Togo Chrétien

"L’amour de Dieu a été manifesté envers nous en ce que Dieu a envoyé son Fils unique dans le monde, afin que nous vivions par lui."

Bible Ewe

Jacques

YAKOBO ƑE AGBALẼ

Kpɔkplɔyiɖeme:

Ame si ŋlɔ Yakobo ƒe Agbalẽe nye Yakobo si amewo gblɔ be
enye Yesu nɔvi eye wòganye tatɔ gbãtɔ na Yerusalem Hamea.
Eŋlɔ agbalẽ sia na Yudatɔ siwo nye kristotɔ siwo kaka ɖe teƒe
vovovowo. Eƒo nu tso nu siwo wòle be kristotɔwo nawɔ la ŋuti.
Ke nu si dzi wòte gbe ɖo vevie wue nye, ele be dɔwɔwɔ nakpe
ɖe xɔse ŋu hafi kristotɔ ƒe xɔse nade blibo.

Emenyawo 1. Agbenɔnɔ abe kristotɔ ene, 1:1-27
2. Nufiamewo kple nyaheɖeameŋuwo, 2:1-4:17
3. Nufiamewo dziyiyi, 5:1-20

1 Agbalẽ sia tso Yakobo, Mawu kple Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe dɔla, gbɔ na Yudatɔ
kristotɔ siwo kaka ɖe xexeame godoo. Mele gbe dom na mi katã.
2 Nɔvi lɔlɔ̃awo, ne dodokpɔ ƒomevi geɖewo tu mi la mibui dzidzɔ sɔŋ, 3
elabena mienyae bena miaƒe xɔse ƒe dodokpɔ hea dzidodo vanɛ. 4 Ele be dzidodo
nawu eƒe dɔ nu ale be miatsi azu blibo eye naneke mahiã mi o.
5 Ne ame aɖe hiã nunya la nebia Mawu ame si naa ame sia ame faa kple
dɔmekɔkɔ eye Mawu anae fɔbubumanɔmee. 6 Gake ne ebia la ele nɛ be wòaxɔe
ase ɖikekemanɔmee elabena ame si kea ɖi la le abe ƒutsotsoe si ya ƒona yina gbɔna la
ene. 7 Ame ma megasusu be yeaxɔ naneke tso Aƒetɔ la gbɔ o. 8 Elabena enye dzime
eve susula eye meli ke le nu siwo katã wowɔna la me o. 9 Nɔvi si mele nɔƒe kɔkɔ
aɖeke o la neƒo adegbe be wodo ye ɖe dzi. 10 Ke ame si si kesinɔnuwo le la neƒo
adegbe be yemenye naneke o elabena enu ava yi abe seƒoƒo le gbedzi ene. 11
Elabena ɣe dzena eye ɣe la ƒe ŋusẽ naa gbe yrɔna eye eƒe seƒoƒo duduna, ale wòbua
eƒe anidzedze. Nenema ke kesinɔtɔ hã nu ava yi esime wòɖo eƒe agbe ƒe viviƒe.
12 Woayra ame si doa dzi le tetekpɔ me elabena ne enɔ te va se ɖe nuwuwu
la axɔ agbefiakuku esi ƒe ŋugbe Mawu do na ame siwo lɔ̃nɛ.
13 Ne wote ame aɖe kpɔ la megagblɔ be, “Mawu le teyem kpɔ o.” Elabena
womate ŋu atsɔ nu vɔ̃ɖi ate Mawu kpɔ alo eya ŋutɔ hã nate ame aɖeke akpɔ o. 14 Ke
boŋ ame sia ame ƒe didi vɔ̃woe tenɛ kpɔna eye woblea enu hehenɛ dzonae. 15
Emegbe la didi vɔ̃ la fɔa fu hedzia nu vɔ̃ eye ne nu vɔ̃ tsi nyuie la edzia ku.
Nu nyuiwo katã tsoa Mawu gbɔ
16 Nɔvi lɔlɔ̃awo, migana woable mi o. 17 Nunana nyui kple nunana deblibo ɖe
sia ɖe dziƒoe wòtsona, tso dziƒokekeli ƒe Fofo la gbɔ, ame si metrɔna abe ale si
vɔvɔlῖ trɔnae ene o. 18 Enye eƒe lɔlɔ̃nu be wòadzi mí to nyateƒe ƒe nya la me ale be
míanye eƒe nuwɔwɔwo katã ƒe kutsetse gbãtɔ.
