Togo Chrétien

"L’amour de Dieu a été manifesté envers nous en ce que Dieu a envoyé son Fils unique dans le monde, afin que nous vivions par lui."

Bible Ewe

1 Jean

YOHANES ƑE AGBALẼ GBÃTƆ

Kpɔkplɔyiɖeme:

Yohanes, ame si nye Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka lae
ŋlɔ Yohanes ƒe nyanyui la kple Yohanes ƒe agbalẽ etɔ̃awo
kpakple nyaɖeɖefia hã. Le ɣemaɣi me la, aʋatsonufiala geɖewo
nɔ nu siwo mesɔ ɖe kristotɔnyenye nu o la fiam. Esia tae
Yohnaes ŋlɔ eƒe agbalẽ gbãtɔ sia be yeado ŋusẽ kristotɔwo be
womagaɖo to aʋatsonufialawo o, ke boŋ woadze sii be Mawue
nye Kekeli, Agbe kple Lɔlɔ̃ eya ta ele be woanɔ agbe si me
kekeli le. Eyi edzi be ele be woanɔ agbe si ana agbe mavɔ wo
to Kristo me la kple lɔlɔ̃ na wo havi nayɔ woƒe agbenɔnɔ me.
Ete gbe ɖe havilɔlɔ̃ dzi ale gbegbe be woda ŋkɔ ɖe edzi be
“Lɔlɔ̃ ƒe Apostolo.”

Emenyawo: 1. Kpɔkplɔyiɖeme, 1:1-4
2. Agbenɔnɔ le kekeli me, 1:5-2:29
3. Agbenɔnɔ le lɔlɔ̃ me, 3:1-4 :21
4. Agbenɔnɔ le xɔse vavãtɔ me, 5:1-12
5. Taƒonyawo, 5:13-21

Agbenya la
1 Nu si li tso xexeame ƒe gɔmedzedze ke, nu si ŋkɔ míese eye míekpɔ. Nu si
míekpɔ kɔtee kple míaƒe ŋkuwo, eye míawo ŋutɔ míeka asi eŋu la, eya ƒe nya míele
gbeƒã ɖem na mi be, eyae nye Agbenya la. 2 Agbe sia do, míekpɔe, míeɖia ɖase le
eŋuti eye míeɖea gbeƒã agbe mavɔ si le Fofoa gbɔ eye wòdze na mí la na mi. 4
Míele esia ŋlɔm ɖo ɖe mi be miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ nade blibo.
Mizɔ le kekeli la me
5 Azɔ la, esia nye gbedeasi si míese tso egbɔ eye míele gbeƒã ɖemi na mi be,
“Mawue nye kekeli eye viviti aɖeke mele eme kura o.” 6 Ne míegblɔ be míebɔa ha
kplii gake míegale viviti me zɔm la, ekema míenye alakpatɔwo eye míele nyateƒe la
dzi wɔm o. 7 Ke ne míezɔ le kekeli me abe ale si eya hã le, kekeli me ene la ekema
míebɔ ha kple mia nɔewo eye Yesu Kristo si nye Via, ƒe ʋu aklɔ míaƒe nu vɔ̃ ɖe
sia ɖe ɖa le mía ŋuti. 8 Ne míegblɔ be nu vɔ̃ mele mía ŋuti o la, ekema míele
mía ɖokuiwo blem eye nyateƒea mele mía me o. 9 Gake ne míeʋu míaƒe nu vɔ̃wo me
la ekema Mawu si nye nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ la atsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí eye
wòaklɔ madzɔmadzɔnyenye katã ɖa le mía ŋuti. 10 Ne míele gbɔgblɔm kokoko be
míewɔ nu vɔ̃ o la ekema míedo eya amea alakpatɔe eye eƒe nya mexɔ aƒe ɖe mía me
o.
2 Vinye lɔlɔ̃awo mele esia ŋlɔm ɖo ɖe mi be miagawɔ nu vɔ̃ o. Gake me ame
aɖe wɔ nu vɔ̃ la, Yesu Kristo si nye Kɔkɔetɔ la, li na mí eye aƒo nu aʋli mía ta le
Fofo la gbɔ. 2 Eyae nye avulévɔsa ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta, eye menye míawo ɖeɖe ko
tɔ tae o, ke boŋ ɖe xexeame blibo la ƒe nu vɔ̃wo hã tae.
