Togo Chrétien

"L’amour de Dieu a été manifesté envers nous en ce que Dieu a envoyé son Fils unique dans le monde, afin que nous vivions par lui."

Bible Ewe

Apocalypse

NYAÐEÐEFIA ƑE AGBALẼ

KpɔkplɔyiɖemeYohanes nye Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka. Eyae ŋlɔ
Yohanes ƒe nyanyui la kple Yohanes ƒe agbalẽ etɔ̃awo. Eya kee
ŋlɔ nyaɖeɖefia hã. Le ɣemaɣi me la, wonɔ kristotɔwo yome tim
vevie ŋutɔ. Wolé Yohanes eye wotsɔe yi ɖada ɖe Patmo Ƒukpo
dzi. Mawu ɖe nu geɖewo fiae to ŋutega me le afi sia eye woŋlɔ
wo ɖe agbalẽ sia me! Mawu ɖee fiae kɔtee bena kristotɔwo laxɔ
woƒe fetu nyui kokoko eye xexeme yeye aɖe ava, si me nuxaxa
kple vevesese aɖeke maga nɔ o. Agbalẽ sia nye ŋusẽdodo na
kristotɔwo le ɣeyiɣi sesẽ mawo me.Emenyawo 1. Ŋgɔdonya, 1.1-8
2. Ðeɖefia gbãtɔ, 1:9-3:22
3. Ðeɖefia evelia, 4:1-16:21
4. Ðeɖefia etɔ̃lia, 17:1-21:8
5. Ðeɖefia enelia, 21:9-22:5
6. Taƒonyawo, 22:6-21

Ŋgɔdonya kple gbedoname
1 Esia enye Yesu Kristo ƒe ɖeɖefia si Mawu nae be woaɖe fia eƒe dɔlawo tso nu
si ava dzɔ kpuie la ŋuti. Edɔ eƒe mawudɔla ɖa be wòaɖe nu siawo afia Yohanes ame
si nye eƒe dɔla. 2 Yohanes ɖi ɖase le nu si wo katã wòkpɔ la ŋu, nu siwo nye Mawu
ƒe nya kple Yesu Kristo ŋu ƒe ɖaseɖiɖi. 3 Woayra ame si xlẽ nyagblɔɖi sia me
nyawo, woayra ame siwo see eye wòtsɔ emenyawo ɖe woƒe dzime elabena ɣeyiɣi la
te tu aƒe.
4 Agbalẽ sia tso Yohanes gbɔ na hame adre siwo le Asia nutome: amenuveve
kple ŋutifafa si tso Mawu ame si nɔ anyi, eye wòli eye wògale vava ge la gbɔ kple
gbɔgbɔ adre siwo le eƒe fiazikpui la ŋgɔ, 5 kple Yesu Kristo, ame si nye ɖaseɖila
anukwaretɔ, ame gbãtɔ si fɔ tso ku me eye wònye anyigbadzifiawo dziɖula la gbɔ na
mi. Eya ame si lɔ̃ mí eye wòɖe mí tso míaƒe nu vɔ̃wo me to eƒe ʋu me, 6 eya ame si
wɔ mí be míanye fiaɖuƒe kple Osɔfo siwo asubɔ eƒe Mawu kple Fofoa eya tɔ nanye
ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.
7 Kpɔ ɖa! Egbɔna; alilῖkpowo aƒo xlãe eye ŋku ɖe sia ɖe akpɔe. Ẽ, ame siwo
tɔ akplɔe gɔ̃ hã akpɔe. Ne eva do la, dukɔwo afa avi kple ɣli le eya amea ta. Ẽ!
Amen! Neva ame nenema!
8 “Nyee nye A kple Z, gɔmedzedze kple nuwuwu ame si nɔ anyi, eli eye
wògale vava ge, ame si nye Ŋusẽkatãtɔ.” Aƒetɔ Mawue gblɔe.
Yohanes kpɔ ŋutega
9 Nye, mia nɔvi Yohanes, ame si kpe fu kpli mi le Aƒetɔ la ta lae le agbalẽ sia ŋlɔm
na mi. Nye hã mekpɔ gome le dzidodo si Mawu nana la me eye miakpɔ gome le eƒe
fiaɖuƒe la hã me!
Menɔ Patmo Ƒukpo dzi. Woɖe aboyom yi afi ma le ale si megblɔ Mawu ƒe
nya kple nu si menya tso Yesu Kristo ŋuti la ta. 10 Esime menɔ gbɔgbɔ me le Aƒetɔ
la ƒe ŋkekea dzi la, mese gbe sesẽ aɖe le megbenye abe kpe ƒe ɖiɖi ene. 11 Enɔ
gbɔgblɔm bena, “Nyee nye A kple Z, Gbãtɔ kple Mlɔetɔ” Emegbe mesee wògagblɔ
be, “Ŋlɔ nu sia nu si nakpɔ la da ɖi eye naɖo agbalẽa ɖe hame adre siwo le Asia.
Efeso, Smirna Pergamo, Tiatira, Sardes, Filadelfia kple Laodikea.”
12 Esi metrɔ be makpɔ ame si nɔ nu ƒom la, kasia mekpɔ sikakaɖiti adre. 13
Ame aɖe tsi tre ɖe wo dome, si ɖi Amegbetɔvi la. Edo awu ʋlaya aɖe eye wotsɔ
sikalidziblanu aɖe bla akɔta. 14 Eƒe taɖa fu tititi abe alẽfu alo ɖetifu ene. Eƒe ŋkuwo
le ɖaɖam abe dzoƒeaɖewo ene. 15 Eƒe afɔwo biã hẽ abe akɔbli si wode kpodzo me
ene eye eƒe gbe le abe tɔsisi geɖewo ƒe howɔwɔ ene. 16 Elé ɣletivi adre ɖe nuɖusi
eye yi ɖaɖe nuevee do go tso eƒe nu me. Eƒe mo le keklẽm abe ɣekeklẽ ene.
17 Esi mekpɔe la, medze anyi ɖe eƒe afɔnu abe ame kuku ene. Tete wòtsɔ eƒe
nuɖusi da ɖe dzinye eye wògblɔ bena, “Mègavɔ̃ o. Nyee nye Gbãtɔ kple Mlɔetɔ. 18
Nyee nye Ame si le agbe, meku kpɔ gake, kpɔ ɖa, mele agbe tso mavɔ me yi mavɔ
me! Eye ku kple tsiẽƒe ƒe safuiwo le asinye.
19 “Eya ta ŋlɔ nu siwo nèkpɔ fifia kple nu siwo le vava ge emegbe. 20 Nu
ɣaɣla si le ɣletivi adre siwo nèkpɔ melé ɖe ɖusi kple sikakaɖiti adreawo lae nye si.
Êletivi adreawo nye hame adreawo ƒe mawudɔlawo eye sikakaɖiti adreawo nye
hame adreawo.

Gbedeasi na Efeso Hame la
2 Ŋlɔ na Efeso Hamea ƒe mawudɔla be, ‘Esiawoe nye nya siwo tso ame si lé
ɣletivi adre ɖe ɖusi eye wòle zɔzɔm le sikakaɖiti adreawo dome la gbɔ. 2 Menya wò
dɔwɔwɔwo, wò kutrikuku kple wò ŋusẽdodonu. Menyae be màte ŋu alɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo
ƒe nya o, gawu la èdo ame siwo be yewonye apostolowo evɔ womenyee o la kpɔ eye
nèkpɔ be wonye aʋatsotɔwo. 3 Èdze agbagba, eye nèto fukpekpe geɖe me le nye ŋkɔ
la ta gake nu meti tɔ na wò o.
4 ‘“Gake mekpɔ nu sia le ŋutiwò be nègblẽ wò gbãlɔlɔ̃ ɖi. 5 Ðo ŋku afi si
nège tso la dzi! Trɔ dzime eye nàwɔ nu siwo nèwɔna tsã. Ne mètrɔ dzime o la, mava
gbɔwò eye maɖe wò akaɖiti la le enɔƒe. 6 Ke esia nye nu dzeame nèwɔ be nèlé fu
Nikolaitɔwo ƒe nuwɔnawo, nu siwo nye hã melé fui.
7 ‘“Ame si to senu li na la, nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo. Ame
si ɖu dzi la, mana ŋusẽe be wòaɖu agbeti si le Mawu ƒe Paraɖiso me la ƒe tsetsea.
Gbedeasi na Smirna Hame la
8 “Ŋlɔ na Smirna Hamea ƒe mawudɔla be, ‘Esiawo nye nya siwo tso eya, ame si nye
Gbãtɔ kple Mlɔɛtɔ, ame si ku eye wògale agbe la gbɔ. 9 Menya wò fukpekpe kple
ahedada evɔ kesinɔtɔ nènye hafi! Menya ame siwo gblɔna be yewonye Yudatɔwo
evɔ womenyee o, ke boŋ wonye satana ƒe ƒuƒoƒemenɔlawo.
10 Megavɔ̃ na fukpekpe siwo ava dze dziwo la o. Satana ade mia dometɔ
aɖewo gaxɔ me le ŋkeke siawo me be woate mi akpɔ. Woati mia yome ‘ŋkeke ewo,’
si gɔmee nye ɣeyiɣi kpui aɖe.
“ ‘Nɔ nuteƒewɔwɔ dzi yi ɖase ɖe ku me gɔ̃ hã eye mana agbefiakuku wò. 11
Ame si to se nu li na la nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo. Ku Evelia mawɔ
nu vevi aɖeke ame si aɖu dzi la o.’

Gbedeasi na Pergamo Hame la
12 “Ŋlɔ na Pergamo Hamea ƒe mawudɔla be, ‘Esiawo nye ame si lé yi ɖaɖɛ nuevee
ɖe asi la ƒe nyawo. 13 Menya afi si èle, eyae nye afi si Satana li eƒe fiazi anyi ɖo. Ke
hã la, ègalé nye ŋkɔ me ɖe asi ko; mègbe nu le wò xɔse si nètsɔ ɖe menye la gbɔ o;
èlé eme ɖe asi le Antipas, nye ɖasefo nuteƒewɔla, ƒe ɣeyiɣiwo me gɔ̃ hã, ame siwo
wowu le miaƒe du si nye Satana nɔƒe la me.
14 “Ke hã la nya ʋe aɖewo le asinye ɖe ŋutiwò. Ame aɖewo le mia dome afi
ma, ame siwo galé Balam ƒe nufiafiawo me ɖe asi ko, ame si fia Balak be wòable
Israelviwo nu woawɔ nu vɔ̃ to nuɖuɖu siwo wotsɔ sa vɔe na legbawo la ɖuɖu me
kple ahasiwɔwɔ me. 15 Nenema ke ame siwo lé Nikolai ƒe nufiafia me ɖe asi la hã le
mia dome. 16 Eya ta trɔ dzime! Ne menye nenema o la, mava gbɔwò kpuie eye
mawɔ avu kpli wò kple yi si le nye nume.
17 “‘Ame si to senu li na la, nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo.
Gbedeasi na Tiatira Hame la
18 Ŋlɔ na Tiatira Hamea ƒe mawudɔla be, “Esiawo nye Mawu Vi la ƒe nyawo, ame
si ƒe ŋkuwo le abe dzoƒeaɖe ene eye eƒe afɔwo le abe gadzῖ si le keklẽm la ene. 19
Menya wò dɔwɔwɔwo, wò lɔlɔ̃, wò xɔse, wò dɔmenyowɔwɔ kple wò vevidodo eye
azɔ gɔ hã la, èle wo wɔm wu tsã.
20 Ke hã la, mekpɔ nu sia le ŋutiwò; èɖe mɔ na nyɔnu ma, ame si woyɔ na be
Yezebel, ame si yɔa eɖokui be nyagblɔɖila. Ekplɔ nye dɔlawo trae to eƒe nufiafia me
be woage ɖe ahasiwɔwɔ me eye be woaɖu nu siwo wotsɔ sa vɔe na legbawo. 21
Mena ɣeyiɣii be wòatrɔ tso eƒe ŋunyɔnuwo wɔwɔ me gake egbe. 22 Eya ta matsɔe
aƒu fukpekpe ƒe aba dzi eye mana be ame siwo wɔ ahasi kplii la nakpe fu vevie, dzaa
ɖe wòtrɔ le eƒe mɔ vɔ̃wo dzi. 23 Maƒu nu viawo woaku ekema hameawo katã anyae
be nyee nye dziwo kple susuwò me dzrola eye maxe fe na ame sia ame le eƒe
nuwɔwɔwo nu. 24 Azɔ mele egblɔm na mi ame mamlɛ siwo le Tiatira, mi ame siwo
melé nufiafia me ɖe asi o eye miesrɔ̃ nu si woawo ŋutɔ le yɔyɔm be Satana ƒe nu
goglowo o la, nyemada agba kpekpe bubu aɖeke ɖe mia dzi o. 25 Miawo ya milé nu
si le mia si la me ɖe asi sesῖe va se ɖe esime mava.
26 Ame si ɖu dzi eye wòwɔ nye lɔlɔ̃nu va se ɖe nuwuwu la, eyae mana ŋusẽe
ɖe dukɔwo dzi, 27 ‘aɖu wo dzi kple gatikplɔ, atsɔ wo axlã ɖe nu woakaka abe ze
ene’ eye anɔ abe ale si ko mexɔ ŋusẽ tso fofonye gbɔ ene. 28 Matsɔ ŋukeɣletivi la hã
nɛ. 29 Ame si to senu li na la nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo.