Nya la sese kple edziwɔwɔ
19 Nɔvinye lɔlɔ̃awo, milé ŋku ɖe nu sia ŋu be: ame sia ame naɖe abla le nusese me,
nanɔ blewu le nuƒoƒo kple dzikudodo me, 20 elabena ame ƒe dziku mehea
dzɔdzɔenyenye ƒe agbenɔnɔ si Mawu di la vanɛ o. 21 Eya ta miɖe ŋutilãmeɖiƒoƒowo
katã ɖi kple nu vɔ̃ɖi wɔwɔ si bɔ ɖe mia dome la ɖi, eye miatsɔ ɖokuibɔbɔ axɔ nya si
wodo ɖe mia me esi si ŋusẽ le be wòaɖe miaƒe luʋɔwo.
22 Miganye nya la selawo ko ahanɔ mia ɖokuiwo blem o, ke boŋ miwɔ ɖe nu
si nya la gblɔ dzi. 23 Elabena ame aɖe si se nya la eye mewɔ ɖe edzi o ɖi ame aɖe si
kpɔ eƒe mo le ahuhɔ̃e me. 24 Ke esi wodzo le ahuhɔ̃ea gbɔ la megaɖo ŋku ale si eƒe
dzedzeme le la dzi o. 25 Ke ame si dzroa Mawu ƒe se si de blibo, si naa ablɔɖe ame
la me tsitotsito ɣesiaɣi eye meŋlɔa nu si wòsrɔ̃ la be o ke boŋ wòwɔa edzi la
woayrae le nu si wòwɔna la me.
Xɔse kple dɔwɔwɔ
26 Ne ame aɖe gblɔ be yenye xɔsetɔ ke mede ga eƒe aɖe o la le eɖokui blem eye eƒe
xɔse la hã nye dzodzro. 27 Xɔse si mía Mawu Fofo la xɔna abe esi le dzadzɛ eye
kpɔtsɔtsɔ mele eŋu o lae nye esi be: woakpɔ tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo dzi le woƒe
xaxa me, eye be amea maƒo ɖi eɖokui kple xexemenuwo o.
2 Nɔvinye lɔlɔ̃awo, abe ame si xɔ míaƒe ŋutikɔkɔe ƒe Aƒetɔ, Yesu Kristo, dzi se
ene la, migakpɔ ame ŋkume o. 2 Mítsɔe be ame aɖe va míaƒe sɔleme eye wòdo
sikasigɛ nyuitɔ heta avɔ xɔasi eye ame dahe si do awu vuvu hã ge ɖe sɔlemexɔa me.
3 Ne mietsɔ bubu tɔxɛ na ame si do awu xɔasi la hegblɔ nɛ be, “Va nɔ teƒe nyui
sia,” gake miegblɔ na ame dahe la be “Wò ya nɔ tsitre ɖe afi ma” alo “Bɔbɔ nɔ
anyigba le nye afɔnu,” la 4 ɖe miede vovo ameawo me le mia dome eye mieva zu
ʋɔnudrɔ̃la siwo me susu vɔ̃ɖiwo le o mahã?
5 Nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, miɖo tom: ɖe Mawu metia ame siwo xexemetɔwo buna
be wonye ame dahewo la be woanye kesinɔtɔwo le xɔse me eye be woanyi fiaɖuƒe si
ŋugbe wòdo na ame siwo lɔ̃nɛ la ƒe dome o mahã? 6 Ke miawo la miedzu ame
dahewo. ɖe menye kesinɔtɔwoe le miabam oa? 7 ɖe menye woawoe le ɖi ƒom ame
si ŋu bubuŋkɔ le, ame si tɔ mienye la oa?
8 Ne mielé fiasedede si le mawunya me esi gblɔ be, “Lɔ̃ hawòvi abe wò
ŋutɔ ɖokuiwò ene,” ɖe asi la miele nu dzɔdzɔetɔ wɔm. 9 Ke ne miele ame ŋkume
kpɔm la miewɔ nu vɔ̃ eye se la bu fɔ mi be mienye sedzidalawo.