Xɔse ƒe dodokpɔwo
3 Ne míewɔ ɖe eƒe sewo dzi la ekema kakaɖedzi le mía si be míenyae vavã. 4 Ame
si agblɔ be “Menyae,” gake mewɔ ɖe aƒe sededewo dzi o la, ame ma nye alakpatɔ
eye nyateƒe mele eme o. 5 Gake ne ame aɖe wɔa eƒe nya dzi la, Mawu ƒe lɔlɔ̃ de
blibo le eya amea me vavã. Eye aleae míawɔ anya be míele eya amea me: 6 ame si
gblɔ be yele eya amea me la, nanɔ agbe abe ale si Yesu hã nɔ agbee ene.
7 Xɔ̃nye lɔlɔ̃awo, nyemele se yeye aɖeke ŋlɔm na mi le agbalẽ sia me o, ke
boŋ, se xoxo ma si nɔ anyi tso gɔmedzedzea me la koe. Sedede xoxo siae nye
gbedeasi si miese xoxo. 8 Ke hã la, mele se yeye aɖe ŋlɔm ɖo ɖe mi, si ƒe nyateƒe le
dzedzem le miawo kple eya amea me xoxo, elabena viviti la le bubum eye kekeli
vavã la le keklẽm xoxo. 9 Ne ame aɖe agblɔ be yele kekeli la me gake wòléa fu
nɔvia la, ekema ame sia gale viviti me kokoko. 10 Ame si lɔ̃a nɔvia la, ƒe agbenɔnɔ
nye kekeli eye naneke mele eƒe agbe me si ana be woakli nu o. 11 Gake ne ame aɖe
lé fu nɔvia la, ekema ame sia le viviti me eye wòzɔna le viviti me menya afi si wòɖo
tae o elabena viviti la tsyɔ mo nâ.
12 Meŋlɔe na mi, vinye lɔlɔ̃awo,
Elabena wotsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ke mi
Le eƒe ŋkɔ la ta.
13 Meŋlɔe na mi, fofowo,
Elabena mienya eya ame si
Nɔ anyi tso gɔmedzedzea me ke.
Meŋlɔe na mi, ɖekakpuiwo,
Elabena mieɖu vɔ̃ɖitɔ la dzi
Meŋlɔe na mi, vinye lɔlɔ̃awo,
Elabena mienya Fofo la.
14 Meŋlɔe na mi, fofowo,
Elabena mienya eya ame si
Nɔ anyi tso gɔmedzedzea me ke
Meŋlɔe na mi, ɖekakpuiwo,
Elabena miesẽ ŋu,
Mawu ƒe nya la le mia me
Eye mieɖu vɔ̃ɖitɔ la dzi.
Migalɔ̃ xexeame o
15 Migalɔ̃ xexeame kple nu siwo le eme la o. Ne ame aɖe lɔ̃ xexeame la ekema
melɔ̃a Fofo la o. 16 Elabena nu sia nu si le xexeame la metso Fofo la gbɔ o ke boŋ
etso xexeame. Nu siawoe nye, amegbetɔ nu vɔ̃ wɔla ƒe didi vivivowo, eƒe ŋkubiabiã,
kple amegbetɔ ƒe dada ɖe nu siwo le esi la dzi. 17 Xexeame kple eƒe didiwo nu ava
yi gake ame si wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la nɔa agbe tegbee.
Nuxɔxlɔ̃ le Kristo ƒe futɔ la ŋuti
18 Vi lɔlɔ̃awo, míege ɖe gaƒoƒo mamlâatɔ me: eye abe ale si miese xoxo be Kristo ƒe
futɔ la gbɔna vava ge ene la, fifi laa la, Kristo ƒe futɔ geɖewo va ɖo xoxo. Esiae na
be míenya be gaƒoƒo alo ɣeyiɣi mamlâatɔ ɖo. 19 Wodo go dzo le mía dome, gake le
nyateƒe me la womenɔ mía dome le woƒe dziwo me o. Nenye mía dometɔ wonye
vavã la anye ne wotsi anyi, eye womedzo le mía gbɔ o. Woƒe dzodzo fia kɔtee be wo
dometɔ aɖeke menɔ mía dzi o.