Gbedeasi na Sardis Hame la
3 Ŋlɔ na Sardis Hame la ƒe mawudɔla be, “Esiawo nye nya siwo ame si lé
Mawu ƒe Gbɔgbɔ adreawo kple ɣletivi adreawo ɖe asi la gblɔ. Menya wò
dɔwɔwɔwo, wò ŋkɔ ɖi le teƒewo be èle agbe, gake la eku 2 Nyɔ, do ŋusẽ nu siwo
susɔ eye wole kumɔdzi la elabena nyemekpɔ be wò dɔwɔwɔ de blibo le nye Mawu
ŋkume o. 3 Eya ta ɖo ŋku nu si nèxɔ eye nèse la dzi, wɔ edzi eye nàtrɔ dzime. Ke ne
mènyɔ o la, mava gbɔwò abe fiafitɔ ene eye mànya ga si me mava gbɔwò o.
4 Ke hã la, ame ʋe aɖewo le asiwo le Sardis, ame siwo meƒo ɖi woƒe awuwo
o. Woazɔ kplim eye woanɔ awu ɣiwo me elabena wodze nɛ. 5 Ame si ɖu dzi la hã
anɔ abe wo ameawo ene, anɔ awu ɣi me. Nyematutu eƒe ŋkɔ ɖa le agbegbalẽa me
gbeɖe o ke boŋ maʋu eƒe ŋkɔ me le fofonye kple eƒe mawudɔlawo ŋkume. 6 Ame si
to senu li na la, nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo.
Gbedeasi na Filadelfia Hamea
7 Ŋlɔ na Filadelfia hame la ƒe mawudɔla be, “Esiawo nye ame si le kɔkɔe, nye
nyateƒetɔ eye David ƒe safui le esi la ƒe nyawo. Nu si wòʋu la, ame aɖeke mate ŋu
atui o eye nu si wòtu la, ame aɖeke mate ŋu aʋui o. 8 Menya wò dɔwɔwɔwo. Kpɔ
ɖa, metsɔ ʋɔ si le ʋuʋu si ame aɖeke mate ŋu atu o la, ɖo ŋkuwòme. Menya be wò
ŋusẽ le sue ke hã la èlé nye nya me ɖe asi eye mègbe nu le nye ŋkɔ gbɔ o. 9 Mana
ame siwo nye Satana ƒe ƒuƒoƒemenɔlawo, ame siwo gblɔ be yewonye Yudatɔwo evɔ
womenyee o, ke boŋ wonye alakpatɔwo la nava dze anyi ɖe wò afɔ nu, eye woaʋu
eme be melɔ̃ wò. 10 Esi nèlé nye sedede me ɖe asi be nànɔ te le dzigbɔɖi me ta la,
nye hã maɖe wò le dodokpɔ ƒe gaƒoƒo si gbɔna xexeame katã dzi be woado
anyigbadzinɔlawo akpɔ la me. 11 Kpɔ ɖa, megbɔna kaba! Lé ŋusẽ sue si le asiwò la
me ɖe asi sesῖe ale be ame aɖeke maxɔ wo fiakuku la le asiwò o.
12 “‘Amesi aɖu dzi la, mawɔe woazu sɔti le Mawu ƒe gbedoxɔ me. Anɔ dedie
eye magado go o. Maŋlɔ nye Mawu ƒe ŋkɔ ɖe eŋu eye woazu dumevi atso nye
Mawu ƒe du, Yerusalem Yeyea me. Du sia aɖiɖi tso nye Mawu gbɔ le dziƒo. Mawu
ana woaŋlɔ nye Ŋkɔ yeyea ɖe ame sia ŋu.
13 “‘Ame sia ame si to senu li na la, ese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na
hameawo.’
Gbedeasi na Laodikea Hame la
14 “Ŋlɔ agbalẽ sia na hame si le Laodikea ƒe mawudɔla:
“Nya siawo tso ame si le tsitre sesῖe, ame si nye Ðasefo nuteƒewɔla kple
anukwaretɔ le nu siwo le fifia, kple nusiwo nɔ anyi kpɔ kpakple nusiwo le vavage ŋu
la, ame si li kple Mawu tso eƒe nuwɔwɔwo katã ƒe gɔmedzedzea me la gbɔ.
15 “‘Menya wò nyuie be mefa o eye mexɔ dzo hã o. Madi be nafa alo naxɔ
dzo hafi! 16 Ke esi nèle evedomesi alea ta la, matu wò aƒu gbe tso nye nu me!
17 “‘Ègblɔ be, ‘Menye kesinɔtɔ. Nu sia nu si mehiã la le asinye. Naneke
mehiãm o!’ Ke menyae be yenye nublanuitɔ, ame dahe kple ŋkuagbãtɔ eye yele
amama o.
18 “‘Nye aɖaŋuɖoɖo na wòe nye be nàƒle sika nyuitɔ, si ŋu wokɔ kple dzo la,
le gbɔnye. Eya koe ana nànye kesinɔtɔ vavãtɔ. Emegbe la, nàƒle awu ɣi kɔkɔewo le
gbɔnye ale be maganɔ amama eye ŋu nakpe wò o. Hekpe ɖe esia ŋu la, nàƒle atike le
gbɔnye, ada gbe le wò ŋkuwo ŋu eye nàgakpɔ nu. 19 Mehea to na ame sia ame si
melɔ̃na la enuenu. Eya ta ele be mahe to na wò negbe ɖe ko nàɖe asi le wò
ɖekematsɔleme ŋu eye natsɔ dzo ɖe nu siwo ku ɖe Mawu ŋu la ŋuti hafi.
20 “‘Kpɔ ɖa! Mele tsitre ɖe ʋɔtrua nu eye mele eƒom madzudzɔmadzudzɔe.
Ne ame aɖe see mele eyɔm eye woʋu ʋɔa nam la, mage ɖe eme eye mi kplii miade
asi agba me aɖu nu ɖekae.
21 “‘Mana ame sia ame si aɖu dzi la nanɔ nye axadzi le nye fiazikpui dzi abe
ale si nye hã meɖu dzi eye mele Fofonye gbɔ le eƒe fiazikpui dzi ene. 22 Ame siwo
to senu li na la nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo.’”

Dziƒofiazikpui la
4 Le esia megbe la, mekpɔ ʋɔtru aɖe le ʋuʋu le dziƒo le nye ŋkume eye gbe si
mese gbã wònɔ nu ƒom nam abe kpẽ ƒe ɖiɖi ene la, gblɔ be, “Va dzime afii eye
mafia nu si ava dzɔ le etsɔ me la wò.” 2 Tete menɔ Gbɔgbɔ la me eye fiazikpui aɖe
si le dziƒo la nɔ nye ŋkume eye ame aɖe nɔ edzi. 3 Ame si nɔ fiazikpuia dzi la, ƒe
dzedzeme le abe kpexɔasiwo, yaspa kple kanelia ene. Anyieʋɔ si le abe kpexɔasi
emerald ene la ƒo xlã fiazikpui la. 4 Fiazikpui sue blaeve-vɔ-ene ƒo xlã fiazikpui gãtɔ
la eye amegãxoxo blaeve-vɔ-ene nɔ wo dzi. Wo katã do awu ɣiwo eye woɖɔ
sikafiakukuwo. 5 Dzikedzo, dziɖegbe kple sokpewo le dodom tso fiazikpui la me.
Akaɖi adre nɔ bibim le fiazikpui la ŋgɔ. Esiawoe nye Mawu ƒe gbɔgbɔ adreawo. 6
Nane si le abe ahuhɔ̃etsiaƒu ene esi me kɔ abe kristalokpo ene la, hã nɔ fiazikpui la
ŋgɔ le afi ma. Nugbagbe ene nɔ titina ƒo xlã fiazikpui la eye woƒe ŋkuwo ƒo xlã wo,
le ŋgɔ kple megbe siaa. 7 Nu Gbagbe siawo dometɔ gbãtɔ ɖi dzata. Evelia ɖi nyitsu.
Etɔ̃lia ƒe mo ɖi amegbetɔ tɔ eye enelia le abe hɔ̃ si keke eƒe awalawo abe dzodzom
wòle ene. 8 Aʋala ade nɔ nugbagbe eneawo dometɔ ɖe sia ɖe si, woto ŋku ɖe
aʋalawo ŋu kpe ɖo eye woto ŋku ɖe woƒe aʋalawo te gɔ̃ hã. Wonɔa ha dzim
madzudzɔmadzudzɔe zã kple keli be,
“Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe,
Nye Aƒetɔ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ,
Ame si nɔ anyi va yi,
Eli fifia eye wògale vava ge.”
9 Ne nugbagbeawo le ŋutikɔkɔe, bubu kple akpedada tsɔm na ame si nɔ
fiazikpui la dzi, eye wòle agbe tegbetegbe la, 10 ekema amegaxoxo blaeve-vɔeneawo
yia klo dzi hetsyɔa mo anyi ɖe eya ame si nɔ anyi ɖe fiazikpuia dzi la ŋgɔ,
wosubɔa eya ame si nɔa agbe tegbetegbe. Woɖea woƒe fiakukuwo dana ɖe fiazikpui
la ŋgɔ henɔa ha dzim be,
11 “Míaƒe Aƒetɔ kple Mawu,
Wòe dze be nàxɔ ŋutikɔkɔe,
Bubu kple ŋusẽ, elabena
Wòe wɔ nuwo katã,
Wò lɔlɔ̃nue nètsɔ wɔ woe
Eye wò lɔlɔ̃nue na be wole agbe.”

Alẽvi la kple agbalè la
5 Tete la mekpɔ agbalẽ aɖe le nuɖusi na ame si bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi. Woŋlɔ
nu ɖe agbalẽa me kple egodo siaa eye wotree kple nutrenu adre. 2 Eye mekpɔ
mawudɔla dzɔatsu aɖe le gbeƒã ɖem kple gbe sesẽ aɖe le gbɔgblɔm be, “Ame kae
dze ate ŋu aɖe nutrenuawo ɖa alo aʋu agbalẽ la?” 3 Gake ame aɖeke mele dziƒo,
anyigba dzi loo alo anyigba te si ate ŋu aʋu agbalẽ la alo akpɔ eme o. 4 Mefa avi
kakaka elabena ame aɖeke meli si ŋu wokpɔ ŋudzedze le si dze be woaʋu agbalẽ la
alo akpɔ eme o. 5 Tete amegãxoxoawo dometɔ ɖeka gblɔ nam be, “Kpɔ ɖa, mègafa
avi o he! Elabena Yuda to la ƒe Dzata si tso David ƒe ke me ɖu dzi. Eyae ate ŋu aʋu
agbalẽ la eye wòaɖe nutrenu adreawo ɖa.”
6 Eye mekpɔ Alẽvi aɖe, wòdze abe ɖe wowui ene eye wònɔ tsitre ɖe fiazikpui
la titina. Nugbagbe eneawo kple amegãxoxoawo ƒo xlãe. Dzo adre kple ŋku adre nɔ
esi, esiwo nye Mawu ƒe gbɔgbɔ adreawo, esiwo wodɔ ɖo ɖe anyigba blibo la dzi. 7
Eyae va xɔ agbalẽ la le ame si nɔ fiazikpui la dzi la ƒe nuɖusi me. 8 Esi wòxɔe ʋɔ la,
nugbagbe eneawo kple amegãxoxo blaeve-vɔ-eneawo dze klo tsyɔ mo anyi ɖe Alẽvi
la ŋgɔ. Kasaŋku nɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe si eye sikagba si yɔ f•u kple
dzudzɔʋeʋẽdonu, esiwo nye amekɔkɔeawo ƒe gbedodoɖa la hã nɔ woƒe asime. 9
Wodzi ha yeye be,
“Wòe dze be nàʋu agbalẽ la
Eye nàɖe nutrenu adreawo ɖa,
Elabena wowu wò kpɔ
Eye nètsɔ wò ʋu ƒle amewoe na Mawu.
Tso to sia to, gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ,
Nutome ɖe sia ɖe kple dukɔ ɖe sia ɖe me.
10 Èwɔ wo be woanye fiaɖuƒewo
Kple Osɔfowo ne woasubɔ míaƒe Mawu la
Eye woaɖu fia le anyigba dzi.”
11 Tete mekpɔ eye mese mawudɔla gbogbo aɖewo ƒe gbe, esiwo ƒe xexlẽme
anye akpe akpewo kple akpe ewo teƒe akpe ewo. Woɖe to ƒo xlã fiazikpui la,
nugbagbe eneawo kple amegãxoxoawo.
12 Wole ha dzim kple gbe sesẽ be,
“Alẽvi si wowu la eyae dze
Be wòaxɔ ŋusẽ, kesinɔnu, nunya kple ŋutete
Bubu, ŋutikɔkɔe kpakple kafukafu.”
13 Esia megbe mese nugbagbe siwo katã le dziƒo, anyigba dzi, anyigba te
atsiaƒu me kpe ɖe nu siwo katã nɔ wo me la ŋuti nɔ ha dzim be,
“Alẽvi si nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi la tɔe nye
Kafukafu, bubu, ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ
Tso mavɔ me yi mavɔ me!.”
14 Nugbagbe eneawo gblɔ be, “Amen.” Tete amegãxoxo blaeve-vɔ-eneawo tsyɔ mo
anyi eye wosubɔe.