Ameŋkumekpɔkpɔ meganɔ mia dome o
10 Ame si wɔa Mawu ƒe sewo katã dzi, gake wòda le ɖeka pɛ dzi la, eda le wo katã
dzi. 11 Elabena ame si de se be, “Mègawɔ ahasi o” la eya kee de se be, “Mègawu
ame o.” Eya ta ne mèwɔ ahasi o, gake nèwu ame la, ènye sedzidala. 12 Miaƒe nuƒo
kple agbenɔnɔ naɖee fia be wole ʋɔnu drɔ̃ ge mi kple se si naa ablɔɖe. 13 Elabena
ʋɔnudɔdrɔ̃ si me nublanuikpɔkpɔ mele o la woatsɔ na ame si mekpɔa nublanui o.
Nublanuikpɔkpɔ ɖua ʋɔnudɔdrɔ̃ dzi.
14 Nɔvinye lɔlɔ̃awo, viɖe ka wòanye ne ame aɖe gblɔ bena xɔse le ye si evɔ
la dɔwɔwɔ mekpe ɖe eŋu o? ɖe xɔse sia tɔgbi ate ŋu aɖeea? 15 Mítsɔe be nɔviŋutsu
alo nɔvinyɔnu aɖe li esi si avɔ kple gbe sia gbe ƒe nuɖuɖu mele o. 16 Ne mia dometɔ
aɖe agblɔ nɛ be, “Heyi, medi dzɔgbenyui na wò, de dzo lãme eye naɖi ƒo nyuie,”
evɔ mehewɔ naneke le eƒe ŋutilãmehiahiãwo ŋuti o la, viɖe kae wonye? 17 Nenema
kee, nye xɔse ŋutɔ hã. Ne dɔwɔwɔ mekpe ɖe eŋu o la enye nu kuku. 18 Ke ame aɖe
5
agblɔ dzideƒotɔe be, “Wò la xɔse le asiwò ke nye la dɔwɔwɔwo le asinye.” Fia wò
xɔse si ŋu dɔwɔwɔwo mekpe ɖo o lam eye nye hã maɖe nye xɔse afia wò to dɔ siwo
mewɔna la me. 19 Èxɔe se be Mawu ɖeka koe li, enyo gake gbɔgbɔ vɔ̃wo hã xɔe se
nenema eye wodzona nyanyanya kple vɔvɔ̃. 20 Wò bometsila, ɖe nèle kakaɖedzi dim
hafi anya be xɔse, dɔwɔwɔmanɔmee nye xɔse kuku oa? 21 ɖe womebu mía tɔgbui,
Abraham, be enye dzɔdzɔetɔ le nu si wòwɔ esi wòtsɔ via Isak be yeasa vɔe na Mawu
oa? 22 Edze faã be eƒe xɔse kple dɔwɔwɔwo sɔ ɖekae ale be eƒe xɔse de blibo to nu
si wòwɔ la me. 23 Esia wɔ ɖe mawunya si gblɔ be, “Abraham xɔ Mawu dzi se eye
wòto esia me zu ame dzɔdzɔe” la dzi eya ta woyɔe be Mawu xɔlɔ̃. 24 Edze ƒãa be
menye ame ƒe xɔse ɖeɖe koe wotsɔna tsoa afia o ke boŋ dɔ siwo wòwɔ hã kpena ɖe
eŋu.
25 Nenema ke ɖe womebu Rahab gbolo la gɔ̃ hã be enye dzɔdzɔetɔ le nu si
wòwɔ esi wòɣla ŋkutsala siwo dze egbɔ eye wòna woto mɔ bubu dzo oa? 26 Ale si
ŋutilã, gbɔgbɔmanɔmee nye nu kuku la nenema ke xɔse, dɔwɔwɔmanɔmee hã nye nu
kuku.
