Togo Chrétien

"L’amour de Dieu a été manifesté envers nous en ce que Dieu a envoyé son Fils unique dans le monde, afin que nous vivions par lui."

Bible Ewe

2 Timothée

PAULO ƑE AGBALẼ EVELIA SI WÒŊLɔ NA TIMOTEO

Kpɔkplɔyiɖeme

Paulo ƒe agbalẽ evelia na Timoteo le abe eƒe nya mamlɛtɔwo na
eƒe nusrɔ̃la kple hadɔwɔla lɔlɔ̃a, Timoteo ene. Wolé Paulo de
gaxɔ me ame geɖewo, kristotɔ aɖewo gɔ̃ hã, va tsi tsitre ɖe eƒe
nufiafia ŋu. Ale Paulo ŋlɔ agbalẽ sia hedo ŋusẽ Timoteo be
wòaɖe gbeƒã nyateƒenyanyui la dzideƒotɔe, ne nya sesẽwo
kpekee eye yometitiwo va edzi gɔ̃ hã. Paulo ɖi ɖase le ale si
eya ŋutɔ ʋli, lé xɔse la me ɖe asi sesῖe, wɔ aʋa la va se ɖe
nuwuwu eye wòle mɔ kpɔm na agbefiakuku la ŋuti.

Emenyawo 1. Gbedoname, 1:1-2
2. Ŋusẽdodo hena tenɔnɔ, 1:3 – 2:26
3. Nu si wòle be Timoteo nawɔ le ɣeyiɣi sesẽwo me, 3:1-17
4. Gbedeasi mamlɛtɔ na Timoteo, 4:1-8
5. Nya mamlɛwo, gbedonamewo kple yayranyawo, 4:9-12

1 Agbalẽ sia tso nye Paulo, Yesu Kristo ƒe apostolo ame si Mawu ɖo ɖa be
wòaɖe gbeƒã agbe mavɔ si ŋugbe wòdo to Yesu Kristo dzixɔse me na amewo katã la
gbɔ 2 na Timoteo, vinye lɔlɔ̃a. Mawu, Fofo la, kple Yesu Kristo, míaƒe Aƒetɔ nana
eƒe amenuveve, nublanuikpɔkpɔ kple ŋutifafa wò.
Paulo de dzi ƒo na Timoteo be wòanye nuteƒewɔla
3 Timoteo, medaa akpa na Mawu ɖe tawò. Medoa gbe ɖa ɖe tawò gbe sia gbe.
Meɖea kuku na Mawu zi geɖe le zãwo me be wòakɔ yayra geɖewo ɖe dziwò. Eyae
nye fofonyewo ƒe Mawu kple nye Mawu eye nye taɖodzinu le agbe sia me koe nye
madze eŋu.
4 Mele didim vevie be magakpɔ wò. Dzi adzɔm ŋutɔ elabena meɖoa ŋku ale
si nèfa avi vevie esime míenɔ kaklãm ɖa tso mía nɔewo gbɔ la dzi.
5 Menya ale si nèɖoa ŋu ɖe Aƒetɔ la ŋu abe dawò Enuike kple mamawò
Loide ke ene. Meka ɖe edzi be ègale ŋu ɖom ɖe Aƒetɔ la ŋu kokoko abe tsã ene.
6 Le esia ta mele ŋku ɖom edzi na wò be nade dzo Mawu ƒe nunana si ge ɖe
me wò to nye asidada ɖe dziwò me la me, 7 elabena Mawu mena vɔvɔ̃ gbɔgbɔ mi o,
ke boŋ ŋusẽ kple lɔlɔ̃ kpakple ɖokuidziɖuɖu ƒe gbɔgbɔe wòna mi. 8 Ne àde dzo ŋusẽ
si le mewò me la, màvɔ̃ ɣeaɖekeɣi na gbeƒãɖeɖe Aƒetɔ la na ame bubuwo, alo ana
woanya be xɔ̃wò menye, togbɔ be mele gaxɔ me le afii le Kristo ta hã o. Anɔ klalo
be yeakpe fu kplim le Aƒetɔ la ta, elabena Aƒetɔ la ana ŋusẽ wò le fukpekpe me.
9 Eyae ɖe mi eye wotia mi na eƒe dɔ kɔkɔe la wɔwɔ, menye be míedze nɛ ta
o, ke boŋ elabena eyae nye eƒe ɖoɖo xoxoxo hafi wòwɔ xexeame be yeaɖe yeƒe lɔlɔ̃
kple amenuveve afia mí to Kristo dzi. 10 Ke azɔ la, ena nu siawo katã me kɔ na mi
to mía ɖela Yesu Kristo ƒe vava me. Yesu Kristo ɖu ku ƒe ŋusẽ dzi eye wòfia agbe
mavɔ la ƒe mɔ mí to edzi xɔxɔse me. 11 Eye wòtiam be manye nyanyui sia ƒe
gbeƒãɖela, apostolo kple nufiala.
12 Eya tae mele fu kpem le afi sia le gaxɔ me ɖo. Nu sia menye ŋukpe nam
kura o, elabena menya ame si ŋu meɖo ŋu ɖo eye meka ɖe edzi be ate ŋu adzɔ nu
siwo katã metsɔ de asi nɛ la ŋu dedie va se ɖe gbe si gbe wòagava.
13 Lé nyateƒe si mefia wò la me ɖe asi sesῖe vevitɔ esi ku ɖe xɔse kple lɔlɔ̃ si
Yesu tsɔ na wò la ŋu. 14 Lé be na ŋutete si Mawu na nexɔ to Gbɔgbɔ Kɔkɔe si le
agbe le mewò dzi la nyuie.
15 Abe ale si nènya ene la, kristotɔ siwo katã tso Asia va afi sia la, gblẽm ɖi.
Figelo kple Hermogene gɔ̃ ha gblẽm ɖi. 16 Aƒetɔ la nayra Onisifero kple eƒe aƒe
blibo la elabena ekpɔam ɖa eye wòdea dzi ƒo nam enuenu. Eƒe kpɔkpɔɖa gbɔa agbem
abe ya fafɛ nyui ene eye nye gaxɔmenɔnɔ menye ŋukpe nɛ o. 17 Le nyateƒe me la,
esi wòva Roma la, edim vevie le afi sia afi eye wòke ɖe nunye mlɔeba. 18 Aƒetɔ la
nana yayra tɔxɛe le Kristo ƒe vavagbe la dzi. Wò ŋutɔ ènya ale si wòkpe ɖe ŋunye le
Efeso le nyuie wu ale si mate ŋu agblɔe ne wò.