Nutrenuawo
6 Mekpɔ Alẽvi la wòʋu nutrenu adreawo ƒe gbãtɔ. Emegbe mese nugbagbe
eneawo dometɔ ɖeka gblɔ kple gbe si le abe dziɖegbe ene la be, “Va!” 2 Mekpɔ sɔ
ɣi aɖe le ŋgɔnye! Sɔdola la lé dati ɖe asi, wotsɔ fiakuku nɛ eye wòdo sɔ la do go dzo
abe kalẽtɔ si ɖoe kplikpa be yeaɖu dzi la ene.
3 Alẽvi la ɖe nutrenu evelia ɖa eye wòʋu agbalẽ evelia hã. Mese nugbagbe
evelia wògblɔ be, “Va!” 4 Tete sɔ bubu do go va, ebiã eye adã le mo nɛ. Wona ŋusẽ
edola be woaɖe ŋutifafa ɖa le anyigba dzi eye wòana amewo nawu wo nɔewo. Ale
wotsɔ yi gã aɖe de asi nɛ.
5 Esi Alẽvi la ɖe nutrenu etɔ̃lia ɖa la, mese nugbagbe etɔ̃lia wògblɔ be, “Va!”
Eye mekpɔ sɔ yibɔ aɖe, edola lé nudanu ɖe asi. 6 Mese nane si ɖi ame ƒe gbe le
nugbagbe eneawo dome le gbɔgblɔm be, “Bli agba ɖeka axɔ agbatedɔwɔlawo ƒe
ŋkeke ɖeka ƒe fetu eye lu agba etɔ̃ anye agbatedɔwɔlawo ƒe ŋkeke ɖeka ƒe fetu.
Mikpɔ egbɔ be miegblẽ ami kple wain dome o!”
7 Esi Alẽvi la ɖe nutrenu enelia ɖa la, mese nugbagbe enelia wògblɔ be,
“Va!” 8 Mekpɔ sɔ si ɖi ku ŋutɔ la le ŋkunyeme! Edola ŋkɔe nye Ku eye tsiẽƒe le
eyome kplikplikpli. Wona ŋusẽ wo ɖe anyigba ƒe mama enelia ƒe ɖeka dzi, be
woawu amewo kple yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ kpakple lã wɔadã siwo le anyigba dzi.
9 Esi Alẽvi la ɖe nutrenu atɔ̃lia ɖa la, mekpɔ vɔsamlekpui aɖe. Le
vɔsamlekpuia te la, mekpɔ ame siwo katã wowu ɖe Mawu ƒe nya la gbɔgblɔ kple
ɖaseɖiɖi anukwretɔe ta la ƒe luʋɔwo. 10 Wodo ɣli kple gbe sesẽ be, “Va se ɖe
ɣekaɣie Aƒetɔ Ŋusẽkatãtɔ, kɔkɔetɔ kple dzɔdzɔetɔ, nàdrɔ̃ ʋɔnu anyigbadzitɔwo eye
nàbia hlɔ̃ ɖe míaƒe ʋu ta?” 11 Tete wotsɔ awuʋlaya ɣi na wo dometɔ ɖe sia ɖe eye
wogblɔ na wo be woalala vie va se ɖe esime wo nɔvi kple dɔla bubuawo, ame siwo
hã woawu la ƒe xexlẽme nade eye abe ale si wònɔ na wo ene la nawu enu.
12 Mekpɔ Alẽvi la wòɖe nutrenu adelia ɖa. Enumake anyigba ʋuʋu sesῖe. Êe
ƒe keklẽ trɔ zu yibɔ abe avɔ si wolɔ̃ kple gbɔ̃fu yibɔ la ene. Nenema ke ɣleti hã biã
dzẽ abe ʋu ene, 13 eye ɣletiviwo le dziƒo ge va dze anyigba abe ale si gbotsetse siwo
tsi megbe la dudunae ne ya sesẽ aɖe ʋuʋu ati la ene. 14 Dziŋgɔlῖ gbugbɔ yi megbe
abe lãgbalẽ si woŋlɔ ene, eye to ɖe sia ɖe kple ƒukpo ɖe sia ɖe te ɖa le wo nɔƒe.
15 Tete anyigbadzifiawo, bubumewo, aʋafiawo, hotsuitɔwo, kalẽtɔwo kple
kluvi ɖe sia ɖe kpakple ablɔɖevi ɖe sia ɖe yi ɖaɣla wo ɖokuiwo ɖe agadowo me kple
agakpewo dome. 16 Wogblɔ na towo kple agakpewo bena, “Mimu dze mía dzi ne
miaɣla mí ɖa tso ame si nɔ fiazikpui la dzi la ƒe ŋkume kple Alẽvi la ƒe dɔmedzoe
helihelῖ la gbɔ, 17 elabena woƒe dɔmedzoeŋkeke gã la ɖo vɔ. Ame kae ate ŋu anɔ te
ɖe enu?”

Wotre ame akpe alafa ɖeka blaene-vɔ-ene nu
7 Le esia megbe la, mekpɔ mawudɔla ene wole tsitre ɖe anyigba ƒe dzogoe
eneawo dzi eye wona be ya eneawo magaƒo ato anyigba, atsiaƒu alo ati aɖeke dzi o.
2 Tete mekpɔ mawudɔla bubu tso ɣedzeƒe gbɔna eye wòlé Mawu gbagbe la ƒe
nutrenu ɖe asi. Eyɔ mawudɔla ene, ame siwo wo na ŋusẽe be woawɔ nuvevi anyigba
kple atsiaƒu la kple gbe sesẽ be, 3 “ Mègawɔ nuvevi aɖeke anyigba alo atsiaƒu loo
alo atiwo o, va se ɖe esime míatsɔ nutrenu aɖo ŋgɔnu na míaƒe Mawu la ƒe dɔlawo.”
4 Emegbe mese ame siwo wotsɔ nutrenu ɖo ŋgonu na la ƒe xexlẽme. Wole ame akpe
alafa ɖeka blaene-vɔ-ene, eye wo katã tso Israel ƒe toawo me.
5 Wotre ame akpe wuieve nu tso Yuda ƒe to la me:
ame akpe wuieve nu tso Ruben ƒe to la me,
ame akpe wuieve nu tso Gad ƒe to la me,
6 ame akpe wuieve nu tso Aser ƒe to la me, ame akpe wuieve nu tso Naflali ƒe to la
me, ame akpe wuieve nu tso Manase ƒe to la me, 7 ame akpe wuieve nu tso Simeon
ƒe to la me, ame akpe wuieve nu tso Levi ƒe to la me, ame akpe wuieve nu tso Isaka
ƒe to la me, 8 ame akpe wuieve nu tso Zebulon ƒe to la me, ame akpe wuieve nu tso
Yosef ƒe to la me, ame akpe wuieve nu tso Benyamin ƒe to la me.
Ameha gã si le awuʋlaya ɣi me
9 Le esia megbe la, mekpɔ ameha gã aɖe si womate ŋu axlẽ o la, le nye ŋkume.
Wotso dukɔ sia dukɔ, to sia to, ƒome ɖe sia ɖe kple gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe me. Wole
tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ le Alẽvi la ŋkume. Wodo awuʋlaya ɣiwo eye wolé
deʋayawo ɖe asi. 10 Wole ɣli dom kple gbe sesẽ be,
“Xɔname nye míaƒe Mawu la tɔ,
Ame si nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi,
kple Alẽvi la tɔ.”
11 Mawudɔlawo katã nɔ tsitre ƒo xlã fiazikpui la, amegaxoxoawo kple nugbagbe
eneawo. Wotsɔ mo tsyɔ anyi ɖe fiazikpui la ŋgɔ eye wosubɔ Mawu,
12 le gbɔgblɔm be,
“Amen.
Kafukafu kple ŋutikɔkɔe
Nunya, akpedada kple bubu
Kple ŋusẽ kpekple ŋutete
Nanye míaƒe Mawu la tɔ
Tso mavɔ me yi ma mavɔ me.
Amen!”
13 Tete amegaxoxoawo dometɔ ɖeka biam be, “Ame kawoe nye ame siawo
le awuʋlaya ɣi me eye afi ka wotso?”
14 Meɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, wòe nyae.”
Eye wògblɔ nam bena,
“Woawoe nye ame siwo do go tso xaxa gã la me. Wonya woƒe awuʋlayawo
eye wowɔ wo ɣie to Alẽvi la ƒe ʋu me. 15 Eya ta,
“Wole Mawu ƒe fiazikpui la ŋgɔ
Eye wosubɔnɛ le eƒe gbedoxɔ me zã kple keli
Eye ame si nɔ fiazikpuia dzi la
Akeke eƒe agbadɔ ɖe wo dzi.
16 Dɔ magawu wo akpɔ gbeɖe o
Tsikɔ hã magawu wo akpɔ gbeɖe o.
Êe magaɖu wo o
Alo ŋdɔkutsu nagaɖu wo o.
17 Elabena Alẽvi si le fiazikpui la titina
Anye woƒe kplɔla
Akplɔ wo ayi agbetsi dzidziwo gbɔe
Eye Mawu ŋutɔ atutu aɖatsi ɖe sia ɖe le wo ŋkume.”

Nutrenu adrelia ʋuʋu kple sikadzudzɔdosonu la
8 Esi wòʋu nutrenu adrelia la ɖoɖoe gã aɖe zi le dziƒo abe gaƒoƒo afã ene. 2
Eye mekpɔ mawudɔla adre siwo nɔ tsitre ɖe Mawu ŋkume eye wotsɔ kpẽ adre na
wo. 3 Mawudɔla bubu si lé sikadzoɖesonu ɖe asi la, hã va tsi tre ɖe vɔsamlekpui la
gbɔ. Wotsɔ dzudzɔʋeʋẽdonu geɖe nɛ be wòatsɔ akpe ɖe amekɔkɔeawo katã ƒe
gbedodoɖawo ŋu, atsɔ aɖo sikavɔsamlekpui si le fiazikpui la ŋgɔ dzi. 4
Dzudzɔʋeʋẽdonu la ƒe dzudzɔ kpe ɖe amekɔkɔeawo ƒe gbedodoɖa ŋu ɖo Mawu gbɔ
tso mawudɔla la ƒe asime. 5 Emegbe mawudɔla la tsɔ dzoɖesonu la ɖe asi, ɖe dzo tso
vɔsamlekpui la dzi kɔ ɖe eme, eye wotsɔe xlã ɖe anyigba. Tete sokpewo ge tso dziƒo,
dzi ɖe gbe, dzi ke dzo eye anyigba ʋuʋu.
Kpẽ adreawo kuku
6 Mawudɔla adre siwo wotsɔ kpẽ adreawo na la, nɔ klalo na wo kuku.
7 Mawudɔla gbãtɔ ku eƒe kpẽ la, tete tsikpe dza eye wotsɔ dzo, si wotɔtɔ kple
ʋu la kɔ ɖe anyigba. Tete anyigba ƒe mama etɔ̃lia ƒe akpa ɖeka fia. Atiwo hã ƒe
mama etɔ̃lia ƒe ɖeka fia. Nenema ke gbe damawo katã hã fia.
8 Mawudɔla evelia ku eƒe kpẽ eye wotsɔ nane si lolo abe to ene eye wole
bibim la ƒu gbe ɖe atsiaƒu me. Atsiaƒu la ƒe mama etɔ̃lia ƒe ɖeka trɔ zu ʋu 9
Nugbagbe siwo katã le atsiaƒua me la, ƒe mama etɔ̃liawo ƒe ɖeka ku eye tɔdziʋu siwo
katã nɔ atsiaƒua dzi la ƒe mama etɔ̃lia ƒe ɖeka hã tsrɔ̃.
10 Mawudɔla etɔ̃lia ku eƒe kpẽ la, eye ɣletivi gã aɖe si le bibim abe akakati
gã aɖe ene la, ge tso dziƒo va dze tɔsisiwo kple tsivudowo memama etɔ̃lia ƒe ɖeka
dzi, 11 ke ɣletivi sia ŋkɔe nye “Veve”. Ale tsiwo katã ƒe memama etɔ̃lia ƒe ɖeka trɔ
zu tsi veve. Ale ame geɖewo ku to tsi veve sia nono me.
12 Mawudɔla enelia ku eƒe kpẽ la. Tete wotsɔ nu xe ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo
ƒe mama etɔ̃lia ƒe ɖeka ŋkume eye viviti do. Ale ŋkeke ƒe mama etɔ̃lia ƒe ɖeka
mekpɔ kekeli o, eye nenema ke zã ƒe mama etɔ̃lia ƒe ɖeka hã mekpɔ kekeli o.
13 Esi mele nu siawo kpɔm la, mese hɔ̃ aɖe si nɔ dzodzom le yame la gblɔ
kple gbe gã aɖe be, “Babaa! Babaa! Babaa na anyigbadzinɔlawo le kpẽ siwo
mawudɔla etɔ̃ mamlɛawo ava ku la ta!”