20 Ke miawo la, Kɔkɔetɔ la ƒe amisisi le mia dzi eye mia dometɔ ɖe sia ɖe
nya nyateƒe la. 21 Nyemeŋlɔ ɖo ɖe mi esi mienya nyateƒe la ta o, ke boŋ be mienya
nyateƒe la, elabena alakpa mate ŋu ado tso nyateƒe me o. 22 Ame kae nye aʋatsokala
la? Ame si gblɔ be menye Yesue nye Mesia alo ɖela la o lae. Ame sia enye Yesu ƒe
futɔ la si gbea nu le Fofo la kple Vi la gbɔ. 23 Ame si gbe nu le Vi la gbɔ la, menya
Fofo la hã o; ke ame si xɔ Vi la la, eya amea xɔ Fofo la hã.
24 Ke miawo la, mikpɔ egbɔ be mielé nu si miese tso gɔmedzedzea me la ɖe
asi. Ne miewɔ esia la ekema miayi dzi anɔ Vi la kple Fofo la me. 25 Eye nu si ƒe
ŋugbe wòdo na mí la enye agbe mavɔ la.
26 Mele nu siawo ŋlɔm ɖo ɖe mi tso ame siwo le agbagba dzem be yewoahe
mi ayi mɔtatra dzii la ŋu. 27 Ke miawo la, amisisi si miexɔ tso egbɔ la, nɔa mia me
eye megahῖa be ame aɖeke nafia nu mi o, elabena eƒe amisisi la fiaa nu mi tso nuwo
katã ŋuti eye esi amisisi sia nye nyateƒetɔ eye menye aʋatsotɔ o ta la, minɔ eya amea
me, abe ale si wòfia mi ene.
28 Azɔ la vinye lɔlɔ̃awo minɔ agbe le eya amea me elabena kakaɖedzi anɔ
mía si eye ŋu makpe mí le eŋkume le eƒe vava ŋkekea dzi o. 29 Ne mienyae be enye
dzɔdzɔetɔ la akema ame sia ame si wɔa nu dzɔdzɔe la nye via.
Agbenɔnɔ abe Mawu viwo ene
3 Mikpɔ ale si gbegbe Fofo la lɔ̃a mí ɖa be woayɔ mí be Mawu viwo. Nyateƒe,
Mawu viwoe míenye. Nu si ta xexemetɔwo menya mí o lae nye be womenya eya
amea o. 2 Xɔ̃nye lɔlɔ̃wo, fifia míenye Mawu viwo, ke míenya nu si míava nye
etsɔmegbe la haɖe o. Gake míenya be ne Kristo va la míanɔ abe eya amea ene
elabena míakpɔe abe ale si wòle tututu ene. 3 Ame siwo katã le mɔkpɔkpɔ me alea la
wɔa wo ɖokuiwo dzadze abe ale si eya hã le dzadze ene. 4 Ame sia ame si wɔa nu
vɔ̃ la da sea dzi, le nyateƒe me la, nu vɔ̃ enye sedzimawɔmawɔ. 5 Ke ele nyanya me
na mi be ɖe wòva be yeatsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ayii. Nu vɔ̃ aɖeke mele eya ŋutɔ ƒe agbe
me o. 6 Ne ame aɖe le agbe le eya amea me la, amea meganɔa nu vɔ̃ wɔwɔ dzi
atraɖii o. Ne ame aɖe ganɔa nu vɔ̃ wɔwɔ dzi edziedzi la, ekema ame sia mekpɔe o
loo alo nyae o.