Sẽ ŋu abe Kristo Yesu ƒe asrafo ene
2 Ke wò, vinye Timoteo, sẽ ŋu le amenuveve si le Kristo Yesu me la me, 2
elabena ele na wò be nàfia nu siwo mi kple ame bubuwo miese tso gbɔnye la ame
bubuwo. Mifia nyateƒe xɔasi siawo ame nuteƒewɔlawo eye woawo hã woafia ame
bubuawo. 3 Tsɔ wò fukpekpewo kpoo abe Yesu Kristo ƒe asrafo vavã ene, abe ale si
mewɔna ene, 4 eye abe Kristo ƒe asrafo ene la, megatsɔ ɖokuiwò nyrɔ ɖe
xexemenuwo me o; ne menye nenema o la, màte ŋu adze ame si xɔ wò ɖe eƒe aʋakɔ
me la ŋu o. 5 Lé Aƒetɔ la ƒe sewo me ɖe asi le eƒe dɔwɔwɔ me abe ale si duɖimekala
léa seawo me ɖe asi eye wòɖua dzi loo alo wòɖea asi le seawo ŋu eye meɖua dzi o
ene. 6 Ku kutri vevie abe agbledela si xɔa fetu nyui ne exa nuku geɖewo ene. 7 Bu
kpɔɖeŋu etɔ̃ siawo ŋu kpɔ. Aƒetɔ la nakpe ɖe ŋuwò be nàse ale si kpɔɖeŋu siawo ku
ɖe ŋuwòe la gɔme.
8 ɖo ŋku Yesu Kristo, ame si wofɔ tso ku me eye wòdzɔ tso David ƒe ƒome
me la dzi. Esiae nye nye nyanyui la, 9 si ta mele fu kpem ɖo eye wodem game gɔ̃ hã
abe hlɔ̃dola ene. Gake womede ga Mawu ƒe nya ya o. 10 Eya ta mekpe fu sia fu ɖe
ame tiatiawo ta be woawo hã woakpɔ ɖeɖe si le Kristo Yesu me kpe ɖe ŋutikɔkɔe
mavɔ ŋu.
11 Esia nye nyateƒenya be,
“Ne míeku kpakplii la,
Míanɔ agbe hã kpakplii;
12 Ne miekpe fu kplii la,
Miaɖu dzi hã kpakplii
Ne miegbe nu le egbɔ la,
Eya hã agbe nu le mia gbɔ.
13 Ne mienye nuteƒemawɔlawo hã la,
Eya anɔ anyi nuteƒewɔla
Elabena mate ŋu agbe nu le eɖokui gbɔ o.”
Dɔwɔla si ŋu Mawu kpɔ ŋudzedze nyui le
14 ɖo ŋku nya xɔasi siawo dzi na wò amewo eye nagbe na wo le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me
be, womagahe nya tso nu siwo mele vevie o la ŋu o. Nyahehe siawo tɔgbi tɔtɔa
ame,. Viɖe aɖeke menɔa wo ŋu o eye wowɔa nu vevi ame gɔ̃ hã. 15 Wɔ dɔ sesῖe ale
be Mawu nate ŋu agblɔ na wò be, “Dɔ nyui wɔla, woe le dɔ nyui wɔwɔ dzi.” Nye
dɔwɔla nyui, ame si ŋu makpe ne Mawu do wò dɔwɔwɔ kpɔ o. Nya nu si eƒe nya la