9 Mawudɔla atɔ̃lia ku eƒe kpẽ la eye mekpɔ ɣletivi si ge tso dziƒo va dze
anyigba dzi la, wotsɔ ʋe globo la ƒe safui na ɣletivi sia. 2 Esi wòʋu nu le ʋe globoa
nu la, dzudzɔ do tso eme abe abolokpo gã aɖe mee dzudzɔ le dodom le ene. Dzudzɔ
gã la na be ɣe kple dziŋgɔlῖ do viviti. 3 Ûetsuviwo ƒe ha gã aɖe do go tso dzudzɔ la
me va anyigba dzi eye wona ŋusẽ wo be woawɔ nu abe ahɔ̃ siwo le anyigba dzi la
ene. 4 Wode se na wo be womagagblẽ gbe siwo le anyigba dzi loo alo numiemie alo
atiwo o, ke boŋ woagblẽ ame siwo Mawu ƒe nutrenu mele ŋgonu na o. 5 Womena
ŋusẽ wo be woawu wo o ke boŋ be woawɔ funyafunya wo dzinu atɔ̃. Ale fukpekpe
si me woto la nɔ abe ale si ame si ahɔ̃ te la sea vevee ene. 6 Le ŋkeke mawo me la,
amewo adi ku gake womakpɔe o. Ku adzro wo vevie gake ku asi abu ɖe wo.
7 Ûetsuviawo ƒe dzedzeme le abe sɔ siwo bla akpa hena aʋayiyi ene. Woɖɔ
nane ɖe ta si le abe sikafiakuku ene eye woƒe mowo ɖi amegbetɔwo tɔ. 8 Woƒe ɖa le
abe nyɔnuwo ƒe ɖa ene, eye woƒe aɖuwo le abe dzatawo tɔ ene. 9 Wodo
akɔtakpoxɔnu siwo le abe gayibɔkɔtakpoxɔnuwo ene eye woƒe aʋalawo ƒe hoowɔwɔ
le abe sɔwo kple tasiaɖamwo ƒe hoowɔwɔ ne wol• ɖe aʋa me la ene. 10 Asiketiwo
kple tiwo le wo si abe ahɔ̃wo tɔ ene eye ŋusẽ le woƒe asiketiwo me be woawɔ
funyafunya amewo hena ɣleti atɔ̃. 11 Woƒe fiae nye mawudɔla si le ʋe globo la dzi
kpɔm, ame si ƒe ŋkɔe nye Abadon le Hebrigbe me kple Apolion le Grikgbe me.
12 Babaadodo gbãtɔ nu va yi eye babaadodo eve bubuawo le mɔ dzi gbɔna.
13 Mawudɔla adelia ku eƒe kpẽ la. Tete mese gbe aɖe tso sikavɔsamlekpui si
nɔ Mawu ŋkume la ƒe lãdzowo gbɔ. 14 Gbe la gblɔ na mawudɔla adelia si lé kpẽ la
ɖe asi la bena, “Ðe ga mawudɔla ene, siwo wobla da ɖe Frat tɔsisi gã la to.” 15 Ale
woɖe ga mawudɔla ene siwo wodzra ɖo ɖi na gaƒoƒo vevi, ŋkeke vevi, dzinu vevi
kple ƒe vevi sia be woayi aɖawu amegbetɔƒomea ƒe mama etɔ̃lia ƒe ɖeka. 16 Asrafo
siwo do sɔ la, ƒe xexlẽme anɔ miliɔn eve. Nye ŋutɔ mese woƒe xexlẽme.
17 Sɔ kple sɔdola siwo mekpɔ le nye ŋutega me la ƒe dzedzeme nɔ ale: Woƒe
akɔtakpoxɔnu biã hẽ abe dzo ene; ɖewo nɔ blɔ eye ɖewo hã ɖi aŋutiɖiɖi abe sulfakpe
ene. Sɔawo ƒe tawo ɖi dzatawo ƒe ta eye dzo, dzudzɔ kple sulfakpe do tso woƒe
nuwo me. 18 Dzo ƒe dɔvɔ̃, dzudzɔ kple sulfakpe si do go tso sɔwo ƒe nume la, wu
amegbetɔƒomea ƒe mama etɔ̃lia ƒe ɖeka 19 Sɔawo ƒe ŋusẽ le woƒe nuwo kple
asiketiawo me elabena woƒe asiketiwo le abe dawo ene eye ta li na asiketiawo, esiwo
wotsɔna dea abi amewo ŋui.
20 Amegbetɔƒomea si susɔ, ame siwo dɔvɔ̃ siawo mewu o la, gbe tɔtrɔ le
woƒe asiwo ƒe nu tovowo wɔwɔ me. Wogbe be yewomaɖe asi le gbɔgbɔ vɔ̃wo
subɔsubɔ, sika, klosalo, akɔbli, kpe kple atilegba siwo metea ŋu kpɔa nu, sea nu loo
alo zɔna la subɔsubɔ ŋuti o. 21 Nenema ke wometrɔ le woƒe amewuwu, afakaka,
ahasiwɔwɔ alo fififi yome o.

Mawudɔla kple agbalẽ sue la
10 Tete mekpɔ mawudɔla triakɔ bubu wòtso dziƒo gbɔna. Alilῖkpo nye awuɣlaya
wòdo eye anyieʋɔ le eƒe ta dzi, eƒe mo le abe ɣe ene eye eƒe afɔwo le abe dzosɔtiwo
ene. 2 Elé agbalẽ sue aɖe ɖe asi, esi le ʋuʋu le eƒe asiƒome. Etsɔ eƒe ɖusifɔ da ɖe
atsiaƒu me tsɔ eƒe miafɔ da ɖe anyigba dzi, 3 eye wòdo ɣli sesẽ aɖe abe dzata ƒe
gbeɖeɖe ene. Esi wòdo ɣlia la, dziɖegbe adreawo ƒe gbe ɖi. 4 Esi dziɖegbe adreawo
ƒo nu la, menɔ klalo be maŋlɔ nu gake mese gbe aɖe tso dziƒo gblɔ nam be, “Tre nu
si dziɖegbe adreawo gblɔ la nu eye mègaŋlɔe da ɖi o.”
5 Ke mawudɔla si mekpɔ wònɔ tsitre ɖe atsiaƒu me kple anyigba dzi la, do eƒe
ɖusibɔ ɖe dziƒo, 6 eye wòyɔ eya ame si nɔ agbe tegbetegbe, ame si wɔ dziƒowo kple
nu siwo katã le wo me, anyigba kple nu siwo le edzi kple atsiaƒu kpakple nu siwo
katã le eme la ƒe ŋkɔ heka atam bena, “Heheɖemegbe aɖeke maganɔ anyi o! 7 Gake
le ŋkeke siwo me mawudɔla adrelia aku eƒe kpẽa la, Mawu ƒe nu ɣaɣla la ava eme
abe ale si ko wòɖe gbeƒãe na eƒe dɔla nyagblɔɖilawoe ene.”
8 Esi gbe si mese tso dziƒo gaƒo nu nam la, egblɔ nam be, “Heyi nàxɔ agbalẽ
si le ʋuʋu le mawudɔla si le tsitre ɖe atsiaƒu me kple anyigba dzi la ƒe asime.”
9 Ale meyi ɖe mawudɔla la gbɔ eye mebiae be wòatsɔ agbalẽ sue la nam.
Egblɔ nam be, “Xɔe eye nàɖui. Atrɔ azu nu veve le wò dɔme, gake le wò nume ya
avivi abe anyitsi ene.” 10 Mexɔ agbalẽ sue la le mawudɔla la si eye meɖui. Evivi le
nye nume abe anyitsi ene ke esi meɖui vɔ la, etrɔ zu nu veve le nye dɔme. 11 Eyi
edzi gblɔ nam be, “Ele na wò be nàgagblɔ nya ɖi tso ame geɖewo, dukɔwo,
gbegbɔgblɔwo kple fiawo ŋuti.”

Dasefo eveawo
11 Wotsɔ aƒla si le abe nudzidzenu ene la nam eye wogblɔ nam be, “Yi,
nàdzidze Mawu ƒe gbedoxɔ la kple vɔsamlekpui la eye nàxlẽ mawusubɔ la siwo le
afi ma. 2 Ke ɖe xɔxɔnu gotatɔ le eme mègadzidzee o, elabena wotsɔe na Helatɔwo.
Woanya avuzi le du kɔkɔe la dzi ɣleti blaene-vɔ-ene sɔŋ, 3 mana ŋusẽ nye ɖasefo
eveawo eye woata akpanya agblɔ nya ɖi hena ŋkeke akpe ɖeka alafa eve blaade.” 4
Esiawoe nye amiti eve kple akaɖiti eve siwo le tsitre ɖe anyigba la ƒe Aƒetɔ la
ŋkume. 5 Ne ame aɖe dze agbagba be yeawɔ nuvevi wo la, dzo dona le woƒe nume
hefiaa woƒe futɔwo. Aleae ame si di be yeawɔ nuvevi wo la akui. 6 Ŋutsu siawo la,
ŋusẽ le wo si be woatu dziŋgɔlῖ ale be tsi magadza le ɣeyiɣi si me wole nya gblɔm
ɖi o, ŋusẽ le wo si be woatrɔ tsiwo woazu ʋu eye woada dɔvɔ̃ ƒomevi vovovowo ɖe
anyigba dzi zigbɔzi ale si wolɔ̃.
7 Azɔ ne wowu woƒe ɖaseɖiɖi nu la, lã si ado tso ʋe globo la me la, ava wɔ
avu kpli wo, aɖu wo dzi eye wòawu wo. 8 Woƒe ŋutilã kukuawo amlɔ du gã la ƒe
mɔtatawo dzi, du gã si wona ŋkɔe le nyamenya nu be Sodom kple Egipte, afi si
woklã woƒe Aƒetɔ ɖe ati ŋu le. 9 Hena ŋkeke etɔ̃ kple afã la, amewo tso ƒome ɖe sia
ɖe, to ɖe sia ɖe, gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe kple dukɔ ɖe sia ɖe me akpɔ woƒe ŋutilã
kukuawo, eye woagbe be yewomaɖi wo o. 10 Anyigbadzinɔlawo akpɔ
dziɖuɖudzidzɔ ɖe wo dzi eye woaɖu azã, aɖo nunanawo ɖe wo nɔewo elabena
nyagblɔɖila eve siawo wɔ funyafunya anyigbadzinɔlawo.
11 Ke le ŋkeke etɔ̃ kple afã la megbe la, agbegbɔgbɔ tso Mawu gbɔ ge ɖe
ame kukuawo me, wotsi tsitre eye ŋɔdzi gã aɖe lé ame siwo kpɔ wo. 12 Tete wose
gbe gã aɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm be, “Va dzime le afii.” Ale woyi dziƒo le
alilῖkpowo me esi woƒe futɔwo flɔ ŋku ɖe wo dzi.
13 Le gaƒoƒo ma ke me la, anyigba Ûuʋu ŋɔdzitɔe eye du la ƒe mama ewolia
dometɔ ɖeka mu dze anyi; ame akpe adre tsrɔ̃ le anyigbaʋuʋu la me. Ke ŋɔdzi lé
agbetsilawo eye wotsɔ ŋutikɔkɔe na dziƒo Mawu la. 14 Babaadodo evelia nu va yi ke
etɔ̃lia gbɔna kpuie.
Kpẽ adrelia kuku
15 Mawudɔla adrelia ku eƒe kpẽ eye gbe sesẽ aɖewo ɖi le dziƒonutowo me bena,
“Xexeame ƒe fiaɖuƒe la zu míaƒe Aƒetɔ kple eƒe Kristo la ƒe fiaɖuƒe, eye wòaɖu fia
tso mavɔ me yi mavɔ me.”
16 Eye amegaxoxo blaeve-vɔ-eneawo, ame siwo nɔ woƒe fiazikpuiwo dzi le
Mawu ŋkume la tsyɔ mo anyi eye wosubɔ Mawu, 17 le gbɔgblɔm bena, “O Aƒetɔ
Mawu, Ŋusẽkatãtɔ, míeda akpe na wò, wò ame si li fifia eye nènɔ anyi kpɔ elabena
exɔ wò ŋusẽ triakɔ la eye nèdze dziɖuɖu gɔme. 18 Dukɔwo le nyanyram eye wò
dziku ɖiɖi va. Êeyiɣi de be woadrɔ̃ ʋɔnu kukuawo eye woatu fe na wò dɔla,
nyagblɔɖilawo, wò amekɔkɔeawo kple ame siwo dea bubu wò ŋku ŋuti, ame
gblɔewo kple ame gãwo siaa. Nenema ke míeda akpe na wò be nètsrɔ̃ ame siwo tsrɔ̃
anyigba la.”
19 Emegbe woʋu Mawu ƒe gbedoxɔ le dziƒo eye wokpɔ Mawu ƒe
nubablaɖaka le eƒe gbedoxɔ me. Tete dzi ke dzo, dzi ɖe gbe, sokpewo ge, anyigba
ʋuʋu eye kpetsi gã aɖe dza.