Vinye lɔlɔ̃awo, migana ame aɖeke nable mi ne miatra mɔ o. Ame si wɔa nu
nyui la enye ame dzɔdzɔe abe ale si eya hã le dzɔdzɔe ene. 8 Ame si wɔa nu vɔ̃ la
nye Abosam ƒe ame elabena Abosam le nu vɔ̃ wɔm tso gɔmedzedzea me ke. Nu si ta
Mawu ƒe Vi la va enye be wòagblẽ abosam ƒe nuwɔwɔwo. 9 Ame si wodzi le Mawu
me la meganɔa nu vɔ̃ wɔwɔ dzi o, elabena Mawu ƒe kutsetse le eme. Mate ŋu awɔ nu
vɔ̃ o elabena wodzii tso Mawu me. 10 To esia me míedea vovototo Mawu viwo kple
abosam viwo dome. Ame si mewɔa nu si le eteƒe o la menye Mawu vi o. Nenema ke
ame si melɔ̃a nɔvia o la menye Mawu vi o.
11 Esia enye gbedeasi si miese tso gɔmedzedzea, bena ele be míalɔ̃ mía
nɔewo. Miganɔ abe Kain ene o. Le esi wònye abosam ƒe ame ta la, ewu nɔvia. Nu ka
ta wòwu nɔvia? Elabena, eƒe wɔnawo vɔ̃ɖi, ke nɔvia ƒe wɔnawo le dzɔdzɔe. 13
Nɔvinyewo ne xexeame lé fu mi la megawɔ nuku na mi kura o. 14 Míenya be míeto
ku me yi agbe me elabena míelɔ̃a mía nɔewo. Ame si melɔ̃a ame o la, gale ku ƒe
asime. 15 Ame si ke léa fu nɔvia la nye amewula eye ele nyanya me na mi be agbe
mavɔ meli na amewula aɖeke o. 16 Ale si Yesu Kristo va ku ɖe mía ta la, ɖe nu si
lɔlɔ̃ nye la fia mí. Eya ta ele be míawo hã míatsɔ míaƒe agbe aɖo anyi na mía
nɔviwo. 17 Ne xexemenuwo le ame aɖe si f•u eye wòkpɔ nɔvia aɖe si nye hiãtɔ eye
mekpɔ nublanui nâ o la ale ke woate ŋu akpɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ le eme? 18 Vinye
lɔlɔ̃awo migana míalɔ̃ mía nɔewo kple nya alo kple aɖe ɖeɖe ko o, ke boŋ kple
nuwɔna eye le nyateƒe me. 19 Ekema esia nye ale si míenyana be míenye nyateƒe la
tɔ, kple ale si míeɖea dzi ɖi le eŋkume. 20 ɣesiaɣi si míaƒe dzitsinya bu fɔ mí
elabena Mawu lolo wu míaƒe dziwo eye wònya nu sia nu. 21 Nɔvi lɔlɔ̃awo, ne míaƒe
dziwo mebu fɔ mí o la, dzideƒo le mía si le Mawu ŋkume 22 eye nu sia nu si
míabiae la míakpɔe elabena míewɔ eƒe sewo dzi eye míewɔ nu si adzea eŋu. 23 Eƒe
sedede nye esia bena míaxɔ via Yesu Kristo dzi ase, eye míalɔ̃ mía nɔewo abe ale si
wòde se na mí ene. 24 Ame siwo wɔa ɖe eƒe sewo dzi la nɔa agbe le eme eye eya hã
nɔa wo me. Eye aleae míenyana be ele agbe le mía me: Míenyae to Gbɔgbɔ si wòna
mí la dzi.