gblɔ kple nu si wofia. 16 Megade nu nyahehe dzodzro siwo naa amewo wɔa nu vɔ̃ to
dɔmedzoedodo ɖe wo nɔewo ŋu la me o. 17 Elabena to esia wɔwɔ me la, ame aɖewo
gblɔa nya aɖewo siwo gblẽa nu ɣeyiɣi didi aɖe. Himenaio kple Fileto nye ame siawo
tɔgbi le ale si wolɔ̃a nyahehe dzodzrowo la ta. 18 Woɖe asi le nyateƒe la ŋu eye
wokaa aʋatso ɖea gbeƒã be ame kukuwo ƒe tsitretsitsi la va eme xoxo, eye wona ame
siwo xɔ wo dzi se la ƒe xɔse gbɔdzɔ.
19 Ke hã la, Mawu ƒe gɔmeɖokpe sesẽ la, le te eye wotre enu kple nya siawo
be “Aƒetɔ la nyaa ame siwo nye etɔ vavãwo”, eye, “Ame sia ame si ʋua Aƒetɔ la ƒe
ŋkɔ me la nate ɖa tso ŋutasesẽ gbɔ.”
20 Menye sikanuwo kple klosalonuwo ɖeɖe koe nɔa aƒe gã me o, ke boŋ
atinuwo kple anyinuwo hã nɔa anyi, ɖewo na bubumewo xɔxɔ eye ɖewo hã na gbe
sia gbe ƒe ŋudɔwɔwɔ. 21 Ne ame aɖe kɔ eɖokui ŋuti tso nu vɔ̃ mawo me la, eya
ŋudɔe woawɔ abe nu si ŋu bubu le nu si le kɔkɔe, si nye ŋudɔwɔnu na Aƒetɔ la eye
wòle klalo hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ ene.
22 Si le nu sia nu si naa nu vɔ̃ ƒe susu si ɖea fu na ɖekakpuiwo enuenu eye
wògena ɖe mewo la nu, ke nalé fɔ ɖe nu sia nu si nyɔa didi le mewò be nàwɔ nu
nyui la ŋu. Xɔse kple lɔlɔ̃ nanɔ mewò eye nana hadede kple ame siwo lɔ̃a Aƒetɔ la
eye woƒe dzime kɔ la, nado dzidzɔ na wò.
23 Megale egblɔ na wò be megade nu nyahehe dzodzro siwo tɔtɔa ame eye
wodoa dɔmedzoe na ame la me o. 24 Mele be Mawu ƒe amewo nanye dzrewɔlawo o,
ke boŋ ele be woanye nufiala siwo faa tu eye wogbɔa dzi ɖi na vodalawo. 25 Bɔbɔ
ɖokuiwò ne èle nu fiam ame siwo tɔtɔ le nyateƒe la ŋu. Elabena ne etsɔ ɖokuibɔbɔ
kple gbe blewu ƒo nu na wo la, mɔkpɔkpɔ geɖe li bena, to Mawu ƒe amenuveve me
la, woaɖe asi le woƒe susu tatrawo ŋu eye woaxɔ nyateƒe la dzi ase. 26 Ekema
woadze si nyateƒe la eye woasi le Satana ƒe mɔ̃ siwo wotrena be yeana woazu
kluviwo na nu vɔ̃ ɣesiaɣi si yelɔ̃ la nu; ale woate ŋu adze Mawu ƒe lɔlɔ̃nu dzi wɔwɔ
gɔme.