Nyɔnu la kple ʋɔ driba la
12 Dzesi gã wɔnuku aɖe dze le dziƒo. Nyɔnu aɖe si ta ɣe abe avɔ ene, ɣleti le eƒe
afɔ te eye wòɖɔ fiakuku si ŋu ɣletivi wuieve le la va do. 2 Fu nɔ eƒo eye wònɔ ɣli
dom esi wònɔ ku lém be yeadzi vi. 3 Emegbe dzesi bubu gadze le dziƒo, ʋɔ driba,
gã, dzẽ aɖe si to ta adre, dzo ewo eye fiakuku adre le tawo nɛ la, va do. 4 Eƒe asiketi
kplɔ ɣletivi siwo le dziŋgɔlῖ ŋu la ƒe mama etɔ̃lia ƒe ɖeka eye wòhe wo ƒu gbe ɖe
anyigba. Ûɔ driba la nɔ tsitre ɖe nyɔnu si nɔ ku lém la ŋkume eye wòle klalo be
yeavuvu vidzῖ si nyɔnua adzi 5 Nyɔnu la dzi ŋutsuvi, ame si ava ɖu dukɔwo katã dzi
kple gatikplɔ. Tete woxɔ ɖevi la le esi kaba tsɔ yi ɖe Mawu kple eƒe fiazikpui la
gbɔe. 6 Emegbe nyɔnu la si yi gbedzi ɖe teƒe si Mawu dzra ɖo ɖi nɛ afi si woakpɔ
eta le hena ŋkeke akpe ɖeka alafa eve blaade. 7 Eye aʋa dzɔ le dziƒo. Mikael kple
eƒe mawudɔlawo wɔ aʋa kple ʋɔ driba la eye ʋɔ driba la kple eƒe dɔlawo hã wɔ aʋa
kpli wo. 8 Ke ʋɔ driba la ƒe ŋusẽ metri akɔ o ale wobu woƒe nɔƒe le dziƒo. 9 Wotsɔ
ʋɔ driba gã la, da xoxo si woyɔna be gbɔgbɔ vɔ̃ alo Satana, ame si kplɔ xexeame
katã trae la ƒu gbe. Wotsɔ eya ŋutɔ kple eƒe dɔlawo ƒu gbe ɖe anyigba.
10 Tete mese gbe sesẽ aɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm be, “Azɔ ko míaƒe Mawu la
ƒe ɖeɖe, ŋusẽ kple fiaɖuƒe la kpakple eƒe Kristo ƒe dziɖuɖu ƒe ŋusẽ la va ɖo; elabena
wotsɔ mía nɔviawo nutsola, ame si nɔa wo nu tsom zã kple keli le Mawu ŋkume la
ƒu gbe ɖe anyigba. 11 Woɖu edzi to Alẽvi la ƒe ʋu kple woƒe ɖaseɖiɖi me. Womelɔ̃
woƒe agbe nenema gbegbe be woayi sisi ge le ku nu o. 12 Eya ta dzi nedzɔ mi, mi
dziƒowo kple mi ame siwo nɔ wo me! Ke babaa na anyigba kple atsiaƒu elabena
Satana ɖi va mia gbɔ! Dzi le ekum vevie elabena enyae be yeƒe ɣeyiɣi la le kpuie.”
13 Esi ʋɔ driba la kpɔ be wotsɔ ye ƒu gbe ɖe anyigba la, eti nyɔnu si dzi
ŋutsuvi la yome. 14 Wotsɔ hɔ̃ gã aɖe ƒe aʋala eveawo na nyɔnu la ale be wòate ŋu
adzo ayi ɖe teƒe si wodzra ɖo ɖi nɛ le gbedzi, afi si woakpɔ eta le hena ɣeyiɣi aɖe,
ɣeyiɣiwo kple ɣeyiɣi afã le afi si ʋɔ driba la mate ŋu ade o. 15 Tete ʋɔ driba la tu tsi
to eƒe nume esi ɖuɖu abe tɔsisi ene ne wòaɖɔ alé nyɔnu la eye tɔsisi la nakplɔe
adzoe. 16 Ke anyigba la kpe ɖe nyɔnu la ŋu esi wòke eƒe nu hemi tɔsisi si ʋɔ driba la
tu to eƒe nume. 17 Dzi ku ʋɔ driba la vevie ɖe nyɔnu la ŋu eye wòyi be yeaɖawɔ aʋa
kple eƒe dzidzimevi mamlɛawo, ame siwo ɖoa to Mawu kple eƒe sededewo eye wolé
Yesu me ʋuʋu me ɖe asi sesῖe.

Lã wɔadã si do go tso atsiaƒu me
13 Ale ʋɔ driba la nɔ tsitre ɖe atsiaƒua to. Tete mekpɔ lã wɔadã aɖe wodo go tso
atsiaƒu me gbɔna. Eto dzo ewo kple ta adre; fiakuku ewo nɔ dzoawo dzi eye woŋlɔ
busuŋkɔwo ɖe ta adreawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. 2 Lã wɔadã si mekpɔ la ɖi lãkle gake
eƒe afɔwo nɔ abe sisiblisi tɔwo ene eye eƒe nu le abe dzata tɔwo ene. Ûɔ driba la tsɔ
eƒe ŋusẽ, fiazikpui kple dziɖuɖuŋusẽ na lã wɔadã la. 3 Edze abe lã wɔadã la ƒe tawo
dometɔ ɖeka ɖe wòxɔ abi vevie ene gake abi gã si wòxɔ la ku. Xexeame katã ƒe nu
ku eye wodze lã wɔadã la yome. 4 Amewo subɔ ʋɔ drῖba la elabena etsɔ dziɖuɖu ƒe
ŋusẽ na lã wɔadã la, eye wosubɔ lã wɔadã la hã hebia be, “Ame kae le abe lã wɔadã
la ene? Ame kae ate ŋu awɔ aʋa kplii?”
5 Wona nu lã wɔadã la be wòagblɔ adegbeƒonyawo kple busunyawo eye be
wòaɖu dzi hena ɣleti blaene-vɔ-ene. 6 Eke eƒe nu be yeagblɔ busunya ɖe Mawu ŋu
eye yeaƒo ɖi eƒe ŋkɔ, eƒe nɔƒe kple ame siwò katã li kplii le dziƒo. 7 Wona ŋusẽe be
wòawɔ aʋa kple amekɔkɔeawo eye woaɖu wo dzi. Nenema kee wona dziɖuɖuŋusẽe
ɖe to sia to, ƒome sia ƒome, gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kple dukɔ sia dukɔ dzi. 8
Anyigbadzitɔwo katã asubɔ lã wɔada la, ame siwo ƒe ŋkɔwo womeŋlɔ ɖe Alẽvi si
wowu tso xexeame ƒe gɔmedzedze ke la ƒe agbegbalẽ la me o.
9 Ame si to senu li na la, nesee.
10 Ne ame aɖe ayi aboyome la, aboyomee wòayi. Ne woawu ame aɖe kple yi
la, yie woatsɔ awui. Esia hiã na dzigbɔɖi le dzidodo me kple nuteƒewɔwɔ le
amekɔkɔeawo ƒe akpa dzi.
Lã wɔadã si do go tso anyigba ƒe tume
11 Eye mekpɔ lã wɔadã bubu wònɔ dodom tso anyigba ƒe tume. Eto dzo eve abe
agbovi ene gake enɔ nu ƒom abe ʋɔ driba ene. 12 Ewɔ lã wɔadã gbãtɔ ƒe
dziɖuɖuŋusẽwo katã ŋutidɔ ɖe lã wɔadã gbãtɔ teƒe eye wòna be anyigba kple
edzinɔlawo katã nasubɔ lã wɔadã gbãtɔ, ame si ƒe kubi wowɔ wòku. 13 Ewɔ dzesi
kple nukunu gãwo eye wòna be dzo gɔ̃ hã ge tso dziƒo va dze anyi le amewo ƒe
ŋkume. 14 Le ŋusẽ si wonɛ be wòawɔ nukunuwo ɖe lã wɔadã gbãtɔ teƒe ta la, eble
anyigbadzitɔwo katã. Ede se na wo be woali legba abe bubudede lã wɔadã si ŋu
wode abi kple yi eye wògale agbe la ŋu ene. 15 Wona ŋusẽe be woade gbɔgbɔ lã
wɔadã gbãtɔ ƒe legba me ale be legba la nate ŋu aƒo nu eye be woawu ame siwo katã
gbe be yewomasubɔ lã wɔadã la ƒe legba o. 16 Nenema kee wòzi ame sia ame,
suewo kple gãwo, kesinɔtɔwo kple ame dahewo, ablɔɖeviwo kple kluviwo dzi be
woade dzesi woƒe nuɖusibɔ alo woƒe ŋgonu, 17 ale be ame aɖeke mate ŋu aƒle nu alo
adzra nu o negbe ɖe ko wòxɔ dzesi si nye lã wɔadã la ƒe ŋkɔ, alo xexlẽme si nye eƒe
ŋkɔ.
18 Esia hiã nunya. Ne sidzedze le ame aɖe si la, nebu akɔnta le xexlẽme dzesi
si nye lã wɔadã la ƒe ŋkɔ ŋuti, elabena enye ame ƒe xexlẽme ƒe dzesi. Eƒe xexlẽme ƒe
dzesie nye alafa ade blaade-vɔ-ade.

Alẽvi la kple ame akpe alafa ɖeka blaene-vɔ-ene
14 Kasia mekpɔ Alẽvi la le ŋkunyeme. Enɔ tsitre ɖe Zion to dzi eye ame akpe
alafa ɖeka blaene-vɔ-ene, ame siwo ƒe ŋgowo nu woŋlɔ eŋkɔ kple Fofoa tɔ ɖo la nɔ
tsitre ɖe egbɔ. 2 Mese gbe aɖe tso dziƒo abe tsi geɖewo ƒe howɔwɔ alo dzi ƒe
gbeɖeɖe ene. Gbe si mese la, nɔ abe kasaŋkuƒolawoe nɔ woƒe kasaŋkuwo ƒom ene. 3
Tete wodzi ha yeye le fiazikpui la ŋgɔ kple nugbagbe eneawo kpakple
amegãxoxoawo ƒe ŋkume. Ame aɖeke mete ŋu srɔ̃ ha la o negbe ame akpe alafa
ɖeka blaene-vɔ-ene, ame siwo woɖe tso anyigbadzi la ko. 4 Ame siawoe nye ame
siwo meƒo ɖi wo ɖokuiwo kple nyɔnunya o elabena wowɔ wo ɖokuiwo kɔkɔe.
Wokplɔa Alẽvi la ɖo afi sia afi si wòyina. Woƒle wo tso amegbetɔwo dome eye
wotsɔ wo na Mawu kple Alẽvi la abe nukuwo ƒe gbãtɔwo ene. 5 Womekpɔ alakpa
aɖeke le woƒe nume o elabena wonye mokakamanɔŋutɔwo.
Mawudɔla etɔ̃awo kple woƒe gbedeasiwo
6 Tete mekpɔ mawudɔla bubu wònɔ dzodzom le yame eye nyanyui mavɔ la le esi ne
wòaɖe gbeƒãe na ame siwo le anyigba dzi, na dukɔ ɖe sia ɖe, to ɖe sia ɖe gbe gbɔ
gblɔ ɖe sia ɖe kple ƒome ɖe sia ɖe. 7 Egblɔ kple gbe gã aɖe be, “Mivɔ̃ Mawu eye
mitsɔ ŋutikɔkɔe nɛ elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe gaƒoƒo la va ɖo. Misubɔ eya ame si wɔ
dziƒowo, anyigba, atsiaƒu kple tsidzidziwo.”
8 Mawudɔla evelia kplɔe ɖo le ɣli dom be, “Womui! Womu Babilonia Gã la,
Babilonia si na dukɔwo no eƒe ahasiwɔwɔ ƒe dɔmedzoewain la.”
9 Mawudɔla etɔ̃lia kplɔ wo ɖo le gbɔgblɔm kple gbe gã aɖe be, “Ne ame aɖe
asubɔ lã wɔadã la kple eƒe legba eye wòaxɔ eƒe dzesi ɖe ŋgonu alo eƒe asi ŋuti la, 10
eya hã ano Mawu ƒe dɔmedzoe ƒe wain si wokɔ ɖe Mawu ƒe dziku helihelῖ ƒe kplu la
me wòyɔ banaa. Woawɔ funyafunyae kple aŋɔdzo le mawudɔla kɔkɔeawo kple Alẽvi
la ŋkume. 11 Eye woƒe fuwɔame ƒe dzudzɔ atu ayi dzime tso mavɔ me yi mavɔ me.
Dzudzɔ aɖeke meli na ame siwo subɔ lã wɔadã la kple eƒe legba la zã kple keli o alo
na ame si xɔ eƒe ŋkɔ ƒe dzesi ɖe eƒe ŋgonu o.” 12 Esia hiã dzigbɔɖi le dzidodo me le
ame kɔkɔeawo ƒe akpa dzi, ame siwo wɔa Mawu ƒe sededewo dzi eye wonɔa
nuteƒewɔwɔ, dzi na Yesu.
13 Ke mese gbe aɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm be, “Ŋlɔ be, ‘Woayra ame siwo ku
le Aƒetɔ la me tso azɔ dzi heyina’.” Ẽ, gbɔgbɔ la le gbɔgblɔm be, “woadzudzɔ tso
woƒe dɔwɔwɔwo me elabena woƒe nuwɔnawo adze wo yome.”
Xexeame ƒe nuŋeɣi la do
14 Tete mekpɔ alilῖkpo ɣi aɖe le nye ŋkume eye ame aɖe si le abe, “amegbetɔvi la
ene” la bɔbɔ nɔ anyi ɖe alilῖkpo la dzi. Sikafiakuku le ta nɛ eye wòlé hɛ gobe ɖaɖe
ɖe asi. 15 Kasia mawudɔla bubu do go tso gbedoxɔ la me eye wòdo ɣli kple gbe sesẽ
gblɔ na ame si nɔ anyi ɖe alilῖkpo la dzi gblɔ bena, “Tsɔ wò hɛ gobe la eye nàxa nu
elabena nuŋeɣi ɖo eye anyigba ƒe nukuwo ɖi hena xaxa.” 16 Ale ame si nɔ alilῖkpoa
dzi la, nye eƒe hɛ gobe la ɖe anyigba blibo la tame, ale wòxa nukuwo le anyigba la
dzi.
17 Mawudɔla bubu do go tso gbedoxɔ si le dziƒo la me. Hɛ gobe ɖaɖe nɔ eya
hã sime. 18 Mawudɔla bubu kplɔ eya hã ɖo; eyae nye ame si kpɔa dzo la dzi. Edo go
tso vɔsamlekpui la me eye wògblɔ na ame si lé hɛ gobe ɖaɖe la ɖe esi la kple gbe
sesẽ aɖe be, “Tsɔ wò hɛ gobe ɖaɖe la eye nàxa wainkpowo le anyigba ƒe wainkawo
ŋu elabena eƒe waintsetseawo ɖi.” 19 Mawudɔla la nye eƒe hɛ gobe la ɖe anyigba dzi
eye wòxa eƒe waintsetsewo hetsɔ wo trɔ ɖe Mawu ƒe dɔmedzoe ƒe wainfiaƒe gã la. 20
Wonya avuzi le wo dzi le wainfiaƒe la le du la godo, ʋu si tso wainfiaƒe la eye eƒe
kɔkɔme anɔ abe sɔ si wobla akpa na la ene; afi si ke wòsi ɖo la anɔ abe kilomita
alafa etɔ̃ ene.

