔ̃wo be ame aɖeke magagblɔ nya tovo ɖe Mawu ƒe
nya la ŋu o.
6 Nenema ke, do ŋusẽ ɖekakpuiwo be woanye ɖokuidziɖulawo. 7 Tsɔ
ɖokuiwò ɖo kpɔɖeŋui na wo le nu sia nu me to nu si nyo la wɔwɔ me. ɖe
nuteƒewɔwɔ kple moveviɖoɖo fia le wò nufiafia me. 8 hekpe ɖe esiawo ŋu la, wò
nuƒoƒo neto mɔ ɖeka be womakpɔ kpɔtsɔtsɔ le eŋu o ale be ŋu nakpe ame siwo tsia
tre ɖe ŋuwò, elabena nya vɔ̃ aɖeke mele wo si woagblɔ tso mía ŋu o.
9 Fia kluviwo be woaɖo to woƒe aƒetɔwo le nu sia nu me, woadze agbagba
awɔ nu adze wo ŋu eye womegaɖe nya nu na woƒe aƒetɔwo o. 10 Fia wo hã be
womagafi woƒe aƒetɔwo o ke boŋ woaɖee afia be woate ŋu aka ɖe wo dzi blibo
ɣesiaɣi ale be le mɔ ɖe sia ɖe nu la, woawɔ nufiafia tso Mawu, míaƒe ɖela, ŋu
wòadze ame ŋu.
11 Elabena Mawu ƒe amenuveve si hea ɖeɖe vanɛ la, do na amewo katã. 12
Efia mí be míagblɔ “Ao” na mawumavɔmavɔ̃ kple xexemenudzodzrowo eye míanɔ
agbe le ɖokuidziɖuɖu, dzɔdzɔenyenye kple mawuvɔvɔ̃ me, le fifi xexeame, 13 esi
míele lalam na yayraŋkeke si míele mɔ kpɔm na, yayraŋkeke si dzi woaɖe míaƒe
Mawu gã kple ɖela Yesu Kristo ƒe ŋutikɔkɔe afia le. 14 Ame si tsɔ eɖokui na ɖe mía
ta be yeaɖe mí tso vɔ̃ɖinyenye katã me be wòakɔ mía ŋuti na eɖokui, ame siwo nye
eya ŋutɔ tɔ, eye wole klalo be woawɔ nu si nyo.

Ale si wòle be kristotɔ nanɔ agbee
3 ɖo ŋku edzi na wò amewo be ele be woabu dziɖuɖua kple eƒe dɔnunɔlawo;
ele be woaɖo to wo eye woanɔ klalo na dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ ɣesiaɣi. 2 Mele
be woagblɔ nya vɔ̃ ɖe ame aɖeke ŋu loo alo awɔ dzre o, ke boŋ ele be woanye ame
fafawo eye woabu ame sia ame.
3 Míawo hã míenye abunɛtɔwo kpɔ eye míegbe toɖoɖo. Ame bubuwo ble mí
eye míezu kluviwo na dzodzro vɔ̃wo kple fieŋufieŋu vɔ̃ɖiwo. Havimalɔmalɔ̃ kple
ŋuʋaʋã xɔ mía me keŋ. Míelé fu amewo eye woawo hã lé fu mí.
4 Ke esi ɣeyiɣia de be Mawu, mía ɖela ƒe amenuveve kple lɔlɔ̃ nado la, 5 eɖe
mí, menye esi míedze be woaɖe mí ta o, ke boŋ le eƒe amenuveve kple
nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la ta. Ewɔ esia to ale si wòklɔ míaƒe nu vɔ̃wo ɖa kple ale si
wòde Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe dzidzɔ yeye mía me la me. 6 Ekɔ eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖe
mía dzi eye wona wosɔ gbɔ le mía me. Ewɔ esiawo katã le nu si Yesu Kristo, mía
ɖela wɔ la ta, 7 ale be woate ŋu atso afia na mí le Mawu ƒe ŋkume, le eƒe dɔmenyo
gbago la ta. Azɔ la, míate ŋu akpɔ gome le agbe mavɔ si wonaa mí la ƒe kesinɔnu la
me. Míele mɔ kpɔm vevie na exɔxɔ. 8 Esia nye nyateƒenya si wogblɔ eye medi be
nàte gbe ɖe nu siawo dzi ale be ame siwo tsɔ woƒe xɔse de Mawu me la nakpɔ nyuie
be wotsɔ wo ɖokuiwo de nu nyui wɔwɔ me blibo; nu siawo nyo ŋutɔ eye wohea viɖe
geɖe vanɛ na ame sia ame.
9 Mègade nu nyahehe siwo ku ɖe biabia siwo ŋu ŋuɖoɖo tututu aɖeke mele o
kple mawunya ƒe akpa siwo ŋu ɖeklemiɖeɖe geɖe le la me o. ɖe ɖokuiwò ɖa le
nyahehe tso Yudatɔwo ƒe sewo dzi wɔwɔ ŋu me, elabena viɖe aɖeke mele nu sia
tɔgbi ŋu o; nu gbegblẽ koe wòhena vanɛ. 10 Ne ame aɖe le mama hem va mia dome
la, ele be miagbe nya nɛ zi gbãtɔ kple zi evelia. Le esia megbe la, migatsɔ ɖeke le
eƒe nya me o, 11 elabena ame ma tɔgbi medaa asixɔxɔ vavãtɔ ɖe nu nyui dzi o. Ele
nu vɔ̃ wɔm eye eya ŋutɔ nya nenema.
Dzesidenya mamlɛawo
12 Mele eɖom be maɖo Artema alo Tikiko ɖe wò. Dze agbagba, ne wo dometɔ ɖeka
va ɖo la, nàdo gom le Nikopoli kaba abe ale si nate ŋui ene, elabena meɖo be manɔ
afi ma le vuvɔŋɔlia me. 13 Wɔ nu sia nu si nàte ŋui la be nàkpe ɖe Zena, senyala la,
kple Apolo ŋu le woƒe mɔzɔzɔ me. Kpɔ egbɔ be woana nu sia nu si woahiã la wo. 14
Fia míaƒe ameawo be woasrɔ̃ ale si woatsɔ wo ɖokuiwo ade nyuiwɔwɔ me ale be
woate ŋu akpɔ woƒe gbe sia gbe ƒe nuhiahiãwo eye womanɔ agbe maɖevi o.
15 Ame siwo katã le gbɔnye la do gbe na mi nyuie. Do gbe na ame siwo lɔ̃a
mí le xɔse la me. Amenuveve nanɔ kpli mi katã.

Laisser un commentaire

Votre adresse e-mail ne sera pas publiée. Les champs obligatoires sont indiqués avec *