3 Nɔvinye lɔlɔ̃awo, mia dometɔ geɖewo megabu wo ɖokuiwo nufialawoe o,
elabena mienyae be mí ame siwo nye nufialawo la woadrɔ̃ ʋɔnu mí vevie wu ame
bubuwo. 2 Elabena mía dometɔ ɖe sia ɖe daa vo le mɔ geɖewo nu. Ne ame aɖe
medaa vo le nuƒoƒo me o la eyae nye ame si de blibo ale wòtea ŋu dea ga eƒe ŋutilã
blibo la. 3 Numega sue si míedea sɔwo ƒe nume la, eyae nana be woɖoa to mí eye
míetea ŋu trɔa lã bliboa ɖe afi sia afi. 4 Mítsɔ tɔdziʋu gãwo abe kpɔɖeŋu ene. Togbɔ
6
be wololo gã eye ya sesẽwoe hea wo hã la, kuɖɔ sue aɖe si le ʋua gɔme lae kuɖɔɖola
la zãna tsɔna trɔa tɔdziʋu gã la ƒe mo ɖe afi sia afi si wòdi be tɔdziʋu gã la nayi. 5
Nenema ke ame ƒe aɖe nye ŋutinu sue aɖe ko gake etea ŋu ƒoa adegbe gã. Mikpɔ ale
si dzoxi sue aɖe tea ŋu tɔa dzo ave gãwoe la ɖa. 6 Aɖe ŋutɔ hã nye dzo; enye
xexeme vɔ̃ɖi le ŋutinuwo dome. Egblẽa ameti blibo la dome. Etɔa dzo amea ƒe
agbemɔzɔzɔ blibo la eye mlɔeba la wotɔa dzo eya ŋutɔ hã le dzo mavɔ ʋe me. 7
Amegbetɔ ate ŋu amla lã ɖe sia ɖe ƒomevi, xeviwo, nutatawo kple tɔmelãwo siaa, 8
gake ame aɖeke mate nu amla ame ƒe aɖe o. Enye aɖi vɔ̃ɖi si dzi womate ŋu aɖu o. 9
Mietsɔa míaƒe aɖe kafua míaƒe Aƒetɔ kple Mawu eye míegatsɔa aɖe ma ke ƒoa fi dea
amegbetɔ si wowɔ ɖe Mawu ƒe nɔnɔme me. 10 Kafukafu kple fiƒode dona tsoa
ame ƒe nu ɖeka ma ke me. Ke, nɔvinyewo, le nyateƒe me la, mele be wòanɔ alea o.
11 ɖe vudo ɖeka ma ate ŋu adzi tsi vivi kple dzetsia? 12 Nɔvinyewo, ɖe gboti ate ŋu
atse amikutsetsewo, alo wainka ate ŋu atse gbowoa? Gbeɖe, dzetsivudo hã mate ŋu
adzi tsi vivi o.
Nunya ƒomevi eve
13 Ame kae nye nunyala kple nugɔmesela le mia dome? Neɖee fia to agbe nyui nɔnɔ
kple dɔwɔwɔ siwo wowɔ le ɖokuibɔbɔ si tsoa nunya gbɔ la me. 14 Ke ne míaƒe dzi
yɔ fũu kple ŋuʋaʋã vɔ̃ɖi kple dokuitɔdidi la, esia meganye adegbe míanɔ ƒoƒom alo
agbe nyateƒe la o. 15 “Nunya” sia tɔgbi metso dziƒo o, ke boŋ etso anyigba dzi afi
eye wònye nu si tso Abosam gbɔ eye eŋuti mekɔ o. 16 Elabena afi si ŋuʋaʋã
kple ɖokuitɔdidi vivivo le lae, masɔmasɔ kple nu vloe ɖe sia ɖe wɔwɔ nɔna.
7
17 Ke nunya si tso dziƒo la, gbã la, ele dzadzɛ eye wòlɔ̃a tomefafa, efana na
ame bubuwo, ebɔbɔa eɖokui, eye wòyɔ fũu kple nublanukpɔkpɔ. Kpe ɖe esiawo ŋuti
la, etsea ku nyuiwo, medea ame dzi o eye wòwɔa nu si le eteƒe. 18 Ŋutifafame
siwo ƒãa ŋutifafa la, xaa dzɔdzɔenyenye ƒe kutsetse.
Nu siwo hea avuwɔwɔ vanɛ
4 Nu kae hea avuwɔwɔ kple dzrewɔwɔ vaa mia dome? ɖe menye miaƒe
dzimedidi siwo le aʋa wɔm le mia me lae oa? 2 Miedia nu gake miekpɔnɛ o, miewua
ame, xɔa eƒe nuwo, gake nu si dim miele la masu mia si o. Miewɔa dzre eye
miewɔa avu hã gake nuawo mesua mia si o, elabena miebiaa Mawu o. 3 Ne miebia
la, miaƒe asi mesua edzi o, elabe miebia kple susu vɔ̃ɖi, miebia nu siwo miawɔ
yakayaka na mìa ɖokuiwo.