Mido gbɔgbɔwo kpɔ
4 Nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, migaxɔ gbɔgbɔ ɖe sia ɖe ko dzi se o, ke boŋ mido gbɔgbɔwo
kpɔ be wotso Mawu gbɔ hã. Elabena aʋatsonyagblɔɖila geɖewo kaka ɖe xexeame. 2
Ale míatsɔ dze si Mawu ƒe Gbɔgbɔe nye si: Gbɔgbɔ ɖe sia ɖe si ɖe gbeƒã be Yesu
Kristo va le ŋutilã me la, tso Mawu gbɔ. 3 Ke Gbɔgbɔ ɖe sia ɖe si meɖea gbeƒã Yesu
Kristo o la metso Mawu gbɔ o. Esiae nye Kristo ƒe futɔ ƒe gbɔgbɔ si mísese be
egbɔna eye fifia gɔ̃ hã la ele xexeame xoxo. 4 Vinye lɔlɔ̃awo, miawo ya la mienye
Mawu viwo eye mieɖu aʋatsonyagblɔɖila siawo dzi; elabena Gbɔgbɔ si le mia me la
tri akɔ wu esi le xexeame. 5 Wotso xexeame, eya ta woƒoa nu le xexeame ƒe
nugɔmesese nu, eye xexeame ɖoa to wo. 6 Míawo ya míetso Mawu gbɔ eye ame sia
ame si nya Mawu la, ɖoa to mí; ke ame si metso Mawu gbɔ o la meɖoa to mí o.
Esiae na míedzea si Nyateƒe Gbɔgbɔ kple aʋatso gbɔgbɔ.
7 Xɔ̃nye lɔlɔ̃wo, mina míalɔ̃ mía nɔewo elabena Mawu gbɔe lɔlɔ̃ tsona. Ame
sia ame si lɔ̃a ame la wodzi tso Mawu me eye wònya Mawu. 8 Ame si melɔ̃a ame o
la, menya Mawu o elabena Mawu nye lɔlɔ̃. 9 Ale si Mawu ɖe eƒe lɔlɔ̃ fia le mía
dome lae nye; eɖo via ɖeka hɔɔ̃ ɖe xexeame be míanɔ agbe to eya amea me. 10 Esia
enye lɔlɔ̃ vavã, menye míawoe lɔ̃ Mawu o, ke boŋ le eƒe lɔlɔ̃ na mí ta wòɖo Via ɖa
abe avulévɔsa le míaƒe nu vɔ̃wo ta ene. 11 Xɔ̃nye lɔlɔ̃tɔwo, le ale si Mawu lɔ̃ mí ta
la ele be míawo hã míalɔ̃ mía nɔewo. 12 Ame aɖeke mekpɔ Mawu kpɔ o, ke ne
míelɔ̃ mía nɔewo la, Mawu ƒe Gbɔgbɔ le mía me eye eƒe lɔlɔ̃ ade blibo le mía me.
13 Míenyae bena míele agbe le eya amea me eye eya hã le mía me, elabena
etsɔ eƒe Gbɔgbɔ de mía me. 14 Míekpɔe eye míeɖi ɖase be Fofo la ɖo Via ɖa be
wòanye xexeame ƒe ɖela. 15 Ame sia ame si aɖe gbeƒã be Yesue nye Mawu Vi la
la, Mawu le eya amea me eye eya hã le Mawu me.
17 Esi wòwɔ míaƒe lɔlɔ̃ wòde blibo le mía dome ale be dzideƒo nanɔ mía si le
ʋɔnudrɔŋkekea dzi, elabena míaƒe agbenɔnɔ le xexe sia me sɔ kple etɔ. 18 Vɔ̃vɔ
aɖeke menɔa lɔlɔ̃ me o ke boŋ lɔlɔ̃ vavãtɔ nyaa vɔvɔ̃ katã ɖa. Elabena vɔvɔ̃ ku ɖe
tohehe ŋu. Ame si vɔ̃na la ƒe lɔlɔ̃ mede blibo o.
19 Míelɔa mía nɔewo elabena Mawu tre mí lɔlɔ̃. 20 Ne ame aɖe ƒo adegbe be,
“Melɔ̃ Mawu,” ke wòléa fu nɔvia la, enye alakpatɔ elabena ame sia ame si me lɔ̃a
nɔvia, ame si kpɔm wòle o la, mate ŋu alɔ̃ Mawu ame si mekpɔ o. 21 Mawu ŋutɔ de
se na mí be, Ame si lɔ̃a Mawu la nelɔ̃ nɔvia hã.