Mawudɔla adreawo kple dɔvɔ̃ adreawo
15 Eye mekpɔ dzesi gã, wɔnuku bubu le dziƒo: mawudɔla siwo lé dɔvɔ̃ adre
mamlɛawo ɖe asi, mamlɛawo elabena woawoe wu Mawu ƒe dɔmedzoe la nu. 2 Azɔ
la mekpɔ nane si le abe ahuhɔ̃etsiaƒu si wotɔtɔ kple dzo la ene eye ame siwo ɖu lã
wɔadã la, eƒe legba kple eƒe ŋkɔ ƒe xexlẽmedzesi dzi la le tsitre ɖe atsiaƒua to. Wolé
kasaŋku siwo Mawu tsɔ na wo la ɖe asi, 3 eye wodzi, Mose, Mawu ƒe dɔla ƒe ha
kple Alẽvi la ƒe ha be,
“Aƒetɔ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ,
Wò nuwɔnawo lolo eye wowɔ nuku.
Blemafia,
Wò mɔwo le dzɔdzɔe eye wonye nyateƒe.
4 O Aƒetɔ, ame kae mavɔ̃ wò,
Eye wòatsɔ ŋutikɔkɔe ana wò ŋkɔ o?
Elabena wò koe le kɔkɔe
Dukɔwo katã ava
Eye woasubɔ wò
Elabena woɖe wò nudzɔdzɔewɔwɔwo fia.”
5 Le esia megbe la, mekpɔ gbedoxɔ si le dziƒo, si nye ɖaseɖiɖi ƒe agbadɔ
wònɔ ʋuʋu. 6 Mawudɔla adre siwo lé dɔvɔ̃ adreawo ɖe asi la, do go tso gbedoxɔ la
me. Wodo aklala biɖibiɖi ƒe awu dzadzɛwo eye wotsɔ sikalidziblanu tso gae ɖe
akɔta. 7 Tete nugbagbe eneawo dometɔ ɖeka tsɔ sikagba adre siwo yɔ f•u kple
Mawu ƒe dɔmedzoe helihelῖ, Mawu si le agbe tegbetegbe la, na mawudɔla adreawo,
8 eye gbedoxɔ la me yɔ f•u kple dzudzɔ si tso Mawu ƒe ŋutikɔkɔe kple eƒe ŋusẽ gbɔ.
Ame aɖeke mete ŋu age ɖe gbedoxɔa me o va se ɖe esime mawudɔla adreawo ƒe
dɔvɔ̃ adreawo nu va yi.

Mawu ƒe dɔmedzoekplu adreawo
16 Eye mese gbe gã aɖe tso gbedoxɔ la me le gbɔgblɔm na mawudɔla adreawo
bena, “Miheyi ne miatrɔ Mawu ƒe dɔmedzoekplu adreawo akɔ ɖe anyigba dzi.” 2
Mawudɔla gbãtɔ yi ɖatrɔ eƒe kplu kɔ ɖe anyigba dzi eye dɔvɔ̃ la na be abi makumaku
kple abi si naa wosea veve la, kaka ɖe ame siwo xɔ lã wɔadã la ƒe dzesi eye wosubɔ
eƒe legba la dome.
3 Mawudɔla evelia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe atsiaƒu dzi eye wòtrɔ zu ʋu, ʋu si le
abe ame kuku tɔ ene eye nugbagbe ɖe sia ɖe ku le atsiaƒu la me. 4 Mawudɔla etɔ̃lia
trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe tɔsisiwo kple tsidzidziwo dzi eye woawo hã trɔ zu ʋu. 5 Tete
mese mawudɔla si kpɔa tsinyawo dzi la gblɔ bena,
“Wò la, wò ʋɔnudɔdrɔ̃ siawo le eteƒe,
Wò, kɔkɔetɔ si li fifia eye nènɔ anyi kpɔ
Wò afiatsotsowo le eteƒe.
6 Elabena, wokɔ wò amekɔkɔewo kple wo nyagblɔɖilawo ƒe ʋu ɖe anyi
Eye nèkpe ʋu na wo be woano
Abe ale si dze wo ene.”
7 Mese vɔsamlekpui la ɖo eŋu be,
“Ẽ, Aƒetɔ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ, wò ʋɔnudɔdrɔ̃wo nye nyateƒe eye wole dzɔdzɔe.”
8 Mawudɔla enelia trɔ eƒe kplu la ɖe ɣe dzi eye wona ŋusẽ ɣe la be wòatsɔ
dzo ƒe ŋusẽ aɖu amewoe. 9 Êe la ɖu wo vevie ale gbegbe be woƒo fi de Mawu ƒe
ŋkɔ, ame si kpɔ ŋusẽ ɖe dɔvɔ̃ siawo dzi. Ke wogbe be yewomatrɔ dzime atsɔ
ŋutikɔkɔe anɛ o.
10 Mawudɔla atɔ̃lia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe lã wɔadã la ƒe fiazikpui dzi eye viviti
nye tsyɔ eƒe fiaɖuƒe la. Amewo ɖu aɖe le vevesese ta, 11 eye woƒo fi de Dziƒomawu
la le woƒe vevesesewo kple abi siwo woxɔ la ta. Gake wogbe be yewomatrɔ le
yewoƒe nuwɔnawo yome o.
12 Mawudɔla adelia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe Frat tɔsisi gã la dzi eye emetsi la
katã mie, ne wòadzra mɔ ɖo na ɣedzeƒefiawo. 13 Tete mekpɔ gbɔgbɔ makɔmakɔ etɔ̃
siwo ɖi akpɔkplɔwo. Wodo go tso ʋɔ driba la ƒe nume kple lã wɔadã la ƒe nume,
kpakple aʋatsonyagblɔɖila la ƒe nume. 14 Wonye gbɔgbɔ vɔ̃, siwo le nukunuwo wɔm
eye wodona yina ɖe xexemefiawo gbɔ ne woaƒo wo nu ƒu hena aʋawɔwɔ le Mawu
Ŋusẽkatãtɔ la ƒe ŋkeke gã la dzi.
15 “Kpɔ ɖa, megbɔna abe fiafitɔ ene! Woayra ame si le ŋudzɔ eye eƒe awuwo
gale esi ale be masi adzo amamae eye wòaɖe eƒe ŋukpeƒe ɖe go o.”
16 Tete woƒo fiawo katã nu ƒu ɖe teƒe aɖe si woyɔna le Hebrigbe me be
Armagedon.
17 Mawudɔla adrelia tsɔ eƒe kplu la trɔ ɖe yame eye gbe gã aɖe ɖi tso
gbedoxɔ la me kple fiazikpui la gbɔ nɔ gbɔgblɔm be, “Wowu enu vɔ!” 18 Tete dzi
ke dzo, dzi ɖe gbe, sokpewo ge eye anyigba ʋuʋu ŋɔdzitɔe. Anyigba meʋuʋu kpɔ
nenema tso ɣesiɣi wowɔ amegbetɔ ɖe anyigbadzi o, elabena anyigbaʋuʋu la nu sẽ
ŋutɔ. 19 Du gã la ma ɖe akpa etɔ̃ me eye dukɔwo ƒe duwo mu dze anyi. Mawu ɖo
ŋku Babilonia Gã la dzi eye wòtsɔ kplu si yɔ f•u kple eƒe dɔmedzoe helihelῖ ƒe wain
la nɛ. 20 Ƒukpo ɖe sia ɖe si dzo, womegakpɔ towo gɔ̃ hã o 21 tsikpe gã aɖe dza tso
dziƒo, eye tsikpe ɖeka ƒe kpekpeme anɔ kilogram blaade-vɔ-atɔ̃. Woge va dze amewo
dzi le anyigba. Ameawo ƒo fi de Mawu le tsikpe ƒe dɔvɔ̃ la ta elabena dɔvɔ̃ la dzi ŋɔ
ŋutɔ.

Gbolo Gã la kple lã wɔadã la
17 Mawudɔla adreawo dometɔ ɖeka, si lé kplu adreawo ɖe asi la, va gblɔ nam
bena, “Va, mafia tohehe si woatsɔ ana Gbolo Gã si nɔ anyi ɖe tsi geɖewo dzi la wò.
2 Anyigbadzifiawo wɔ ahasi kplii eye anyigbadzitɔwo no eƒe ahasiwɔwɔ ƒe wain
mu.”
3 Tete mawudɔla la kɔm le gbɔgbɔ me yi gbedzi, afi ma mekpɔ nyɔnu aɖe si
nɔ anyi ɖe lã hẽ aɖe dzi esi ŋu busuŋkɔwo le. Lã la to ta adre kple dzo ewo. 4 Nyɔnu
la do awu legbe si wotɔ kple avɔ blɔ kple avɔ dzẽ, eye wòde sikakɔga keklẽwo,
kpexɔasidzonuwo kple dzonu bubuwo kɔ. Sikakplu si yɔ f•u kple ŋunyɔnuwo kple
eƒe ahasiwɔwɔ ƒe ŋunyɔnu la le esi. 5 Woŋlɔ ŋkɔ si nye nya ɣaɣla la ɖe eƒe ŋgonu,
“Babilonia Gã la, gbolowo kple anyigbadziŋunyɔnuwo dada.”
6 Mekpɔ be nyɔnu la mu amekɔkɔewo kple ame siwo ɖi ɖase le Yesu ŋuti la
ƒe ʋu. Esi mekpɔe la, nye mo wɔ yaa. 7 Tete mawudɔla la biam be, “Nu ka ŋuti wò
mo wɔ yaa ɖo? Maɖe nyɔnua kple lã si dom wòle, lã si to ta adre kple dzo ewo ƒe nu
ɣaɣla me na wò. 8 Lã si nèkpɔ la, nɔ anyi tsã, gake megali fifia o, eye ado go tso ʋe
globo la me ayi eƒe tsɔtsrɔ̃ la me. Anyigbadzitɔ siwo ƒe ŋkɔwo womeŋlɔ ɖe
agbegbalẽa me tso xexeame ƒe gɔmedzedzea me o la ƒe mo awɔ yaa ne wokpɔ lã la
elabena enɔ anyi tsã ke megali fifia o, gake agatrɔ ava.
9 “Nya sia hiã na susu si me nunya le. Ta adreawo nye togbɛ adre siwo dzi
nyɔnu la nɔ anyi ɖo. Woganye fia adrewo hã. Wo ame atɔ̃ dze anyi, ɖeka li fifia eye
ɖeka mekpɔ va haɖe o. Ke ne eva va la, anɔ anyi hena ɣeyiɣi kpui aɖe ko. 11 Lã si
nɔ anyi kpɔ eye megali fifia o lae nye fia enyilia: Enye fia adreawo dometɔ ɖeka eye
wòyina ɖe eƒe tsɔtsrɔ̃ la me.
12 “Dzo ewo siwo nèkpɔ la, nye fia ewo siwo si fiaɖuƒe mesu haɖe o, gake
la, woana dziɖuɖuŋusẽwo abe fiawo ene kpe ɖe lã la ŋu hena gaƒoƒo ɖeka. 13
Taɖodzinu ɖeka le wo si eye woatsɔ woƒe ŋusẽ kple dziɖuɖuŋusẽ ana lã la. 14
Woawɔ aʋa kple Alẽvi la gake Alẽvi la aɖu wo dzi elabena eyae nye aƒetɔwo dzi
Aƒetɔ kple fiawo dzi Fia la eye eƒe ame tiatiawo, ame siwo wòyɔ kple ame siwo dze
eyome le anukware me la, anɔ egbɔ.”
15 Mawudɔla la yi edzi gblɔ nam be, “Tsi siwo nèkpɔ esiwo dzi gbolo la nɔ
anyi ɖo la nye amewo, amehawo, dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo. 16 Lã la kple eƒe dzo
ewo siwo nèkpɔ la, alé fu gbolo la, woahee va gbegblẽ me eye woagblẽe ɖi amamae.
Woaɖu eƒe lã eye woatɔ dzoe, 17 elabena Mawu tsɔe de woƒe dzime be woana eƒe
tameɖoɖo nava eme ne woalɔ̃ atsɔ woƒe ŋusẽ ana lã la ne wòatsɔ aɖu dzii va se ɖe
esime Mawu ƒe nyawo ava eme. 18 Nyɔnu si nèkpɔ la eyae nye du gã si le
anyigbadzifiawo dzi ɖum.”