Mawu mavɔmavɔ̃ le ŋkeke mamlɛawo me
3 Wò ŋku nenɔ esia dzi be, ɣeyiɣi vɔ̃wo lava le ŋkeke mamlɛawo me. 2
Amewo anye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, dadalawo, amedzulawo,
ame siwo meɖoa to wo dzilawo o, akpemadalawo, ame makɔmakɔwo, 3
amemalɔ̃lawo, ame siwo metsɔa nu vɔ̃ kena o, ameŋugblẽlawo, ɖokuidzimaɖulawo,
ŋutasẽlawo, ame siwo léa fu nu nyui 4 amegɔmezɔlawo, dzimagbɔɖitɔwo,
ɖokuiŋudzelawo, ame siwo lɔ̃a xexemedzidzɔ wu Mawu, 5 ame siwo si gotagome ƒe
mawuvɔvɔ̃ le evɔ wogbe nu le Mawu ƒe ŋusẽ gbɔ. Te ɖokuiwò ɖa xaa tso ame siawo
gbɔ. Woawoe nye ame siwo yia ame bubuwo ƒe aƒewo me le adza me eye wowɔa
xɔlɔ̃ kple nyɔnu abunɛtɔ siwo me nu vɔ̃ xɔ aƒe ɖo la eye wofiaa woƒe xɔse yeye la
wo. 7 Nyɔnu siawo tɔgbi dzea nufiala yeyewo yome ɣesiaɣi, ke womesea nyateƒe la
gɔme ɣeaɖekeɣi o. 8 Nufiala siawo tsia tsitre ɖe nyateƒe la ŋu abe ale si Yane kple
Yambre tsi tsitre ɖe Mose ŋu ene. Susu ƒoɖi totro kpaɖikpaɖiwo le wo me eye wotsi
tre ɖe Kristo dzixɔse la ŋu.
9 Ke womanɔ edzi alea tegbee o. Gbe ɖeka la, amewo katã ava nya woƒe
amebeble abe ale si amewo va nya Yane kple Yambre ƒe nu vɔ̃ ene.
Paulo ka atam na Timoteo
10 Ke, ènya tso ŋkuléle ɖe ŋunye me be nyemenye ame siawo tɔgbi o. Ènya nu si
dzi mexɔ se, ale si menɔa agbee kple nu si dim mele. Ènya nye Kristo dzixɔse kple
nye fukpekpewo. Ènya nu tso ale si melɔ̃ wò kple nye dzidodo ŋu. 11 Ènya fukpekpe
geɖe siwo va dzinye le gbeƒãɖeɖe nyanyui la ta. Ènya nu siwo katã wowɔm esi meyi
Antioxia, Ikonio kple Listra hã, ke Aƒetɔ la ɖem tso wo me. 12 Ẽ, ame siwo ɖo be
yewoadze Kristo Yesu ŋu to agbenɔnɔ le mawuvɔvɔ̃ me la, akpe fu le ame siwo lé
fui la ƒe asi me. 13 Le nyateƒe me la, ame vɔ̃ɖiwo kple aʋatsonufialawo ƒe vɔɖivɔ̃ɖi
anɔ sesẽm ɖe edzi wu, eye woanɔ ame geɖewo blem abe ale si Satana ble woawo
ŋutɔ hã ene. 14 Ke ele na wò be nalé nu siwo wofia wò la dzixɔse me ɖe asi. Ènya
be nu siawo nye nyateƒe elabena ènya be yeate ŋu axɔ mi ame siwo fia nu siawo wò
la dzi ase. 15 Ènya ale si, esi nenye ɖevi sue la, wofia Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la wò, nu siawo
na nedze nunya be naxɔ Mawu ƒe amenuveve to Kristo Yesu dzixɔse me. 16 Mawu
tsɔ eƒe nya la na mí to eƒe Gbɔgbɔ si wɔ dɔ le amewo me la dzi. Eya ta Biblia nyo
hena nufiafia tso nu siwo nye nyateƒe la ŋu kple ale si wòana míadze si nu siwo nye
nu vɔ̃ le míaƒe agbenɔnɔ me. Edaa mí ɖe mɔ dzɔdzɔe dzi eye wokpena ɖe mía ŋu be
míawɔ nu si nyo eye wòdze. 17 Eyae nye Mawu ƒe mɔ si dzraa mí ɖo nyuie le go sia
go me hena nyuiwɔwɔ na ame sia ame.