Mawu vi la dzixɔse
5 Ame sia ame si xɔe se be Yesue nye Kristo la la, wodzii tso Mawu me, eye
ame sia ame si lɔ̃a Fofo la la, lɔ̃a Via hã. 2 Esiae nye ale si míenyana be míelɔ̃a
Mawu Viwo; to Mawu lɔ̃lɔ kple eƒe seawo dziwɔwɔ me. 3 Esiae nye lɔlɔ̃ na Mawu;
be woawɔ eƒe seawo dzi eye eƒe sewo mesesẽ o. 4 Elabena ame si wodzi le Mawu
me la, ɖu xexeame dzi. Míaƒe xɔsee nye nu si ɖu xexeame dzi. 5 Ame kae nye ame
si ɖu xexeame dzi? Ame si xɔe se be Yesue nye Mawu Vi, la koe.
6 Yesu Kristo enye ame si va to tsi kple ʋu me. Meva to tsi me ɖeɖe ko o, ke
boŋ to tsi kple ʋu me. Eye Gbɔgbɔ lae le ɖase ɖim le nu sia ŋu elabena Gbɔgbɔ lae
nye nyateƒe la.
7 Ame etɔ̃a le ɖase ɖim, 8 woawoe nye Gbɔgbɔ la, Tsi la kple ʋu la, eye wo
katã ƒe ɖaseɖiɖi le ɖeka. 9 Míexɔa amegbetɔwo ƒe ɖaseɖiɖiwo, ke Mawu ƒe ɖase si
wòɖi le Via ŋu la de ŋgɔ saã wu esiawo. 10 Eya ta ame sia ame si xɔa Mawu Vi la
dzi sena la, ɖia ɖase le eƒe dzime. Eye ame si mexɔa Mawu dzi se o la ewɔ Mawu
aʋatsokalae elabena mexɔ ɖase si Mawu ɖi le Via ŋu la dzi se o. 11 Nya lae nye si
be Mawu na agbemavɔ mí eye agbemavɔ sia le Via me. 12 Ame si si Vi la le la agbe
le esi; eye ame si si Mawu Vi la mele o la agbe mele esi o.
Toƒonyawo
13 Mele nu siawo ŋlɔm ɖo ɖe mi ame siwo xɔ Mawu Vi la ƒe ŋkɔ dzi se la ale be
mianya be agbemavɔ le mia si. 14 Kakaɖedzi sia le mía si le tete ɖe Mawu ŋu me be,
ne míebia nu si sɔ ɖe eƒe lɔlɔ̃nu dzi la eɖoa to mí. 15 Eye ne míenyae be eɖoa to mi
le, nu sia nu si míebia me la, míenyae be míaƒe asi su nu si míebiae la dzi.
16 Ne ame aɖe kpɔ be ye nɔvi wɔ nu vɔ̃ si ƒe fetu menye ku o la, nedo gbe ɖa
ale be Mawu naxɔe ɖe agbe. Esia ku ɖe ame siwo ƒe nu vɔ̃ mehea ku vanâ o la ŋuti.
Nu vɔ̃ aɖe li si hea ame yina ku me, menye nu vɔ̃ sia tɔgbe ƒe nya gblɔm mele o. 17
Nu gbegblẽ wɔwɔ ɖe sia ɖe ƒomevi nye nu vɔ̃, gake nu vɔ̃ aɖewo li siwo mehea ame
yina ku mee o.
18 Minyae kɔtee bena, ne wodzi ame aɖe tso Mawu me la, meganɔa nu vɔ̃
wɔwɔ dzi atraɖii o, Mawu Vi la ŋutɔ kpɔa eta be wònɔna dedie eye Vɔ̃ɖitɔ la metea
ŋu kaa asi eŋu o. 19 Míenyae be Mawuviwoe míenye eye be xexeame blibo la le
vɔ̃ɖitɔ la ƒe ŋusẽ te. 20 Míenyae hã bena Mawu Vi la va eye wòna nugɔmesese mí
ale be míanye eya ame si nye nyateƒea. Míele nyateƒea si nye Via Yesu Kristo la me.
Eyae nye nyateƒe Mawu kple agbemavɔ la.
21 Vinye lɔlɔ̃awo, miɖe mia ɖokuiwo ɖa le legbawo gbɔ.

Laisser un commentaire

Votre adresse e-mail ne sera pas publiée. Les champs obligatoires sont indiqués avec *