4 Mi ahasiwɔlawo! ɖe mienya be ne miedze xɔlɔ̃ kple xexeame la ekema
mielé fu Mawu oa? Ame sia ame si dze xɔlɔ xexeame la nye Mawu ƒe futɔ. 5 Alo ɖe
miesusu be dzodzroe mawunya gblɔ be gbɔgbɔ si wòde mía me la ʋãa ŋu veviea? 6
Ke ena amenuveve geɖe mí. Esia ta mawunya gblɔ be, “Mawu tsia tre ɖe dadalawo
ŋu ke evea ame siwo bɔbɔa wo ɖokui ɖe anyi la nu.” 7 Eya ta mibɔbɔ mia ɖokuiwo
ɖe Mawu te. Mitsi tre sesῖe ɖe Abosam ŋuti ekema asi le mia nu. 8 Mite ɖe Mawu
ŋu kpokploe eye eya hã atsɔ ɖe mia gbɔ. Mi nu vɔ̃ wɔlawo miklɔ miaƒe asiwo, eye
mi ame siwo nye dzime eve susulawo la miklɔ miaƒe dziwo me. 9 Milé blanui, mifa
konyi eye mifa avi. Mina miaƒe nukoko nazu konyifafa, eye miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ
nazu blanuiléle. 10 Mibɔbɔ mia ɖokui na Aƒetɔ la ekema ado mi ɖe dzi.
8
11 Nɔviwo, migagblẽ mia nɔewo ŋu o, ame si gblẽ nɔvia ŋu alo drɔ̃ ʋɔnui la,
tsi tsitre ɖe se la ŋu hedrɔ̃ ʋɔnui. Ne èdrɔ̃ ʋɔnu se la la, mèle edzi wɔm o ke boŋ ènɔ
ʋɔnudrɔ̃zikpui dzi hele ʋɔnu drɔ̃mii. 12 Senala kple ʋɔnudrɔ̃la ɖeka koe li, ame si tea
ŋu ɖea ame eye wotsrɔ̃a ame hã. Ke wò la, ame kae nènye be nàdrɔ̃ ʋɔnu hawòvi?
Adegbeƒoƒo le tsɔ si gbɔna ŋuti
13 Azɔ la miɖo to afii, mi ame siwo le gbɔgblɔm be, “Egbe alo etsɔ míayi du sia alo
ekemɛ me, anɔ anyi ƒe ɖeka, atsa asi eye míakpɔ ga.” 14 Nu ka ta? Elabena mienya
nu si ava dzɔ etsɔ si gbɔna gɔ̃ hã o. Nu kae miaƒe agbe nye? Miele abe afu si
dona ɣeyiɣi kpui aɖe eye wògabuna la ene. 15 Ke boŋ migblɔ bena, “Nenye Aƒetɔ
la ƒe lɔlɔ̃nu la, míanɔ agbe eye míawɔ nu sia kple ekemɛ.” 16 Ke nu si miewɔna la
nye dada kple ɖokuidodo ɖe dzi ƒoƒlu. Adegbeƒoƒo siawo tɔgbi katã nye nu vɔ̃. 17
Eya ta ne ame aɖe nya nu nyuie si wòle be wòawɔ gake mewɔe o la, ewɔ nu vɔ̃.
Nuxɔxlɔ̃ kesinɔtɔ ŋutasẽlawo
5 Azɔ la mi kesinɔtɔwo, miɖo to afii, mido ɣli eye mifa avi, le fukpekpe si
gbɔna mia dzi va ge la ta. 2 Miaƒe kesinɔnuwo nyunyɔ eye agbagblaʋui ɖu miaƒe avɔ
nyuiwo keŋkeŋ. 3 Miaƒe sika kple klosalowo lé ɣebia eye woƒe ɣebialéle sia
nye ɖaseɖiɖi si tsi tre ɖe mia ŋu hele miaƒe ŋutilã ɖum abe dzo ene. Mieha
kesinɔnuwo dzra ɖo fũu le ŋkeke mamlɛawo me. 4 Mikpɔ ɖa, dɔwɔla siwo ŋlɔ miaƒe
agblewo me eye miegbe fexexe na wo la, le avi fam ɖe mia ŋuti. Nenema ke ame
siwo xa nu na mi le agble me la ƒe ɣlidodo va ɖo tome na Aƒetɔ Ŋusẽkatãtɔ la. 5
9
Mienɔ xexeamae le agbeɖuɖu blibo me eye mietsɔ mia ɖokuiwo de vivisese geɖe
me. Mienyi mia ɖokuiwo heda ami le wuwuŋkeke la lalam. 6 Miebu fɔ amewo eye
miewu ame maɖifɔ siwo metsi tre ɖe mia ŋu o.