Babilonia ƒe anyidzedze
18 Le esia megbe la, mekpɔ mawudɔla bubu wòɖi tso dziƒo gbɔna. Ŋusẽ gã aɖe
nɔ esi eye eƒe ŋutikɔkɔe na anyigbadzi klẽ. 2 Edo ɣli kple gbe gã aɖe be, “Womui!
Womu Babilonia Gã la! Eva zu aƒe na gbɔgbɔ vɔ̃wo kple mɔ sesẽ na gbɔgbɔ
makɔmakɔwo kpakple xadza na xevi makɔmakɔwo kple xevi siwo womeɖuna o, 3
elabena dukɔwo katã no eƒe dɔmedzoe ƒe wain si nye eƒe gbolowɔwɔ.
Anyigbadzifiawo wɔ ahasi kplii eye anyigbadzisitsala gãwo zu hotsuitɔ gãwo to eƒe
kesinɔnu gbogboawo me.”
4 Tete mese gbe bubu tso dziƒo le gbɔgblɔm be, “Mido go le wo dome, nye
amewo be miagakpɔ gome le woƒe nu vɔ̃wo me o, be woƒe dɔvɔ̃wo dometɔ aɖeke
nagava mia dzi o. 5 Elabena woƒe nu vɔ̃wo li kɔ yi ɖe dziƒo ke eye Mawu ɖo ŋku
woƒe nu tovowo wɔwɔ dzi. 6 Wɔe nɛ abe ale si wòwɔ ene. Ðo eteƒe nɛ zigbɔzi eve
ɖe nu si wòwɔ la ta. Tɔtɔ eya ŋutɔ ƒe kplu eve ne nàtsɔ anɛ. 7 Egblɔ le eƒe dzime
dadatɔe be, ‘menɔ anyi abe nyɔnufia ene, nyemenye ahosi o eye nyemafa konyi akpɔ
o.’ Eya ta tsɔ fuwɔame kple vevesese nɛ wòasɔ gbɔ abe ale si wòtsɔ ŋutikɔkɔe kple
kesinɔnuwo na eɖokui ene. 8 Ale be le ŋkeke ɖeka me la, eƒe dɔvɔ̃wo ava ƒo ɖe edzi,
esiwo nye ku, konyifafa kple dɔwuame. Dzo ava fiae keŋkeŋ elabena ŋusẽtɔe nye
Aƒetɔ Mawu, ame si drɔ̃ ʋɔnui.
9 “Ne anyigbadzifia siwo wɔ ahasi kplii eye wokpɔ gome le eƒe kesinɔnuwo
me kpɔ dzo si wotɔe ƒe dzudzɔ la, woafa avi eye woafa nɛ. 10 Eƒe fuwɔame ado
ŋɔdzi na wo ale gbegbe be woanɔ adzɔge ke anɔ avi fam kple ɣli be, ‘Babaa! O du
gã, babaa na wò. O Babilonia, du si ŋu ŋusẽ le! Le gaƒoƒo ɖeka me, wò tsɔtsrɔ̃ va ɖo!
11 “Anyigbadzisitsalawo afa avi eye woafa nɛ elabena ame aɖeke megale
woƒe adzɔnuwo ƒlem o. 12 Adzɔnu siawoe nye sika, klosalo, kpexɔasiwo, dzonuwo,
aklala biɖibiɖiwo, ago, sedavɔ, avɔ dzῖwo, sitronʋuƒo vovovowo, kple nu vovovo
siwo wowɔ kple nyiɖu, ati xɔasiwo, akɔbli, gayibɔ kple kpexɔasiwo. 13 Bubuawoe
nye atikeʋeʋẽ, sinamɔn, detsiƒonuʋeʋẽwo, dzudzɔʋeʋẽdonuwo, kotoklobo, lifi, wain,
amitimi, wɔ meme, mɔlu, nyiwo, alẽwo, sɔwo kple woƒe tasiaɖamwo, kluviwo kple
amewo ƒe luʋɔwo.
14 “Wo katã woagblɔ be, ‘kutsetse si nèdi vevie la do le asiwòme. Wò
kesinɔnuwo kple wò atsyɔ̃ hã tsrɔ̃; womagatrɔ agbɔ gbeɖe o.’ 15 Asitsala siwo dzra
nu siawo eye wokpɔ woƒe kesinɔnuwo tso egbɔ la, atsi tre ɖe adzɔge ke le ŋɔdzi si lé
wo le eƒe fuwɔame ta la ta. Woafa avi, afa konyi, 16 eye woado ɣli be, ‘Babaa! O du
gã si do aklala biɖibiɖi kple avɔ dzῖ kpakple avɔ blɔtɔ ƒe awulegbe eye nède
sikakɔwla si le dzo dam, kpexɔasidzonuwo kple dzonu ƒuƒuiwo, babaa na wò! 17 Le
gaƒoƒo ɖeka pɛ ko me la, wò kesinɔnu gbogbo siawo tsrɔ̃!
“Azɔ la, kuɖɔɖola ɖe sia ɖe, ame siwo katã ɖoa tɔdziʋu, tɔdziʋukulawo, kple
ame siwo katã kpɔa woƒe abolo tsoa ƒudzidɔwɔwɔ me la katã anɔ adzɔge. 18 Ne
wokpɔ dzo si wotɔe ƒe dzudzɔ le tutum la, woado ɣli be, ‘Du aɖe nɔ anyi kpɔ abe du
gã sia enea?’ 19 Woalɔ ke akɔ ɖe tame, woafa avi eye woado konyifaɣli be, ‘Babaa!
O du gã, afi si ame siwo katã si tɔdziʋu si nɔa ƒu dzi le la, kpɔ woƒe kesinɔnuwo le.
Babaa na wò! Le gaƒoƒo ɖeka pɛ ko me, wotsrɔ̃e keŋkeŋ. 20 O dziƒo, dzɔ dzi le eya
amea ta! Mi amekɔkɔewo, apostolowo kple nyagblɔɖilawo, mitso aseye! Elabena
Mawu drɔ̃ ʋɔnui ɖe ale si wòwɔ fu mi la ta.’ ”
21 Tete mawudɔla triakɔ aɖe tsɔ kpe aɖe si ƒe lolome anɔ abe wɔtute ene la,
ƒu gbe ɖe atsiaƒu me eye wògblɔ be, “Aleae woatsɔ dziku kple ŋusẽ aƒu Babilonia,
du gã la, anyii eye magafɔ gbeɖe o. 22 Kasaŋkuƒolawo, hadzilawo, dzekulawo kple
kpẽkulawo la, womagase woƒe ŋkɔ le mewò akpɔ gbeɖe o. Nenema kee womagakpɔ
asinudɔwɔla aɖeke tɔgbi le mewò akpɔ gbeɖe o. Womagase wɔtutewo ƒe wɔtutu le
mewò akpɔ gbeɖe o. 23 Womagakpɔ akaɖi ƒe bibi le mewò akpɔ gbeɖe o. Nenema
kee ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe magaɖi le mewò akpɔ gbeɖe o. Wò asitsalawoe
nye ame xɔŋkɔwo le xexeame ètsɔ wò akunyawɔwɔ kplɔ dukɔwo katã trae. 24
Wokpɔ nyagblɔɖilawo kple amekɔkɔewo kpakple ame siwo katã wowu le anyigba
dzi la ƒe ʋu le mewò”

Dziƒonɔlawo dzi Haleluya
19 Le esia megbe la, mese nane si ɖi abe ameha gã aɖee le ɣli dom le dziƒo ene
be “Haleluya! Ðeɖe kple ŋutikɔkɔe kpakple ŋusẽ nye míaƒe Mawu la tɔ, 2 elabena
eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo nye nyateƒe eye wole dzɔdzɔe. Ebu fɔ gbolo gã la, ame si do gu
anyigba to eƒe ahasiwɔwɔwo me. Ebia hlɔ̃ ɖe eƒe dɔlawo ƒe ʋu ta.”
3 Wogado ɣli ake be, “Haleluya! Eƒe dzotɔtɔ ƒe dzudzɔ le tutum le dzime yim
tso mavɔ me yi mavɔ me.”
4 Amegãxoxo blaeve-vɔ-eneawo kple nugbagbe eneawo tsyɔ mo anyi eye
wosubɔ Mawu, ame si nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi. Wodo ɣli be, “Amen, Haleluya!”
5 Tete gbe aɖe ɖi tso fiazikpui la gbɔ le gbɔgblɔm bena, “Mikafu míaƒe
Mawu la, mi eƒe dɔlawo katã, mi ame siwo vɔ̃nɛ, ame gblɔewo kple ame deŋgɔwo
siaa!”
6 Tete mese nu si ɖi abe ameha gã aɖe ƒe gbe, abe tsi geɖewo ƒe sisi ƒe
howɔwɔ alo dzi ƒe gbeɖeɖe sesẽ aɖe ene be, “Haleluya! Elabena míaƒe Aƒetɔ, Mawu,
Ŋusẽkatãtɔ lae le dzi ɖum. 7 Mina míadzɔ dzi, atso aseye eye míatsɔ ŋutikɔkɔe nɛ!
Elabena Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeŋkekenyui la ɖo eye eƒe ŋugbetɔ la dzra eɖokui ɖo le klalo.
8 Wotsɔ aklala biɖibiɖi ƒe awu si le dzo dam eye eŋuti kɔ la nɛ be wòado.” Aklala
biɖibiɖi nye dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ siwo amekɔkɔeawo wɔ la ƒe dzesi.
9 Tete mawudɔla la gblɔ nam be, “Ŋlɔ be, ‘Woayra ame siwo wokpe va
Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeɖe ƒe fiẽnuɖuƒe!’ ” Egblɔ kpe ɖe eŋu be, “Esiawoe nye Mawu ƒe
nya vavãwo.” 10 Esi wògblɔ esiawo vɔ la medze anyi ɖe eƒe afɔnu be masubɔe.
Gake egblɔ nam be, “Mègawɔe o! Nye hã menye dɔla abe wò ke ene. Kpe ɖe
nɔviwò siwo lé Yesu ƒe ɖaseɖiɖime ɖe asi la ŋuti. Eya ta subɔ Mawu! Elabena Yesu
ƒe ɖaseɖiɖi nye nyagblɔɖi ƒe gbɔgbɔ.”
Sɔ ɣi dola la
11 Mekpɔ dziƒo nu la ʋuʋu ɖi eye ame aɖe si le sɔ ɣi aɖe dzi la le nye ŋkume.
Sɔdola la ƒe ŋkɔe nye Nuteƒewɔla kple Nyateƒetɔ. Edrɔ̃a ʋɔnu eye wòwɔa aʋa le
dzɔdzɔenyenye me. 12 Eƒe ŋkuwo le abe dzokaxɔxɔwo ene eye fiakuku geɖewo nɔ
eƒe ta. Woŋlɔ ŋkɔ aɖe ɖe eŋuti esi ame aɖeke menya o, negbe eya ŋutɔ ko. 13 Edo
awuʋlaya si wonyrɔ ɖe ʋu me eye eƒe ŋkɔe nye Mawu ƒe nya. 14 Dziƒoʋakɔwo nɔ
eyome. Wonɔ sɔ ɣiwo dom eye wodo awu siwo wotɔ kple aklala biɖibiɖi, wofu tititi
eye wo ŋuti kɔ. 15 Yi ɖaɖɛ aɖe do tso eƒe nume esi wòatsɔ adza dukɔwo aƒo ɖii, aɖu
wo dzi kple gatikplɔ. Efia wain le wainfiaƒe kple Mawu ŋusẽkatãtɔ la ƒe dziku
helihelῖ. 16 Woŋlɔ ŋkɔ sia ɖe eƒe awuʋlaya kple eƒe ata ŋu be, ‘FIAWO DZI FIA
KPLE AƑETÔWO DZI AƑETÔ.”
17 Mekpɔ mawudɔla aɖe le tsitre ɖe ŋdɔgbe, ame si do ɣli kple gbe sesẽ na
xevi siwo katã le dzodzom le yame be, “Miva, miƒo ƒu hena Mawu ƒe fiẽnuɖuɖu ƒe
kplɔ̃ɖoɖo gã la, 18 ale be miaɖu fiawo, aʋafiawo, kalẽtɔwo, sɔwo kple wo dolawo
kpakple amewo katã ƒe lã, ablɔɖeviwo kple kluviwo, ame gblɔewo kple ame
deŋgɔwo siaa.”
19 Tete mekpɔ lã wɔadã la kple anyigbadzifiawo kpakple woƒe aʋakɔwo,
woƒo ƒu hena awawɔwɔ kple ame si le sɔ ɣi la dzi kpakple eƒe aʋakɔ. 20 Ke wolé lã
wɔadã la kple aʋatsonyagblɔɖila la ame si wɔ nukunu geɖewo le eƒe ŋkɔ me. Etsɔ
dzesi siawo ble ame siwo xɔ lã wɔadã la ƒe dzesi, ame siwo hã subɔ eƒe legba la.
Wotsɔ wo kple eve la katã ƒu gbe ɖe aŋɔdzota si le bibim la me agbagbee. 21 Wowu
wo dometɔ mamlɛawo kple yi si do go tso sɔdola la ƒe nume eye dziƒoxeviwo va ɖu
woƒe lã eye woɖi ƒo.

Ƒe akpe ɖeka la
20 Eye mekpɔ mawudɔla aɖe wòɖi tso dziƒo gbɔna. Ûeglobo la ƒe safui kple
gakɔsɔkɔsɔ gã aɖe nɔ esi. 2 Elé ʋɔ driba la, da xoxo ma, ame si nye gbɔgbɔ vɔ̃ alo
Satana eye wòblae hena ƒe akpe ɖeka. 3 Etsɔe ƒu gbe ɖe Ûegbobo la me eye wòtui
kple safui hetre enu be magable dukɔwo azɔ o va se ɖe esime ƒe akpe ɖeka la nawu
enu. Le ema megbe la, woaɖe gae hena ɣeyiɣi kpui aɖe.
4 Mekpɔ fiazikpui aɖewo, siwo dzi ame siwo wona ŋusẽe be woadrɔ̃ ʋɔnu la
nɔ, eye mekpɔ ame siwo nu wotso ta le, le woƒe ɖaseɖiɖi na Yesu kple Mawu ƒe nya
la ta la ƒe luʋɔwo. Wogbɔ agbe eye woɖu fia kple Kristo hena ƒe akpe ɖeka. 5 Ame
kuku mamlɛawo megbɔ agbe o va se ɖe esime ƒe akpe ɖeka la wu enu. Esiae nye
tsitretsitsi gbãtɔ. 6 Yayratɔwo kple amekɔkɔewoe nye ame siwo kpɔ gome le
tsitretsitsi gbãtɔ me. Ku evelia mekpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi o, ke woanye Osɔfowo na
Mawu kple Kristo eye woaɖu dzi kplii hena ƒe akpe ɖeka.
Satana ƒe anyidzedze
7 Ne ƒe akpe ɖeka la de la, woaɖe Satana tso eƒe gaxɔa me 8 eye wòado go ayi
aɖable dukɔwo le xexeame ƒe dzogoe eneawo dzi, kple Gɔg kpakple Magɔg ne
woaƒo amewo nu ƒu hena aʋawɔwɔ eye le xexlẽme la, wosɔ gbɔ abe ƒutake ane. 9
Wozɔ to anyigba blibo la dzi heyi ɖade to ɖe Mawu ƒe amewo ƒe asaɖa, du si wòlɔ̃na
vevie. Ke dzo ge tso dziƒo va fia wo katã. 10 Wotsɔ Satana, ame si ble wo la ƒu gbe
ɖe aŋɔdzota si le bibim la me, afi si wotsɔ lã wɔada la kple aʋatsonyagblɔɖila la hã
ƒu gbe ɖo. Woawɔ funyafunya wo zã kple keli tso mavɔ me yi mavɔ me.