4 Eya ta mele gbe tem ɖe edzi na wò le Mawu kple Kristo Yesu, ame si adrɔ̃
ʋɔnu ame gbagbewo kple ame kukuwo gbe ɖeka ne eva do be yeaɖo yeƒe fiaɖuƒe la
gɔme anyi la, ŋkume be, 2 nàɖe gbeƒã Mawu ƒe nya la kple vevidodo ɣeawokatãɣi,
ɣesiaɣi si nàkpɔ mɔnu ko, vovo li o, vovo meli o. Fia mɔ nyuitɔwo eye naka mo na
wò amewo ne ehiã. Do ŋusẽ wo be woawɔ nu si dze eye natsɔ Mawu ƒe nya anyi wo
kple dzigbɔɖi ɣesiaɣi.
3 Elabena ɣeyiɣi aɖe gbɔna esime amewo magaɖo to nyateƒe la o, ke boŋ
woanɔ tsatsam anɔ nufiala siwo agblɔ nya siwo woawo ŋutɔ adi be yewoase la dim.
4 Womaɖo to nu si Biblia le fifiam o, ke boŋ woadze woawo ŋutɔ ƒe susu tatrawo
yome dzidzɔtɔe.
5 Nɔ te sesῖe eye mègavɔ̃ fukpekpe le Aƒetɔ la ta o. Kplɔ ame bubuwo vɛ na
Kristo. Mègagbe nu sia nu si wòle na wò be nawɔ la wɔwɔ o.
6 Elabena nye la, wole trɔyem ƒo ɖi xoxo abe nunovɔsa ene eye nye ɣeyiɣi de
na dzodzo. 7 Meʋlῖ ʋiʋlῖ nyui la, mewu duɖimekeke la nu eye melé xɔse la me ɖe
asi. 8 Ke azɔ la, wodzra dzɔdzɔenyenye ƒe fiakuku ɖo ɖi nam esi Aƒetɔ, ʋɔnudrɔ̃la
dzɔdzɔe la, anam le ŋkeke ma dzi, eye menye nye ɖeka koe wòanɛ o, ke boŋ ame
siwo katã le mɔ kpɔm vevie na eƒe vava.
Paulo ƒe dɔdeasi mamlɛtɔwo na Timoteo
9 Do vevi be nàva gbɔnye kaba, 10 elabena ɖema gblẽm ɖi hedzo yi Tesalonika
elabena elɔ̃ xexe sia me. Kresken hã dzo yi Galatia. Nenema ke Tito hã dzo yi
Dalmatia. 11 Luka koe li kplim. Di Marko eye nàkplɔe ɖe asi vɛ elabena ekpena ɖe
ŋunye le nye dɔwɔwɔ me. 12 Medɔ Tikiko hã ɖe Efeso 13 Ne ègbɔna la, tsɔ
awuʋlaya si megblẽ ɖe Karpo gbɔ le Troa vɛ nam. Nenema kee nye agbalẽawo hã,
vevietɔ lãgbalẽtɔwo.
14 Aleksandro, akɔblinutula la wɔ nu vevi geɖem. Aƒetɔ la ahe to nɛ 15 ke
kpɔ nyuie le eŋu elabena etsi tsitre ɖe nu sia nu si míegblɔ la ŋu.
16 Zi gbãtɔ si wohem yi ʋɔnudrɔ̃la ŋkume la, ame aɖeke menɔ afi sia akpe ɖe
ŋunye o, ame sia ame si dzo. Mele mɔ kpɔm be womabu fɔ wo ɖe nu sia ta o. 17 Ke
Aƒetɔ la nɔ ŋunye eye wòna mɔkpɔkpɔm be magblɔ mawunya dzideƒotɔe na xexeame
katã nase. Ekpe ɖe ŋunye hã be wometsɔm na dzatawo o. 18 Ẽ, Aƒetɔ la aɖem
ɣesiaɣi tso vɔ̃wo katã me eye woakplɔm ayi eƒe dziƒofiaɖuƒe la me. Ŋutikɔkɔe woana
Mawu tso mavɔ me yi mavɔ me. Amen.
Gbedonamewo kple kaklãnyawo
19 Do gbe na Priskila kple Akwila kpakple ame siwo le Onisiforo ƒe aƒeme la nam.
20 Erasto le Kɔrinto eye megblẽ Trofimo, ame si dze dɔ la, ɖe Mileto.
21 Dze agbagba nava ɖo afi sia hafi vuvɔŋɔli naɖo. Eubulo, Pude, Lino,
Klaudia kple ame bubuawo katã do gbe na wò. 22 Aƒetɔ la nanɔ anyi kple wò
gbɔgbɔ. Mawu ƒe amenuveve nanɔ anyi kpli mi katã.

Laisser un commentaire

Votre adresse e-mail ne sera pas publiée. Les champs obligatoires sont indiqués avec *