Dzidodo le fukpekpe me
7 Eya ta, nɔvinyewo, migbɔ dzi ɖi blewu va se ɖe Aƒetɔ la ƒa vava. Mienya ale si
agbledela lalana na eƒe agblemenukuwo be woatse ku, eye wògbɔa dzi ɖi na
adametsi kple kelemetsi. 8 Alea ke wòle be miawo hã miagbɔ dzi ɖii eye mianɔ
tsitre sesῖe elabe Aƒetɔ la ƒe vava ɖo vɔ. 9 Nɔviwo, migalῖ liʋiliʋῖ le mia nɔewo ŋu o,
ne menye nenema o la woadrɔ̃ ʋɔnu mi. ʋɔnudrɔ̃la la ƒe afɔ le ʋɔtru la nu.
10 Nɔviwo, mina Nyagblɔɖila siwo gblɔ Mawu ƒe nya na amewo le Aƒetɔ la
ƒe ŋkɔ me la nanye kpɔɖeŋu na mi le fukpekpewo me. 11 Abe ale si wòle nyanya me
na mi ene la, míebua ame siwo do dzi le xaxawo me la be wonye yayramewo. Miese
Hiob ƒe dzidodo le fukpekpe me ƒe nyawo, eye mienya ale si Aƒetɔ la wɔ nɛ le
nuwuwu. Aƒetɔ la nye dɔmenyotɔ kple nublanuikpɔla gã aɖe. 12 Gawu la,
nɔvinyewo, migata nu o, eɖanye kple anyigba loo dziƒo alo nu bubu aɖeke o. Miaƒe
ẽ nanye ẽ eye miaƒe o nanye o, nemenye nenema o la miadze na ʋɔnudɔdrɔ̃.
Xɔse ƒe gbedododa
13 Mia dometɔ aɖe le fu kpena? Nedo gbe ɖa. Mia dometɔ aɖe le dzidzɔ kpɔma?
Nedzi kafukafuhawo. 14 Ame aɖe le dɔ lém le mia domea? Neyɔ hanunɔlawo ne
woado gbe ɖa ɖe eta eye woasi ami nɛ le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me. 15 Eye gbe si wodo ɖa
le xɔse me la ana be amea ƒe lãme nasẽ, eye Aƒetɔ la afɔe ɖe tsitre. Ne ewɔ nu vɔ̃ hã
la, woatsɔe akee. 16 Eya ta miʋu miaƒe nu vɔ̃wo me na mia nɔewo eye miado
gbe ɖa ɖe mia nɔewo ta be miaƒe lãme nasẽ. Ame dzɔdzɔe ƒe gbedodoɖa nu sẽna eye
wòwɔa dɔ. 17 Eliya nye amegbetɔ abe míawo ke ene. Edo gbe ɖa vevie be tsi
nagadza o, eye tsi medza o ƒe etɔ̃ kple afã sɔŋ. 18 Emegbe la egado gbe ɖa, dziƒo nu
ʋu eye tsi dza ale be anyigba gatse eƒe kutsetsewo. 19 Nɔvinye lɔlɔ̃awo, ne mia
dometɔ aɖe tra tso nyateƒe la gbɔ eye ame aɖe kplɔe gbɔe la, 20 nenya esia be: ame
si na nu vɔ̃ wɔla trɔ tso eƒe mɔ vɔ̃ dzi la, aɖee tso ku me eye woatsɔ nu atsyɔ nu vɔ̃
gbogbɔ aɖewo dzi.

Laisser un commentaire

Votre adresse e-mail ne sera pas publiée. Les champs obligatoires sont indiqués avec *