Nuwuwuʋɔnudɔdrɔ̃
11 Tete mekpɔ fiazikpui ɣi gã aɖe kple ame si bɔbɔ nɔ edzi. Anyigba kple dziŋgɔlῖ si
le eŋkume eye teƒe aɖeke meli na wo o. 12 Eye mekpɔ ame kukuwo, ame deŋgɔwo
kple ame gblɔewo nɔ tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ eye woʋu agbalẽwo. Woʋu agbalẽ
bubu si nye agbegbalẽ la. Wodrɔ̃ ʋɔnu ame kukuawo ɖe nu si wowɔ woŋlɔ ɖe
agbalẽawo me la nu. 13 Atsiaƒu tsɔ ame kuku siwo le eme la hena. Ku kple tsῖeƒe hã
ɖe woƒe ame kukuwo ɖe go eye wodrɔ̃ ʋɔnu ame sia ame ɖe nu si wowɔ la nu. 14
Wotsɔ ku kple tsῖeƒe ƒu gbe ɖe dzota la me. Dzota siae nye ku evelia. 15 Ne
womekpɔ ame aɖe ƒe ŋkɔ le agbegbalẽa me o la, wotsɔnɛ ƒua gbe ɖe dzota la me.

Yerusalem Yeye La
21 Eye mekpɔ dziƒo yeye kple anyigba yeye, elabena dziƒo gbãtɔ kple anyigba
gbãtɔ nu va yi eye atsiaƒu aɖeke hã megali o. 2 Mekpɔ Du Kɔkɔe la, si nye
Yerusalem yeye la, le ɖiɖim tso dziƒo tso Mawu gbɔ, eye woɖo atsyɔ̃ nɛ abe ŋugbetɔ
si wowɔ leke na hena srɔ̃a ene. 3 Tete mese gbe gã aɖe tso fiazikpui la gbɔ le
gbɔgblɔm bena, “Azɔ la, Mawu ƒe nɔƒe le amegbetɔwo dome, eye wòanɔ wo gbɔ.
Woanye eƒe dukɔ, Mawu ŋutɔ anɔ wo gbɔ eye wòanye woƒe Mawu. 4 Atutu aɖatsi
sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkuwo dzi; ku loo, alo konyifafa alo avifafa alo vevesese
maganɔ anyi o, elabena nuɖoanyi xoxoawo nu va yi”
5 Ame si nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi la gblɔ bena, “Mele nuwo katã wɔm
yeyee! Tete wògblɔ be, “Ŋlɔ nu sia da ɖi, elabena nya siawo nye nya siwo dzi woaka
ɖo eye wonye nyateƒenyawo hã.”
6 Eyi edzi gblɔ nam be, “Wowɔe vɔ. Nyee nye A kple Z, Gɔmedzedze kple
Nuwuwu. Ame si tsikɔ le wuwum la, mana tsii wòano tso agbetsivudo la me,
femaxee. 7 Ame si ɖu dzi la anyi nu siawo katã ƒe dome, eye manye eƒe Mawu eye
eya hã anye vinye. 8 Gake vɔvɔ̃nɔtɔwo, dzimaxɔsetɔwo, ame vɔ̃ɖiwo, hlɔ̃dolawo,
ahasiwɔlawo, akunyawɔlawo, Trɔ̃subɔlawo kple alakpatɔwo katã la, woƒe nɔƒe anye
aŋɔdzota si le bibim ŋɔdzitɔe la me. Esiae nye ku evelia.”
9 Mawudɔla adre siwo lé kplu adre siwo me dɔvɔ̃ adre mamlɛawo le la
dometɔ ɖeka va gblɔ nam be, “Va, ne mafia wò ŋugbetɔ la, esi nye Alẽvi la srɔ̃.” 10
Tete wòkɔm dzoe le Gbɔgbɔ la me, heyi ɖe to gã kɔkɔ aɖe dzi eye wòɖe Du Kɔkɔe,
Yerusalem, si le ɖiɖim tso dziƒo Mawu gbɔ la fiam. 11 Ele keklẽm kple Mawu ƒe
ŋutikɔkɔe eye eƒe keklẽ le abe kpexɔasi aɖe, abe yapiskpe ene eye eme kɔ keŋkeŋkeŋ
abe kristalokpe ene. 12 Wotɔ kpɔ titri kɔkɔ aɖe ɖe eŋu, woɖe mɔnu wuieve siwo nu
agbo le la ɖe glia me eye mawudɔla wuieve le agboawo nu. Woŋlɔ Israel ƒe to
wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe agboawo dzi. 13 Agbo etɔ̃ le ɣedzeƒe, etɔ̃ le anyiehe, etɔ̃ le
dziehe eye etɔ̃ le ɣetoɖoƒe. 14 Woɖo gɔmeɖokpe wuiene na dua ƒe gliwo eye woŋlɔ
Alẽvi la ƒe apostolo wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe wo dzi.
15 Mawudɔla si ƒo nu kplim la lé sikanu dzidzenu ɖe asi be yeadzidzi du la,
eƒe agbowo kple eƒe gliwo. 16 Wotso du la ale be eƒe kekeme kple didime siaa sɔ.
Edzidze du la eye wòkpɔ be eƒe didime, kekeme kple kɔkɔme katã nye dzidzeme
ɖeka si nye kilometa akpe eve kple alafa eve. 17 Edzidze gli la ƒe titrime, eye le
amegbetɔ ƒe dzidzeka si mawudɔla la lé la nu la, titrime la le meta blaade-vɔ-atɔ̃. 18
Wotsɔ yapiskpexɔasi ɖo gli lae eye wotsɔ sika si me kɔ abe ahuhõe ene la tso du lae.
19 Wotsɔ kpexɔasi vovovowo ɖo atsyɔ̃ na du la ƒe gɔmeɖokpee. Yapiskpe nye fli
gbãtɔ, wotsɔ safirekpe ɖo fli eveliae, fli etɔ̃lia nye kalkedonikpe, fli enelia nye
emeraldkpe, 20 woɖo fli atɔ̃lia kple sardonixkpe, fli adelia nye karneliakpe, adrelia
nye krisolitekpe, enyilia nye berilkpe, asiekelia nye topazkpe, ewoliae nye
krisoprasekpe, wuiɖekɛliae nye yakintkpe eye wuieveliae nye ametistkpe. 21 Agbo
wuieveawo nye kpexɔasi wuieve eye wowɔ agbo ɖe sia ɖe kple kpexɔasi ɖeka.
Wowɔ du mɔ gã la kple sika akuakua eye eme dza abe ahuhɔ̃e ene.
22 Nyemekpɔ gbedoxɔ aɖeke le du la me o, elabena Aƒetɔ Mawu Ŋusẽkatãtɔ
kple Alẽvi lae nye eƒe gbedoxɔ. 23 Du la mehiã ɣe alo ɣleti be woanae kekeli o,
elabena Mawu ƒe Ŋutikɔkɔe naa kekelii eye Alẽvi lae nye eƒe akaɖi. 24 Dukɔwo azɔ
le eƒe kekeli nu eye anyigbadzifiawo atsɔ woƒe atsyɔ̃ age ɖe emee. 25 Eƒe agbowo
anɔ ʋuʋu ɖi ɖaa elabena zã mado le afi ma o. 26 Woatsɔ dukɔwo ƒe ŋutikɔkɔe kple
bubu ava emee. 27 Nu makɔmakɔ aɖeke mage ɖe eme gbeɖe o, nenema kee nye
ŋukpenanuwɔlawo kple ameblelawo hã, ke ame siwo ƒe ŋkɔwo woŋlɔ ɖe Alẽvi la ƒe
agbagbalẽ la me koe age ɖe eme.

Agbetɔsisi la
22 Tete mawudɔla la fia agbetsitɔsisi lam eye eme kɔ keŋkeŋkeŋ abe kristalokpe
ene, ele sisim tso Mawu ƒe fiazikpui la kple Alẽvi la gbɔ, 2 heva to dumɔ gã la titina.
Agbeti la le tɔsisi la ƒe gowo kple eve dzi, etsea ku wuieve ɣleti ɖe sia ɖe eye eƒe
aŋgbawo nye nu si ahe dɔyɔyɔ vɛ na dukɔwo. 3 Fiƒode aɖeke maganɔ anyi azɔ o.
Mawu kple Alẽvi la ƒe fiazikpui anɔ du la me eye eƒe dɔlawo asubɔe. 4 Woakpɔ eƒe
ŋkume eye eƒe ŋkɔ anɔ woƒe ŋgo wo nu. 5 Zã maganɔ anyi o. Womahiã akaɖi ƒe
keklẽ alo ɣe ƒe keklẽ o, elabena Aƒetɔ Mawu ana akaɖi wo. Eye woaɖu fia tso mavɔ
me yi mavɔ me.
6 Mawudɔla la gblɔ nam be, “Nya siawo nye nya siwo ŋu woaɖo dzi ɖo eye
wonye nyateƒe. Aƒetɔ la, nyagblɔɖilawo ƒe gbɔgbɔ ƒe Mawu la, dɔ eƒe mawudɔla be
wòafia eƒe dɔlawo nu siwo ava dzɔ kpuie.”
Yesu gbɔna
7 “Kpɔɖa, megbɔna kpuie! Woayra ame si lé nyagblɔɖi siwo le agbalẽ sia me la me
ɖe asi.”
8 Nye, Yohanes, nyee nye ame si se, hekpɔ nu siawo katã. Eye esi mese,
hekpɔ nu siawo la, medze klo ɖe mawudɔla si ɖe nu siawo katã fiam la ƒe afɔnu be
masubɔe. 9 Ke egblɔ nam be, “Mègawɔe O! Nye hã dɔla ko menye abe wò ke ene
kpe ɖe nɔviwò nyagblɔɖilawo ŋu kpakple ame siwo katã lé agbãle sia me nyawo ɖe
asi la ŋu. Eya ta subɔ Mawu!”
10 Tete wògblɔ nam be, “Mègatre nyagblɔɖi siwo le agbalẽ sia me nu o,
elabena ɣeyiɣi la te tu aƒe. 11 Vɔ̃wɔla nenɔ vɔ̃wɔwɔ dzi, ame vɔ̃ɖi nenɔ nu vɔ̃ɖi
wɔwɔ dzi, nyuiwɔla hã nenɔ nyuiwɔwɔ dzi eye ame si le kɔkɔe la, nenɔ kɔkɔenyenye
dzi.”
12 “Kpɔɖa, megbɔna kpuie! Nye fetu kpe ɖe ŋutinye, eye maxe fe na ame sia
ame le nu si wòwɔ nu. 13 Nyee nye A kple Z, Gbãtɔ kple Mlɔɛtɔ, Gɔmedzedze kple
Nuwuwu.
14 “Woayra ame siwo nya woƒe awuʋlayawo be woakpɔ mɔ ayi ɖe agbeti la
gbɔ, eye be woato agboawo nu age ɖe du la me. 15 Ke avuwo, akunyawɔlawo,
ahasiwɔlawo, hlɔ̃dolawo Trɔ̃subɔlawo kple ame siwo lɔ̃ avatso eye wokanɛ hã la atsi
agboa godo.
16 Nye, Yesue dɔ nye mawudɔla be wòatsɔ ɖaseɖiɖi siawo na wò hena
hameawo. Nyee nye Ke tso David me kple eƒe dzidzimevi. Nyee nye ŋukeɣletivi
keklẽ la.”
17 Gbɔgbɔ la kple ŋugbetɔ la gblɔ be, “Va!” Eye ame siwo le esem la hã
negblɔ be, “Va!” Ne tsikɔ le ame aɖe wum la, neva noe faa eye ame sia ame si lɔ̃ ko
la nexɔ agbetsi wòano.
18 Mele nu xlɔ̃m ame sia ame si le agbalẽ sia me nyagblɔɖiwo sem la be: Ne
ame aɖe atsɔ nane akpe wo la, Mawu ana dɔvɔ̃ siwo katã ƒe nya woŋlɔ ɖe agbalẽa
me la nava edzi. 19 Eye ne ame aɖe aɖe nya aɖewo le nyagblɔɖigbalẽ sia me la,
Mawu mana wòakpɔ gome le agbeti la kple du kɔkɔe si ŋuti woƒo nu le le agbalẽ sia
me la me o.
20 Ame si le ɖase ɖim le nu siawo ŋuti la gblɔ bena, “Ẽ, megbɔna kpuie”
Amen. Va, Aƒetɔ Yesu.
21 Aƒetɔ Yesu ƒe amenuveve nenɔ kple Mawu ƒe amewo. Amen.

Laisser un commentaire

Votre adresse e-mail ne sera pas publiée. Les champs obligatoires sont indiqués avec *